Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Minɔ Tsitre Bliboe, Miakpɔ Kakaɖedzi Sẽŋu

Minɔ Tsitre Bliboe, Miakpɔ Kakaɖedzi Sẽŋu

Minɔ Tsitre Bliboe, Miakpɔ Kakaɖedzi Sẽŋu

“[Enɔa] mia ta ʋlim le gbedodoɖa me ɖaasi, bene mianɔ tsitre abe amesiwo le blibo, eye wokpɔ kakaɖedzi [sẽŋu] le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu katã ŋuti ene.”—KOLOSETƆWO 4:12.

1, 2. (a) Nukae egodotɔwo de dzesii le Kristotɔ gbãtɔwo ŋu? (b) Aleke ɖetsɔlemename lɔlɔ̃tɔe dze le Kolosetɔwo ƒe agbalẽa mee?

YESU yomedzelawo tsɔ ɖe le eme na wo hati tadeagulawo ŋutɔ. Tertullian (ƒe alafa evelia kple etɔ̃lia M.Ŋ. me nuŋlɔla) ƒo nu tso alesi wonyo dɔme na tsyɔ̃eviwo, ame dahewo, kple ame tsitsiwoe ŋu. Lɔlɔ̃ɖeɖefia mawo wɔ dɔ ɖe dzimaxɔsetɔwo dzi ale gbegbe be wo dometɔ aɖewo gblɔ tso Kristotɔwo ŋu be, ‘Mikpɔ alesi gbegbe wolɔ̃ wo nɔewoe ɖa.’

2 Kolosetɔwo ƒe agbalẽa ɖee fia be apostolo Paulo kple eƒe zɔhɛ Epafra ɖe ɖetsɔleme lɔlɔ̃tɔe sia tɔgbe fia wo nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo nɔ Kolose. Paulo ŋlɔ ɖo ɖe wo be: Epafra “nye amesi nɔa mia ta ʋlim le gbedodoɖa me ɖaasi, bene mianɔ tsitre abe amesiwo le blibo, eye wokpɔ kakaɖedzi [sẽŋu] le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu katã ŋuti ene.” Le ƒe 2001 me la, Kolosetɔwo 4:12 me nya siwo nye: ‘Minɔ tsitre bliboe, eye mikpɔ kakaɖedzi sẽŋu na Mawu ƒe lɔlɔ̃nu katã’ ye anye Yehowa Ðasefowo ƒe ƒea ƒe mawunyakpukpui.

3. Nu eve kawo tae Epafra do gbe ɖa ɖo?

3 Àkpɔe be Epafra ƒe gbedodoɖa ɖe nɔvia lɔlɔ̃tɔwo ta ma ɖe akpa eve me: (1) be “woanɔ tsitre mlɔeba abe amesiwo le blibo ene,” (NW) eye (2) ‘woakpɔ kakaɖedzi sẽŋu le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu katã ŋuti.’ Wode nya siawo Ŋɔŋlɔawo me be wòaɖe vi na mí. Eyata bia ɖokuiwò se be, ‘Nukae wòhiã be mawɔ bene mlɔeba la, manɔ tsitre abe amesi le blibo, eye wòkpɔ kakaɖedzi sẽŋu le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu katã ŋuti ene? Eye ŋusẽ kae nusia wɔwɔ akpɔ ɖe amewo dzi?’ Mina míakpɔe ɖa.

Midze Agbagba ‘Mianɔ Tsitre Bliboe’

4. Gɔmesese ka nue wòhiã be Kolosetɔwo nade “blibo” le?

4 Epafra di vevie be yeƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le Kolose ‘nanɔ tsitre mlɔeba abe amesiwo le blibo ene.’ Nya si Paulo zã si gɔme woɖe le afisia be “blibo” la ate ŋu afia nusi de blibo, nusi tsi keŋkeŋ, nusi tsi nyuie. (Mateo 19:21; Hebritɔwo 5:14; Yakobo 1:4, 25) Ànyae be Yehowa ƒe Ðasefo xɔnyɔnyrɔ nyenye ɖeɖe mefia be wozu Kristotɔ tsitsi o. Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Efesotɔ siwo nɔ Kolose ƒe ɣetoɖoƒekpa dzi be alẽkplɔlawo kple nufialawo dzea agbagba be yewoakpe ɖe amesiame ŋu be ‘wòade Mawuvi la dzixɔse kple sidzedze ƒe ɖekanyenye la gbɔ, azu ŋutsu blibo, eye míade Kristo ƒe tsitsime blibo la ƒe dzidzenu la gbɔ.’ Paulo de dzi ƒo na Kristotɔwo le teƒe bubu be woazu ‘ame tsitsiwo le nugɔmesese me.’—Efesotɔwo 4:8-13; Korintotɔwo I, 14:20.

5. Aleke míate ŋu awɔ blibonyenye nanye taɖodzinu vevi aɖe na mí?

5 Ne ame aɖewo metsi zu blibo le gbɔgbɔ me haɖe le Kolose o la, ke ele be nu ma nanye woƒe taɖodzinu. Ðe mele be wòanɔ nenema ke le míawo hã mía gome egbea o? Eɖanye míexɔ nyɔnyrɔ eteƒe didi alo eteƒe medidi o, ɖe míate ŋu akpɔe kɔte be míewɔ ŋgɔyiyi le míaƒe tamebubuŋutete kple nukpɔsusu mea? Ðe míebua Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu hafi wɔa nyametsotsoa? Ðe nya siwo ku ɖe Mawu kple hamea ƒe nyonyo ŋu le nɔƒe vevi xɔm wu le míaƒe agbe me, ke menye nusi míenɔa anyi ʋuu hafi va ɖoa ŋku edzi oa? Míate ŋu aƒo nu tso mɔ vovovo siwo nu míaɖee afia le be míele tsitsim ɖo ta blibonyenye gbɔ ŋu o, gake mina míabu eƒe kpɔɖeŋu eve ŋu kpɔ.

6. Nusiwo me wòate ŋu ahiã le be míawɔ ŋgɔyiyi aɖo ta blibodede, abe alesi Yehowa de bliboe ene, gbɔ dometɔ ɖeka ɖe?

6 Kpɔɖeŋu gbãtɔ: Mina míatsɔe be míetsi le nuto si me wobua nazã ɖe amesiwo ƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede to vovo alo amesiwo nye dukɔ alo nuto bubu me tɔwo ŋu, alo míetsi le afisi fuléle amesiawo nu sẽ le la me. Míenya be Mawu mekpɔa ame ŋkume o eye be mele be míawo hã míakpɔ ame ŋkume o. (Dɔwɔwɔwo 10:14, 15, 34, 35) Ame mawo siwo ƒe ŋutigbalẽ to vovo alo nye dukɔ bubu me tɔwo dometɔ aɖewo le míaƒe hamea alo nutome suea me, eyata mía kple wo míenɔa teƒe ɖeka. Gake le ememe la, ɖe nazãbubu aɖe gale mía me ɖe amesiawo ŋua? Ðe nu vea mí ale be míebua susu vɔ̃ ɖe afima tɔwo ŋu ne wo dometɔ aɖe wɔ vodada alo dze agɔ sue aɖe le mía dzia? Bia ɖokuiwò se be, ‘Ðe wòhiã be magawɔ ŋgɔyiyi wu be Mawu ƒe ameŋkumemakpɔmakpɔ susu nanɔ asinyea?

7. Susu kae wòle be wòanɔ mía si ɖe amewo ŋu esime míele ŋgɔyiyi wɔm ɖo ta Kristotɔwo ƒe blibonyenye gbɔ?

7 Kpɔɖeŋu evelia: Filipitɔwo 2:3 gblɔ be míagawɔ ‘naneke le dzrewɔwɔ alo bubu dzodzro ta o, ke boŋ mía dome amesiame natsɔ ɖokuibɔbɔ abu nɔvia gã wu.’ Aleke míele ŋgɔ yimee le esia me? Gbagbãƒe le amesiame ŋu eye nenema ke nye nyuiƒewo hã. Ne tsã míelɔ̃a amewo ƒe gbagbãƒewo kpɔkpɔ la, fifia ɖe míeyi ŋgɔ eye míegakpɔa mɔ be ele be woawɔ nu wòagogo ‘blibodede’ oa? (Yakobo 3:2) Ðe fifia míete ŋu kpɔa mɔ siwo nu wole ŋgɔ na mí le—eye míedina gɔ̃ hã be míalé ŋku ɖe wo ŋu wu tsãa? ‘Ele be malɔ̃ ɖe edzi be nɔvinyɔnu sia le ŋgɔ nam le dzigbɔgbɔɖi gome.’ ‘Ame kemɛ ɖea xɔse si me kakaɖedzi le fiana wu.’ ‘Nyateƒee, ebi ɖe nufiafia me wum.’ ‘Nɔvinyɔnu ma te ŋu ɖua eɖokui dzi ne dzi kui wum.’ Ðewohĩ ehiã be Kolosetɔ aɖewo nawɔ ŋgɔyiyi le akpa sia. Ðe wòle nenema le míawo hã gomea?

8, 9. (a) Gɔmesese ka nue Epafra do gbe ɖa ɖe Kolosetɔwo ta le be ‘woanɔ tsitre’ abe amesiwo le blibo ene? (b) Nukae ‘edziyiyi anɔ blibo’ fia ku ɖe etsɔme ŋu?

8 Epafra do gbe ɖa be Kolosetɔwo ‘nanɔ tsitre bliboe.’ Eme kɔ kɔte be Epafra nɔ gbe dom ɖa na Mawu be afisi Kolosetɔwo ɖo blibonyenye gbɔ, alo zu ame tsitsiwo, Kristotɔ tsitsiwoe se ɖo la, ‘woanɔ tsitre,’ alo be woayi edzi nenema.

9 Míate ŋu atsɔe ko be amesiame si va zu Kristotɔ alo amesi tsi le gbɔgbɔ me ayi edzi nenema o. Yesu gblɔ be Mawu ƒe vi aɖe si nye mawudɔla “[meli] ɖe nyateƒe la me o.” (Yohanes 8:44) Eye Paulo ɖo ŋku edzi na Korintotɔwo be ame aɖewo nye Yehowa subɔlawo tsã gake wova de megbe. Exlɔ̃ nu nɔvi siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na be: “Amesi ke susuna be, yele tsitre la, nakpɔ nyuie, bena wòagadze anyi o.” (Korintotɔwo I, 10:12) Esia na míegakpɔ alesi gbegbe gbe si wodo ɖa be ‘mlɔeba la,’ Kolosetɔwo ‘nanɔ tsitre abe amesiwo le blibo ene’ la le vevie. Ne wonya zu blibo, amesiwo tsi keŋkeŋ ko la, ele be woayi edzi nenema, mele be woahe ɖe megbe, ɖeɖi nate wo ŋu, alo woanɔ megbe dem vivivi o. (Hebritɔwo 2:1; 3:12; 6:6; 10:39; 12:25) Esia ana woazu ‘blibo’ le woƒe kpɔkpɔɖaŋkeke la dzi ale be mlɔeba la, woakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu.—Korintotɔwo II, 5:10; Petro I, 2:12.

10, 11. (a) Gbedodoɖa ƒe kpɔɖeŋu kae Epafra ɖo na mí? (b) Le nusi Epafra wɔ sɔsrɔ̃ me la, nukae nàdi be yeaɖo kplikpaa awɔ?

10 Míeƒo nu tso gbedodoɖa ayɔ amewo ŋkɔ, atɔ asi edzi tẽ be Yehowa nekpe ɖe wo ŋu, wòafa akɔ na wo, ayra wo, eye wòana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea wo ŋu va yi xoxo. Gbe ma ƒomevie Epafra do ɖa ɖe Kolosetɔwo ta. Eye míate ŋu akpɔ aɖaŋuɖoɖo xɔasi aɖe le nusi míatsɔ aɖo Yehowa ŋkume ne míele gbe dom ɖa le mía ɖokui ŋu le nya mawo me—eye alea wòle be wòanɔ hã. Ðikeke mele eme o be ehiã be mí katã míabia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu le esia wɔwɔ me bene mía dometɔ ɖesiaɖe ‘nayi edzi anɔ blibo mlɔeba.’ Èbiana?

11 Nukatae màƒo nu tso wò nɔnɔmea ŋu le gbedodoɖa me o? Gblɔ afisi nèwɔ ŋgɔyiyi ɖoe le agbagbadzedze ɖo ta ‘blibonyenye,’ alo tsitsi bliboe gbɔ me na Mawu. Ðe kuku nɛ vevie be wòakpe ɖe ŋuwò nàkpɔ nusiwo me wòagahiã be nàgawɔ ŋgɔyiyi le le gbɔgbɔmetsitsi gome. (Psalmo 17:3; 139:23, 24) Ðikeke mele eme o be nanewo li nenema le ŋuwò. Esi wòle alea ta la, le esi dzi naɖe le ƒowò teƒe la, ɖe kuku tẽ na Mawu vevie eme nakɔ be nèdi be wòakpe ɖe ŋuwò nàwɔ ŋgɔyiyi. Mègasee ɖe zi ɖeka ko dzi o. Le nyateƒe me, nukatae màɖoe be le kwasiɖa sia si gbɔna me la, nàdo gbe ɖa ɣeyiɣi didi aɖe be ‘nàte ŋu ayi edzi anɔ blibo’ o. Eye wɔ ɖoɖo be nàyi edzi anɔ ewɔm esime nèle ƒea ƒe mawunyakpukpuia ŋu bum. Le wò gbedodoɖawo me la, ƒo nu tso didi si anɔ mewò be yeahe ɖe megbe, ɖeɖi nate ŋuwò, alo nàde megbe le Mawu subɔsubɔ ŋu kple alesi nàwɔ nusiawo madzɔ ɖe dziwò o la ŋuti.—Efesotɔwo 6:11, 13, 14, 18.

Do Gbe Ða be Kakaɖedzi Sẽŋu Nanɔ Asiwò

12. Nukatae wòhiã be “kakaɖedzi sẽŋu” nanɔ Kolosetɔwo koŋ si?

12 Epafra bia nu bubu aɖe hã si hiã vevie bene woakpɔ Kolosetɔwo be wonye amesiwo ŋu Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ le le eƒe gbedodoɖawo me. Nu ma hiã na míawo hã. Nukae nye ma? Edo gbe ɖa be woanɔ tsitre ‘akpɔ kakaɖedzi sẽŋu le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu katã ŋuti.’ Nudadafiafia kple xexemenunya siwo nɔa nu gblẽm le ame ŋu vivivi ƒo xlã wo, eye nusiawo dometɔ aɖewo flua ame bɔbɔe abe tadedeagu vavãtɔ ƒe wɔna ƒe akpa aɖee wonye ene. Le kpɔɖeŋu me, woƒoe ɖe wo nu be woatsi nu dɔ le ŋkeke tɔxɛ aɖewo dzi alo woaɖu azã le wo dzi, abe alesi wòhiã le Yudatɔwo ƒe tadedeagu me tsãe ene. Alakpanufialawo he susu yi mawudɔlawo, gbɔgbɔ triakɔ siwo dzi woto tsɔ Sea na Mose la dzi. Kpɔe ɖa le susu me be nuwòe wonɔa nya ƒom ɖo nenema! Nufiafia siwo tɔtɔa ame hetsi tre ɖe wo nɔewo ŋu gbogbo aɖe nɔ anyi.—Galatiatɔwo 3:19; Kolosetɔwo 2:8, 16-18.

13. Nu vevi ka nyanyae ate ŋu akpe ɖe Kolosetɔwo ŋu, eye aleke nu ma ate ŋu akpe ɖe míawo hã ŋui?

13 Paulo te gbe ɖe Yesu Kristo ƒe wɔƒe dzi tsɔ tsi tre ɖe nufiafia siawo ŋui. “Abe alesi miexɔ Kristo Yesu, Aƒetɔ la, nenema ke mizɔ le eyama me, eye mianye amesiwo do ke, eye wotu wo ɖe eyama me, eye woli ke wo ɖe xɔse me, abe alesi wofia mi ene.” Nyateƒee, kaka ɖe nusi nye Kristo ƒe wɔƒe le Mawu ƒe tameɖoɖo me kple le míaƒe agbe me dzi bliboe hiã (Kolosetɔwo kple míawo hã). Paulo ɖe nu me be: “Mawu ƒe agbɔsɔsɔme blibo la katã nɔ eyama me le ŋutilã ƒe nɔnɔme, eye woyɔ mi taŋ le eyama, si nye ta na dziɖulanyenye kple ŋusẽwo katã la me.”—Kolosetɔwo 2:6-10.

14. Nukatae mɔkpɔkpɔ nye nu ŋutɔŋutɔ na Kolosetɔwo?

14 Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami nae Kolosetɔwo nye. Mɔkpɔkpɔ ɖedzesi, si nye agbenɔnɔ le dziƒo nɔ wo si, eye esia nye nusita woadze agbagba ɖesiaɖe be woana woƒe mɔkpɔkpɔa nanɔ yeye. (Kolosetɔwo 1:5) “Mawu ƒe lɔlɔ̃nu” ye nye be kakaɖedzi sẽŋu nanɔ wo si ɖe woƒe mɔkpɔkpɔa ƒe nuŋutɔŋutɔnyenye ŋu. Ðe wòle be ɖikeke nanɔ wo dometɔ aɖe me le mɔkpɔkpɔ ma ŋua? Kura o! Ðe wòle be amesiwo Mawu na agbenɔnɔ le paradisonyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔe dometɔ aɖe nake ɖi le mɔkpɔkpɔ sia ŋua? Gbeɖe o! Edze ƒã be mɔkpɔkpɔ ma si ŋu kakaɖedzi le nye “Mawu ƒe lɔlɔ̃nu” ƒe akpa aɖe. Enyo, bu biabia siawo ŋu kpɔ: Ne èle agbagba dzem be yeanye “ameha gã” me tɔ si atsi agbe le “xaxa gã” la me la, ke aleke gbegbe mɔkpɔkpɔ sia nye nu ŋutɔŋutɔe na wò? (Nyaɖeɖefia 7:9, 14) Ðe wònye nusiwo me nèkpɔ ‘kakaɖedzi sẽŋu le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu katã ŋuti’ ƒe akpa aɖea?

15. Nukawoe Paulo yɔ tsiã ɖe nu si me wòyɔ mɔkpɔkpɔ hã le?

15 Menye nudzroame dzro aɖe alo susu me tsaglãlatsatsa ye “mɔkpɔkpɔ” si gblɔm míele la nye o. Míate ŋu akpɔ esia le nusiwo Paulo yɔ tsiã ɖe enu do ŋgɔ le eƒe agbalẽ si wòɖo ɖe Romatɔwo la me. Nusiwo Paulo yɔ la do ƒome kple wo nɔewo alo wode nu wo nɔewo me. Lé ŋku ɖe afisi Paulo da “mɔkpɔkpɔ” ɖo le eƒe numeɖeɖea me ŋu: “Míeƒoa adegbe le xaxawo me . . . , esi míenyae bena, xaxa dzia dzidodo; ke dzidodo dzia [ŋudzedzekpɔkpɔ, ke ŋudzedzekpɔkpɔ dzia mɔkpɔkpɔ, NW]; ke mɔkpɔkpɔ menana ŋu kpea ame o, elabena wotrɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la kɔ ɖe míaƒe dziwo me to Gbɔgbɔ kɔkɔe . . . la dzi.”—Romatɔwo 5:3-5.

16. Mɔkpɔkpɔ kae su asiwò le Biblia ƒe nyateƒea sɔsrɔ̃ me?

16 Zi gbãtɔ si Yehowa Ðasefowo gblɔ gbedasi si le Biblia me na wò la, ɖewohĩ wohe wò susu yi nyateƒenya aɖe abe esi ku ɖe nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu alo tsitretsitsia ene dzi. Le ame geɖe gome la, nu vevi si wode dzesii zi gbãtɔe nye agbenɔnɔ le anyigba dzi paradiso me si wotu ɖe Biblia dzi. Ðo ŋku zi gbãtɔ si nèse nufiafia ma dzi. Mɔkpɔkpɔ wɔnuku kae nye si wònye—dɔléle kple tsitsi nu ayi, àte ŋu anɔ agbe tegbee aɖu wò asinudɔwɔwɔ me kutsetsewo, ahanɔ ŋutifafa me kple lãwo! (Nyagblɔla 9:5, 10; Yesaya 65:17-25; Yohanes 5:28, 29; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Mɔkpɔkpɔ wɔnuku aɖe su asiwò!

17, 18. (a) Aleke nusiwo Paulo gblɔ ɖe wo nɔewo yome na Romatɔwo la naa mɔkpɔkpɔ ɖoa ame sii? (b) Mɔkpɔkpɔ ka ƒomevi ƒe nyae wogblɔ le Romatɔwo 5:4, 5, eye ɖe mɔkpɔkpɔ ma le asiwòa?

17 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ɖewohĩ èdo go tsitretsiɖeŋu alo yometiti aɖe. (Mateo 10:34-39; 24:9) Le fifi ɣeyiɣiwo gɔ̃ hã me le dukɔ aɖewo me la, woha Ðasefowo ƒe aƒewo alo nɔnɔmeawo zi wo dzi be woazu sitsoƒedilawo. Wodze ame aɖewo dzi, woxɔ woƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo le wo si, alo wogblɔ alakpanyawo ɖe wo ŋu le nyadzɔdzɔgbalẽwo me. Eɖanye yometiti ka ƒomevi mee nèto o, abe alesi Romatɔwo 5:3 gblɔe ene la, ète ŋu kpɔ dzidzɔ le xaxa me, eye nu nyuiwo do tso eme. Abe alesi Paulo ŋlɔe ene la, xaxa la dzi dzidodo ɖe mewò. Eye dzidodo dzi ŋudzedzekpɔkpɔ. Ènya be nu nyui wɔm yenɔ, be Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm yenɔ, eyata èka ɖe edzi be yeƒe nu dze eŋu. Abe alesi Paulo gblɔe ene la, èse le ɖokuiwò me be ‘ekpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu.’ Le edziyiyi me la, Paulo ŋlɔ be “ŋudzedzekpɔkpɔ dzia mɔkpɔkpɔ.” Ðewohĩ ema awɔ na wò yaa vie. Nukatae wònye didiƒe sia kee Paulo va da “mɔkpɔkpɔ” ɖo? Ðe mɔkpɔkpɔ menɔ asiwò xoxoxo va yi, esime nèse nyanyuia zi gbãtɔ oa?

18 Eme kɔ ƒã be menye agbe deblibo nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ si nɔ mía me zi gbãtɔ ƒe nya gblɔm Paulo le le afisia o. Nusi ŋu nya gblɔm wòle yi ŋgɔ wu ema; ede to wu, eye wòʋãa ame wu. Ne míedo dzi nuteƒewɔwɔtɔe ale be Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu la, esia kpɔa ŋusẽ si de to wu ɖe mía dzi si nye be edzia mɔkpɔkpɔ si nɔ mía si gbã la ɖe edzi alo doa ŋusẽe. Mɔkpɔkpɔ si va le mía si fifia la va zua nu ŋutɔŋutɔ ɖe edzi, ŋusẽ va ɖoa eŋu wu, eye míetsɔnɛ wɔa mía ɖokui tɔe wu. Mɔkpɔkpɔ sia si dzi ɖe edzi la me sẽna le mía me wu. Exɔa ameti bliboa me, míaƒe akpa sia akpa. Eye ‘mɔkpɔkpɔ menana ŋu kpea ame o, elabena wotrɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la kɔ ɖe míaƒe dziwo me to Gbɔgbɔ kɔkɔe la dzi.’

19. Aleke wòle be wò mɔkpɔkpɔa nanye wò gbedodoɖa edziedzi ƒe akpa aɖee?

19 Enye Epafra ƒe gbedodoɖa vevie be nusi le ye nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le Kolose lalam la nanɔ ŋusẽ kpɔm ɖe wo dzi ɣeawokatãɣi eye woaka ɖe edzi, akpɔ ‘kakaɖedzi sẽŋu le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu katã ŋuti.’ Mina mía dometɔ ɖesiaɖe nanɔ tetem ɖe Mawu ŋu edziedzi le míaƒe mɔkpɔkpɔa ŋu nenema. De wò mɔkpɔkpɔ na xexeme yeyea wò ɖokuisigbedodoɖawo me. Gblɔ alesi gbegbe wòle dzrowòm vevie la na Yehowa kple kakaɖedzi blibo be ele eme va ge. Ðe kuku nɛ vevie be wòakpe ɖe ŋuwò eye nàdzi wò kakaɖedzia ɖe edzi. Abe alesi Epafra do gbe ɖae be Kolosetɔwo nakpɔ ‘kakaɖedzi sẽŋu le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu katã ŋuti’ ene la, wò hã doe ɖa nenema ke. Nɔ edom ɖa edziedzi.

20. Ne ame ʋɛ aɖewo tra mɔ le Kristotɔwo ƒe mɔa dzi la, nukatae mele be wòaɖe dzi le mía ƒo o?

20 Mele be nàna alesi menye amesiamee le tsitre bliboe eye kakaɖedzi sẽŋu le wo si o la natɔtɔ wò alo wòaɖe dzi le ƒowò o. Ate ŋu adzɔ be ame aɖewo nado kpo nu, atra mɔ, alo adzudzɔ. Nu ma dzɔ ɖe amesiwo nɔ Yesu ŋu kplikplikpli wu, siwo nye eƒe apostoloawo, dometɔ aɖe dzi. Gake esi Yuda va zu yomemɔfiala la, ɖe wòna apostolo bubuawo ƒe lãme fa, wogbɔdzɔ alo gbugbɔa? Gbeɖe o! Petro zã Psalmo 109:8 me nyawo tsɔ fia be ame bubu axɔ ɖe Yuda teƒe. Wotia ame bubu ɖo eteƒe, eye Mawu subɔla nuteƒewɔlawo yi woƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi dzonɔamemetɔe. (Dɔwɔwɔwo 1:15-26) Woɖoe kplikpaa tsɔ kakaɖedzi sẽŋu nɔ tsitre bliboe.

21, 22. Gɔmesese ka nue wò tenɔnɔ bliboe kple kakaɖedzi sẽŋu adze le?

21 Àte ŋu aka ɖe edzi bliboe be ne yenɔ tsitre bliboe eye kakaɖedzi sẽŋu le ye si le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu katã ŋuti la, adze amewo nakpɔ. Adze eye woakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu. Amekawoe akpɔ ŋudzedze ɖe eŋu?

22 Nɔviwòŋutsu kple nɔviwònyɔnu siwo nya wò eye wolɔ̃a wò ade dzesii. Ne womegblɔe kple nu o hã la, nusi atso eme la anɔ abe nusi míexlẽ le Tesalonikatɔwo I, 1:2-6 ene, be: “Míedaa akpe na Mawu ɖaasi le mi katã mia ta, eye míeɖoa ŋku mia dzi le míaƒe gbedodoɖawo me, eye ɖaa míeɖoa ŋku miaƒe xɔse ƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃ ƒe agbagbadzedze kpakple mɔkpɔkpɔ na mía Aƒetɔ Yesu Kristo la ƒe dzidodo le Mawu, mía Fofo ƒe ŋku me la dzi. Elabena . . . míaƒe nyanyui la meva mia gbɔ le nya me ɖeɖeko o, ke boŋ le ŋusẽ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe kpakple kakaɖedzikpɔkpɔ geɖe me hã, . . . Eye miawo miezu míawo kple Aƒetɔ la srɔ̃lawo.” Kristotɔ wɔnuteƒe siwo mia kple wo mieli hã ase le wo ɖokui me nenema ke ne wokpɔe be ‘èle tsitre bliboe eye nèkpɔ kakaɖedzi sẽŋu le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu katã ŋuti.’—Kolosetɔwo 1:23.

23. Nukae wòle be wòanye wò tameɖoɖo kplikpaa le ƒe yeye sia me?

23 Nenema ke kakaɖedzi le eŋu be Fofowò si le dziƒo hã akpɔe eye wòadzɔ dzi nɛ. Ka ɖe nya sia dzi. Nukata? Elabena èle tsitre bliboe kple kakaɖedzi sẽŋu “le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu katã ŋuti.” Paulo ŋlɔ nya si de dzi ƒo ɖo ɖe Kolosetɔwo be wole zɔzɔm “alesi dze Aƒetɔ la hena eƒe ŋudzedze katã.” (Kolosetɔwo 1:10) Nyateƒee, anya wɔ be amegbetɔ madeblibowo nate ŋu adze eŋu bliboe. Nɔviwòŋutsu kple nɔviwònyɔnu Kolosetɔwo te ŋui. Kristotɔ siwo mia kple wo mieli fifia te ŋu le ewɔm. Wò hã àte ŋui! Eyata le ƒe sia si gɔme dzem míele me la, na wò gbesiagbegbenɔnɔ kple nusiwo nèwɔna ɣesiaɣi naɖo kpe edzi be èɖoe kplikpaa be ‘mlɔeba la, yeanɔ tsitre abe amesi le blibo, eye wòkpɔ kakaɖedzi sẽŋu le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu katã ŋuti ene.’

Àte Ŋu Aɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukawoe wò ‘tenɔnɔ bliboe’ bia?

• Wò ŋutɔ ɖokuiwò ŋu nya kawoe wòle be nàde gbedodoɖa me?

• Abe alesi Romatɔwo 5:4, 5 me nyawo fia ene la, mɔkpɔkpɔ ka ƒomevie nèdi be wòanɔ ye si?

• Taɖodzinu kae míaƒe nusɔsrɔ̃a ʋã wò be nàɖo le ƒe yeye sia me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Epafra do gbe ɖa be ye nɔviwo nayi edzi anye amesiwo le tsitre bliboe, eye kakaɖedzi sẽŋu nanɔ wo si ɖe Kristo kple woƒe mɔkpɔkpɔa ŋuti

[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

Wò mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi sẽŋu le la kee le ame miliɔn geɖe bubuwo hã si