Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Afikae srɔ̃nyɔnu Kristotɔ anukwareɖila atsi tre ɖe srɔ̃gbegbe si srɔ̃a tsɔ ɖo eŋkume ŋu ase ɖo?

Esi srɔ̃ɖeɖe dze egɔme la, Mawu gblɔ be ele be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu ‘naku ɖe wo nɔewo ŋu.’ (Mose I, 2:18-24) Amegbetɔwo va zu ame madeblibowo si na be kuxiwo va le srɔ̃ɖeɖe geɖe me, gake Mawu ƒe didi enye be ele be srɔ̃tɔwo nayi edzi aku ɖe wo nɔewo ŋu ɖaa. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Ke mede se na srɔ̃tɔwo—hafi menye nyee o, ke Aƒetɔ lae boŋ—be, nyɔnu nagadzo le srɔ̃a gbɔ o. Ke ne edzo la, nenɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee, alo negawɔ ɖeka kpakple srɔ̃aŋutsua; eye ŋutsu hã nagagblẽ srɔ̃a ɖi o.”—Korintotɔwo I, 7:10, 11, NW.

Nya mawo ɖee fia be le amegbetɔ madeblibowo dome la, srɔ̃tɔawo dometɔ ɖeka tsoa nya me ɣeaɖewoɣi be yeadzo. Le kpɔɖeŋu me, Paulo gblɔ be ne srɔ̃tɔawo dometɔ ɖeka dzo la, wo dometɔ ɖesiaɖe “nenɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee.” Nukatae? Ele eme be edzo ya, gake wokpɔtɔ nye srɔ̃tɔwo le Mawu ƒe ŋkume. Paulo te ŋu gblɔ nya sia elabena Yesu ɖo Kristotɔwo ƒe srɔ̃ɖeɖe ŋuti dzidzenu ɖi be: “Amesi ke laɖe asi le srɔ̃a ŋuti, ne menye le ahasiwɔwɔ [Hela, por·neiʹa] ŋuti o, eye wòaɖe bubu aɖe la, eyae wɔ ahasi.” (Mateo 19:9) Ẽ, nusi dzi srɔ̃gbegbe si ate fli ɖe srɔ̃ɖeɖe me le Ŋɔŋlɔawo nu nɔ te ɖo koe nye “ahasiwɔwɔ,” si nye gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ. Le nya si ŋu Paulo ƒo nu tsoe nu la, srɔ̃tɔawo dometɔ aɖeke menɔ agbe gbegblẽ o, eyata esi srɔ̃ŋutsua alo srɔ̃nyɔnua dzo la, srɔ̃ɖeɖea mekaka le Mawu ƒe ŋkume o.

Emegbe Paulo ƒo nu tso nyateƒe Kristotɔ si srɔ̃a nye dzimaxɔsetɔ ƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu. Bu mɔfiame si Paulo na ŋu kpɔ: “Ne amesi mexɔ se o la, [di be yeadzo le srɔ̃a gbɔ la, nedzo, NW] faa! Nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu la menye kluvi le nya siawo ƒomevi me o. Ke Mawu yɔ mí le ŋutifafa me.” (Korintotɔwo I, 7:12-16) Nukae srɔ̃nyɔnu anukwareɖila awɔ ne srɔ̃aŋutsu dzimaxɔsetɔ gblẽe ɖi, hele didim tso egbɔ gɔ̃ hã be wòagbe ye le se nu?

Ðewohĩ adi be yewoakpɔtɔ anɔ anyi ɖekae. Ðewohĩ egalɔ̃e kokoko, aɖo ŋku ɖekawɔwɔ si nɔ wo dome kple gbɔdɔdɔ ƒe hiahiãwo dzi, eye anya be ye kple ye vi suewo hiã ŋutilã me kpekpeɖeŋu, ne vi le wo dome. Ðewohĩ anɔ mɔ kpɔm hã be le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, ye srɔ̃ŋutsua ate ŋu ava zu dzixɔsetɔ ahakpɔ ɖeɖe. Gake ne ŋutsua wɔ afɔɖeɖewo be yeatso srɔ̃ɖeɖea me (to mɔ aɖe si menɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi o nu) la, Paulo ŋlɔ bena srɔ̃nyɔnua ate ŋu ‘aɖe mɔ faa wòayi.’ Nenemae wòanɔ ne srɔ̃ŋutsu dzixɔsetɔ aɖe mede bubu Mawu ƒe nukpɔsusu le srɔ̃ɖeɖe ŋu la ŋu o eye wòte tɔ ɖe edzi be yeadzo le ye srɔ̃ gbɔ.

Gake le nɔnɔme sia me la, ɖewohĩ srɔ̃nyɔnua akpɔe be ehiã be yeakpɔ ye kple ye viwo ta. Le nukawo me? Adi be ye vi siwo gbɔ yemelɔ̃a nu lena o la nanɔ ye gbɔ ale be yeate ŋu ayi edzi aɖe vidada ƒe lɔlɔ̃ afia wo, yeana agbenyuinɔnɔ ƒe hehe wo, ahaƒã xɔse si wotu ɖe Biblia ƒe nufiafiawo dzi ɖe wo me. (Timoteo II, 3:15) Srɔ̃gbegbea ate ŋu agblẽ nu le eƒe gomenɔamesiwo ŋu. Eyata ate ŋu awɔ afɔɖeɖe siwo ana setɔwo nanya nu tso eƒe nɔnɔmea ŋu nyuie ale be wòate ŋu akpɔ gome si le esi be viawo nanɔ egbɔ la ta, eye wòakpɔ egbɔ be se bla ye srɔ̃ŋutsua be wòakpe asi ɖe ƒome si gblẽm wòle ɖi la dzi kpɔkpɔ ŋu. Le teƒe aɖewo la, nyɔnu si le srɔ̃gbegbe ŋu nya ʋlim ate ŋu ade asi segbalẽ siwo me woɖe mɔ le be wòaxɔ viawo anyi eye ŋutsua nayi edzi ana gakpekpeɖeŋui la te, gake malɔ̃ ɖe srɔ̃gbegbe si dom srɔ̃ŋutsua le ɖa la dzi o. Le teƒe bubuwo la, segbalẽawo me nya afia be eya srɔ̃nyɔnua lɔ̃ ɖe srɔ̃gbegbea dzi; eyata, ne ahasie srɔ̃ŋutsua wɔ la, ke srɔ̃nyɔnua ƒe asidede agbalẽ siawo te afia be egbee.

Nutoa kple hamea me tɔ akpa gãtɔ manya nyaa ƒe akpa sia akpa tsitotsito o, le kpɔɖeŋu me, womanya ne srɔ̃gbegbea nɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi o. Eyata hafi nuwo nayi ŋgɔ aɖo keke afima la, nunya anɔ eme be srɔ̃nyɔnua nana dzikpɔla zimenɔla kple hamemegã bubu aɖe le hamea me nanya nu tso nyaawo ŋu (anyo wu ne eŋlɔ agbalẽ). Le mɔ ma nu ne wòava dzɔ be biabia aɖe afɔ ɖe te—ɣemaɣi alo emegbe la, nya mawo manɔ ɣaɣla ɖe wo o.

Mina míatrɔ ayi Yesu ƒe nyaa gbɔ be: “Amesi ke laɖe asi le srɔ̃a ŋuti, ne menye le ahasiwɔwɔ ŋuti o, eye wòaɖe bubu aɖe la, eyae wɔ ahasi.” Ne srɔ̃ŋutsu aɖe nɔ gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nyateƒe gake di be yeakpɔtɔ anye srɔ̃anyɔnua srɔ̃ la, ele be nyɔnua (amesi medze agɔ o le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me) natiae nenye be yeatsɔe akee eye wòaɖe mɔ nɛ woanɔ anyi abe srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu ene loo alo be wòagbee. Ne nyɔnua lɔ̃ be yeatsɔe akee eye woa kplii woayi edzi anɔ anyi wòanye srɔ̃aŋutsu le se nu la, esia menye agbegbegblẽnɔnɔ o.—Hosea 1:1-3; 3:1-3.

Le nya si me srɔ̃ŋutsu agbegbegblẽnɔla la bia be ye srɔ̃ nagbe ye la, ɖewohĩ srɔ̃anyɔnua agalɔ̃ kokoko be yeatsɔe akee, anɔ mɔ kpɔm be agbugbɔ atrɔ va ye gbɔ. Ekpo ɖe egbɔ be wòanɔ te ɖe eƒe dzitsinya kple nɔnɔmea dzi adzro eme akpɔ ahatso nya me ne aʋli srɔ̃gbegbea ŋu nya kplii. Le teƒe aɖewo la, nyɔnu si le srɔ̃gbegbe ŋu nya ʋlim ate ŋu ade asi agbalẽ aɖewo te, siwo ana mɔnukpɔkpɔe be wòaxɔ ɖeviawo woanɔ egbɔ eye ŋutsua nayi edzi ado alɔ wo le ganyawo gome gake maɖee afia be yelɔ̃ ɖe srɔ̃gbegbea dzi o; agbalẽ mawo siwo te wòade asii maɖee afia be ele egbem o. Gake le teƒe bubuwo la, woabia tso srɔ̃nyɔnu si le srɔ̃gbegbe ŋu nya ʋlim si be wòade asi agbalẽ siwo me nyawo fia be elɔ̃ ɖe srɔ̃gbegbea dzi la te; ne ede asi agbalẽ siawo te la, aɖee afia kɔte be egbe srɔ̃aŋutsu agɔdzela la.

Be woaƒo asa na nya siawo ŋuti nugɔmemasemase si ate ŋu ado mo ɖa la, nunya anɔ eme le nya sia me be srɔ̃nyɔnua naŋlɔ agbalẽ si me wòagblɔ afɔ siwo ɖem wole kple nusiwo ta wole wo ɖem ɖo na hamea teƒenɔlawo. Ate ŋu aŋlɔe be yegblɔ na ye srɔ̃ŋutsua be yelɔ̃ be yeatsɔe akee agakpɔtɔ anye srɔ̃anyɔnu. Ema afia be melɔ̃ ɖe srɔ̃gbegbea dzi o; le esi teƒe be wòagbe srɔ̃aŋutsua la, ele klalo be yeatsɔe akee. Eyata ne ena eme kɔ be yelɔ̃ be yeatsɔe ake ahakpɔtɔ anye srɔ̃a vɔ megbe la, agbalẽ siwo te wòade asii, siwo afia alesi wòle be woakpɔ ganyawo kple amesi gbɔ ɖeviawo anɔ ƒe nyawo gbɔe mafia be eya nyɔnua gbe srɔ̃a o. *

Esi wòɖee fia be yelɔ̃ be yeatsɔ ake le srɔ̃gbegbea gɔ̃ hã megbe la, eya nyɔnua alo srɔ̃aŋutsua siaa mevo aɖe ame bubu o. Ne nyɔnua agɔmadzela la si gblɔ be yeatsɔe ake evɔ ŋutsua gbe, eye emegbe nyɔnua va tso nya me be yeagbee le eƒe agbegbegblẽnɔnɔ ta la, ekema wo ame evea siaa vo aɖe ame bubu azɔ. Yesu ɖee fia be srɔ̃tɔ agɔmadzela lae kpɔ mɔ awɔ nyametsotso sia.—Mateo 5:32; 19:9; Luka 16:18.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 11 Ðoɖo siwo ŋudɔ wowɔna kple agbalẽawo me nyawo to vovo tso teƒe yi teƒe. Ele be woalé ŋku ɖe srɔ̃gbegbe ŋu ɖoɖo siwo le segbalẽwo me ŋu nyuie hafi ade asi wo te. Ne srɔ̃tɔ agɔmadzela la de asi agbalẽ siwo fia be eya nyɔnua (alo ŋutsua) metsi tre ɖe srɔ̃gbegbe si dom ɖa srɔ̃a le ŋu o la, ema fia be egbe srɔ̃a.—Mateo 5:37.