Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wode Dzo Wo Me Hena Subɔsubɔ

Wode Dzo Wo Me Hena Subɔsubɔ

Wode Dzo Wo Me Hena Subɔsubɔ

NUKAE aʋã srɔ̃tɔ 24 siwo le ɣeyiɣi si me ŋusẽ le wo ŋu wu le agbeme be woagblẽ woƒe ƒometɔwo, xɔlɔ̃wo, kple nuto si me nɔnɔ ma wo ɖi be yewoawɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔ le dutanyigbawo dzi? Nukatae wòado dzidzɔ na wo be yewoayi teƒewo abe Papua New Guinea kple Taiwan, kpakple Afrika kple Latin-Amerika dukɔwo ene me? Ðe wòanye mɔzɔzɔ be woanya teƒeteƒewo ƒe dzidzɔdoname tae? Ao. Ke boŋ lɔlɔ̃ vavã na Mawu kple wo havi ye ʋã wo.—Mateo 22:37-39.

Amekawoe nye amesiawo? Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe klass 109 lia nuwulawoe. Le Memleɖa, September 9, 2000 la, amesiwo ƒe xexlẽme nye 5,198 ƒo ƒu ɖe Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Hehenaƒe—le Patterson, New York—kple afisiwo woate ŋu alé nyaawo le le television dzi, be yewoase aɖaŋu siwo woaɖo na sukunuwulaawo lɔlɔ̃tɔe be wòakpe ɖe wo ŋu woanye dutanyanyuigblɔla kpɔdzidzedzewo.

Stephen Lett, amesi nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuhaa ƒe Nufiafia ƒe Kɔmitia me tɔ, ye nye sukunuwuwu wɔnaawo ƒe zimenɔla. Etu wɔnaa nu ʋunyawo ɖe Mateo 5:13 dzi, si gblɔ be: “Miawoe nye anyigba ƒe dze.” Nɔviŋutsu Lett ɖe nu me be, le nyateƒe me la, Yesu ƒe nya siawo ka sukunuwulaawo. Le kpɔɖeŋu me, dze te ŋu naa nuɖuɖu vivina. Nenema ke ne dutanyanyuigblɔlaawo wɔ gbeƒãɖeɖedɔa nyuie la, woanɔ abe dze ene le kpɔɖeŋumɔ nu.

Kaklãnya Dedziƒoname

Emegbe Nɔviŋutsu Lett yɔ ame aɖewo siwo le Yehowa subɔm ɣeyiɣi didi aɖe enye esia wova ƒo Ŋɔŋlɔawo me nuƒo kpui siwo wɔ dɔ ɖe ame dzi. Nuƒola gbãtɔe nye John Wischuk, si le Agbalẽŋɔŋlɔ Kɔmitia me. Etu eƒe tanya si nye, “Psalmo si Nye Kpuitɔ Kekeake la De Dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe Dzi Ƒo,” ɖe Psalmo 117 lia dzi. Egbea la, hiahiã le xexeame katã be woaɖi ɖase na “dukɔwo” kple “anyigbadzitɔwo” tso Yehowa kple eƒe Fiaɖuƒe ŋu. Wode dzi ƒo na sukuviawo be woawɔ ɖe nusi Psalmo 117 lia gblɔ dzi to nuxɔxlɔ̃ ame bubuwo be ‘Woakafu Yah’ me.

Emegbe zimenɔlaa yɔ Guy Pierce, si hã nye Dziɖuhaa me tɔ. Eƒo nu tso nyati si nye “Minye Amesiwo Trɔna Ðe Nɔnɔmewo Ŋu Gake Henɔa Te Sesĩe” la ŋu. Ŋusẽ le Mawu ƒe Nya ŋu. Woyɔ Yehowa Mawu le Mose V, 32:4 be Agakpe, gake eƒe Nya ɖe mɔ ɖe tɔtrɔ ɖe nɔnɔmewo ŋu le susua nu be ɖe woŋlɔe na gbegbɔgblɔ kple dekɔnuwo katã me tɔwo—ẽ, na ameƒomea katã. Woxlɔ̃ nu sukuviawo be woaɖe gbeƒã Mawu ƒe Nya la, woana eƒe gbedasia naɖo amewo ƒe dzi kple dzitsinya gbɔ. (Korintotɔwo II, 4:2) Nɔviŋutsu Pierce xlɔ̃ nu be: “Misẽ ŋu le gɔmeɖose dzɔdzɔewo léle ɖe asi me, gake mitrɔ ɖe nɔnɔmewo ŋu. Migado vlo amesiwo le du siwo me woɖo mi ɖo le esi woƒe dekɔnu to vovo ta o.”

Karl Adams, si nye Gilead nufialawo dometɔ ɖeka, eye wòle subɔsubɔm le xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã ƒe 53 kloe nye sia, ƒo nu tso tanya si naa wobua tame si nye “Afikae Miayi ne Miedzo le Afisia?” ŋu. Nyateƒee wònye be woɖo srɔ̃tɔ 24 la katã ɖe dutanyanyuigbɔgblɔdɔ wɔƒe le dukɔ vovovo 20 me le xexeame godoo ya, gake biabiaa fɔ ɖe te be, Ne mieɖo afima hekpɔ teƒea vɔ la, ekema nukae kpɔtɔ? Míele xexe aɖe si me nɔlawo mevona le wo ɖokui me kura o me. Amewo di be yewoayi teƒe yeyewo awɔ nu yeyewo le agbagbadzedze me be yewoado dzidzɔ na yewo ɖokui. Gake Yehowa ya dɔ sukuviawo ɖe afisi wòdi be woanɔ ahalé be na eƒe ‘alẽwo’ ɖokuitɔmadimaditɔe le. Mele be woanɔ abe blema Israel-vi siwo, le ɖokuitɔdidi ta, mɔnukpɔkpɔ si su wo si be Yehowa nato wo dzi ayra ameƒomea katã la ge le wo si la ene o. Ke boŋ ele be woanɔ abe Yesu Kristo ene, amesi wɔ Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu ɣesiaɣi ɖokuitɔmadimaditɔe eye wòɖo to le nɔnɔme ɖesiaɖe si dze ŋgɔe me.—Yohanes 8:29; 10:16.

“De Asixɔxɔ Mawu ƒe Nu Goglowo Ŋu” enye tanya si ŋu Wallace Liverance, si nye Gilead Sukua ƒe ŋkɔŋlɔla ƒo nu tsoe. Enuenu la, Ŋɔŋlɔawo tsɔa Mawu ƒe Nya sɔna kple kesinɔnuwo, kpe xɔasiwo, tomenu xɔasiwo, kple nusiwo ŋu wodea asixɔxɔe hedina vevie la. Lododowo 2:1-5 ɖee fia be hafi míaƒe asi natu “sidzedze Mawu” la, ele be míadii abe “kesinɔnu, si le to me ene.” Nuƒola la de dzi ƒo na sukuviawo be woayi edzi anɔ Mawu ƒe nu gogloawo me kum esi wole subɔsubɔm le teƒe yeye si woɖo wo ɖo. Nɔviŋutsu Liverance gblɔ be: “Viɖe le ewɔwɔ alea ŋu, elabena etua xɔse kple kaka ɖe Yehowa dzi ɖo, eye wòana miayi edzi aɖoe kplikpaa alé miaƒe dɔdasiwo me ɖe asi. Akpe ɖe mia ŋu miaƒo nu kple kakaɖedzi eye mianye nufiala bibiwo wu ne miele Mawu ƒe tameɖoɖowo me ɖem na amewo.”

Gilead Sukua ƒe nufiala bubu ƒo nu abe sukuxɔ mee wòle nu fiam le ene, tso alesi Yehowa yra sukuviawo ƒe gbeadzisubɔsubɔdɔe le ɣleti atɔ̃ siwo va yi me la ŋu. Lawrence Bowen yɔ apostolo Paulo ƒe nya siwo le Dɔwɔwɔwo 20:20 si ƒo nu tso eƒe dutoƒosubɔsubɔdɔ si wòwɔ le Efeso la ŋu, eye wòɖee fia be Paulo wɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ tsɔ ɖi ɖasee. Sukuviawo ƒe nuteƒekpɔkpɔwo ɖee fia be abe apostolo Paulo ene la, amesiwo lɔlɔ̃ na Mawu kple havi ʋã le míaƒe ɣeyiɣia me mehena ɖe megbe gbeɖe le nyateƒea gbɔgblɔ na amewo ahana Mawu ƒe Nya ƒe ŋusẽ nawɔ dɔ ɖe wo dzi ŋu o. Esia hea Yehowa ƒe yayra manyagblɔwo vɛ.

Amesiwo Kpɔ Nuteƒe Ƒo Nu

Le Gilead-sukuvi siawo ƒe nusrɔ̃ɣi la, eɖe vi na wo ŋutɔ be woade ha kple Alɔdzedɔwɔƒewo ƒe Kɔmiti me tɔ siwo tso dukɔ 23 me, amesiwo hã nɔ hehe tɔxɛ xɔm le Patterson Hehenaƒea. Leon Weaver kple Merton Campbell, siwo le dɔ wɔm le Subɔsubɔdɔa Dzikpɔƒe bia gbe Alɔdzedɔwɔƒe Kɔmiti me tɔ vovovo, siwo dometɔ aɖewo hã nye Gilead sukunuwulawo. Enye dzideƒo na sukuviawo kple woƒe ƒometɔ kple xɔlɔ̃wo esi wose dutanyanyuigblɔla kpɔnuteƒe siawo ƒe nuƒo.

Nuxlɔ̃ame si wona sukua nuwulawo be wòakpe ɖe wo ŋu woatrɔ ɖe nɔnɔme yeyewo ŋu le woƒe dɔdasiawo me ƒe ɖewoe nye nya siawo: “Miaƒe susu nenɔ nu nyuiwo ŋu. Ne nane le dzɔdzɔm ɖe mia dzi si wɔ nuku na mi ŋutɔ alo miete ŋu le egɔme sem o la, migana ta o. Miɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu”; “misrɔ̃ alesi nusi le mia si nado dzidzɔ na mii, eye kakaɖedzi nenɔ mia si be Yehowa ana miaƒe agbemenuhiahiãwo mi.” Nya bubuwo ku ɖe kpekpe ɖe sukuviawo ŋu be dzidzɔ nanɔ wo me le woƒe dɔdasiawo me ŋu. Wo dometɔ ʋɛ aɖewoe nye: “Migatsɔ du si me woɖo mi ɖo sɔ kple afisi mietso o”; “misrɔ̃ afima gbe eye miadoe nyuie ale be miate ŋu aɖo dze kple ameawo”; “misrɔ̃ ameawo ƒe nuwɔnawo kple dekɔnuwo, elabena esia akpe ɖe mia ŋu be mialé dɔ si wode asi na mi ɖe asi.” Nya siawo de dzi ƒo na dutanyanyuigblɔla yeyeawo ale gbegbe.

Le gbebiameawo megbe la, David Splane, amesi nye dutanyanyuigblɔla tsã eye wònye Gilead sukua ƒe klass 42 lia nuwula, eye wònye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me tɔ fifia, ƒo nuƒo vevi si ƒe tanya nyɔ ɖetsɔleme ale gbegbe, si nye “Sukuviwo alo Sukunuwulawo—Kae Mienye?” Ebia sukunuwulaawo be: “Ne mieyi miaƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me la, aleke miele mia ɖokui bu gee? Abe sukunuwula siwo nya nusianu tso dutanyanyuigbɔgblɔdɔ ŋu ene loo alo abe sukuvi siwo nu geɖe gali woasrɔ̃ enea?” Nɔviŋutsu Splane ɖee fia be sukunuwula si nyaa nu bua eɖokui sukuvii. Ele be wòanɔ susu me na dutanyanyuigblɔlaawo be ŋutete le amesiame si yewodo goe le yewoƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me ŋu be wòate ŋu afia nane yewo. (Filipitɔwo 2:3) Wode dzi ƒo na sukuviawo be woawɔ dɔ aduadu kple wo hati dutanyanyuigblɔla bubuwo, alɔdzedɔwɔƒea, kple hame si me wole. Nɔviŋutsu Splane xlɔ̃ nu wo be: “Miewu miaƒe dodokpɔ mamlɛa nu dzidzedzetɔe, gake miewu nusɔsrɔ̃ ya nu o. Mina eme nakɔ na amesiame be ɖe yewova be yewoasrɔ̃ nu.”

Le nuƒo sia megbe la, sukuviawo xɔ woƒe ɖaseɖigbalẽwo, eye woɖe gbeƒã du siwo me yim wole la na nyaselawo. Esi klass la teƒenɔla va xlẽ tameɖoɖo kplikpaa aɖe si ku ɖe alesi sukunuwulaawo ɖoe kplikpaa be yewoaɖe mɔ nusi yewosrɔ̃ tso Mawu ƒe Nya la me naʋã yewo yewoawɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔea geɖe ŋu la, wɔnaa ƒe akpa sia wɔ dɔ ɖe sukunuwulaawo dzi ale gbegbe.

Vavalawo katã alɔ̃ ɖe edzi be nuxlɔ̃ame si sukunuwulaawo xɔ la do ŋusẽ tame si woɖo be yewoaɖe lɔlɔ̃ afia Mawu kple yewo havi la nyateƒe. Azɔ hã ena wogaɖoe kplikpaa wu be yewoakpe ɖe amewo ŋu le gbɔgbɔ me le yewoƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me.

[Aɖaka si le axa 25]

SUKUVIAWO ŊUTI NYATAKAKA

Dukɔ siwo me wotso ƒe xexlẽme: 10

Dukɔ siwo me woɖo wo ɖo ƒe xexlẽme: 20

Sukuviawo ƒe xexlẽme: 48

Ƒe si woxɔ le mama dedie nu: 33.7

Ƒe si wole nyateƒea me le mama dedie nu: 16.2

Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔƒewo le mama dedie nu: 12.5

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe Klass 109 lia Nuwulawo

Le amesiwo ƒe ŋkɔ woŋlɔ ɖe ete me la, woxlẽ fliawo tso ŋgɔgbe yi megbee eye woŋlɔ ŋkɔawo tso miame yi ɖusime le fli ɖesiaɖe dzi.

(1) Collins, E.; Miles, L.; Alvarado, A.; Lake, J. (2) Van Dusen, L.; Biharie, A.; Heikkinen, H.; Koós, S.; Smith, H. (3) Ashford, J.; Ashford, C.; Boor, C.; Richard, L.; Wilburn, D.; Lake, J. (4) Chichii, K.; Chichii, H.; Ramirez, M.; Baumann, D.; Becker, G.; Biharie, S.; Ramirez, A. (5) Van Dusen, W.; Lemâtre, H.; Pisko, J.; Cutts, L.; Russell, H.; Johnson, R. (6) Becker, F.; Baumann, D.; Johnson, K.; Pifer, A.; Madsen, C.; Lemâtre, J.; Heikkinen, P. (7) Smith, R.; Russell, J.; Collins, A.; Pisko, D.; Wilburn, R.; Koós, G. (8) Cutts, B.; Boor, J.; Madsen, N.; Pifer, S.; Richard, E.; Miles, B.; Alvarado, R.