Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Gbegbee Wò Lɔlɔ̃ De Toe?

Aleke Gbegbee Wò Lɔlɔ̃ De Toe?

Aleke Gbegbee Wò Lɔlɔ̃ De Toe?

“Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.”—MATEO 22:39.

1. Ne míelɔ̃ Yehowa la, nukatae wòle be míalɔ̃ mía havi hã?

ESI wobia Yesu be seawo dometɔ kae nye vevitɔ la, eɖo eŋu be: “Lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.” Emegbe eyɔ se evelia si ɖi gbãtɔ la bena: “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.” (Mateo 22:37, 39) Ẽ, ame havi lɔlɔ̃ nye nusi dea dzesi Kristotɔ. Enye nyateƒe be ne míelɔ̃ Yehowa la, ele be míalɔ̃ mía haviwo. Nukatae? Elabena míeɖea míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu fiana to eƒe Nya dzi wɔwɔ me, eye eƒe Nya la de se na mí be míalɔ̃ mía havi. Eyata ne míelɔ̃ mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo o la, míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu mate ŋu anye akuakua o.—Romatɔwo 13:8; Yohanes I, 2:5; 4:20, 21.

2. Lɔlɔ̃ ka ƒomevie wòle be wòanɔ mía me na mía haviwo?

2 Esi Yesu gblɔ be míalɔ̃ mía havi la, nusi gblɔm wònɔ la de ŋgɔ wu xɔlɔ̃wɔwɔ ko. Eye lɔlɔ̃ si to vovo na esi nɔa ƒometɔwo alo ŋutsu kple nyɔnu dome le dzɔdzɔme nu ŋue wònɔ nu ƒom le. Lɔlɔ̃ si ƒomevi le Yehowa me na esubɔla ɖeadzɔgbewo kple esi le woawo hã me nɛ ŋue wònɔ nu ƒom le. (Yohanes 17:26; Yohanes I, 4:11, 19) Yudatɔ agbalẽfiala aɖe—amesi Yesu kpɔ dze sii be enɔ nu ƒom nunyatɔe—lɔ̃ ɖe edzi na Yesu be ele be lɔlɔ̃ na Mawu natso ‘dzi blibo kple gɔmesese blibo kple ŋusẽ blibo’ me. (Marko 12:28-34) Nyateƒee wòto. Lɔlɔ̃ si Kristotɔ tuna ɖo na Mawu kple ehavi siaa ku ɖe míaƒe seselelãmewo kple míaƒe tamesusu ŋu. Míesenɛ le dzi me eye míaƒe susu fiaa mɔe.

3. (a) Aleke Yesu fia “sefiala” aɖe be ele be amesi nye ehavi ƒe nukpɔsusu si de ŋgɔ wu nanɔ esi? (b) Aleke kpɔɖeŋu si Yesu wɔ la sɔ na Kristotɔwo egbeae?

3 Abe alesi Luka ka nya tae ene la, esi Yesu gblɔ be míalɔ̃ mía havi la, “sefiala aɖe” biae be: “Amekae nye hanyevi mahã?” Yesu tsɔ lododo aɖe ɖo eŋui. Woƒo ŋutsu aɖe, heda adzoe, eye wòku afa kple afa ɖe mɔ to. Gbã la, nunɔla aɖe va yi eye emegbe Lewitɔ aɖe hã va yi. Ame evea siaa to eŋu yii. Mlɔeba, Samariatɔ aɖe va yina, eye wòkpɔ ŋutsu si xɔ abi la, eye wòwɔ dɔmenyo gã aɖe nɛ. Ame etɔ̃ siawo dometɔ kae nye ŋutsu si xɔ abi la havi? Ŋuɖoɖoa dze ƒã. (Luka 10:25-37) Sefiala la ƒe nu anya ku esi wòse Yesu gblɔ be Samariatɔ ate ŋu anye havi nyui wu nunɔla kple Lewitɔ. Edze ƒã be ɖe Yesu nɔ kpekpem ɖe ŋutsu ma ŋu be wòalɔ̃ ehavi le mɔ si de ŋgɔ sasasã wu nu. Kristotɔwo hã lɔ̃a ame le mɔ sia ƒomevi nu. Bu ame vovovo siwo katã wolɔ̃na ŋu kpɔ.

Lɔlɔ̃ le Ƒomea Me

4. Afikae Kristotɔ ɖea lɔlɔ̃ fiana le gbã?

4 Kristotɔwo lɔ̃a woƒe ƒometɔwo—srɔ̃nyɔnuwo lɔ̃a srɔ̃ŋutsuwo, srɔ̃ŋutsuwo lɔ̃a srɔ̃nyɔnuwo, eye dzilawo lɔ̃a ɖeviwo. (Nyagblɔla 9:9; Efesotɔwo 5:33; Tito 2:4) Nyateƒee, dzɔdzɔmelɔlɔ̃ ƒe nublanuwo le ƒome akpa gãtɔ me. Gake srɔ̃ɖeɖe siwo me gblẽ, ŋutasesẽ le ame srɔ̃ ŋu, kple ɖevi siwo wogblẽ ɖi alo esiwo ŋu wosẽ ŋuta le ŋuti nyatakakawo ɖee fia be ƒomea ɖo xaxa me egbea eye numalɔ̃malɔ̃ le ame nɔewo gbɔ ƒe seselelãme si nɔa ƒomewo me ɖeɖe mate ŋu alée ɖe te o. (Timoteo II, 3:1-3) Hafi Kristotɔwo nate ŋu akpɔ dzidzedze ŋutɔŋutɔ le woƒe ƒomegbenɔnɔ me la, ele be lɔlɔ̃ si tɔgbe le Yehowa kple Yesu si la nanɔ wo si.—Efesotɔwo 5:21-27.

5. Ameka gbɔe dzilawo dia kpekpeɖeŋu le le wo viwo nyinyi me, eye nukawoe do tso eme na ame geɖe?

5 Dzila Kristotɔwo bua wo viwo be wonye nusiwo Yehowa tsɔ de yewo si, eye wokpɔa mɔ be wòakpe ɖe yewo ŋu le wo nyinyi me. (Psalmo 127:3-5; Lododowo 22:6) Wotoa mɔ sia dzi tua Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ ɖo, si kpena ɖe wo ŋu be woakpɔ wo viwo ta tso ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ siwo ate ŋu agblẽ nu le sɔhɛwo ŋu si me. Esia wɔe be dzila Kristotɔ geɖe kpɔ dzidzɔ si sɔ kple esi vidada aɖe kpɔ le Netherlands. Esi wòkpɔ viaŋutsu—si nɔ ame 575 siwo xɔ nyɔnyrɔ le Netherlands le ƒe si va yi me dome—ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ teƒe megbe la, eŋlɔ bena: “Azɔ mekpɔ dɔ si mewɔ le ƒe 20 siwo va yi me ŋuti fetu. Fifia meŋlɔ ɣeyiɣi kple ŋusẽ si mezã—kpakple dzigbãnya, agbagbadzedze, kple nuxaxa—la katã be.” Dzidzɔ kae nye si wònye nɛ be viaŋutsua ŋutɔ lɔ̃ faa be yeasubɔ Yehowa. Ame geɖe siwo srɔ̃ alesi woalɔ̃ Yehowae tso wo dzilawo gbɔ la nɔ gbeƒãɖela 31,089 siwo bu akɔnta le Netherlands le ƒe si va yi me la me.

6. Aleke Kristotɔ ƒe lɔlɔ̃ ate ŋu ado ŋusẽ srɔ̃ɖeɖe ƒe nubablae?

6 Paulo yɔ lɔlɔ̃ be ‘blibonyenye ƒe nublanu,’ eye ate ŋu akpɔ srɔ̃ɖeɖe ƒe ɖekawɔwɔ ta le ɣeyiɣi sesẽwo gɔ̃ hã me. (Kolosetɔwo 3:14, 18, 19; Petro I, 3:1-7) Esi ŋutsu aɖe si le Rurutu, si nye ƒukpo sue aɖe si didi tso Tahiti gbɔ kilometa 700 lɔƒo, dze Biblia sɔsrɔ̃ kple Yehowa Ðasefowo la, srɔ̃a tsi tre ɖe eŋu vevie. Mlɔeba nyɔnua kplɔ ɖeviawo wodzo le egbɔ yi ɖanɔ Tahiti. Ke hã ŋutsua ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia to ga ɖoɖo ɖe wo edziedzi kple kaƒoƒo be yeanya ne nane hiã nyɔnua loo alo ɖeviawo me. Eto esia me wɔ nusianu si wòate ŋui be wòatsɔ eƒe Kristotɔ ƒe agbanɔamedziwo. (Timoteo I, 5:8) Edo gbe ɖa edziedzi be yeƒe ƒomea nagava wɔ ɖeka, eye mlɔeba srɔ̃a trɔ gbɔ. Esi wòtrɔ gbɔ la, ŋutsua wɔ nu ɖe eŋu le ‘lɔlɔ̃, dzidodo, kple dɔmefafa’ me. (Timoteo I, 6:11) Ŋutsua xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1998 me eye emegbe ekpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe esi srɔ̃a lɔ̃ be yeasrɔ̃ Biblia. Nusɔsrɔ̃ ma nɔ 1,351 siwo wowɔ le Tahiti-lɔdzedɔwɔƒea ƒe anyigbamama me le ƒe si va yi me la me.

7. Nukae ŋutsu aɖe si le Germany gblɔ be eyae do ŋusẽ yeƒe srɔ̃ɖeɖe?

7 Le Germany la, ŋutsu aɖe tsi tre ɖe srɔ̃a ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Biblia ƒe nyateƒea ŋu la ŋu eye wòxɔe se be ɖe Yehowa Ðasefowo di be yewoablee. Gake emegbe eŋlɔ ɖo ɖe Ðasefo gbãtɔ si ƒo nu na srɔ̃a be: “Akpe na wò be nèfia Yehowa Ðasefowo ƒe mɔ srɔ̃nye. Gbã la, metsi dzi elabena mese nya gbegblẽ geɖe le wo ŋu. Gake fifia si mía kple srɔ̃nye míedea kpekpeawo la, mekpɔ vodada si mewɔ la dze sii. Mekpɔe be nyateƒea sem mele, eye ena míaƒe srɔ̃ɖeɖea gasẽ ŋu ɖe edzi.” Ƒome geɖe siwo wɔ ɖeka le mawumelɔlɔ̃ me la le Yehowa Ðasefo 162,932 siwo le Germany—kple 1,773 siwo le ƒukpo siwo le Tahiti-lɔdzedɔwɔƒea te—la dome.

Lɔlɔ̃ na Mía Nɔvi Kristotɔwo

8, 9. (a) Amekae fiaa mí be míalɔ̃ mía nɔviwo, eye nukae lɔlɔ̃ ʋã mí be míawɔ? (b) Wɔ alesi lɔlɔ̃ ate ŋu akpe ɖe nɔviwo ŋu be woado alɔ wo nɔewo ƒe kpɔɖeŋu.

8 Paulo gblɔ na Kristotɔ siwo le Tesalonika be: “Mawu fia mia ŋutɔwo be, mialɔ̃ mia nɔewo.” (Tesalonikatɔwo I, 4:9) Ẽ, “Yehowa ƒe nusrɔ̃viwo” lɔ̃a wo nɔewo. (Yesaya 54:13) Woɖea woƒe lɔlɔ̃ fiana le nuwɔna me, abe alesi Paulo ɖee fia ene esime wògblɔ be: “Misubɔ mia nɔewo le lɔlɔ̃ me!” (Galatiatɔwo 5:13; Yohanes I, 3:18) Le kpɔɖeŋu me, wowɔa esia ne wosrã nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo dze dɔ la kpɔ, ne wode dzi ƒo na blanuilélawo, eye wona kpekpeɖeŋu amesiwo gbɔdzɔ. (Tesalonikatɔwo I, 5:14) Míaƒe Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ vavã lae naa míaƒe gbɔgbɔmeparadisoa yia edzi nɔa tsitsim.

9 Le Ancón Hamea—si nye hame 544 siwo le Ecuador dometɔ ɖeka—me la, nɔviawo ɖe woƒe lɔlɔ̃ fia le mɔ nyui aɖe nu. Ganyawo ƒe sesẽ wɔe be dɔwɔɖui menɔ gbeƒãɖelawo si o, eyata woɖoe be yewoadzra nuɖuɖu na afima tɔƒodelawo ne wogbɔ tso tɔdzi le zã me atsɔ adi gae. Amesiame kpɔ gome le eme, eye ɖeviwo hã nɔ eme. Ele be woadze nuɖaɖa gɔme zã ga 1:00, ale be kaka tɔƒodelawo nagbɔ le ŋdi ga 4:00 me la, nuɖuɖua nabi. Nɔviawo ma ga si wokpɔ la ɖe wo nɔewo dome ɖe woƒe nuhiahiãwo nu. Kpekpe ɖe ame nɔewo ŋu alea ɖe Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ vavã fia.

10, 11. Aleke míate ŋu aɖe lɔlɔ̃ afia nɔvi siwo míawo ŋutɔ míenya o?

10 Gake menye Kristotɔ siwo míawo ŋutɔ míenya koe míelɔ̃na o. Apostolo Petro gblɔ be: ‘Milɔ̃ nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo la.’ (Petro I, 2:17) Míelɔ̃a mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo katã elabena wo katã nye hati Yehowa Mawu subɔlawo. Xaxaɣiwo ate ŋu anye mɔnukpɔkpɔ si me míaɖe lɔlɔ̃ sia afia le. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 2000 ƒe subɔsubɔƒea me la, tsiɖɔɖɔ gãwo gblẽ nu le Mozambique, eye aʋa si le edzi yim le Angola wɔ ame geɖe hiãtɔwoe. Nudzɔdzɔ siawo gblẽ nu le nɔvi 31,725 siwo le Mozambique kple 41,222 siwo le Angola la dometɔ geɖe ŋu. Le esia ta Ðasefo siwo le South Africa si te ɖe wo ŋu la ɖo nu gbogbo aɖe ɖa be woatsɔ aɖe wo nɔvi siwo le dukɔ mawo me ƒe fukpekpe dzi akpɔtɔ. Alesi wolɔ̃ faa dzɔ nusiwo le wo si le “agbɔsɔsɔ, si gba go” me na wo nɔvi siwo nu hiã la ɖe woƒe lɔlɔ̃ fia.—Korintotɔwo II, 8:8, 13-15, 24.

11 Lɔlɔ̃ gadzena wokpɔna hã ne nɔvi siwo le dukɔ geɖe me dzɔ nu be woatsɔ atu Fiaɖuƒe Akpata kple Takpexɔwo le dukɔ siwo me ganyawo mede ame dzi tututu le o me. Esia ƒe kpɔɖeŋu dzɔ le Solomon Islands. Togbɔ be ʋunyaʋunya nɔ Solomon Islands hã la, gbeƒãɖela siwo le afima la dzi ɖe edzi alafa memama 6 le ƒe si va yi me heɖo ame 1,697. Woɖoe be yewoatu Takpexɔ. Togbɔ be ƒukpoa dzi nɔlawo nɔ sisim le dukɔa me hã la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo tso Australia yi be yewoakpe asi ɖe xɔa tutu ŋu. Mlɔeba eva hiã be lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo nadzo, gake hafi woadzo la, wona hehe nɔvi siwo le afima be woate ŋu awu xɔa gɔme ɖoɖo anyi nu. Wode akpataa si wotsɔ ga wɔ la ƒe akpa vovovowo meli tso Australia, eye tadeaguƒe nyui sia si wotu wu enu—esime xɔ geɖe tsi akpo dzi—la nye Yehowa ƒe ŋkɔ kple nɔviawo ƒe lɔlɔ̃ ŋuti ɖaseɖiɖi nyui aɖe.

Míelɔ̃ Xexeame abe Alesi Mawu Lɔ̃e Ene

12. Aleke míesrɔ̃a Yehowa le míaƒe nuwɔwɔ ɖe amesiwo menye haxɔsetɔwo o ŋu me?

12 Míaƒe ƒomea kple míaƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa koe míelɔ̃naa? Madzɔ alea ne míenye “mawusrɔ̃lawo” o. Yesu gblɔ be: ‘Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.’ (Efesotɔwo 5:1; Yohanes 3:16) Abe Yehowa Mawu ene la, míewɔa nu ɖe amewo katã—tsɔ kpe ɖe amesiwo menye haxɔsetɔwo o—ŋu lɔlɔ̃tɔe. (Luka 6:35, 36; Galatiatɔwo 6:10) Nu vevitɔ si míewɔ le go sia mee nye be, míeɖea gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia na ame bubuwo hegblɔa lɔlɔ̃ gã si Mawu ɖe fia ɖe wo ta na wo. Esia ate ŋu anye xɔxɔ na amesiame si aɖo to.—Marko 13:10; Timoteo I, 4:16.

13, 14. Nɔvi siwo ɖe lɔlɔ̃ fia amesiwo menye Ðasefowo o, togbɔ be kplamatsedonu geɖe nɔ eme na wo hã ƒe nuteƒekpɔkpɔ aɖewo ɖe?

13 Bu mɔɖela vevi ene siwo le Nepal ŋu kpɔ. Woɖo amesiawo ɖe du aɖe si le dukɔa ƒe anyieheɣetoɖoƒe me, eye le ƒe atɔ̃ siwo va yi me la, woɖe woƒe lɔlɔ̃ fia to ɖaseɖiɖi dzigbɔɖitɔe le dua kple kɔƒe siwo ƒo xlãe me. Be woate ŋu akpe woƒe anyigbamama ɖo la, wodoa gasɔ gaƒoƒo geɖe esime yame xɔ dzo gbɔ dzidzenu Celsius 40 ŋu. Lɔlɔ̃ si le wo si kple woƒe “dzidodo le dɔ nyui wɔwɔ me” tse ku nyuiwo esime woɖo agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ƒuƒoƒo le kɔƒeawo dometɔ ɖeka me. (Romatɔwo 2:7) Le March 2000 me la, ame 32 va se nutome sue dzikpɔla ƒe dutoƒonuƒoa. Gbeƒãɖela siwo nɔ Nepal le ƒe si va yi me enye 430—si nye dzidziɖedzi 9 le alafa me. Edze ƒã be Yehowa le yayram ɖe nɔviawo ƒe dzonɔameme kple lɔlɔ̃ dzi le dukɔ ma me.

14 Le Colombia la, ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe mɔɖela veviwo yi ɖaɖe gbeƒã le Wayuu Indiatɔwo dome. Be woate ŋu awɔ esia la, ehiã be woasrɔ̃ gbe yeye, gake woɖo woƒe lɔlɔ̃ ɖetsɔlemea ŋu na wo esime ame 27 va se dutoƒonuƒoa togbɔ be tsi gã aɖe dza hã. Dzonɔameme si me lɔlɔ̃ le si mɔɖela siawo ɖe fia la tɔgbe wɔe be gbeƒãɖela siwo le Colombia kpɔ dzidziɖedzi 5 le alafa me, si na woƒe xexlẽme ɖo 107,613. Le Denmark la, nɔvinyɔnu tsitsi aɖe di be yeagblɔ nyanyuia na ame bubuwo, gake enye nuwɔametɔ. Mena ta o, ke eto lɛta ŋɔŋlɔ dzi ke ɖe ɖetsɔlemetɔwo ŋu. Fifi laa la, eŋlɔa agbalẽ na ame 42 hewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ 11. Enye gbeƒãɖela 14,885 si nye agbɔsɔsɔ gbogbotɔ siwo bu akɔnta le Denmark le ƒe si va yi me la dometɔ ɖeka.

Lɔ̃ Wò Futɔwo

15, 16. (a) Aleke gbegbee Yesu be míaƒe lɔlɔ̃ nade toe? (b) Aleke nɔviŋutsu tiatia aɖewo wɔ nu lɔlɔ̃tɔe kple ame aɖe si tso Yehowa Ðasefowo nu aʋatsotɔe?

15 Yesu gblɔ na Sefiala la be woate ŋu abu Samariatɔ ame havii. Yesu gblɔ kpee le eƒe Todzimawunya la me be: “Miese wogblɔ bena: Lɔ̃ hawòvi, eye nalé fu wò ketɔ; ke nye la mele egblɔm na mi bena: Milɔ̃ miaƒe ketɔwo; miyra amesiwo ƒoa fi dea mi; miwɔ nyui na amesiwo léa mi ɖe ke me; mido gbe ɖa ɖe amesiwo ƒoa ɖi mi la ta; eye mido gbe ɖa ɖe amesiwo le mia yome tim la ta, bena ne miazu mia Fofo, si le dziƒo la, ƒe viwo.” (Mateo 5:43-45) Ne ame aɖe tsi tre ɖe mía ŋu gɔ̃ hã la, míedzea agbagba be ‘míatsɔ nu nyui la aɖu nu vɔ̃ɖi la dzi.’ (Romatɔwo 12:19-21) Ne anya wɔ la, míemaa nu xɔasitɔ kekeake si le mía si si nye nyateƒea la kplii.

16 Le Ukraine la, nyati aɖe si dze le Kremenchuk Herald ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ me gblɔ le Yehowa Ðasefowo ŋu be wonye kɔmama vɔ̃ɖi. Esia nye ŋkubiãnya elabena le Europa la, ame aɖewo ƒoa nu le Yehowa Ðasefowo ŋu alea be woatsɔ aƒoe ɖe amewo nu ne woaɖo asi Ðasefoawo ƒe dɔwɔnawo dzi alo woaxe mɔ ɖe wo nu. Esia ta wote ɖe amesi ta nyatia ŋu hebia tso esi be wòata nyati aɖe atsɔ aɖɔ nyati si wòta do ŋgɔ la ɖoe. Elɔ̃, gake eŋlɔ kpe ɖe nyati sia ŋuti be kpeɖodzi le nyati gbãtɔa ŋu. Eyata nɔviŋutsu siwo wotia la yi egbɔ ɖaɖe nya geɖe me nɛ. Mlɔeba nyatia tala kpɔe dze sii be vodada le nyati gbãtɔa ŋu eye wòta nyati bubu tsɔ ɖɔe ɖo. Nuwɔwɔ kplii tẽ kple le tufafa me nye lɔlɔ̃ mɔnu si dzi woato akpɔ nyaa gbɔ, eye nu nyuiwo do tso eme.

Aleke Míate Ŋu Atu Lɔlɔ̃ Ðoe?

17. Nukae ɖee fia be manɔ bɔbɔe ɣesiaɣi be míawɔ nu lɔlɔ̃tɔe ɖe ame bubuwo ŋu o?

17 Ne wodzi vi fẽ la, edzilawo lɔ̃nɛ enumake. Nuwɔwɔ lɔlɔ̃tɔe ɖe ame tsitsiwo ŋu mevana kaba nenema ɣesiaɣi o. Anye susu ma tae Biblia gblɔe na mí enuenu be míalɔ̃ mía nɔewo—enye nane si ŋu wòle be míawɔ dɔ tsoe. (Petro I, 1:22; 4:8; Yohanes I, 3:11) Yesu nya be woado míaƒe lɔlɔ̃ akpɔ esime wògblɔ be míatsɔ ake mía nɔeawo ‘vaseɖe zi blaadre vɔ adre.’ (Mateo 18:21, 22) Paulo hã xlɔ̃ nu mí be ‘míahe adodo kple mía nɔewo.’ (Kolosetɔwo 3:12, 13) Eyata mewɔ nuku o be wogblɔ na mí be ‘Míati lɔlɔ̃ yome’! (Korintotɔwo I, 14:1) Aleke míate ŋu awɔ esiae?

18. Nukae akpe ɖe mía ŋu be míatu lɔlɔ̃ ɖo na ame bubuwo?

18 Gbã la, míate ŋu aɖo ŋku lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa Mawu dzi ɣesiaɣi. Lɔlɔ̃ sia nye nu vevi aɖe na mía havi. Nukatae? Elabena ne míewɔe la, esia ƒoa nu nyui le mía Fofo si le dziƒo la ŋu eye wòhea ŋutikɔkɔe kple kafukafu vɛ nɛ. (Yohanes 15:8-10; Filipitɔwo 1:9-11) Evelia, míate ŋu adze agbagba be míakpɔ nuwo abe alesi Yehowa kpɔa woe ene. Ɣesiaɣi si míewɔ nuvɔ̃ la, míewɔnɛ ɖe Yehowa ŋu; ke hã la, etsɔnɛ kea mí ɣesiaɣi heyia edzi lɔ̃a mí. (Psalmo 86:5; 103:2, 3; Yohanes I, 1:9; 4:18) Ne míetu Yehowa ƒe nukpɔsusu ɖo la, míate ŋu alɔ̃ ame bubuwo ahatsɔ vo siwo amewo dana ɖe mía ŋu la ake wo. (Mateo 6:12) Etɔ̃lia, míate ŋu awɔ nu kple ame bubuwo abe alesi míadi be woawo hã nawɔe kpli mí ene. (Mateo 7:12) Esi míenye ame madeblibowo ta la, tsɔtsɔke hiãa mí zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, ne míegblɔ nya siwo ve ame bubuwo la, míekpɔa mɔ be woaɖo ŋku edzi be amesiame wɔa nuvɔ̃ le nuƒoƒo me ɣeaɖewoɣi. (Yakobo 3:2) Ne míedi be ame bubuwo nawɔ nu kpli mí lɔlɔ̃tɔe la, ke ele be míawɔ nu kpli wo lɔlɔ̃tɔe.

19. Aleke míate ŋu adi gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu le lɔlɔ̃ tutuɖo me?

19 Enelia, míate ŋu abia gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu elabena lɔlɔ̃ nye gbɔgbɔa ƒe kutsetsewo dometɔ aɖe. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Xɔlɔ̃wɔwɔwo, ƒome ƒe seselelãmewo, kple atsu kple asi dome lɔlɔ̃ nye seselelãme ƒe nuwo. Gake míehiã na Yehowa ƒe gbɔgbɔa ƒe kpekpeɖeŋu be míate ŋu atu lɔlɔ̃ si le Yehowa si ɖo, lɔlɔ̃ si nye ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo la. Míate ŋu adi gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu to Biblia si tso gbɔgbɔ me la xexlẽ me. Le kpɔɖeŋu me, ne míesrɔ̃ nu tso Yesu ƒe agbenɔnɔ ŋu la, míakpɔ alesi wòwɔ nui kple amewo, eye míate ŋu asrɔ̃ eyama. (Yohanes 13:34, 35; 15:12) Gakpe ɖe eŋu la, míate ŋu abia gbɔgbɔ kɔkɔea Yehowa, vevietɔ le nɔnɔme siwo nana wòsesẽna na mí be míawɔ nu lɔlɔ̃tɔe me. (Luka 11:13) Mlɔeba la, míate ŋu adi lɔlɔ̃ yomemɔ to Kristo-hamea ŋu nɔnɔ kplikplikpli me. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu lɔ̃amewo dome nɔnɔ kpena ɖe mía ŋu be míatu lɔlɔ̃ ɖo.—Lododowo 13:20.

20, 21. Lɔlɔ̃ si ɖeke mesɔ kpli o kae Yehowa Ðasefowo ɖe fia le ƒe 2000 subɔsubɔƒea me?

20 Le ƒe si va yi me la, nyanyuigbeƒãɖela 6,035,564 ye nɔ xexeame. Yehowa Ðasefowo zã gaƒoƒo 1,171,270,425 nɔ amewo dim be yewoagblɔ fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia na wo. Lɔlɔ̃e na be wote ŋu nɔ te ɖe dzoxɔxɔ, tsidzadza, kple vuvɔ nu le dɔ sia wɔwɔ me. Lɔlɔ̃e ʋã wo be woaƒo nu na sukuhatiwo kple dɔwɔhatiwo eye wote ɖe amesiwo nye amedzrowo ŋu le ablɔwo dzi kple le teƒe bubuwo aƒo nu na wo. Amesiwo Ðasefoawo srã kpɔ la dometɔ geɖe metsɔ ɖeke le eme o, eye ʋɛ aɖewo tsi tre ɖe wo ŋu. Ke hã ame aɖewo ɖe ɖetsɔleme fia, ale be wowɔ tɔtrɔyi 433,454,049, hewɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ 4,766,631. *

21 Lɔlɔ̃ si le Yehowa Ðasefowo si na woƒe Mawu kple na wo havi ɖeɖefia ka gbegbee nye si! Lɔlɔ̃ ma nu matsi akpɔ gbeɖegbeɖe o. Míeka ɖe edzi be ɖase si míaɖi na amewo le ƒe 2001 subɔsubɔƒea me la aƒo esia ta. Neva eme be Yehowa nayi edzi ayra eƒe tadeagula wɔnuteƒe dovevienuwo esi wole ‘nuwo katã wɔm le lɔlɔ̃ me’!—Korintotɔwo I, 16:14.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 20 Ne èdi be yeakpɔ Ƒe 2000 Subɔsubɔƒea ƒe Akɔntabubu bliboa la, ke kpɔ nyaɖoɖo si le axa 18-21.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Ne míelɔ̃ mía havi la, amekawo srɔ̃mee míele?

• Aleke gbegbe wòle be míaƒe lɔlɔ̃ nade toe?

• Nuteƒekpɔkpɔ siwo ɖe Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ fia la dometɔ aɖewo ɖe?

• Aleke míate ŋu atu Kristotɔ ƒe lɔlɔ̃ ɖoe?

[Biabiawo]

[Nyaɖoɖo si le 18-21]

YEHOWA ÐASEFOWO SIWO LE XEXEAME KATA ƑE ƑE 2000 SUBƆSUBƆƑEA ƑE AKƆNTABUBU

(Àkpɔe le agbalẽa ŋutɔ me)

[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ ate ŋu aƒo ƒome nu ƒu ɖekae

[Nɔnɔmetata siwo le axa 17]

Lɔlɔ̃ ʋãa mí be míagblɔ mɔkpɔkpɔ si le mía si na ame bubuwo