Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusiwo Dome Aʋawɔwɔ Gblẽ la Ðɔɖɔɖo

Nusiwo Dome Aʋawɔwɔ Gblẽ la Ðɔɖɔɖo

Nusiwo Dome Aʋawɔwɔ Gblẽ la Ðɔɖɔɖo

ABRAHAM nye vivimeʋawɔla ƒe 20 sɔŋ. * Gake edzudzɔ aʋawɔwɔ eye magayi aʋa ake gbeɖe o. Le nyateƒe me la, amesiwo nye eƒe futɔwo tsã dometɔ aɖewo va zu exɔlɔ̃ veviwo fifia. Nukae na wòtrɔ? Bibliae. Ena mɔkpɔkpɔ kple nugɔmesese su Abraham si, eye wòkpe ɖe eŋu Mawu ƒe nukpɔsusu le amegbetɔwo ƒe nyawo ŋuti su esi. Biblia ɖe aʋawɔwɔ ƒe dzodzro si le eme ɖa, eye wòte konyifafa, nuxaxa, fuléle, kple veve si le eme la dzi ɖuɖu. Ekpɔe be atike sẽŋu aɖe le Biblia me woatsɔ ayɔ dɔ dziae.

Aleke Biblia kpena ɖe ame ŋu wòɖɔa nusiwo gblẽ le eƒe seselelãme ŋu la ɖoe? Mete ŋu trɔ nusi dzɔ ɖe Abraham dzi ya o. Gake Mawu ƒe Nya si wòxlẽna hedea ŋugble le eŋu na eƒe susu va wɔ ɖeka kple Wɔla la tɔ. Fifia, etsɔme mɔkpɔkpɔ le esi, eye taɖodzinu yeyewo su esi. Nusiwo le vevie na Mawu va nye eya hã ƒe nu veviwo. Esi nusiawo te dzɔdzɔ alea ko la, vevesese siwo nɔ dzime nɛ nu te fafa. Mɔ ma nue wokpe ɖe Abraham ŋu le wòtrɔ.

Eƒo Eɖokui Ðe Dukɔmeviʋa Wɔwɔ Me

Wodzi Abraham le ƒe 1930-awo me le Afrika. Le xexemeʋa II megbe la, dukɔ sẽŋu aɖe si ɖe liƒo kple woƒe dukɔ lae va ɖu wo dzi, gake Abraham ƒe dukɔmevi geɖe di be yewoaxɔ ɖokuisinɔnɔ. Le ƒe 1961 me la, Abraham va ge ɖe ablɔɖetaʋliha aɖe si ho vivimeʋa ɖe dukɔ sẽŋu si ɖe liƒo kpli wo ŋu me.

Abraham ɖe nu me be: “Míaƒe futɔwoe wonye. Woɖoe be yewoawu mí, eyata míawo hã míedze mɔ yina wo wu ge.”

Abraham ƒe agbe ɖoa afɔku me enuenu, eyata le ƒe 1982 me, le aʋawɔwɔ ƒe 20 megbe la, esi yi Europa. Enɔ eƒe ƒe 40-awo ƒe nuwuwu me ɣemaɣi, eye esi wòkpɔe be ɣeyiɣi geɖe wu su ye si azɔ la, ebu tame le eƒe etsɔme ŋu. Nukawoe va zu eƒe taɖodzinu? Nukae etsɔme ahe vɛ? Abraham do go Yehowa Ðasefo aɖewo eye wòte woƒe kpekpewo dede. Eɖo ŋku edzi be ƒe aɖewo va yi le Afrika la, yexlẽ trakt aɖe si Ðasefo aɖe tsɔ na ye. Trakt la ƒo nu tso paradiso si gbɔna anyigba dzi kple dziƒodziɖuɖu si aɖu ameƒomea dzi ŋu. Ðe ema ate ŋu ava eme nyateƒea?

Abraham gblɔ be: “Mesrɔ̃e le Biblia me be ƒe mawo siwo metsɔ nɔ aʋa wɔmee katã nye ɣeyiɣi gbegblẽ. Dziɖuɖu si ko awɔ nu ɖe amesiame ŋu le dzɔdzɔenyenye me lae nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe.”

Esi Abraham xɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo megbe kpuie la, ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Robert si tso Afrika va Europa-du si me Abraham hã nɔ la me. Robert kple Abraham siaa de aʋa ma evɔ wonɔ akpa vovovo dzi. Robert bua tame le tameɖoɖo si le agbe ŋu la ŋu zi geɖe. Enye amesi lɔ̃a mawunya, eye esi wòxlẽ Biblia ƒe akpa aɖewo la, enya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. Esi Ðasefo siwo le hame si me Abraham le doe ɖa be yewoakpe ɖe Robert ŋu wòase Biblia gɔme ɖe edzi la, elɔ̃ enumake.

Robert ɖe nu me be: “Tso gɔmedzedzea ke la, alesi Ðasefoawo zãa Yehowa kple Yesu ƒe ŋkɔe, si ɖenɛ fiana be wonye ame vovovowo la, wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Ema wɔ ɖeka kple nusi menya xoxo tso Biblia me. Azɔ hã Ðasefoawo doa awu nyuie eye wonyoa dɔme na ame bubuwo, dukɔ ka ke me tɔe wòɖanye o. Nusiawo wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe.”

Futɔwo Va Zu Xɔlɔ̃wo

Robert kple Abraham siwo nye futɔwo tsã la va zu xɔlɔ̃ veviwo. Wonye ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖelawo le Yehowa Ðasefowo ƒe hame ɖeka me. Abraham ɖe nu me be: “Le aʋaa wɔɣi la, alesi wòte ŋu dzɔe be dukɔ siwo ɖe liƒo kple wo nɔewo—siwo me tɔ geɖe nye subɔsubɔha ɖeka me tɔwo—lé fu wo nɔewo la wɔa nuku nam zi geɖe. Mía kple Robert míenɔ xɔseha ɖeka me, gake míewɔ aʋa tsi tre ɖe mía nɔewo ŋu. Fifia mí katã míezu Yehowa Ðasefowo, eye míaƒe xɔse te mí ƒo ƒui.”

Robert gblɔ kpee be: “Emae nye vovototoa. Xɔse si na míezu nɔviwo ƒe habɔbɔ vavã me tɔwo ye su mía si fifia. Míagayi aʋa azɔ gbeɖe o.” Biblia va kpɔ ŋusẽ sẽŋu aɖe ɖe amesiawo siwo nye futɔwo tsã la ƒe dzi dzi. Ʋɛʋɛʋɛ la, fuléle kple veve si nɔ wo me la do, eye kaka ɖe ame nɔewo dzi kple xɔlɔ̃wɔwɔ va xɔ ɖe wo teƒe.

Le ɣeyiɣi ma ke si me Abraham kple Robert nɔ aʋagbedzi la, ɖekakpui eve bubu hã nɔ dukɔ eve bubu siwo ɖe liƒo kple wo nɔewo me siwo nɔ aʋa wɔm tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu la ƒe akpawo dzi. Eteƒe medidi o Biblia nye atike sẽŋu aɖe si ɖɔ woawo hã ƒe dzi ɖo. Le mɔ ka nu?

Wu Ame—Eye Nàku Xɔsetaku

Wofia Gabriel, amesi wonyi le mawusubɔsubɔ ƒome me la be aʋa kɔkɔe aɖe le edzi yim sesĩe le wo denyigba dzi. Eyata esi wòxɔ ƒe 19 la, etsɔ eɖokui na be yeawɔ asrafodɔ hebia be woaɖo ye ɖe aʋagbedzi. Enɔ afisi aʋaa nu sẽ ŋutɔ le ɣleti 13 sɔŋ, eye ɣeaɖewoɣi la, kilometa ɖeka kple afã koe tsoa woa kple futɔwo dome. Egblɔ be: “Meɖo ŋku ɣeyiɣi aɖe koŋ dzi. Mía ŋgɔnɔla gblɔ na mí be futɔawo aho ɖe mía ŋu le zã ma me. Dzidzi ƒo mí ale gbegbe be míeda tu ɖe yame zã bliboa katã.” Ebu amesiwo tso dukɔ siwo ɖe liƒo kpli mí me eƒe futɔ siwo dze ku. “Nye susue nye be mawu ame geɖe alesi mate ŋui. Emegbe, abe xɔ̃nye geɖe ene la, medi be maku xɔsetaku.”

Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, nu va te ɖe Gabriel dzi. Esi yi towo dzi, wɔ dzadzadza tso dea yi dukɔ bubu si menɔ aʋaa me o me eye wòyi Europa. Ebiaa Mawu zi geɖe nusita agbenɔnɔ sesẽ nenema gbegbe ɖo, eye nenye be kuxiwo nye tohehe tso Mawu gbɔ. Eva do go Yehowa Ðasefowo, amesiwo ɖe nusita agbenɔnɔ yɔ fũ kple kuxiwo egbea me nɛ le Biblia me.—Mateo 24:3-14; Timoteo II, 3:1-5.

Zi alesi Gabriel srɔ̃ nu tso Biblia mee la, zi nenemae wòkpɔnɛ dzea sii be nyateƒea le eme. “Mesrɔ̃e be míate ŋu anɔ agbe tegbee le paradisonyigba dzi. Nukutɔe la, emae nye nusi dzroam vevie esime menye ɖevi.” Biblia fa akɔ na Gabriel eye wòna eƒe dzi si gbã la dze eme. Dziku helĩhelĩ si nɔ dzi me nɛ nu te fafa. Eyata le ɣeyiɣi si me Gabriel nado go Daniel, si nye eƒe futɔ tsã la, fuléle aɖeke meganɔ eme ɖe eŋu o. Gake nukae na Daniel va Europa?

“Ne Èli Nyateƒe la, Ke Taflatse Kpe Ðe Ŋunye!”

Wonyi Daniel Katolikotɔe, eye esi wòxɔ ƒe 18 la, wohee de asrafodɔ me. Woɖoe ɖe aʋa ma ke si Gabriel hã de, gake wonɔ akpa vovovo dzi. Esi wonɔ afisi aʋaa nu nɔ sesẽm le gogom la, Daniel nɔ aʋawɔʋu aɖe me esime woda tu ʋua. Xɔlɔ̃awo ku, ke eya xɔ abi vevie eye wolée de gaxɔ me. Enɔ kɔdzi kple asaɖa me ɣleti geɖe hafi woɖoe ɖe dukɔ aɖe si menɔ akpa aɖeke dzi o me. Esi wòtsi akogo eye wɔna aɖeke menɔ eŋu o ta la, eɖoe be yeawu ye ɖokui. Daniel do gbe ɖa na Mawu be: “Ne èli nyateƒe la, ke taflatse kpe ɖe ŋunye!” Ŋufɔke la, Yehowa Ðasefowo va egbɔ, eye woɖo eƒe biabia geɖe ŋu nɛ. Mlɔeba la, ezɔ mɔ yi Europa va nye sitsoƒedila. Afima hã, Daniel de ha kple Ðasefowo eye wòsrɔ̃ Biblia. Nusi wòsrɔ̃ ɖe eƒe dzimaɖitsitsi kple dzikua dzi kpɔtɔ.

Gabriel kple Daniel nye xɔlɔ̃ veviwo fifia, eye wonye Yehowa ƒe Ðasefo xɔnyɔnyrɔ siwo wɔ ɖeka le nɔviwo ƒe gbɔgbɔ me habɔbɔ me. Gabriel gblɔ be: “Lɔlɔ̃ si le menye na Yehowa kple Biblia me sidzedze si su asinye kpe ɖe ŋunye be mekpɔa nuwo abe alesi wòkpɔa woe ene. Daniel meganye nye futɔ o. Ƒe aɖewoe nye esi va yi la, anye ne mewui bɔbɔe. Nusi Biblia fiam to vovo kura—be malɔ̃ faa aku ɖe eta.”

Daniel gblɔ be: “Mekpɔ subɔsubɔha kple dukɔ vovovo me tɔwo nɔ wo nɔewo wum. Eye subɔsubɔha ɖeka me tɔ siwo nɔ akpa vovovowo dzi nɔ aʋaa wɔm la nɔ wo nɔewo wum. Esi mekpɔ nusia la, mesusui be Mawue wòle be woabu fɔ. Fifia menya be Satanae le megbe na aʋawɔwɔwo katã. Mía kple Gabriel míenye haxɔsetɔwo fifia. Míegale aʋa wɔ ge akpɔ gbeɖe o!”

“Mawu ƒe Nya la Le Agbe, eye Wòsẽa Ŋu”

Nukatae Abraham, Robert, Gabriel, kple Daniel wɔ tɔtrɔ wɔdɔɖeamedzi sia gbegbe? Aleke wowɔ te ŋu ɖe fuléle kple nuxaxa si ƒo ke ɖe to sesĩe la ɖa le woƒe dzi me?

Ŋutsu siawo dometɔ ɖesiaɖe xlẽ Biblia, de ŋugble le eŋu, hesrɔ̃ nyateƒe, si “le agbe, eye wòsẽa ŋu” la le eme. (Hebritɔwo 4:12) Biblia Ŋlɔlae nye ameƒomea Wɔla, amesi nya alesi wòakpɔ ŋusẽ nyui ɖe amesi lɔ̃ be yeaɖo to ahasrɔ̃ nu la ƒe dzi dzii. “Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe [gbɔgbɔ] me la, enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me.” Ne nuxlẽlaa ɖe mɔ le eɖokui ŋu be Biblia nafia mɔ ye ko la, eva ɖoa taɖodzinu kple dzidzenu yeyewo na eɖokui. Edzea egɔme srɔ̃a alesi Yehowa bua nuwoe. Nusia wɔwɔ ɖea vi geɖe, hekpe ɖe nusiwo aʋawɔwɔ gblẽ le amewo ŋu la ɖɔɖɔɖo ŋu.—Timoteo II, 3:16.

Mawu ƒe Nya ɖe nu me be dukɔ, ameƒomevi, alo gbegbɔgblɔ aɖe dola aɖeke menyo alo vloe wu bubu o. “Mawu mekpɔa ame ŋku me o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.” Wokpena ɖe nuxlẽla si lɔ̃ ɖe nya sia dzi ŋu ʋɛʋɛʋɛ wòɖua fuléle ameƒomevi alo dukɔ bubu me tɔ ƒe seselelãme si le eme la dzi.—Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.

Biblia me nyagblɔɖiwo ɖee fia be madidi o Mawu atsɔ eƒe Mesia Fiaɖuƒea aɖo amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu siwo le fifi nuɖoanyia me teƒe. Mawu ato dziɖuɖu sia dzi “[atsi] aʋawɔwɔwo nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.” Woaɖe nuɖoanyi siwo doa aʋawɔwɔ ɖe ŋgɔ hedea dzi ƒo na amewo be woawɔ aʋa la ɖa. Woafɔ aʋatsilawo ɖe tsitre ahana mɔnukpɔkpɔ wo be woanɔ paradisonyigba dzi. Mahiã be ame aɖeke nagasi le anyrawɔla alo ameteɖeanyila aɖeke nu o.—Psalmo 46:10; Daniel 2:44; Dɔwɔwɔwo 24:15.

Biblia gblɔ le amegbetɔ siwo anɔ anyi ɣemaɣi ŋu be: “Woatu xɔ anɔ eme, eye woade weingble aɖu eme kutsetse. Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o. . . . Womadze agbagba dzodzro o, eye womadzi dzikudziku o.” Nu gbegblẽ aɖeke matsi anyi si womaɖɔ ɖo o. Mɔkpɔkpɔ sia dzixɔxɔse ɖea nuxaxa kple konyifafa ɖa le ame ƒe dzi me ʋɛʋɛʋɛ.—Yesaya 65:21-23.

Biblia nye atike sẽŋu si woatsɔ ayɔ dɔ ame ƒe dzi vavã. Eƒe nufiafiawo le nusiwo aʋawɔwɔ gblẽ la ɖɔm ɖo xoxo. Amesiwo nye futɔwo tsã la wɔ ɖeka le xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me. Nuwo ɖɔɖɔɖo sia ayi edzi le Mawu ƒe nuɖoanyi yeyea me vaseɖe esime fuléle kple veve, konyifafa kple nuxaxa si le ameƒomea ƒe dzi me la maganɔ anyi o. Wɔla la do ŋugbe be ‘womagaɖo ŋku tsãnuwo dzi, alo woava ame ƒe dzi me o.’—Yesaya 65:17.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 4]

“Mesrɔ̃e le Biblia me be ƒe mawo siwo metsɔ nɔ aʋa wɔmee katã nye ɣeyiɣi gbegblẽ”

[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

Biblia ate ŋu akpɔ ŋusẽ triakɔ ɖe amesiwo nye futɔwo tsã la ƒe dzi dzi

[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]

Ʋɛʋɛʋɛ fuléle kple veve nu tso eye kaka ɖe ame nɔewo dzi kple xɔlɔ̃wɔwɔ va xɔ ɖe wo teƒe

[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]

Ne nuxlẽlaa ɖe mɔ le eɖokui ŋu be Biblia nafia mɔ ye ko la, eva ɖoa taɖodzinu kple dzidzenu yeyewo na eɖokui

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Amesiwo nye futɔwo tsã la va le ɖeka wɔm fifia le xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 4]

Sitsoƒedilawo ƒe asaɖa: UN PHOTO 186811/J. Isaac