Yehowa Ðasefowo Wole Ŋgɔ Yim Kple Kakaɖedzi Sẽŋu!
Yehowa Ðasefowo Wole Ŋgɔ Yim Kple Kakaɖedzi Sẽŋu!
Ƒe Sia Ƒe Takpekpe Me Nyatakakawo
LE MAKAMAKAÐENUDZI kple ɖikeke ƒe ŋkeke siawo me la, Yehowa Ðasefowo nye Kristotɔ siwo ɖe dzesi le kakaɖedzi sẽŋu ƒe amesinɔnɔ gome. Wona esia me kɔ ƒã le Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔa si le Pennsylvania ƒe ƒe sia ƒe takpekpe, si wowɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe Takpexɔ si le Jersey City, New Jersey, la me, le Memleɖa, October 7, 2000 dzi. *
Zimenɔla, John E. Barr, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me tɔ, gblɔ le eƒe nuƒo si wòtsɔ ʋu enui me be: “Le ame biliɔn gbogbo siwo le anyigba dzi dome la, míenya eye míexɔe se be woɖo Yehowa ƒe Vi malɔ̃nugbɔa, Kristo Yesu, zi dzi le dziƒo fifia, wòle dzi ɖum le eƒe futɔwo titina.” Kakaɖedzi sẽŋu ma ƒe kpeɖodzi dze le nyatakaka dodzidzɔname ade siwo tso xexeame katã me.
Biblia ƒe Nyateƒe Tsɔtsɔ Ðu Gbɔgbɔyɔyɔ Dzi le Haiti
Gbɔgbɔyɔyɔ bɔ ɖe Haiti ale gbegbe. Alɔdzekɔmiti dzikpɔla John Norman, gblɔ be: “Zi geɖe la, amewo xɔa vudu be woatsɔ akpɔ wo ɖokui tae.” Ðikeke ɖo bokɔ aɖe me le esi afɔku aɖe na eƒe afɔ ɖeka lã ta. Ebia eɖokui se be: ‘Aleke wɔ nusia te ŋu dzɔ ɖe dzinye ne mele gbɔgbɔwo ƒe ametakpɔkpɔ te?’ Yehowa Ðasefowo fia nyateƒea ŋutsu sia eye wokpe ɖe eŋu wòdzudzɔ gbɔgbɔyɔyɔ, abe alesi wokpe ɖe ame bubu geɖe ŋui ene. Alesi gbegbe dzidziɖedzi le vavamee le Haiti la dze le April 19, 2000 dzi, esime Kristo ƒe kua ƒe Ŋkuɖodzia valawo sɔ gbɔ zi gbɔ zi ene wu Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo le dukɔ ma me.
Viviedodonu le Korea ƒe Anyigbamama Gãa Me
Le Korea la, Yehowa Ðasefowo ƒe alafa memama 40 ye le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm. Milton Hamilton si nye Alɔdzekɔmiti dzikpɔla, gblɔ be: “Aʋakɔ gã nyadri sia wɔe be míekpea míaƒe anyigbamama si me ame miliɔn 47 le la ɖo zi ɖeka kloe le ɣleti ɖeka me.” Dzidziɖedzi si le vavam le tokunɔgbe hamewo me koŋue ɖe dzesi wu. Le tokunɔgbe nutome sue aɖe me la, wole aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ 800 sɔŋ wɔm. Le mama dedie nu la, esia fia be gbeƒãɖela ɖeka wɔa nusɔsrɔ̃ ɖeka. Nublanuitɔe la, wokpɔtɔ le nɔviŋutsu ɖekakpuiwo lém de game le woƒe akpaɖekedzimademade ta. Gake wowɔa nu ɖe Kristotɔ
nuteƒewɔla siawo ŋu dɔmenyotɔe, eye zi geɖe la, wodea dɔ siwo bia kakaɖeamedzi asi na wo.Dzidziɖedzi ƒe Hiahiãwo Gbɔ Kpɔkpɔ le Mexico
Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeake si nye 533,665, ye bu gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe akɔnta le August 2000 me le Mexico. Amesiwo ƒe agbɔsɔsɔ wu xexlẽme ma ƒe teƒe etɔ̃ ye de Ŋkuɖodzia. Robert Tracy si nye Alɔdzekɔmiti dzikpɔla, gblɔ be: “Míaƒe taɖodzinu le ƒe sia mee nye be míatu Fiaɖuƒe Akpata 240.” Egblɔ kpee be: “Míegahiã geɖe wu ema.”
Sɔhɛ siwo nye Yehowa Ðasefowo le Mexico le kpɔɖeŋu nyui ɖom. Katoliko nunɔla aɖe gblɔ le sɔhɛ aɖe ŋu be: “Madi be nye hameviwo dometɔ ɖeka teti nanɔ abe eya ene. Amesiawo ƒe nu léa dzi nam le woƒe kutrikuku kple bibi ɖe Biblia zazã me ta. Woʋli Mawu ta, eye wotsɔa woƒe agbe ɖoa anyi ɖe eta gɔ̃ hã.”
Nuteƒewɔwɔ le Ʋunyaʋunya si Nɔ Sierra Leone Me
Tso April 1991 me, esime wodze dukɔmeviʋa wɔwɔ gɔme le Sierra Leone la, wowu ame akpe geɖe, hewɔ nuvevi amewo, alo na wozu nuwɔametɔwo. Bill Cowan si nye Alɔdzekɔmiti dzikpɔla, ka nya ta be: “Aʋawɔwɔ kple nɔnɔme sesẽwo kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi ale gbegbe. Ame geɖe siwo metsɔa ɖeke le míaƒe gbedasia me tsã o va le to ɖom ɖetsɔlemetɔe fifia. Menye nu yeyee wònye be amewo zɔna tẽ tsoa ablɔwo dzi va gena ɖe míaƒe Fiaɖuƒe Akpatawo me vana kpekpe zi gbãtɔ o. Zi geɖe wotɔa te nɔviwo le ablɔwo dzi biana be woawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kple yewo.” Ale wɔ le dukɔa me nyawo ƒe kemalimali atraɖii me hã la, Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa le ku tsem le Sierra Leone.
Xɔtutudɔ Gã aɖe le South Africa
Fifi laa la, wohiã Fiaɖuƒe Akpata akpe geɖe le nuto siwo le South Africa alɔdzedɔwɔƒea ƒe dzikpɔkpɔ te me. Wotu akpata alafa geɖe xoxo. John Kikot si nye Alɔdzekɔmiti me tɔ, gblɔ be: “Le esi teƒe be mía nɔviwo nakpe le xɔ madeamedzi aɖe me alo le ati aɖe te, abe alesi wowɔnɛ tsã ene la, wote ŋu kpea ta le teƒe si sɔ afisi zikpui nyuiwo le. Togbɔ be Fiaɖuƒe Akpataawo dometɔ akpa gãtɔ nye esiwo womeɖo atsyɔ na fũ o hã la, zi geɖe wonyea xɔ ɖedzesi siwo ŋu bubu le wu le nuto siwo me wole me. Le teƒe aɖewo la, wokpɔe be le Fiaɖuƒe Akpata tutu vɔ megbe la, hamea va dzina ɖe edzi wu zi gbɔ zi eve le ƒe si kplɔnɛ ɖo la me.”
Ðasefowo ƒe Dzidzime Yeye aɖe le Ukraine
Le ƒe 2000 ƒe subɔsubɔƒea me la, dukɔ sia kpɔ gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeake si nye 112,720. Amesiawo dometɔ siwo wu 50,000 srɔ̃ Biblia me nyateƒea le ƒe atɔ̃ siwo va yi la me. John Didur si nye Alɔdzekɔmiti dzikpɔla, gblɔ be: “Le nyateƒe me la, Yehowa na sɔhɛ Ðasefowo ƒe dzidzime yeye aɖe do be woaɖe gbeƒã eƒe ŋkɔ!” Egblɔ kpee be: “Le ƒe eve siwo va yi me la, míema magazine siwo wu miliɔn 50, si sɔ kple ame agbɔsɔsɔme si le dukɔa me. Le mama dedie nu la, míexɔa lɛta akpe ɖeka tsoa ɖetsɔlemetɔwo gbɔ wobiana be míaɖo nyatakaka bubuwo ɖe yewo.”
Wɔnaa ƒe Akpa Wɔdɔɖeamedzi Bubuwo
Daniel Sydlik, si nye Dziɖuhaa me tɔ, ƒo nuƒo wɔdɔɖeamedzi aɖe. Nufiamenuƒo ma dzie wotu magazine sia me nyati si nye “Alesi Dziɖuha la To Vovo na Dɔwɔha si Woɖo le Se Nui,” la ɖo.
Theodore Jaracz, si nye Dziɖuhaa me tɔ, ƒo nuƒo si na wobua tame si ƒe tanyae nye “Woɖo Dzikpɔlawo Kple Subɔsubɔdɔwɔlawo le Teokrasimɔ Nu.” Wotu nyati siwo dze le magazine sia me la dometɔ ɖeka ɖe tanya sia dzi.
Nuƒo ʋame aɖe si Dziɖuhaa me tɔ David Splane ƒo, si ku ɖe ƒe 2001 ƒe ƒea ƒe mawunyakpukpuia ŋu, hã nɔ ƒe sia ƒe takpekpea me nuƒoawo dome. Wotui ɖe apostolo Paulo ƒe nyawo dzi be: ‘Minɔ tsitre bliboe, eye mikpɔ kakaɖedzi sẽŋu na Mawu ƒe lɔlɔ̃nu katã.’ (Kolosetɔwo 4:12) Yehowa Ðasefowo le xexeame katã ɖoe kplikpaa be yewoawɔ nu ma le woƒe gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia nuteƒewɔwɔtɔe le anyigba katã dzi me.—Mateo 24:14.
[Etenuŋɔŋlɔ]
^ mm. 3 Woto kadodomɔnuwo dzi ɖe wɔnaa fia le teƒe vovovowo, si wɔe be amesiwo katã kpɔ gome le eme va le 13,082.