Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Zɔ Aduadu Kple Yehowa Ƒe Habɔbɔa

Zɔ Aduadu Kple Yehowa Ƒe Habɔbɔa

Zɔ Aduadu Kple Yehowa Ƒe Habɔbɔa

“Ŋutifafa Mawu . . . nadzra mi ɖo blibo le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me, bena miawɔ eƒe lɔlɔ̃nu.”—HEBRITƆWO 13:20, 21.

1. Xexeamenɔlawo katã ƒe xexlẽme ɖe, eye wo dometɔ nenie le subɔsubɔha aɖewo me?

LE ƑE 1999 me la, anyigbadzinɔlawo katã ƒe xexlẽme ɖo biliɔn ade! The World Almanac gblɔ na mí be ame xexlẽme sia dometɔ siwo ade 1,165,000,000 nye Moslemtɔwo; 1,030,000,000 nye Roma Katolikotɔwo; 762,000,000 nye Hindutɔwo; 354,000,000 nye Buddhatɔwo; 316,000,000 nye Protestanttɔwo; eye 214,000,000 nye Orthodɔks-ha me tɔwo.

2. Nya kae míate ŋu agblɔ le nɔnɔme si me subɔsubɔhawo le egbea ŋu?

2 Esi mawusubɔsubɔ me mama kple tɔtɔ li egbea ta la, ɖe míagblɔ be ame miliɔn geɖe siawo katã ƒe nuwɔna wɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nua? Ao, “elabena Mawu menye nyamanyamawɔwɔ ƒe Mawu o, ke ŋutifafa ƒe Mawu boŋ.” (Korintotɔwo I, 14:33) Ke Yehowa subɔlawo ƒe xexeame katã ƒe habɔbɔa ya ɖe? (Petro I, 2:17) Ŋkuléle ɖe nu ŋu nyuie ɖee fia be ‘ŋutifafa Mawu la dzraa wo ɖo bliboe le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me be woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu.’—Hebritɔwo 13:20, 21.

3. Nukae dzɔ le Yerusalem le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi, eye nukatae?

3 Gake menye amesiwo dea ha kple Yehowa Ðasefowo ƒe agbɔsɔsɔe ɖenɛ fiana be Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu o; eye Mawu meléa ŋku ɖe amewo ƒe agbɔsɔsɔ ŋuti kɔntabubuwo ŋu hã o. Menye esi Israel ‘sɔ gbɔ wu’ dukɔwo katã tae wòtia wo ɖo o. Le nyateƒe me la, woawoe nɔ “ʋɛ” wu. (Mose V, 7:7) Gake esi Israel mewɔ nuteƒe o ta la, Yehowa ɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ le wo dzi le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi tsɔ na Kristo-hame yeye si me Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo nɔ. Wotsɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na wo eye wotsɔ veviedodo do yi ɖaɖe gbeƒã nyateƒe si ku ɖe Mawu kple Kristo ŋu na ame bubuwo.—Dɔwɔwɔwo 2:41, 42.

Ele Ŋgɔ Yim Ɣesiaɣi

4. Nukata nàgblɔ be Kristo-hame gbãtɔ la nɔ ŋgɔ yim ɣesiaɣi?

4 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Kristo-hamea nɔ ŋgɔ yim ɣesiaɣi, wotsɔ nyaa yi anyigbamama yeyewo me, wowɔ nusrɔ̃lawo, eye wose Mawu ƒe lɔlɔ̃nu kple tameɖoɖo gɔme ɖe edzi. Kristotɔ gbãtɔawo zɔ aduadu kple gbɔgbɔmenumekɔkɔ si woɖe fia to lɛta siwo tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me dzi. Esi apostoloawo kple ame bubuwo va srã wo kpɔ la, ede dzi ƒo na wo wowu woƒe subɔsubɔdɔa nu. Woŋlɔ nusiawo katã ɖi na mí nyuie le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me.—Dɔwɔwɔwo 10:21, 22; 13:46, 47; Timoteo II, 1:13; 4:5; Hebritɔwo 6:1-3; Petro II, 3:17, 18.

5. Nukata Mawu ƒe habɔbɔa le ŋgɔ yim egbea, eye nukata wòle be míazɔ kplii aduadu?

5 Abe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ene la, Yehowa ƒe egbeŋkekea me Ðasefowo wɔ ŋgɔyiyi tso gɔmedzedze nyaŋui aɖe dzi. (Zaxarya 4:8-10) Tso ƒe alafa 19 lia ƒe nuwuwu la, míekpɔ kpeɖodzi siwo na wòdze ƒã be Mawu ƒe gbɔgbɔ le eƒe habɔbɔa dzi. Esi menye amegbetɔ ƒe ŋusẽ ŋue míeɖoa ŋu ɖo o ke míeɖoa ŋu ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia ŋu ta la, míeyi edzi wɔ ŋgɔyiyi le míaƒe Ŋɔŋlɔawo gɔmesese kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me. (Zaxarya 4:6) Fifia si míele “ŋkeke mamlɛawo” me la, ele vevie be míazɔ aduadu kple Yehowa ƒe habɔbɔ si le ŋgɔ yim la. (Timoteo II, 3:1-5) Esia wɔwɔ kpena ɖe mía ŋu míeléa míaƒe mɔkpɔkpɔa me ɖe asi eye ena míekpɔa gome le ɖaseɖiɖi le Mawu ƒe Fiaɖuƒe si woɖo anyi ŋu me hafi nuɖoanyi sia naɖo eƒe nuwuwu keŋkeŋ.—Mateo 24:3-14.

6, 7. Nu etɔ̃ siwo me Yehowa ƒe habɔbɔa wɔ ŋgɔyiyi le kawo mee míadzro?

6 Ame aɖewo le mía dome siwo te hadede kple Yehowa ƒe habɔbɔa le ƒe 1920-awo, 1930-awo, kple 1940-awo me. Le gɔmedzeƒe mawo me la, mía dometɔ kae te ŋu kpɔ dzidziɖedzi ɖedzesi kple ŋgɔyiyi si habɔbɔa wɔ vaseɖe egbea la le susu me? Bu nu ɖedzesi siwo teƒe míekpɔ le míaƒe egbeŋkekea me ŋutinya me ŋu kpɔ! Le nyateƒe me la, edoa ŋusẽ mí le gbɔgbɔ me ne míede ŋugble le nusi Yehowa wɔ to eƒe habɔbɔ si wɔa nu ɖe teokrasiɖoɖo nu dzi ŋu.

7 Esi Dawid si nɔ anyi le blema de ŋugble le Yehowa ƒe nukunuwo ŋu la, ewɔ dɔ ɖe edzi vevie. Egblɔ be: “Mebe, matsɔ wo aɖe gbeƒãe, eye maƒo nu le wo ŋu, ke womele xexlẽ me o.” (Psalmo 40:6) Nu gloa míawo hã nenema ke, eye míete ŋu gblɔa nu gã kple nusiwo dze na kafukafu siwo Yehowa wɔ le míaƒe ŋkekea me la dometɔ geɖe o. Ke hã mina míadzro nu etɔ̃ siwo me Yehowa ƒe habɔbɔa wɔ ŋgɔyiyi le me: (1) gbɔgbɔmenumekɔkɔ si wona vivivi, (2) subɔsubɔdɔ si nyo ɖe edzi hekeke ɖe enu, kple (3) tɔtrɔ siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia nu siwo wowɔ le habɔbɔa ƒe dɔwɔmɔnuwo me.

Míedaa Akpe Ðe Gbɔgbɔmenumekɔkɔa Ta

8. Nuka gɔmee gbɔgbɔmenumekɔkɔa kpe ɖe mía ŋu míese le Fiaɖuƒea ŋu wòwɔ ɖeka kple Lododowo 4:18?

8 Lododowo 4:18 ƒe nyawo va eme nyateƒe le gbɔgbɔmenumekɔkɔ siwo wona mí vivivi la gome. Egblɔ be: “Ame dzɔdzɔe ƒe toƒe le abe agudzedze ƒe kekeli, si nɔa kɔkɔm ɖe edzi, vaseɖe esime ŋu kena keŋ ene.” Aleke gbegbe míedaa akpe ɖe gbɔgbɔmenumekɔkɔ si wona mí vivivi la tae nye si! Wote gbe ɖe Mawu Fiaɖuƒea dzi le takpekpe si wowɔ le Cedar Point, Ohio, le ƒe 1919 me la me. Fiaɖuƒe sia dzie Yehowa ato akɔ eƒe ŋkɔ ŋu eye wòatsɔ aʋli eƒe dziɖulanyenye tae. Le nyateƒe me la, gbɔgbɔmenumekɔkɔa na míete ŋu kpɔe be tso Mose I vaseɖe Nyaɖeɖefia la, Biblia ɖi ɖase le tame si Yehowa ɖo be yeato Fiaɖuƒe si dzi ɖum Via le la dzi akɔ yeƒe ŋkɔ ŋu la ŋuti. Esiae nye dzɔdzɔenyenyelɔ̃lawo katã ƒe mɔkpɔkpɔ vevi aɖe.—Mateo 12:18, 21.

9, 10. Le ƒe 1920 ƒeawo me la, nukae wosrɔ̃ tso Fiaɖuƒea kpakple habɔbɔ eve siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu la ŋuti, eye aleke esia kpe ɖe ame ŋui?

9 Le takpekpe si wowɔ le Cedar Point le ƒe 1922 me la, Nɔviŋutsu J. F. Rutherford si ƒo nuƒo vevia de dzi ƒo na Mawu ƒe amewo gblɔ be, “miɖe gbeƒã, miɖe gbeƒã, miɖe gbeƒã Fia la kple eƒe fiaɖuƒe.” Le nyati aɖe si ƒe tanyae nye “Wodzi Dukɔ La” si wota ɖe March 1, 1925, ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ me la, wohe susu yi gbɔgbɔmegɔmesese si le nyagblɔɖi siwo fia asi Mawu Fiaɖuƒea ɖoɖo anyi le ƒe 1914 me ŋu la dzi. Wokpɔe le ƒe 1920-awo me hã be habɔbɔ ɖedzesi eve siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu ye li—Yehowa ƒe habɔbɔ kple Satana hã tɔ. Ʋiʋlia kpɔtɔ le wo dome, eye ne míeyi edzi zɔ kple Yehowa ƒe habɔbɔa aduadu ko hafi míanɔ akpa si aɖu dzi la dzi.

10 Aleke gbɔgbɔmenumekɔkɔ sia kpe ɖe mía ŋui? Esi Mawu Fiaɖuƒea kple eƒe Fia Yesu Kristo menye xexeame ƒe akpa aɖeke o ta la, míawo hã míate ŋu anye eƒe akpa aɖeke o. Ne míeɖe mía ɖokui ɖa le xexeame ŋu la, míaɖee afia be míele nyateƒea ƒe akpa dzi. (Yohanes 17:16; 18:37) Ne míekpɔ alesi kuxi sesẽwo le fu wɔm nuɖoanyi vɔ̃ɖi siae la, aleke gbegbe míedaa akpee nye si be míenye Satana ƒe habɔbɔa ƒe akpa aɖeke o! Eye aleke gbegbe wove mía nui enye si be míele dedie le gbɔgbɔ me le Yehowa ƒe habɔbɔa me!

11. Ŋɔŋlɔawo me ŋkɔ kae Mawu ƒe amewo tsɔ le ƒe 1931 me?

11 Le takpekpe si wowɔ le Columbus, Ohio, le ƒe 1931 me la, woɖe nusi Yesaya 43:10-12 me nyawo fia me nyuie. Biblia Nusrɔ̃viwo tsɔ ŋkɔ Yehowa Ðasefowo wòde dzesi wo nyuie. Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye si wònye na mí be míana ame bubuwo nanya Mawu ƒe ŋkɔ be woate ŋu ayɔe ale be woakpɔ xɔxɔ!—Psalmo 83:19; Romatɔwo 10:13.

12. Gbɔgbɔmenumekɔkɔ kae wona le ameha gã la ŋu le ƒe 1935 me?

12 Mawu ƒe amewo dometɔ geɖe siwo nɔ anyi do ŋgɔ na ƒe 1930-awo la tɔtɔ vie le woƒe etsɔmegbenɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ gome. Ame aɖewo nɔ dziƒogbenɔnɔ ŋu bum gake wogakpɔa dzidzɔ ɖe Biblia me nufiafia le paradisonyigba aɖe hã ŋuti. Nya dodzidzɔname si wose le Washington, D.C., takpekpea me le ƒe 1935 mee nye be ame gbogboawo, alo ameha gã, si woyɔ le Nyaɖeɖefia ta 7 nye ƒuƒoƒo si ƒe mɔkpɔkpɔe nye anyigba dzi nɔnɔ. Tso ɣemaɣi la, ameha gã la nuƒoƒoƒu kpɔ ŋgɔyiyi wu tsã. Ðe míedaa akpe be amesiwo ameha gã la nye meganye nya ɣaɣla na mí oa? Alesi wòle eme vam be wole ame gbogbowo nu ƒom ƒu tso dukɔwo, towo, kple gbegbɔgblɔwo katã me ʋãa mí be míaɖe abla esi míele zɔzɔm aduadu kple Yehowa ƒe habɔbɔa.

13. Nya vevi ka dzie wote gbe ɖo le St. Louis takpekpea me le ƒe 1941 me?

13 Wote gbe ɖe nya vevi si me wòle be amegbetɔwo katã natsɔ ɖe le dzi le takpekpe si wowɔ le St. Louis, Missouri, le ƒe 1941 me la me. Enye xexeame dzi ɖuɖu, alo dziɖulanyenye ƒe nya la. Esiae nye nya si gbɔ wòle be woakpɔ kaba, eye ŋkeke gã si ŋu ŋɔdzi le si dzi woakpɔ egbɔ la le du dzi gbɔna! Nya si do ƒome kplii si hã dzi wote gbe ɖo le ƒe 1941 mee nye nuteƒewɔwɔ ƒe nya la, si na míete ŋu ɖea akpa si mía dometɔ ɖesiaɖe le na Mawu ƒe dziɖulanyenye fiana.

14. Nukae wova nya le amegã siwo woyɔ le Yesaya 32:1, 2 ŋu le dukɔwo dome takpekpe si wowɔ le ƒe 1950 me?

14 Le ƒe 1950 dukɔwo dome takpekpe si wowɔ le New York City me la, wona amegã siwo ŋu woƒo nu tsoe le Yesaya 32:1, 2 la dze ƒã. Eʋã ame ŋutɔ esi Nɔviŋutsu Frederick Franz ƒo nu tso nya ma ŋu eye wòɖe eme be amesiwo ava nye amegãwo le anyigba yeyea dzi la le mía dome. Wona gbɔgbɔmekekeli geɖe klẽ le takpekpe ma kple bubu siwo wowɔ emegbe me. (Psalmo 97:11) Aleke gbegbe míedaa akpee nye si be míaƒe toƒe ‘le abe agudzedze ƒe kekeli si nɔa kɔkɔm ɖe edzi ene’!

Ŋgɔyiyi le Míaƒe Subɔsubɔdɔa Me

15, 16. (a) Ŋgɔyiyi kawoe míewɔ le míaƒe subɔsubɔdɔa me le ƒe 1920 kple ƒe 1930 ƒeawo me? (b) Agbalẽ kawoe de dzo Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me le ƒe bla nane siwo va yi nyitsɔ laa me?

15 Mɔ evelia si dzi Yehowa ƒe habɔbɔa yi ŋgɔ le la ku ɖe míaƒe dɔ vevitɔ ŋu—eyae nye Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa. (Mateo 28:19, 20; Marko 13:10) Be míate ŋu awu dɔ sia nu la, habɔbɔa na míekpɔ alesi wòle vevie be míakeke míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe enui. Le ƒe 1922 me la, wode dzi ƒo na Kristotɔwo katã be woakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me. Wogblẽe ɖe amesiame si me be wòana eƒe kekeli naklẽ ale be wòakpɔ gome le ɖaseɖiɖi tso nyateƒea ŋu me. (Mateo 5:14-16) Le ƒe 1927 me la, wowɔ afɔɖeɖewo tsɔ tia Kwasiɖagbe na gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ. Tso February 1940 me la, eva bɔ be woakpɔ Ðasefowo le ablɔwo dzi le asitsanutowo me woanɔ Gbetakpɔxɔ kple Consolation (si nye Nyɔ! fifia la) mam.

16 Woɖe agbalẽvi si nye Model Study ɖe go le ƒe 1937 me eye ete gbe ɖe alesi wòhiã be míawɔ tɔtrɔyiwo ale be míafia Biblia me nyateƒea ame bubuwo la dzi. Le ƒe siwo kplɔe ɖo me la, wote gbe ɖe Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ dzi vevie. Wogade dzo amewo me ɖe subɔsubɔdɔa ƒe akpa sia wɔwɔ ŋu esi woɖe agbalẽ si nye “Let God Be True” ɖe go le ƒe 1946 me kple Nyateƒe, Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Mee le ƒe 1968 me. Fifia míezãa agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. Agbalẽ sia sɔsrɔ̃ awu nu ɖoa Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖoanyi sẽŋu aɖe anyi le nusrɔ̃lawo wɔwɔ me.

Ŋgɔyiyi le Tɔtrɔ Siwo Wowɔ le Habɔbɔa Me Ŋu

17. Aleke Yehowa ƒe habɔbɔa yi ŋgɔ wòwɔ ɖeka kple Yesaya 60:17?

17 Mɔ etɔ̃lia si dzi Yehowa ƒe habɔbɔa wɔ ŋgɔyiyi le la ku ɖe tɔtrɔ siwo wowɔ le habɔbɔa me ŋu. Yehowa do ŋugbe le Yesaya 60:17 be: “Mahe sika vɛ ɖe akɔbli teƒe kple klosalo ɖe gayibɔ teƒe, akɔbli ɖe ati teƒe, eye gayibɔ ɖe kpewo teƒe, matsɔ ŋutifafa aɖo tatɔe na wò kple dzɔdzɔenyenye aɖo wò dɔnunɔlae.” Wowɔ afɔɖeɖewo be woakpɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa dzi ahakplɔ alẽha la nyuie wu wòasɔ ɖe nyagblɔɖi sia nu.

18, 19. Tɔtrɔ kawoe wowɔ le habɔbɔa me le ƒe siwo va yi me?

18 Le ƒe 1919 me la, wotia subɔsubɔdɔnunɔla le hame ɖesiaɖe si bia be woawɔ ɖoɖo ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu na yewo me. Esia gade dzo míaƒe subɔsubɔ le gbeadzi me. Wote fli ɖe akɔdada atsɔ atia hamemegãwo kple hamemegãteviwo me le ƒe 1932 me wònye míaƒe asiɖeɖe le demokrasi mɔnuwo ŋu. Wogawɔ nu ɖedzesi aɖe le ƒe 1938 me esime wodze hamea me subɔlawo katã ɖoɖo gɔme wòsɔ ɖe ɖoɖo siwo nɔ Kristo-hame gbãtɔa me si dzi wotona ɖoa amewo le teokrasimɔ nui la nu geɖe wu. (Dɔwɔwɔwo 14:23; Timoteo I, 4:14) Le ƒe 1972 me la, woɖo dzikpɔlawo kple subɔsubɔdɔwɔlawo be woasubɔ, abe alesi amesiawo tɔgbe wɔe le Kristotɔ gbãtɔwo dome ene. Le esi teƒe be ame ɖeka ko nanye hamea dzikpɔla la, Filipitɔwo 1:1 kple ŋɔŋlɔ bubuwo ɖee fia be amesiwo ɖo Ŋɔŋlɔawo me nudidiwo na dzikpɔlawo gbɔ la nye hamemegãwo ƒe ha.—Dɔwɔwɔwo 20:28; Efesotɔwo 4:11, 12.

19 Le ƒe 1975 me la, wowɔ ɖoɖo be Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la ƒe kɔmitiwo nakpɔ Mawu ƒe habɔbɔa ƒe dɔwɔnawo dzi le xexeame katã. Woɖo Alɔdzekɔmitiwo be woakpɔ dɔa dzi le woƒe dukɔ ƒe anyigbamamawo me. Tso ɣemaɣi la, wolé fɔ ɖe nuwo wɔwɔ wòanɔ bɔbɔe wu ŋu le dɔwɔƒegã la kple le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒewo ale be woate ŋu ‘aka ɖe nusiwo le vevie wu dzi.’ (Filipitɔwo 1:9, 10) Agbanɔamedzi siwo le Kristo ƒe alẽkplɔlateviwo dzi enye be woaxɔ ŋgɔ le nyanyuigbɔgblɔdɔa me, woafia nu le hamea me, eye woakplɔ Mawu ƒe alẽha la le mɔ nyuitɔ nu.—Timoteo I, 4:16; Hebritɔwo 13:7, 17; Petro I, 5:2, 3.

Yesu Le Ŋgɔ Xɔm Vevie

20. Zɔzɔ aduadu kple Yehowa ƒe habɔbɔa bia be míade dzesi nuka le Yesu ƒe ɖoƒe ŋu?

20 Zɔzɔ aduadu kple Yehowa ƒe habɔbɔ si le ŋgɔ yim bia be míade dzesi ɖoƒe si Mawu tsɔ na Yesu Kristo be wòanye “ta na hame la.” (Efesotɔwo 5:22, 23) Ele be míade dzesi nya si wogblɔ le Yesaya 55:4 la hã, afisi wogblɔ na mí le be: “Kpɔ ɖa, [nye Yehowa] metsɔe ɖo ɖasefo na dukɔwo, eye metsɔe ɖo dukɔwo ƒe amegã kple dziɖula.” Edze ƒã be Yesu nya alesi woaxɔ ŋgɔe. Enya eƒe alẽwo kple woƒe dɔwɔwɔwo. Le nyateƒe me esi wònɔ ŋku lém ɖe hame adre siwo nɔ Asia Sue ŋu la, egblɔ zi atɔ̃ sɔŋ be: “Menya wò dɔwɔwɔwo.” (Nyaɖeɖefia 2:2, 19; 3:1, 8, 15) Yesu nya míaƒe nuhiahiãwo hã, abe Fofoa, Yehowa, ke ene. Hafi Yesu nafia Kpɔɖeŋugbedodoɖaa la, egblɔ be: “Mia Fofo nya nusiwo hiãa mi, hafi miebianɛ.”—Mateo 6:8-13.

21. Aleke Yesu ƒe ŋgɔxɔxɔ dzenae le Kristo-hamea me?

21 Aleke Yesu ɖea eƒe ŋgɔxɔxɔ fianae? Mɔnu ɖekae nye to dzikpɔla siwo nye ‘nunana siwo nye amewo’ la dzi. (Efesotɔwo 4:8) Nyaɖeɖefia 1:16 ɖee fia be dzikpɔla amesiaminawo le Kristo ƒe nuɖusi me, le eƒe mɔfiafia te. Egbea Yesue fiaa mɔ le ɖoɖo si wowɔ na hamemegãwo me, ne eɖanye dziƒoyiyi loo alo anyigba dzi nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔe le ŋutsu siawo si o. Abe alesi woɖe eme le nyati si do ŋgɔ me ene la, gbɔgbɔ kɔkɔe ye tiaa wo le ɖekawɔwɔ me kple Ŋɔŋlɔawo me nudidiwo. (Timoteo I, 3:1-7; Tito 1:5-9) Le ƒe alafa gbãtɔ me la, ame tsitsiwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si nɔ Yerusalem ye nye dziɖuha si kpɔ hameawo kple Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa katã dzi. Ðoɖo sia nu kee wowɔa nu ɖo le Yehowa ƒe habɔbɔa me egbea.

Zɔ Kplii Aduadu!

22. Kpekpeɖeŋu kae Dziɖuha la nana?

22 Wotsɔ Fiaɖuƒea ƒe nu siwo le anyigba dzi de “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” si teƒe Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuhaa le la si. (Mateo 24:45-47) Nusi ŋu Dziɖuha la tsia dzi ɖo koŋue nye gbɔgbɔ me nufiame kple mɔfiame nana Kristo-hamea. (Dɔwɔwɔwo 6:1-6) Gake ne dzɔdzɔmefɔkuwo gblẽ nu le hati tadeagulawo ŋu la, Dziɖuha la biana tsoa habɔbɔ siwo woɖo le se nu la dometɔ ɖeka alo geɖe si be woana kpekpeɖeŋu eye woadzra aƒewo kple Fiaɖuƒe Akpata siwo gbã ɖo alo woatu bubuwo. Ne wole ŋlɔmi wɔm le Kristotɔ aɖewo ŋu alo wole wo yome tim la, wowɔa afɔɖeɖe tsɔ doa ŋusẽ wo le gbɔgbɔ me. Azɔ hã wodzea agbagba ɖesiaɖe be Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa nayi ŋgɔ le ‘ɣeyiɣi madeamedzi’ me.—Timoteo II, 4:1, 2.

23, 24. Nukae Yehowa nana eƒe amewo ɣesiaɣi eɖanye nuka kee dzɔ ɖe wo dzi o, eye nukae wòle be wòanye míaƒe tameɖoɖo kplikpaa?

23 Eɖanye nɔnɔme ka mee Yehowa ƒe amewo ato o, eyia edzi naa gbɔgbɔmenuɖuɖu kple mɔfiafia si hiã la ɣesiaɣi. Mawu naa gɔmesese kple sidzedze nɔvi siwo le ŋgɔ xɔm hã be woadzra ɖo ɖe ŋgɔyiyi kple tɔtrɔ siwo agava teokrasi habɔbɔa me ŋu. (Mose V, 34:9; Efesotɔwo 1:16, 17) Yehowa naa nusiwo hiã mí ɣesiaɣi ale be míate ŋu awɔ nusrɔ̃lawɔwɔdɔ si wotsɔ de asi na mí la eye be míawu míaƒe subɔsubɔdɔa nu le xexeame katã.—Timoteo II, 4:5.

24 Kakaɖedzi blibo le mía si be Yehowa magblẽ eƒe ame wɔnuteƒewo ɖi gbeɖe o; aɖe wo le “xaxa gã” si gbɔna me. (Nyaɖeɖefia 7:9-14; Psalmo 94:14; Petro II, 2:9) Mía tɔ dzɔ le go sia go me be míalé kakaɖedzi si nɔ mía si tsã me ɖe asi sesĩe vaseɖe nuwuwu. (Hebritɔwo 3:14) Eyata mina míaɖoe kplikpaa be míazɔ aduadu kple Yehowa ƒe habɔbɔa.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nukata míate ŋu agblɔ be Yehowa ƒe habɔbɔa le ŋgɔ yim ɣesiaɣi?

• Kpeɖodzi kawoe li be wonaa gbɔgbɔmenumekɔkɔ Mawu ƒe amewo vivivi?

• Ŋgɔyiyi kawoe wowɔ le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me?

• Tɔtrɔ siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia nu kawoe wowɔ le habɔbɔa ƒe dɔwɔmɔnuwo ŋu le Yehowa ƒe amewo dome?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Abe Dawid ene la, míate ŋu agblɔ Yehowa ƒe nukudɔwo katã o

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Tɔtrɔ siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia nu si wowɔ le habɔbɔa ƒe dɔwɔmɔnuwo ŋu ɖe vi na Mawu ƒe alẽha la