Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nèle Agbe Nɔm Ðe Wò Adzɔgbeɖeɖe nua?

Ðe Nèle Agbe Nɔm Ðe Wò Adzɔgbeɖeɖe nua?

Ðe Nèle Agbe Nɔm Ðe Wò Adzɔgbeɖeɖe nua?

“Nusianu si miewɔna la, miwɔe kple luʋɔ blibo abe Yehowae miewɔe na ene, eye menye na amewo o.”—KOLOSETƆWO 3:23, NW.

1. Le xexeame ƒe nukpɔsusu nu la, nukae nya “adzɔgbeɖeɖe” fia?

ALEKE kamedefefewɔlawo wɔna kpɔa dzidzedze gãtɔ kekeake? Le tennis, bɔlƒoƒo, basketball, baseball, duƒuƒu, gɔlf, alo kamedefefe bubu ɖesiaɖe me la, dziɖula xɔa nɔƒe gbãtɔ le esi wòlé eƒe adzɔgbeɖeɖe me ɖe asi maʋãmaʋãe ta. Nusiwo me wòtsɔa ɖe le wu enye ŋutilã kple susu ƒe nɔnɔme. Esia sɔ ɖe nyagbe “ɖe adzɔgbe” ƒe gɔmeɖeɖewo dometɔ ɖeka nu nyuie, si nye “ameɖokuitsɔtsɔna tameɖoɖo alo nuwɔna aɖe bliboe keŋkeŋ.”

2. Nukae “adzɔgbeɖeɖe” fia le Biblia me? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

2 Gake nukae “adzɔgbeɖeɖe” fia le Biblia ƒe nukpɔsusu nu? “Ðe adzɔgbe” ye nye Hebrigbe me dɔwɔnya si gɔme enye be “woaɖe ɖe vovo; woaɖe ɖe aga; woate ɖa.” * Le blema Israel la, Nunɔlagã Aron ɖɔna eƒe tablanu si ŋu wotsi “adzɔgbeɖeɖe ƒe dzesi kɔkɔe” ɖo, si nye ga gbadzɛ keklẽ si wotsɔ sika nyuitɔ wɔe eye woɖe Hebrigbe me nya siawo ɖe edzi be “Kɔkɔenyenye nye Yehowa tɔ.” Esia zua ŋkuɖodzi na nunɔlagã la be wòaƒo asa na nusianu si aƒo ɖi kɔkɔeƒea “elabena [adzɔgbeɖeɖe ƒe dzesi, NW] eƒe Mawu ƒe ami sisi kɔkɔe le eŋu.”—Mose II, 29:6; 39:30; Mose III, 21:12.

3. Aleke wòle be adzɔgbeɖeɖe nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbenɔnɔ dzii?

3 Míate ŋu akpɔe le nya siawo me be adzɔgbeɖeɖe nye ŋkubiãnya. Ebia ɖokuitsɔtsɔna faa tso dzime be woanye Mawu ƒe subɔla, eye ebia agbe dzadzɛ nɔnɔ. Eyata míate ŋu akpɔ ŋudzedze ɖe nusita apostolo Petro yɔ Yehowa ƒe nya sia ŋu be: “Minɔ kɔkɔe, elabena nye la mele kɔkɔe.” (Petro I, 1:15, 16) Esi míenye Kristotɔ ɖeadzɔgbewo ta la, agba gã aɖe le mía dzi be míanɔ agbe ɖe míaƒe adzɔgbeɖeɖe nu, alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi yi nuwuwu. Gake nukae Kristotɔwo ƒe adzɔgbeɖeɖe bia?—Mose III, 19:2; Mateo 24:13.

4. Aleke míewɔ hafi va ɖe adzɔgbe, eye nukae míate ŋu atsɔe asɔ kplii?

4 Esi Yehowa Mawu kple eƒe tameɖoɖowo kpakple Yesu Kristo kple akpa si wòwɔna le tameɖoɖo mawo me ŋuti sidzedze vavãtɔ su mía si vɔ megbe la, míetso nya me le mía ɖokui si be míasubɔ Mawu kple míaƒe dzi, tamesusu, luʋɔ, kple ŋusẽ blibo. (Marko 8:34; 12:30; Yohanes 17:3) Woate ŋu abu ema gɔ̃ hã be enye adzɔgbeɖeɖe le ame ɖokui si, si nye ɖokuitsɔtsɔna Mawu keŋkeŋ. Míaƒe adzɔgbeɖeɖe menye vomenuwɔna si míese le mía ɖokui me ko wɔ o. Ðe míezã míaƒe tamebubu ƒe ŋutete tsɔ bu eŋu ŋuɖɔɖɔɖotɔe kple gbedodoɖatɔe. Eyata menye ɣeyiɣi aɖe ko ƒe nyametsotsoe wònye o. Míate ŋu anɔ abe ame aɖe si dze agbleŋɔŋlɔ gɔme hewɔ dɔa se ɖe afi aɖe ko dzudzɔ le esi dɔa sesẽ akpa alo le esi wòdze abe nuŋeɣi gbɔ metsɔ o alo be le esi kakaɖedzi menɔ esi o ta la ene. Bu ame aɖewo siwo ‘tsɔ woƒe asiwo ɖo kodzi dzi’ le teokrasigbanɔamedziwo gome le nɔnɔme sesẽ vovovo me ƒe kpɔɖeŋuwo ŋu kpɔ.—Luka 9:62; Romatɔwo 12:1, 2.

Womegbe Nu le Woƒe Adzɔgbeɖeɖe Gbɔ O

5. Aleke Yeremya nye kpɔɖeŋu ɖedzesi le Mawu ƒe subɔla ɖeadzɔgbe nyenye gomee?

5 Yeremya ƒe nyagbɔgblɔɖi subɔsubɔdɔa le Yerusalem xɔ wu ƒe 40 (ƒe 647-607 D.M.Ŋ.), eye dɔdasia menɔ bɔbɔe kura o. Enya eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo nyuie. (Yeremya 1:2-6) Ehiã dzideƒo kple dzidodo be wòatsɔ anɔ te ɖe Yudatɔ tosẽlawo nu gbesiagbe. (Yeremya 18:18; 38:4-6) Gake Yeremya ɖo ŋu ɖe Yehowa Mawu ŋu, amesi do ŋusẽe si wɔe be wòte ŋu ɖee fia be yenye Mawu ƒe subɔla ɖeadzɔgbe vavã.—Yeremya 1:18, 19.

6. Kpɔɖeŋu kae apostolo Yohanes ɖo na mí?

6 Ke nuteƒewɔla apostolo Yohanes, amesi woɖe aboyoe yi Patmos-ƒukpo madeamedzi aɖe dzi le eƒe amegãkuku me “le Mawu ƒe nya kple Yesu Kristo ƒe ɖaseɖiɖi ta,” hã ɖe? (Nyaɖeɖefia 1:9) Edo dzi eye wòlé eƒe Kristotɔ ƒe adzɔgbeɖeɖe me ɖe asi ade ƒe 60 sɔŋ. Ekpɔtɔ nɔ agbe le Romatɔwo ƒe Yerusalem tsɔtsrɔ̃ vɔ megbe. Mɔnukpɔkpɔ su esi wòŋlɔ Nyanyuigbalẽ ɖeka, lɛta etɔ̃ siwo tso gbɔgbɔ me, kple Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa, si me wona wòdo ŋgɔ kpɔ Harmagedon-ʋaa le. Ðe wòdzudzɔ esi wòva nya be Harmagedon-ʋa madzɔ le yeƒe agbenɔɣi o taa? Ðe wògbɔdzɔ va nye ɖekematsɔlemetɔa? Gbeɖe, Yohanes lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi vaseɖe ku me, eye togbɔ be enyae be ‘ɣeyiɣi ɖoɖia tu aƒe’ hã la, eƒe ŋutegawo ƒe emevava nɔ ŋgɔ.—Nyaɖeɖefia 1:3; Daniel 12:4.

Adzɔgbeɖeɖe ƒe Kpɔɖeŋu Siwo Li Egbea

7. Aleke nɔviŋutsu aɖe nye kpɔɖeŋu nyui le Kristotɔwo ƒe adzɔgbeɖeɖe gomee?

7 Le egbeŋkekeawo me la, Kristotɔ nuteƒewɔla akpe geɖe lé woƒe adzɔgbeɖeɖe me ɖe asi dzonɔamemetɔe togbɔ be wometsi agbe akpɔ Harmagedon-ʋa o hã. Amesiawo dometɔ ɖekae nye Ernest E. Beavor si tso England. Eva zu Ðasefo le ƒe 1939 me le Xexemeʋa II ƒe gɔmedzedze, eye wòɖe asi le fotoklɔƒe si nɔ ga geɖe hem vɛ nɛ la ŋu be yeate ŋu awɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa. Le esi wòlé eƒe Kristotɔnyenye ƒe akpaɖekedzimademade me ɖe asi ta la, wodee gaxɔ me ƒe eve. Eƒe ƒomea hã nɔ megbe nɛ, eye le ƒe 1950 me la, via etɔ̃ de Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku xɔ hehe na dutanyanyuigbɔgblɔdɔ wɔwɔ, le New York. Nɔviŋutsu Beavor wɔ gbeƒãɖeɖedɔa dzonɔamemetɔe ale gbegbe be exɔlɔ̃wo yɔnɛ be Harmagedon Ernie. Elé eƒe adzɔgbeɖeɖe me ɖe asi nuteƒewɔwɔtɔe, vaseɖe esime wòku le ƒe 1986 me, eɖe gbeƒã tso Mawu ƒe Harmagedon-ʋa ƒe gogo ŋu. Mebu eƒe adzɔgbeɖeɖe be enye ɣeyiɣi aɖe ƒe ɖoɖo si nɔ ye kple Mawu dome o! *Korintotɔwo I, 15:58.

8, 9. (a) Kpɔɖeŋu kae ɖekakpui geɖe ɖo le Spain le Franco ƒe dziɖuɣi? (b) Biabia kawoe sɔ míabia?

8 Dzonɔameme si nu metsina o ƒe kpɔɖeŋu bubu tso Spain. Le Franco ƒe dziɖuɣi (ƒe 1939-75) la, Ðasefo sɔhɛ adzɔgbeɖela alafa geɖe nɔ te sesĩe le Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade gome. Wo dometɔ geɖe nɔ asrafogaxɔ me ƒe ewo alo esi wu nenema. Ðasefoawo dometɔ ɖeka si nye Jesús Martín, ƒe ƒe siwo katã wòtsɔ nɔ gaxɔ me ƒe ƒuƒoƒo nye ƒe 22. Woƒoe kutɔkutɔe esime wònɔ asrafogaxɔ me le Dziehe Afrika. Esiawo dometɔ aɖeke menɔ bɔbɔe o, gake egbe tanana.

9 Zi geɖe la, ɖekakpui siawo menyana ɣeyiɣi si me woaɖe asi le wo ŋu loo alo be woava ɖe asi le wo ŋu o, elabena wobu fɔ ƒomevi vovovo wo be woanɔ game atsiã ɖe enu. Ke hã wolé woƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi eye dzo kpɔtɔ nɔ wo me ɖe subɔsubɔdɔa ŋu esime wonɔ aboyo me. Mlɔeba esi nɔnɔmeawo te kaka ɖe eme le ƒe 1973 me la, woɖe asi le Ðasefo siawo dometɔ geɖe, siwo nɔ woƒe ƒe 30-awo me ɣemaɣi la ŋu eye woƒo wo ɖokui ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me enumake, wo dometɔ aɖewo va zu mɔɖela veviwo kple dzikpɔla mɔzɔlawo. Wonɔ agbe ɖe woƒe adzɔgbeɖeɖe nu le gaxɔ me, eye wo dometɔ akpa gãtɔ yi edzi wɔ nenema le asiɖeɖe le wo ŋu vɔ megbe. * Ke mí amesiwo li egbea ya ɖe? Ðe míelé míaƒe adzɔgbeɖeɖe me ɖe asi nuteƒewɔwɔtɔe abe nuteƒewɔla siawo enea?—Hebritɔwo 10:32-34; 13:3.

Míaƒe Adzɔgbeɖeɖe Ŋuti Nukpɔsusu si Sɔ

10. (a) Aleke wòle be míabu míaƒe adzɔgbeɖeɖee? (b) Aleke Yehowa bua míaƒe subɔsubɔ si míetsɔna nɛ lae?

10 Aleke míebua míaƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu be míawɔ eƒe lɔlɔ̃nui? Ðe wònye nusi xɔ nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe mea? Eɖanye nɔnɔme ka mee míele o, míeɖanye sɔhɛ alo ame tsitsi o, srɔ̃tɔ alo tre o, míeɖale lãmesẽ me alo nye dɔnɔ o, ele be míadze agbagba anɔ agbe ɖe míaƒe adzɔgbeɖeɖe nu, alesi dze le míaƒe nɔnɔmeawo me. Nɔnɔme si me ame aɖe le ate ŋu aɖe mɔ nɛ be wòawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa anye mɔɖela, anye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe aɖe, anye dutanyanyuigblɔla, alo akpɔ gome le subɔsubɔ ƒe mɔzɔzɔdɔa me. Eye le dzila aɖewo hã gome la, ɖewohĩ vovo manɔ wo ŋu o le woƒe ƒomea ƒe ŋutilã me kple gbɔgbɔ me nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ta. Ðe woƒe gaƒoƒo sue si wozãna le subɔsubɔdɔa me ɣleti ɖesiaɖe ƒe asixɔxɔ le ʋɛ le Yehowa ŋkume wu gaƒoƒo gbogbo siwo ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo zãna? Gbeɖe. Mawu mebiaa nusi mele mía si o la tsoa mía si gbeɖe o. Apostolo Paulo gblɔ gɔmeɖose sia be: “Ne edzilɔlɔ̃ li la, edze ame ŋu be, woaxɔ le nusi le amesi la nu, eye menye le nusi mele esi o la nu o.”—Korintotɔwo II, 8:12.

11. Nuka dzie míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ nɔ te ɖo?

11 Aleke ke nya la le o, míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ menɔ te ɖe nusiwo míete ŋu wɔ dzi o, ke Yehowa ƒe amenuveve si míedze na o, to Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ dzie. Paulo ɖe eme wòkɔ nyuie be: “Wo katã wɔ nuvɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã wo tim, eye wotso afia na wo faa le eƒe amenuveve me to fexexeɖeta, si nye Kristo Yesu tɔ la me.” Gake míaƒe dɔwɔnawo nye xɔse si le mía si ku ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋu si míeɖena fiana ƒe kpeɖodzi.—Romatɔwo 3:23, 24; Yakobo 2:17, 18, 24.

12. Nukatae mele be míatsɔ nusi míete ŋu wɔ anɔ sɔsɔm kple mía nɔewo tɔ o?

12 Mehiã be míanɔ ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si míezã le Mawu-subɔsubɔdɔ me, Biblia-srɔ̃gbalẽ agbɔsɔsɔme si míena, alo Biblia-nusɔsrɔ̃ xexlẽme si míewɔ tsɔm sɔ kple mía nɔewo tɔ o. (Galatiatɔwo 6:3, 4) Eɖanye nuka ke míete ŋu wɔ le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me o, ele na mí katã be míaɖo ŋku Yesu ƒe ɖokuibɔbɔnyawo dzi be: “Nenema ke miawo hã, ne miewɔ nusiwo katã woɖo na mi la, migblɔ bena: Dɔla madzemadzewo míenye; nusi le na mí be, míawɔ la, eya koe míewɔ.” (Luka 17:10) Zi nenie míate ŋu agblɔ le nyateƒe me be míewɔ “nusiwo katã woɖo” na mí? Eyata biabiae nye be, Aleke wòle be míaƒe Mawu subɔsubɔ ƒe nyonyome nanɔ?—Korintotɔwo II, 10:17, 18.

Nana be Vevienyenye Nanɔ Ŋkeke Ðesiaɖe Ŋu

13. Nɔnɔme kae hiã be wòanɔ mía si esi míele míaƒe adzɔgbeɖeɖe dzi wɔm?

13 Esi Paulo ɖo aɖaŋu na srɔ̃nyɔnuwo, srɔ̃ŋutsuwo, ɖeviwo, dzilawo, kple kluviwo vɔ megbe la, eŋlɔ be: “Nusianu, si miewɔna la, miwɔe kple luʋɔ blibo, abe Yehowae miewɔe na ene, eye menye na amewo o, elabena mienyae bena, Yehowa gbɔe miaxɔ domenyinyi ƒe fetu tsoe. Misubɔ Aƒetɔ Kristo.” (Kolosetɔwo 3:23, 24) Menye ɖe míele subɔsubɔm be míadze amewo ŋu to nusi míete ŋu wɔ le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me dzi o. Míele agbagba dzem be míasubɔ Mawu to Yesu Kristo ƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃ me. Ewɔ eƒe ɣeyiɣi kpui ƒe subɔsubɔdɔ kple vevienyenye si bia nuwɔwɔ kpata.—Petro I, 2:21.

14. Nuxlɔ̃ame kae Petro na ku ɖe ŋkeke mamlɛawo ŋu?

14 Apostolo Petro hã ɖe vevienyenye si bia nuwɔwɔ kpata fia. Le eƒe agbalẽ evelia me la, exlɔ̃ nu be le ŋkeke mamlɛawo me la, fewuɖulawo ava—xɔsegbelawo kple ɖikelawo—amesiwo ake ɖi le Kristo ƒe anyinɔnɔ ŋu le woawo ŋutɔ ƒe dzodzrowo nu. Gake Petro gblɔ be: “Menye ɖe Aƒetɔ la le wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodowo dziwɔwɔ me, abe alesi ame aɖewo bunɛ blewuwɔwɔ la ene o; hafi egbɔ dzi ɖi blewu na mi, esi melɔ̃ bena, ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ la ŋuti. Ke Aƒetɔ la ƒe ŋkeke le vava ge abe fiafitɔ ene.” Ẽ, Yehowa ƒe ŋkeke la le vava ge godoo. Eyata ele be alesi gbegbe míaƒe xɔse nu sẽ eye míeka ɖe Mawu ƒe ŋugbedodo dzii nanɔ vevie na mí gbesiagbe.—Petro II, 3:3, 4, 9, 10.

15. Aleke wòle be míabu míaƒe agbemeŋkeke ɖesiaɖee?

15 Be míanɔ agbe ɖe míaƒe adzɔgbeɖeɖe nu tso dzi blibo me la, ele be míazã ŋkeke ɖesiaɖe atsɔ akafu Yehowae. Le ŋkeke ɖesiaɖe ƒe nuwuwu la, ɖe míate ŋu atrɔ akpɔ megbe akpɔ nusiwo míete ŋu wɔ le go aɖe me tsɔ kpe asi ɖe Mawu ƒe ŋkɔ kafukafu kple gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒenyanyuia ŋua? Ðewohĩ ate ŋu anye to míaƒe agbe dzadzɛ nɔnɔ, míaƒe dzeɖoɖo tuameɖo, alo míaƒe ɖetsɔtsɔ le eme lɔlɔ̃tɔe na ƒomea kple xɔlɔ̃wo me. Ðe míewɔ mɔnukpɔkpɔ si su mía si ŋudɔ tsɔ gblɔ míaƒe Kristotɔwo ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu nya na amewoa? Ðe míekpe ɖe ame aɖe ŋu wòde ŋugble vevie le Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋua? Mina míawɔ nusi aɖe vi le gbɔgbɔme gome le ŋkeke ɖesiaɖe dzi, atsɔ atu míaƒe gbɔgbɔmenudzraɖoƒe ɖo be ŋusẽ nanɔ eŋu.—Mateo 6:20; Petro I, 2:12; 3:15; Yakobo 3:13.

Na Wò Ŋku Dzi Nadza

16. Mɔ kawo nue Satana dzea agbagba le be yeagbɔdzɔ míaƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu me?

16 Míele agbe le ɣeyiɣi siwo me nɔnɔ le sesẽm ɖe edzi na Kristotɔwo la me. Satana kple eƒe dɔlawo dzea agbagba be yewoana vovototo si le nyui kple vɔ̃, nu kɔkɔe kple nu makɔmakɔ, agbenyuinɔnɔ kple agbegbegblẽnɔnɔ, dzidzenu ɖɔʋuwo kple dzidzenu maɖɔʋuwo dome nagadze o. (Romatɔwo 1:24-28; 16:17-19) Eto television alo kɔmpiuta dzi na wòva le bɔbɔe be míaƒo ɖi míaƒe dzi kple susu. Míaƒe gbɔgbɔmeŋku dzi ate ŋu axe litii, alo agbe nu ɖeka ŋu nɔnɔ, si ana be míagakpɔ eƒe ayemɔwo adze sii o. Míaƒe tameɖoɖo kplikpaa be míanɔ agbe ɖe míaƒe adzɔgbeɖeɖe nu me ate ŋu agbɔdzɔ eye míaƒe asi ado agblɔ le ‘kodzia’ ŋu ne míeɖe asi le míaƒe gbɔgbɔmegɔmeɖosewo ŋu.—Luka 9:62; Filipitɔwo 4:8.

17. Aleke Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míana mía kple Mawu dome ƒomedodo nayi edzi ali kee?

17 Eyata Paulo ƒe nya siwo wòŋlɔ na Tesalonika-hamea sɔ ɖe ɣeyiɣi dzi ale gbegbe: “Esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, be miawɔ mia ɖokui kɔkɔe, eye miaɖe mia ɖokui ɖa atso ahasiwɔwɔ me, eye mia dome amesiame nanya, alesi wòaɖe ye ŋutɔ srɔ̃a le kɔkɔenyenye kple bubu me; menye le nudzodzro ƒe fiẽŋufiẽŋui vevie me, abe alesi trɔ̃subɔla, siwo menya Mawu o la wɔna la ene o.” (Tesalonikatɔwo I, 4:3-5) Agbegbegblẽnɔnɔ wɔe be woɖe ame aɖewo le Kristo-hamea me—amesiwo gbe nu le woƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu gbɔ. Woɖe mɔ wo kple Mawu dome ƒomedodo me gbɔdzɔ, ale wɔ womegatsia dzi ɖe eŋu le woƒe agbe me o. Gake Paulo gblɔ be: “Mawu meyɔ mí na makɔmakɔnyenye o, ke boŋ na kɔkɔewɔwɔ. Eyaŋuti amesi ke doa vlo esia la, menye amee wòdoa vloe o, ke boŋ Mawu, amesi na eƒe [gbɔgbɔ kɔkɔe] mí lae wòdoa vloe.”—Tesalonikatɔwo I, 4:7, 8.

Nukae Nye Wò Tameɖoɖo Kplikpaa?

18. Nukae le be wòanye míaƒe tameɖoɖo kplikpaa?

18 Ne míekpɔ alesi gbegbe míaƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa Mawu nye ŋkubiãnyae dze sii la, nukae wòle be míaɖo tame kplikpaa be míawɔ? Ele be míaƒe tameɖoɖo kplikpaa nanye be dzitsinya nyui nanɔ mía si le míaƒe agbenɔnɔ kple subɔsubɔ siaa gome. Petro xlɔ̃ nu be: “[Dzitsinya nyui nanɔ] mia si, bene nusi me wogblɔ nya vɔ̃ ɖe mia ŋuti le abe vɔ̃wɔlawo ene la, woado ŋukpe amesiwo do vlo miaƒe agbenɔnɔ nyui, si le Kristo me la.” (Petro I, 3:16) Ðewohĩ míakpe fu eye woatafa mí le míaƒe Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ ta, gake nenema ke wowɔ Kristo hã le eƒe xɔse kple nuteƒewɔwɔ na Mawu ta. Petro gblɔ be: “Azɔ esi Kristo kpe fu ɖe mía ta le ŋutilã me ŋuti la, miawo hã mikpla tamesusu ma ke abe aʋawɔnuwo ene; elabena amesi kpe fu le ŋutilã me la, edzudzɔ nuvɔ̃wɔwɔ.”—Petro I, 4:1.

19. Nukae míadi be woagblɔ le mía ŋu?

19 Le nyateƒe me la, míaƒe eɖoɖo kplikpaa be míanɔ agbe ɖe míaƒe adzɔgbeɖeɖe nu akpɔ mía ta tso Satana ƒe xexe si le dɔ lém le gbɔgbɔ, agbenɔnɔ, kple ŋutilã gome ƒe mɔtetrewo me. Gawu la, míakpɔ kakaɖedzi be Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu, si nye nusi nyo sasasã wu nu ɖesiaɖe si Satana kple eƒe dɔlawo ana ame. Eyata migana wòadzɔ gbeɖe be woagblɔ be míegblẽ míaƒe gbã lɔlɔ̃ si nɔ míasi ɖe nyateƒea ŋu la ɖi o. Ke boŋ mina woagblɔ le mía ŋu abe alesi wogblɔ le ƒe alafa gbãtɔ me hame si nɔ Tiatira ŋu ene be: “Menya wò dɔwɔwɔwo kple wò lɔlɔ̃ kple wò xɔse kple wò subɔsubɔdɔ kpakple wò dzidodo, eye bena wò dɔwɔwɔ mlɔetɔwo wu gbãtɔwo.” (Nyaɖeɖefia 2:4, 18, 19) Ẽ, mina míaganɔ yɔyrɔe le míaƒe adzɔgbeɖeɖe gome o, ke boŋ mina ‘míaxɔ dzo le gbɔgbɔ me,’ ado vevie nu vaseɖe nuwuwu—elabena nuwuwua ɖo vɔ.—Romatɔwo 12:11; Nyaɖeɖefia 3:15, 16.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 2 Kpɔ Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, April 15, 1987, axa 31.

^ mm. 7 Kpɔ March 15, 1980, ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, axa 8-11, hena Ernest Beavor ƒe agbemeŋutinya bliboa.

^ mm. 9 Kpɔ 1978 Yearbook of Jehovah’s Witnesses, axa 156-8, 201-18, Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

•Nukae adzɔgbeɖeɖe bia?

•Blema kple egbegbe Mawu-subɔla adzɔgbeɖelawo ƒe kpɔɖeŋu kawoe dze be míasrɔ̃?

•Aleke wòle be míabu míaƒe subɔsubɔ si míetsɔna naa Mawui?

•Nukae le be wòanye míaƒe tameɖoɖo kplikpaa le míaƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu ŋu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Yeremya lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi togbɔ be wosẽ ŋuta le eŋu hã

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Ernest Beavor ɖo kpɔɖeŋu ɖi na viawo henye Kristotɔ si me dzo nɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Ðasefo sɔhɛ alafa geɖe siwo nɔ Spain-gaxɔwo me lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

Mina míawɔ nusi aɖe vi le gbɔgbɔme gome le ŋkeke ɖesiaɖe dzi