Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Subɔsubɔ Le Afisiafi Si Wohiãm Le

Subɔsubɔ Le Afisiafi Si Wohiãm Le

Agbemeŋutinya

Subɔsubɔ Le Afisiafi Si Wohiãm Le

ABE ALESI JAMES B. BERRY GBLƆE ENE

Ƒe 1939 mee. Ganya ƒe Sesẽ Gã la na be agbenɔnɔ nɔ sesẽm le United States, eye aʋa dziŋɔwo nɔ ʋɔ lum le Europa. Mía kple tsenye Bennett míezɔ mɔ tso mía de le Mississippi yi Houston, Texas, be míadi dɔ.

GBEÐEKA le dzomeŋɔli ƒe nuwuwu lɔƒo la, míese gbeƒãɖeɖe wɔdɔɖeamedzi aɖe le radio dzi be: Hitler ƒe asrafowo ge ɖe Poland. Tsenye gblɔ be: “Harmagedon dze egɔme!” Enumake míegblẽ míaƒe dɔwo ɖi. Míeyi Fiaɖuƒe Akpata si te ɖe mía ŋu me eye míede míaƒe kpekpe gbãtɔ. Nukatae wònye Fiaɖuƒe Akpata mee míayi? Mina madze egɔme tso gɔmedzedzea.

Wodzim le Hebron, Mississippi, le ƒe 1915 me. Míenɔ agblekɔƒe aɖe me. Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi, vana nutoa me zi ɖeka le ƒe me hewɔa ɖoɖo woƒoa nuƒo aɖe le ame aɖe ƒe aƒeme. Esia wɔe be Biblia-srɔ̃gbalẽ geɖe nɔ dzinyelawo si. Mía kple Bennett míeva xɔ nusiwo agbalẽ siawo fiana dzi se be: Hell mexɔ dzo o, luʋɔ̃ la kuna, ame dzɔdzɔewo anɔ agbe le anyigba dzi tegbee. Ke hã nu gbogbo aɖewo li siwo míesrɔ̃ haɖe o. Esi mewu suku nu le ɣeyiɣi aɖe megbe la, mía kple nɔvinye míeɖo ta Texas be míadi dɔ awɔ.

Esi míeke ɖe Ðasefoawo ŋu le Fiaɖuƒe Akpata me mlɔeba la, wobia ne mɔɖelawoe míenye. Míenya kura be mɔɖela enye Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla o. Emegbe wobia mí ne míadi be míaɖe gbeƒã. Míeɖo eŋu be: “Ẽ!” Míesusui be woakpe ame aɖe ɖe mía ŋu be wòafia alesi míawɔe la mí. Ðe eteƒe la, ɖeko wotsɔ anyigba ƒe nɔnɔmetata de mía si hegblɔ na mí be, “Miwɔ dɔ le afima!” Mía kple Bennett míenya naneke le alesi woaɖe gbeƒãe ŋu o eye míedina be amewo nado ŋukpe mí o. Mlɔeba ɖeko míeɖo anyigbamama gbalẽvia ɖa to posu me hetrɔ yi Mississippi!

Biblia ƒe Nyateƒea Wɔwɔ Mía Tɔe

Esi míetrɔ yi aƒe la, míexlẽ Ðasefoawo ƒe agbalẽawo gbesiagbe ade ƒe ɖeka kloe. Elektrik-kaɖi aɖeke menɔ míaƒe aƒeme o, eyata míezãa gomekaɖi tsɔ xlẽa nui le zã me. Le ŋkeke mawo me la, nuto-subɔlawo, alo dzikpɔla mɔzɔlawo, srãa Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo kple Ðasefo siwo sa ɖe aga kpɔna hedoa ŋusẽ wo le gbɔgbɔ me. Subɔla siawo dometɔ ɖeka, si nye Ted Klein, va srã míaƒe hamea kpɔ eye wòzɔ kple mía kple Bennett yi tso aƒeme yi aƒeme gbeƒãɖeɖedɔa me, ekplɔa mía kple evea ɖe asi zi geɖe. Eɖe nusi mɔɖeɖedɔa wɔwɔ fia me na mí.

Le nyateƒe me la, hadede kplii na míebu tame tso nu geɖe wu wɔwɔ atsɔ asubɔ Mawui ŋu. Eyata le April 18, 1940, dzi la, Nɔviŋutsu Klein nyrɔ mía kple Bennett, kple mía nɔvinyɔnuvi, Velva, ɖe tsi me. Mía dzilawo kpɔ míaƒe nyɔnyrɔxɔxɔa teƒe, eye dzi dzɔ wo ɖe nyametsotso si míewɔ ta. Anɔ abe ƒe eve megbe la, woawo hã woxɔ nyɔnyrɔ. Woa kple evea siaa wɔ nuteƒe na Mawu vaseɖe woƒe kugbe—Papa ku le ƒe 1956 me eye Dada ku le ƒe 1975 me.

Esi Nɔviŋutsu Klein biam ne mate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa la, megblɔ nɛ be adzɔ dzi nam be mawɔe, gake ga aɖeke, nudodo aɖeke, naneke mele asinye o. Egblɔ be: “Mègatsi dzi o, makpɔ ema gbɔ.” Eye ewɔe hã. Gbã la, eɖo nye mɔɖeɖedɔbiagbalẽvi ɖa. Emegbe ekplɔm yi New Orleans, si didi tso mía gbɔ ade kilometa 300, eye wòfia xɔ nyui aɖewo si le Fiaɖuƒe Akpata me lam. Mɔɖelawo tɔe. Eteƒe medidi o meʋu yi afima hedze nye mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme. Ðasefo siwo nɔ New Orleans na kpekpeɖeŋu mɔɖelawo to nudodowo, ga, kple nuɖuɖu nana wo me. Le ŋkekea me la, nɔviwo tsɔa nuɖuɖu vɛ eye wogblẽnɛ ɖe mɔa nu alo danɛ ɖe nufamɔ̃ me gɔ̃ hã na mí. Nɔvi aɖe si ɖo nuɖuɖudzraƒe la kpea mí edziedzi be míava le kpakpãɣiwo ava xɔ ŋkekea me ƒe nuɖuɖu siwo tsi anyi—siwo nye lã, abolo, ayitadi, kple akpɔnɔwo.

Akɔ Kpekpe Kple Nuvlowɔha ƒe Ŋutasẽnuwɔwɔwo

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woɖom ɖe Jackson, Mississippi, be maɖawɔ mɔɖeɖedɔa. Mía kple nye zɔhɛ si nye ɖekakpui dzaa aɖe míekpe akɔ kple nuvlowɔhawo ƒe ŋutasẽnuwɔnawo le afima, eye ewɔ abe ɖe sedzikpɔdɔwɔla siwo nɔ afima la nɔ megbe na nuvlowɔhaa ene! Enɔ alea tɔgbe le míaƒe dɔdasi si kplɔe ɖo—le Columbus, Mississippi—hã. Esi míeɖea gbeƒã na du kple dukɔ ɖesiaɖe me tɔwo ta la, yevu aɖewo lé fu mí. Ame geɖe bui be míeɖi aglãdzedze ƒe fɔ. Nukpɔsusu ma nɔ Amerika Srafo siwo Xɔ Dzudzɔ, si nye dunyahehabɔbɔ vevi aɖe, ƒe amegã si. Ede dzo nuvlowɔha siwo do dziku me zi geɖe be woadze mía dzi.

Zi gbãtɔ si wodze mía dzi le Columbus la, nuvlowɔha aɖe ti mía yome esime míenɔ magazinewo nam le ablɔ dzi. Womimi mí ɖe fiase aɖe si ƒe fesrewo nye ahuhɔ̃ewo ŋu. Ameha aɖe va ƒo ƒu be yewoakpɔ nusi nɔ dzɔdzɔm. Eteƒe medidi o, kpovitɔwo va ɖo eye wokplɔ mí yi ʋɔnudrɔ̃ƒe. Nuvlowɔha la kplɔ mí ɖo yi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒea hegblɔ le amegã siwo katã nɔ anyi la ŋkume be ne míedzo le dua me le ŋkeke aɖe dzi la, ekema míadzo agbagbee. Ne ŋkekea va yi eye míedzo o la, yewoawɔ nuvevi mí alo yewoawu mí kura gɔ̃ hã! Míebui be anyo be míadzo le dua me hena ɣeyiɣi aɖe. Gake le kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe la, míegatrɔ yi hedze gbeƒãɖeɖe gɔme ake.

Le esia megbe kpuie la, nuvlowɔha si me ame enyi nɔ va dze mía dzi eye wolé mí de ʋu eve si wotsɔ vɛ me. Woku mí yi gbeme, ɖe awuwo le mía ŋu, hetsɔ alidziblanu ƒo mía dometɔ ɖesiaɖe zi 30! Tu kple kawo hã nɔ wo si, eye magblɔ be míevɔ̃ ŋutɔ. Mesusui be woabla mí atsɔ aƒu gbe ɖe tɔsisia me. Wovuvu míaƒe agbalẽwo hekakae eye wotsɔ míaƒe agbaƒomɔ̃ xlã ɖe ati takpo aɖe dzi wòkaka ʋayaʋaya.

Esi woƒo mí vɔ la, wogblɔ na mí be míado míaƒe awuwo ahato afɔmɔ aɖe le gbea me megbe makpɔmakpɔe. Esi míedze mɔ la, mesusui be ne atse ble mí metrɔ kpɔ megbe la, woada tu mí míaku—eye ame aɖeke manya o! Gake le aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe la, míese be woho ʋuawo hedzo.

Le ɣebubuɣi la, nuvlowɔha dodziku aɖe ti mía yome, eye wòhiã be míaɖe míaƒe awu abla ɖe kɔ aƒu tsi atso tɔsisi aɖe be míate ŋu asi le wo nu. Le esia megbe kpuie la, wolé mí hetsɔ nya ɖe mía ŋu be míenye aglãdzelawo. Míenɔ gaxɔme kwasiɖa etɔ̃ hafi wodrɔ̃ nya na mí. Woɖe gbeƒã nudzɔdzɔ sia le Columbus bliboa. Woɖe mɔ na sukuvi siwo nɔ kɔledzi aɖe si te ɖe afima ŋu be woate ŋu adzo le sukuxɔa me aɖakpɔ nyadɔdrɔ̃a teƒe. Esi ŋkekea ɖo la, ʋɔnudrɔ̃ƒea yɔ—tsitretsiɖoƒe koe susɔ! Amesiwo nɔ nu ƒom ɖe Dukɔa nu enye mawunyagblɔla eve, dudzikpɔla la, kple kpovitɔwo.

Wodɔ Ðasefo senyala aɖe si ŋkɔe nye G. C. Clarke kple eƒe zɔhɛ ɖa be woaƒo nu ɖe mía nu. Wobia be woaɖe asi le aglãdzedze ƒe nya si wotsɔ ɖe mía ŋu la ŋu le esi womekpɔ kpeɖodzi aɖeke o ta. Togbɔ be senyala si nɔ dɔ wɔm kple Nɔviŋutsu Clarke menye Yehowa Ðasefo o hã la, egblɔ nya sẽŋu aɖe tsɔ de mía dzi. Egblɔ na ʋɔnudrɔ̃la la le akpa aɖe be: “Amewo gblɔna be Yehowa Ðasefowo le tsu kum. Ðe wole tsu kuma? Wotso Thomas Edison hã nu be eku tsu ɖe!” Emegbe efia asi akaɖi si wode afima hegblɔ be, “Gake kpɔ bulb ma ɖa!” Ame aɖewo abu Edison, amesi to bulb vɛ, be enye tsukunɔtɔ, gake ame aɖeke mate ŋu ahe nya le nusiwo wòte ŋu wɔ ŋu o.

Le nyameɖeɖeawo sese vɔ megbe la, nutoa me ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe zimenɔla gblɔ na amesamala la be: “Aglãdzedze ƒe kpeɖodzi kakɛ aɖeke mele asiwò o, eye gome le wo si be woawɔ dɔ sia. Ne kpeɖodzi aɖeke mesu asiwò o la, megakplɔ wo va ʋɔnudrɔ̃ƒe sia ahagblẽ Dukɔa ƒe ɣeyiɣi kple ga kpakple nye ɣeyiɣi azɔ o!” Míeɖu dzi!

Gake emegbe ʋɔnudrɔ̃la la yɔ mí ɖe eƒe xɔ me. Enyae be du bliboa tsi tre ɖe yeƒe nyametsotsoa ŋu. Eyata exlɔ̃ nu mí be: “Nusi megblɔ la le sea nu, gake aɖaŋu si maɖo na mi ame evea enye: Midzo le afisia, ne menye nenema o la, woawu mi!” Míenya be nyateƒe tom wònɔ, eyata míedzo le dua me.

Tso afima la, mewɔ ɖeka kple Bennett kple Velva, amesiwo nye mɔɖela veviwo le Clarksville, Tennessee. Le ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, woɖo mí ɖe Paris, Kentucky. Le ƒe ɖeka kple afã megbe la, le ɣeyiɣi si me tututu míesu aɖo hame ɖe afimae amekpekpe tɔxɛ aɖe va na mía kple Bennett.

Dutanyanyuigbɔgblɔdɔ Wɔwɔ

Esi wokpe mí be míava de Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe klass evelia la, míesusui be, ‘Wowɔ vodada! Nukatae woakpe Mississippi-viŋutsu sue eve siwo tso ƒome dahe me ayi suku mae?’ Míesusui be agbalẽnyawo dimee wole, ke hã míede. Sukuvi 100 ye nɔ sukuxɔa me, eye sukua xɔ ɣleti atɔ̃. January 31, 1944, dzie míedo le sukua, eye míedi vevie be míasubɔ le duta. Gake le ŋkeke mawo me la, mɔzɔgbalẽ kple dukɔmenɔgbalẽ wɔwɔ xɔa ɣeyiɣi geɖe, eyata wodea ɣeyiɣi kpui ƒe dɔ asi na sukuviawo le United States. Le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ vie le Alabama kple Georgia megbe la, mía kple Benneth míexɔ míaƒe dɔdasi mlɔeba—le Barbados, West Indies.

Xexemeʋa II gakpɔtɔ nɔ edzi yim, eye woxe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa kple agbalẽwo nu le teƒe geɖe, si me Barbados hã nɔ. Le afima ƒe agbamekaƒea la, agbamekalawo ʋu míaƒe agbawo heka wo me eye wokpɔ agbalẽ siwo míeɣla ɖe wo me la. Míebui be, ‘Evɔ na mí.’ Gake ɖeko agbamekalawo dometɔ ɖeka gblɔ na mí be: “Eve mí be míeka miaƒe agbawo me; woɖo asi agbalẽ siawo dometɔ aɖewo dzi le Barbados.” Ke hã eɖe asi le mía ŋu míetsɔ agbalẽ siwo katã míetsɔ la ge ɖe dukɔa me! Esi míeɖe gbeƒã na dziɖuɖumegãwo megbe la, wogblɔ be yewomenya susu si tae woɖo asi agbalẽawo dzi ɖo o. Le ɣleti aɖewo megbe la, woɖe mɔxeɖenua ɖa.

Míekpɔ dzidzedze geɖe le subɔsubɔdɔa me le Barbados. Mía dometɔ ɖesiaɖe wɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ 15, eye nusrɔ̃viawo dometɔ akpa gãtɔ wɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me. Edzɔ dzi na mí be míakpɔ wo dometɔ aɖewo le hame ƒe kpekpewo me. Gake le esi woɖo asi agbalẽawo dzi hena ɣeyiɣi aɖe ta la, nɔvi siwo nɔ afima la meganya asitɔtrɔ siwo wowɔ le alesi wòle be woawɔ kpekpeawoe ŋu o. Gake eteƒe medidi o, míete ŋu na hehe nɔvi bibi aɖewo. Edzɔ dzi na mí be míekpe ɖe míaƒe nusrɔ̃vi geɖe ŋu wodze Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ gɔme eye be hamea tsi.

Ƒome Dzi Kpɔkpɔ

Esi menɔ Barbados ɣleti 18 megbe la, eva hiã be woawɔ dɔ nam eye wòhiã be matrɔ ayi United States. Esime menɔ afima la, meɖe Ðasefo aɖe si ŋkɔe nye Dorothy, amesi mía kpli míenɔ agbalẽ ŋlɔm na mía nɔewo. Mía kple srɔ̃nye míewɔ mɔɖeɖedɔa le Tallahassee, Florida, gake le ɣleti ade megbe la, míeʋu yi Louisville, Kentucky, afisi Ðasefo aɖe di dɔ nam ɖo. Nɔvinyeŋutsu Bennett yi eƒe subɔsubɔ dzi le Barbados ƒe geɖe. Eva ɖe hati dutanyanyuigblɔla aɖe emegbe eye wowɔ mɔzɔzɔdɔa le ƒukpoawo dzi. Mlɔeba, eva hiã be woatrɔ yi United States le lãmesẽkuxiwo ta. Woyi edzi subɔ Spaingbedolawo ƒe hamewo le mɔzɔzɔdɔa me vaseɖe Bennett ƒe kuɣi le ƒe 1990 me esime wòxɔ ƒe 73.

Le ƒe 1950 me la, Dorothy dzi mía vi gbãtɔ, vinyɔnuvi si míetsɔ ŋkɔ na be Daryl. Vi atɔ̃ va nɔ mía si mlɔeba. Esime evelia, si ŋkɔe nye Derrick, xɔ ƒe eve kple afã la, spinal meningitis (taɖuame sesẽ kple dzimeƒuveame) wui. Gake míedzi Leslie le ƒe 1956 me, eye Everett kplɔe ɖo le ƒe 1958 me. Mía kple Dorothy míedze agbagba be míahe mía viwo ɖe Biblia ƒe nyateƒea ƒe mɔ nu. Míedzea agbagba ɣesiaɣi be míawɔ kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ eye be míawɔe wòavivi ɖeviawo katã nu. Esi Darly, Leslie, kple Everett gakpɔtɔ nye ɖeviwo la, míedea dɔ asi na wo kwasiɖa sia kwasiɖa be woawɔ numekuku ahatsɔ ŋuɖoɖoa vɛ le kwasiɖa si kplɔe ɖo me. Wowɔa gbeƒãɖeɖe tso aƒeme yi aƒeme hã ƒe wɔwɔfiawo. Ðeka age ɖe awuwo dzraɖoƒe ahawɔ abe eyae nye aƒemenɔla la ene. Evelia anɔ egodo aƒo ʋɔa. Wotsɔa gbegã ɖikokoewo doa voɖi na wo nɔewo, gake esia kpe ɖe wo ŋu wotu lɔlɔ̃ na gbeƒãɖeɖedɔa do. Míawo hã míekplɔa wo yia gbeƒãɖeƒee edziedzi.

Esi míedzi mía viŋutsu suetɔ, Elton, le ƒe 1973 me la, Dorothy yina ƒe 50 xɔ ge eye megogo ƒe 60. Woyɔa mí le hamea me be Abraham kple Sara! (Mose I, 17:15-17) Ŋutsuvi tsitsiawo kplɔa Elton ɖe asi yia gbeadzi edziedzi. Míese le mía ɖokui me be enye ɖaseɖiɖi sẽŋu na amewo be woakpɔ ƒomewo—nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo, dzilawo kple ɖeviwo—woanɔ dɔ wɔm ɖekae, anɔ Biblia ƒe nyateƒea gblɔm na ame bubuwo. Elton fowo ɖɔlinɛ tsɔna ɖe abɔta ɖekaɖeka hetsɔa Biblia-srɔ̃ trakt aɖe dea esi. Ne amewo ʋu ʋɔ hekpɔ ɖevi sue dzeani sia le foa tsitsiwo ƒe abɔta la, woɖoa to ɣesiaɣi kloe. Ŋutsuviawo fia Elton be woatsɔ trakt la na amea ne dzeɖoɖoa wu enu ahagblɔ nya ʋɛ aɖewo. Aleae wòdze gbeƒãɖeɖe gɔmee.

Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, míete ŋu kpe ɖe ame bubuwo ŋu wova dze si Yehowa. Le ƒe 1970-awo ƒe nuwuwu la, míeʋu tso Louisville yi Shelbyville, Kentucky, be míasubɔ hame aɖe si me hiahiã nɔ. Esi míenɔ afima la, menye hamea ŋu koe míekpe ɖo wòdzi ɖe edzi o, ke míena kpekpeɖeŋu hã le anyigba didi kple Fiaɖuƒe Akpata tutu me. Emegbe wobia tso mía si be míasubɔ le hame bubu si gbɔ medidi fũ o me.

Ƒomegbenɔnɔ me Kuxiwo

Madi be magblɔ be mía viwo katã zɔ Yehowa ƒe mɔ dzi, gake mele alea o. Esi wotsi hedzo le aƒeme la, mía vi ene siwo tsi agbe la dometɔ etɔ̃ ɖe asi le nyateƒemɔa ŋu. Gake mía viŋutsu Everett ya dze nye kpɔɖeŋu yome hege ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me. Emegbe ewɔ dɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã le New York eye wokpee le ƒe 1984 me be wòade Gilead ƒe klass 77 lia. Esi wodo le sukua megbe la, woɖoe ɖe Sierra Leone, le Ɣetoɖoƒe Afrika. Le ƒe 1988 me la, eɖe Marianne, si nye mɔɖela tso Belgium. Tso ɣemaɣi la, wonye dutanyanyuigblɔlawo.

Abe alesi dzila ɖesiaɖe ate ŋu akpɔe le susu mee ene la, dzigbãnyae wònye na mí be míakpɔ be mía vi etɔ̃ ɖe asi le agbemɔ si dzi dzidzeme le fifia eye agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ kpe ɖe eŋu la ŋu. Ɣeaɖewoɣi la, mebua fɔ ɖokuinye. Gake nyanya be Yehowa ŋutɔ ƒe gbɔgbɔmevi aɖewo, alo mawudɔlawo, gɔ̃ hã ɖe asi le eyama subɔsubɔ ŋu—togbɔ be Yehowa hea to le lɔlɔ̃ kple dɔmenyonyo me eye mewɔa vodada gbeɖe o hã—la faa akɔ nam. (Mose V, 32:4; Yohanes 8:44; Nyaɖeɖefia 12:4, 9) Esia na mese egɔme nyuie be aleke ke dzilawo ɖadze agbagba be yewoahe wo viwo le Yehowa ƒe mɔ dzii hã la, ate ŋu ava eme be wo dometɔ aɖewo agbe nyateƒea.

Abe alesi ya sesẽwo ƒona toa ati me hegblẽa nu le wo ŋu enuenui ene la, eva hiã be míatrɔ ɖe nɔnɔme sesẽ kple kuxi vovovo siwo dze ŋgɔ mí ŋu. Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, mekpɔe be Biblia sɔsrɔ̃ edzidzi kple kpekpewo dedee do ŋusẽm be mete ŋu trɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu hetsi agbe le gbɔgbɔme. Esi mele tsitsim hele vodada siwo mewɔ va yi kpɔm la, medzea agbagba be manɔ ŋudzɔ ɖe wo ŋu alé ŋku ɖe akpa siwo nyo la ŋu. Ne èbu eŋu kpɔ la, ne míewɔ nuteƒe la, ɖeko nuteƒekpɔkpɔ mawo tua míaƒe gbɔgbɔmetsitsi ɖo. Ne míesrɔ̃ nu tso wo me la, agbe ƒe akpa madeamedziwo ate ŋu atu ame ɖo le mɔ aɖe nu.—Yakobo 1:2, 3.

Fifia lãmesẽ alo ŋusẽ megale mía kple Dorothy ŋu be míawɔ nusi míedi be míawɔ le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me o. Gake míekpɔ ŋudzedze ɖe mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔ lɔlɔ̃tɔwo ƒe kpekpeɖeŋuwo ŋu. Le kpekpe ɖesiaɖe kloe me la, nɔviawo gblɔa alesi gbegbe wokpɔ ŋudzedze ɖe míaƒe vava ŋui na mí. Eye wotsɔa wo ɖokuiwo nana faa be yewoana kpekpeɖeŋu le mɔ sia mɔ nu—le aƒea kple ʋua dzadzraɖo gɔ̃ hã me.

Ɣeaɖewoɣi la, míete ŋu ƒo mía ɖokui ɖe kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me, eye míesrɔ̃a nu kple ɖetsɔlemetɔwo. Nu tɔxɛ si gadoa dzidzɔ na mí enye nyatakakawo xɔxɔ tso mía viŋutsu si le subɔsubɔm le Afrika gbɔ. Míegakpɔtɔ wɔa míaƒe ƒome Biblia nusɔsrɔ̃, togbɔ be mí ame evea koe wɔnɛ fifia hã. Edzɔ dzi na mí be míetsɔ ƒe geɖe ɖo anyi na Yehowa subɔsubɔ. Ena kakaɖedzi mí be ‘yemaŋlɔ míaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃, si míeɖe fia le eƒe ŋkɔ ta’ la be o.—Hebritɔwo 6:10.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Ted Klein le nyɔnyrɔ nam Velva, Bennett, kple nye le April 18, 1940

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

Mía kple srɔ̃nye, Dorothy, le ƒe 1940-awo ƒe gɔmedzedze kple ƒe le ƒe 1997 me

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Dutoƒonuƒo, “Ŋutifafa Fia La,” si wodo bobloe ɖe dua me bɔs aɖe dzi le Barbados

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Nɔvinye ŋutsu Bennett le dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒea ŋgɔ