Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aʋa si Woho Ðe Hiãkame Ŋu—Ðe Wodo Kpoea?

Aʋa si Woho Ðe Hiãkame Ŋu—Ðe Wodo Kpoea?

Aʋa si Woho Ðe Hiãkame Ŋu—Ðe Wodo Kpoea?

MODZAKAÐETSAÐILA siwo ɖia tsa yia Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe dɔwɔƒe le New York City la kpɔa Ga Kple Hadomegbenɔnɔ ƒe Aɖaŋuɖotakpexɔa ƒe elektrik kawo kple ka bubuwo toƒe siwo dzi wometsyɔ nanekee o le yaxɔƒexɔ la ƒe dzisasra tame. Amesi kplɔa tsaɖilawo tsanae la ɖea nu me be: “Zi geɖe la, wobua alesi ‘womewu’ dzisasraa ‘nu o’ la be enye kpɔɖeŋu ŋkuɖodzinu be Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe ga kple hadomegbenɔnɔ ŋuti dɔwo mevɔna gbeɖe o; nane anɔ anyi kokoko si woate ŋu awɔ be woatsɔ atu xexeame nɔlawo ƒe agbenɔnɔ ɖoe.”

Togbɔ be Aɖaŋuɖotakpekpea ƒe taɖodzinue nye be yewoana amewo katã ƒe agbenɔnɔ nanyo ɖe edzi hã la, edze abe ɖe nuwuwu meli na dɔ sia o ene. Enyo be míade dzesii be Yesu Kristo gblɔ le eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa wɔɣi le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me be: “[Yehowa] ƒe gbɔgbɔ le dzinye, le esi ta wosi ami nam ɖo, bena magblɔ Nyanyui afia ame dahewo.” (Luka 4:18) Nukae nye ‘nyanyui’ si wògblɔ? Eyae nye gbedasi si ku ɖe Fiaɖuƒe si Yehowa Mawu, amesi nye ‘mɔ̃ sesẽ na ame dahewo le hiã me,’ aɖo anyi eye Yesu Kristo anye Fia ɖe edzi la ŋu. Nukae Fiaɖuƒe ma awɔ? Yesaya gblɔ nya ɖi be: “Yehowa Zebaot atsɔ nuɖuɖu damiwo kple wein, siwo ɖo ƒã la, atu aglo na dukɔwo katã . . . ; nuɖuɖuawo da ami, eye ƒuto me mi le wo me, weinawo ɖo ƒã, eye wo me dza. Ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me.”—Yesaya 25:4-6, 8.

Àdi be yeanya nu geɖe tso alesi Mawu ƒe Fiaɖuƒea ‘atu amesiwo le xexeame ƒe agbenɔnɔ ɖoe,’ ale be ahedada aɖeke maganɔ anyi o ŋua? Kpɔ alesi nàte ŋu awɔe be nufiala bibi aɖe nava srã wò kpɔ be wòafia nu geɖe wò le nusi Biblia gblɔ le nya mawo ŋu le ete.