Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dukɔ Si Yehowa Gaɖo Te La Kafunɛ Le Anyigba Bliboa Dzi

Dukɔ Si Yehowa Gaɖo Te La Kafunɛ Le Anyigba Bliboa Dzi

Dukɔ Si Yehowa Gaɖo Te La Kafunɛ Le Anyigba Bliboa Dzi

“Ɣemaɣi la, mana gbegbɔgblɔ dzadzɛ dukɔwo, ne wo katã nayɔ Yehowa ŋkɔ.”—ZEFANYA 3:9, NW.

1. Nukata tsɔtsrɔ̃gbedasiwo va eme ɖe Yuda kple dukɔ bubuwo dzi?

ƲƆNUDRƆ̃GBEDASI sẽŋu kawo gbegbee nye si Yehowa ʋã Zefanya wògblɔ! Tsɔtsrɔ̃gbedasi mawo va eme ɖe Yuda kple eƒe fiadu, Yerusalem, dzi le esi kplɔlawo kple dukɔ bliboa menɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔm o ta. Mawu aɖe dziku ɖe dukɔ siwo ƒo xlã wo siwo ƒe ɖewoe nye Filisti, Moab, kple Amon hã ŋu. Nukatae? Le esi wotsɔ ŋutasesẽ tsi tre ɖe Yehowa ƒe amewo ŋu ƒe alafa geɖe ta. Susu ma ke tae woatsrɔ̃ xexemeŋusẽ si nye Asiria ɖo, eye womagatsoe gbeɖe o.

2. Edze ƒã be amekawoe wogblɔ nya siwo le Zefanya 3:8 na?

2 Gake dzinyuitɔ aɖewo nɔ blema Yuda. Amesiawo kpɔ mɔ na toheʋɔnu si Mawu adrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo eye edze ƒã be woawoe wogblɔ nya siawo na be: “Ale Yehowa gblɔ esi: Mikpɔ asinyenu, vaseɖe gbesigbe manye ɖasefo atso; elabena nye ɖoɖo wònye be, maƒo dukɔwo nu ƒu, eye mana fiaɖuƒewo nakpe ta, ne matrɔ nye dziku kple nye dɔmedzoe heliheli katã akɔ ɖe wo dzi. Elabena nye ŋuʋaʋã ƒe dzo afiã anyigba blibo la.”—Zefanya 3:8.

‘Gbegbɔgblɔ Dzadzɛ’ na Amekawo?

3. Mɔkpɔkpɔgbedasi kae gbɔgbɔ ʋã Zefanya wògblɔ?

3 Ẽ, Zefanya gblɔ Yehowa ƒe tsɔtsrɔ̃gbedasiwo. Gake gbɔgbɔ ʋã nyagblɔɖila la wògblɔ mɔkpɔkpɔnya nyui aɖe hã—nya si anye akɔfanya nyui aɖe na amesiwo yi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa. Abe alesi wòdze le Zefanya 3:9 (NW) ene la, Yehowa Mawu gblɔ be: “Ɣemaɣi la, mana gbegbɔgblɔ dzadzɛ dukɔwo, ne wo katã nayɔ Yehowa ŋkɔ, eye woatsɔ nusɔsɔ asubɔe.”

4, 5. (a) Nukae adzɔ ɖe ame madzɔmadzɔwo dzi? (b) Amekawoe esia aɖe vi na, eye nukatae?

4 Ame aɖewo li siwo womaɖe mɔ na woagblɔ gbegbɔgblɔ dzadzɛa o. Nyagblɔɖia gblɔ le amesiawo ŋu be: “Maɖe amesiwo nɔa aseye tsom nɔa dadam la ɖa le dowòme.” (Zefanya 3:11) Eyata woaɖe dadala siwo do vlo Mawu ƒe sewo hewɔ nu madzɔmadzɔwo la ɖa. Eye amekawoe nusia aɖe vi na? Zefanya 3:12, 13 gblɔ be: “[Nye Yehowa] makpɔtɔ dukɔ ɖagbi, si bɔbɔ eɖokui ɖe anyi la, ɖe mewò, eye woaɣla wo ɖokui ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ me. Israel ƒe ame mamlɛawo mawɔ nu gbegblẽ o, womaka aʋatso o, eye alakpaɖe manɔ nu me na wo o; ke boŋ woaɖu nu, eye woatsyɔ akɔ anyi ɖi, ame aɖeke mado voɖi na wo o.”

5 Aɖe vi na blema Yuda ƒe ame susɔe wɔnuteƒewo. Nukata? Elabena wowɔ nu wòsɔ ɖe nya siawo nu be: “Midi Yehowa, mi amesiwo katã bɔbɔ mia ɖokui ɖe anyi le anyigba dzi, midi dzɔdzɔenyenye, eye midi ɖokuibɔbɔ yome mɔ, ame aɖe menya nu o woatsɔ mi aɣla le Yehowa ƒe dzikudogbe la hĩ!”—Zefanya 2:3.

6. Nukae dzɔ le Zefanya ƒe nyagblɔɖia me vava gbãtɔ me?

6 Le Zefanya ƒe nyagblɔɖia me vava gbãtɔa me la, Mawu he to na Yuda mawɔnuteƒea esi wòɖe mɔ Babilon Xexemefiaɖuƒea ɖu edzi hekplɔ emenɔlawo yi aboyo mee le ƒe 607 D.M.Ŋ. me. Wokpɔ ame aɖewo ta, siwo dometɔ aɖewoe nye Yeremya, eye wo dometɔ aɖewo yi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa le aboyo me. Le ƒe 539 D.M.Ŋ. me la, Mediatɔ kple Persiatɔ siwo nɔ Fia Kores te va mu Babilon ƒu anyi. Anɔ ƒe eve megbe la, Kores de se aɖe si ʋu mɔ na Yudatɔwo ƒe ame susɔe aɖewo be woatrɔ yi wo denyigba dzi. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wogbugbɔ Yerusalem-gbedoxɔa tu, eye wogbugbɔ ɖo nunɔlawo te be woafia Se la dukɔa. (Maleaxi 2:7) Eyata Yehowa na eme nyo na ame susɔe siwo wogbugbɔ ɖo te—zi alesi woyi edzi wɔ nuteƒe ko.

7, 8. Amekawo ŋue nyagblɔɖinya siwo le Zefanya 3:14-17 la ku ɖo, eye nukata nèɖo eŋu nenema?

7 Zefanya gblɔ ɖi le amesiwo ase vivi le gbugbɔgaɖoanyi ma me ŋu be: “Zion-nyɔnuvi, tso aseye, Israel, do ɣli; Yerusalem-nyɔnuvi, kpɔ dzidzɔ, natso aseye tso dzi blibo me! Yehowa ɖe wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖa, eye wòkplɔ wò futɔ dzoe; Yehowa, Israel ƒe fia la, le dowòme, nu vɔ̃ɖi aɖeke madzi ŋɔ na wò azɔ o. Ɣemaɣi la woagblɔ na Yerusalem be: Megavɔ̃ o; Zion, wò asi megado agblɔ o! Yehowa, wò Mawu la, le dowòme, kalẽtɔ, si ate ŋu axɔ na ame la wònye. Akpɔ dzidzɔ le ŋuwò vevie, azi ɖoɖoe le lɔlɔ̃ me, eye wòakpɔ dzidzɔ atso aseye ɖe ŋuwò!”—Zefanya 3:14-17.

8 Nyagblɔɖinya siawo ku ɖe ame susɔe siwo nu woƒo ƒu tso aboyo me le Babilon hekplɔ va wo denyigba dzi ŋu. Woɖe esia fia le Zefanya 3:18-20, afisi xlẽ be: “[Nye Yehowa] maƒo amesiwo le nu xam, eye wole adzɔge tso takpekpe gbɔ la nu ƒu; mia deviwo wonye, eye ŋukpe le wo dzi. Kpɔ ɖa, mawɔ nu kple amesiwo katã te mi ɖe anyi la ɣemaɣi, makpe ɖe ata ŋeŋee tɔwo ŋu, maƒo amesiwo kaka hlẽ la nu ƒu, eye matsɔ wo awɔ kafukafu kple bubu le anyigba, siwo katã dzi wodo ŋukpe wo le la dzi. Makplɔ mi agbɔe ɣemaɣi, eye maƒo mia nu ƒu ɣemaɣi; elabena ne meɖo mi te miekpɔ kple ŋku la, matsɔ mi awɔ bubu kple kafukafu le anyigba dzi dukɔwo katã dome; Yehowa ye gblɔe!”

9. Aleke Yehowa to Yuda dzi na eƒe ŋkɔ de dzii?

9 Kpɔ alesi gbegbe wòawɔ nuku na dukɔ siwo nye Mawu ƒe amewo ƒe futɔ siwo nɔ nutoa mee ɖa! Babilon sesẽ lae kplɔ Yudatɔwo yi aboyo mee, eye mɔkpɔkpɔ aɖeke menɔ anyi be woava na ablɔɖe wo o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woƒe anyigba zu aƒedo. Gake le Mawu ƒe ŋusẽ ta la, wogagbugbɔ wo ɖo te ɖe wo denyigba dzi le ƒe 70 megbe, gake tsɔtsrɔ̃e nɔ ŋgɔ na dukɔ siwo nye futɔwo ya. Aleke gbegbe Yehowa na eƒe ŋkɔ de dzie nye si be wògakplɔ nuteƒewɔla susɔeawo gbɔe! Etsɔ wo wɔ ‘bubu kple kafukafu le dukɔwo katã dome.’ Kafukafu ka gbegbee nye si gbugbɔɖoanyi ma he vɛ na Yehowa kple amesiwo ŋu eƒe ŋkɔ le!

Wodo Yehowa ƒe Tadedeagu Ðe Dzi

10, 11. Ɣekaɣie Zefanya ƒe gbugbɔɖoanyi ŋuti nyagblɔɖia ava eme le mɔ si lolo wu nu, eye aleke míewɔ nya?

10 Gbugbɔgaɖoanyi bubu aɖe dzɔ le Mía Ŋɔli ƒe ƒe alafa gbãtɔa me, esime Yesu Kristo ƒo Israel ƒe ame susɔeawo nu ƒu va tadedeagu vavãtɔ me. Nusi nɔ ŋgɔ ƒe kpɔɖeŋue esia nye, elabena gbugbɔgaɖoanyia me vava gãtɔ kpɔtɔ nɔ ŋgɔ. Mixa ƒe nyagblɔɖia gblɔ be: “[Ava] me le ŋkeke mlɔeawo me be, Yehowa ƒe aƒe ƒe to la akɔ ta agbɔ towo ŋu, eye wòaƒo togbɛwo ta, eye anyigba dzi dukɔwo aƒo zi ɖe eŋu.”—Mixa 4:1.

11 Ɣekaɣie nusia adzɔ? Abe alesi nyagblɔɖia gblɔe ene la, anye “le ŋkeke mlɔeawo me”—ẽ, le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo me. (Timoteo II, 3:1) Nusia adzɔ hafi nuɖoanyi sia nawu enu esime dukɔwo akpɔtɔ anɔ alakpamawuwo subɔm. Mixa 4:5 gblɔ be: “Dukɔwo katã dometɔ ɖesiaɖe le zɔzɔm le eƒe mawu ƒe ŋkɔ me.” Ke tadeagula vavãwo ya ɖe? Mixa ƒe nyagblɔɖia ɖo eŋu be: “Míawo ya míazɔ le Yehowa, mía Mawu la ƒe ŋkɔ me ɖaa tegbee.”

12. Aleke wodo tadedeagu vavãtɔ ɖe dzi le ŋkeke mamlɛ siawo mee?

12 Eyata le ŋkeke mamlɛ siawo me la, “Yehowa ƒe aƒe ƒe to la [kɔ ta gbɔ] towo ŋu.” Wogbugbɔ ɖo Yehowa ƒe tadedeagu vavãtɔ si de ŋgɔ sasasã la te wòli ke, eye wodoe ɖe dzi wu subɔsubɔha ƒomevi bubuwo katã. Abe alesi Mixa ƒe nyagblɔɖia gagblɔe ene la, “anyigba dzi dukɔwo aƒo zi ɖe eŋu.” Eye amesiwo le gome kpɔm le tadedeagu vavãtɔ me ‘azɔ le Yehowa, woƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me ɖaa tegbee.’

13, 14. Ɣekaɣie xexe sia ge ɖe “ŋkeke mlɔeawo” me, eye nukae le dzɔdzɔm ɖe tadedeagu vavãtɔ dzi tso ɣemaɣi?

13 Nusiwo le dzɔdzɔm wònye Biblia ƒe nyagblɔɖiwo me vava fia be xexeme sia ge ɖe “ŋkeke mlɔeawo me”—si nye eƒe ŋkeke mamlɛawo—le ƒe 1914 me. (Marko 13:4-10) Ŋutinya fia be Yehowa te amesiamina susɔe wɔnuteƒe siwo si dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ le la nuƒoƒoƒu ɣemaɣi na tadedeagu vavãtɔ. Nusi kplɔe ɖoe nye “ameha gã” aɖe nuƒoƒoƒu tso “dukɔ sia dukɔ kple to sia to . . . kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me”—amesiwo si anyigba dzi nɔnɔ tegbee ƒe mɔkpɔkpɔ le.—Nyaɖeɖefia 7:9.

14 Tso keke Xexemeʋa I ŋɔli ke va ɖo egbe la, amesiwo ŋu Yehowa ƒe ŋkɔ le ƒe tadedeagu ɖe zɔ yi ŋgɔ kple ŋusẽ le eƒe mɔfiafia te. Tso ame akpe ʋɛ siwo nɔ anyi le Xexemeʋa I megbe dzi la, Yehowa subɔlawo ƒe agbɔsɔsɔ ɖo miliɔn ade fifia, eye woƒo wo nu ƒu ɖe hame siwo ade 91,000 me le dukɔ 235 me. Ƒe sia ƒe la, Fiaɖuƒegbeƒãɖela siawo zãa gaƒoƒo biliɔn ɖeka kple edzivɔ tsɔ kafua Mawu le gaglãgbe. Edze ƒã be Yehowa ƒe Ðasefo siawoe na Yesu ƒe nyagblɔɖinya siawo le eme vam be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.”—Mateo 24:14.

15. Aleke Zefanya 2:3 le eme vamee fifia?

15 Zefanya 3:17 gblɔ be: “Yehowa, wò Mawu la, le dowòme, kalẽtɔ, si ate ŋu axɔ na ame la wònye.” Gbɔgbɔmenudzedziname si teƒe kpɔm Yehowa subɔlawo le le ŋkeke mamlɛ siawo me la tso alesi wònye Mawu si kpɔ ŋusẽ wu amesiame si le ‘wo dome’ la gbɔ. Aleae wòle egbea abe alesi wònɔ le blema Yuda le ƒe 537 D.M.Ŋ. me ene. Eyata míate ŋu akpɔ alesi Zefanya 2:3 le eme vam le mɔ gãtɔ nu le míaƒe ɣeyiɣia me esi wògblɔ be: ‘Midi Yehowa, mi amesiwo katã bɔbɔ mia ɖokui ɖe anyi le anyigba dzi.’ Le ƒe 537 D.M.Ŋ. me la, nya “katã” la ku ɖe Yudatɔ susɔe siwo katã gbɔ tso Babilontɔwo ƒe aboyo me ŋu. Fifia etsi tre ɖi na ɖokuibɔbɔla siwo le dukɔwo katã me le anyigba bliboa dzi, amesiwo xɔa Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔ si wɔm wole le anyigba dzi godoo la nyuie eye wole zi ƒom ɖe “Yehowa ƒe aƒe ƒe to la” ŋu.

Tadedeagu Vavãtɔ le Dzidzedze Kpɔm

16. Anɔ eme be aleke míaƒe futɔwo wɔa nui ɖe Yehowa subɔlawo ƒe dzidzedzekpɔkpɔ le egbeɣeyiɣiwo me ŋu?

16 Le ƒe 537 D.M.Ŋ. megbe la, dukɔ siwo le nutoa me la me nɔla geɖe ƒe nu ku esi wogbugbɔ ɖo Mawu subɔlawo te ɖe tadedeagu vavãtɔ me le wo denyigba dzi. Gake mɔ sue aɖe nu koe gbugbɔgaɖoanyi ma va eme le. Ènya nusi gblɔm ame aɖewo le—Mawu ƒe amewo ƒe futɔwo gɔ̃ hã—fifia esi wokpɔ alesi gbegbe Yehowa subɔlawo le dzidziɖedzi kpɔm nukutɔe, woƒe dzidzedzekpɔkpɔ, kple alesi wole ŋgɔ yim le egbeɣeyiɣiwo mea? Ðikeke mele eme o be futɔ siawo dometɔ aɖewo ƒe seselelãme sɔ kple Farisitɔ siwo kpɔ alesi amewo nɔ zi nyem ɖe Yesu ŋui la tɔ. Wodo ɣli gblɔ be: “Kpɔ ɖa, xexeame katã dze eyome.”—Yohanes 12:19.

17. Nya kae nuŋlɔla aɖe gblɔ le Yehowa Ðasefowo ŋu, eye dzidziɖedzi kae wokpɔ?

17 Nufialagã Charles. S. Braden gblɔ le eƒe agbalẽ si nye These Also Believe me be: ‘Yehowa Ðasefowo tsɔ woƒe ɖaseɖiɖia kpe anyigba katã ɖo vɔ. Míate ŋu agblɔe le nyateƒe me be subɔsubɔha ɖeka aɖeke mele xexeame si tsɔ dzonɔameme kple kutrikuku geɖe dze agbagba be yeaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia wu Yehowa Ðasefowo o. Subɔsubɔha sia ate ŋu anɔ ŋusẽ kpɔm ɖe edzi ɖaa.’ Eto nyateƒe tututu! Esime wòŋlɔ nya mawo ƒe 50 enye si va yi la, Ðasefo 300,000 aɖewo koe nɔ gbeƒã ɖem le xexeame katã. Nya kae wòagblɔ egbea, esi amesiwo ade xexlẽme ma teƒe 20—amesiwo ade miliɔn ade—ye le gbeƒã ɖem nyanyuia?

18. Nukae gbegbɔgblɔ dzadzɛa nye, eye amekawoe Mawu tsɔe na?

18 Mawu to eƒe nyagblɔɖila dzi do ŋugbe be: “Mana gbegbɔgblɔ dzadzɛ dukɔwo, ne wo katã nayɔ Yehowa ŋkɔ, eye woatsɔ nusɔsɔ asubɔe.” (Zefanya 3:9, NW) Le ŋkeke mamlɛ siawo me la, Yehowa Ðasefowoe le ŋkɔ Yehowa yɔm, eye woawoe tsɔ ɖekawɔwɔ le esubɔm le lɔlɔ̃ si nu metsina o me—ẽ, wole esubɔm kple “nusɔsɔe.” Woawoe nye amesiwo Yehowa tsɔ gbegbɔgblɔ dzadzɛa na. Nusi gbegbɔgblɔ dzadzɛ sia fia ƒe ɖee nye Mawu kple eƒe tameɖoɖowo ŋu nyateƒea gɔmesese nyuie. Yehowa koe naa gɔmesese sia ame to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi. (Korintotɔwo I, 2:10) Amekawoe wònaa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe lae? ‘Amesiwo ɖoa toe be enye dziɖula’ la koe. (Dɔwɔwɔwo 5:32) Yehowa Ðasefowo koe lɔ̃ ɖoa to Mawu le nusianu me be enye Dziɖula. Eyatae wotsɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa kple gbegbɔgblɔ dzadzɛ, si nye nyateƒe si ku ɖe Yehowa kple eƒe tameɖoɖo wɔnukuawo ŋu, na wo. Wozãa gbegbɔgblɔ dzadzɛ sia tsɔ kafua Yehowa le mɔ gã aɖe si le ta kekem ɖe edzi nu le anyigba dzi katã.

19. Nukae gbegbɔgblɔ dzadzɛa dodo bia?

19 Menye nyateƒea dzixɔxɔse kple efiafia ame bubuwo koe gbegbɔgblɔ dzadzɛa dodo bia o, ke ebia hã be ame ƒe agbenɔnɔ nawɔ ɖeka kple Mawu ƒe se kple gɔmeɖosewo. Kristotɔ amesiaminawo xɔ ŋgɔ le Yehowa didi kple gbegbɔgblɔ dzadzɛa dodo me. Bu nusiwo wote ŋu wɔ ŋu kpɔ! Togbɔ be amesiaminawo ƒe xexlẽme ɖiɖi eye womegade 8,700 o hã la, ame bubu siwo ade miliɔn ade le woƒe xɔse srɔ̃m to Yehowa didi kple gbegbɔgblɔ dzadzɛa dodo me. Amesiawoe nye ameha gã si le dzidzim ɖe edzi siwo tso dukɔ sia dukɔ me eye woxɔ Yesu ƒe tafevɔsa dzi se, wotsɔa subɔsubɔ kɔkɔe nana le Mawu ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa ƒe xɔxɔnu si le anyigba dzi, eye woatsi agbe le “xaxa gã” si ava xexe madzɔmadzɔ sia dzi kpuie la me.—Nyaɖeɖefia 7:9, 14, 15.

20. Nukae le amesiamina nuteƒewɔlawo kple ameha gã la me tɔwo ŋgɔ?

20 Woakplɔ ameha gã la ayi ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye xexe yeyea me. (Petro II, 3:13) Yesu Kristo kple ame 144,000 siwo wofɔ yi dziƒogbenɔnɔ me be woazu fia kple nunɔlawo kpakplii la anye anyigba dziɖuha yeye. (Romatɔwo 8:16, 17; Nyaɖeɖefia 7:4; 20:6) Amesiwo atsi agbe le xaxa gã la me awɔ dɔ atsɔ awɔ anyigba paradisoe eye woayi edzi anɔ gbegbɔgblɔ dzadzɛ si tso Mawu gbɔ la dom. Woawo ŋue gɔmesese si le nya siawo me ku ɖo be: “Viwòwo katã anye Yehowa ƒe nusrɔ̃viwo, eye viwòwo ƒe ŋutifafa asɔ gbɔ. Dzɔdzɔenyenye woatsɔ ali ke wò.”—Yesaya 54:13, 14.

Nufiafiadɔ Gãtɔ Kekeake le Ŋutinya Me

21, 22. (a) Abe alesi woɖee fia le Dɔwɔwɔwo 24:15 ene la, amekawoe wòahiã be woafia gbegbɔgblɔ dzadzɛ lae? (b) Nufiafia dɔ si ɖeke mesɔ kpli o kae woawɔ le anyigba dzi le Fiaɖuƒedziɖuɖua te?

21 Woƒo nu tso ƒuƒoƒo gã aɖe si me tɔwo woana mɔkpɔkpɔe be woasrɔ̃ gbegbɔgblɔ dzadzɛ le xexe yeyea me la ŋu le Dɔwɔwɔwo 24:15, si gblɔ be: “Tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” Le ɣeyiɣi siwo va yi me la, ame biliɔn geɖe nɔ agbe heku esi Yehowa ŋuti sidzedze vavãtɔ mesu wo si o. Agagbɔ agbe wo le ɖoɖo nyui aɖe nu. Eye ahiã be woafia gbegbɔgblɔ dzadzɛa amesiawo siwo wofɔ ɖe tsitre.

22 Mɔnukpɔkpɔ kae nye si wòanye be míakpɔ gome le nufiafiadɔ gã ma me! Anye nufiafiadɔ gãtɔ kekeake le ameƒomea ƒe ŋutinya me. Woawɔ dɔ sia katã le Kristo Yesu si anɔ Fiaɖuƒeŋusẽ me la ƒe dziɖuɖu nyui la te. Nusi ado tso emee nye be ameƒomea akpɔ nya si le Yesaya 11:9 la me vava teƒe mlɔeba, si gblɔ be: “Sidzedze Yehowa xɔ anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.”

23. Nukata nàgblɔ be wove mí Yehowa ƒe amewo nu ŋutɔ?

23 Mɔnukpɔkpɔ kae nye si wònye na mí le ŋkeke mamlɛ siawo me be míele dzadzram ɖo ɖe ɣeyiɣi nyui ma si le ŋgɔ gbɔna esime Yehowa ŋuti sidzedze axɔ anyigba la dzi nyateƒe la ŋu! Eye mɔnukpɔkpɔ kae nye si su mía si fifi laa be míenye Mawu ƒe amewo, amesiwo le nyagblɔɖinya siwo woŋlɔ ɖe Zefanya 3:20 la me vava gã teƒe kpɔm! Yehowa na kakaɖedzi mí le afima be: “Matsɔ mi awɔ bubu kple kafukafu le anyigba dzi dukɔwo katã dome.”

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Aleke Zefanya ƒe gbugbɔɖoanyi nyagblɔɖia va emee?

• Aleke tadedeagu vavãtɔ le dzidzedze kpɔm le ŋkeke mamlɛ siawo mee?

• Nufiafiadɔ gã kae woawɔ le xexe yeyea me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Yehowa ƒe dukɔ trɔ yi wo denyigba dzi be woagbugbɔ tadedeagu dzadzɛ aɖo anyi. Ènya nusi esia tsi tre ɖi na egbea?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

Yehowa Ðasefowo doa “gbegbɔgblɔ dzadzɛ” la tsɔ naa amewo sea Biblia ƒe akɔfafagbedasia