Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amesiwo Nɔa Kekelia Me Ƒe Xɔname

Amesiwo Nɔa Kekelia Me Ƒe Xɔname

Amesiwo Nɔa Kekelia Me Ƒe Xɔname

“Yehowa enye nye kekeli kple nye xɔname, ameka mavɔ̃?”—PSALMO 27:1.

1. Ðoɖo si naa agbe kae Yehowa wɔ?

YEHOWAE nye ɣe ƒe keklẽ si naa agbe nya nɔna le anyigba dzi la Tsoƒe. (Mose I, 1:2, 14) Eya hãe nye gbɔgbɔmekekeli si ɖea Satana ƒe xexea ƒe viviti si wua ame ɖa la Wɔla. (Yesaya 60:2; Korintotɔwo II, 4:6; Efesotɔwo 5:8-11; 6:12) Amesiwo tiaa kekelia me nɔnɔ ate ŋu awɔ ɖeka kple hakpala la agblɔ be: “Yehowa enye nye kekeli kple nye xɔname, ameka mavɔ̃?” (Psalmo 27:1a) Gake abe alesi wòdzɔ le Yesu ƒe ɣeyiɣia me ene la, fɔbubuʋɔnudɔdrɔ̃ koe amesiwo lɔ̃a vivitia ate ŋu akpɔ mɔ na.—Yohanes 1:9-11; 3:19-21, 36.

2. Nukae dzɔ ɖe amesiwo gbe Yehowa ƒe kekelia kpakple amesiwo se eƒe nya dzi le blema?

2 Le Yesaya ƒe ŋkekea me la, dukɔ si Yehowa bla nu kpli la me tɔwo ƒe akpa gãtɔ gbe kekelia. Yesaya kpɔ eteƒe esime esia na wotsrɔ̃ dukɔ si nye dziehe Israel fiaɖuƒea. Eye le ƒe 607 D.M.Ŋ. me la, wotsrɔ̃ Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa eye wokplɔ Yudatɔwo yi aboyo mee. Ke hã wodo ŋusẽ amesiwo ɖo to Yehowa ƒe nya ale be wotsri xɔsegbegbe si nɔ anyi le ŋkeke mawo me. Yehowa do ŋugbe be amesiwo aɖo to ye la atsi agbe le ƒe 607 D.M.Ŋ. me. (Yeremya 21:8, 9) Egbea mí amesiwo lɔ̃ kekelia míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso nusi dzɔ ɣemaɣi la me.—Efesotɔwo 5:5.

Amesiwo Nɔa Kekelia me ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ

3. Kakaɖedzi kae ate ŋu anɔ mía si egbea, “dukɔ dzɔdzɔe” kae míelɔ̃na, eye “du sesẽ” kae le “dukɔ” ma si?

3 “Du sesẽ le mía si, [Mawu tsɔ] eƒe xɔname wɔ gli kple ʋewo na mí. Miʋu agboawo, ne dukɔ dzɔdzɔe, si dzraa nyateƒe ɖo la, nage ɖe eme.” (Yesaya 26:1, 2) Aseyetsonya mawoe amesiwo ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu gblɔ. Yesaya ƒe ŋkekea me Yudatɔ nuteƒewɔlawo kpɔ Yehowa sinu be eya koe nye Dedienɔnɔtsoƒe vavãtɔ, ke menye wo detɔwo ƒe alakpamawuwo sinu o. Kakaɖedzi ma ke le míawo hã si egbea. Azɔ hã míelɔ̃ Yehowa ƒe “dukɔ dzɔdzɔe” la—si nye “Mawu ƒe Israel.” (Galatiatɔwo 6:16; Mateo 21:43) Yehowa hã lɔ̃ dukɔ sia le eƒe nuteƒewɔwɔ ta. Eƒe yayra wɔe be “du sesẽ” aɖe le Mawu ƒe Israel si, wònye habɔbɔ si le abe du ene si doa alɔe hekpɔa eta.

4. Tamesusu kae wòanyo be míatu ɖo?

4 Amesiwo le “du” sia me nya nyuie be ‘Yehowa tsɔ ŋutifafa dzra amesi ƒe susu li ke la ɖo, elabena eɖo dzi ɖe Yehowa ŋu.’ Yehowa kpena ɖe amesiwo lɔ̃a ŋuɖoɖo ɖe eyama ŋu eye wowɔna ɖe eƒe gɔmeɖose dzɔdzɔeawo dzi la ŋu. Eyata nuteƒewɔla siwo le Yuda wɔ ɖe Yesaya ƒe nuxlɔ̃amea dzi be: “Miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu ɖaa, elabena [Yah, NW] Yehowa enye agakpe tegbee.” (Yesaya 26:3, 4; Psalmo 9:11; 37:3; Lododowo 3:5) Amesiwo si susu ma le la kpɔa “Yah Yehowa” sinu be eya koe nye dedienɔnɔ ƒe Agakpe. Wonɔa “ŋutifafa” me kplii.—Filipitɔwo 1:2; 4:6, 7.

Gbɔɖiɖi Mawu ƒe Futɔwo

5, 6. (a) Aleke woɖi gbɔ blema Babilon? (b) Mɔ ka nue woɖi gbɔ “Babilon gã” la le?

5 Ke ne amesiwo ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu ɖo xaxa me ɖe? Mele be woavɔ̃ o. Yehowa ɖea mɔ nusiawo dzɔna ɣeaɖewoɣi, gake enaa gbɔdzɔe mí mlɔeba eye wòdrɔ̃a ʋɔnu amesiwo he xaxaa vɛ. (Tesalonikatɔwo II, 1:4-7; Timoteo II, 1:8-10) Bu nusi dzɔ ɖe “du kɔkɔ” aɖe dzi ŋu kpɔ. Yesaya gblɔ be: “[Yehowa ƒu] kɔkɔƒenɔlawo anyi, ebɔbɔ du kɔkɔ la ɖe anyi, ebɔbɔe vaseɖe anyigba ke, eye wòtee ɖe ke me. Afɔ fanya wo, ame dahewo ƒe afɔ kple hiãtɔwo ƒe afɔɖeɖe.” (Yesaya 26:5, 6) Anye Babilon ye du kɔkɔ si ŋu woƒo nu tsoe le afisia la nye. Dugã ma me tɔwo wɔ fu Mawu ƒe amewo ŋutɔ. Gake nukae dzɔ ɖe Babilon dzi? Media kple Persia tɔwo xɔe le ƒe 539 D.M.Ŋ. me. Gbɔɖiame ka gbegbee nye si!

6 Yesaya ƒe nyagblɔɖinyawo sɔ ɖe nusi dzɔ ɖe “Babilon gã” la dzi tso ƒe 1919 me nu ŋutɔ le míaƒe ŋkekea me. Womu du kɔkɔ ma gbɔɖiametɔe le ƒe ma me esime wozi edzi wòɖe asi le Yehowa ƒe amewo ŋu tso gbɔgbɔmeboyo me. (Nyaɖeɖefia 14:8) Nusi gava dzɔ la gaɖi gbɔe wu gɔ̃ hã. Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo sue sia ‘va fanya’ amesiwo lé wo aboyoe tsã. Le ƒe 1922 me la, wote gbeƒãɖeɖe tso Kristodukɔa ƒe nuwuwu si gbɔna ŋu, eye woɖe gbeƒã mawudɔla eneawo ƒe kpẽkuku si ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia 8:7-12 me kple babadonamenya etɔ̃ siwo wogblɔ ɖi le Nyaɖeɖefia 9:1–11:15.

“Ame Dzɔdzɔe ƒe Toƒe To Mɔ Ðeka”

7. Mɔfiafia kae amesiwo vaa Yehowa ƒe kekeli gbɔ xɔna, amekae wokpɔa mɔ na, eye nuka ŋue wokpɔa dzidzɔ ɖo?

7 Yehowa xɔna na amesiwo vaa eƒe kekeli gbɔ, eye wòfiaa mɔ wo, abe alesi Yesaya ɖee fia le nya siwo kplɔe ɖo me ene be: “Ame dzɔdzɔe ƒe toƒe to mɔ ɖeka, eta ame dzɔdzɔe ƒe mɔ wòdzɔ. Yehowa, míekpɔ mɔ na wò le wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo ƒe mɔ dzi ke hã; wò ŋkɔ kple wò [ŋkuɖodzi, NW] dzro luʋɔwo.” (Yesaya 26:7, 8) Yehowa nye Mawu dzɔdzɔe, eye ele be amesiwo dea ta agu nɛ nanɔ agbe ɖe eƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo nu. Ne wowɔe nenema la, Yehowa fiaa mɔ wo, eye wònaa woƒe mɔ dzɔna. Ame fafa siawo wɔa Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi tsɔ ɖenɛ fiana be wokpɔa mɔ nɛ hekpɔa dzidzɔ ɖe eƒe ŋkɔ—eƒe ‘ŋkuɖodzi’—ŋu.—Mose II, 3:15.

8. Nɔnɔme si nye kpɔɖeŋu kae Yesaya ɖe fia?

8 Yesaya kpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu. Esia dze le eƒe nya siwo kplɔe ɖo me be: “Ele nye luʋɔ dzrom le zã me, nye gbɔgbɔ hã le diwòm le menye; elabena ne wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo va anyigba dzi la, xexeametɔwo srɔ̃a dzɔdzɔenyenye.” (Yesaya 26:9) Yehowa ƒe nu dzro Yesaya ‘ƒe luʋɔ’—eƒe ameti bliboa. Kpɔ alesi nyagblɔɖila la awɔ zã ƒe ɖoɖoeziɣiwo ŋudɔe ado gbe ɖa na Yehowa, eye wòagblɔ eƒe tamesusu ɖesiaɖe nɛ ahadze agbagba adi Yehowa ƒe mɔfiamee la ɖa le susu me. Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye si! Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yesaya srɔ̃ dzɔdzɔenyenye tso Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo me. Le esia me la, ena míeɖo ŋku alesi wòhiã be míanɔ ŋudzɔ ɣesiaɣi, eye míanɔ mo xexi be míade dzesi nusi nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu la dzi.

Ame Aɖewo Tia Vivitia

9, 10. Dɔmenyo kawoe Yehowa wɔ na eƒe dukɔ mawɔnuteƒe la, gake aleke wowɔ nui?

9 Yehowa ve Yuda nu ŋutɔ, gake nublanuitɔe la, menye wo katãe xɔe o. Enuenu la, ame akpa gãtɔ tia aglãdzedze kple xɔsegbegbe tsɔ wu be woaxɔ Yehowa ƒe nyateƒea ƒe kekelia. Yesaya gblɔ be: “Ne wove ame vɔ̃ɖi nu la, mesrɔ̃a dzɔdzɔenyenye o, ke boŋ ewɔa nu vɔ̃ɖi le anyigba dzɔdzɔe dzi, eye meléa ŋku ɖe Yehowa ƒe gãnyenye ŋu o.”—Yesaya 26:10.

10 Esi Yehowa ƒe asi kpɔ Yuda ta tso eƒe futɔwo si me le Yesaya ƒe ŋkekea me la, dukɔa me tɔ akpa gãtɔ mede dzesii o. Esime wòtsɔ ŋutifafa yra woe la, dukɔa meɖe ŋudzedzekpɔkpɔ aɖeke fia o. Eyata Yehowa gblẽ wo ɖi be woasubɔ ‘aƒetɔ bubuwo,’ eye mlɔeba eɖe mɔ wokplɔ Yudatɔwo yi aboyo me le Babilon le ƒe 607 D.M.Ŋ. me. (Yesaya 26:11-13) Ke hã dukɔa me tɔ susɔe siwo xɔ tohehe la trɔ gbɔ va wo denyigba dzi mlɔeba.

11, 12. (a) Etsɔme kae nɔ amesiwo ɖe aboyo Yuda la ŋgɔ? (b) Etsɔme kae nɔ amesiwo ɖe aboyo Yehowa subɔla amesiaminawo tsã la ŋgɔ le ƒe 1919 me?

11 Ke amesiwo ɖe aboyo Yuda ya ɖe? Yesaya ɖo eŋu le nyagblɔɖi me be: “Ame kukuwo megagbɔa agbe o, eye ŋɔliwo megafɔna o; eyata nèhe to na wo hetsrɔ̃ wo, eye nètsi woƒe ŋkɔwo katã nu.” (Yesaya 26:14) Ẽ, esi Babilon mu le ƒe 539 D.M.Ŋ. me la, etsɔme aɖeke meganɔ esi o. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, dua maganɔ anyi o. ‘Magafɔ tso eƒe ku me o,’ eye eƒe fiaɖuƒe gã la ŋu nyawo azu ŋutinyagbalẽwo me nya. Nuxlɔ̃ame kae nye si wònye na amesiwo ɖoa ŋu ɖe xexe sia me ŋusẽtɔwo ŋu!

12 Nyagblɔɖi sia ƒe akpa aɖewo va eme esime Mawu ɖe mɔ esubɔla amesiaminawo yi gbɔgbɔmeboyo me le ƒe 1918 me gake wòna ablɔɖe wo le ƒe 1919 me. Tso ɣemaɣi la, etsɔme nyui aɖeke meganɔ amesiwo ɖe aboyo wo tsã, si nye Kristodukɔa koŋ, la si o. Gake yayra geɖe nɔ Yehowa ƒe amewo ŋgɔ.

“Èna Dukɔ la Dzi Ðe Dzi”

13, 14. Yayra gbogbo kawoe Yehowa subɔla amesiaminawo kpɔ tso ƒe 1919 me?

13 Mawu yra esubɔla amesiaminawo ƒe dzimetɔtrɔ ƒe gbɔgbɔa le ƒe 1919 me eye wòna wodzi ɖe dzi. Gbã la, wolé fɔ ɖe Mawu ƒe Israel la me tɔ susɔeawo nuƒoƒoƒu ŋu, eye emegbe wodze “alẽ bubuwo” ƒe “ameha gã” aɖe nuƒoƒoƒu gɔme. (Nyaɖeɖefia 7:9; Yohanes 10:16) Wogblɔ yayra siawo ɖi le Yesaya ƒe nyagblɔɖia me be: “Èna dukɔ la dzi ɖe dzi, Yehowa, èna dukɔ la dzi ɖe dzi, ède bubu ɖokuiwò ŋu, eye nèkeke anyigba ƒe liƒowo katã ɖe nu. Yehowa, wodi wò le hiã me, eye esi wò tohename va wo dzi la, wotrɔ woƒe dzi me nyawo ƒo ɖe anyi.”—Yesaya 26:15, 16.

14 Egbea wokeke Mawu ƒe Israel ƒe liƒowo ɖe enu wòxɔ anyigba dzi katã, eye ameha gã siwo va kpe ɖe wo ŋu ƒe xexlẽme ade ame miliɔn ade, amesiwo tsɔ dzonɔameme le gome kpɔm le dɔ si nye gbeƒãɖeɖe nyanyuia me. (Mateo 24:14) Yayra ka gbegbee nye si tso Yehowa gbɔ! Eye ŋutikɔkɔe ka gbegbee nye si esia he vɛ na eƒe ŋkɔ! Egbea wosea ŋkɔ ma le dukɔ 235 me—wònye eƒe ŋugbedodo me vava si wɔ nuku.

15. Kpɔɖeŋutsitretsitsi kae dzɔ le ƒe 1919 me?

15 Yuda hiã Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu be woate ŋu adzo le aboyo me le Babilon. Womate ŋu adzo le woa ŋutɔwo ƒe ŋusẽ me o. (Yesaya 26:17, 18) Nenema ke Mawu ƒe Israel ƒe ablɔɖekpɔkpɔ le ƒe 1919 me ɖo kpe edzi be Yehowa le megbe na wo. Esia mate ŋu adzɔ eƒe asi manɔmee o. Eye alesi nɔnɔme si me wonɔ va trɔe la wɔ nuku ale gbegbe be Yesaya tsɔe sɔ kple tsitretsitsi: “Wò ame kukuwo agbɔ agbe, eye nye ame kukuwo afɔ ɖe tsitre! Minyɔ, mi ketu me tɔwo, eye mitso aseye, elabena miaƒe zãmu enye kekeli ƒe zãmu, eye anyigba aɖe ŋɔliwo ana.” (Yesaya 26:19; Nyaɖeɖefia 11:7-11) Ẽ, woagbugbɔ amesiwo ŋu wɔna mele o le ku me la adzi, le kpɔɖeŋumɔ nu, ɖe dɔ yeye wɔwɔ ŋu!

Ametakpɔkpɔ le Ɣeyiɣi Dziŋɔwo Me

16, 17. (a) Nukae wòle be Yudatɔwo nawɔ be woatsi agbe esime Babilon mu le ƒe 539 D.M.Ŋ. me? (b) Nukawoe ‘xɔgãwo’ ate ŋu anye egbea, eye aleke woɖea vi na míi?

16 Yehowa subɔlawo hiã na eƒe ametakpɔkpɔ ɣesiaɣi. Gake eteƒe madidi o ado eƒe asi ɖa ɖe Satana ƒe xexea ŋu zi mamlɛtɔ, eye esubɔlawo ahiã na eƒe kpekpeɖeŋu wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe. (Yohanes I, 5:19) Yehowa xlɔ̃ nu mí le ɣeyiɣi dziŋɔ ma ŋu be: “Nye dukɔ, yi ɖe wò xɔgã me, eye nado ʋɔ ɖe ɖokuiwò nu, ɣla ɖokuiwò vie, vaseɖe esime dziku la nu nava yi. Elabena Yehowa ado tso enɔƒe, ne wòaxe anyigbadzitɔwo ƒe vodada ŋu fe na wo, anyigba aklo nu le eƒe ʋu dzi, eye magatsyɔ nu amesiwo wowu ɖe edzi la dzi o.” (Yesaya 26:20, 21; Zefanya 1:14) Nuxlɔ̃ame sia na Yudatɔwo kpɔ nusi woawɔ atsi agbe ne Babilon mu le ƒe 539 D.M.Ŋ. me. Amesiwo wɔ ɖe edzi anya nɔ woƒe aƒewo me, eye wonɔ dedie tso asrafo siwo va xɔ dua eye wonɔa ablɔwo dzi la si me.

17 Egbea anɔ eme be “xɔgã” si woyɔ le nyagblɔɖia me la ku ɖe Yehowa ƒe amewo ƒe hame akpe bla nane siwo le xexeame katã la ŋu. Hame siawo nye ametakpɔkpɔ egbea gɔ̃ hã, afisi Kristotɔwo kpɔa dedienɔnɔ le le wo nɔviwo dome, le hamemegãwo ƒe beléle lɔlɔ̃tɔe me. (Yesaya 32:1, 2; Hebritɔwo 10:24, 25) Esia nye nyateƒe vevietɔ esi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu si me agbetsitsi anɔ te ɖe toɖoɖo dzi le la gogo.—Zefanya 2:3.

18. Aleke Yehowa ‘awu boso si le atsiaƒu me’ la kpuie?

18 Yesaya gblɔe ɖi le ɣeyiɣi ma ŋu be: “Ɣemaɣi la Yehowa atsɔ eƒe yi kpekpe gã sesẽ la ahe to na ʋɔ driba, si nye da, si le sisim, kple ʋɔ driba, si nye da xatsaxatsa la, eye wòawu boso le atsiaƒu me.” (Yesaya 27:1) Nukae nye egbeŋkekea me “ʋɔ driba” la? Edze ƒã be eyae nye “da xoxo,” si nye Satana ŋutɔ, kple eƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖi si wòzãna tsɔ wɔa aʋa kple Mawu ƒe Israel. (Nyaɖeɖefia 12:9, 10, 17; 13:14, 16, 17) Le ƒe 1919 me la, ʋɔ driba la megava kpɔ ŋusẽ ɖe Mawu ƒe amewo dzi o. Woaɖee ɖa keŋkeŋ le ɣeyiɣi aɖe megbe. (Nyaɖeɖefia 19:19-21; 20:1-3, 10) Eyata Yehowa ‘awu boso la le atsiaƒu me.’ Hafi ɣemaɣi naɖo la, naneke meli si ʋɔ driba la awɔ ɖe Yehowa ƒe amewo ŋu wòakpɔ dzidzedze ɖaa o. (Yesaya 54:17) Akɔfafa kae nye si wònye be woka ɖe esia dzi na mí!

“Weingble Nyo” Aɖe

19. Nɔnɔme ka mee ame susɔeawo le egbea?

19 Ðe mía tɔ medzɔ ŋutɔ be míatso aseye le kekeli sia katã si tso Yehowa gbɔ ta oa? Ẽ, mía tɔ dzɔ! Yesaya ƒo nu tso Yehowa ƒe amewo ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ŋu wònya se, esi wòŋlɔ bena: “Ɣemaɣi la midzi ha le weingble nyo la ŋu be: Nye Yehowa manye eŋu dzɔla, eye made tsii ɣesiaɣi, be naneke magawɔe o; madzɔ eŋu zã kple keli.” (Yesaya 27:2, 3) Yehowa lé be na eƒe “weingble,” si nye Mawu ƒe Israel ƒe ame susɔeawo, kple woƒe zɔhɛ kutrikulawo. (Yohanes 15:1-8) Nusi do tso emee nye kutsetse siwo hea ŋutikɔkɔe vaa eƒe ŋkɔ dzi eye wònaa esubɔla siwo le anyigba dzi tsoa aseye.

20. Aleke Yehowa kpɔa Kristo-hamea tae?

20 Míate ŋu akpɔ dzidzɔ be dziku si Yehowa do ɖe esubɔla amesiaminawo ŋu—si ta wòɖe mɔ woyi gbɔgbɔmeboyo me le ƒe 1918 me—la nu fa. Yehowa ŋutɔ gblɔ be: “Dzi mele kuyem o; ne makpɔ aŋɔkawo kple ŋuwo la, maho aʋa ɖe wo ŋu atɔ dzo wo katã; negbe ɖeko woava sim atso, eye woawɔ ŋutifafa kplim hafi, ŋutifafa ko woawɔ kplim hafi!” (Yesaya 27:4, 5) Esi Yehowa di be yeƒe weinkawo nayi edzi atse ‘wein nyui’ geɖe ta la, ehoa ŋusẽkpɔɖeamedzi ɖesiaɖe si le abe gbe ene si ate ŋu agblẽ wo la ɖa hetɔa dzo wo. Eyata mele be ame aɖeke nade Kristo-hamea ƒe nyonyo afɔku me o! Mina mí katã ‘míasi Yehowa tso,’ eye míadi eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ kple ametakpɔkpɔ. Esia wɔwɔ ana míawɔ ŋutifafa kple Mawu—nusi le vevie ale gbegbe be Yesaya gblɔe zi eve sɔŋ.—Psalmo 85:2, 3, 9; Romatɔwo 5:1.

21. Mɔ ka nu wotsɔ “kutsetse” yɔ anyigba dzi katã le?

21 Woagakpɔ yayra bubuwo: “Le ŋkeke, siwo gbɔna me la, Yakob ato ke, Israel adze, eye wòaƒo se, eye eƒe kutsetse ayɔ xexeame taŋ.” (Yesaya 27:6) Kpukpui sia va eme tso ƒe 1919 me, si nye Yehowa ƒe ŋusẽ ƒe kpeɖodzi wɔnuku. Kristotɔ amesiaminawo tsɔ “kutsetse,” si nye gbɔgbɔmenuɖuɖu dami, yɔ anyigba la dzii. Wotsɔa dzidzɔ nɔa agbe ɖe Mawu ƒe dzidzenu kɔkɔawo nu le xexe gblẽku me. Eye Yehowa yi edzi tsɔ dzidziɖedzi le wo yramee. Esia na woƒe zɔhɛ miliɔn geɖe, siwo nye alẽ bubuwo, ‘le Mawu subɔm zã kple keli.’ (Nyaɖeɖefia 7:15) Megadzɔ gbeɖe be míaŋlɔ mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míaɖu “kutsetse” ma ahana ɖe ame bubuwo la be o!

22. Yayra kawoe amesiwo xɔa kekeli la kpɔna?

22 Ðe míedaa akpe na Yehowa be eklẽa gbɔgbɔmekekeli ɖe eƒe amewo dzi le ɣeyiɣi sesẽ sia si viviti xɔ anyigba dzi eye blukɔ tsyɔ dukɔwo la me oa? (Yesaya 60:2; Romatɔwo 2:19; 13:12) Kekeli sia naa tomefafa kple dzidzɔ amesiwo katã xɔnɛ la fifia eye nusi woagava kpɔ le etsɔmee nye agbe mavɔ. Eyata susu nyui aɖe tae mí amesiwo lɔ̃ kekeli míetsoa dzime kafua Yehowa eye míewɔa ɖeka kple hakpala gblɔna be: “Yehowa enye mɔ̃ na nye agbe, ameka adzi ŋɔ nam? Kpɔ mɔ na Yehowa, sẽ ŋu, eye nalé dzi ɖe ƒo! Ẽ, kpɔ mɔ na Yehowa!”—Psalmo 27:1b, 14.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Etsɔme kae li na amesiwo tea Yehowa ƒe amewo ɖe anyi?

• Dzidziɖedzi kae Yesaya gblɔ ɖi?

• “Xɔgã” kawo mee wòle be míayi edzi anɔ, eye nukatae?

• Nukata nɔnɔme si me Yehowa ƒe amewo le hea kafukafu vɛ nɛ?

[Biabiawo]

[Aɖaka si le axa 22]

AGBALẼ YEYE

Woƒo nu tso nya siwo me míedzro le nusɔsrɔ̃nyati eve siawo me la ƒe akpa gãtɔ ŋu le ƒe 2000/2001 nutome gã takpekpe me nuƒo aɖe me. Le nuƒoa ƒe nuwuwu la, woɖe agbalẽ yeye si ƒe tanyae nye Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I la ɖe go. Wodzro Yesaya ƒe agbalẽa ƒe ta 40 gbãtɔawo ƒe kpukpuiwo me ɖekaɖeka le axa 416 gbalẽ sia me.

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Ame dzɔdzɔewo koe woɖea mɔ na wonɔa Yehowa ƒe “du sesẽ” si nye eƒe habɔbɔa me

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Yesaya di Yehowa “le zã me”

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Yehowa kpɔa eƒe “weingble” la ta eye wòna wòtsena