Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amesiwo Zɔna Le Kekelia Me Ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ

Amesiwo Zɔna Le Kekelia Me Ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ

Amesiwo Zɔna Le Kekelia Me Ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ

“Mitso, ne míazɔ le Yehowa ƒe kekeli me!”—YESAYA 2:5.

1, 2. (a) Aleke gbegbee kekeli le vevie? (b) Nukata nuxlɔ̃ame si nye be viviti axɔ anyigba dzi la nye ŋkubiãnya?

YEHOWAE nye Kekelitsoƒe. Biblia gblɔ be eyae nye “amesi wɔ ɣe, ne wòaklẽ le ŋkeke me, eye wòɖo na ɣleti kple ɣletiviwo be, woaklẽ le zã me.” (Yeremya 31:35; Psalmo 8:4) Eyae nye Amesi wɔ míaƒe ɣe, si ne míagblɔe tututu la, enye nuklia dzoxɔxɔ si me ŋusẽ gã aɖe dona tsona ɖoa yamenutome, si ƒe ɖee nye keklẽ kple dzoxɔxɔ. Ŋusẽ ma ƒe akpa sue aɖe nye ɣe ƒe keklẽ si ɖoa mía gbɔ heléa agbe ɖe te le anyigba sia dzi. Míate ŋu anɔ agbe ɣe ƒe keklẽ manɔmee o. Anye ne anyigba anye teƒe si nu gbagbe aɖeke mate ŋu anɔ o.

2 Ne nya sia le míaƒe susu me la, míate ŋu ase nɔnɔme si ŋu nyagblɔɖila Yesaya ƒo nu tsoe la ƒe vevienyenye gɔme. Egblɔ be: “Viviti xɔ anyigba dzi, eye blukɔ tsyɔ dukɔwo.” (Yesaya 60:2) Menye viviti ŋutɔŋutɔ ye wòwɔnɛ le afisia ya o. Yesaya menɔ fiafiam be gbeɖeka ɣe, ɣleti, kple ɣletiviwo magaklẽ o. (Psalmo 89:37, 38; 136:7-9) Gbɔgbɔmeviviti boŋ ŋue wònɔ nu ƒom tsoe. Gake gbɔgbɔmeviviti me nɔnɔ hea ku vɛ. Godoo la, míate ŋu anɔ agbe gbɔgbɔmekekeli manɔmee o, abe alesi míate ŋu anɔ agbe kekeli ŋutɔŋutɔ manɔmee o ene.—Luka 1:79.

3. Le nya siwo Yesaya gblɔ ta la, nukae wòle be Kristotɔwo nawɔ?

3 Esia ta ele vevie be míade dzesii be togbɔ be Yesaya ƒe nyaawo va eme ɖe blema Yuda dzi hã la, wole eme vam le mɔ si lolo wu nu egbea. Ẽ, gbɔgbɔmeviviti xɔ xexeame le míaƒe ɣeyiɣia me. Le afɔku ƒe nɔnɔme sia me la, gbɔgbɔmekekeli nye nusi le vevie ŋutɔ. Ema tae wònyo be Kristotɔwo nawɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃amenya sia dzi be: “Mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ƒe ŋku me.” (Mateo 5:16) Kristotɔ nuteƒewɔlawo ate ŋu ana kekeli naklẽ le vivitia me na ame fafawo, ale be mɔnukpɔkpɔ nasu wo si be woakpɔ agbe.—Yohanes 8:12.

Blukɔdoɣi le Israel

4. Ɣekaɣie Yesaya ƒe nyagblɔɖinyawo va eme zi gbãtɔ, gake nɔnɔme kae nɔ anyi xoxo le eya ŋutɔ ƒe ŋkekea me?

4 Nya siwo Yesaya gblɔ le viviti si xɔ anyigba dzi ŋu la va eme zi gbãtɔ esime Yuda zu aƒedo eye dukɔa nɔ aboyo me le Babilon. Gake do ŋgɔ na ema, le Yesaya ŋutɔ ƒe ŋkekea me gɔ̃ hã la, dukɔa me tɔwo ƒe akpa gãtɔ nɔ gbɔgbɔmeviviti me, eye nusiae ʋãe wòde dzi ƒo na wo detɔwo be: “Yakob ƒe aƒe, mitso, ne míazɔ le Yehowa ƒe kekeli me!”—Yesaya 2:5; 5:20.

5, 6. Nukawo gbɔe viviti si nɔ anyi le Yesaya ƒe ŋkekea me la tso?

5 Yesaya gblɔ nya ɖi le Yuda, ‘le Uziya, Yotam, Axaz kple Xizkiya ŋɔli.’ (Yesaya 1:1) Enye ɣeyiɣi sesẽ si me dunyahehe me zitɔtɔ, mawusubɔsubɔ me alakpanuwɔwɔ, ʋɔnumadzɔmadzɔdɔdrɔ̃, kple ame dahewo tete ɖe anyi bɔ ɖo. Alakpamawuwo ƒe vɔsamlekpuiwo nɔ togbɛwo ta me le fia wɔnuteƒewo, abe Yotam ene, gɔ̃ hã ƒe fiaɖuɣi. Nɔnɔmea gavloe wu le fia mawɔnuteƒewo ƒe fiaɖuɣi. Le kpɔɖeŋu me, Fia Axaz si nye ame vɔ̃ɖi la wɔ nusi gbɔ eme hetsɔ via sa vɔe na mawu Molex. Blukɔdoɣi ŋutɔe esia nye vavã!—Fiawo II, 15:32-34; 16:2-4.

6 Wo kple dukɔ bubuwo dome hã menɔ nyonyom o. Moab, Edom, kple Filisti nɔ Yuda ƒe liƒowo dzi nɔ ŋɔdzi dom na wo. Israel-fiaɖuƒe si le dziehe zu woƒe futɔ koŋ, togbɔ be wodo ƒome kpli wo hã. Siria si nɔ dziehe gome ɖaa hã di be yeagblẽ Yuda ƒe ŋutifafa me. Nusi gadzi ŋɔ wue nye Asiriatɔ ŋutasẽlawo, amesiwo dia mɔnukpɔkpɔ ɣesiaɣi be yewoatsɔ akeke yewoƒe dziɖuƒe ɖe edzii. Le ɣeyiɣi si Yesaya nɔ nya gblɔm ɖi me la, Asiria ɖu Israel dzi keŋkeŋ eye wòtsrɔ̃ Yuda kloe. Asiria xɔ Yuda-du sesẽwo katã ɣeaɖeɣi wòsusɔ Yerusalem ɖeɖeko.—Yesaya 1:7, 8; 36:1.

7. Mɔ ka dzie Israel kple Yuda tia be yewoazɔ, eye aleke Yehowa hã wɔ nui?

7 Afɔku siawo dzɔ ɖe dukɔ si Mawu bla nu kplii la dzi elabena Israel kple Yuda mewɔ nuteƒe nɛ o. Abe alesi amesiwo ŋu woƒo nu tsoe le Lododowo ƒe agbalẽa me wɔ ene la, ‘wogblẽ mɔ dzɔdzɔe la ɖi be woazɔ blukɔ ƒe mɔ dzi.’ (Lododowo 2:13) Ke hã togbɔ be Yehowa do dziku ɖe eƒe amewo ŋu hã, megblẽ wo ɖi keŋkeŋ o. Ke boŋ eɖo Yesaya kple nyagblɔɖila bubuwo ɖa be woana gbɔgbɔmekekeli dukɔa me tɔ ɖesiaɖe si gadi kokoko be yeasubɔ Yehowa le nuteƒewɔwɔ me. Asixɔxɔ nɔ kekeli si wona wòklẽ to nyagblɔɖila siawo dzi la ŋu vavã. Exɔ amewo ɖe agbe

Egbeɣeyiɣi Dovivitiwo

8, 9. Nukawoe na xexeame le viviti me egbea?

8 Yesaya ƒe ŋkekea me nɔnɔmea ɖi egbe tɔwo ŋutɔ. Le míaƒe ɣeyiɣia me la, dziɖula amegbetɔwo trɔ megbe de Yehowa kple Yesu Kristo, eƒe Fia si wòɖo zi dzi. (Psalmo 2:2, 3) Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhakplɔlawo ble woƒe alẽhawo. Kplɔla siawo gblɔna be yewosubɔa Mawu, gake le nyateƒe me la, woƒe akpa gãtɔ dea xexe sia me mawuwo—dulɔlɔ̃, asrafonyahehe, kesinɔnuwo, kple ame ŋkutawo—dzi le trɔ̃subɔsubɔ ƒe nuwo fiafia megbe.

9 Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo kpɔa gome le aʋawɔwɔ kple dumeviwo ƒe dzrewɔwɔ siwo me wotsrɔ̃a gbeɖekadolawo hewɔa ŋɔdzinu bubuwo le la me le teƒeteƒewo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, sɔlemeha geɖe ŋea aɖaba ƒua nuwɔna gbegblẽ siwo ƒe ɖewoe nye matrewɔwɔ kple ŋutsu kple ŋutsu ƒe dɔdɔ dzi alo dea wo wɔwɔ dzi, le esi teƒe be woalé agbenyuinɔnɔ si nɔ te ɖe Biblia dzi me ɖe asi. Esi Kristodukɔa ƒe alẽhawo gbe Biblia ƒe dzidzenuwo ta la, wole abe amesiwo ŋu blema hakpala la ƒo nu tsoe ene be: “Womedze sii o, eye womenyae o, wole zɔzɔm le viviti me.” (Psalmo 82:5) Kristodukɔa le viviti tsiɖitsiɖi me nyateƒe, abe blema Yuda ene.—Nyaɖeɖefia 8:12.

10. Aleke kekeli klẽna le viviti si li egbea mee, eye vi kae wòɖena na ame fafawo?

10 Viviti sia katã mee Yehowa na be kekeli le keklẽm le na ame fafawo. Ele esubɔla amesiamina siwo nye “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la zãm le esia wɔwɔ me, eye amesiawo ‘klẽna abe akaɖi ene.’ (Mateo 24:45; Filipitɔwo 2:15) Dɔla ƒe ha ma si ŋu zɔhɛ siwo nye “alẽ bubuwo” kpena ɖo ɖea gbɔgbɔmekekeli si nɔ te ɖe Mawu ƒe Nya, Biblia, dzi fiana. (Yohanes 10:16) Kekeli sia naa mɔkpɔkpɔ ame fafawo le xexe doviviti sia me, eye ekpena ɖe wo ŋu ƒomedodo nɔa wo kple Mawu dome, eye wòna wote ŋu ƒoa asa na gbɔgbɔmemɔ̃tetrewo. Nu xɔasi si xɔa ame ɖe agbee wònye.

“Makafu Wò Ŋkɔ”

11. Nya kawoe Yehowa ɖe fia le Yesaya ƒe ŋkekea me?

11 Mɔfiafia ka tɔgbe Yehowa na le ɣeyiɣi sesẽ siwo me Yesaya nɔ kple le ɣeyiɣi sesẽtɔ siwo va emegbe esime Babilon kplɔ Yehowa ƒe dukɔa yi aboyo mee la me? Tsɔ kpe ɖe agbenyuinɔnɔ ŋuti mɔfiafia si wòna ŋu la, egblɔ alesi wòana eƒe tameɖoɖo ku ɖe eƒe amewo ŋu nava eme hã eme kɔ nyuie. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le nyagblɔɖi wɔnuku siwo le Yesaya ta 25 vaseɖe 27 ŋu kpɔ. Nya siwo le ta siawo me ɖe alesi Yehowa kpɔ nyawo gbɔe ɣemaɣi kple alesi wòkpɔa wo gbɔe egbea fia.

12. Gbedodoɖa si tso dzime kae Yesaya do ɖa?

12 Gbã la, Yesaya gblɔ be: “Yehowa, nye Mawu nènye, mado wò ɖe dzi, eye makafu wò ŋkɔ!” Kafukafunya si tso dzime ka gbegbee nye si! Gake nukae ʋã nyagblɔɖila la wòdo gbe ɖa alea? Nusi koŋ ʋãe la dze le kpukpuia ƒe akpa susɔea me, afisi míexlẽ le be: ‘Elabena wò Yehowa èwɔ nukunuwo, wò gbaɖegbe adaŋudedewo nye nyateƒe, eye wometrɔna o!’—Yesaya 25:1.

13. (a) Sidzedze kae do ŋusẽ Yesaya ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu? (b) Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Yesaya ƒe kpɔɖeŋua me?

13 Kaka Yesaya ƒe ŋkekea naɖo la, Yehowa wɔ nukunu geɖe na Israel, eye woŋlɔ nusiawo ɖi. Edze ƒã be Yesaya nya nu tso nuŋlɔɖi siawo ŋu nyuie. Le kpɔɖeŋu me, enya be Yehowa kplɔ eƒe amewo tso kluvinyenye me le Egipte eye wòxɔ na wo tso Farao ƒe aʋakɔ ƒe dziku nu le Ƒudzĩa gbɔ. Enya be Yehowa fia mɔ eƒe amewo to gbeadzi hekplɔ wo yi Ŋugbedodonyigbaa dzi. (Psalmo 136:1, 10-26) Ŋutinyamenuŋlɔɖi siawo tɔgbe ɖee fia be Yehowa Mawu nye nuteƒewɔla kple amesi dzi woate ŋu aka ɖo. Eƒe “adaŋudedewo”—eƒe tameɖoɖowo katã—ava eme. Sidzedze vavãtɔ sia si tso Mawu gbɔ kpe ɖe Yesaya ŋu wòyi edzi zɔ le kekelia me. Enye kpɔɖeŋu nyui aɖe na mí le go sia me. Ne míesrɔ̃ Mawu ƒe Nya si woŋlɔ ɖi la nyuie hewɔ eŋudɔ le míaƒe agbe me la, míawo hã míayi edzi anɔ kekelia me.—Psalmo 119:105; Korintotɔwo II, 4:6.

Wotsrɔ̃ Du Aɖe

14. Nya kae wogblɔ ɖi le du aɖe ŋu, eye anye du kae wowɔnɛ?

14 Mawu ƒe adaŋudede ƒe kpɔɖeŋu aɖe dze le Yesaya 25:2, afisi míexlẽ le be: “Èna du la zu anyiglãgo, eye mɔ̃ sesẽ la zu glikpo, du bubu me tɔwo ƒe fiasã maganye du o, eye womagatui akpɔ gbeɖegbeɖe o.” Du kae wowɔnɛ? Anye Babilon ŋue Yesaya nɔ nu ƒom tsoe le nyagblɔɖi me. Ɣeyiɣi aɖe va nyateƒe esime Babilon va zu anyiglãgo.

15. “Du gã” kae li egbea, eye nukae adzɔ ɖe edzi?

15 Ðe du si ŋu Yesaya ƒo nu tsoe la tɔgbe aɖe li egbea? Ẽ. Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ƒo nu tso “du gã, si le fia ɖum ɖe anyigba dzi fiawo dzi” ŋu. (Nyaɖeɖefia 17:18) Du gã mae nye ‘Babilon Gã,’ alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒea. (Nyaɖeɖefia 17:5) Egbea Babilon Gã la ƒe akpa vevi aɖee nye Kristodukɔa, si ƒe osɔfowo xɔa ŋgɔ tsia tre ɖe Yehowa ƒe amewo ƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ŋu. (Mateo 24:14) Gake abe blema Babilon ene la, woatsrɔ̃ Babilon Gã la kpuie, eye magafɔ akpɔ o.

16, 17. Aleke Yehowa ƒe futɔwo kafui le blema kple le egbeɣeyiɣiwo me?

16 Nya ka hãe Yesaya gblɔ ɖi le ‘du sesẽ’ la ŋu? Yesaya ƒo nu na Yehowa be: ‘Dukɔ nyanyrãwo ade bubu ŋuwò, eye dukɔ ameteɖeanyilawo ƒe duwo avɔ̃ wò.’ (Yesaya 25:3) Aleke du sia si nye futɔ, ‘ameteɖeanyilawo ƒe du,’ ade bubu Yehowa ŋui? Ðo ŋku nusi dzɔ ɖe Babilon fia sesẽtɔ kekeake si nye Nebukadnezar dzi la dzi. Esi wòto nɔnɔme aɖe si na wòbu tame vevie heɖe eya ŋutɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo fia me megbe la, ezi edzi wòlɔ̃ ɖe Yehowa ƒe gãnyenye kple Eƒe ŋusẽ si ƒo ɖesiaɖe ta la dzi. (Daniel 4:31, 32) Ne Yehowa zã eƒe ŋusẽ la, enaa eƒe futɔwo gɔ̃ hã kpɔa eƒe ŋusẽdɔwo dzea sii, togbɔ be wohena ɖe megbe le egbɔgblɔ ŋu hã.

17 Ðe wozi Babilon Gã la dzi wòde dzesi Yehowa ƒe ŋusẽdɔwo kpɔa? Ẽ. Le xexemeʋa gbãtɔ wɔɣi la, Yehowa subɔla amesiaminawo ɖe gbeƒã le xaxa me. Woyi gbɔgbɔmeboyo me le ƒe 1918 me esime wode Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe ŋgɔnɔlawo gaxɔ me. Gbeƒãɖeɖedɔ si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo tɔ te keŋkeŋ kloe. Emegbe le ƒe 1919 me la, Yehowa gaɖo wo te eye wòtsɔ eƒe gbɔgbɔa gado ŋusẽ wo, ale be wogadze dɔ si nye be woaɖe gbeƒã nyanyuia le anyigba dzi katã la wɔwɔ gɔme. (Marko 13:10) Wogblɔ nusiawo katã, kple dɔ si wòawɔ ɖe woƒe futɔwo dzi hã, ɖi le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me. Futɔ siawo “vɔ̃ ŋutɔ, eye wotsɔ ŋutikɔkɔe na dziƒo Mawu la.” (Nyaɖeɖefia 11:3, 7, 11-13) Mefia be ena wo katã wotrɔ dzime ya o, gake ezi wo dzi wode dzesi ŋusẽdɔ si Yehowa wɔ ɣemaɣi, abe alesi tututu Yesaya gblɔe ɖi ene.

‘Mɔ̃ Sesẽ na Ame Beliwo’

18, 19. (a) Nukata tsitretsiɖeŋulawo mete ŋu gblẽ Yehowa ƒe amewo ƒe nuteƒewɔwɔ me o? (b) Aleke woatsi “ŋutasẽlawo ƒe aseyetsoha” nui?

18 Esi Yesaya trɔ ɖe Yehowa ƒe dɔmenyonyo na amesiwo zɔna le kekelia me ŋu la, egblɔ na Yehowa be: “Mɔ̃ sesẽ nènye na ame beliwo, mɔ̃ sesẽ nènye na ame dahewo le woƒe hiã me; sitsoƒe nènye tso dziya nu kple vɔvɔli tso ŋdɔkutsu nu; elabena ŋutasẽlawo ƒe gbɔgbɔ fuxefuxe le abe dziyae le ƒoƒom ɖe gli ŋu ene. Ète du bubu me tɔwo ƒe nyanyrã ɖe to abe ŋdɔkutsu le kuɖiɖinyigba dzi ene; ètsi ŋutasẽlawo ƒe aseyetsoha nu, abe alesi alilikpowo ƒe vɔvɔli tsia ŋdɔkutsu nu ene.”—Yesaya 25:4, 5.

19 Tso ƒe 1919 me la, ŋutasẽlawo wɔ nusianu be woagblẽ tadeagula vavãwo ƒe nuteƒewɔwɔ me, gake wodo kpo nu. Nukatae? Elabena Yehowae nye eƒe amewo ƒe mɔ sesẽ kple sitsoƒe. Enaa vɔvɔli wo tso yometiti ƒe dzoxɔxɔ sesẽ la nu eye wòtsia tre abe gli sesẽ ene ɖe tsitretsiɖeŋu ƒe ahom nu. Mí amesiwo zɔna le Mawu ƒe kekeli me tsɔ kakaɖedzi le mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me ‘woatsi ŋutasẽlawo ƒe aseyetsoha nu.’ Ẽ, míele mɔ kpɔm vevie na ŋkeke si Yehowa ƒe futɔwo nu ayi.

20, 21. Kplɔ̃ kae Yehowa ɖo, eye nukae anɔ kplɔ̃ɖoɖo ma me le xexe yeyea me?

20 Menye ɖeko Yehowa kpɔa esubɔlawo ta ko o. Enyia wo hã le esi wònye wo Fofo si lɔ̃a wo ta. Esi wòna ablɔɖe eƒe amewo tso Babilon Gã la si me le ƒe 1919 me megbe la, eɖo aʋadziɖukplɔ̃ aɖe na wo, si nye gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo si wònana wo. Wogblɔ esia ɖi le Yesaya 25:6, afisi míexlẽ le be: “Yehowa Zebaot atsɔ nuɖuɖu damiwo kple wein, siwo ɖo ƒã la, atu aglo na dukɔwo katã ɖe to sia dzi; nuɖuɖuawo da ami, eye ƒuto me mi le wo me, weinawo ɖo ƒã, eye wo me dza.” Yayra ka gbegbee nye si wònye na mí be míaɖu nusiawo! (Mateo 4:4) Nuɖuɖu nyui gbogbo aɖewo yɔ ‘Yehowa ƒe kplɔ̃a’ dzi vavã. (Korintotɔwo I, 10:21) Wotoa “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la dzi naa nusianu si ahiã mí le gbɔgbɔ me la mí.

21 Mawu ƒe kplɔ̃ɖoɖo sia gafia nu bubu aɖe hã. Gbɔgbɔmenuɖuɖu geɖe siwo wonaa mí fifia la ɖoa ŋku ŋutilãmenuɖuɖu gbogbo si anɔ anyi le xexe yeye si ŋugbe Mawu do me dzi na mí. Ŋutilãmenuɖuɖu gbogbo aɖe anɔ ‘kplɔ̃ɖoɖo si me nuɖuɖu damiwo le’ la me ɣemaɣi. Dɔ magawu ame aɖeke le ŋutilã me loo alo le gbɔgbɔ me o. Gbɔdzɔe kae nye si wòanye na haxɔsetɔ lɔlɔ̃tɔ siwo kpea fu fifia le “dɔwuame” si wogblɔ ɖi wònye Yesu ƒe anyinɔnɔ ƒe ‘dzesia’ ƒe akpa aɖe la ta! (Mateo 24:3, 7) Hakpala la ƒe nyawo nye akɔfafa ŋutɔŋutɔ na amesiawo. Egblɔ be: “Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame.”—Psalmo 72:16.

22, 23. (a) “Avɔ,” alo “nutsyɔnu,” kae woaɖe ɖa, eye aleke woaɖee ɖae? (b) Aleke woaɖe ‘Yehowa ƒe amewo ƒe ŋukpe’ ɖae?

22 Azɔ se ŋugbedodo si gawɔ nuku wu la ɖa. Yesaya tsɔ nuvɔ̃ kple ku sɔ kple “avɔ,” alo “nutsyɔnu,” hegblɔ be: ‘Yehowa aɖe avɔ, si tsyɔ dukɔwo katã dzi, kple nutsyɔnu, si tsyɔ anyigba dzi dukɔwo katã dzi la ɖa le to sia dzi.’ (Yesaya 25:7) Bu eŋu kpɔ ko! Woaɖe nuvɔ̃ kple ku si le ameƒomea dzi abe nutsyɔnu titri si de gbɔgbɔ tsi ge na ame ene la ɖa. Aleke gbegbe míele ŋkeke si woawɔ Yesu ƒe tafevɔsa ƒe viɖewo ŋudɔ bliboe na ameƒomea me tɔ toɖola wɔnuteƒewo la lalamee nye si!—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

23 Nyagblɔɖila si gbɔgbɔ ʋã la fia asi ŋutikɔkɔe ƒe ɣeyiɣi ma hena kakaɖedzi mí be: “[Mawu] ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me, eye wòaɖe eƒe dɔlawo ƒe ŋukpe ɖa tso anyigba blibo la dzi. Elabena Yehowa ye gblɔe.” (Yesaya 25:8) Ame aɖeke magaku le dzɔdzɔme nu alo afa avi le lɔlɔ̃tɔ aɖe ƒe ku ta o. Tɔtrɔ si nye yayra ka gbegbee nye si! Tsɔ kpe ɖe eŋu la, womagase aʋatsokaɖeamesi kple vlodoame si me Mawu kple esubɔlawo to ɣeyiɣi didi la le anyigba ƒe akpa aɖeke azɔ o. Nukatae? Elabena Yehowa aɖe amesi gbɔ nusiawo tso la ɖa—aʋatsokafofo, Satana Abosam, tsɔ kpe ɖe Satana ƒe dzidzimeviwo katã ŋu.—Yohanes 8:44.

24. Aleke amesiwo zɔna le kekelia me wɔa nu ɖe ŋusẽdɔ siwo Yehowa wɔna ɖe wo ta ŋui?

24 Esi amesiwo zɔna le kekelia me bu Yehowa ƒe ŋusẽ ɖeɖefia siawo ŋu la, eʋã wo wodo ɣli gblɔ be: “Kpɔ ɖa, mía Mawu, amesi ŋu míeɖo ŋu ɖo be, aɖe mí la, enye si; Yehowa, amesi ŋu míeɖo ŋu ɖo la, enye si! Mina míatso aseye, eye míakpɔ dzidzɔ le eƒe xɔname ŋu!” (Yesaya 25:9) Eteƒe madidi o, ameƒome dzɔdzɔea akpɔ nu geɖe siwo ta woakpɔ dzidzɔ ɖo. Woaɖe vivitia ɖa keŋkeŋ, eye nuteƒewɔlawo anɔ Yehowa ƒe kekeli me ayi ɖe mavɔmavɔ me. Ðe mɔkpɔkpɔ aɖe gali si nyo wu esia? Ao, ɖeke meli o!

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Nukata wòle vevie egbea be míazɔ le kekelia me?

• Nukata Yesaya kafu Yehowa ƒe ŋkɔ?

• Nukata futɔwo mate ŋu agblẽ Mawu ƒe amewo ƒe nuteƒewɔwɔ me gbeɖe o?

• Yayra gbogbo kawoe le amesiwo zɔna le kekelia me lalam?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Yudatɔwo tsɔ wo viwo sa vɔe na Molex

[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

Yehowa ƒe ŋusẽdɔwo ŋuti sidzedze ʋã Yesaya wòkafu Yehowa ƒe ŋkɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Ame dzɔdzɔewo anɔ Yehowa ƒe kekeli me tegbee