Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dɔwɔwɔname Ʋumazãmazãe—“Atikewɔmɔnu si Keke Ta” Ye Wònye

Dɔwɔwɔname Ʋumazãmazãe—“Atikewɔmɔnu si Keke Ta” Ye Wònye

Dɔwɔwɔname Ʋumazãmazãe—“Atikewɔmɔnu si Keke Ta” Ye Wònye

LE TANYA si nye “Dɔwɔwɔname ‘Ʋumazãmazãe’” te la, Maclean’s magazine ka nya ta be ɖɔkta siwo le Canada godoo nɔ “asi trɔm le mɔnu yeye aɖewo ŋu le ƒe atɔ̃ siwo va yi me, si woyɔ be dɔwɔwɔname ʋumazãmazãe, eye wòva zu atikewɔmɔnu si keke ta.” Wo dometɔ ɖekae nye Winnipeg ƒe Lãmesẽŋutinusrɔ̃ƒe ƒe amedealɔ̃mela Brian Muirhead. Nukae na wòdi be yeawɔ numekuku le dɔdamɔnu bubu si me womazã ʋu le o ŋu?

Le ƒe 1986 me la, Ðk. Muirhead tee kpɔ be yeako ŋutsu aɖe si xɔ ƒe 70, amesi ŋu dɔmebi si nɔ ʋu ɖuɖum le, si nye Yehowa Ðasefo si bia be woagado ʋu na ye o le eƒe Biblia me dzixɔsewo ta. (Dɔwɔwɔwo15:28, 29) Maclean’s magazinea yi edzi be Ðk. Muirhead “zã atikewɔmɔnu si ame ʋɛ aɖewo ko zãna si nye be edo atike si nye dzetsi na dɔnɔa tsɔ lé eƒe ʋu ƒe dɔwɔwɔ ɖe te. Ekpɔ dzidzedze le atikewɔmɔnu sia zazã me, eye esia gado ŋusẽ Muirhead ƒe dzixɔse be ‘yewonɔ ʋu dom na amewo akpa. Mexɔ se be game su azɔ be míalé ŋku ɖe atikewɔmɔnu bubuwo ŋu.’”

“Dzitsitsi ɖe amewo ƒe ʋu ɖeɖe na le etsɔme—kple alesi dɔnɔ geɖe le vɔvɔ̃m ɖe dɔxɔxɔ tso ʋudodo me ŋu siaa ta” ye amewo le didim be woawɔ dɔ na yewo ʋumazãmazãe. Menye Yehowa Ðasefowo ɖeɖekoe ɖɔkta siwo wɔa numekuku ƒe nutovɛwo ɖe vi na o, eɖee na ame bubu geɖewo hã. Maclean’s gblɔ be: “Tsɔ kpe ɖe ʋudodo ɖeɖeɖa le go geɖe me ŋu la, dɔwɔwɔname ʋumazãmazãe ɖea afɔku siwo le dɔxɔxɔ tso ʋu gbegblẽ dodo me hã dzi kpɔtɔna—eɖanye aleke gbegbe wòle sue o.” Gake woate ŋu axɔ dɔ tso ʋu si me “dɔlékui mele o” kura gɔ̃ hã dodo me elabena ʋu si wodo la te ŋu tsia dɔnɔ ƒe dɔlélenutsiŋusẽ ƒe dɔwɔwɔ nu vaseɖe ɣeaɖeɣi.

Nuka dzie Yehowa Ðasefowo tu woƒe dzixɔse sẽŋu si tae wodina be woawɔ atike bubuwo na yewo ɖe ʋudodo teƒe la ɖo? Àdi be yeaxlẽe le agbalẽ gbadza si nye How Can Blood Save Your Life? me. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be woana ɖe wò.