Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amegbetɔ Ƒe Gbɔdzɔgbɔdzɔ Dzi Ðuɖu

Amegbetɔ Ƒe Gbɔdzɔgbɔdzɔ Dzi Ðuɖu

Amegbetɔ Ƒe Gbɔdzɔgbɔdzɔ Dzi Ðuɖu

“Ŋutilã la ŋu bubu hea ku vɛ.”—ROMATƆWO 8:6, NW.

1. Aleke ame aɖewo bua amegbetɔ ƒe ŋutilã lae, eye biabia ka ŋue wòle be míabu?

“MEDA akpe na wò le alesi wowɔm nukutɔe la ta.” (Psalmo 139:14) Aleae hakpala Dawid dzi hae esime wònɔ ŋugble dem le Yehowa ƒe nuwɔwɔwo dometɔ ɖeka—si nye amegbetɔ ƒe ŋutilã—ŋu. To vovo na kafukafu sia, si ŋu gɔmesese blibo le la, mawunyafiala aɖewo li siwo bua ŋutilã la be enye bebeƒe kple dɔwɔnu na nuvɔ̃. Woyɔe be ‘numanyamanya ƒe awu, nugbegblẽwɔwɔ ƒe gɔmeɖokpe, nufitifitiwɔwɔ ƒe kɔsɔkɔsɔ, nuvɔ̃ xadza, amekuɖetsitrenu, ame gbɔlo.’ Nyateƒee, apostolo Paulo nya gblɔ be, “Le nye ŋutilã me la—nu nyui aɖeke menɔa anyi o” ya. (Romatɔwo 7:18) Gake ɖe esia fia be nuvɔ̃ŋutilã la ɖu mía dzi mɔkpɔkpɔmanɔŋuia?

2. (a) Nukae “ŋutilã la ŋu bubu” fia? (b) “Ŋutilã” kple “gbɔgbɔ” dome ʋawɔwɔ kae yia edzi le amegbetɔ siwo le didim be yewoadze Mawu ŋu la me?

2 Ɣeaɖewoɣi la, Ŋɔŋlɔawo yɔa ametia be ‘ŋutilã.’ (Fiawo I, 21:27) Wogazã “ŋutilã” hã na amegbetɔ le eƒe blibomademade ƒe nɔnɔme me esi wònye aglãdzela Adam ƒe dzidzimevi ta. (Efesotɔwo 2:3; Psalmo 51:7; Romatɔwo 5:12) Domenyinu si míexɔ tso egbɔ he “ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ” vɛ. (Romatɔwo 6:19) Eye Paulo xlɔ̃ nu be: “Ŋutilã la ŋu bubu hea ku vɛ.” (Romatɔwo 8:6, NW) “Ŋutilã la ŋu bubu” fia nuvɔ̃ŋutilã ƒe nudzodzrowo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi kple ameʋaʋã. (Yohanes I, 2:16) Eyata ne míele agbagba dzem be míawɔ nusi dzea Mawu ŋu la, aʋawɔwɔ aɖe yia edzi ɖaa le míaƒe gbɔgbɔmemenyenye kple míaƒe nuvɔ̃menyenye si ƒonɛ ɖe mía nu madzudzɔmadzudzɔe be míawɔ “ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo” la dome. (Galatiatɔwo 5:17-23; Petro I, 2:11) Esi Paulo ƒo nu tso aʋawɔwɔ sia si doa vevesese na ame ŋutɔ, si yi edzi le eyama me ŋu vɔ la, efa konyi be: “O, nye nublanuitɔ! Amekae aɖem tso kuŋutilã si me mahã?” (Romatɔwo 7:24) Ðe Paulo nye amesi dzi tetekpɔ ɖu wɔnamanɔŋuia? Biblia ɖo eŋu gbeteteɖedzitɔe be ao!

Tetekpɔ Kple Nuvɔ̃ Li Ŋutɔŋutɔ

3. Aleke ame geɖe bua nuvɔ̃ kple tetekpɔe, gake aleke Biblia xlɔ̃ nu tsi tre ɖe nɔnɔme sia ŋui?

3 Le ame geɖe gome egbea la, nuvɔ̃ nye nukpɔsusu si dzi womeda asi ɖo o. Ame aɖewo zãa nya “nuvɔ̃” abe tsigãdzinya ene tsɔ ɖɔa amegbetɔ ƒe vodada suesuewoe. Womekpɔnɛ dzea sii be ‘mí katã míatsɔ mía ɖokui afia le Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ, bene amesiame naxɔ nu ɖe alesialesi wòwɔ le ŋutilã me nɔnɔ me la nu, nenye nyui alo vɔ’ o. (Korintotɔwo II, 5:10) Ame bubuwo agblɔe hatsɛkakatɔe be: “Mate ŋu aɖu nusianu dzi, negbe tetekpɔ ko!” Amesiwo ƒe susu koe nye vivisese enumake, eɖanye na nuɖuɖu, gbɔdɔdɔ, modzakaɖeɖe, alo dzidzedzekpɔkpɔ o, domee ame aɖewo le. Menye ɖeko wodia nusianu ko o, ke wodina be woaka yewo si enumake hã! (Luka 15:12) Womekpɔa nu yia ŋgɔ toa vivisese enumake ŋu ɖoa “agbe vavã” si ava le etsɔme ƒe dzidzɔkpɔkpɔ gbɔ o. (Timoteo I, 6:19) Gake Biblia fia nu mí be míabu nu ŋu nyuie eye míakpɔ nu ayi ŋgɔ ahaƒo asa na nusianu si agblẽ nu le mía ŋu le gbɔgbɔ alo ŋutilã me. Lododo aɖe si tso gbɔgbɔ me gblɔ be: “Ne nunyala kpɔ dzɔgbevɔ̃e la, eɣlaa eɖokui; ke ame bebewuwo dea ta eme, eye wòle na wo be, woakpɔ wo tɔnua.”—Lododowo 27:12.

4. Nuxlɔ̃ame kae Paulo na le Korintotɔwo I, 10:12, 13?

4 Esi Paulo ŋlɔ agbalẽ na Kristotɔ siwo nɔ Korinto—du si ŋkɔ ɖi le agbegbegblẽnɔnɔ gome—me la, ena nuxɔxlɔ̃ nyui aɖe wo ku ɖe tetekpɔ kple nuvɔ̃ ƒe ŋusẽ ŋu. Egblɔ be: “Amesi ke susuna be, yele tsitre la, nakpɔ nyuie, bena wòagadze anyi o. Tetekpɔ aɖeke meva mia dzi kpɔ o negbe ame tɔ ɖeɖeko, gake nuteƒewɔla enye Mawu, amesi mana mɔ bena, woate mi akpɔ awu alesi miate ŋui la o; ke ana gododo le eme hã akpe ɖe tetekpɔ ŋuti, bene miate ŋu atsɔe.” (Korintotɔwo I, 10:12, 13) Mí katã—ɖeviwo kple tsitsiawo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo—míedoa go tetekpɔ geɖe le suku, le dɔwɔƒe, alo le teƒe bubu aɖe. Eyata mina míadzro Paulo ƒe nyawo me akpɔ be gɔmesese kae le wo ŋu na mí hã.

Mègaka Ðe Ðokuiwò Dzi Akpa O

5. Nukatae afɔku le kakaɖeameɖokuidzi akpa me?

5 Paulo gblɔ be: “Amesi ke susuna be, yele tsitre la, nakpɔ nyuie, bena wòagadze anyi o.” Afɔku le kaka ɖe míaƒe agbenyuinɔnɔ ŋutete dzi akpa me. Efia be míese nusi nuvɔ̃ nye kple eƒe ŋusẽ gɔme nyuie o. Esi amewo abe Mose, Dawid, Salomo, kple apostolo Petro ene dze nuvɔ̃ me la, ɖe wòle be míasusui be mate ŋu adzɔ ɖe mía dzi oa? (Mose IV, 20:2-13; Samuel II, 11:1-27; Fiawo I, 11:1-6; Mateo 26:69-75) Lododowo 14:16 gblɔ be: “Nunyala vɔ̃na, eye wòtsria vɔ̃; ke bometsila nyrãna, eye wòɖoa dzi ɖe eɖokui ŋu.” Gakpe ɖe eŋu la, Yesu gblɔ be: “Gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilã la gbɔdzɔ.” (Mateo 26:41) Esi amegbetɔ madeblibo aɖeke medo le dzodzro vɔ̃wo me o ta la, ehiã be míatsɔ Paulo ƒe nuxlɔ̃amea nya vevii ahatsi tre ɖe tetekpɔwo ŋu, ne menye nenema o la, míadze anyi bɔbɔe.—Yeremya 17:9.

6. Ɣekaɣi wòle be míadzra ɖo ɖe tetekpɔ ŋu, eye aleke míadzra ɖoe?

6 Nunya le eme be míado ŋgɔ adzra ɖo ɖi ɖe xaxa si ate ŋu ava mía dzi le vome ŋu. Fia Asa kpɔe dze sii be ɣeyiɣi si me ŋutifafa li ye wòle be yeadze aʋa ɖi. (Kronika II, 14:2, 6, 7) Enyae be ne yelala wodze ye dzi vɔ hafi yebe yeadzra ɖo la, atsi megbe akpa. Nenema ke nusi míawɔ ne tetekpɔwo do mo ɖa la ŋuti nyametsotsowo nya wɔna nyuie le ɣeyiɣi si me míaƒe susu dze akɔ anyi me. (Psalmo 63:7) Daniel kple exɔlɔ̃ mawuvɔ̃lawo ɖoe be yewoalé Yehowa ƒe sewo me ɖe asi hafi wova ƒoe ɖe wo nu be woaɖu fia ƒe nuɖuɖu damiawo. Eyata womehe ɖe megbe le nyametsotso si wowɔ be yewomaɖu nuɖuɖu makɔmakɔ o la dzi wɔwɔ me o. (Daniel 1:8) Hafi tetekpɔkpɔwo nava mía dzi la, mina míado ŋusẽ nyametsotso si míewɔ be míalé agbenyuinɔnɔ me ɖe asi la. Ekema ŋusẽ anɔ mía ŋu míatsi tre ɖe nuvɔ̃ ŋu.

7. Nukatae wònye akɔfafa be míanya be ame bubuwo te ŋu ɖu tekpɔkpɔwo dzi dzidzedzetɔe?

7 Aleke gbegbe Paulo ƒe nya siawo fa akɔ na míi enye si: “Tetekpɔ aɖeke meva mia dzi kpɔ o negbe ame tɔ ɖeɖeko”! (Korintotɔwo I, 10:13) Apostolo Petro ŋlɔ bena: “Minɔ tsitre sesĩe ɖe [Abosam] ŋuti le xɔse me, esi mienyae bena, fukpekpe mawo ke va mia nɔvi, siwo le xexeame la dzi.” (Petro I, 5:9) Ẽ, tetekpɔ mawo ke va ame bubuwo dzi eye le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me la, wonɔ te ɖe wo nu dzidzedzetɔe, eyata míawo hã míate ŋui. Gake esi míenye Kristotɔ vavãwo le xexe gblẽku me ta la, mí katã míate ŋu akpɔ mɔ be woate mí akpɔ gbeɖeka. Ekema aleke míate ŋu aka ɖe edzii be míate ŋu aɖu amegbetɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ kple nuvɔ̃ ƒe tetekpɔ dzii?

Míate Ŋu Aɖu Tetekpɔ Dzi!

8. Nukae nye nu vevitɔ si hiã hena asaƒoƒo na tetekpɔ?

8 Mɔ vevitɔ si dzi míato asi le ‘nuvɔ̃ ƒe kluvinyenye’ nu ye nye be míaƒo asa na tetekpɔ ne wòanya wɔ. (Romatɔwo 6:6) Lododowo 4:14, 15 xlɔ̃ nu be: “Megage ɖe ame vɔ̃ɖiwo toƒe o, eye megazɔ ame vlowo ƒe mɔ dzi o. Ðe kɔ ɖa le eŋu, eye megato edzi o; dze le eŋu, eye nato eŋu ayi.” Zi geɖe la, míenyana doa ŋgɔ ne nɔnɔme aɖewo ate ŋu akplɔ mí ade nuvɔ̃ me o. Eyata nusi ŋu gɔmesese le wòle be mí Kristotɔwo míawɔ enye be ‘míato eŋu ayi,’ míate ɖa le amesiame kple nusianu kple teƒe sia teƒe si ate ŋu anyɔ dzodzro vɔ̃ ɖe mía me eye wòade seselelãme makɔmakɔwo mía me la ŋu.

9. Aleke wote gbe ɖe sisi le nɔnɔme siwo akplɔ ame ade nuvɔ̃ me nu dzi le Ŋɔŋlɔawo mee?

9 Sisi le nɔnɔme si ate ŋu akplɔ ame ade tetekpɔ me nu enye afɔɖeɖe vevi bubu hena dzidzedzekpɔkpɔ le tetekpɔ dzi ɖuɖu me. Paulo ɖo aɖaŋu be: “Misi le ahasiwɔwɔ nu!” (Korintotɔwo I, 6:18) Eŋlɔ bena: “Misi le trɔ̃subɔsubɔ la nu!” (Korintotɔwo I, 10:14) Apostoloa xlɔ̃ nu Timoteo hã be wòasi le ŋutilã me kesinɔnuwo didi vivivo, kpakple “ɖekakpuinyenye ƒe nudzodzrowo” nu.—Timoteo II, 2:22; Timoteo I, 6:9-11.

10. Kpɔɖeŋu vovovo eve kawoe ɖe sisi le tetekpɔ nu ƒe vevienyenye fia?

10 Bu Israel Fia Dawid ƒe nyaa ŋu kpɔ. Esi wònɔ eƒe fiasã tame nɔ nu kpɔm la, ekpɔ nyɔnu dzetugbe aɖe nɔ tsi lem, eye dzodzro vɔ̃wo ge ɖe eƒe dzime. Ðe wòle be wòadzo le xɔa ta ahasi le tetekpɔa nu hafi. Gake eyi ɖabia nu tso nyɔnu sia—Bat-Seba—ŋu eye nusi do tso eme menyo kura o. (Samuel II, 11:1–12:23) Gake aleke Yosef ya wɔ nui esime eƒe aƒetɔ srɔ̃ agbegbegblẽnɔla la ƒoe ɖe enu be wòamlɔ ye gbɔ? Nuŋlɔɖia gblɔ na mí be: “Eye wònɔa nya sia gblɔm na Yosef ŋkeke sia ŋkeke; ke melɔ̃ be, yeamlɔ egbɔ, eye yeade asi eŋu o.” Togbɔ be Mose ƒe Sea menɔ anyi ɣemaɣi o hã la, Yosef ɖo eŋu nɛ bena: “Aleke gɔ̃ mawɔ vɔ̃ gã sia, eye mada vo ɖe Mawu ŋuti mahã?” Gbeɖeka elée gblɔ nɛ bena: “Va mlɔ anyi kplim!” Ðe Yosef tɔ ɖe afima hedze agbagba be yeaɖe nu me nɛa? Ao. ‘Esi do go le aƒea me.’ Yosef meɖe mɔ gbɔdɔdɔ ƒe tetekpɔ ɖu edzi kura o. Esi le enu!—Mose I, 39:7-16.

11. Nukae míate ŋu awɔ ne tetekpɔ aɖe le mía dzi vam edziedzi?

11 Wobua sisi adzo le nane nu ɣeaɖewoɣi be enye vɔvɔ̃, gake zi geɖe la, mía ɖokui ɖeɖeɖa le nɔnɔme aɖe gbɔ nye nu nyuitɔ si wòle be míawɔ. Ðewohĩ tetekpɔ aɖe vaa mía dzi edziedzi le dɔwɔƒe. Togbɔ be ɖewohĩ míate ŋu aɖe asi le dɔ ma ŋu adi bubu o hã la, mɔ bubuwo anɔ anyi siwo dzi míato aɖe mía ɖokui ɖa le tetekpɔ ƒe nɔnɔmewo me. Ehiã be míasi le nusianu si míenya be menyo o la nu, eye ele be míaɖoe kplikpaa be míawɔ nu dzɔdzɔe ko. (Amos 5:15) Le teƒe aɖewo la, sisi le tetekpɔ nu abia be woaƒo asa na amamaɖefotowo kpɔkpɔ le Internet dzi kple modzakaɖeƒe masɔmasɔwo yiyi. Ate ŋu afia hã be woagblẽ magazine aɖe dome alo adi xɔlɔ̃ yeyewo kura—amesiwo lɔ̃ Mawu eye woate ŋu akpe ɖe mía ŋu. (Lododowo 13:20) Nuka kee ate mí kpɔ be míawɔ nuvɔ̃ o, míawɔ nu nunyatɔe ne míeɖoe kplikpaa hetrɔ megbe dee.—Romatɔwo 12:9.

Alesi Gbedodoɖa Ate Ŋu Akpe Ðe Ame Ŋui

12. Ne míedo gbe ɖa be: “Megakplɔ mí yi ɖe tetekpɔ me o” la, nuka biamee míele Mawu?

12 Paulo na kakaɖedzi dedziƒoname sia be: “Nuteƒewɔla enye Mawu, [eye] mana mɔ bena, woate mi akpɔ awu alesi miate ŋui la o; ke ana gododo le eme hã akpe ɖe tetekpɔ ŋuti, bene miate ŋu atsɔe.” (Korintotɔwo I, 10:13) Mɔ siwo nu Yehowa kpena ɖe mía ŋu le dometɔ ɖekae nye gbe siwo míedona ɖa be wòakpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe tetekpɔ nu ŋu ɖoɖo. Yesu Kristo fia mí be míado gbe ɖa be: “Megakplɔ mí yi ɖe tetekpɔ me o; ke ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me!” (Mateo 6:13) Le gbedodoɖa sia si tso dzi me ŋu ɖoɖo me la, Yehowa magblẽ mí ɖe tetekpɔ me o; aɖe mí atso Satana kple eƒe aɖaŋu vɔ̃wo me. (Efesotɔwo 6:11, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ) Ele be míabia Mawu wòakpe ɖe mía ŋu míakpɔ tetekpɔwo adze sii eye ŋusẽ nanɔ mía ŋu míatsi tre ɖe wo ŋu. Ne míeƒo koko nɛ be wòagaɖe asi le mía ŋu míado kpo nu ne wote mí kpɔ o la, akpe ɖe mía ŋu be Satana, “vɔ̃ɖitɔ la,” nagakpe mía dzi o.

13. Nukae míawɔ ne tetekpɔ aɖe dzea ŋgɔ mí edziedzi?

13 Vevietɔ ne tetekpɔ aɖe vaa mía dzi edziedzi la, ehiã be míado gbe ɖa moveviɖoɖotɔe. Tetekpɔ aɖewo ate ŋu ana ʋiʋli sẽŋuwo naɖo míaƒe susuwo kple nɔnɔme dome si aɖe alesi gbegbe míegbɔdzɔe la afia mí kɔte. (Psalmo 51:7) Le kpɔɖeŋu me, nukae míate ŋu awɔ ne nuwɔna gbegblẽ aɖe si míewɔna tsã gavana susu me na mí heɖea fu na mí? Ke ne wote mí kpɔ be míagatrɔ ayi ewɔwɔ gbɔ ake ɖe? Le esi teƒe be nànɔ seselelãme mawo dzi zim dzaa ko la, tsɔ nyaa yi na Yehowa le gbedodoɖa me—do gbea ɖa edziedzi ne ehiã. (Psalmo 55:23) Le eƒe Nya kple gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ŋusẽ me la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖe míaƒe susu ɖa le nuwɔna makɔmakɔwo dzi.—Psalmo 19:9, 10.

14. Nukatae gbedodoɖa le vevie hena tenɔnɔ ɖe amegbetɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ nu?

14 Esi Yesu de dzesii be yeƒe apostolowo nɔ akɔlɔ̃e dɔm le Getsemane-bɔa me la, exlɔ̃ nu wo be: “Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa, ne miagadze tetekpɔ me o; gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilã la gbɔdzɔ.” (Mateo 26:41) Mɔ siwo dzi míate ŋu ato aɖu tetekpɔ dzi dometɔ ɖekae nye be míanɔ ŋudzɔ ɖe mɔ vovovo siwo nu tetekpɔ ma ate ŋu ato ava ŋu eye míanɔ ŋute ɖe woƒe ayemɔwo ŋu. Ele vevie hã be míado gbe ɖa tso tetekpɔa ŋu enumake ale be woado ŋusẽ mí le gbɔgbɔ me míatsi tre ɖe eŋu. Esi wònye afisi míegbɔdzɔ le wue wotea mí kpɔ le ta la, míate ŋu atsi tre ɖe eŋu le mía ɖokui si o. Gbedodoɖa le vevie elabena Mawu ƒe ŋusẽ ate ŋu atu míaƒe ŋusẽ ɖo míatsi tre ɖe Satana ŋu. (Filipitɔwo 4:6, 7) Míahiã “hamemegãwo” ƒe gbɔgbɔ me kpekpeɖeŋu kple gbedodoɖawo hã.—Yakobo 5:13-18.

Tsi Tre Ðe Tetekpɔ Ŋu Sesĩe

15. Nukawoe hiã hena tsitretsitsi ɖe tetekpɔ ŋu?

15 Tsɔ kpe ɖe asaƒoƒo na tetekpɔ ne wòanya wɔ ŋu la, ele be míatsi tre ɖe eŋu sesĩe vaseɖe esime enu nava yi alo nɔnɔmea natrɔ. Esime Satana te Yesu kpɔ la, etsi tre ɖe eŋu vaseɖe esime Abosam dzo le egbɔ. (Mateo 4:1-11) Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ bena: “Mitsi tre ɖe Abosam ŋu, eye wòasi le mia gbɔ.” (Yakobo 4:7) Tsitretsitsi ɖe eŋu dzea egɔme tso Mawu ƒe Nya tsɔtsɔ ado ŋusẽ míaƒe susui kple eɖoɖo kplikpaa be míalé eƒe dzidzenuwo me ɖe asi dzi. Anyo be míalé mawunyakpukpui vevi siwo ƒo nu tso míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔa ŋu la ɖe tame ahade ŋugble le wo ŋu. Nunya anɔ eme be míadi Kristotɔ tsitsi aɖe—ate ŋu anye hamemegã—si míagblɔ míaƒe dzimenyawo na eye míate ŋu ate ɖe eŋu hena kpekpeɖeŋu ne tetekpɔa va mía dzi.—Lododowo 22:17.

16. Aleke míawɔ alé agbedzadzɛnɔnɔ me ɖe asi?

16 Ŋɔŋlɔawo xlɔ̃ nu mí be míado amenyenye yeye la. (Efesotɔwo 4:24) Esia fia be míaɖe mɔ Yehowa natrɔ asi le mía ŋu ahatrɔ mí. Esime Paulo nɔ agbalẽ ŋlɔm na eƒe dɔwɔhati Timoteo la, egblɔ bena: “Dze dzɔdzɔenyenye, mawusosroɖa, dzixɔse, lɔlɔ̃, dzidodo, dɔmefafa yome. Ʋli xɔse ƒe ʋiʋli nyui la; wò asi nasu agbe mavɔ, si ta woyɔ wò ɖo . . . la dzi.” (Timoteo I, 6:11, 12) Míate ŋu ‘adze dzɔdzɔenyenye yome’ ne míesrɔ̃ Mawu ƒe Nya la veviedodotɔe kple susu be míanya eƒe nɔnɔme nyuie eye be míanɔ agbe ɖe eƒe nudidiwo nu. Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo katã, abe gbeƒãɖeɖe nyanyuia kple kpekpewo dede ene, hã le vevie. Tete ɖe Mawu ŋu kplikplikpli kple eƒe gbɔgbɔ me mɔnuɖoɖowo ŋudɔwɔwɔ bliboe akpe ɖe mía ŋu míatsi le gbɔgbɔ me eye míalé agbedzadzɛnɔnɔ me ɖe asi.—Yakobo 4:8.

17. Aleke míewɔ nya be Mawu magblẽ mí ɖi ne míele tetekpɔ me tom o?

17 Paulo na kakaɖedzi mí be tetekpɔ ɖesiaɖe si ava mía dzi malolo awu ŋusẽ si Mawu na mí be míatsɔ nɔ te ɖe enui gbeɖe o. Yehowa ‘ana gododo le eme hã akpe ɖe eŋuti, bene miate ŋu atsɔe.’ (Korintotɔwo I, 10:13) Le nyateƒe me la, Mawu meɖea mɔ be tetekpɔ aɖe nakpe mía dzi ale gbegbe be gbɔgbɔmeŋusẽ agbɔsɔsɔ si míehiã be míalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi manɔ mía ŋu ne míeyi edzi ɖo ŋu ɖe eŋu o. Edi be míakpɔ dzidzedze le tsitretsitsi ɖe tetekpɔ si ana míawɔ nusi menyo le eŋkume o la ŋu me. Gawu la, míate ŋu axɔ eƒe ŋugbedodo dzi ase be: “Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpɔ o.”—Hebritɔwo 13:5.

18. Nukatae kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be míaɖu amegbetɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ dzi?

18 Paulo menɔ vedomesi le nusi ado tso aʋa si wɔm wònɔ kple amegbetɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ me la o. Mebu eɖokui nublanuitɔ si ŋu wɔna mele le eƒe ŋutilãmenudzodzrowo si me o. Ke boŋ egblɔ be: “Mele dudime kem ale, bena nyemele ɖikeke me o, eye mele kɔ dam ale, bena nyemedaa dadagbo o; hafi meƒoa nye ŋutilã wòdoa ʋusrã, eye mewɔnɛ kluvi boŋ, bene esi menye gbeƒãɖela na ame bubuwo la, nye ŋutɔ la nyemagazu ame madzemadze o.” (Korintotɔwo I, 9:26, 27) Míawo hã míate ŋu awɔ aʋa atsi tre ɖe ŋutilã madebliboa ŋu dzidzedzetɔe. Míaƒe Dziƒofofo lɔlɔ̃tɔ la toa Ŋɔŋlɔawo, Biblia-srɔ̃gbalẽwo, Kristotɔwo ƒe kpekpewo, kple hati Kristotɔ tsitsiwo dzi naa ŋkuɖodzinya mí edziedzi, siwo kpena ɖe mía ŋu be míalé mɔ dzɔdzɔe la me ɖe asi. Le eƒe kpekpeɖeŋu me la, míate ŋu aɖu amegbetɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ dzi!

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukae ‘ŋutilã ŋu bubu’ fia?

• Aleke míate ŋu adze aʋa ɖi ɖe tetekpɔ ŋui?

• Nukae míate ŋu awɔ be míanɔ te ɖe tetekpɔ nu?

• Akpa kae gbedodoɖa wɔna le tetekpɔ dzi ɖuɖu me?

• Nukatae míenya be anya wɔ be míaɖu amegbetɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ dzi?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Biblia mefia nu be wɔnamanɔŋutɔwoe míenye le míaƒe ŋutilãmedzodzrowo si me o

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Sisi le tetekpɔ nu nye mɔ vevi siwo dzi woato aƒo asa na nuvɔ̃ dometɔ ɖeka