Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Àte Ŋu Axɔ Fiaɖuƒea ƒe Yayrawo

Àte Ŋu Axɔ Fiaɖuƒea ƒe Yayrawo

Àte Ŋu Axɔ Fiaɖuƒea ƒe Yayrawo

KRISTOTƆ apostolo Paulo se gbe siwo koŋ wodona wu le eƒe ŋkekea me la dometɔ aɖewo nyuie. Hehe si wòxɔ la sɔ kple nusɔsrɔ̃ le yunivɛsiti egbea. Roma dumevinyenye ƒe mɔnukpɔkpɔ kple gomenɔamesiwo katã nɔ esi. (Dɔwɔwɔwo 21:37-40; 22:3, 28) Ðoƒe siwo su esi ate ŋu ana wòazu kesinɔtɔ kple ame xɔŋkɔ hafi. Ke hã egblɔ be: “Nusiwo nye viɖe nam la, nu mawo ke mebu nu búbu le Kristo ŋuti . . . eye mebu wo aɖukpo dzi nuwoe, bena nye asi nasu Kristo dzi.” (Filipitɔwo 3:7, 8) Nukata Paulo gblɔ nya sia?

Paulo si woyɔna tsã be Saul si tso Tarso, amesi nye amesiwo ‘le Mɔ la dzi’ yometila la, va zu xɔsetɔ esi wona wòkpɔ Yesu si wofɔ ɖe tsitre hedo ŋutikɔkɔe na la ŋuti ŋutega. (Dɔwɔwɔwo 9:1-19) Nusia si dzɔ le Damasko-mɔ dzi la na Paulo ka ɖe edzi bliboe be Yesue nye Mesia, alo Kristo, si ŋugbe wodo, amesi nye Fiaɖuƒe si ŋugbe wodo la ƒe dziɖula le etsɔme. Ena Paulo wɔ tɔtrɔ gã aɖe le eƒe agbenɔnɔ me hã, abe alesi nya si wògblɔ kakaɖedzitɔe si míexlẽ va yi la ɖee fia ene. Ne míagblɔe le mɔ bubu nu la, esi nyateƒenyenye kple anukwareɖiɖi nɔ Paulo ƒe dzime ta la, etrɔ dzime.—Galatiatɔwo 1:13-16.

Le Biblia me la, woɖea dɔwɔnya “trɔ dzime” gɔme tsoa Helagbe me nya si gɔmee nye “nunyanya emegbe” le nyaa ŋutɔŋutɔ nu me zi geɖe, ke menye “nunyanya do ŋgɔ” o. Eyata dzimetɔtrɔ bia be ame nawɔ tɔtrɔ le eƒe susu, nɔnɔme, alo tameɖoɖo me, eye wòaɖe asi le eƒe tsã nuwɔna manyomanyowo ŋu. (Dɔwɔwɔwo 3:19; Nyaɖeɖefia 2:5) Paulo mebu nusi dzɔ le Damasko-mɔa dzi be enye nu wɔdɔɖeamedzi alo gbɔgbɔ me nudzɔdzɔ dzro aɖe ko o. Ena wòva kpɔe be yeƒe tsãgbenɔnɔ, esime medze si Kristo o la, nye tofloko. Ekpɔe hã be hafi Kristo ŋuti sidzedze yeye si su ye si naɖe vi na ye la, ele be yeawɔ nane atsɔ aɖɔ yeƒe agbenɔnɔ ɖo.—Romatɔwo 2:4; Efesotɔwo 4:24.

Tɔtrɔ si He Yayrawo Vɛ

Tsã la, Farisitɔwo ƒe kɔmama si me Paulo nɔ la koŋ mee wòxɔ Mawu ŋuti sidzedze tsoe. Amegbetɔ ƒe xexemenunya kple kɔnyinyi geɖe nɔ woƒe dzixɔsewo me. Paulo ɖe eƒe veviedodo kple agbagbadzedzewo fia le mɔ manyomanyo nu le mawusubɔsubɔ me nazãbubu ta. Togbɔ be ebu be yenɔ Mawu subɔm hã la, enɔ avu wɔm kplii boŋ.—Filipitɔwo 3:5, 6.

Esi Kristo kple ɖoƒe si wòle le Mawu ƒe tameɖoɖo me ŋuti sidzedze vavãtɔ va su Paulo si la, ete ŋu kpɔe be tiatia aɖe dze ŋgɔ ye: Ðe wòayi edzi anye Farisitɔ ale be bubunɔƒe nakpɔtɔ anɔ esia, alo ɖe wòatrɔ eƒe agbenɔnɔ eye wòadze egɔme awɔ nusianu si hiã be eƒe nu nadze Mawu ŋua? Dzidzɔtɔe la, Paulo wɔ tiatia nyuitɔ, elabena egblɔ be: “Nyanyui la mekpea ŋu nam o, elabena enye Mawu ƒe ŋusẽ, si naa agbexɔxɔ amesiame, si xɔna sena la, Yudatɔwo gbã kple Helatɔwo hã.” (Romatɔwo 1:16) Paulo va zu amesi tsɔ veviedodo ɖe gbeƒã nyanyui si ku ɖe Kristo kple Fiaɖuƒea ŋu.

Ƒe geɖe megbe la, Paulo gblɔ na ehati Kristotɔwo be: “Nye ŋutɔ nyemebu ɖokuinye bena, nye asi su edzi haɖe o. Ke nu ɖeka ko menya: Nusiwo le megbenye la, meŋlɔ wo be, hafi nusiwo le ŋgɔnye la, nyãm mele, mele dzesiɖoƒe yome tim yiɖase Mawu ƒe ameyɔyɔ le dziƒo ƒe dziɖuɖufetu la dzi le Kristo Yesu me.” (Filipitɔwo 3:13, 14) Nyanyui la ɖe vi na Paulo elabena elɔ̃ ɖe asi le nusi na wòtra tso Mawu gbɔ la ŋu eye wòtsɔ dzi blibo ti taɖodzinu siwo wɔ ɖeka kple Mawu ƒe tameɖoɖo la yome.

Nukae Nàwɔ?

Ðewohĩ nyitsɔ laa koe nèse Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia. Ðe agbenɔnɔ tegbee le paradiso deblibo me ƒe mɔkpɔkpɔ do dzidzɔ na wòa? Ele be wòadzɔ dzi na wò, elabena dzɔdzɔmedidi le mí katã me be míanɔ agbe ahase vivi na agbenɔnɔ le ŋutifafa kple dedienɔnɔ me. Biblia gblɔ be Mawu de “mavɔmavɔ” dzime na mí. (Nyagblɔla 3:11) Eyata esɔ le dzɔdzɔme nu be míakpɔ mɔ na ɣeyiɣi si me amewo ate ŋu anɔ agbe tegbee le ŋutifafa kple dzidzɔkpɔkpɔ me. Eye nya mae le Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia me.

Gake hafi mɔkpɔkpɔ ma nava eme na wò la, ele be nàdzro nu me akpɔe ɖa be nuka ŋue nyanyuia ku ɖo hã. Apostolo Paulo ɖo aɖaŋu na mí be: ‘Mídzro nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me kpɔ.’ (Romatɔwo 12:2) Eyata ne sidzedze kple gɔmesese va su asiwò la, ele be nàwɔ tiatia, abe alesi Paulo wɔe ene.

Gake ɖewohĩ dzixɔse aɖewo le asiwò xoxo le wò etsɔme ŋu. Ðo ŋku edzi be nukpɔsusu aɖewo nɔ Saul ŋutɔ si ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu hafi wòva zu apostolo Paulo. Gake le esi teƒe be nàdi be yeaxɔ ɖeɖefia wɔnuku aɖe tso Mawu gbɔ la, nukata màlé ŋku ɖe nya la ŋu nyuie boŋ o? Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe menya nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na ameƒomea kple anyigba la ŋutɔŋutɔa? Nukae mate ŋu agblɔ atsɔ ɖo kpe nye dzixɔseawo dzii? Ðe nye kpeɖodzia asɔ ne wotsɔ Mawu ƒe Nya, Biblia, dzro emea?’ Wò mawusubɔsubɔ dzixɔsewo me dzodzro alea magblẽ naneke le ŋuwò o. Le nyateƒe me la, ele be nàdi be yeadzro eme elabena Biblia de dzi ƒo na mí be: “Mido nuwo katã kpɔ, eye milé nu nyui la me ɖe asi.” (Tesalonikatɔwo I, 5:21) Ne èbu eŋu kpɔ la, ɖe menye Mawu ƒe ŋudzedzekpɔɖeameŋue nye nu vevitɔ oa?—Yohanes 17:3; Timoteo I, 2:3, 4.

Subɔsubɔhakplɔlawo ate ŋu ado etsɔme mavɔ ŋugbe na mí. Gake ne ŋugbedodo ma menɔ te ɖe Biblia ƒe nufiafiawo dzi o la, makpe ɖe mía ŋu be Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe yayrawo nasu mía si o. Yesu xlɔ̃ nu mí vevie le eƒe Todzimawunya xɔŋkɔa me be: “Menye amesiame, si le gbɔgblɔm nam bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o, negbe amesi le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe.”—Mateo 7:21.

De dzesii be Yesu te gbe ɖe edzi be ye Fofo ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ye ana ame nadze axɔ Mawu Fiaɖuƒea ƒe yayrawo. Ne míagblɔe le mɔ bubu nu la, Mawu makpɔ ŋudzedze ɖe nusi adze mawusosroɖae ŋu kokoko o. Le nyateƒe me la, Yesu yi edzi gblɔ be: “Ame geɖewo lagblɔ nam le ŋkeke ma dzi bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! Alo menye wò ŋkɔ dzi míegblɔ nya ɖe anyi le o ɖe, eye wò ŋkɔ dzi míenyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le o ɖe, eye wò ŋkɔ dzi míewɔ ŋusẽdɔ geɖewo le o ɖe? Ekema nye hã maʋu me na wo bena: Nyemenya mi kpɔ o, mi nu madzɔmadzɔ wɔlawo; mite ɖa le gbɔnye!” (Mateo 7:22, 23) Edze ƒã be nu vevitɔe nye be míaka ɖe edzi be míese nusi Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia nye ŋutɔŋutɔ gɔme ale be míawɔ nu wòawɔ ɖeka kplii.—Mateo 7:24, 25.

Kpekpeɖeŋu Li

Ƒe 100 kple edzivɔe nye sia si Yehowa Ðasefowo le gbeƒã ɖem Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia. Woto agbalẽwo kple nuƒoƒo na amewo dzi le kpekpeɖeŋu nam wo le xexeame godoo be sidzedze vavãtɔ nasu wo si le nusi Fiaɖuƒea nye, yayra siwo wòahe vɛ, kple nusi wòle be ame nawɔ be wòaxɔ yayra siawo la ŋu.

Míele dzi dem ƒo na wò be nàxɔ gbedasi si ƒe gbeƒã ɖem Yehowa Ðasefowo le la. Ne èxɔ nyanyuia henɔ agbe ɖe enu la, àte ŋu axɔ yayra gbagowo, menye fifia ɖeɖeko o ke le etsɔme hã esime Mawu Fiaɖuƒea aɖu anyigba bliboa dzi.—Timoteo I, 4:8.

Wɔ nu fifia, elabena Mawu Fiaɖuƒea ƒe yayrawo tu aƒe!

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Yehowa Ðasefowo toa agbalẽwo kple nyagbɔgblɔ me ɖea gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia