Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Míewɔ Nu Ðekae

Míewɔ Nu Ðekae

Agbemeŋutinya

Míewɔ Nu Ðekae

ABE ALESI MELBA BARRY GBLƆE ENE

Le July 2, 1999, dzi la, mía kple srɔ̃nye míenɔ Yehowa Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo gã aɖe me, abe alesi míenɔ wo dome zi akpe geɖe le ƒe 57 si míeɖe mía nɔewo me la ene. Lloyd nɔ nuƒo mamlɛa ƒom le nutome gã takpekpea me le Hawaii le Fiɖa ma gbe. Enumake la, eku ƒenyi. Togbɔ be wodze agbagba ɖesiaɖe be wòanyɔe hã la, eku. *

ALEKE gbegbe nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔ siwo le Hawaii nye zi ɖe dzinye hekpe ɖe ŋunye be mete ŋu nɔ te ɖe afɔku sia nu la xɔ asi nam enye si! Lloyd ƒe nuwɔna kpɔ ŋusẽ ɖe wo dometɔ geɖe, kpakple ame bubu geɖe siwo le xexeame godoo, ƒe agbe dzi.

Ƒe eve kloe le eƒe ku megbe la, mede ŋugble le ƒe vevi siwo mía kplii míenɔ anyi ɖekae ŋu—míezã ƒe mawo dometɔ geɖe le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me, kpakple le Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã le Brooklyn, New York. Meɖo ŋku alesi medze agbe gɔmee le Sydney, Australia, kple gbetɔame siwo nu wòle be mía kple Lloyd míanɔ te ɖo be míate ŋu aɖe mía nɔewo le Xexemeʋa II ƒe gɔmedzedze hã dzi. Gake gbã la, mina magblɔ alesi mewɔ zu Ðasefo kple alesi medo go Lloyd le ƒe 1939 me na mi.

Alesi Mewɔ Zu Ðasefo

James kple Henrietta Jones nye dzinyela lɔ̃ame siwo tsɔ ɖe le eme nam vevie. Ƒe 14 koe mexɔ esime mewu suku nu le ƒe 1932 me. Ganya ƒe Sesẽ Gãtɔ nɔ xexeame ɣemaɣi. Mete dɔwɔwɔ be makpe ɖe ƒomea, si me nɔvinyenyɔnu sue eve le la ŋu. Le ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, mekpɔ dɔ aɖe si me woxea fetu nyui nam le eye ɖetugbi geɖe wɔa dɔ le tenye.

Le ɣeyiɣi ma me, le ƒe 1935 me la, Dada xɔ Biblia-srɔ̃gbalẽwo tso Yehowa Ðasefo aɖe gbɔ eye eteƒe medidi o exɔe se be yeke ɖe nyateƒea ŋu. Mí ame susɔeawo míesusui be tsu kumee wònɔ. Gake gbeɖeka mekpɔ agbalẽvi si ƒe tanyae nye Where Are the Dead? eye eƒe tanya nyɔ nye ɖetsɔleme. Eyata mexlẽ agbalẽvia le adzame. Eyae trɔm! Enumake mete kwasiɖa domedome kpekpe si woyɔna be Model Study la dede kple Dada. Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo kpakple ŋɔŋlɔ siwo ɖo kpe ŋuɖoɖoawo dzi nɔ agbalẽvi si ƒe tanyae nye Model Study—si va nɔ babla etɔ̃ me emegbe la—me.

Le ƒe 1938 ƒe April me lɔƒo la, Joseph F. Rutherford, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegãa teƒenɔla la va Sydney. Eƒe dutoƒonuƒoae nye gbãtɔ si mede kpɔ. Woɖoe be wòaƒo nuƒoa le Sydney Dutakpexɔa me hafi, gake tsitretsiɖeŋulawo wɔe be wote fli ɖe teƒe sia zazã me. Ðe eteƒe la, eƒo nuƒoa le afisi lolo wu si nye Sydney Kamedefefewɔƒea. Alesi tsitretsiɖeŋua na nuƒoa ŋuti nya gade du ta la, amesiwo ade 10,000 ye va see, si nye xexlẽme gã aɖe ne wotsɔe sɔ kple Ðasefo 1,300 pɛ siwo nɔ Australia ɣemaɣi.

Le esia megbe kpuie la, mekpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me zi gbãtɔ—evɔ nyemexɔ hehe aɖeke o. Esi míaƒe ƒuƒoƒoa ɖo anyigbamama si wona mí be míaɖe gbeƒã le me la, amesi xɔ ŋgɔ na mí la gblɔ nam be, “Aƒe si le afimɛ ɖaa enye tɔwò.” Menɔ vɔvɔ̃m ale gbegbe be esime nyɔnu si le aƒea me ʋu ʋɔa la, mebiae be, “Meɖe kuku ga nenie ƒo?” Egbugbɔ yi xɔa me, ɖakpɔ gamea, hetrɔ gbɔ va gblɔe nam. Eƒe nuwuwue nye ma. Metrɔ yi ʋua gbɔ.

Gake nyemena ta o, eye eteƒe medidi o mete Fiaɖuƒegbedasia gbɔgblɔ na ame bubuwo edziedzi. (Mateo 24:14) Le March 1939 me la, mexɔ nyɔnyrɔ le míaƒe aƒelika si tsiã ɖe mía nu, Dorothy Hutchings, ƒe tsilegba me tsɔ wɔ nye adzɔgbeɖeɖe na Yehowa ƒe dzesii. Esi nɔviŋutsu aɖeke menɔ anyi o ta la, wotsɔ hamea me agbanɔamedzi siwo wòle be Kristotɔ ŋutsu ko nawɔ hafi la de asi nam le nye nyɔnyrɔxɔxɔ vɔ megbe kpuie.

Míewɔa míaƒe kpekpewo le amewo ƒe aƒewo me zi geɖe, gake ɣeaɖewoɣi la, míehayaa akpata aɖe hena dutoƒonuƒowo ƒoƒo. Nɔviŋutsu ɖekakpui dzeɖekɛ aɖe tso Betel, si nye míaƒe alɔdzedɔwɔƒe, va míaƒe hame suea me va ƒo nuƒo. Le nye manyamanya me la, tameɖoɖo bubu nɔ esi si tae wòva ɖo—be wòanya nu geɖe tso ŋunye. Ẽ, aleae wòdzɔe be mía kple Lloyd míedo go.

Alesi Medo Go Lloyd ƒe Ƒomea

Eteƒe medidi o dzodzroa ɖo menye be masubɔ Yehowa ɣeyiɣiawo katã. Gake esi mekpe mɔbiagbalẽvia ɖo be mawɔ mɔɖeɖedɔa (maƒo ɖokuinye ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa me) la, wobiam be madi be mawɔ dɔ le Betel hã. Eyata le September 1939, si nye ɣleti si me Xexemeʋa II dze egɔme me la, mezu Betel-ƒomea me tɔ le Strathfield, si nye Sydney ƒe golɔgoe.

Le December 1939 me la, mezɔ mɔ yi takpekpe le New Zealand. Esi wònye New Zealandtɔwoe Lloyd nye ta la, eya hã yi. Míeɖo meli ɖeka, eye míenya mía nɔewo nyuie wu. Lloyd wɔ ɖoɖo be medo go dadaa kple fofoa kpakple nɔvianyɔnuwo le takpekpe si míewɔ le Wellington me, eye emegbe le woƒe aƒeme le Christchurch.

Mɔxexe Ðe Míaƒe Dɔa Nu

Le Memleɖa, January 18, 1941 dzi la, dziɖuɖumegãwo tsɔ ʋu gã yibɔ ade aɖewo va alɔdzedɔwɔƒea be yewoava xɔ nunɔamesiwo akpasesẽtɔe. Esi wònye dzɔlawo ƒe nɔƒe sue si le Betel-mɔa nue mewɔa dɔ le ta la, nyee kpɔ wo gbã. Anye gaƒoƒo 18 do ŋgɔ la, woka mɔxeɖenua ta na mí, eyata míeɖe agbalẽwo kple nuŋlɔɖiwo katã kloe ɖa le alɔdzedɔwɔƒea. Le kwasiɖa si kplɔe ɖo me la, wode Betel-ƒomea me tɔ atɔ̃ si me Lloyd hã nɔ la game.

Menya be nusi nɔvi siwo le game la hiãna wue nye gbɔgbɔmenuɖuɖu. Be makpe ɖe Lloyd ŋu la, meɖoe be maŋlɔ “lɔlɔ̃lɛtawo” nɛ. Medzea egɔme abe alesi wodzea lɛta siawo gɔmee ene, gake meŋlɔa Gbetakpɔxɔ me nyati blibowo ɖe eme eye mewua enu be eƒe lɔlɔ̃tɔ gbɔe wòtso. Le ɣleti ene kple afã megbe la, woɖe asi le Lloyd ŋu.

Srɔ̃ɖeɖe Kple Subɔsubɔdɔa Dziyiyi

Le ƒe 1940 me la, Lloyd dada va Australia, eye Lloyd gblɔ nɛ be míenɔ srɔ̃ɖeɖe ŋuti ɖoɖowo wɔm. Melɔ̃ ɖe edzi nɛ o elabena edze abe nuɖoanyia ƒe nuwuwu tu aƒe ŋutɔ ene. (Mateo 24:3-14) Egblɔa eƒe tameɖoɖoa na exɔlɔ̃ ŋutsuwo, gake woɖea srɔ̃ɖeɖe ƒe dzi le eƒo ɣesiaɣi. Mlɔeba, Lloyd kplɔm dzaa gbeɖeka—kpe ɖe Ðasefo ene siwo ka ɖe edzi na mí be yewomagblɔe na ame aɖeke o ŋu—le February 1942 me yi ɖe dɔwɔƒe si dea srɔ̃ɖeɖe agbalẽ me, eye míeɖe mía nɔewo. Ɣemaɣi la, ɖoɖo aɖeke menɔ anyi le Australia be Yehowa Ðasefowo nate ŋu akpɔ srɔ̃ɖeɖe dzi o.

Togbɔ be womeɖe mɔ na mí be míayi míaƒe Betel subɔsubɔdɔ dzi abe atsu kple asi ene o hã la, wobia mí be míadi be míawɔ mɔɖela veviwo ƒe dɔa hã. Míetsɔ dzidzɔ yi kɔƒe du aɖe, si me woɖo mí ɖo, si ŋkɔe nye Wagga Wagga. Míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa gakpɔtɔ nɔ mɔxeɖenu te, eye womenaa gakpekpeɖeŋu aɖeke mí o, eyata ehiã be míatsɔ míaƒe nyawo adro ɖe Yehowa dzi vavã.—Psalmo 55:23.

Míedoa gasɔ si ame eve dona yia kɔƒewo me, kena ɖe ame fafawo ŋu, heɖoa dze didiwo kpli wo. Ame geɖe melɔ̃ be míawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kpli yewo o. Gake fiasedzikpɔla aɖe kpɔ ŋudzedze ɖe dɔ si wɔm míenɔ ŋu ale gbegbe be wònaa atikutsetsewo kple detsiƒonuwo mí kwasiɖa ɖesiaɖe. Le Wagga Wagga nɔnɔ ɣleti ade megbe la, wogayɔ mí va Betel ake.

Betel-ƒomea ʋu le Strathfield alɔdzedɔwɔƒea le May 1942 me yi ɖe amewo ƒe aƒewo me. Woʋuna tso aƒeme yia aƒe bubu me kwasiɖa ɖesiaɖe kloe ale be woagalé wo o. Esi mía kple Lloyd míetrɔ gbɔ va Betel le August me la, míewɔ ɖeka kpli wo le teƒe siawo dometɔ ɖeka. Dɔ si wode asi na mí enye be míawɔ dɔ le agbalẽtaƒe siwo woɖo le adzame la dometɔ ɖeka le ŋkekea me. Mlɔeba la, woɖe mɔ si woxe ɖe míaƒe dɔa nu la ɖa le June 1943 me.

Dzadzraɖo ɖe Subɔsubɔ le Duta Ŋu

Le April 1947 me la, wotsɔ Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku, si le South Lansing, New York, U.S.A. la dede ƒe dɔbiagbalẽvi gbãtɔwo na mí. Le ɣeyiɣi ma me la, wode dɔ asi na mí be míasrã hame siwo le Australia kpɔ ahado ŋusẽ wo le gbɔgbɔ me. Le kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe la, wokpe mí be míava de Gilead-suku ƒe klass 11 lia. Kwasiɖa etɔ̃e nɔ mía si be míatsɔ aɖo nuwo ɖe ɖoɖo nu ahaƒo te agba. Míedzo le ƒomea kple xɔlɔ̃wo gbɔ le December 1947 me heɖo ta New York eye mía kple ame 15 bubu siwo tso Australia siwo wokpe be woanɔ klass ma ke me lae yi.

Ɣleti ʋɛ siwo míetsɔ de Gilead Sukua va yi kabakaba, eye woɖo mí ɖa be míaɖa wɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa le Japan. Esi míaƒe agbalẽwo wɔwɔ hena Japan yiyi xɔ ɣeyiɣi ta la, wogade dɔ asi na Lloyd ake wònye Yehowa Ðasefowo ƒe dzikpɔla mɔzɔla. Hame siwo wode mía si be míasrã kpɔ la tso Los Angeles dugã me va ɖo Mexico-dea dzi. Ʋu menɔ mía si o, eyata Ðasefoawo kua mí lɔlɔ̃tɔe tsoa hame ɖeka me yia bubu me kwasiɖa ɖesiaɖe. Teƒe siwo nɔ míaƒe nutome suea me la va zu Eŋlisigbe dolawo ƒe nutome gã etɔ̃ kple Spaingbe dolawo ƒe nutome gã etɔ̃ siwo li egbea ƒe akpa aɖewo fifia, eye nutome sue siwo ade ewo ye le nutome gã ɖesiaɖe me!

Eteƒe medidi o, le October 1949 me la, míeɖo meli aɖe si tsɔa asrafowo tsã, hedze Japan mɔ. Ŋutsuwo nɔa melia ƒe akpa ɖeka eye nyɔnuwo kple ɖeviwo nɔa akpa kemɛ. Esi wòkpɔtɔ ŋkeke ɖeka pɛ ko míaɖo Yokohama la, míedo go ɖe ahom sesẽ aɖe nu. Edze ƒã be ena xexeame kɔ, elabena esi agu dze le ŋkeke si kplɔe ɖo le October 31 dzi la, míekpɔ Fuji-toa kple alesi wòdze anii la ɖaa. Wòezɔ gã kae nye si wòdo na mí va míaƒe dɔdasi yeyea me!

Dɔwɔwɔ Kple Japantɔawo

Esi míenɔ melidzeƒea ɖom la, míekpɔ amesiwo ƒe taɖawo le yibɔ. Esi míese howɔwɔ gã aɖe la, míebia mía ɖokui se be ‘Amekawoe nye ma le ɣli dom!’ Amesiame do atifɔkpa siwo ɖea toɣli ne wotsɔe zɔ meliwo tɔɖoƒea. Míetsi Yokohama dɔ eye le ŋufɔke la, míeɖo keteke yi afisi woɖo mí ɖo si nye Kobe. Don Haslett, amesi nɔ Gilead suku ƒe klass me kpli mí eye wòyi Japan ɣleti ʋɛ aɖewo do ŋgɔ la haya aƒe aɖe na dutanyanyuigblɔlawo le afima. Enye dziƒoxɔ gã tuɖedzi ɖeka si dze ani eye wotui ɖe Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe atsyã nu—naneke menɔ eme o!

Míetsoa gbewo le aƒea me ɖona ɖe anyigba wònye aba si dzi míemlɔna. Aleae míedze míaƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa gɔmee, naneke menɔ mía si o negbe nusiwo míetsɔ ɖe asi ko. Míeƒle gamle sue siwo me wodoa akadzo ɖo, si woyɔna be hibachi, be woana dzoxɔxɔ mí eye míaɖa nu hã le edzi. Le zã aɖe me la, Lloyd kpɔ be mía hati dutanyanyuigblɔla eve, Percy kple Ilma Iszlaub, yi ɖi me. Eʋu fesreawo be ya fafɛ nageɖe xɔa me eye wogaɖo ame me. Nye hã meyi ɖi me zi ɖeka esime menɔ nu ɖam le gamlea dzi. Nanewo nyanya mexɔ ɣeyiɣi kura o!

Gbea sɔsrɔ̃ nɔ vevie na mí, eye míetsɔ gaƒoƒo 11 srɔ̃a Japangbe gbeɖeka hena ɣleti ɖeka. Le esia megbe míeŋlɔa nyafɔkpe ɖeka alo eve ɖe agbalẽ dzi tsɔ dze gbeadzi dede gɔmee. Ŋkeke gbãtɔ si mede gbeadzi la, medo go nyɔnu amedzrowɔla aɖe, si ŋkɔe nye Miyo Takagi, amesi xɔ mí nyuie. Le tɔtrɔyiwo wɔwɔ me la, míedze agbagba be míaɖo dze eye míezã Japan kple Eŋlisi gbe me nyagɔmeɖegbalẽwo vaseɖe esi míeɖo Biblia-nusɔsrɔ̃ nyui aɖe anyi kplii. Esi mede alɔdzedɔwɔƒe si wokeke ɖe enu ŋutikɔƒe le Japan la, megakpɔ Miyo, kpakple ame vevi bubu siwo mesrɔ̃ nu kplii la ake. Ƒe blaatɔ̃ va yi, gake wogakpɔtɔ nye Fiaɖuƒegbeƒãɖela dovevienu, siwo le nusianu si woate ŋui wɔm be yewoasubɔ Yehowa.

Le April 1, 1950 dzi la, ame 180 ye de Kristo ƒe kua ƒe Ŋkuɖodzi le Kobe. Ewɔ nuku na mí be le ŋufɔke la, ame 35 va be yewoayi gbeadzi. Dutanyanyuigblɔla ɖesiaɖe kplɔ ame yeye siawo dometɔ etɔ̃ alo ene ɖe ŋuti yi gbeadzii. Aƒemenɔlawo meƒo nu kpli nye—amedzro si mese gbea tututu o—la o, ke woƒo nu kple Japantɔ Ŋkuɖodzia vala siwo kplɔm ɖo la boŋ. Woɖo dze geɖe, gake nyemenya nusi gblɔm wonɔ o. Enye dzidzɔ nam be magblɔ be ame yeye siawo dzi woƒe sidzedze ɖe edzi eye woyi gbeƒãɖeɖedɔa dzi vaseɖe egbea.

Mɔnukpɔkpɔ Kple Dɔdasi Geɖewo

Míeyi míaƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa dzi le Kobe vaseɖe ƒe 1952 me, esime woɖo mi ɖe Tokyo, afisi wode alɔdzedɔwɔƒea dzikpɔkpɔ asi na Lloyd le. Eteƒe medidi o, dɔ sia kplɔe tsa le Japan bliboa kple dukɔ bubuwo me. Emegbe, le Nathan H. Knorr si tso xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã ƒe sasrãkpɔ aɖe me la, egblɔ nam be: “Ènya alɔdzedɔwɔƒe siwo srɔ̃wò agava srã kpɔa? Ayi Australia kple New Zealand.” Egblɔ kpee be: “Wò hã àte ŋu ayi ne àte ŋu axe wò yameʋuɖofea.” Dzidzɔ kae nye si! Elabena ƒe asieke enye ma tso esime míedzo le aƒe.

Meŋlɔ lɛta ɖo ɖa enumake. Danye kpe ɖe ŋunye mexe yameʋuɖofea. Vovo menɔ mía kple Lloyd ŋu le míaƒe dɔdasia me o, eye ga menɔ mía si míasrã míaƒe ƒomea kpɔ o. Eyata esia nye nye gbedodoɖawo ƒe ŋuɖoɖo. Abe alesi nàkpɔe le susu me ene la, esi Dada kpɔm la, dzi dzɔe ale gbegbe. Egblɔ be, “Mele ga dzra ge ɖo be nàgava ake le ƒe etɔ̃ megbe.” Nya sia tsi susu me na mí míetsɔ klã le mía nɔewo gbɔe, gake nublanuitɔe la, eku le July si kplɔe ɖo me. Ðekawɔwɔ wɔnuku kae nye si mele mɔ kpɔm na le xexe yeyea me!

Va ɖo ƒe 1960 me la, dutanyanyuigbɔgblɔdɔae nye dɔ si ko mewɔna, gake meva xɔ lɛta aɖe si gblɔ be: “Tso ŋkeke sia dzi la, ɖoɖoa anye be nanyã Betel-ƒome bliboa me tɔwo ƒe nuwo ahaɖo wo dzi.” Ame wuieve aɖewo koe nɔ míaƒe Betel-ƒomea me, eyata mete ŋu wɔ dɔ sia kpe ɖe nye dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ŋu.

Le ƒe 1962 me la, wogbã míaƒe aƒea si wotu ɖe Japantɔwo ƒe atsyã nu, eye wotu Betel-ƒe yeye si nye dziƒoxɔ tuɖedzi atɔ̃ ɖe eteƒe le ƒe si kplɔe ɖo me. Wode dɔ asi nam be makpe ɖe nɔvi sɔhɛ yeye siwo vaa Betel ŋu be woalé be na woƒe xɔwo me ahaɖo nuwo wo nɔƒe le wo zazã vɔ megbe. Le Japantɔwo ƒe kɔa nu la, womefia aƒemedɔ aɖeke wɔwɔ ŋutsuviawo o. Sukudede ŋu koe woléa ŋku ɖo wu, eye wo dadawo wɔa nusianu na wo. Eteƒe medidi o wokpɔe dzesii be menye nusianue mawɔ na yewo o. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wo dometɔ geɖe wɔ ŋgɔyiyi va xɔ agbanɔamedzi yeyewo le habɔbɔa me.

Le dzomeŋɔli ƒe ŋkeke xɔ dzo aɖe dzi la, Biblia-nusrɔ̃vi aɖe va ɖi tsa le alɔdzedɔwɔƒea, eye wòkpɔm menɔ tsileƒe klɔm. Egblɔ be, “Taflatse gblɔ na amesi le dɔ sia dzi kpɔm be madi be madi ame aɖe ne wòava wɔ dɔ sia na wò ne maxe fe nɛ.” Meɖe eme nɛ be togbɔ be mekpɔ ŋudzedze ɖe eƒe ameŋububua ŋu hã la, melɔ̃ faa be mawɔ dɔ sia dɔ si wode asinye le Yehowa ƒe habɔbɔa me.

Le ɣeyiɣi sia me la, wokpe mía kple Lloyd be míava de Gilead ƒe klass 39 lia! Mɔnukpɔkpɔ kae nye si wònye le ƒe 1964 me, esi mexɔ ƒe 46, be magayi suku ake! Wowɔ ɖoɖo ɖe suku sia ŋu be wòakpe ɖe amesiwo le dɔ wɔm le alɔdzedɔwɔƒewo ŋu be woawɔ woƒe dɔwo nyuie wu. Le ɣleti ewo ƒe nusɔsrɔ̃a megbe la, wogaɖo mí ɖe Japan ake. Ɣemaɣi la, Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo wu 3,000 ye nɔ mía si le dukɔ ma me.

Dzidziɖedzia tsɔ afɔ kabakaba ale gbegbe be kaka ƒe 1972 na ɖo la, Ðasefo 14,000 kple edzivɔwoe nɔ anyi, eye wotu alɔdzedɔwɔƒe yeye si nye dziƒoxɔ tuɖedzi atɔ̃ ɖe Numazu, si le Tokyo ƒe anyiehe. Ne èle míaƒe xɔa ta la, àkpɔ Fuji-to la ƒe dzedzeme dzeani la. Wodze magazine miliɔn ɖeka kple edzivɔ tata ɖe Japangbe me gɔme ɣleti sia ɣleti le agbalẽtamɔ̃ gã yeye si taa nu kabakaba dzi. Gake eteƒe madidi o woagaɖɔ li dɔ na mí.

Le ƒe 1974 ƒe nuwuwu la, Lloyd xɔ lɛta tso Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegãa le Brooklyn, eye wokpee be wòava nye Dziɖuhaa me tɔ. Gbã la, mesusui be: ‘Mía kplii dome ɖe woklã vɔ enye ma. Esi wònye be dziƒomɔkpɔkpɔe le Lloyd si eye anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔe le asinye ta la, mía dome aklã gbeɖeka godoo. Ðewohĩ ele be Lloyd ɖeka ko nayi Brooklyn.’ Gake eteƒe medidi o metrɔ asi le alesi mebu nyaa ŋui ŋu eye melɔ̃ faa yi kple Lloyd le March 1975 me.

Yayra Siwo Mekpɔ le Dɔwɔƒegã La

Togbɔ be míenɔ Brooklyn hã la, Lloyd ƒe dzi gakpɔtɔ nɔ Japan-nyigbamama me, eye wòƒoa nu tso nuteƒekpɔkpɔ siwo su mía si le afima la ŋu ɣesiaɣi. Gake fifia mɔnukpɔkpɔwo nɔ anyi be míakeke mía ɖokuiwo ɖe nu. Le Lloyd ƒe agbenɔƒe 24 mamlɛawo me la, wozãe le alɔdzedɔwɔƒewo sasrãkpɔdɔ, si bia be wòazɔ mɔ ayi xexeame godoo la me ŋutɔ. Mekplɔe ɖo zi geɖe yi xexeame ƒe akpa vovovowo.

Mía nɔvi Kristotɔwo sasrãkpɔ le dukɔ bubuwo me kpe ɖe ŋunye mekpɔ nɔnɔme siwo me wo dometɔ geɖe le hewɔa dɔ le. Entellia, si nye nyɔnuvi ƒe ewo vi aɖe si medo goe le dziehe Afrika la ƒe mo mabu le susu me nam akpɔ o. Elɔ̃ Mawu ƒe ŋkɔ eye wòzɔna gaƒoƒo ɖeka kple afã yia Kristotɔwo ƒe kpekpewo gazɔnɛ gbɔna. Togbɔ be Entellia ƒe ƒomea ti eyome vevie hã la, etsɔ eɖokui ɖe adzɔgbee na Yehowa. Esi míesrã woƒe hamea kpɔ la, akaɖi ɖeka aɖe si menɔ keklẽm nyuie o koe nɔ nuƒola la gbɔ—eye viviti do ɖe kpekpeƒe bliboa. Togbɔ be viviti do alea hã la, alesi nɔviawo dzi hae wònya se la wɔ dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ.

Nusi nɔ etɔxɛ le míaƒe agbe me la dzɔ le December 1998 me esime mía kple Lloyd míenɔ “Mawu ƒe Agbemɔ” Nutome Gã Takpekpe si wowɔ le Cuba la delawo dome. Aleke wòwɔ dɔ ɖe mia dzi enye si be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le afima kpɔ ŋudzedze hekpɔ dzidzɔ be ame aɖewo tso dɔwɔƒegã le Brooklyn va srã yewo kpɔ! Ŋkuɖoɖo ame lɔ̃ame gbogbo siwo míedo goe siwo le Yehowa kafum kple dzidzɔ gã la dzi nye nusi dzɔa dzi nam ŋutɔ.

Dziɖeɖeɖi le Mawu ƒe Amewo Dome

Togbɔ be Australiatɔe menye hã la, meva lɔ̃ amesiwo le afisiafi si Yehowa ƒe habɔbɔa dɔm ɖo la. Aleae wònɔ le Japan, eye fifia si mele United States ƒe 25 kple edzivɔ la, mekpɔe be ele alea le afisia hã. Esi srɔ̃nye ku le gbɔnye la, nyemesusui be matrɔ yi Australia o, ke boŋ be manɔ Brooklyn Betel, afisi Yehowa de dɔ asi nam le.

Mele ƒe 80-awo me fifia. Le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ƒe 61 kple edzivɔ megbe la, megakpɔtɔ lɔ̃ faa be masubɔ Yehowa le afisiafi si wòkpɔ be mate ŋui. Ekpɔ dzinye nyuie nyateƒe. Mekpɔ ŋudzedze ɖe ƒe 57 kple edzivɔ siwo me mete ŋu nɔ anyi kple srɔ̃nye lɔlɔ̃tɔ si lɔ̃ Yehowa la ŋu. Meka ɖe edzi be Yehowa ayi edzi ayra mí, eye menyae be Maŋlɔ míaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃ si míeɖe fia le eƒe ŋkɔ ta la be o.—Hebritɔwo 6:10.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Kpɔ Gbetakpɔxɔ, October 1, 1999, axa 16 kple 17.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Mía kple dada le 1956 me

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Mía kple Lloyd kpakple Japantɔ gbeƒãɖelawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe le ƒe 1950-awo ƒe gɔmedzedze

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

Biblia-nusrɔ̃vi gbãtɔ si su asinye le Japan, Miyo Takagi, le ƒe 1950-awo ƒe gɔmedzedze kple le ƒe 1999 me

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Mía kple Lloyd le magazinedɔa wɔm le Japan