Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Toɖoɖo—Nu Vevi si Woasrɔ̃ le Ðevimee Wònyea?

Toɖoɖo—Nu Vevi si Woasrɔ̃ le Ðevimee Wònyea?

Toɖoɖo—Nu Vevi si Woasrɔ̃ le Ðevimee Wònyea?

“VI KO Dim Dzilawo Le, Menye Ðevi Buamewo Kokoko O.” Tanya mae dze le nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe me. Wotu nyatakaka kpui sia ɖe numekuku aɖe si wowɔ le New Zealand dzi, si ɖee fia be “le amesiwo wobia gbee dome la, ame 22 le alafa me [koe] bui be ele be woafia toɖoɖo ɖeviwo le aƒeme.” Wogade dzesii le numekukua me be dzilawo bui egbea be ele vevie wu be woafia nusiwo nye nɔnɔme nyuiwo, ɖokuisinɔnɔ, kple agbanɔamedzi tsɔtsɔ ɖeviwo.

Le ɖokuisigbenɔnɔ kple tɔnye ko nenyo ƒe ɣeyiɣi sia me la, mewɔ nuku be amewo tɔtɔ le toɖoɖo kple efiafia ɖeviwo ŋu o. Ðe wòle be míabu toɖoɖo le ɖevime be ezu tsigãdzinua? Alo nu vevi siwo ɖeviwo ate ŋu asrɔ̃ wòaɖe vi na wo dometɔ aɖee wònye? Vevietɔ, aleke Yehowa Mawu, Ƒomegɔmeɖoanyila bua toɖoɖo dzilawoe, eye—vi siwo toɖoɖo ɖena dometɔ aɖewo ɖe?—Dɔwɔwɔwo 17:28; Efesotɔwo 3:14, 15.

“Esia Le Eteƒe”

Apostolo Paulo ŋlɔ na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ƒe hame si nɔ Efeso be: “Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo le Aƒetɔ la me, elabena esia le eteƒe.” (Efesotɔwo 6:1) Eyata susu vevi si ta toɖoɖo le vevie enye be esɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo le nyui ŋu nu. Abe alesi Paulo gblɔe ene la, “esia le eteƒe.”

Le ɖekawɔwɔ me kple esia la, míede dzesii be Mawu ƒe Nya yɔ dzilawo ƒe amehehe le lɔlɔ̃ me be enye ‘seƒoƒotsihe nyui na wò ta kple kɔgɛ na wò kɔ,’ kple nusi “dze Aƒetɔ la ŋu nyuie.” (Lododowo 1:8, 9; Kolosetɔwo 3:20) To vovo kura na ema la, tomaɖomaɖo dzilawo hea Mawu ƒe ŋudzedzemakpɔmakpɔ vaa ame dzii.—Romatɔwo 1:30, 32.

“Bene Wòanyo na Wò”

Paulo gagblɔ viɖe bubu siwo le toɖoɖo me esi wòŋlɔ be: “‘Bu fofowò kple dawò,’—esia nye sedede gbãtɔ, si me ŋugbedodo le la—‘bene wòanyo na wò, eye nanɔ agbe didie le anyigba dzi!’” (Efesotɔwo 6:2, 3; Mose II, 20:12) Aleke toɖoɖo dzilawo ana eme nanyo na amee?

Gbã la, ɖe menye nyateƒe be mía dzilawo le ŋgɔ na mí le ƒexɔxɔ kple nuteƒekpɔkpɔ me oa? Togbɔ be adze abe dzilawo manya nu boo aɖeke tso kɔmpiuta kple nu bubu siwo wofiana le suku ŋu o hã la, wonya nu geɖe tso agbenɔnɔ kple akɔkpekpe kple eme kuxiwo ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, dadasɔ le susu me si sua ame si le tsitsi me ya menɔa ɖeviwo si o. Eyata wolɔ̃a dzitsitsi le nyametsotso wɔwɔ me, helɔ̃na ɖe wo hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu gblẽnuwo dzi zi geɖe si gblẽa nu le woawo ŋutɔ ŋu vevie. Le nyateƒe me, Biblia gblɔe be: “Bometsitsi bla ɖe ŋutsuvi ƒe dzi ŋu.” Nukae aɖee le eŋu? “Ameƒoti afee ɖa le afima.”—Lododowo 22:15.

Toɖoɖo me viɖewo mese ɖe dzila kple vi dome ƒomedodo ɖeɖeko dzi o. Bene nuwo nazɔ nyuie le ameƒomea me eye woakpɔ dzidzedze la, ele be nuwɔwɔ ɖekae nanɔ anyi, si bia toɖoɖo. Le kpɔɖeŋu me, le srɔ̃ɖeɖe me la, lɔlɔ̃ faa be woabɔbɔ ame ɖokui tsɔ wu be woanɔ nu geɖe dim tso amewo si agbe bubudede woƒe gomenɔamesiwo kple seselelãmewo ŋu ye hea ŋutifafa, ɖekawɔwɔ, kple dzidzɔkpɔkpɔ vɛ. Le dɔwɔƒewo la, dɔwɔviwo ƒe wo ɖokuibɔbɔ hiã hafi dɔ sia dɔ si woawɔ natsɔ afɔ. Le dziɖuɖu ƒe se kple ɖoɖowo gome la, menye ɖeko wo dzi wɔwɔ nana woƒoa asa na tohehe o, ke enaa wonɔa dedie eye wòkpɔa ame ta vaseɖe afi aɖe ya teti.—Romatɔwo 13:1-7; Efesotɔwo 5:21-25; 6:5-8.

Sɔhɛ siwo medea bubu dziɖuŋusẽwo ŋu o la menyaa alesi wonɔa hadome o. To vovo na ema la, toɖoɖo sɔsrɔ̃ tso ɖevime ate ŋu aɖe vi na ame le eƒe agbemeŋkekewo katã me. Aleke wònye viɖenu enye esi be woasrɔ̃e le ɖevime!

Teƒeɖoɖo Gã si Le Toɖoɖo Me

Menye ɖeko toɖoɖo naa ame kple eƒe ƒomea me tɔwo dome nɔa nyuie heɖea vi bubuwo na ame le eƒe agbe me katã ko evɔ o, ke enye gɔmeɖoanyi si dzi woate ŋu atu ƒomedodo vevitɔ kekeake hã ɖo—eyae nye ame kple Ewɔla dome ƒomedodo. Esi Yehowa Mawue nye “Wɔla,” kple míaƒe “agbedzɔƒe,” ta la, Yehowa Mawu dze na míaƒe toɖoɖo ɖesiaɖe.—Nyagblɔla 12:1; Psalmo 36:10.

Nya “toɖoɖo” dze le nɔnɔme vovovo me le Biblia me wu zi gbɔ zi 160 sɔŋ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woyɔ Mawu ƒe sewo, ɖoɖowo, sededewo, ʋɔnudɔdrɔ̃ me nyametsotsowo zi gbɔ zi alafa geɖe, eye wo katã bia ɖokuibɔbɔ. Eme kɔ na mí ƒã be Mawu bua toɖoɖo be enye nudidi si gbɔ míaɖo hafi wòakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu. Ẽ, toɖoɖo nye nudidi vevi ŋutɔ aɖe si gbɔ woaɖo hafi ƒomedodo nyui nanɔ ame kple Yehowa dome. (Samuel I, 15:22) Nublanuitɔe le dzɔdzɔme nu la, amegbetɔ lɔ̃a tomaɖomaɖo ke menye toɖoɖo o. Biblia gblɔ be: “Ame ƒe dzimesusu enye vɔ̃ tso ɖevime ke.” (Mose I, 8:21) Eyata ele be míasrɔ̃ toɖoɖo le míaƒe agbe me katã ke menye le ɖevime ɖeɖeko o. Ewɔwɔ alea hea teƒeɖoɖo wɔnukuwo vɛ.

Ðo ŋku edzi be abe alesi apostolo Paulo gblɔe ene la, ŋugbedodo evee le sedede si nye be woaɖo to dzilawo me, siwo nye ‘bene woanyo na wò, eye nanɔ agbe didie le anyigba dzi.’ Ŋugbedodo sia ƒe kpeɖodzi gadze le Lododowo 3:1, 2 be: “Vinye, megaŋlɔ nye nufiame be o, eye wò dzi nedzra nye sededewo ɖo, elabena woahe agbenɔnɔ didi, ƒe nyuiwo kple ŋutifafa vɛ na wò kpaŋkpaŋ.” Teƒeɖoɖo wɔnuku si li na toɖolawoe nye be ena ƒomedodo nyui nɔa ame kple Yehowa dome fifia eye míakpɔ agbe mavɔ le ŋutifafa ƒe xexe yeyea me.—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 30, 31]

Toɖoɖo naa wonɔa ƒomedodo nyui me kple amewo le aƒeme, dɔwɔƒe, eye kple Yehowa