Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Àte Ŋu Akpɔ Dzidzedze Aleke Ke Woɖahe Wòe O

Àte Ŋu Akpɔ Dzidzedze Aleke Ke Woɖahe Wòe O

Àte Ŋu Akpɔ Dzidzedze Aleke Ke Woɖahe Wòe O

AGLÃDZEGBƆGBƆ nɔ Nicholas me tso eƒe ɖevime ke. * Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eƒe seselelãmewo kplɔe de atikevɔ̃ɖizazã kple ahatsunono me. Nicholas ɖe nyaa me be: “Ahatsunolae fofonye nye, eye eƒe nuwɔna na mía kple nɔvinyenyɔnu míekpe fu ŋutɔ.”

Malinda dzilawo ƒe nuwɔnawo katã ɖee fia be wonye sɔlemedela bubumewo le woƒe nutoa me. Gake woƒo wo ɖokui ɖe vivimeha aɖe hã me vevie. Malinda, amesi le eƒe ƒe 30-awo me fifia, fa konyi be: “Vivimeha ƒe nuwɔna siwo wowɔna dometɔ aɖewo gblẽ nu le ŋunye hede abi ŋunye esi menye ɖevi.” Egblɔ kpee be: “Mɔkpɔkpɔbuɖeame kple viɖemanɔameŋu si woƒã ɖe menye ɖea fu nam ɣesiaɣi si maɖo ŋku edzi.”

Amekae ate ŋu agbe be womesẽ ŋuta le ame geɖe ŋu, dɔ wo gbɔ sesẽe, wo dzilawo gbe wo dzikpɔkpɔ, eye wowɔ nu manyomanyo bubuwo ɖe wo ŋu le woƒe ɖevime o? Abi si ɖevimenɔɣi manyomanyo dena ame ŋu ate ŋu agblẽ nu ayi ŋgɔ ŋutɔ. Gake ɖe wòle be vevesese siawo nagblẽ alesi ame ate ŋu ava xɔ Mawu ƒe Nya ƒe nyateƒea eye wòakpɔ dzidzɔ si sɔ la me tegbeea? Aleke ke woɖahe Nicholas kple Malinda ye o, ɖe woate ŋu akpɔ dzidzedze anye nuteƒewɔlawoa? De ŋugble le Yuda-fia Yosia ƒe kpɔɖeŋu ŋu gbã.

Ŋɔŋlɔawo me Kpɔɖeŋu Aɖe

Yosia ɖu Yuda dzi ƒe 31 sɔŋ le ƒe alafa adrelia D.Ŋ.M. me. (659-629 D.Ŋ.M.) Le ɣeyiɣi si me woɖo Yosia zi dzi, le fofoa wuwu megbe la, nɔnɔmewo vloe ŋutɔ le Yuda. Yuda kple Yerusalem yɔ fũ kple Baal-subɔlawo kple amesiwo nɔ atam kam na Amonitɔwo ƒe mawugã Milkom. Zefanya, amesi nye Mawu ƒe nyagblɔɖila ɣemaɣi, gblɔ be Yuda-megãwo nɔ abe “dzata ɖegbe” ene eye ʋɔnudrɔ̃lawo abe “amegãxi” ene. Ena be ŋutasesẽ kple beble do agbogbo ɖe anyigba la dzi. Ame geɖe nɔ gbɔgblɔm le woƒe dzime be: “Yehowa mele nyui alo vɔ̃ wɔ ge o.”—Zefanya 1:3–2:3; 3:1-5.

Dziɖula ka ƒomevie Yosia va zu? Biblia me ɣeyiɣikɔntɔbula, Ezra, ŋlɔ bena: “[Yosiya wɔ] nusi dze Yehowa ŋu, eye wòto fofoa Dawid ƒe ʋe me, eye medze ɖe ɖusi alo mia me o.” (Kronika II, 34:1, 2) Edze ƒã be Yosiya kpɔ dzidzedze le nusi dzɔ le Mawu ŋkume wɔwɔ me. Gake aleke ƒome si me wòdzɔ tso la ƒe nɔnɔme nɔ?

Ðevimenɔɣi Nyui loo alo Hehe Madeamedzi Ye?

Esime wodzi Yosiya le ƒe 667 D.Ŋ.M. me la, ƒe 16 koe nɔ fofoa, Amon si, eye tɔgbuia Manase ye nɔ fia ɖum le Yuda. Manase nye fia vɔ̃ɖitɔ kekeake siwo ɖu Yuda dzi la dometɔ ɖeka. “[Ewɔ] nu vɔ̃ɖi geɖe le Yehowa ŋku me” le vɔsamlekpuiwo ɖoɖo na Baal gome. Ena viawo to dzo me, ewɔ akunya, eka afa, edo gbɔgbɔyɔnuwɔnawo ɖe ŋgɔ, eye wòkɔ ʋu maɖifɔ ɖi le agbɔsɔsɔ gã ŋutɔ me. Manase tsɔ Asera ƒe legba siwo wòwɔ la hã va Yehowa ƒe aƒea mee. Eble Yuda kple Yerusalem “wowɔ nu vɔ̃ɖi wu dukɔ, siwo Yehowa tsrɔ̃ ɖa le Israel-viwo ŋgɔ.”—Kronika II, 33:1-9.

Manase vɔ̃ɖi ale gbegbe be Yehowa na wode gae kplɔe yi Babilon, si nye Asiria-fiagãwo ƒe fiadu ɖeka me. Esime Manase nɔ aboyo me la, etrɔ dzime, bɔbɔ eɖokui, eye wòɖe kuku na Yehowa be wòatsɔ yeƒe nuvɔ̃ ake ye. Mawu se eƒe kokoƒoƒo be wòakpɔ nublanui na ye, eye wògbugbɔ ɖoe fia le Yerusalem. Emegbe Manase ɖɔ nɔnɔmea ɖo eye nu nyui aɖewo do tso eme.—Kronika II, 33:10-17.

Ŋusẽ kae Manase ƒe nuvɔ̃ɖiwɔwɔ kple eƒe dzimetɔtrɔ emegbe kpɔ ɖe viaŋutsu Amon dzi? Etɔ vɔ̃ɖi ŋutɔ. Esime Manase trɔ dzime hewɔ afɔɖeɖe be yeaɖe ɖiƒoƒo si ye ŋutɔ yehe va dukɔa dzi ɖa la, Amon do tokui. Esime Amon va zu fiazikpuia domenyila esime wòxɔ ƒe 22 la, “ewɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, abe alesi fofoa Manase wɔ ene.” Le esi teƒe be wòabɔbɔ eɖokui ɖe anyi le Yehowa ŋku me la, “Amon sia na vodada la sɔ gbɔ ɖe edzi.” (Kronika II, 33:21-23) Ƒe ade koe nɔ Yosiya si esime Amon zu Yuda-fia. Ðevimenɔɣi dziŋɔ ka gbegbe enye si me Yosiya to!

Amon ƒe dziɖuɖu vɔ̃ɖi la wu enu le ƒe eve megbe esime eƒe subɔviwo ɖo nugbe ɖe eŋu hewui. Gake dukɔa me tɔwo wu amesiwo ɖo nugbea ɖe Amon ŋu eye wotsɔ viaŋutsuvi, Yosiya, ɖo fiae.—Kronika II, 33:24, 25.

Togbɔ be Yosiya to ɖevimenɔɣi manyomanyowo me hã la, ewɔ nusi nyo le Yehowa ŋku me. Eƒe dziɖuɖu kpɔ dzidzedze ale gbegbe be Biblia gblɔ be: “Fia aɖeke menɔ eŋgɔ de enu, amesi trɔ ɖe Yehowa ŋu kple eƒe dzi blibo kple eƒe luʋɔ blibo kpakple eƒe ŋusẽ blibo le Mose ƒe seawo katã nu o; eye etɔgbe aɖeke hã menɔ eyome o.”—Fiawo II, 23:19-25.

Kpɔɖeŋu dedziƒoname ka gbegbe nye si Yosiya nye na amesiwo to ɖevimenɔɣi manyomanyo me! Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe kpɔɖeŋua me? Nukae kpe ɖe Yosiya ŋu wòtia mɔ dzɔdzɔea heyi edzi zɔ edzi?

Di Yehowa Nànyae

Ŋusẽkpɔɖeamedzi nyui si nɔ anyi le Yosiya ƒe ɖevimenɔƒewo me le eƒe agbemee nye tɔgbuia Manase, si trɔ dzime. Biblia megblɔ alesi gbegbe kadodo nɔ wo ame evea dome, kple ƒe si Yosiya xɔ esime Manase ɖɔ eƒe mɔwo ɖo la o. Esi wònye ƒomedodo kplikplikpli nɔ Yuda-ƒomewo me ta la, Manase anya dze agbagba be yeakpɔ yeƒe tɔgbuiyɔvia ta tso ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ siwo ƒo xlãe me to bubu ƒomevi aɖe dede Mawu vavã, Yehowa, kple eƒe nya la ŋu ƒaƒã ɖe eme me. Nyateƒea ƒe ku ɖesiaɖe si Manase te ŋu ƒã ɖe Yosia ƒe dzi me, ɖewohĩ hekpe ɖe ŋusẽkpɔɖeamedzi nyui bubuwo ŋu va tse ku nyuiwo emegbe. Le Yosiya ƒe fiaɖuɖu ƒe enyilia me, esime wòxɔ ƒe 15 la, ede asi Yehowa didi me be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu.—Kronika II, 34:1-3.

Gbɔgbɔmekadodo si ko ame aɖewo kpɔ le woƒe ɖevimenɔɣi la nye abɔlegbe ƒometɔ aɖe, ame nyanyɛ aɖe, alo aƒelika aɖe tɔ. Gake ne wode tsi nuku si woƒã ɖe wo me la, ate ŋu ava tse ku emegbe. Aƒelika tsitsi dɔmenyotɔ aɖe nɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo tsɔm va aƒe si me Malinda, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi, nɔ la me. Egblɔ kple dzidzɔ esi wòɖo ŋku edzi be: “Nusi wɔ dɔ ɖe dzinye wu le nye aƒelikaa ŋue nye be meɖua ŋkekenyuiwo o. Esia nɔ vevie nam elabena Halloween (Ame Kɔkɔewo Katã ƒe Ŋkekenyui) kple ŋkekenyui bubuawo dometɔ aɖewo nye kɔnuwɔwɔ aɖewo siwo dzinyelawo wɔna le woƒe vivimehaa me.” Le ƒe ewo megbe, esi Malinda xɔlɔ̃ aɖe kpee be wòava Kristotɔwo ƒe kpekpe aɖe le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata me la, eƒe ŋku dze aƒelika sia dzi enumake eye wòxɔ amekpekpea. Ema kpe ɖe eŋu wòdi nyateƒea.

Bɔbɔ Ðokuiwò le Mawu Ŋkume

Wowɔ ɖɔɖɔɖo geɖe le mawusubɔsubɔ me le Yosiya ƒe dziɖuɣi le Yuda-nyigba dzi. Esi Yosiya tsɔ ƒe ade ho aʋa ɖe trɔ̃subɔsubɔ kple ɖiƒoƒo ɖeɖeɖa le Yuda-nyigba dzi ŋu megbe la, edze Yehowa ƒe aƒea dzadzraɖo gɔme. Esi dɔ ma nɔ edzi yim la, nu xɔasi ka gbegbee nye si Nunɔlagã Xilkiya fɔ! Efɔ ‘Yehowa ƒe segbalẽ’ gbãtɔa. Esi Xilkiya tsɔ agbalẽ si wòfɔ la na Safan, agbalẽŋlɔla la, eyi ɖagblɔ nusi dzɔ la na fia la. Ðe dzidzedzekpɔkpɔ siawo na Yosiya, amesi xɔ ƒe 25 la, do eɖokui ɖe dzia?—Kronika II, 34:3-18.

Ezra ŋlɔ bena: “Esime fia la se se la me nyawo la, edze eƒe awuwo.” Esia nye konyifafa si tso dzime ƒe nuwɔna elabena menye se siwo katã Mawu de dzie wo tɔgbuiwo wɔ o. Enye ɖokuibɔbɔ ƒe dzesi nyateƒe! Enumake fia la dɔ ame atɔ̃ ɖa be woaɖa bia nu Yehowa le nyɔnu-nyagblɔɖila Xulda gbɔ. Nya si amedɔdɔawo tsɔ gbɔe enye si: ‘Dzɔgbevɔ̃e ava wo dzi le esi womeɖo to Yehowa ƒe Se o ta. Gake esi wò Fia Yosiya nèbɔbɔ ɖokuiwò ta la, wòaɖi wò ɖe yɔ me le ŋutifafa me eye màkpɔ dzɔgbevɔ̃ea teƒe o.’ (Kronika II, 34:19-28) Yosiya ƒe nuwɔna dze Yehowa ŋu.

Nɔnɔme ka ke mee míeɖato kpɔ o, míawo hã míate ŋu abɔbɔ mía ɖokui ɖe anyi le nyateƒe Mawu, Yehowa, ŋkume ahade bubu eyama kple eƒe Nya, Biblia, ŋu. Nicholas, si míeyɔ le nyatia ƒe gɔmedzedze wɔ esia. Egblɔ be: “Togbɔ be atikevɔ̃ɖizazã kple ahatsunono na kuxiwo kple nyadzɔɖeamedziwo yɔ nye agbe me hã la, metsɔ ɖe le Biblia me eye edzrom be taɖodzinu nanɔ asinye le agbe me. Mlɔeba meva do go Yehowa Ðasefowo, trɔ nye agbenɔnɔ, eye mexɔ nyateƒea.” Ẽ, míate ŋu ade bubu Mawu kple eƒe Nya ŋu, eɖanye nɔnɔme ka kee ɖaƒo xlã mí o.

Yehowa ƒe Ðoɖo Neɖe Vi na Wò

Yosiya hã de bubu Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo ŋu vevie. Menye nyɔnu-nyagblɔɖila Xulda gbɔ koe wòbiaa nya ta sena le o ke nyagblɔɖila bubu siwo nɔ anyi le eŋɔli hã kpɔ ŋusẽ ɖe edzi vevie. Le kpɔɖeŋu me, Yeremya kple Zefanya siaa nɔ fɔbunyawo gblɔm ɖe trɔ̃subɔsubɔ si nɔ edzi yim le Yuda la ŋu kutrikukutɔe. Aleke gbegbe toɖoɖo woƒe gbedasia do ŋusẽ Yosiya wòtso ɖe alakpasubɔsubɔ ɖeɖeɖa ŋue nye si!—Yeremya 1:1, 2; 3:6-10; Zefanya 1:1-6.

“Aƒetɔ,” Yesu Kristo, ɖo eyomedzela amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo—“dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela”—be woana gbɔgbɔmenuɖuɖu le ɣeyiɣi nyui dzi. (Mateo 24:45-47) Dɔla ƒe ha la toa Biblia-srɔ̃gbalẽwo kple hamea ƒe ɖoɖoa me hea amewo ƒe susu vaa viɖe siwo le Biblia me ɖaŋuɖoɖowo dzi wɔwɔ me dzi, eye wonaa wo ŋudɔwɔwɔ le míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ me ŋuti ɖaŋuɖoɖo nyuiwo. Aleke wòsɔe nye si be míawɔ ɖoɖo si Yehowa wɔ be yeakpe ɖe mía ŋu míaɖu nɔnɔme manyomanyo ɖesiaɖe si ƒo ke ɖe to vevie le mía me dzi la ŋudɔ! Tsitretsitsi ɖe setɔwo ŋu nye Nicholas ƒe nɔnɔme tso ɖevime ke. Esi wòva srɔ̃ Mawu ƒe Nya ƒe nyateƒea gɔ̃ hã la, gbɔdzɔgbɔdzɔ sia mena wòsubɔ Yehowa bliboe o. Asiɖeɖe le nɔnɔme sia ŋu menɔ bɔbɔe nɛ kura o. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ekpɔ dzidzedze. To mɔ ka nu? Nicholas ɖe nyaa me be: “To hamemegã nugɔmesenamela eve ƒe kpekpeɖeŋu me la, mekpɔ nye kuxia dze sii eye mete Ŋɔŋlɔawo me nuxlɔ̃ame si wonam lɔlɔ̃tɔe la ŋudɔwɔwɔ.” Egblɔ kpee be: “Togbɔ be dziku viviviwo doa mo ɖa ɣeaɖewoɣi hã la, fifia ya meɖu aglãdzedze ƒe nɔnɔme si le asinye la dzi.”

Malinda hã dia aɖaŋuɖoɖo tso hamemegãwo gbɔ ne ele nyametsotso veviwo wɔm le agbe me. Le tenɔnɔ ɖe mɔkpɔkpɔbuɖeame kple viɖemanɔameŋu ƒe seselelãme si ɖea fu nɛ tso keke eƒe ɖevimenɔɣi me ke nu la, nusi ŋu asixɔxɔ nɔ nɛ vevie nye Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me nyati vovovowo. Egblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, nyati aɖe me memama ɖeka alo nyafɔkpe ɖeka—alɔgomedede ɖeka—koe wɔa dɔ ɖe dzinye. Anye ƒe asieke enye si va yi la, medze egɔme nɔ nyati siawo ŋlɔm ɖe nuŋlɔɖigbalẽ aɖe me ale be ne medi wo la, make ɖe wo ŋu bɔbɔe.” Egbea la, nyati siwo ade 400 ye le eƒe nuŋlɔɖigbalẽ etɔ̃awo me!

Ao, mele be ƒomegbenɔnɔ manyomanyo nakpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe amewo dzi tegbetegbe o. To Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, woate ŋu akpɔ dzidzedze le gbɔgbɔ me. Abe alesi amesi xɔ hehe nyui tso eƒe ɖevime meva zua nuteƒewɔla kokoko o ene la, ɖevimenɔɣi manyomanyo hã mexea mɔ na ame be mate ŋu ava zu Mawu vɔ̃la o.

Le Segbalẽa fɔfɔ le gbedoxɔ me dzadzraɖodɔa wɔwɔ me megbe la, Yosiya ‘bla nu kple Yehowa be, yeadze Yehowa yome, eye yeayi edzi aɖo toe tso yeƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo me.’ (Kronika II, 34:31) Eye megbugbɔ ɖe megbe le eƒe tameɖoɖoa me o vaseɖe eƒe kugbe. Nenemae Malinda kple Nicholas woɖoe kplikpaa be yewoalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa Mawu bena woanye nuteƒewɔla kpɔdzidzedzewo. Neva eme be wò hã nàɖoe kplikpaa be yeanɔ Mawu ŋu kplikplikpli ahasubɔe nuteƒewɔwɔtɔe. Kakaɖedzi ate ŋu anɔ asiwò be àkpɔ dzidzedze, elabena Yehowa do ŋugbe be: “Megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu, mali ke wò, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xɔname ƒe nuɖusi alé wò.”—Yesaya 41:10, 13.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

Togbɔ be Yosiya to ɖevimenɔɣi manyomanyo me hã la, edi Yehowa henyae eye wòkpɔ dzidzedze le agbe me

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Hamemegãwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖu nɔnɔme manyomanyo si ƒo ke ɖe to le mewò vevie la dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

“Gbetakpɔxɔ” kple “Nyɔ!” ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàlé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi