Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Ke kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:

Le Romatɔwo 5:3-5 la, nukatae apostolo Paulo da mɔkpɔkpɔ ɖe nusiwo katã wòyɔ la ƒe nuwuwu?

Paulo yɔ nu vovovo aɖewo siwo me Kristotɔwo tona—xaxa, dzidodo, ŋudzedzekpɔkpɔ, kple mɔkpɔkpɔ. “Mɔkpɔkpɔ” sia menye mɔkpɔkpɔ gbãtɔ si sua ame si le Biblia me la o, ke boŋ enye mɔkpɔkpɔ sẽŋu, deto, si va xɔa Kristotɔ ƒe akpa sia kpa le ɣeyiɣi aɖewo megbe.—12/15, axa 22-3.

Nukatae Kristotɔ ate ŋu atsɔ ɖe le kamedefefe si wowɔna le blema Hela la me egbea?

Se kple ɖoɖo siwo nu wowɔa fefe mawo ɖo gɔme sese ate ŋu ana Biblia kpukpui geɖe me nakɔ na mí. Kpukpui mawo dometɔ aɖewo ƒo nu tso ‘kamedede le se la nu,’ ‘nu kpekpe sia nu kpekpe ɖeɖeɖa kple Yesu ƒe kpɔɖeŋu kpɔkpɔ,’ ‘dudime keke aɖo nuwuwu,’ kple dziɖuɖukuku alo fetua xɔxɔ ŋu. (Timoteo II, 2:5; 4:7, 8; Hebritɔwo 12:1, 2; Korintotɔwo I, 9:24, 25; Petro I, 5:4)—1/1, axa 28-30.

Gbeƒãɖeɖe nyanyuia ƒe mɔnu yeye kae woto vɛ le January 1914 me?

Ɣemaɣie woɖe “Xexemewɔwɔ ƒe Fotoɖeɖefia” la ɖe go. Enye fotoɖeɖefia si woma ɖe akpa ene me, si me wode sinimaɖeɖe kple nutata alafa geɖe si me amadede kple gbeɖiɖi le, siwo ƒe akpa geɖe numeɖenuƒo siwo wolé ɖe agba dzi kpe ɖo. Wowɔ Fotoɖeɖefia sia 20 eye wozãe ŋutɔ tsɔ fia Biblia ƒe gbedasia amewo.—1/15, axa 8-9.

Aleke Dziɖuha la to vovo na dɔwɔha si woɖo le se nui?

Togbɔ be dɔwɔha si woɖo le se nu me nɔlawoe tiaa edzikpɔlawo hã la, menye amegbetɔ aɖeke tia Dziɖuha la o, ke boŋ Yesu Kristoe. Mehiã be dɔwɔha vovovo siwo zãm Yehowa Ðasefowo le ƒe dɔdzikpɔlawo nanye Dziɖuha la me tɔwo o. Le ƒe sia ƒe takpekpe si Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania, wɔ nyitsɔ laa me la, Dziɖuha la me tɔ siwo nye dɔwɔha siawo dzikpɔlawo kple amegãwo ŋutɔ ɖe asi le woƒe nɔƒeawo ŋu. Nɔviŋutsu bibi siwo nye “alẽ bubuwo” me tɔwo va xɔ ɖe wo teƒe. (Yohanes 10:16) Esia na be Dziɖuha la ate ŋu azã ɣeyiɣi geɖe ɖe gbɔgbɔmenuɖuɖu alo xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu.—1/15, axa 29, 31.

Biblia me kpɔɖeŋu eve kawo mee míate ŋu adzro le alesi míanɔ te ɖe dziɖeleameƒo nu sɔsrɔ̃ me?

Ðekae nye Xana, Samuel dada. Ate ŋu aɖe mɔ dzi naɖe le eƒo esime Eli, Israel ƒe nunɔlagã tsɔ nya ɖe eŋu vodadatɔe hafi. Ke boŋ eɖe nya la me nɛ tẽ bubutɔe. Gakpe ɖe eŋu la, Xana melé Eli ɖe dɔme o. Kpɔɖeŋu eveliae nye Marko, amesi ƒo dzi anya ɖe le esime apostolo Paulo medi be wòakpe ɖe ye ŋu le dutanyanyuigbɔgblɔmɔzɔzɔ me o. Le esi teƒe be mɔnukpɔkpɔ si ge le esi naɖu dzi nɛ agbɔ eme la, eyi subɔsubɔ dzi moveviɖoɖotɔe, zɔ mɔ kple Barnaba.—2/1, axa 20-2.

Nukatae wòle be Kristotɔwo nakpɔ nyuie le kɔmpiuta nuŋlɔɖoɖowo tsɔtsɔ na amewo, alo wo xɔxɔ le amewo gbɔ ŋu?

Mɔɖegbalẽ le kɔmpiuta dzi ɖoɖowɔɖi akpa gãtɔ (kɔmpiuta dzi fefewo hã le eme) ŋu si fia be amesi tɔ wònye alo amesi zãnɛ la ƒe kɔmpiuta ko dzie nuŋlɔɖoɖoa ate ŋu anɔ. Zi geɖe la, enye nutɔnyenyese dzi dada be woawɔ woƒe kɔpiwo na ame bubuwo, eɖanye ɖe wole wotsɔm na femaxee o. Kristotɔwo dina be yewoawɔ se dzi, ‘atsɔ nusi nye Kaisaro tɔ ana Kaisaro.’ (Marko 12:17)—2/15, axa 28-9.

Amekawoe nye Cyril kple Methodius, eye akpa kae wowɔ le Biblia sɔsrɔ̃ dodoɖeŋgɔ me?

Wonye dadavi siwo wodzi le Tesalonika, Hela, le ƒe alafa asiekelia me. Woawoe to Slavgbewo ƒe ŋɔŋlɔdzesiwo vɛ eye woɖe Biblia ƒe akpa geɖe gɔme ɖe Slavgbe me.—3/1, axa 28-9.

Nukae nyagbɔgblɔ ‘gbɔgbɔ la ŋu bubu’ fia?Romatɔwo 8:6.

Efia Yehowa ƒe dɔwɔŋusẽ ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi, amedziɖuɖu, kple ameʋaʋã. Míate ŋu ana Mawu ƒe gbɔgbɔ nawɔ dɔ ɖe mía dzi to Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃ me, to toɖoɖo Mawu ƒe se tso dzi blibo me, kple to gbedodoɖa abia Mawu ƒe gbɔgbɔ me.—3/15, axa 15

Nukae míate ŋu awɔ ne ewɔ na mí be womese nu gɔme na mí o?

Ele vevie be nàdi mɔnu akɔ nya la me le lɔlɔ̃ ƒe gbɔgbɔ me. Ne ema dze abe maɖɔ nɔnɔmea ɖo o la, dzi megaɖe le ƒowò o. Bia nugɔmesese kple kpekpeɖeŋu tso Yehowa, amesi “daa dziwo kpɔna” la gbɔ. (Lododowo 21:2; Samuel I, 16:7, 8)—4/1, axa 21-3.