Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Woanɔ Te Ðe Dziɖeleameƒo Nui

Alesi Woanɔ Te Ðe Dziɖeleameƒo Nui

Alesi Woanɔ Te Ðe Dziɖeleameƒo Nui

● Asaf fa konyi be: “Nyateƒee, yakatsyɔe mena nye dzi ŋu dza, eye meklɔ nye asi ɖe fɔmaɖimaɖi me. Ẽ, mekpea fu gbesiagbe, eye nye tohehe li ŋdi sia ŋdi.”—Psalmo 73:13, 14.

● Barux xa nu be: “Baba nam, elabena Yehowa tsɔ nuxaxa kpe ɖe nye vevesese ŋu, nye hũɖeɖe ti kɔ nam, eye nyemekpɔ gbɔdzɔe aɖeke o.”—Yeremya 45:3.

● Naomi fa konyi be: “Ŋusẽkatãtɔ la do nublanuitɔm! Metsɔ nu geɖe yii, ke Yehowa kplɔm gbɔe asi gbɔloe; nukaŋuti miele yɔyem be Naomi, evɔ wònye Yehowa do nublanuitɔm ɖe?”—Rut 1:20, 21.

YEHOWA subɔla nuteƒewɔla siwo ƒo dzi ɖe le vevie ɣeaɖewoɣi la ƒe kpɔɖeŋu gbogbo aɖewo le Biblia me. Nya lae nye be esi míenye amegbetɔ madeblibowo ta la, seselelãme mawo ɖea fu na mí katã ɣeaɖewoɣi. Dziɖeleameƒo aɖe fu na mía dometɔ aɖewo vevie—ɖewohĩ blanuiléle gɔ̃ hã nakpe ɖe eŋu—wu ame bubuwo le nɔnɔme wɔnublanui siwo me míeto va yi ta.

Gake ne míeɖu seselelãme siawo dzi o la, woate ŋu agblẽ mía kple ame bubuwo dome ƒomedodo kpakple mía kple Yehowa Mawu dome ƒomedodo me. Kristotɔ nyɔnu aɖe si léa blanui enuenu lɔ̃ ɖe edzi be: “Zi geɖe nyemelɔ̃na yia hadomewɔnawo wɔƒe ne wokpem o elabena mese le ɖokuinye me be nyemedze ade ha kple hamea me tɔwo o.” Aleke gbegbe seselelãme siawo ate ŋu agblẽ nu le ame ƒe agbe ŋui enye si! Nukae nàte ŋu awɔ anɔ te ɖe wo nu?

Te Ðe Yehowa Ŋu Kplikplikpli

Le Psalmo 73 la, Asaf ŋlɔ nu tso alesi dzi ɖe eƒoe ŋu kɔte. Esi wòtsɔ eƒe nɔnɔmea sɔ kple alesi nu dze edzi na ame vɔ̃ɖiwo le agbe mee la, ŋuʋaʋã ɖo eme. Ede dzesii be ame mavɔ̃mawuwo ƒoa adegbe hesẽa ŋuta, eye wòdze abe ɖe womexɔa eŋu tohehe o ene. Ena be Asaf ke ɖi asixɔxɔ si le nudzɔdzɔewɔwɔ ŋu le agbe me.—Psalmo 73:3-9, 13, 14.

Abe Asaf ene la, ɖe nèkpɔe be edze abe nu dzea edzi na ame vɔ̃ɖiwo, amesiwo tsɔa woƒe nuvɔ̃ɖiwɔwɔ ƒoa adegbeea? Aleke Asaf wɔ ɖu eƒe seselelãme manyomanyoawo dzi? Eyi edzi be: “Mebu tame, be madze si esia, hiãkame wònye le ŋkunye me, vaseɖe esime mege ɖe Mawu ƒe kɔkɔeƒe la, eye melé ŋku ɖe woƒe nuwuwu ŋu.” (Psalmo 73:16, 17) Asaf ɖe afɔ siwo me nunya le trɔ ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me. Be míazã nyagbe si apostolo Paulo va zã emegbe la, Asaf nyɔ “gbɔgbɔmeme” ɖe eɖokui me tsɔ ɖu “dzɔdzɔmeme” la dzi. Esi gbɔgbɔmenukpɔsusu yeye gbugbɔ su esi la, eva se egɔme be Yehowa lé fu vɔ̃ɖinyenye eye be le eƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, ahe to na ame vɔ̃ɖiwo.—Korintotɔwo I, 2:14, 15.

Aleke gbegbe wòle vevie enye si be nàɖe mɔ Biblia nakpe ɖe ŋuwò nàlé ŋku ɖe alesi agbe le ŋutɔŋutɔ la ŋu! Yehowa ɖoa ŋku edzi na mí be menye ɖe yemele nusiwo wɔm ame vɔ̃ɖiwo le la kpɔm o. Biblia fia nu be: “Migable mía ɖokui o; Mawu menana woɖoa hehe ɖe eta o! Elabena nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe. . . . Migana ɖeɖi nate mía ŋu le nu nyui wɔwɔ me o.” (Galatiatɔwo 6:7-9) Yehowa atsɔ ame vɔ̃ɖiwo aɖo “ɖiɖiƒe”; eye wòana “[woazu] anyiglãgo.” (Psalmo 73:18) Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye aɖu dzi godoo.

Gbɔgbɔmenu ɖuɖu edziedzi le Yehowa ƒe kplɔ̃ ŋu kple hadede nyui kple Mawu ƒe amewo akpe ɖe ŋuwò nàdo ŋusẽ wò xɔse ahaɖu dziɖeleameƒo alo seselelãme manyomanyo bubuwo dzi. (Hebritɔwo 10:25) Abe Asaf ene la, ne ènɔ Mawu ŋu kplikplikpli la, ate ŋu akpe ɖe ŋuwò lɔlɔ̃tɔe. Asaf yi edzi be: “Mele gbɔwò ɖaa, eye nèlé nye nuɖusi ɖe asi. Àkplɔm le wò aɖaŋudede la nu, eye emegbe àxɔm ɖe gbɔwò kple bubu.” (Psalmo 73:23, 24) Kristotɔ aɖe si ŋu wosẽ ŋuta le le eƒe ɖevime srɔ̃ nunya si le nya siawo me. Egblɔ be: “Hadede kplikplikpli kple hamea na nukpɔsusu bubu su asinye le agbe ŋu. Mekpɔe kɔte be Kristotɔ hamemegãwo lɔ̃a ame, be menye ameɖialawoe wonye o, ke wonye alẽkplɔlawo boŋ.” Ẽ, Kristotɔ hamemegã nublanuikpɔlawo wɔa akpa vevi aɖe le kpekpe ɖe amewo ŋu be woaɖe seselelãme gblẽnuwo ɖa me.—Yesaya 32:1, 2; Tesalonikatɔwo I, 2:7, 8.

Xɔ Yehowa ƒe Aɖaŋuɖoɖo

Barux, si nye nyagblɔɖila Yeremya ƒe agbalẽŋlɔla, ɖe hũ le alesi eƒe dɔdasia na wòxaxa le dzimee ta. Gake Yehowa he Barux ƒe susu va alesi nyaa le ŋutɔŋutɔ dzi. “Wòa nèbe, yeadi nu gãwoa? Megadi wo o; elabena Yehowa be: Mahe dzɔgbevɔ̃e ava ŋutilãwo katã dzi; ke mana wò agbe nazu aboyonu na wò le teƒe, siwo katã nayi.”—Yeremya 45:2-5.

Yehowa zã nyagbe siwo le tẽ tsɔ ɖe nu me na Barux be vuvu ɖe eya ŋutɔ ƒe nuwo didi ŋu gbɔe eƒe dziɖeleameƒoa tso. Dzi medzɔ Barux le dɔ si Mawu de eyama si wɔwɔ me esime wòvu ɖe nu gãwo didi na eɖokui ŋu le ɣeyiɣi ma ke me la o. Wò hã àte ŋu akpɔe be afɔ ŋutɔŋutɔ si wòle be nàɖe be nàɖu dziɖeleameƒo dzi enye be nàƒo asa na susuhenuwo ahakpɔ susu me ƒe akɔdzeanyi si tsoa mawumedzidzeme me.—Filipitɔwo 4:6, 7.

Ahosi Naomi mena nuxaxa ɖu edzi le Moab esime srɔ̃a kple viaŋutsu eveawo ku o. Gake eɖe dzesi be elé blanui ɣeyiɣi aɖe le eƒe nɔnɔme kple lɔ̃xoayɔvi eveawo tɔ ta. Esi Naomi nɔ mɔ dom wo la, egblɔ be: “Mia tɔ koe le veyem, elabena Yehowa do asi ɖe gbɔnye!” Azɔ hã esi wòɖo Betlexem la, ete gbe ɖe edzi be: “Migayɔm be Naomi [“Nusi Nyo Ŋunye”] o, hafi boŋ miyɔ Mara [“Nublanuitɔ”] nam; elabena ŋusẽkatãtɔ la do nublanuitɔm!”—Rut 1:13, 20.

Gake Naomi meɖe eɖokui ɖe aga—le Yehowa kple eƒe amewo ŋu—nɔ konyifafa dzi ɖaa o. Ese le Moab be “Yehowa kpɔ eƒe dukɔ la ɖa, eye wòna abolo wo.” (Rut 1:6) Ese egɔme be teƒe nyuitɔ kekeake si wòle be yeanɔe nye Yehowa kple eƒe amewo gbɔ. Eyata Naomi kple lɔ̃xoayɔvi Rut trɔ yi Yuda-nyigba dzi eye wòɖo aɖaŋu na Rut nyuie tso alesi wòle be wòawɔ nu ɖe woƒe ƒometɔ Boaz, si nye srɔ̃ɖia ŋui.

Nenema ke egbea la, nuteƒewɔla siwo srɔ̃wo ku la le te nɔm ɖe blanuilélea nu dzidzedzetɔe to gomekpɔkpɔ le Kristo-hamea me dɔwo me kutrikukutɔe me. Abe Naomi ene la, woyi edzi tsɔa ɖe le gbɔgbɔmenyawo me vevie, eye woxlẽa Mawu ƒe Nya gbesiagbe.

Mawumenunya Ŋudɔwɔwɔ me Viɖewo

Biblia me nuŋlɔɖi siawo na numekɔkɔ mí le alesi ame nate ŋu anɔ te ɖe dziɖeleameƒo me tsonuwo nui ŋu. Asaf di kpekpeɖeŋu le Yehowa ƒe avɔgbadɔ me eye wòtsɔ dzigbɔɖi kpɔ Yehowa sinui. Barux xɔ aɖaŋuɖoɖo heƒo asa na ŋutilãmenudidi ƒe susuhenuwo. Naomi ku kutri le Yehowa ƒe amewo dome, eye wòdzra ɖetugbi Rut ɖo ɖe eƒe mɔnukpɔkpɔwo le Mawu vavã la ƒe subɔsubɔdɔ me ŋu.—Korintotɔwo I, 4:7; Galatiatɔwo 5:26; 6:4.

Àte ŋu aɖu dziɖeleameƒo kple seselelãme manyomanyo bubuwo dzi to ŋugbledede le aʋadziɖuɖu siwo Yehowa na eƒe amewo, ame ɖekaɖekawo kple amehawo ŋu me. Le ema wɔwɔ me la, de ŋugble le lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake si Yehowa ɖe fia le tafea xexe ɖe tawò la ŋu. Lɔlɔ̃ vavãtɔ si Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa ɖena fiana la nedze ŋuwò. Na wò susu nanɔ agbe si nàva nɔ le Mawu ƒe xexe yeyea si le ŋgɔ gbɔna kpuie me la dzi. Eye neva eme be nàwɔ nu abe Asaf ene, amesi gblɔ be: “Nye la, Mawu ƒe gbɔnyenɔnɔ enye nye dzidzɔ; meɖo ŋu ɖe Aƒetɔ Yehowa ŋu, ne maxlẽ eƒe dɔwɔwɔwo katã afia.”—Psalmo 73:28.