Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Dutoƒolãmesẽfɔku Ɣaɣla Aɖe”

“Dutoƒolãmesẽfɔku Ɣaɣla Aɖe”

“Dutoƒolãmesẽfɔku Ɣaɣla Aɖe”

NUMEKUKU aɖe si wowɔ nyitsɔ laa le Internet dzi gbɔdɔdɔnyawo ŋu ɖee fia wòwɔ mo yaa be ame tsitsi siwo zãa Internet le United States la memama etɔ̃ ƒe akpa ɖeka de afisi gbɔdɔdɔnyawo nɔna le Internet dzi. Ame gbogbo aɖewo va le nu wɔm ɖe gbɔdɔdɔnya siwo woƒona ɖe wo nu le Internet dzi la nu. Ðk. Al Cooper si nye susuŋutinunyala si wɔ numekukua gblɔ be: “Esia nye dutoƒolãmesẽfɔku si le ta kekem vaseɖe afi aɖe, elabena ame ʋɛ aɖewo koe dea dzesii alo bunɛ nya vevii.”

Amekawo ŋu koŋue kɔmpiuta dzi gbɔdɔdɔnya siawo ate ŋu agblẽ nu le? Ðk. Cooper gblɔ be “woawoe nye Internet zãla siwo ɖu woƒe gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo dzi alo lé enu le woƒe agbe me katã” gake “wova ke ɖe gbɔdɔdɔ ŋu nya gbogbowo ŋu” le vome le Internet dzi.

Gake amesiwo lɔ̃a afisi gbɔdɔdɔnyawo nɔna le Internet dzi bunɛ be afɔku aɖeke mele eme o. Nenemaea? Abe alesi atikevɔ̃ɖizãla va lɔ̃a atike si zazã mae ene la, nenema ke amesiwo kɔmpiuta dzi gbɔdɔdɔnyawo kpɔkpɔ zu numame na wo dometɔ geɖe dia gbɔdɔdɔ ŋu nya “geɖe wu” le Internet dzi be woatsɔ aɖi kɔ na woƒe dzodzrowoe. Esia ate ŋu ade woƒe dɔwɔɖui kpakple woƒe ƒomedodo kple wo srɔ̃wo afɔku me gɔ̃ hã!

Gake susu geɖe li si ta wòle be amesiwo di be yewoadze Mawu ŋu ya natsri gbɔdɔdɔnyawo kpɔkpɔ le Internet dzi. Mawu ƒe Nya xlɔ̃ nu mí be: “Eyata miwu mia ŋutinu, siwo le anyigba dzi; ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, fiẽŋufiẽŋui, nudzodzro vɔ̃ kple ŋukeklẽ, si nye trɔ̃subɔsubɔ; nusiwo ta Mawu ƒe dziku va vi sẽtowo dzi ɖo.” (Kolosetɔwo 3:5, 6) Ele be ame natu lɔlɔ̃ sẽŋu ɖo na Yehowa Mawu ale be wòate ŋu ‘awu eƒe ŋutinuwo’ le gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃ gome. (Psalmo 97:10) Ne amea kpɔe be kɔmpiuta dzi gbɔdɔdɔ ŋu nyatakakawo ƒe dutoƒolãmesẽfɔkua le ŋusẽ kpɔm ɖe ye dzi la, ele be wòana eƒe lɔlɔ̃ na Yehowa nade to ɖe edzi to Mawu ƒe Nya, Biblia, sɔsrɔ̃ me. Hadede tuameɖo kple Yehowa Ðasefowo le Fiaɖuƒe Akpata si le wo gbɔ me ate ŋu akpe ɖe amea ŋu geɖe be wòado ŋusẽ eƒe tameɖoɖo kplikpaa be yeadze Mawu ŋu.