Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lé Ŋku Ðe Mawu Ƒe Dɔ Wɔnukuwo Ŋu

Lé Ŋku Ðe Mawu Ƒe Dɔ Wɔnukuwo Ŋu

Lé Ŋku Ðe Mawu Ƒe Dɔ Wɔnukuwo Ŋu

“Yehowa, nye Mawu, wò nukunu kple wò tamesusu, siwo nèɖe fia ɖe mía ŋu la, sɔ gbɔ. Naneke mede nuwò o!”—PSALMO 40:6.

1, 2. Mawu ƒe dɔ wɔnukuwo ƒe kpeɖodzi kawoe le mía si, eye nukae wòle be esia naʋã mí míawɔ?

NE ÈXLẼ Biblia la, àte ŋu akpɔe enumake be Mawu wɔ nukunu geɖe na eƒe blema dukɔ, Israel. (Yosua 3:5; Psalmo 106:7, 21, 22) Ne Yehowa megadea asi amegbetɔ ƒe nya me le mɔ ma nu fifia o hã la, míate ŋu akpɔ kpeɖodzi gbogbo aɖewo ku ɖe eƒe dɔ wɔnukuwo ŋu. Eyata esɔ be míawɔ ɖeka kple hakpala la agblɔ be: “Yehowa, wò dɔwɔwɔwo sɔ gbɔ loo! Èwɔ wo katã le nunya me; anyigba yɔ fũ kple wò nuwɔwɔwo.”—Psalmo 104:24; 148:1-5.

2 Egbea ame geɖe ŋea aɖaba ƒua Wɔla la ƒe dɔwɔnawo ƒe kpeɖodzi siawo siwo dze ƒã la dzi alo gbenɛ. (Romatɔwo 1:20) Gake anyo be míade ŋugble le wo ŋu ahanya akpa si míele kple míaƒe agbanɔamedzi le mía Wɔla la ŋkume. Hiob ta 38 vaseɖe 41 ate ŋu akpe ɖe mía ŋu nyuie le esia wɔwɔ me, elabena Yehowa he Hiob ƒe susu yi Eƒe dɔ wɔnukuwo ƒe akpa aɖewo dzii le afima. De ŋugble le nya vevi aɖewo siwo Mawu do ɖa ŋu kpɔ.

Dɔ Gã Wɔnukuwo

3. Abe alesi woŋlɔe ɖe Hiob 38:22, 23, 25-29 ene la, nukawo ŋue Mawu bia nya le?

3 Mawu bia Hiob ɣeaɖeɣi be: “Ðe nède afisi wodzra sno ɖo, eye nèkpɔ afisi woƒo dzikpewo nu ƒu ɖo, esiwo metu ɖo ɖe xaxaɣi, avuwɔgbe kple aʋakpegbe ŋua?” Le anyigbaa ƒe akpa geɖe la, sno kple dzikpewo nye nusi wokpɔna gbesiagbe. Mawu yi edzi gblɔ be: “Ameka ɖo toƒe na tsidzadza gãwo kple mɔ na dziɖegbe kple dzikedzo, ne tsi nadza ɖe anyigba, si dzi amegbetɔ mele o, kple gbedadaƒo, afisi ame aɖeke mele o, ne wòana tagba kple gbegbe naɖi kɔ, eye gbe mumu namie? Ðe fofo li na tsidzadza, eye zãmu ƒe tagegewo la, ameka dzi wo? Ameka ƒe dɔ mee tsi babla tso, eye ameka dzi dziƒo ƒe miãtsi bablawo?”—Hiob 38:22, 23, 25-29.

4-6. Gɔmesese ka nue amegbetɔ menya nu tso sno ŋu bliboe o?

4 Amesiwo le nuto siwo me vovo mele o me eye wòhiã be woazɔ mɔ la abu sno be enye kplamatsedonu. Ke hã, ame gbogbo aɖewo hã bua sno be enye tsidzɔƒe vevi aɖe kple nu dodzidzɔname si naa teƒewo nya kpɔna le vuvɔŋɔli me eye wòʋua dɔ tɔxɛwo wɔwɔ ƒe mɔnukpɔkpɔwo ɖi. Abe alesi Mawu bia ene la, ɖe míenya nu tso sno kple eƒe nɔnɔme gɔ̃ hã ŋu nyuiea? Míanya alesi sno si li kɔ ɖi nɔna ya, ɖewohĩ míekpɔe le foto me alo míekpɔe ŋutɔŋutɔ. Ke sno ƒe kakɛkakɛawo ya ɖe? Ènya alesi wolea, eye ɖe míeva lé ŋku ɖe wo ŋu kpɔ le afisi wotsonaa?

5 Ame aɖewo tsɔ ƒe geɖe le nu srɔ̃m hele fotowo ɖem sno kakɛwo. Tsikpe bɔbɔe alafa ɖeka siwo si nɔnɔme dzeani vovovowo le te ŋu nɔa sno kakɛ ɖeka ko me. Agbalẽ si nye Atmosphere gblɔ be: “Ame geɖe nya nyuie be sno kakɛwo le hamehame, eye togbɔ be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔ be dzɔdzɔmese aɖeke mexe mɔ be woƒe nɔnɔme naganɔ ɖeka o hã la, womekpɔ kakɛ eve siwo sɔ kple wo nɔewo kpɔ o. Wilson A. Bentley ye wɔ numekuku gã siwo wowɔ kpɔ la dometɔ ɖeka, amesi zã nusuekpɔmɔ̃ tsɔ nɔ sno kakɛwo me dzrom henɔ foto ɖem wo ƒe 40 sɔŋ gake mekpɔ eve siwo sɔ kple wo nɔewo tututu kpɔ o.” Eye ne edze abe ɖewo sɔ kple wo nɔewo, si mebɔ o, gɔ̃ hã la, ɖe ema atrɔ vovototo gbogbo wɔnuku si le sno kakɛwo me la ŋutɔŋutɔa?

6 Ðo ŋku nya si Mawu bia la dzi, be: ‘Ðe nède afisi wodzra sno ɖo kpɔa?’ Ame geɖe bunɛ be alilikpowoe nye sno tsoƒe alo wo dzraɖoƒe. Ðe nàte ŋu akpɔ ɖokuiwò le susu me be yeyi nudzraɖoƒe sia va le sno kakɛkakɛ gbogbo siwo le vovovo la xlẽm hele alesi wowɔ va dzɔ srɔ̃ma? Dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Nu vevi siwo le tsikpe me, siwo hiã ale be tsi gege siwo tso alilikpo me nate ŋu afa miamiamia aɖo dzidzenu Celsius -40° (-40°F) la ƒe nɔnɔme kple wo dzɔtsoƒe mele nyanya vaseɖe egbe o.”—Psalmo 147:16, 17; Yesaya 55:9, 10.

7. Afikae amegbetɔ nya nu tso tsidzadza ŋu se ɖo?

7 Ke tsidzadza ya ɖe? Mawu bia Hiob be: “Ðe fofo li na tsidzadza, eye zãmũ ƒe tagegewo la, ameka dzi wo?” Dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe numekugbalẽ ma ke gblɔ be: “Esi yame ƒe nɔnɔmewo gɔmesese sesẽ eye afu kpakple nu suesue hamehame geɖe ye le ya me ta la, edze abe manya wɔ be numeɖeɖe ɖeka aɖe koŋ nanɔ anyi le alesi alilikpo kple tsidzadza wɔna ŋu o ene.” Ne míagblɔe wòabɔbɔ wu la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ɖe nuwo me keŋ, gake womate ŋu aɖe alesi tsi wɔna dzana me wòakɔ bliboe o. Ke hã, ènyae be tsi si le vevie la dzana, edea tsi anyigbaa, enaa numiemiewo tsina, eye wònaa agbe nya nɔna hevivina.

8. Nukatae Paulo ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Dɔwɔwɔwo 14:17 la sɔ?

8 Ðe màlɔ̃ ɖe Paulo ƒe nyataƒonya dzi oa? Ede dzi ƒo na ame bubuwo be woalé ŋku ɖe nukunu siawo ŋu akpɔ Amesi wɔ wo ŋuti ɖaseɖiɖi. Paulo gblɔ le Yehowa Mawu ŋu be: “Medzudzɔ ɖaseɖiɖi le eɖokui ŋuti o, le esime wòwɔa nyui, eye wòna tsidzadza mí tso dziƒo kple nuƒãɣiwo, eye wòtsɔ nuɖuɖu kple dzidzɔ yɔ míaƒe dziwo me fũ.”—Dɔwɔwɔwo 14:17; Psalmo 147:8.

9. Aleke Mawu ƒe dɔ wɔnukuwo ɖea eƒe ŋusẽ gã fianae?

9 Ðikeke aɖeke mele eme o be nunya deŋgɔ kple ŋusẽ triakɔ le Amesi wɔ dɔ wɔnuku siawo siwo ɖea vi la si. Ku ɖe eƒe ŋusẽ ŋu la, bu nusia ŋu kpɔ: Wogblɔ be dzi ɖea gbe zi gbɔ zi 45,000 gbesiagbe, si wu miliɔn 16 ƒe sia ƒe. Esia fia be dzi si le gbe ɖem fifi laa ade 2,000. Ŋusẽ si le nuklia-bɔmb siwo woda le Xexemeʋa II me la teƒe ewo alo esi wu nenemae ɖoa alilikpo hamehame siwo nɔa dziɖegbe ɖeka me la me. Ŋusẽ ma ƒe ɖee nye dzikedzo sẽŋu si nèkpɔna. Tsɔ kpe ɖe alesi dzikedzo sẽŋuwo dzi ŋɔe ŋu la, wonaa kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ le nitrogen ƒomevi aɖewo siwo ɖoa anyigba me wòzua dzɔdzɔmenyigbanyonu si numiemiewo zãna la wɔwɔ me. Eyata dzikedzo nye ŋusẽ si woɖe fia, gake eɖea vi ŋutɔŋutɔwo hã.—Psalmo 104:14, 15.

Ŋusẽ Kae Wòkpɔna Ðe Dziwò?

10. Aleke nàɖo nyabiabia siwo le Hiob 38:33-38 la ŋui?

10 Tsɔe be wòe le Hiob teƒe, eye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la le nya biam wò. Ðewohĩ àlɔ̃ ɖe edzi be ame akpa gãtɔ meléa ŋku ɖe Mawu ƒe dɔ wɔnukuwo ŋu o. Yehowa le biabia siwo míexlẽ le Hiob 38:33-38 la biam mí. “Ènya dziƒo ƒe sewoa, alo wòe ɖoa eƒe dziɖuɖu ɖe anyigba dzia? Àte ŋu aɖe gbe na alilikpo be, tsi geɖe nanyẽ atsyɔ dziwòa? Àte ŋu adɔ dzikedzowo, eye woayi ava gblɔ na wò be: Míawoe nye esia? Ameka tsɔ nunya ɖo alilikpo tsiɖitsiɖi me, eye ameka na gɔmesese yamenuwo? Ameka tsɔ nunya xlẽ alilikpowoe, eye ameka trɔ dziƒotsigoewo ƒo ɖe anyi, ale be anyigba wɔ agbi heƒuna, eye anyikɔwo léna ɖe wo nɔewo ŋu?”

11, 12. Nukawoe ɖo kpe edzi be Mawu nye nukunuwo Wɔla?

11 Nya siwo dzi Elihu tɔ asii na Hiob la dometɔ ʋɛ aɖewo ko ŋue míeƒo nu tsoe eye míede dzesi nya aɖewo siwo ƒe ŋuɖoɖo Yehowa bia tso Hiob si “abe ŋutsu ene.” (Hiob 38:3) Míegblɔ be wo dometɔ “aɖewo” elabena le Hiob ta 38 kple 39 la, Mawu gahe susu yi nuwɔwɔ me nu ɖedzesi bubuwo dzi. Le kpɔɖeŋu me eyɔ ɣletivihatsotsowo. Amekae nya woƒe sewo, alo ɖoɖowo katã? (Hiob 38:31-33) Yehowa yɔ lã aɖewo na Hiob—dzata kple akpaviã, agamegbɔ̃ kple gbetedzi, gbenyitsu kple golo, kpakple sɔ si ŋu ŋusẽ le kple hɔ̃. Mawu to esia me nɔ Hiob biam nenye be eyae tsɔ lã vovovo siawo ƒe nɔnɔmewo na wo eye wòna woyia edzi nɔa agbe hetsina. Ðewohĩ ta siawo sɔsrɔ̃ avivi nuwò, vevietɔ ne sɔwo alo lã bubuwo ƒe nu dzɔa dzi na wò.—Psalmo 50:10, 11.

12 Àte ŋu adzro Hiob ta 40 kple 41 lia hã me, afisi Yehowa gabia tso Hiob si be wòaɖo nya si wòbiae le nuwɔwɔ eve aɖewo koŋ ŋu la ŋuti. Míenya be lã siawoe nye tɔmenyi (Behemot), si lolo hesesẽ, kple Nile-tɔsisi me lo (Leviatan) dziŋɔ la. Wo dometɔ ɖesiaɖe nye nuwɔwɔ me nuwɔnuku le mɔ aɖe nu eye wòdze be míalé ŋku ɖe wo ŋu. Mina míakpɔ nyata siwo míate ŋu aƒo ɖa.

13. Ŋusẽ kae nya siwo Mawu bia Hiob la kpɔ ɖe edzi, eye aleke wòle be esia naka míi?

13 Hiob ta 42 lia fia dɔ si Mawu ƒe nyabiabiawo wɔ ɖe Hiob dzi la mí. Do ŋgɔ la, Hiob bu eɖokui kple ame bubuwo ŋu fũ akpa. Gake esi Hiob xɔ ɖɔɖɔɖo si le Mawu ƒe biabiawo me la, etrɔ alesi wònɔ tame bumee. Eʋu eme be: “Azɔ menyae be, [wò Yehowa] àte ŋu awɔ nuwo katã, eye nusi nèɖo la, mesesẽna na wò o. Ameka tsɔa numanyamanya tsyɔa adaŋudede dzia? Eyata megblɔ nya, siwo gɔme nyemese o, kple nusiwo kɔ wum, eye nyemedze si wo o la.” (Hiob 42:2, 3) Ẽ, esi Hiob lé ŋku ɖe Mawu ƒe nukunuwo ŋu vɔ la, egblɔ be nu ʋɛ siawo wɔ nuku na ye ŋutɔ. Ele be xexemewɔwɔ me nukunu siwo me míedzro kpuie la nana Mawu ƒe nunya kple ŋusẽ nawɔ dɔ ɖe míawo hã dzi nenema ke. Be míawɔ nuka? Ðe míana Yehowa ƒe ŋusẽ triakɔ kple ŋutete nawɔ dɔ ɖe mía dzi dzro koa? Alo ɖe wòle be wòaʋã mí wu ema?

14. Aleke Dawid wɔ nu ɖe Mawu ƒe dɔ wɔnukuwo ŋui?

14 Le Psalmo 86 lia me la, míekpɔ nyagbɔgblɔ siwo do ƒome kple esia si Dawid gblɔ, amesi gblɔ le hadzidzi aɖe me do ŋgɔ be: “Dziƒowo le Mawu ƒe bubu xlẽm fia, eye dziŋgɔli le gbeƒã ɖem eƒe asinudɔwɔwɔ. Ŋkeke dea gbe asi na ŋkeke, eye zã toa nya na zã.” (Psalmo 19:2, 3) Gake Dawid gblɔ nya bubuwo kpee. Míexlẽ le Psalmo 86:10, 11 be: “Èlolo, eye nèwɔa nukunuwo; wò ɖeɖe koe nye Mawu. Yehowa, fia wò mɔm, ne mazɔ le wò nyateƒe la me; tsɔ nye dzi ɖo nu ɖeka kolia ŋu, ne mavɔ̃ wò ŋkɔ!” Bubu deto nɔ Dawid me na Wɔla la tsɔ kpe ɖe vɔvɔ̃ si nɔ eme ɖe Eƒe nu klitsuwo kple nu wɔnukuwo ŋu la ŋuti. Àte ŋu akpɔ nusitae wònɔ alea. Dawid medi be yeawɔ nusi madze Amesi te ŋu wɔ nu wɔnuku siawo la ŋu o. Eye mele be míawo hã míana míaƒe nu nagblẽ eŋu o.

15. Nukatae mawuvɔvɔ̃ ƒe bubu si nɔ Dawid me la sɔ?

15 Anɔ eme hã be Dawid kpɔe dze sii be esi ŋusẽ triakɔ le Mawu si si ŋudɔ wòwɔna ta la, ate ŋu azã nusiawo ɖe amesiame si medze axɔ eƒe amenuveve o ŋu. Nu dziŋɔ aɖee esia nye na wo. Mawu bia Hiob be: “Ðe nède afisi wodzra sno ɖo, eye nèkpɔ afisi woƒo dzikpewo nu ƒu ɖo, esiwo metu ɖo ɖe xaxaɣi, avuwɔgbe kple aʋakpegbe ŋua?” Sno, dzikpewo, ahom, ya, kple dzikedzo katã le Mawu si wòate ŋu azã. Eye dzɔdzɔmeŋusẽ triakɔ ka gbegbee nye si nusiawo nye!—Hiob 38:22, 23.

16, 17. Nukae ɖe ŋusẽ triakɔ si le Mawu si la fia, eye aleke wozã ŋusẽ mae le blema?

16 Ðewohĩ èɖo ŋku afɔku aɖewo siwo nusiawo dometɔ aɖewo he vɛ le miaƒe nutoa me dzi—eɖanye ahom sesẽ, dzikpewo, alo tsiɖɔɖɔ gãwo o. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1999 ƒe nuwuwu lɔƒo la, ahom sesẽwo tu le anyieheɣetoɖoƒe Europa. Ewɔ nuku na yame ƒe nɔnɔme ŋuti nunyalawo gɔ̃ hã. Ya ƒo sesĩe ɖo kilometa 200 le gaƒoƒo ɖeka me, eklo xɔ akpe geɖe tame, emu elektrikti gãwo, eye wòmu ʋu gãwo ƒu anyi. Dze agbagba nàkpɔ nusia le susu me: Ahom la ho ati siwo ade miliɔn 270 alo ŋe wo ɖe eve, eye atiawo dometɔ 10,000 nɔ Versailles si te ɖe Paris ŋu la ƒe modzakaɖebɔ la ɖeɖeko me. Elektrikŋusẽ meganɔ aƒe miliɔn geɖe me o. Amesiwo ku la de 100 kloe. Ahom si tu ɣeyiɣi kpui aɖee wɔ nusiawo katã. Ŋusẽ ka gbegbee nye si!

17 Ame aɖe ate ŋu agblɔ be ahom nye amenuɖianu si gblẽa nusianu eye womete ŋu léa enu o. Ke nukae ate ŋu adzɔ ne Ŋusẽkatãtɔ si wɔa nu dziŋɔwo la ɖoe koŋ zã ŋusẽ siawo ɖe nane ŋu tẽ? Ewɔ nusia tɔgbe le Abraham, amesi se be anyigba katã ƒe Ʋɔnudrɔ̃la la lé ŋku ɖe du eve siwo nye Sodom kple Gomora ƒe vɔ̃ɖinyenye ŋu la, ƒe ɣeyiɣia me. Wo me tɔwo gblẽ ale gbegbe be konyifafa ɖe wo ta ɖo Mawu, amesi kpe ɖe ame dzɔdzɔewo katã ŋu wote ŋu si le du siwo woɖe be woatsrɔ̃ la me, gbɔ. Ŋutinyamenuŋlɔɖi gblɔ be: “Eye Yehowa na aŋɔ kple dzo dza tso dziƒo tso Yehowa gbɔ” ɖe blemadu mawo dzi. Ema nye Mawu ƒe dɔ wɔnuku, si nye ame dzɔdzɔewo ta kpɔkpɔ kple ame vɔ̃ɖi siwo meganyo na naneke wɔwɔ o tsɔtsrɔ̃.—Mose I, 19:24.

18. Nu wɔnuku kawo ŋue Yesaya ta 25 ƒo nu le?

18 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Mawu drɔ̃ ʋɔnu blemadu si nye Babilon, si anye du si ŋu Yesaya ta 25 lia ƒo nu tsoe. Mawu gblɔe ɖi be du ma ava zu aƒedo: “Èna du la zu anyiglãgo, eye mɔ̃ sesẽ la zu glikpo, du bubu me tɔwo ƒe fiasã maganye du o, eye womagatui akpɔ gbeɖegbeɖe o.” (Yesaya 25:2) Egbeŋkekea me tsaɖila siwo dea afisi blema Babilon nɔ tsã ate ŋu aɖo kpe edzi be nya sia va eme. Ðe Babilon ƒe tsɔtsrɔ̃a nye nudogoɖenunu aɖe koa? Ao. Míate ŋu alɔ̃ ɖe alesi Yesaya gblɔe boŋ dzi be: “Yehowa, nye Mawu nènye, mado wò ɖe dzi, eye makafu wò ŋkɔ! Elabena èwɔ nukunuwo, wò gbaɖegbe tameɖoɖowo nye nyateƒe, eye wometrɔna o!”—Yesaya 25:1.

Nukunuwo le Etsɔme

19, 20. Yesaya 25:6-8 me vava kae míate ŋu akpɔ mɔ na?

19 Mawue na nyagblɔɖi si dze le etame la va eme le blema, eye agawɔ nu nukutɔe le etsɔme. Míekpɔ nyagblɔɖi aɖe si ŋu kakaɖedzi le si meva eme haɖe o le nya siwo le afisi Yesaya ƒo nu tso Mawu ƒe “nukunuwo” ŋu le la me, abe alesi tututu ʋɔnu si wodrɔ̃ Babilon va eme ene. ‘Nukunu’ kae wogblɔ ɖi? Yesaya 25:6 gblɔ be: “Yehowa Zebaot atsɔ nuɖuɖu damiwo kple wein, siwo ɖo ƒã la, atu aglo na dukɔwo katã ɖe to sia dzi; nuɖuɖuawo da ami, eye ƒuto me mi le wo me, weinawo ɖo ƒã, eye wo me dza.”

20 Nyagblɔɖi ma ava eme godoo le xexe yeye si ŋugbe Mawu do si gogo ŋutɔ la me. Ɣemaɣi la, ameƒomea avo tso kuxi siwo ɖe kpe na ame geɖe la me. Le nyateƒe me la, nyagblɔɖi si le Yesaya 25:7, 8 ɖo kpe edzi be Mawu azã eƒe ŋusẽ si wòtsɔ wɔa nui la awɔ nukunu siwo ƒo ɖesiaɖe ta la dometɔ ɖeka: “Ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me, eye wòaɖe eƒe dɔlawo ƒe ŋukpe ɖa tso anyigba blibo la dzi. Elabena Yehowa ye gblɔe.” Apostolo Paulo yɔ nya tso nya sia me emegbe hetsɔe sɔ kple agbe si Mawu agbɔ ame kukuwo, si nye ame kukuwo ƒe tsitretsitsia. Nukunu ka gbegbee nye si wòanye!—Korintotɔwo I, 15:51-54.

21. Nukunu kae Mawu awɔ na ame kukuwo?

21 Nu bubu si ta konyifafa maganɔ anyi o enye be woaɖe amegbetɔwo ƒe ŋutilãmedɔlélewo ɖa. Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, eda dɔ na ame geɖeena ŋkuagbãtɔwo kpɔ nu, tokunɔwo se nu, eye ŋusẽ ɖo nuwɔametɔwo ŋu. Yohanes 5:5-9 gblɔ be eyɔ dɔ ŋutsu aɖe si nye xɔdrɔ̃ ƒe 38 sɔŋ. Ewɔ mo yaa na eteƒekpɔlawo, alo wobui nukunui. Eye nukunue wònye hã! Gake Yesu gblɔ na wo be nusi agawɔ nuku wue nye yeƒe ame kukuwo fɔfɔ ɖe tsitre: “Esia megawɔ mo yaa na mi o; elabena gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le yɔdowo me la, woase eƒe gbe; eye amesiwo wɔ nu nyuiwo la, woado go hena agbe ƒe tsitretsitsi.”—Yohanes 5:28, 29.

22. Nukatae mɔkpɔkpɔ ate ŋu anɔ amesiwo da ahe hekpea fu la si?

22 Esia ava eme godoo elabena Yehowa ye do ŋugbea. Kakaɖedzi nenɔ asiwò be ne ewɔ eƒe ŋusẽ gã la ŋudɔ hezãe nyuie ɖe nane ŋu la, emetsonua awɔ nuku. Psalmo 72 lia gblɔ nusi wòawɔ to Via, si nye Fia dzi. Ekema ame dzɔdzɔe amie. Ŋutifafa anɔ afisiafi. Mawu aɖe amesiwo da ahe hekpea fu. Edo ŋugbe be: “Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame, eƒe agblemenuwo ado zi abe [blema] Libanon ene, eye woaƒo se le duwo me abe gbe le anyigba dzi ene.”—Psalmo 72:16.

23. Nukae wòle be Mawu ƒe dɔ wɔnukuwo naʋã mí míawɔ?

23 Edze ƒã be susu li si ta wòle be míalé ŋku ɖe Yehowa ƒe nukunuwo katã ŋu—nusiwo wòwɔ va yi, nusi wɔm wòle egbea, kple nusi wòava wɔ le etsɔme si gbɔna kpuie. “Woakafu Yehowa Mawu, Israel ƒe Mawu la, amesi ɖeɖe ko wɔ nukunuwo! Woakafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la tegbee! Eƒe bubu ayɔ anyigba blibo la dzi fũ! Nenɔ alea, ẽ, nenɔ alea!” (Psalmo 72:18, 19) Ele be ema nanye nusi míatsɔ aɖo dzee na míaƒe ƒometɔwo kple ame bubuwo edziedzi dzonɔamemetɔe. Ẽ, mina “[míagblɔ] eƒe ŋutikɔkɔe fia le dukɔwo dome kple eƒe nukunuwo le anyigba dzi tɔwo katã dome!”—Psalmo 78:3, 4; 96:3, 4.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Aleke nya siwo wobia Hiob la ɖo kpe amegbetɔ ƒe nunya ƒe seɖoƒe dzii?

• Mawu ƒe dɔ wɔnukuwo ƒe kpɔɖeŋu siwo ŋu woƒo nu tsoe le Hiob ta 37-41 la dometɔ kawoe wɔ dɔ ɖe dziwò?

• Aleke wòle be nàwɔ nui esi míede ŋugble le Mawu ƒe dɔ wɔnukuwo dometɔ aɖewo ŋu vɔ megbe?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Nya ta kae nàƒo tso sno kakɛkakɛ hamehame si wɔ nuku la kple dzikedzo ƒe ŋusẽ triakɔa ŋu?

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

snowcrystals.net

[Nɔnɔmetata siwo le axa 13]

Na be Mawu ƒe dɔ wɔnukuwo nanye nusi ŋu nèɖoa dze le ɣesiaɣi