Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mikpɔ Nukunuwo Wɔla La Ða!

Mikpɔ Nukunuwo Wɔla La Ða!

Mikpɔ Nukunuwo Wɔla La Ða!

“Zi ɖoɖoe, eye nalé ŋku ɖe Mawu ƒe nukunuwo ŋu!”—HIOB 37:14.

1, 2. Le ƒe 1922 me la, nu wɔnuku ka ŋue woke ɖo, eye aleke wowɔ nu ɖe eŋui?

BLEMATOMENUKULA la kple Englandtɔ bubume la tsɔ ƒe geɖe wɔ dɔ aduadu le kesinɔnua didi me. Mlɔeba, le November 26, 1922, dzi la, blematomenukula Howard Carter kple Aƒetɔ Carnarvon woke ɖe nusi dim wonɔ ŋu le Egipte-fiawo ɖiƒe si le Fiawo ƒe Bali xɔŋkɔa menusi wokpɔ lae nye Farao Tutankhamen ƒe yɔdo. Esi woɖo ʋɔtru aɖe si nu wotre gbɔ la, woɖe do ɖe eme. Carter si bosomikaɖi hege ɖe eme.

2 Carter gblɔ emegbe be: “Esi Aƒetɔ Carnarvon tsi dzi vevie be yeakpɔ nusi ŋu míeke ɖo ta la, ebia be, ‘Èkpɔ nanea?’ ɖe medze agbagba ŋutɔ hafi te ŋu gblɔ be, ‘Ẽ, mekpɔ nu wɔnukuwo.’” Amekukuɖaka si wotsɔ sika wɔe la nɔ kesinɔnu akpe geɖe siwo nɔ afima la dome. Ðewohĩ ànya kpɔ “nu wɔnuku” mawo dometɔ aɖewo le fotowo me alo le blemanudzraɖoƒe. Ke hã, aleke ke nu mawo siwo le blemanudzraɖoƒe awɔ nukui o, ƒomedodo aɖeke manɔ wo kple wò agbenɔnɔ dome o. Eyata mina míatrɔ ɖe nu wɔnuku siwo ka wò eye asixɔxɔ le wo ŋu na wò godoo la ŋu.

3. Afikae míakpɔ nu wɔnuku siwo ŋu asixɔxɔ ate ŋu anɔ na mí ŋuti nyatakakawo le?

3 Le kpɔɖeŋu me, bu ŋutsu aɖe si nɔ agbe ƒe alafa geɖe enye si va yi ŋu kpɔ, ŋutsu aɖe si ɖe dzesi wu egbegbe sinema me fefewɔla xɔŋkɔ, kamedefefewɔlagã, alo fiaƒomewo me tɔ ɖesiaɖe. Wogblɔ be enye amesi ɖo kpo ɖe Ɣedzeƒeviwo katã dzi. Ànya eƒe ŋkɔ—eyae nye Hiob. Woŋlɔ Biblia-gbalẽ aɖe me nyawo katã ku ɖe eŋu. Ke hã Hiob ŋɔlimetɔ aɖe si nye ɖekakpui Elihu kpɔe be ehiã be yeaɖɔe ɖo. Ne míagblɔe la, Elihu gblɔ be Hiob nɔ nu ƒom tso eɖokui kple amesiwo nɔ eŋu la ŋu akpa. Le Hiob ta 37 me la, míakpɔ aɖaŋuɖoɖo aɖewo siwo le tẽ si me nunya le eye asixɔxɔ ŋutɔŋutɔ le eŋu na mí.—Hiob 1:1-3; 32:1–33:12.

4. Nukae na Elihu gblɔ nuxlɔ̃amenya si woŋlɔ ɖe Hiob 37:14?

4 Hiob ƒe alakpaxɔlɔ̃ etɔ̃awo gblɔ nya geɖe le nusiwo me wobu be Hiob wɔ vodada le le tamesusu alo le nuwɔna me la ŋu. (Hiob 15:1-6, 16; 22:5-10) Elihu lala dzigbɔɖitɔe vaseɖe esime dzeɖoɖo ma wu enu. Emegbe eƒo nu le gɔmesese kple nunya me. Egblɔ nya geɖe siwo ŋu asixɔxɔ le, gake de dzesi nya vevi sia: “Hiob, lé to ɖe esia ŋu, zi ɖoɖoe, eye nalé ŋku ɖe Mawu ƒe nukunuwo ŋu!”—Hiob 37:14.

Amesi Wɔ Dɔawo

5. Nuka ŋue ‘Mawu ƒe dɔ wɔnuku’ siwo ŋu Elihu ƒo nu tsoe la ku ɖo?

5 De dzesii be Elihu megblɔ be Hiob nalé ŋku ɖe eya Hiob ŋutɔ, ye Elihu, alo amegbetɔ bubu aɖeke ŋu o. Elihu de dzi ƒo na Hiobkple míawo hãnunyatɔe be míalé ŋku ɖe Yehowa Mawu ƒe dɔ wɔnukuwo ŋu. Nukae nèsusu be nyagbe ‘Mawu ƒe dɔ wɔnukuwo’ la lɔ ɖe eme? Gawu la, esi ɖewohĩ nètsia dzi ɖe lãmesẽ, ganyawo, etsɔme, wò ƒomea, wò dɔwɔhatiwo, kple wò aƒelikawo ŋu la, nukatae wòle be nàgalé ŋku ɖe nusiwo Mawu wɔ hã ŋu? Ðikeke mele eŋu o be, Yehowa Mawu ƒe nukunuwo ku ɖe eƒe nunya kple ŋusẽ si wòkpɔ ɖe nuwɔwɔ siwo wokpɔna siwo ƒo xlã mí dzi ŋu. (Nexemya 9:6; Psalmo 24:1; 104:24; 136:5, 6) Be míalé ŋku ɖe esia ŋu nyuie la, de dzesi nya aɖe le Yosua ƒe agbalẽa me.

6, 7. (a) Nu wɔnuku kawoe Yehowa wɔ le Mose kple Yosua ƒe ŋkekeawo me? (b) Nenye be ɖe nèkpɔ esiawo dometɔ aɖe teƒe le Mose kple Yosua ƒe ɣeyiɣiawo me la, aleke nàwɔ nu ɖe eŋui?

6 Yehowa he fuwɔamewo va blema Egipte dzi eye emegbe wòma Ƒudzĩa me ale be Mose nate ŋu akplɔ blema Israel-viwo ayi ablɔɖe mee. (Mose II, 7:1–14:31; Psalmo 106:7, 21, 22) Wogblɔ nudzɔdzɔ sia tɔgbe ɖe Yosua ta 3 lia me. Ele na Yosua, amesi va xɔ ɖe Mose teƒe, be wòakplɔ Mawu ƒe amewo atso tɔ bubu ayi ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi. Yosua gblɔ be: “Mikɔ mia ɖokui ŋu, elabena etsɔ la Yehowa le nukunu wɔ ge le mia dome.” (Yosua 3:5) Nukunu kawoe?

7 Nuŋlɔɖia gblɔ be Yehowa ta mɔ to tsi aɖe, si nye Yordan-tɔsisia, si nye mɔxenu me ale be ŋutsu, nyɔnu, kple ɖevi akpe alafa geɖe nate ŋu ato ƒuƒuiƒe atsoe. (Yosua 3:7-17) Ne ɖe míenɔ afima nɔ eteƒe kpɔm esime tɔsisia me ma eye ame mawo tso tɔa dedie la, alesi nudzɔdzɔ sia wɔ nukui la awɔ dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ! Eɖe ŋusẽ si Mawu kpɔ ɖe nuwɔwɔwo dzi fia. Ke hã nanewo li fifi laa—le míaƒe agbenɔɣi—siwo hã wɔ nuku nenema ke. Be míakpɔ nukunu siawo dometɔ aɖewo kple nusitae wòle be míalé ŋku ɖe wo ŋu la, de ŋugble le Hiob 37:5-7 ŋu kpɔ.

8, 9. Nu wɔnuku kawo ŋue Hiob 37:5-7 ƒo nu tsoe, gake nukatae wòle be míabu wo ŋu?

8 Elihu gblɔ be: “Mawu ɖea gbe nukutɔe, ewɔa nu gã, si mele nyanya me o.” Nukae nɔ susu me na Elihu le alesi Mawu wɔa nuwo “nukutɔe” ŋu? Eƒo nu tso sno kple tsidzadza ŋu. Nusiawo ɖoa asi agbledela ƒe dɔwɔwɔ le eƒe agble me dzi si nana wòkpɔa ɣeyiɣi dea ŋugble le Mawu ƒe dɔwɔwɔwo ŋu. Ðewohĩ menye agbledelawoe míenye o, gake tsidzadza kple sno ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi. Le anyigba ƒe akpa si míele ta la, sno kple tsidzadza ate ŋu axe mɔ ɖe míawo hã míaƒe dɔwɔnawo nu. Ðe míegbɔa dzi ɖi dea ŋugble le amesi wɔ nukunu siawo kple nusi esia fia ŋua? Ewɔ esia kpɔa?

9 Abe alesi míexlẽ le Hiob ta 38 lia me ene la, eɖe dzesi be Yehowa Mawu ŋutɔ zã nya ma tɔgbe esime wònɔ biabia wɔdɔɖeamedziwo biam Hiob. Togbɔ be Hiob ye mía Wɔla la bia nya siawoe hã la, edze ƒã be woku ɖe míaƒe nɔnɔme, míaƒe anyinɔnɔ, kple míaƒe etsɔme ŋu. Eyata mina míalé ŋku ɖe nya siwo Mawu bia ŋu, eye mina míabu nusi wofia ŋu kpɔ, ẽ, mina míawɔ nusi Hiob 37:14 de dzi ƒo na mí be míawɔ la.

10. Ŋusẽ kae wòle be Hiob ta 38 nakpɔ ɖe mía dzi, eye biabia kawo wòfɔ ɖe te?

10 Ta 38 dze egɔme be: “Yehowa ɖo ŋu na Hiob le dziya me gblɔ bena: Amekae tsɔ nuƒoƒo, si nunya aɖeke mele eme o la, blu aɖaŋuɖoɖo mee? Tso, nasa avɔ ɖe ali abe ŋutsu ene; mabia nya wò, eye nafia num!” (Hiob 38:1-3) Aleae wòdze egɔmee. Ekpe ɖe Hiob ŋu wòɖɔ eƒe tamebubu ɖo hekpɔe be xexeame Wɔla la ŋkumee yetsi tre ɖo eye be eyae yeabu akɔnta na. Esia hã nye nu nyui aɖe na mí kple mía ŋɔlimetɔwo be míawɔ. Emegbe Mawu ƒo nu tso nusiwo ŋu Elihu ƒo nu tsoe la tɔgbe ŋu. “Afika nènɔ, esime meɖo anyigba gɔme anyi? Ne nunya le tagbɔ na wò la, ekema gblɔe! Ameka ɖo eƒe dzidzeme? Ènyae tso! Alo ameka da dzidzeka nɛ? Nuka dzi woɖo egɔme anyi ɖo, eye ameka ɖo eƒe dzogoedzikpe?”—Hiob 38:4-6.

11. Nuka gɔmee wòle be Hiob 38:4-6 nana míase?

11 Afikae Hiob nɔafikae mía dometɔ ɖesiaɖe nɔesime anyigba dzɔ? Míawoe wɔ míaƒe anyigba la ƒe nɔnɔme hekpɔ nɔnɔme ma dzi tsɔ dzidzenu ta eƒe akpa vovovoawoea? Gbeɖegbeɖe! Amegbetɔwo menɔ anyi ɣemaɣi gɔ̃ hã o. Mawu tsɔ míaƒe anyigba la sɔ kple xɔ aɖe hebia be: ‘Amekae ɖo eƒe dzogoedzikpe?’ Míenya be wotsɔ anyigbaa ɖo teƒe si sɔ tututu tso míaƒe ɣea gbɔ ale be míate ŋu anɔ agbe ahatsi. Eye eƒe lolome hã sɔ pɛpɛpɛ. Ne ɖe anyigbaa galolo wu la, anye ne ya si nye haidrodzin atsi míaƒe yamenutoa me eye agbe mate ŋu anɔ míaƒe ɣletinyigbaa dzi o. Edze ƒã be, ame aɖee “ɖo eƒe dzogoedzikpe” ɖe teƒe nyuitɔ. Hiob ye dze na kafukafua ɖe esia ta? Míawoe dze nɛa? Alo Yehowa Mawu boŋue?—Lododowo 3:19; Yeremya 10:12.

Amegbetɔ Kae Ate Ŋu Aɖo Wo Ŋu?

12. Nuka ŋue biabia si le Hiob 38:6 na míebuna?

12 Mawu bia hã be: “Nuka dzi woɖo egɔme anyi ɖo?” Ðe ema menye nyabiabia nyui aɖe oa? Ðewohĩ míenya nya aɖe si Hiob menya o—eyae nye nuheŋusẽ. Mía dometɔ akpa gãtɔ míese egɔme be nuheŋusẽ si tso ɣe si lolo ŋutɔ gbɔ lae lé míaƒe anyigba la ɖe enɔƒe, eye eƒe anyinɔwo ƒo ke ɖe to, le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ me. Ke hã, amekae se nuheŋusẽ ƒe dɔwɔwɔ me bliboe?

13, 14. (a) Nuka dzie wòle be míalɔ̃ ɖo le nuheŋusẽ ŋu? (b) Aleke wòle be míawɔ nui ɖe nɔnɔme si woɖe fia le Hiob 38:6 me ŋu?

13 Agbalẽ aɖe si wota nyitsɔ laa si ƒe tanyae nye The Universe Explained gblɔ be ‘nuheŋusẽ nye dzɔdzɔmeŋusẽ si ŋu míenya nu tsoe wu, gake eya gɔmee míete ŋu sena kura o.’ Egblɔ kpee be: “Edze abe nuheŋusẽ zɔa yamenutoa me enumake ene, eye medzena be nane dzie wòtona wɔa esia o. Gake le ƒe siawo me la, dzɔdzɔmeŋusẽŋununyalawo va le ebum be anye be yameŋusẽ si me nu suesue siwo woyɔna be graviton le mee nuheŋusẽa tona . . . Gake ame aɖeke meka ɖe nu suesue siawo ƒe anyinɔnɔ dzi o.” Bu nusi nya ma fia ŋu kpɔ.

14 Dzɔdzɔmeŋutinunya tsɔ ƒe 3,000 sɔŋ wɔ ŋgɔyiyi tso esime Yehowa bia nya mawo Hiob. Gake míawo loo alo dzɔdzɔmeŋusẽŋununyalawo mate ŋu aɖe nuheŋusẽ, si léa míaƒe anyigba la ɖe afisi sɔ, afisi wòle be wòanɔ be míate ŋu anɔ agbe le edzi me bliboe o. (Hiob 26:7; Yesaya 45:18) Esia mefia be ele be mí katã míadze agbagba ɖesiaɖe ake ɖe nuheŋusẽ ŋuti nya ɣaɣla ɖesiaɖe ŋu o. Ke boŋ ele be ŋkuléle ɖe Mawu ƒe dɔ wɔnukuwo ƒe akpa sia gɔ̃ hã ŋu nakpɔ ŋusẽ ɖe alesi nèbunɛ dzi. Ðe nèvɔ̃a eyama hedea bubu eƒe nunya kple sidzedze ŋu geɖe wu, eye wòna nègakpɔa alesi wòhiã be nàsrɔ̃ nu geɖe wu tso eƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ ŋu la dze sii ɖe edzia?

15-17. (a) Nuka dzie Hiob 38:8-11 he susu yi, eye biabia kawo wòfɔ ɖe te? (b) Nuka dzie wòle be míalɔ̃ ɖo ku ɖe atsiaƒuwo kple afisi wole le anyigba dzi ŋuti nunya ŋu?

15 Wɔla la yi eƒe nyabiabia dzi be: “Ameka tsɔ ʋɔtruwo xe mɔ na atsiaƒu, esime wòdo tso vidzidɔ me? Esime metsyɔ alilikpo nɛ, eye medzii goŋgoŋ ɖe blukɔ me, meɖo liƒo nɛ, eye mede gameti kple agbo enu hegblɔ bena: Afii nava se ɖo, eye màyi ŋgɔ o; eye afii wò tsotsoe kpakawo aƒo ɖoa?”—Hiob 38:8-11.

16 Mɔxexe na atsiaƒu la ku ɖe anyigbagãwo, atsiaƒugãwo, kple ƒutsotsoewo ŋu. Ɣeyiɣi didi kae amegbetɔ tsɔ lé ŋku ɖe nusiawo ŋu hesrɔ̃ nu tso wo ŋu? Ƒe akpe geɖewo—eye wolé ŋku ɖe eŋu vevie le ƒe alafa si va yi la me. Àkpɔe le susu me be ele be woake ɖe nusiwo míate ŋu anya tso wo ŋu la ŋuti fifia. Ke hã, le ƒe 2001 sia me la, ne èzã numekunu gbogbo siwo le xexeame ƒe agbalẽdzraɖoƒe gãwo alo nèzã Internet tsɔ ku nya sia me nyuie be yeakpɔ nya yeye siwo gado la, nuka ŋue nàke ɖo?

17 Àkpɔ nya sia si numekugbalẽ aɖe si dzi ame geɖe da asi ɖo gblɔ la be: “Nusiwo nye kuxi sesẽtɔ kekeake le dzɔdzɔmeŋutinunya me numekuku kple nususukpɔ me ɣeyiɣi didi aɖee nye sia la ƒe ɖewoe nye ɖoɖo si nu anyigbagãwo kple atsiaƒuwo le le anyigba dzi kpakple anyigba ƒe nɔnɔme hamehamewo.” Esi numekugbalẽa gblɔ nya sia megbe la, egblɔ nya ene siwo ate ŋu anye numeɖeɖewo gake egagblɔ be wonye “nususukpɔ geɖeawo dometɔ aɖewo.” Abe alesi nànyae ene la, nususukpɔ “fia numeɖeɖe si ŋu kpeɖodzi mele o si ate ŋu atrɔ.”

18. Nya kae Hiob 38:8-11 ana nàgblɔ?

18 Ðe esia meɖee fia be nyabiabia si míexlẽ le Hiob 38:8-11 la sɔ ɖe ɣeyiɣia nu oa? Le nyateƒe me la, menye míawoe axɔ ɖoɖowɔwɔ ɖe míaƒe ɣletinyigba sia dzi nuwo ŋu ƒe kafukafu o. Menye míawoe tsɔ ɣletia ɖo afisi wòle ale be eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi wɔnɛ be ƒutsotsoewo megblẽa nu le míaƒe nɔƒe loo alo mía ŋutɔwo ŋu o. Ènya amesi wɔe, nukunuwo Wɔla lae.—Psalmo 33:7; 89:10; Lododowo 8:29; Dɔwɔwɔwo 4:24; Nyaɖeɖefia 14:7.

Tsɔ Kafukafu si Dze na Yehowa

19. Nukawo gbɔe hakpanya siwo le Hiob 38:12-14 he míaƒe susu yii?

19 Amegbetɔwo mate ŋu axɔ kafukafu ɖe anyigbaa ƒe totro si ŋuti woƒo nu tsoe le Hiob 38:12-14 la na wo ɖokui o. Anyigbaa ƒe totro siae naa agu dzena le ŋdi me wòdzea ani. Ne ɣe le dzedzem la, míaƒe anyigba la ƒe akpa vovovowo kple nɔnɔmewo dzena nyuie wu, abe tsu bɔbɔe si wotsɔ de nu te be eƒe nɔnɔme naɖe ɖe eŋu ene. Ne míebu anyigbaa ƒe zɔɖeɖe ŋu kpɔ vie ko hã la, ele be wòawɔ nuku na mí be anyigbaa metrona kabakaba akpa, si ahe afɔku vɛ, abe alesi míakpɔe ene o. Eye metrona blewu akpa hã ale be ŋkeke kple zã didina wu wòhea dzoxɔxɔ kple vuvɔ si ana agbe manya nɔ na amegbetɔ o la vɛ o. Le nyateƒe me la, ele be wòadzɔ dzi na mí be Mawue ɖo anyigbaa ƒe zɔɖeɖe, ke menye amegbetɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖekee o.—Psalmo 148:1-5.

20. Aleke nàɖo nya si wobia le Hiob 38:16, 18 la ŋui?

20 Fifia tsɔe be Mawu gabia nya bubu siawo wò be: “Ðe nède atsiaƒu dzɔƒe, eye nèzɔ egɔme kpɔa?” Atsiaƒuŋutinunyala gɔ̃ hã mate ŋu aɖo nya sia ŋu wòade edeƒe o! “Èkpɔ anyigbaa ƒe kekemea? Ne ènya nusiawo katã la, gblɔe!” (Hiob 38:16, 18) Èɖi tsa yi anyigbaa ƒe teƒe ɖesiaɖe, alo eƒe teƒe siawo dometɔ geɖe gɔ̃ hã kpɔa? Agbenɔɣi nenie ŋkuléle ɖe teƒe dzeaniwo kple míaƒe anyigba dzi nu wɔnukuwo ŋu axɔ? Eye agbenɔɣi dodzidzɔname kawoe nye si woanye!

21. (a) Dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe nukpɔsusu kawo biabia siwo le Hiob 38:19 ate ŋu afɔ ɖe te? (b) Nukae wòle be kekeli ŋu nyateƒea naʋã mí míawɔ?

21 Lé ŋku ɖe biabia vevi siwo le Hiob 38:19 hã ŋu kpɔ: “Kekeli gbɔ mɔ ɖe, eye afika nye viviti ƒe nɔƒe.” Ðewohĩ ènya be ɣeyiɣi didi aɖee nye sia si woxɔe se be kekeli zɔna abe ƒutsotsoe ene, abe tsiblaka si míekpɔna le ta me ene. Gake le ƒe 1905 me la, Albert Einstein ɖe nu me be kekeli wɔa nu abe ŋusẽ ƒe bablawo, alo nu suesuewo ene. Ðe esia kpɔ nyaa gbɔa? Numekugbalẽ aɖe bia nyitsɔ laa be: “Nusi zɔna abe ƒutsotsoe ene ye kekeli nye loo alo ŋusẽ ƒe akpa suesuewoe?” Agbalẽa ɖo eŋu be: “Edze abe [kekeli] mate ŋu anye evea siaa o ene elabena nu eve mawo [nusi zɔna abe ƒutsotsoe ene kple ŋusẽ ƒe akpa suesuewo] to vovo sã na wo nɔewo. Ŋuɖoɖo nyuitɔe nye be kekeli menye wo dometɔ aɖeke o.” Ke hã, ɣe ƒe keklẽ yia edzi dea dzo lãme na mí (to mɔ si le tẽ kple esi mele tẽ o dzi) ne amegbetɔ aɖeke mete ŋu ɖe Mawu ƒe dɔwo me bliboe le go sia me o hã. Míekpɔa nuɖuɖu kple ɔksidzin le keklẽ si ŋudɔ numiemiewo wɔna ta. Míate ŋu axlẽ nu, akpɔ míaƒe lɔlɔ̃tɔwo ŋkume, akpɔ ɣe ƒe amigogbagba, kple nu bubuwo. Ne míele nusiawo wɔm la, ɖe mele be míalɔ̃ ɖe edzi be Mawu ƒe nuwɔwɔwo wɔ nuku oa?—Psalmo 104:1, 2; 145:5; Yesaya 45:7; Yeremya 31:35.

22. Aleke Dawid si nɔ anyi le blema wɔ nu ɖe Mawu ƒe dɔ wɔnukuwo ŋui?

22 Ðe taɖodzinu si le míaƒe ŋugbledede le Yehowa ƒe nukudɔwo ŋu la koe nye be wòawɔ dɔ ɖe mía dzi, abe ɖe wo katã na vɔvɔ̃ ɖo mí alo na míaƒe nu ku ene, dzro koa? Ao. Blema hakpala la lɔ̃ ɖe alesi Mawu ƒe dɔwo katã gɔme menya sena eye nu menya ƒona le wo ŋu o la dzi. Dawid ŋlɔ be: ‘Yehowa, nye Mawu, wò nukunu siwo nèɖe fia la, sɔ gbɔ. Mebe, matsɔ wo aɖe gbeƒãe, eye maƒo nu le wo ŋu, ke womele xexlẽ me o.’ (Psalmo 40:6) Ke hã, menye ɖe wònɔ gbɔgblɔm be yeazi ɖoɖoe le dɔ gã siawo ŋu o. Dawid ɖe esia fia le eƒe tameɖoɖo kplikpaa si wòɖe gblɔ le Psalmo 9:2 me be: “Makafu Yehowa tso dzi blibo me, eye maxlẽ wò nukunuwɔwɔwo katã afia.”

23. Aleke nèwɔa nui ɖe Mawu ƒe dɔ wɔnukuwo ŋui, eye aleke nàte ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋui?

23 Ðe mele be esia naʋã mí nenema ke oa? Ðe mele be alesi Mawu ƒe dɔ gãwo wɔ nukui na mí naʋã mí be míaƒo nu tso eyama ŋu, tso nusi wòwɔ ŋu, kple tso nusi wògbɔna wɔwɔ ge ŋu oa? Ŋuɖoɖoa dze ƒã—ele be “[míaxlẽ] eƒe ŋutikɔkɔe fia le dukɔwo dome kple eƒe nukunuwo le anyigba dzi tɔwo katã dome!” (Psalmo 96:3-5) Ẽ, míate ŋu aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe nukunuwɔwɔwo ŋu afia to nusiwo míesrɔ̃ tso eyama ŋu la gbɔgblɔ na ame bubuwo me. Ne amesiwo mexɔa Wɔla la dzi se o domee wonɔ tsi hã la, nyatakaka siwo míagblɔ nyuie la ate ŋu anyɔ woƒe ɖetsɔleme ɖe Mawu ŋu. Gawu la, ate ŋu aʋã wo woadi be yewoasrɔ̃ nu tso amesi “wɔ nuwo katã,” nukunuwo Wɔla, Yehowa, ŋu ahasubɔe.—Nyaɖeɖefia 4:11.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Mawu ƒe dɔ kawo ŋue nuxlɔ̃ame si woŋlɔ ɖe Hiob 37:14 kpe ɖe ŋuwò be nède ŋugble le?

• Nukawo ŋue woƒo nu tsoe le Hiob ta 37 kple 38 me siwo me dzɔdzɔmeŋutinunya mete ŋu ɖe keŋkeŋ o?

• Aleke nèsena le ɖokuiwò me ɖe Mawu ƒe nukunuwo ŋu, eye nukae woʋãa wò be nàwɔ?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ameka xe mɔ na atsiaƒu, heɖo seɖoƒe nɛ?

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Amekae ɖi tsa yi míaƒe anyigba ƒe teƒe dzeaniwo katã, si Mawu wɔ la kpɔ?