Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Xexeame Katã ƒe Habɔbɔ aɖe si Me Tɔwo Léa Be Na Wo Nɔewo

Xexeame Katã ƒe Habɔbɔ aɖe si Me Tɔwo Léa Be Na Wo Nɔewo

Xexeame Katã ƒe Habɔbɔ aɖe si Me Tɔwo Léa Be Na Wo Nɔewo

WOATE ŋu akpɔ amewo va ɖo adzɔge ʋĩ ke. Wo dometɔ geɖewo nye ame tsitsiwo, siwo dometɔ aɖewo ŋu nu te ale gbegbe be womegate ŋu le zɔzɔm o. Funɔwo kple srɔ̃tɔ siwo ƒe srɔ̃ɖeɖe teƒe medidi o, siwo wo vi suewo kplɔ ɖo le wo dome. Sitsoƒedilawoe wo katã wonye—ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo—amesiwo dukɔmeviʋa, dzɔdzɔmefɔkuwo, kple nudzɔdzɔ bubuwo zii ɖe wo dzi be woasi tso wo de ayi dukɔ si tsɔ ɖe wo gbɔ me. Wozii ɖe wo dometɔ aɖewo dzi be woadzo le wo nɔƒewo edziedzi. Le dukɔ me zitɔtɔ alo dzɔdzɔmefɔku ƒe dzesi gbãtɔ kpɔkpɔ me ko la, woƒoa aƒemenuzazã ʋɛ aɖewo nu ƒu, kplɔa wo viwo, eye woɖoa ta teƒe si le dedie wu. Emegbe, ne nuwo dze akɔ anyi la, sitsoƒedila geɖewo trɔna gbɔna va dzraa woƒe aƒewo ɖo gadzea agbe gɔme yeyee ake.

Le ƒe siwo va yi me la, Central African Republic ʋu eƒe ʋɔtruwo ɖi na sitsoƒedilawo tso dukɔ geɖe me. Nyitsɔ laa la, eva hiã na ame akpe geɖewo, siwo dome Yehowa Ðasefo geɖewo hã nɔ be woasi le Democratic Republic of Congo, si ŋu aʋawɔwɔ gblẽ nu le la ayi Central African Republic si fa vie me.

Nɔviwo Kpe Ðe Wo Ŋu

Ðasefo siwo le Central African Republic bui mɔnukpɔkpɔe be yewoawɔ ɖoɖo ɖe kpekpeɖeŋu nana wo ŋu. Wodi xɔ na nɔvi Kristotɔ siwo va ɖo. Gbã la, wokpɔ xɔ le amewo ƒe aƒewo me, gake esi sitsoƒedilawo ƒe xexlẽme va nɔ dzidzim ɖe edzi la, eva dze ƒã be ɖoɖo si keke ta wu hiã. Wotrɔ Fiaɖuƒe Akpata aɖewo zu dɔƒewoe. Ðasefo siwo le nutoa me tsɔ wo ɖokui na de akaɖi yeyewo, wɔ pɔmpiwo, eye wode siminti xɔwo me hena amesiwo ava nɔ wo me la ƒe dzidzeme. Sitsoƒedilaawo wɔ dɔ aduadu kple nutoa me nɔviwo le dɔƒe siawo siwo woanɔ tutu me. Wowɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo katã ƒe ɖoɖo na wo le Lingala-gbe me ale be woana gbɔgbɔmenuɖuɖu si léa ame ɖe te vavalawo. Dɔwɔwɔ aduadu si le nutoa me Ðasefowo kple woƒe amedzrowo dome ɖee fia be nu ŋutɔŋutɔe dukɔwo dome nɔviwo ƒe habɔbɔa nye.

Sitsoƒedilawo ƒe ƒomewo meva ɖona ɖekae o. Ɣeaɖewoɣi la, ƒometɔ siwo dome klã la va doa go le woƒe dzeƒewo. Woŋlɔa amesiwo va ɖo dedie ƒe ŋkɔwo ɖe agbalẽ me le Fiaɖuƒe Akpata ɖesiaɖe me. Wowɔa ɖoɖo be woadi amesiwo bu la. Alɔdzedɔwɔƒe si kpɔa Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi le dukɔa me ɖoa ʋu etɔ̃ ɖa gbesiagbe be woakpe ɖe Ðasefo siwo kpɔtɔ le mɔ dzi la ŋu eye woadi wo dometɔ siwo abu hã. Dzesi gã aɖe si xlẽ be “GBETAKPƆXƆ—Yehowa Ðasefowo” nɔa ʋuawo ŋu.

Bu dzidzɔ si wònye esi ƒuƒoƒo si me ɖevi sitsoƒedila adre siwo kple wo dzilawo dome klã nɔ la kpɔ ʋu si nye Yehowa Ðasefowo tɔ ɖa. Woƒu du yi ʋua gbɔ enumake eye woɖe wo ɖokui fia be Ðasefowoe yewonye. Nɔviawo kpe ɖe wo ŋu woge ɖe ʋua me eye wokplɔ wo va Fiaɖuƒe Akpata aɖe me, afisi wo kple woƒe ƒometɔwo wogava do go le mlɔeba.

Nukae kpe ɖe Kristotɔ anukwaretɔ siawo ŋu be wote ŋu nɔ te ɖe nudzɔdzɔ siawo nu, menye zi ɖeka o, ke boŋ enuenu? Woka ɖe edzi bliboe be míele ŋkeke mamlɛawo me abe alesi wogblɔe ɖi le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me ene.—Timoteo II, 3:1-5; Nyaɖeɖefia 6:3-8.

Eyata wonya be madidi o Yehowa Mawu atsi aʋawɔwɔ, fuléle, ŋutasesẽnuwɔwɔ, kple dzrewɔwɔ nu. Aʋasisi azu gbaɖegbe nya. Gake hafi ne ɣemaɣi naɖo la, Yehowa Ðasefowo dzea agbagba be yewoalé be na yewo nɔewo, le ɖekawɔwɔ me kple apostolo Paulo ƒe nuxlɔ̃ame si le Korintotɔwo I, 12:14-26. Togbɔ be tɔsisiwo, liƒowo, gbegbɔgblɔwo ma wo me eye wo dome didi tso wo nɔewo gbɔ hã la, wotsɔa ɖe le eme na wo nɔewo, eyata wotsona kpla ne hiã tu wo dometɔ aɖe.—Yakobo 1:22-27.

[Anyigbatata si le axa 30]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

AFRIKA

Central African Republic

Democratic Republic of Congo

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Mountain High Maps® Copyright © 1997 Digital Wisdom, Inc.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 30]

Wotrɔ Fiaɖuƒe Akpata etɔ̃ zu amedzroxɔƒewoe

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Wotu dzodoƒewo enumake

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Sitsoƒedila geɖewo va ɖo

[Nɔnɔmetata siwo le axa 31]

Fifi laa ko wodzi wo gake wozu sitsoƒedilawo xoxo