Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋgɔyiyi Alesi Yehowa Dii Ye Nye Míaƒe Ŋusẽ Kple Dzidzɔ

Ŋgɔyiyi Alesi Yehowa Dii Ye Nye Míaƒe Ŋusẽ Kple Dzidzɔ

Agbemeŋutinya

Ŋgɔyiyi Alesi Yehowa Dii Ye Nye Míaƒe Ŋusẽ Kple Dzidzɔ

ABE ALESI LUIGGI D. VALENTINO GBLƆE ENE

Yehowa xlɔ̃ nu mí lɔlɔ̃tɔe be: “Mɔ la enye si, mito edzi!” (Yesaya 30:21) Nuxlɔ̃ame sia dzi wɔwɔ nye nye taɖodzinu tso ɣeyiɣi si me ke mexɔ nyɔnyrɔ ƒe 60 enye sia. Dzinyelawo, amesiwo ʋu tso Italy va tsi Cleveland, Ohio, U.S.A., le ƒe 1921 mee ɖo kpɔɖeŋu nam tso nye ɖevime ke le taɖodzinu sia ɖoɖo me. Afisiae wonyi mí wo vi etɔ̃awo le—mía kple fonye Mike kpakple ƒenye Lydia.

DZINYELAWO ku nu me le subɔsubɔha vovovowo ŋu gake mlɔeba ɖeko dzi va ɖe le wo ƒo. Ke gbeɖeka le ƒe 1932 me la, Papa ɖo to radio dzi wɔna aɖe le Italygbe me. Yehowa Ðasefowoe nɔ nu ƒom le radio la dzi, eye nya si Papa se la dzɔ dzi nɛ. Eŋlɔ agbalẽ bia numeɖeɖe bubuwo, eye Ðasefo aɖe si nye Italytɔ tso Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã le Brooklyn, New York, va srã mí kpɔ. Le dzeɖoɖo dodzidzɔname aɖe si yi edzi vaseɖe esime ŋu ke me la, dzinyelawo kpɔe be yewoke ɖe subɔsubɔha vavãtɔ ŋu.

Papa kple Dada dze Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede gɔme eye wotsɔa dzidzɔ naa dzeƒe dzikpɔla mɔzɔlawoe. Togbɔ be ɖevi sue ko menye ɣemaɣi hã la, ŋutsu siawo ɖea mɔ nam mekplɔa wo ɖo le gbeƒãɖeɖedɔa me eye wona medze ɣeyiɣiawo katã tsɔtsɔ subɔ Yehowae ŋu bubu gɔme. Mɔzɔla siawo dometɔ ɖekae nye Carey W. Barber, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me tɔ fifia. Eteƒe medidi kura hafi mexɔ nyɔnyrɔ le February 1941 me, esime mexɔ ƒe 14 o, eye le ƒe 1944 me la, medze mɔɖeɖedɔa gɔme le Cleveland. Mike kple Lydia hã xɔ Biblia ƒe nyateƒea. Mike subɔ Yehowa vaseɖe eƒe ku me, eye Lydia kplɔ srɔ̃a Harold Weidner ɖo ƒe 28 sɔŋ le mɔzɔzɔdɔa me. Egbea wogale ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ tɔxɛa me.

Gaxɔmenɔnɔ Do Ŋusẽm Megaɖoe Kplikpaa be Mayi Ŋgɔ

Le ƒe 1945 ƒe gɔmedzedze la, wodem game le Chillicothe Gaxɔ si le Ohio la me ɖe esi nye dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee ʋãm be mawɔ nu wòasɔ ɖe Yesaya 2:4 me nyawo si gblɔ be woatsɔ yiwo atu kodziwoe nu ta. Ɣeaɖeɣi la, Yehowa Ðasefowo ƒe Biblia-srɔ̃gbalẽ ʋɛ aɖewo koe gaxɔdzikpɔlaawo ɖe mɔ be wòanɔ gamenɔla siwo nye Ðasefowo si. Gake Ðasefo siwo tso hame aɖe si tsɔ ɖe afima me kpe ɖe wo ŋu. Wova daa agbalẽ ʋɛ aɖewo ɖe gbeme le gaxɔa gbɔ ɣeaɖewoɣi. Ŋufɔke ne wokplɔ gamenɔlawo yi ɖe teƒe siwo woawɔ dɔ le la, wodia agbalẽawo eye wodzea agbagba woɖona gaxɔa me. Esime meva ɖo gaa me la, woɖe mɔ na mí míexɔa agbalẽ geɖe wu. Gake togbɔ be ele nenema hã la, mesrɔ̃ alesi wòle be mabu gbɔgbɔmenuɖuɖu si Yehowa nana nu xɔasii wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe—enye nusɔsrɔ̃ aɖe si dzi megaɖoa ŋkui kokoko ɣesiaɣi si mexɔ Gbetakpɔxɔ alo Nyɔ! yeye aɖe.

Togbɔ be woɖe mɔ na mí be míawɔ hamea ƒe kpekpewo le gaxɔa me hã la, womeɖe mɔ na amesiwo menye Ðasefowo o ya be woava o. Ke hã gaxɔdzikpɔla kple gamenɔla aɖewo bena vana, eye wo dometɔ ʋɛ aɖewo va xɔ nyateƒea gɔ̃ hã. (Dɔwɔwɔwo 16:30-34) Nɔviŋutsu A. H. Macmillan ƒe sasrãkpɔwo fa akɔ na mí ŋutɔ. Ekana ɖe edzi na mí ɣesiaɣi be ɣeyiɣi si míetsɔ le gamee la menye dzodzro o elabena ena hehe mí na dɔ siwo wova de asi na mí emegbe wɔwɔ. Nɔviŋutsu tsitsi lɔlɔ̃ ma ƒe nuwɔna wɔ dɔ ɖe nye dzi dzi ŋutɔ eye wòna megaɖoe kplikpaa wu be mazɔ Yehowa ƒe mɔ la dzi.

Mekpɔ Zɔhɛ

Xexemeʋa II ke, woɖe mí le game, eye megayi ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa si nye mɔɖeɖedɔa wɔwɔ dzi. Gake fofonye ku le ƒe 1947 me. Eyata mewɔ ŋutilãmedɔ bene matsɔ akpɔ ƒomea dzii eye meva nya lãme hehe na ame hã—amehehe sia va kpe ɖe mía ŋu le ɣeyiɣi sesẽ aɖe si me mía kple srɔ̃nye míeto le ƒe 30 megbe la me. Gake medzo kpo to nya aɖewo dzi. Gbã la, mina magblɔ srɔ̃nye ŋu nya na mi.

Ŋdɔ aɖe me le ƒe 1949 me, esime menɔ Fiaɖuƒe Akpata me la, ame aɖe ƒo ka. Metsɔ telefon la eye mese gbe vivi aɖe le edzi be: “Ŋkɔnyee nye Christine Genchur. Yehowa Ðasefoe menye. Meʋu va Cleveland be madi dɔ aɖe awɔ, eye mele hame si me manɔ dim.” Eƒe aƒeme didi tso afisi míaƒe Fiaɖuƒe Akpata le, gake eƒe gbe vivi la nya se nam, eyata meɖɔ míaƒe akpataa ƒe mɔ nɛ eye mede dzi ƒo nɛ be wòadze agbagba ava Kwasiɖagbe—gbemagbe maƒo dutoƒonuƒo. Esi Kwasiɖagbea ɖo la, nyee nye ame gbãtɔ ɖo Fiaɖuƒe Akpataa me, gake nɔvinyɔnu amedzro aɖeke meva o. Esime menɔ nua ƒom katã la, menɔa mɔa nu kpɔm, gake ame aɖeke meva nenema o. Eƒe ŋufɔke meƒo ka nɛ, eye wògblɔ be yemenya ʋuɖoƒeawo tututu haɖe o. Eyata metsɔe ɖo ɖokuinye dzi be mía kplii míado go ne maɖe nuwo me nɛ nyuie.

Mese be esi edzilawo, amesiwo ʋu tso Czechoslovakia va, xlẽ agbalẽ si nye Where Are the Dead? (Afikae Ame Kukuwo Le?) vɔ la, wodze hadede gɔme kple Biblia Nusrɔ̃viwo. Edzilawo xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1935 me. Le ƒe 1938 me la, Christine fofo zu ƒuƒoƒo subɔla (si míeyɔna fifia be dzikpɔla zimenɔla) le Yehowa Ðasefowo ƒe hame si le Clymer, Pennsylvania, U.S.A. me, eye le ƒe 1947 me, esime Christine xɔ ƒe 16 la, exɔ nyɔnyrɔ. Eteƒe medidi hafi ɖetugbi dzetugbe sia si tsia dzi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu ƒe nu lé dzi nam o. Míeɖe mía nɔewo le June 24, 1950, dzi, eye tso ɣemaɣi ke la, Christine nye nye zɔhɛ wɔnuteƒe si lɔ̃na faa tsɔa Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ ɣesiaɣi. Meda akpe na Yehowa be zɔhɛ zazɛ̃ sia lɔ̃ míeɖe mía nɔewo.—Lododowo 31:10.

Nu Wɔnuku Aɖe

Míedze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme ɖekae le November 1, 1951, dzi. Ƒe eve megbe le takpekpe aɖe si míewɔ le Toledo, Ohio, me la, Nɔviŋutsu Hugo Riemer kple Albert Schroeder ƒo nu na mɔɖelawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si me tɔwo wòdzɔa dzi na be yewoawɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa. Míawo hã míenɔ amesiawo dome. Wode dzi ƒo na mí be míayi mɔɖeɖedɔa dzi le Cleveland, gake le ɣleti si kplɔe ɖo ko me la, míexɔ nane si míenɔ mɔ kpɔm na kura o—wokpe mí be míava de Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe klass 23 lia si adze egɔme le February 1954 me!

Esi míeku ʋu yina ɖe Gilead Sukua si nɔ South Lansing, New York, ɣemaɣi la, vɔvɔ̃ ɖo Christine ale gbegbe be wònɔa gbɔgblɔ dzi nam be, “Ku ʋua blewu!” Meɖo eŋu nɛ be: “Tatam ko ʋua anɔ ne megakui blewu wu esia, Christine.” Gake esi míeva ɖo sukukpoa dzi vɔ la, eteƒe medidi hafi míaƒe dzi dze eme o. Nɔviŋutsu Nathan Knorr do dzaa na mí sukuviawo eye wòkplɔ mí ɖi tsae le kpoa dzi. Eɖe alesi wòle be míalé be na tsi kple elektrikŋusẽ hã me na mí, eye wòte gbe ɖe edzi be nuwo domemagblẽmagblẽ nye nɔnɔme nyui aɖe si wòle be wòanɔ ame si le beléle na Fiaɖuƒenuwo me. Eƒe aɖaŋuɖoɖo ma tsi susu me na mí. Míegazãnɛ kokoko.

Míeɖo Yameʋu Yi Rio

Eteƒe medidi o míewu suku nu eye le December 10, 1954, dzi la, míeɖo yameʋu le New York City, afisi vuvɔ wɔna le eye wònye dzidzɔ na mí be míayi dɔ yeye si wode asi na mí la wɔƒe le Rio de Janeiro, Brazil, afisi ŋdɔ ʋuna le sesĩe. Peter kple Billie Carrbello siwo hã nye dutanyanyuigblɔlawo ɖo yameʋua kpli mí. Gaƒoƒo 24 ye wòle be míanɔ yameʋua me ne míebu ɣeyiɣi siwo míatsɔ atɔ ɖe Puerto Rico, Venezuela, kple Belém le Brazil ƒe dziehe hã de eme hafi. Gake le yameʋua ƒe mɔ̃ ƒe fuɖeɖe ta exɔ gaƒoƒo 36 hafi míekpɔ Rio de Janeiro ɖaa le mía te. Gake enye du dzeani ale gbegbe! Dua me kaɖiwo nɔ dzo dam abe alesi woada lotamekpe ɖe kuntru yibɔ dzi ene, eye dzinuɖiɖia ƒe keklẽ miaa la nɔ dzedzem le Guanabara ƒe Adɔ̃ la me tsiwo dzi.

Betel-ƒomea me tɔ geɖe nɔ mía lalam le yameʋudzeƒea. Wodo dzaa na mí lɔlɔ̃tɔe, emegbe woku mí yi alɔdzedɔwɔƒeae, eye míemlɔ anyi fɔŋli ga etɔ̃ me lɔƒo. Le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko megbe la, ŋdi ga la ƒo nyɔ mí tsɔ ɖo ŋku edzi na mí be míedze míaƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ƒe ŋkeke gbãtɔ gɔme!

Nane si Míesrɔ̃ Gbã

Eteƒe medidi o míesrɔ̃ nu vevi aɖe. Míesrã Ðasefowo ƒe ƒome aɖe kpɔ fiẽsi aɖe. Esi míedi be míatrɔ ayi alɔdzedɔwɔƒea la, míaƒe aƒetɔ gbe be, “Ao, migadzo o; tsi le dzadzam,” eye wòdze agbagba be yeade dzi ƒo na mí be míatsi adɔ. Megblɔ ɖekematsɔlemetɔe tsɔ tsi eƒe nyaa nu be: “Tsi dzana le afisi míetso va hã.” Eye míelɔe ɖe eme dzo.

Esi towo ƒo xlã Rio ta la, kaka tsi nadza ko tsia xa ɖe dua me xoxo, eye zi geɖe enaa tsi ɖɔna ɖe dua me. Le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me tsia ɖo klo nu na mí. Esi míegogo alɔdzedɔwɔƒea la, tsia trɔ zu tɔsisi wɔadã gã aɖe si ɖo akɔta na mí. Míeƒo tsi nyuie hafi va ɖo Betel mlɔeba. Lãme mekɔ na Christine kura ŋufɔke o; ŋudza sesẽ aɖe [typhoid] dze edzi, si gbã lãme nɛ ɣeyiɣi didi aɖe ŋutɔ. Ðeko wòle be mí amesiwo nye dutanyanyuigblɔla yeyewo míase Ðasefo kpɔnuteƒe siwo le afima ƒe nya hafi.

Afɔɖeɖe Gbãtɔwo le Dutanyanyuigbɔgblɔ Kple Mɔzɔzɔ Dɔa Me

Le gɔmedzedze wɔnublanui sia megbe la, míetsɔ didi vevie dze míaƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa gɔmee. Míexlẽa míaƒe gbeƒãɖeɖea si woŋlɔ ɖe Portugalgbe me na mí la na amesiame si míedo goe, eye ewɔ abe mí ame evea míaƒe ŋgɔyiyi sɔ ene. Aƒemenɔla aɖewo gblɔna na Christine be: “Mele wò nyawo ya me sem, gake nyemele amesia ya tɔ me sem o,” eye woanɔ asi fiamem. Bubuwo hã gblɔna nam be: “Mesea wò ya wò nyawo me, gake nyemesea srɔ̃wò tɔ me o.” Togbɔ be ele nenema hã la, edzɔ dzi na mí be míete ŋu xɔ Gbetakpɔxɔ nudɔdɔ siwo wu 100 le kwasiɖa ʋɛ gbãtɔ mawo me. Le nyateƒe me, míaƒe Biblia-nusrɔ̃vi geɖe xɔ nyɔnyrɔ le ƒe gbãtɔ si míeva Brazil me, eye esia na míekpɔ alesi gbegbe dutanyanyuigbɔgblɔdɔ sia gbɔna dzidzedze kpɔ gee.

Le ƒe 1950-awo ƒe titina la, dzikpɔla mɔzɔlawo mesrãa hame geɖe siwo nɔ Brazil la kpɔna o le nɔviŋutsu siwo dze ƒe agbɔmasɔmasɔ ta. Eyata togbɔ be meganɔa Portugalgbea srɔ̃m eye nyemeƒo dutoƒonuƒo le eme kpɔ o hã la, wode dɔ asi nam be mawɔ nutome sue dzikpɔdɔ le São Paulo nutome le ƒe 1956 me.

Esi nutome sue dzikpɔla meva srã hame gbãtɔ si me míeyi kpɔ o ƒe evee nye ma ta la, amesiame nɔ mɔkpɔkpɔ me vevie na dutoƒonuƒoa sese. Esi menɔ nuƒoa dzram ɖo la, melã Portugalgbe me Gbetakpɔxɔ me nyatiwo klã ɖe agbalẽ ɖeɖee dzi. Kwasiɖa ma gbe Fiaɖuƒe Akpata me yɔ tititi. Amewo nɔ nuƒolanɔƒea gɔ̃ hã, wo katã wole mɔ kpɔm na wɔna vevi la. Nuƒoa, alo magblɔ boŋ be nuxexlẽa, dze egɔme. Ne ewɔ sẽ la, mefɔa kɔ dzi kpɔ eye ewɔ nuku nam be màkpɔ ame aɖeke ƒe ʋaʋã o, ɖeviwo gɔ̃ hã li kpoo. Wo katã wonɔ kpɔyem dũ. Megblɔ ɖe tame be: ‘Ɛhɛ̃, nye pɛ ya gale Portugalgbe dom nyuie alea! Ameawo le to ɖom ŋutɔ.’ Le ƒe aɖewo megbe esi megava srã hame ma kpɔ la, nɔvi aɖe si nɔ anyi le sasrãkpɔ gbãtɔ ma me biam be: “Èɖo ŋku dutoƒonuƒo ma si nèƒo dzia? Míese emenya ɖeka pɛ hã me o.” Meʋu eme nɛ be nye ŋutɔ hã nyemese nu geɖe me le nuƒo ma me o.

Ƒe gbãtɔ ma mexlẽ Zaxarya 4:6 zi geɖe le nutome sue dɔa wɔwɔ me. Emenya siwo nye ‘Mava me to ŋusẽ me o, ke boŋ to nye gbɔgbɔ dzi,’ naa meɖoa ŋku edzi be Yehowa ƒe gbɔgbɔ la ta koe Fiaɖuƒedɔa le ŋgɔ yim. Eye eyi ŋgɔ hã togbɔ be edze ƒã be gbɔdzɔgbɔdzɔwo nɔ mía ŋu hã.

Kuxiwo Kple Yayrawo le Dɔa Wɔwɔ Me

Nutome sue dɔa wɔwɔ fia be ele be nàtsɔ agbalẽŋlɔmɔ̃, agbalẽgo siwo agbalẽ yɔ, mɔzɔɖakawo, kple akplowo ɖe asi anɔ tsatsamee le dukɔa me. Christine wɔ nusi me nunya le be wòŋlɔ xexlẽdzesi ɖe míaƒe agbawo dzi bene magaŋlɔ naneke be ne míetsɔ du le míaƒe agbawo ɖemee tso ʋu ɖeka me le bubu me dem o. Ebɔ be míenɔa ʋu me gaƒoƒo 15 le mɔ siwo dzi ʋuʋudedi le dzi hafi ɖona afisi míeyina. Ɣeaɖewoɣi wò dzi manɔ dɔme na wò o, vevietɔ ne ʋu siwo tso ŋgɔ gbɔna va le dzedzem le mia ŋu le dzisasrã si ŋu ŋusẽ mele o dzi, eye womimina ɖe wo nɔewo ŋu ale gbegbe be bebli hafi abui nate ŋu ato wo dome. Míeɖoa keteke kple tɔdziʋu, eye míedoa sɔ hã.

Le ƒe 1961 me la, míedze nutome gã subɔsubɔdɔa gɔme eye míetsoa nutome sue ɖeka me yina bubu me ke meganye tso hame ɖeka me yi bubu me o. Míeɖea sinima siwo Yehowa ƒe habɔbɔa wɔ fiẽ geɖe—ɣesiaɣi le teƒe bubu aɖe. Zi geɖe la, ehiãna be míawɔ nu kaba bene míatso afima nunɔla siwo dina be yewoaxe mɔ ɖe wo ɖeɖe nu la nu. Le du aɖe me la, nunɔla la ɖe fu na xɔtɔ aɖe kakaka wòxɔ xɔ si ŋu wòɖe asi le na mí la le mía si. Míetsɔ ŋkeke geɖe di teƒe bubu hafi va ke ɖe ɖe ŋu, gake míegblɔ nya aɖeke na ame aɖeke o ke boŋ míeyɔa teƒe gbãtɔ na amesiame. Hafi míadze sinimaa ɖeɖe gɔme la, Christine yi ɖe teƒe xoxo ma eye wòfiaa teƒe yeyea amesiwo di be yewoakpɔe le afima. Ame 150 ye va fiẽ ma va kpɔ sinima si ƒe tanya si nye The New World Society in Action (Xexeme Yeye Habɔbɔa Le Dɔ Dzi) sɔ nɛ nyuie la.

Togbɔ be mɔzɔzɔdɔa wɔwɔ le nuto siwo sa ɖe aga me tea ɖeɖi ame ŋu ɣeaɖewoɣi hã la, afima nɔvi ɖokuibɔbɔlawo kpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe sasrãkpɔa ŋu ŋutɔ eye wowɔa amedzro na mí ale gbegbe be wonaa míenɔa wo gbɔ le aƒe tsɛ siwo me wole me ale be míedaa akpe na Yehowa be míete ŋu va srã wo kpɔ. Yayra dodzidzɔnamewo tso xɔlɔ̃dzedze wo me na mí. (Lododowo 19:17; Xagai 2:7) Eyata kpɔ alesi wòve míi ɖa esi le subɔsubɔ wu ƒe 21 le Brazil vɔ megbe la, míaƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ va eƒe nuwuwu!

Yehowa Fia Nusi Míawɔ Mí le Xaxaɣi

Wowɔ dɔ na Christine le ƒe 1975 me. Míegadze mɔzɔzɔdɔa gɔme gake ɖeko lãmegbegblẽ ganɔ fu ɖem na Christine ɖe edzi. Míekpɔe be anyo wu be míagbɔ va United States ne woada dɔ nɛ. Míeva ɖo Long Beach, California, le April 1976 me, eye míenɔ danye gbɔ. Le duta nɔnɔ ƒe 20 megbe la, míeganya alesi míanɔ afisiae o. Megadze lãme hehe na amewo gɔme, eye míenɔa agbe ɖe nusi mekpɔ tso eme nu. California nutoa me dziɖuɖua na teƒe Christine le kɔ aɖe dzi, gake ɖeko eƒe lãme nɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm ɖe edzi gbesiagbe elabena ɖɔktawo gbe atikewɔwɔ nɛ ʋumadomadoe. Míeganya alesi míawɔ o, eye míebia Yehowa be wòafia mɔ mí.

Gbeɖeka ŋdɔ esi menɔ gbeadzi la, nye ŋku kli ɖɔkta aɖe ƒe dɔwɔƒe, eye enumake metso nya me be mage ɖe edzi. Togbɔ be ɖe ɖɔktaa nɔ aƒeme yimee nye ma hã la, ena meva eƒe dɔwɔƒea, eye mía kplii míeɖo dze gaƒoƒo eve sɔŋ. Eyome egblɔ nam be: “Mekpɔ ŋudzedze ɖe miaƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ŋu, eye mawɔ dɔ na srɔ̃wò femaxee eye nyemado ʋu nɛ o.” Gbɔgblɔ bu ɖem enumake.

Ðɔkta dɔmenyotɔ sia si ŋu wodea bubui na woɖe Christine yi kɔ aɖe si dzi wòwɔa dɔ le, eye eƒe dɔnyanya na be medidi hafi srɔ̃nye haya o. Aleke gbegbe wòdzɔ dzi na míi enye si be Yehowa fia nusi míawɔ le ɣeyiɣi sesẽ ma me mí!

Dɔdasi Yeyewo

Esi Christine ƒe lãme sẽ la, míewɔ mɔɖeɖedɔa eye enye dzidzɔ na mí be míekpe ɖe ame geɖe ŋu le Long Beach wova zu Yehowa subɔlawo. Le ƒe 1982 me, wobia tso mía si be míawɔ nutome sue dzikpɔdɔa le United States. Míedaa akpe na Yehowa gbesiagbe be egazã mí le mɔzɔzɔdɔa me ake—le subɔsubɔdɔa ƒe akpa si míelɔ̃na vevie. Míesubɔ le California eye emegbe le New England, afisi Portugalgbe hame aɖewo le le nutome suea me. Emegbe wotsɔ Bermuda hã va kpee.

Esi míesubɔ ƒe ene siwo me míekpɔ dzidzɔ le me vɔ megbe la, wode dɔ bubu asi na mí. Wogblɔ na mí be míate ŋu awɔ mɔɖela vevi dɔa le afisiafi si dze mía ŋu. Togbɔ be eve mí be míaɖe asi le mɔzɔzɔdɔa ŋu hã la, míeɖoe kplikpaa be míayi ŋgɔ le míaƒe dɔdasi yeyea me. Gake le afika? Esime míenɔ mɔzɔzɔdɔa wɔm la, mede dzesii be Portugalgbe hame si le New Bedford, Massachusetts, la hiã kpekpeɖeŋu—eyata míeɖo ta New Bedford.

Esi míeva ɖo la, hamea ɖo kplɔ̃ kpeɖi aɖe na mí. Esia na míekpɔ alesi gbegbe wokpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋui! Ena aɖatsi lólo ɖe ŋku dzi na mí. Ðekakpui kple ɖetugbi srɔ̃tɔ yeye aɖewo siwo si ɖevi sue eve le nyo dɔme xɔ mí ɖe woƒe aƒeme míenɔ wo gbɔ vaseɖe esime míekpɔ xɔ. Le nyateƒe me, Yehowa yra ɖe mɔɖeɖedɔ sia dzi wòwu alesi míenɔ mɔ kpɔm nɛ. Tso ƒe 1986 me la, míekpe ɖe amesiwo ade 40 ŋu le du sia me wova zu Ðasefowo. Wonye míaƒe gbɔgbɔmeƒomea me tɔwo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, enye dzidzɔ nam be makpɔ afisia nɔvi atɔ̃ woatsi azu alẽkplɔla siwo léa be na ame. Ðeko wòsɔ kple dutanyanyuigbɔgblɔdɔ si tsea ku wɔwɔ.

Ne míetrɔ kpɔ megbe la, dzi dzɔa mí be míesubɔ Yehowa tso míaƒe ɖekakpui kple ɖetugbi me eye míetsɔ nyateƒea wɔ míaƒe agbemɔe. Tsitsi kple lãmegbegblẽ nya ɖea fu na mí baa ya, gake ŋgɔyiyi alesi Yehowa dii gakpɔtɔ nye míaƒe ŋusẽ kple dzidzɔ.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Míaƒe Rio de Janeiro ɖoɖo teti

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Míaƒe gbɔgbɔmeƒome si le New Bedford, Massachusetts