Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Ahosinyenye Kpɔ Ŋusẽ Ðe Nyɔnu Eve Dzii

Alesi Ahosinyenye Kpɔ Ŋusẽ Ðe Nyɔnu Eve Dzii

Alesi Ahosinyenye Kpɔ Ŋusẽ Ðe Nyɔnu Eve Dzii

SANDRA nye ahosi si nɔ Australia. Esi Sandra srɔ̃ ku ƒe aɖewoe nye si va yi la, dzi ɖe le eƒo keŋkeŋ enumake. “Nyanya be mebu srɔ̃nye kple xɔ̃nye vevitɔ enumake la ʋuʋum ŋutɔ. Nyemenya alesi mewɔ trɔ tso kɔa dzi gbɔ va ɖo aƒeme alo nusi mewɔ le ŋkeke ma ƒe akpa mamlɛa o. Le kwasiɖa ʋɛ siwo kplɔe ɖo me la, vɔvɔ̃ si nɔ menye la va zu lãmevee si ɖea fu nam ɣesiaɣi.”

Xɔlɔ̃ tsitsi aɖe si ŋkɔe nye Elaine nɔ Sandra si, amesi zu ahosi anɔ abe ƒe ade ene. Elaine kpɔ srɔ̃a David dzi ɣleti ade hafi kansa va wui. Eƒe nuxaxa nu sẽ ale gbegbe be le srɔ̃a ƒe ku megbe kpuie la, etsi ŋku ɣeyiɣi kpui aɖe. Le ƒe eve megbe la, eku ƒenyi le dutoƒo. Eƒe ɖɔkta mekpɔ dɔléle ƒe dzesi aɖeke le eŋu o. Gake ekpɔe dze sii be Elaine nɔa nu xam le eɖokui me, eyata egblɔ nɛ be wòayi aƒeme aɖadze agbagba vevie afa avi. Elaine lɔ̃ ɖe edzi be: “Exɔ ɣeyiɣi aɖe hafi mete ŋu nɔ te ɖe nye nuxaxaa nu,” eye wògblɔ kpee be ne yetsi akogo la, ‘yeyina ɖe xɔgã me ɖatsɔa David ƒe awuwo tsyɔa ta.’

Ẽ, ame srɔ̃ si gbɔ womelɔ̃a nu le o ƒe ku ate ŋu ahe nɔnɔme vovovowo vɛ, elabena menye ame srɔ̃ŋutsu ƒe anyi manɔmanɔ koe ahosinyenye nye o. Le kpɔɖeŋu me, Sandra se le eɖokui me be yemenɔ ame me o hena ɣeyiɣi aɖe. Ese le eɖokui me hã, abe alesi amesiwo zu ahosiwo eteƒe medidi o la senɛ ene, be nuvevi ɖesiaɖe ate ŋu awɔ ye eye be yemele dedie o. Sandra gblɔ be: “Esi wònye srɔ̃nyeŋutsuae wɔa nyametsotso mamlɛawo wòmam ta la, nyametsotso mawo wɔwɔ tsi nye ɖeka dzinye enumake. Metsia zãdomadɔalɔ̃e. Nu tia kɔ nam eye ɖeɖi tea ŋunye. Nyemenyaa nusi tututu mawɔ o.”

Sandra kple Elaine ƒe nya siawo tɔgbe yi edzi le dzɔdzɔm gbesiagbe le xexeame godoo. Dɔléle, afɔkuwo, aʋawɔwɔwo, ameƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃ ɖa keŋkeŋ, kple ŋutasesẽ gbadzaa na ahosiwo ƒe agbɔsɔsɔ le dzidzim ɖe edzi. * Nyɔnu siawo dometɔ geɖe xaa nu le wo ɖokui me, eye womenyaa nusi woawɔ o. Nukae xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe amesiwo le te nɔm ɖe ahosinyenye nu la ŋui? Aɖaŋuɖoɖo siwo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Nyɔnu bubuwo le nɔnɔme si ɖi ahosiwo tɔa me le esi wo srɔ̃wo gblẽ wo ɖi ta. Togbɔ be kaklã kple srɔ̃gbegbe hea kuxi tɔxɛwo vɛ hã la, gɔmeɖose siwo me míedzro le nyati si kplɔe ɖo me ate ŋu akpe ɖe nyɔnu siwo le nɔnɔme siawo me hã ŋu.