Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gbɔgbɔyɔyɔ Kple Gbɔgbɔmemenyenye Vavãtɔ Didi

Gbɔgbɔyɔyɔ Kple Gbɔgbɔmemenyenye Vavãtɔ Didi

Gbɔgbɔyɔyɔ Kple Gbɔgbɔmemenyenye Vavãtɔ Didi

GBƆGBƆ me kple ŋutilã me nuwo siaa hiãa mí katã. Ema tae ame geɖe biaa nya siawo tɔgbe ɖo be, Tameɖoɖo kae le agbe ŋu, nukatae amewo kpea fu, kple nukae dzɔna ɖe mía dzi ne míeku? Dzi anukwaretɔ geɖe dia biabia siawo kple wo tɔgbewo ƒe ŋuɖoɖo le gbɔgbɔyɔyɔtakpekpewo me, afisi wotena ɖe gbɔgbɔyɔlawo, (siwo woyɔna hã be ŋɔliyɔlawo), ŋu le le mɔkpɔkpɔ me be yewoaƒo nu kple ame kukuwo ƒe gbɔgbɔwo. Woyɔa nuwɔna sia be gbɔgbɔyɔyɔ.

Gbɔgbɔyɔlawo le dukɔ geɖe me, eye woƒoa ƒu ɖe habɔbɔwo kple sɔlemewo me. Le kpɔɖeŋu me, le Brazil la, gbɔgbɔyɔla siwo anye ame 4,000,000 dze ƒe alafa 19 lia me Franse nufiala kple xexemenunyala Hyppolyte Léon Denizard Rivail, amesi tsɔ ŋkɔ na eɖokui le eƒe nuŋɔŋlɔ me be Allan Kardec ƒe nufiafiawo yome. Kardec va kpɔ dzidzɔ ɖe gbɔgbɔyɔyɔ nuwɔnawo ŋu zi gbãtɔ le ƒe 1854 me. Emegbe ebia nya gbɔgbɔyɔlawo le teƒe geɖewo heŋlɔ ŋuɖoɖoawo ɖe The Book of Spirits (Gbɔgbɔwo ƒe Agbalẽ) si wòta le ƒe 1857 me la me. Agbalẽ eve bubu siwo wòŋlɔ ye nye The Mediums’ Book (Gbɔgbɔyɔlawo ƒe Agbalẽ) kple The Gospel According to Spiritism (Nyanyuia abe Alesi Woŋlɔe le Gbɔgbɔyɔyɔ me Ene).

Woyɔa gbɔgbɔ le subɔsubɔnuwɔna siwo nye vudu, adzenuwɔwɔ, akunyawɔwɔ, alo satanasubɔsubɔ me. Gake amesiwo xɔ Allan Kardec dzi se gblɔna be yewoƒe dzixɔsewo to vovo. Zi geɖe la, woƒe agbalẽwo yɔa nya tso Biblia me, eye woyɔa Yesu be “ameƒomea katã ƒe mɔfiala kple kpɔɖeŋuɖola.” Wogblɔna be Yesu ƒe nufiafiawoe nye “Mawu ƒe se la ƒe ɖeɖefia kɔkɔetɔ kekeake.” Allan Kardec bu gbɔgbɔyɔyɔ nuŋɔŋlɔwo be wonye Mawu ƒe se si wòɖe fia ameƒomea ƒe etɔ̃lia, eve gbãtɔawoe nye Mose ƒe nufiafiawo kple Yesu tɔ.

Gbɔgbɔyɔyɔ dzroa ame geɖe elabena wotea gbe ɖe havilɔlɔ̃ kple kpekpeɖeŋunana amewo dzi le eme. Gbɔgbɔyɔyɔ dzixɔse ɖekae nye: “Kpekpeɖeŋunana manɔmee la, xɔxɔ aɖeke meli o.” Gbɔgbɔyɔla geɖe doa vevie hadomedɔwo wɔwɔ, wonaa kpekpeɖeŋu le dɔnɔkɔdziwo, sukuwo, kple dɔwɔƒe bubuwo ɖoɖo me. Agbagbadzedze siawo dze na kafukafu. Gake ɖe gbɔgbɔyɔlawo ƒe dzixɔsewo wɔ ɖeka kple Yesu ƒe nufiafia siwo woŋlɔ ɖe Biblia mea? Mina míakpɔ eƒe kpɔɖeŋu eve ɖa: mɔkpɔkpɔ si li na ame kukuwo kple susu si tae fukpekpe li ɖo.

Mɔkpɔkpɔ Kae Li na Ame Kukuwo?

Gbɔgbɔyɔla geɖe xɔ gbugbɔgadzɔ nufiafia dzi se. Gbɔgbɔyɔlawo ƒe agbalẽ aɖe gblɔ be: “Gbugbɔgadzɔ koe nye nufiafia si sɔ ɖe alesi míese Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye gɔmee nu; eya koe nye nufiafia si ate ŋu aɖe etsɔme gɔme eye wòado ŋusẽ míaƒe mɔkpɔkpɔ.” Gbɔgbɔyɔlawo ɖea nu me be ne ame ku la, luʋɔ la, alo “gbɔgbɔ si wodo ŋutilã na” dona le ame ƒe ŋutilã me—abe alesi kpakpaluʋui dona le eƒe tsro mee ene. Woxɔe se be gbɔgbɔ siawo zua amegbetɔ gagbugbɔ dzɔna ake be woatutu nuvɔ̃ si wowɔ le agbe si wonɔ do ŋgɔ me la ɖa. Gake womegate ŋu ɖoa ŋku nuvɔ̃ gbãtɔ mawo dzi o. The Gospel According to Spiritism la gblɔ be: “Mawu bui be esɔ be woatsɔ nu atsyɔ nusiwo dzɔ va yi la dzi.”

Allan Kardec ŋlɔ be: “Gbugbɔgadzɔ dzimaxɔse fia Kristo ƒe nyawo dzimaxɔse.” Gake nya “gbugbɔgadzɔ” medo le Yesu nu kpɔ gbeɖe o, eye meƒo nu tso nukpɔsusu sia ƒomevi ŋu gbeɖe o. (Kpɔ “Ðe Biblia Fia Gbugbɔgadzɔa?” le axa 22.) Ame kukuwo ƒe tsitretsitsi boŋue Yesu fia. Le eƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ me la, efɔ ame etɔ̃ ɖe tsitre—ahosi aɖe ƒe viŋutsu le Nain, ƒuƒoƒemegã aɖe ƒe vinyɔnu, kple exɔlɔ̃ vevi Lazaro. (Marko 5:22-24, 35-43; Luka 7:11-15; Yohanes 11:1-44) Mina míade ŋugble le nudzɔdzɔ ɖedzesi mawo dometɔ ɖeka ŋu ahakpɔ nusi fiam Yesu nɔ ku ɖe “tsitretsitsi” ŋu ɖa.

Lazaro ƒe Tsitretsitsi

Yesu se be ye xɔlɔ̃ Lazaro dze dɔ. Le ŋkeke eve megbe la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mía xɔlɔ̃ Lazaro le alɔ̃ dɔm; gake la meyina, bena maɖanyɔe atso alɔ̃ me.” Nusrɔ̃lawo mese nya si gblɔm Yesu nɔ la gɔme o, eyata egblɔe na wo tẽ be: “Lazaro ku.” Esi Yesu va ɖo Lazaro ƒe yɔdoa to mlɔeba la, ŋutsua ku ŋkeke ene enye ma. Ke hã Yesu gblɔ be woaɖe kpe si wotsɔ tu yɔdoa nu ɖa. Emegbe edo ɣli gblɔ bena: “Lazaro lee, do go!” Enumake nu wɔnuku aɖe dzɔ. “Ame kuku, si ƒe afɔwo kple asiwo le babla la, do go kple ameɖivɔwo, eye taku bla ŋku me nɛ. Yesu gblɔ bena: Mitui, eye mina wòayi.”—Yohanes 11:5, 6, 11-14, 43, 44.

Edze ƒã be menye gbugbɔgadzɔe nye esia o. Yesu gblɔ be Lazaro si ku la nɔ alɔ̃ dɔm, meganya naneke o. Abe alesi Biblia gblɔe ene la, ‘eƒe tameɖoɖowo nu yi.’ ‘Meganya naneke kura o.’ (Psalmo 146:4; Nyagblɔla 9:5) Lazaro si wofɔ ɖe tsitre la menye ame bubu aɖe si gbugbɔ dzɔ o. Amenyenye si nɔ esi, ƒe si wòxɔ, kple nusiwo nɔ susu me nɛ la kee ganɔ esi. Egadze agbe gɔme tso afisi wòtɔe ɖo esime wòku kpata eye wòtrɔ yi lɔlɔ̃tɔ siwo fa konyi le eƒe kua ŋuti la gbɔ.—Yohanes 12:1, 2.

Emegbe Lazaro gaku ake. Ke vi kae eƒe tsitretsitsia ɖe? Tsɔ kpe ɖe ame bubu siwo Yesu fɔ ɖe tsitre ŋu la, edoa ŋusẽ kakaɖedzi si le mía si be ŋugbe si Mawu do be yeafɔ Ye subɔla wɔnuteƒewo tso ame kukuwo dome le Yeƒe ɣeyiɣiɖoɖi dzi ava eme la ɖe edzi. Yesu ƒe nukunu mawo gana kpekpe ɖo eƒe nyawo ŋu be: “Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la; amesi xɔa dzinye sena la, ne eku hã la, anɔ agbe.”—Yohanes 11:25.

Yesu gblɔ le tsitretsitsi ma si ava le etsɔme ŋu be: “Gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le yɔdowo me la, woase eƒe gbe; eye amesiwo wɔ nu nyuiwo la, woado go hena agbe ƒe tsitretsitsi, ke amesiwo wɔ nu vlowo la, hena ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe tsitretsitsi.” (Yohanes 5:28, 29) Abe alesi wònɔ le Lazaro gomee ene la, ame kukuwo fɔfɔ ɖe tsitree wòanye. Manye gbɔgbɔ gbagbewo kple ŋutilã kuku siwo nyunyɔ zu nu bubu eye ɖewohĩ nugbagbe bubuwo va wɔ wo ŋudɔ la ƒe gododo wo nɔewo o. Dziƒo kple anyigba Wɔla, amesi ƒe nunya kple ŋusẽ seɖoƒe meli na o, ate ŋu afɔ ame kukuwo bɔbɔe.

Ðe tsitretsitsi nufiafia si Yesu Kristo fia la meɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ deto na mí amegbetɔwo dometɔ ɖesiaɖe fia oa? Ke nya evelia si míebia do ŋgɔ hã ɖe?

Nukatae Fukpekpe Li Ðo?

Nusiwo me nunya mele o siwo amesiwo si nuteƒekpɔkpɔ mele o, alo ame vɔ̃ɖiwo, wɔna gbɔe amegbetɔ ƒe fukpekpe dometɔ geɖe tsona. Ke nu wɔnublanui siwo menye amegbetɔwoe wɔa wo tẽ o hã ɖe? Le kpɔɖeŋu me, nukatae afɔkuwo kple dzɔdzɔmefɔkuwo dzɔna? Nukatae wodzia ɖevi aɖewo nuwɔametɔwoe? Allan Kardec bu nusiawo be tohehee wonye. Eŋlɔ bena: “Ne wole to hem na mí la, ke anye nuvɔ̃e míewɔ tae. Ne menye agbe si míele fifia mee míewɔ nuvɔ̃a le o la, ekema esi míenɔ va yi mee.” Wofia gbɔgbɔyɔlawo be woado gbe ɖa be: “Aƒetɔ, Èle dzɔdzɔe le nusianu me. Dɔléle si Nèkpɔ be eyae dze lae nèɖo ɖem. . . . Mexɔe abe avuléle ɖe nusiwo mewɔ va yi la ta kple nye xɔse ƒe kpeɖodzi kpakple ɖokuibɔbɔ ɖe Wò lɔlɔ̃nu nyui la te ene.”—The Gospel According to Spiritism.

Ðe Yesu fia nane alea? Ao. Yesu nya Biblia ƒe nya sia nyuie be: “Azãgbe kple nuɖiɖeame li na wo katã.” (Nyagblɔla 9:11) Enyae be ɖeko nugbegblẽ aɖewo dzɔna ko ɣeaɖewoɣi. Menye nuvɔ̃wo ƒe tohehe wonye o.

Bu Yesu ƒe agbe me nudzɔdzɔ sia ŋu kpɔ: “Esi [Yesu le] eme tsom yina la, ekpɔ ame aɖe, si nye ŋkuagbãtɔ tso eƒe dzidzi me ke. Eye eƒe nusrɔ̃lawo biae bena: Rabi, ameka wɔ nuvɔ̃, amesia loo, alo eƒe dzilawo bena, wodzii ŋkugbagbãe mahã?” Ŋuɖoɖo si Yesu na la kɔ nu me ale gbegbe: “Menye amesia alo eƒe dzilawoe wɔ nuvɔ̃ o, ke boŋ bena woaɖe Mawu ƒe dɔwɔwɔwo ɖe go afia le eyama me. Esi wògblɔ esiawo la, eɖe ta ɖe anyigba, eye wòtsɔ ta la henyã anyi, eye wòtsɔ anyi la hesisi ɖe eƒe ŋkuwo dzi; eye wògblɔ nɛ bena: Yi nale tsi le Siloa-ta la me. . . . Tete wòyi ɖale tsi la, eye wòva le nu kpɔm.”—Yohanes 9:1-3, 6, 7.

Yesu ƒe nyawo fia be menye ŋutsua alo edzilawo ƒe nuwɔnawo tae wodzii ŋkugbagbãe o. Eyata Yesu meda asi ɖe dzixɔse si nye be ɖe wole to hem na ŋutsua le nuvɔ̃ si wòwɔ le eƒe agbenɔnɔ aɖe si va yi me dzi o. Ẽ, Yesu nyae be amegbetɔwo katã nyi nuvɔ̃ ƒe dome. Gake Adam ƒe nuvɔ̃ ƒe domee wonyi, menye nuvɔ̃ si wowɔ do ŋgɔ na wo dzidzi o. Le Adam ƒe nuvɔ̃a ta wodzia amegbetɔwo katã ame madeblibo siwo ate ŋu adze dɔ ahaku. (Hiob 14:4; Psalmo 51:7; Romatɔwo 5:12; 9:11) Le nyateƒe me la, nɔnɔme siae wodɔ Yesu ɖa be wòava ɖɔ ɖo. Yohanes Amenyrɔɖetsimela gblɔ be Yesu nye “Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina!”—Yohanes 1:29. *

De dzesii hã be Yesu megblɔ be ɖe Mawu ɖoe na wodzi ŋutsua ŋkunɔe ale be Yesu nate ŋu ava da dɔ nɛ gbaɖegbe o. Ŋutasẽnuwɔna vloe kae nye si ema anye! Ðe ema ahe kafukafu vɛ na Mawua? Ao. Ðe eteƒe la, dɔdada na ŋkunɔa nukutɔe ɖe ‘Mawu ƒe dɔwɔwɔwo fia.’ Abe dɔ bubu vovovo siwo Yesu da ke ene la, eɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ vavã na ameƒomea si le fu kpem la fia eye wòɖo kpe kakaɖedzi si le Eƒe ŋugbedodo be yeahe amegbetɔwo ƒe dɔléle kple fukpekpewo katã ava nuwuwui le Yeƒe ɣeyiɣiɖoɖi dzi ŋu la dzi.—Yesaya 33:24.

Ðe menye akɔfanamenya be míakpɔe be le esi teƒe be míaƒe Dziƒofofoa nahe fukpekpewo ava mía dzii la, enaa “nu nyuiwo amesiwo bianɛ” boŋ oa? (Mateo 7:11) Ŋutikɔkɔe kae nye si wòahe vɛ na Dziƒoʋĩtɔ la ne ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku ʋu, tokunɔwo ƒe to ʋu, eye xɔdrɔ̃wo tso zɔ, ti kpo, heƒu du!—Yesaya 35:5, 6.

Míaƒe Gbɔgbɔmenuhiahiãwo Gbɔ Kpɔkpɔ

Yesu gblɔ be: “Menye abolo ɖeɖe ko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe ɖe nya sia nya, si dona tsoa Mawu ƒe nu me la ŋuti.” (Mateo 4:4) Ẽ, míekpɔa míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo ne míexlẽ Mawu ƒe Nya, Biblia, henɔ agbe wòsɔ ɖe enu. Gbɔgbɔyɔlawo gbɔ yiyi mekpɔa míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ le nyateƒe me o. Le nyateƒe me la, wotsi tre ɖe nuwɔna ma ŋu vevie le nusi Allan Kardec yɔ be Mawu ƒe se gbãtɔ si wòɖe fia me.—Mose V, 18:10-13.

Ame geɖe, si me gbɔgbɔyɔlawo hã le, nyae be Mawue nye Nuwokatãtaƒola, be eli tegbee, ede blibo, eƒe dɔme nyo, enyo, eye wòle dzɔdzɔe le nusianu me. Gake Biblia gaɖe nu bubu geɖe fia kpee le eŋu. Eɖee fia be ŋkɔ le esi, si nye Yehowa, si ŋuti wòle be míakɔ abe alesi Yesu kɔ eŋui ene. (Mateo 6:9; Yohanes 17:6) Eɖe Mawu fia be enye ame ŋutɔŋutɔ si amegbetɔwo ate ŋu anɔ ƒomedodo kplikplikpli me kplii. (Romatɔwo 8:38, 39) Ne míexlẽ Biblia la, míakpɔe be Mawu nye nublanuikpɔla eye be “mewɔna na mí ɖe míaƒe nuvɔ̃wo nu o, eye meɖoa eteƒe na mí ɖe míaƒe vodadawo nu o.” (Psalmo 103:10) Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa toa eƒe Nya si woŋlɔ ɖi dzi ɖea eƒe lɔlɔ̃, nuwokatãtaƒoƒo, kple nugɔmesesename fiana. Eyae nye Amesi fiaa mɔ amegbetɔ toɖolawo hekpɔa wo ta. Sidzedze Yehowa kple Via Yesu Kristo ana míakpɔ “agbe mavɔ.”—Yohanes 17:3.

Nusiwo katã wòle be míanya tso Mawu ƒe tameɖoɖowo ŋu la le Biblia me, eye agbalẽ sia gblɔ nusi wòle be míawɔ ne míedi be míaƒe nu nanyo eŋu la na mí. Biblia me dzodzro nyuie naa míekpɔa ŋuɖoɖo siwo me kɔ na míaƒe biabiawo. Biblia fia mɔ mí le nusi nyo kple nusi gblẽ ŋu eye wònaa mɔkpɔkpɔ sẽŋu hã mí. Ena kakaɖedzi mí be le etsɔme si gbɔna kpuie me la, Mawu “latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le [ameƒomea ƒe] ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.” (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) To Yesu Kristo dzi la, Yehowa aɖe ameƒomea tso nuvɔ̃ kple blibomademade si ƒe dome wonyi la me, eye amegbetɔ toɖolawo anyi agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi ƒe dome. Ɣemaɣi woakpɔ woƒe ŋutilã me kple gbɔgbɔ me nuhiahiãwo siaa gbɔ na wo keŋkeŋ.—Psalmo 37:10, 11, 29; Lododowo 2:21, 22; Mateo 5:5.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 19 Kpɔ alesi nuvɔ̃ kple ku wɔ va dzɔ ŋuti numeɖeɖe le agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me, si Yehowa Ðasefowo ta la ƒe ta 6 lia me.

[Aɖaka si le axa 22]

ÐE BIBLIA FIA GBUGBƆGADZƆA?

Ðe Biblia ƒe kpukpui aɖe ɖo kpe gbugbɔgadzɔ nufiafia dzia? Bu ŋɔŋlɔ siwo nufiafia sia dzixɔselawo zãna la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ:

“Elabena nyagblɔɖilawo katã kple se la wogblɔ nya ɖi vaseɖe Yohanes dzi. . . . Esia nye Eliya, si ke le vava ge la.”—Mateo 11:13, 14.

Ðe Yohanes Amenyrɔɖetsimela nye Eliya si wogbugbɔ gadzia? Esi wòbia Yohanes be: “Eliya nènyea?” Eɖo eŋu eme kɔ ƒã be: “Menye nyee o.” (Yohanes 1:21) Gake wogblɔ nya ɖi be Yohanes atsɔ “Eliya ƒe gbɔgbɔ kple ŋusẽ” adze ŋgɔ na Mesia la. (Luka 1:17; Maleaxi 3:23, 24) Ne míagblɔe bubui la, Yohanes Amenyrɔɖetsimela nye Eliya le gɔmesese sia nu be ewɔ dɔ si sɔ kple Eliya tɔ.

“Ne womedzi ame tso dziƒo o la, mate ŋu akpɔ mawufiaɖuƒe la akpɔ o. Megawɔ mo yaa na wò be, megblɔ na wò bena: Ele be, woadzi mi atso dziƒo o.”—Yohanes 3:3, 7.

Apostoloawo dometɔ ɖeka ŋlɔ emegbe bena: “Woakafu Mawu, mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, amesi gbugbɔ mí gadzi le eƒe nublanuikpɔkpɔ geɖe la nu hena mɔkpɔkpɔ gbagbe to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome la me.” (Petro I, 1:3, 4; Yohanes 1:12, 13) Edze ƒã be gbugbɔgadzi si ŋu nya Yesu gblɔ la nye gbɔgbɔ me tɔ si ava eme esime eyomedzelawo gakpɔtɔ le agbe, ke menye gbugbɔgadzɔ le etsɔmee o.

“Ne ŋutsu ku la, enɔa agbe tegbee: ne nye agbemeŋkekewo le Anyigba dzi vɔ la, malala, elabena menyae be magatrɔ agbɔ ake.”—Alesi woɖe Hiob 14:14 gɔme le “Helagbe gɔmeɖeɖe” aɖe me si woyɔ ɖe The Gospel According to Spiritism me.

Eʋegbe Biblia ɖe kpukpui sia gɔme be: “Ne ŋutsu ku la, ɖe wògagbɔa agbea? Le nye aʋamenɔɣiwo katã la manɔ asiɖeɖe le ŋunye lalam.” Xlẽ nya siwo ƒo xlã kpukpui ma. Àkpɔe be ame kukuwo nɔa lalam le yɔdo me henɔa “asiɖeɖe” le wo ŋu lalam. (Kpukpui 13) Womegale agbe esime wòle lalam o. “Ne ŋutsu ku la, edzo kpaŋkpaŋ; eye ne amegbetɔ si kuna mia nu la, megale afi aɖeke o.”—Hiob 14:10, Bagster ƒe Septuagint gɔmeɖeɖe.

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ɖea Mawu ƒe lɔlɔ̃ deto na mía dometɔ ɖesiaɖe fiana

[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

Mawu ahe amegbetɔ ƒe fukpekpewo ava nuwuwui