Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wokɔ Mawu ƒe Ŋkɔ Ŋuti tso Ðiƒoƒo Me

Wokɔ Mawu ƒe Ŋkɔ Ŋuti tso Ðiƒoƒo Me

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya ta

Wokɔ Mawu ƒe Ŋkɔ Ŋuti tso Ðiƒoƒo Me

MAWU ƒe Nya, Biblia, gblɔ be: “Miaƒe anyinɔnɔ le trɔ̃subɔlawo dome nanɔ nyuie, bene nusi ta wogblɔ nya ɖe mia ŋuti ɖo abe vɔ̃wɔlawo ene la, le miaƒe dɔ nyui wɔwɔ, siwo wodze si azɔ ŋuti la, woakafu Mawu le kpɔkpɔɖaŋkeke la dzi.” (Petro I, 2:12) Eyata Kristotɔ vavãwo dzea agbagba be yewoalé agbenɔnɔ nyui me ɖe asi ale be womagaƒo ɖi Yehowa ƒe ŋkɔ la o.

Le Zambia ƒe saɖeaga nuto aɖe si woyɔna be Senanga me la, wofi nufiala aɖe ƒe radio le eƒe aƒeme. Esi Yehowa Ðasefowo ɖea gbeƒã le nutoa me ta la, ŋutsua tsɔ nya ɖe wo ŋu be woawoe fii. Eka nyaa ta na kpovitɔwo, hegblɔ be Ðasefoawoe fi yeƒe radio la. Etsɔ trakt aɖe si wòkpɔ le anyigba fia wo tsɔ ɖo kpe edzi be Ðasefoawo va yeƒe aƒea me. Gake kpovitɔawo mexɔ eyama dzi se o. Woxlɔ̃ nui be wòayi ava dii nyuie.

Hamemegãwo ƒe ha de dzi ƒo na Ðasefo siwo va wɔ dɔ le nufialaa ƒe nutoa me gbemagbe be woava ƒo nu na nufialaa tso nya la ŋu. Nɔviawo dometɔ aɖewo yi va ƒo nu nɛ, heɖe nya me nɛ be ɖe yewodi be yewoakɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ŋuti tso ɖiƒoƒo me. Le woƒe numedzodzroa me la, woɖe nya me nɛ be yewodo go ɖekakpui aɖe le eƒe aƒea me eye yewotsɔ trakt nɛ. Esi woɖɔ amea na nufiala la vɔ la, ekpɔe dze sii. Le nyateƒe me la, sɔlemeha ɖeka me tɔwoe wonye. Nufiala la va bia gbe ɖekakpuia, gake egbe be menye yee fi o. Nufialaa ka nyaa ta na ɖekakpuia dzilawo eye wòtrɔ yi aƒeme. Le gaƒoƒo ɖeka ko me la, ɖekakpuia dada trɔ radio si wofi la vɛ.

Nufialaa tsɔ ŋukpe te ɖe hamemegãwo ƒe ha la ŋu hebia be woatsɔe ake ye ɖe alakpa si yeda ɖe wo si madzemadzee ta. Hamemegãwo xɔ eƒe kukuɖeɖea gake wobia tso esi be wòaɖe gbeƒãe le dutoƒo be yekpɔ nu bubua ale be amesiame nanya be Ðasefoawo meɖi fɔ o. Woɖe gbeƒãe le sukua me, eye esia kɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ŋuti tso ɖiƒoƒo me. Yehowa Ðasefowo ate ŋu ayi edzi aɖe gbeƒã le nutoa me kplamatsedodo aɖeke manɔmee.

[Anyigbatata si le axa 19]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

AFRIKA

Zambia

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Mountain High Maps® Copyright © 1997 Digital Wisdom, Inc.