Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Yehowa Nyo Dɔme Nam Ŋutɔ!”

“Yehowa Nyo Dɔme Nam Ŋutɔ!”

“Yehowa Nyo Dɔme Nam Ŋutɔ!”

LE March 1985 ƒe fiẽ aɖe si womaŋlɔ be akpɔ o me la, ŋutsu kple nyɔnu siwo le Agbalẽŋɔŋlɔ Dzikpɔƒea le Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã le New York, U.S.A., la kpɔ nu ɖedzesi aɖe teƒe. Karl F. Klein xɔ ƒe 60 le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me ɣemaɣi. Nɔviŋutsu Klein gblɔe dzonɔamemetɔe be: “Yehowa nyo dɔme nam ŋutɔ!” Egblɔ be Psalm 37:4 nye mawunyakpukpui aɖe si me nyawo dzɔa dzi na ye ŋutɔ. Emegbe eƒo eƒe kasaŋku si dzia gbe gã tsɔ do dzidzɔ na amesiamee.

Le ƒe 15 si kplɔe ɖo me la, Nɔviŋutsu Klein yi edzi wɔ dɔ kple Agbalẽŋɔŋlɔ dɔwɔlawo eye wòganye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me tɔ. Eye le ƒe 95 xɔxɔ le January 3, 2001, dzi me la, Karl Klein wu eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa nu nuteƒewɔwɔtɔe.

Wodzi Karl le Germany. Eƒe ƒomea ʋu yi United States, si na Karl va tsi le Chicago, Illinois, ƒe golɔgoe aɖe me. Karl kple tsɛa Ted kpɔ dzidzɔ ɖe Biblia sɔsrɔ̃ ŋu vevie le woƒe ɖevime. Karl xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1918 me, eye nya ʋãme siwo wòse le Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe takpekpe si wowɔ le ƒe1922 me la nyɔ gbeadzisubɔsubɔdɔa lɔlɔ̃ ɖe eme le eƒe agbemeŋkekeawo katã me. Medina be kwasiɖa aɖeke nato ye ŋu gbeƒãɖeɖedɔa mawɔmawɔe o, eye enɔ esia wɔwɔ dzi le kwasiɖa mamlɛ siwo me wòaku le gɔ̃ hã me.

Karl va zu dɔwɔla siwo le dɔwɔƒegã la me tɔ le ƒe 1925 me eye wòwɔ dɔ gbã le agbalẽtaƒea. Elɔ̃a hadzidzi ale gbegbe si na be le ƒe aɖewo megbe wòva zu kasaŋku si dzia gbe gã ƒola le haƒoƒe aɖe si ƒoa ha le Kristotɔwo ƒe radio dɔwɔƒe wɔnawo me. Ðe ema yome eva wɔ dɔ le Subɔsubɔdɔdzikpɔƒea, eye wòkpɔ dzidzɔ vevietɔ le hadede kple Subɔsubɔdɔdzikpɔƒea ƒe dzikpɔla T. J. Sullivan me. Le ɣemaɣi me Ted ɖe srɔ̃, eye eya kple srɔ̃a Doris woyi ɖawɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa le Puerto Rico.

Karl Klein wɔ dɔ ƒe 50 le Agbalẽŋɔŋlɔ Dɔdzikpɔƒea, afisi wòna kpekpeɖeŋu gã aɖe le, elabena elɔ̃a numekuku wɔwɔ eye wònya Biblia nyuie. Le ƒe 1963 me la, Karl ɖe Margareta, Germanytɔ dutanyanyuigblɔla si nɔ subɔsubɔm le Bolivia. Le srɔ̃a ƒe kpekpeɖeŋu vevi si wònɛ le lɔlɔ̃ me le eƒe lãmegblẽɣiwo ta la, ete ŋu wɔ dɔ geɖe yi edzi ɣeyiɣi didi aɖe le ɣeyiɣi si me ame akpa gãtɔ xɔa dzudzɔ le dɔ me megbe. Dzimekɔkɔ nyateƒetɔ kple hadzilawo ƒe dzonɔameme si nɔ Karl me na be wòte ŋu ƒo nuƒo siwo womaŋlɔ be akpɔ o le hamewo kple takpekpewo me. Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na eƒe ku la, ekpɔ New York Betel-ƒome gã la ƒe ŋkekea ƒe mawunyakpukpuia me dzodzro dzi si na amesiame kpɔ dzidzɔ heɖe vi tso eme.

Gbetakpɔxɔ xlẽla geɖewo aɖo ŋku Nɔviŋutsu Klein ƒe agbemeŋutinya, si nye nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname si wota ɖe October 1, 1984, tɔ me dzi. Àkpɔ dzidzɔ le ŋutinya ma xexlẽ alo egbugbɔgaxlẽ ake me, eye nàna wòanɔ susu me na wò be eŋlɔla ganɔ agbe wu ƒe 15 siwo me wòyi edzi nye Kristotɔ wɔnuteƒe si tsɔ eɖokui ke bliboe.

Esi Nɔviŋutsu Klein nye Aƒetɔ la ƒe amesiaminawo dometɔ ɖeka ta la, enye eƒe didi vevie be yeaɖu fia kple Kristo le dziƒo. Kakaɖedzi ɖesiaɖe le mía si si ta míaxɔe ase be Yehowa wɔ ɖe didi ma dzi nɛ xoxo.—Luka 22:28-30

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Karl kple T. J. Sullivan le ƒe 1943 me kpakple Ted kple Doris

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Karl kple Margareta, October 2000