Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yi Edzi Nànɔ Dzidzɔ Kpɔm Le Yehowa Ƒe Subɔsubɔdɔa Me

Yi Edzi Nànɔ Dzidzɔ Kpɔm Le Yehowa Ƒe Subɔsubɔdɔa Me

Yi Edzi Nànɔ Dzidzɔ Kpɔm Le Yehowa Ƒe Subɔsubɔdɔa Me

“Dzi nadzɔ mi le Aƒetɔ la me ɖaasi; megale egblɔm bena: Dzi nadzɔ mi!”​—FILIPITƆWO 4:4.

1, 2. Aleke nɔviŋutsu aɖe kple eƒe ƒomea wɔ te ŋu yi edzi kpɔ dzidzɔ togbɔ be nusianu si nɔ wo si dome gblẽ hã?

JAMES, si nye Kristotɔ aɖe si xɔ ƒe 70 eye wòle Sierra Leone la wɔ dɔ sesĩe le eƒe agbe me katã. Kpɔ alesi dzi adzɔe esi wòte ŋu ƒo ga ƒu tsɔ ƒle aƒe kpokploe aɖe si me xɔdɔme ene le mlɔeba ɖa! Gake esi James kple eƒe ƒomea ʋu yi aƒea me le ɣeyiɣi aɖe megbe la, dukɔmeviʋa dzɔ le dukɔ ma me, eye woƒe aƒea gbã gudugudu. Wobu woƒe aƒea, gake womebu woƒe dzidzɔ o. Nukatae?

2 James kple eƒe ƒomea meda woƒe susu ɖe nusi wobu la dzi o, ke boŋ ɖe nusi kpɔtɔ li dzi. James ɖe nyaa me be: “Le ɣeyiɣi si me ŋɔdzi nɔ anyi gɔ̃ hã la, míewɔ kpekpewo, xlẽ Biblia, do gbe ɖa ɖekae, hema nu suetɔ kekeake si su mía si la kple ame bubuwo. Míete ŋu yi edzi nɔ dzidzɔ kpɔm elabena míaƒe susu nɔ ƒomedodo wɔnuku si le mía kple Yehowa dome dzi.” Esi Kristotɔ nuteƒewɔla siawo xlẽ woƒe yayrawo, si ƒe gãtɔ kekeake nye ƒomedodo kplikplikpli si nɔ wo kple Yehowa dome ta la, wote ŋu ‘yi edzi kpɔ dzidzɔ.’ (Korintotɔwo II, 13:11) Nyateƒee wònye be mele bɔbɔe be woado dzi le nuteɖeamedzi ƒe nɔnɔme si me wole me ya o. Gake womedzudzɔ dzidzɔkpɔkpɔ le Yehowa me o.

3. Aleke Kristotɔ gbãtɔ aɖewo yi edzi kpɔ dzidzɔe?

3 Kristotɔ gbãtɔwo to dodokpɔ siwo míate ŋu atsɔ asɔ kple esiwo me James kple eƒe ƒomea to me. Ke hã apostolo Paulo ŋlɔ nya siawo ɖo ɖe Hebri Kristotɔwo be: ‘Miedo dzi kple dzidzɔ le mia ŋutinuwo haha me.’ Emegbe Paulo ɖe afisi woƒe dzidzɔa tso me: “Esi míenya bena, ŋutinu, siwo nyo wu, eye wonɔa anyi ɖaa la, li na mi.” (Hebritɔwo 10:34) Ẽ, mɔkpɔkpɔ sẽŋu aɖe nɔ ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ mawo si. Wotsɔ kakaɖedzi nɔ mɔ kpɔm na nane si womate ŋu aha o—si nye “agbefiakuku” magblẽmagblẽ le Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒe la me. (Nyaɖeɖefia 2:10) Egbea la, míaƒe Kristotɔwo ƒe mɔkpɔkpɔ—eɖanye le dziƒo alo anyigba dzi o—ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm ne míedze ŋgɔ fukpekpewo gɔ̃ hã.

“Dzi Nedzɔ Mi le Mɔkpɔkpɔ Me”

4, 5. (a) Nukatae aɖaŋu si Paulo ɖo na Romatɔwo be ‘dzi nedzɔ wo le mɔkpɔkpɔ me’ la sɔ ɖe ɣeyiɣi nu ale gbegbe? (b) Nukae ate ŋu ana Kristotɔ makpɔ eƒe mɔkpɔkpɔa ƒe vevienyenye adze sii o?

4 Apostolo Paulo de dzi ƒo na haxɔsetɔwo le Roma be “dzi nedzɔ mi le [agbe mavɔ] mɔkpɔkpɔ me.” (Romatɔwo 12:12) Aɖaŋuɖoɖo ma sɔ ɖe ɣeyiɣi nu na Romatɔwo. Mede ƒe ewo le Paulo ƒe lɛtaa ŋɔŋlɔ na wo megbe o la, yometiti sesẽ va wo dzi, eye wowɔ funyafunya wo dometɔ aɖewo woku le Fiagã Nero ƒe gbeɖeɖe nu. Ðikeke mele eme o be woƒe xɔse be Mawu ana agbefiakuku si ŋugbe wòdo la yewo lé wo ɖe te le woƒe fukpekpea me. Ke aleke míaƒe nɔnɔmea le egbea?

5 Esi míenye Kristotɔwo ta la, míawo hã míele mɔ kpɔm be woati mía yome. (Timoteo II, 3:12) Gakpe ɖe eŋu la, míedzea sii be “azãgbe kple nuɖiɖeame” vaa mí katã dzi. (Nyagblɔla 9:11) Afɔku aɖe ate ŋu aɖe míaƒe lɔlɔ̃tɔ aɖe ƒe agbe ɖa. Dɔléle vɔ̃ɖi ate ŋu awu dzila alo xɔlɔ̃ kplikplikpli aɖe. Ne míaƒe susu mele Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔa dzi ɣesiaɣi o la, nu ate ŋu agblẽ le mía ŋu le gbɔgbɔ me ne dodokpɔ siawo va mía dzi. Eyata enyo be míabia mía ɖokui be, ‘Ðe “dzi dzɔam le mɔkpɔkpɔ la mea”? Zi nenie media ɣeyiɣi dea ŋugble le eŋu? Ðe Paradiso si gbɔna la nye nu ŋutɔŋutɔ nama? Ðe mekpɔa ɖokuinye le afima le susu mea? Ðe mele mɔ kpɔm vevie na fifi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu ƒe vava abe alesi mekpɔ mɔ nɛ esime mesrɔ̃ nyateƒea gbã enea?’ Ehiã be míade ŋugble le biabia mamlɛ sia ŋu vevie. Nukatae? Elabena ne míele lãmesẽ me, eye míele anyigbaa ƒe akpa si dze abe aʋawɔwɔ mele o, nuɖuɖu mevena le o, alo dzɔdzɔmefɔku medzɔna le o la, ate ŋu adzɔ be—fifia ya la—míakpɔ alesi wòhiã vevie be Mawu ƒe xexe yeyea nava adze sii o.

6. (a) Esi yometiti va Paulo kple Sila dzi la, nuka dzie woda woƒe susu ɖo? (b) Aleke Paulo kple Sila ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu ade dzi ƒo na mí egbeae?

6 Paulo yi edzi xlɔ̃ nu Romatɔwo be ‘woado dzi le xaxa me.’ (Romatɔwo 12:12) Paulo nya alesi xaxawo me toto le. Ɣeaɖeɣi la, ekpɔ ŋutsu aɖe le ŋutega me wòkpee be ‘wòatso ƒu va Makedonia’ ava kpe ɖe amewo ŋu le afima woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu. (Dɔwɔwɔwo 16:9) Eyata Paulo, Luka, Sila, kple Timoteo zɔ mɔ yi Europa. Nukae nɔ dutanyanyuigblɔla dzonɔamemetɔ mawo lalam? Xaxa! Esi woɖe gbeƒã le Makedonia dugã si nye Filipi me megbe la, woƒo Paulo kple Sila hetsɔ wo de gaxɔ me. Edze ƒã be menye ɖeko Filipitɔ aɖewo metsɔ ɖeke le Fiaɖuƒegbedasia me o—ke wotsi tre ɖe eŋu vevie hã. Ðe alesi nuawo va trɔe na dutanyanyuigblɔla siwo me dzo nɔ la bu woƒe dzidzɔa? Ao. Esi woƒo wo hetsɔ wo de gaxɔ me megbe ‘le zãtitina la Paulo kple Sila wole gbe dom ɖa, eye wodzi kafukafuhawo na Mawu.’ (Dɔwɔwɔwo 16:25, 26) Ele eme be veve si Paulo kple Sila se le wo ƒoƒo me mena dzi dzɔ wo ya o, gake menye ema dzie dutanyanyuigblɔla eveawo da woƒe susu ɖo o. Woƒe susuwo nɔ Yehowa kple mɔ siwo nu wònɔ wo yram le la dzi. Esi Paulo kple Sila ‘do dzi le xaxa me’ kple dzidzɔ ta la, wozu kpɔɖeŋu nyui na wo nɔvi siwo le Filipi kple teƒe bubuwo.

7. Nukatae wòle be akpedada nakpe ɖe míaƒe gbedodoɖawo ŋu?

7 Paulo ŋlɔ bena: “Minɔ gbedodoɖa dzi ɖaasi!” (Romatɔwo 12:12) Èdoa gbe ɖa le wò dzimaɖitsitsiwo mea? Nuka ŋue nèdoa gbe ɖa le? Ðewohĩ èyɔ kuxi si tututu le fu ɖem na wò eye nèbia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu. Gake àte ŋu ada akpe ɖe wò yayrawo hã ta. Ne kuxiwo do mo ɖa la, ŋugbledede le alesi Yehowa wɔa nu kpli mí le dɔmenyo me ŋu kpena ɖe mía ŋu be ‘dzi dzɔa mí le mɔkpɔkpɔ me.’ Dawid, amesi kuxiwo ɖe kpe na le eƒe agbe me ŋlɔ bena: “Yehowa, nye Mawu, wò nukunu kple wò tamesusu, siwo nèɖe fia ɖe mía ŋu la, sɔ gbɔ. Naneke mede nuwò o! Mebe, matsɔ wo aɖe gbeƒãe, eye maƒo nu le wo ŋu, ke womele xexlẽ me o.” (Psalmo 40:6) Ne míedea ŋugble le yayra siwo míexɔna tso Yehowa gbɔ ŋu ɣesiaɣi abe Dawid ene la, dzi adzɔ mí godoo.

Nɔnɔme Nyui Nenɔ Asiwò

8. Nukae kpena ɖe Kristotɔ ŋu be wòayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm ne ele yometiti me tom?

8 Yesu de dzi ƒo na eyomedzelawo be woana nɔnɔme nyui nanɔ wo si ne wole xaxawo me tom. Egblɔ be: “[Dzi nadzɔ] mi, ne woadzu mi, eye woati mia yome, eye woaka aʋatso agblɔ nya vɔ̃ bubu ƒomeviwo katã ɖe mia ŋuti le tanye.” (Mateo 5:11) Susu kae li si ta wòle be dzi nadzɔ mí le nɔnɔme sia me? Alesi ŋutete le mía ŋu míete ŋu nɔa te ɖe tsitretsiɖeŋu nu nye kpeɖodzi be Yehowa ƒe gbɔgbɔ le mía dzi. Apostolo Petro gblɔ na ehati Kristotɔwo le eŋɔli me be: ‘Ne wodzu mi le Kristo ƒe ŋkɔ ta la, dzi nedzɔ mi; elabena ŋutikɔkɔe kple Mawu ƒe gbɔgbɔ la va dzudzɔ ɖe mia dzi.’ (Petro I, 4:13, 14) Yehowa hã ato eƒe gbɔgbɔ dzi akpe ɖe mía ŋu be míado dzi, si ana be míayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm.

9. Nukae kpe ɖe nɔviŋutsu aɖewo ŋu wokpɔ susu siwo ta wòle be dzi nadzɔ wo esime wole gaxɔ me ɖe woƒe xɔse ta la dze sii?

9 Ne míele nɔnɔme sesẽtɔwo kekeake me tom gɔ̃ hã la, míate ŋu akpɔ susu siwo ta dzi adzɔ mí. Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Adolf kpɔe be ele nenema. Dukɔ aɖe si me woxe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔ nu ƒe geɖe mee wòle. Wolé Adolf kple ehati geɖe hetso afia na wo be woayi mɔ ɣeyiɣi didi le esi wogbe be yewomagbe nu le yewoƒe dzixɔse siwo wotu ɖe Biblia dzi gbɔ o ta. Agbenɔnɔ le gaxɔa me menɔ bɔbɔe na wo o, gake abe Paulo kple Sila ene la Adolf kple ehatiawo kpɔ susu siwo ta woada akpe na Mawu ɖo. Wode dzesii be nusiwo me yewoto le gaxɔa me kpe ɖe yewo ŋu yewodo ŋusẽ yewoƒe xɔse hetu Kristotɔwo ƒe nɔnɔme xɔasiwo abe, dɔmenyonyo, nublanuikpɔkpɔ, kple dadavilɔlɔ̃ ɖo. Le kpɔɖeŋu me, ne gamenɔla aɖe xɔ nunana aɖe tso aƒeme la, emaa nua kple haxɔsetɔwo, amesiwo bua nunana siawo siwo tso adzɔge la be wotso Yehowa, Nunala gã, si gbɔ “nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã” tso la gbɔ. Dɔmenyonunana siawo naa dzi dzɔa nunala la kple exɔlawo siaa. Eyata nu ma si woɖo be woatsɔ agblẽ woƒe xɔse me la ke va na ŋusẽ ɖo wo ŋu ɖe edzi ŋutɔŋutɔ le gbɔgbɔ me!—Yakobo 1:17; Dɔwɔwɔwo 20:35.

10, 11. Aleke nɔvinyɔnu aɖe nɔ te ɖe alesi wonɔ eƒe nume tem se madzudzɔmadzudzɔe kple ɣeyiɣi didi ƒe gaxɔmenɔnɔ si kplɔe ɖo nui?

10 Wolé Ella, amesi hã le dukɔ aɖe si me woxe mɔ ɖe Fiaɖuƒedɔa nu le me ɖe eƒe Kristotɔwo ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu nya si wògblɔ na ame bubuwo ta. Wonɔ eƒe nume tete se dzi ɣleti enyi sɔŋ. Esi wohee va ʋɔnui mlɔeba la, wodee mɔ ƒe ewo le gaxɔ aɖe si me Yehowa subɔla bubu aɖeke mele o me. Ƒe 24 koe nɔ Ella si ɣemaɣi.

11 Ele eme be Ella menɔ mɔ kpɔm be yeazã yeƒe ɖetugbimenɔɣi ƒe akpa gãtɔ le gaxɔ me o. Gake esi mate ŋu atrɔ eƒe nɔnɔmea o la, eɖoe be yeatrɔ yeƒe nukpɔsusu. Esia na wòte gaxɔa me bubu eƒe anyigbamama si me wòaɖi ɖase le. Egblɔ be: “Gbeƒãɖeɖedɔ geɖe li mawɔ ale gbegbe be ɖeko ƒeawo va yi kabakaba ŋutɔ.” Le ƒe atɔ̃ kple nanewo megbe la, wogate Ella ƒe nume se ake. Esi numeteselaawo de dzesii be gaxɔmenɔnɔ megblẽ eƒe xɔse dome o la, wogblɔ nɛ be: “Míate ŋu aɖe asi le ŋuwò o; metrɔ o.” Ella ɖo eŋu kakaɖedzitɔe be: “Gake metrɔ! Nɔnɔme nyui su asinye fifia wu esime meva gaxɔ me zi gbãtɔ, eye nye xɔse sesẽ wu tsã!” Eye egblɔ kpee be: “Ne miedi be yewoaɖe asi le ŋunye o la, manɔ anyi vaseɖe esime Yehowa kpɔe be edze be yeaɖem.” Ƒe atɔ̃ kple afã ƒe gamenɔnɔ mena dzi megadzɔa Ella o! Esrɔ̃ alesi nɔnɔme ɖesiaɖe si me wòge ɖo la nadze eŋui. Àte ŋu asrɔ̃ nane tso eƒe kpɔɖeŋua mea?—Hebritɔwo 13:5.

12. Nukae ate ŋu ana Kristotɔ aɖe ƒe susu me nadze akɔ anyi le nɔnɔme sesẽwo me?

12 Mègaƒo nya ta be nunana tɔxɛ aɖee le Ella si si kpe ɖe eŋu wòte ŋu nɔ te ɖe gbetɔame sia nu o. Esime Ella nɔ nu ƒom tso ɣeyiɣi si me wonɔ eƒe nume tem se le ɣleti siwo do ŋgɔ na eƒe gaxɔ me yiyi ŋu la, elɔ̃ ɖe edzi be: “Meɖo ŋku edzi be nye glã nɔ ƒoƒom kpakpakpa, eye mese le ɖokuinye me abe atsutsurɔe aɖe si dzidzi ƒo ene.” Ke hã Ella xɔ Yehowa dzi se sesĩe. Esrɔ̃ alesi wòaɖo ŋu ɖe eŋui. (Lododowo 3:5-7) Ewɔe be Mawu va zu ame ŋutɔŋutɔ nɛ fifia wu tsã. Eɖe nyaa me be: “Ɣesiaɣi si mage ɖe xɔ si me wotea nye nume sena le me la, nye susume dzea akɔ anyi bɔkɔɔ. . . . Zi alesi nɔnɔmea do ŋɔdzie la, zi nenema nye susu me dzea akɔ anyi ɖe edzii.” Yehowa gbɔe susu me ƒe akɔdzeanyi ma tso. Apostolo Paulo ɖe nu me be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti. Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.”—Filipitɔwo 4:6, 7.

13. Kakaɖedzi kae le mía si be ne míeɖo xaxa me la, ŋusẽ anɔ mía ŋu míado dzi?

13 Tso esime woɖe asi le Ella ŋu la, dzi kpɔtɔ le edzɔm togbɔ be ele nɔnɔme sesẽwo me tom hã. Menye eƒe ŋusẽ mee wòwɔ esia le o, ke boŋ le ŋusẽ si Yehowa nae me. Nenemae wònɔ le apostolo Paulo hã gome, amesi ŋlɔ bena: “Eyata mele lɔlɔ̃m wu bena, maƒo adegbe le nye gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti boŋ, bene Kristo ƒe ŋusẽ nanɔ dzinye. . . . Elabena ne megbɔdzɔ la, ekema mesẽa ŋu.”—Korintotɔwo II, 12:9, 10.

14. Wɔ alesi Kristotɔ aɖe ate ŋu alé nukpɔsusu nyui me ɖe asi le dodokpɔwo me kple nusi ate ŋu ado tso eme ƒe kpɔɖeŋu.

14 Ðewohĩ xaxa siwo me nètona egbea to vovo na esiwo ŋu míeƒo nu tsoe le go aɖewo me. Aleke ke woɖale o, tenɔnɔ ɖe xaxawo nu mele bɔbɔe o. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ wò dɔtɔ atɔ ŋku wò dɔwɔwɔ vevie—etɔ ŋku wò vevie wu dɔwɔvi siwo si subɔsubɔdzixɔse bubuwo le. Ðewohĩ manya wɔ be nàdi dɔ bubu awɔ o. Aleke nàte ŋu ayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔmee? Ðo ŋku Adolf kple ehatiawo dzi, amesiwo srɔ̃ nɔnɔme veviwo tso woƒe gaxɔmenɔnɔ me. Ne èdzea agbagba ɖesiaɖe le anukwareɖiɖi me be yeawɔ dɔ wòadze yeƒe dɔtɔ ŋu—yeawɔe wòadze amesi “ŋu nu medzena o” gɔ̃ hã ŋu la—àva tu Kristotɔwo ƒe nɔnɔme siawo abe dzidodo kple dzigbɔgbɔ blewuu ene ɖo. (Petro I, 2:18) Gakpe ɖe eŋu la, àte ŋu ava zu dɔwɔvi bibi aɖe, si ate ŋu ana mɔnukpɔkpɔwo nava ʋu na wò be nàte ŋu ava kpɔ dɔ aɖe si nyo wu awɔ gbaɖegbe. Fifia mina míadzro mɔ bubu aɖewo siwo me míate ŋu ayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me la me.

Agbe Bɔbɔe Nɔnɔ Naa Wokpɔa Dzidzɔ

15-17. Nukae srɔ̃tɔ aɖewo srɔ̃ be ate ŋu aɖe xaxa dzi akpɔtɔ, togbɔ be nusi gbɔ wòtso mate ŋu aɖe ɖa keŋkeŋ o hã?

15 Ðewohĩ naneke manyawɔ na wò le dɔ si tɔgbe nèwɔna kple afisi wò dɔa le ŋu o, gake wò agbe ƒe akpa bubuwo anɔ anyi si dzi nàte ŋu akpɔ ŋusẽ ɖo vie. De ŋugble le nuteƒekpɔkpɔ si gbɔna ŋu.

16 Srɔ̃tɔ Kristotɔ aɖe kpe hamemegã aɖe va woƒe aƒeme be wòaɖu nu kpli yewo. Le fiẽ ma me la, nɔviŋutsua kple srɔ̃a ka eta nɛ be agbe me nuteɖeamedziwo tsɔtsɔ va le yewo glom ŋkeke siawo me. Togbɔ be wo ame evea siaa ƒe dɔwɔɖui xɔa woƒe ɣeyiɣi katã le wo si hã la, ŋutete mele wo ŋu woadi dɔ bubu o. Womenya ɣeyiɣi didi si woagate ŋu anɔ te ɖe nɔnɔme sia nu o.

17 Esi wobia hamemegãa be wòaɖo aɖaŋu na yewo la, egblɔ na wo be, “Miwɔ Miaƒe Agbe Wòanɔ bɔbɔe.” Le mɔ ka nu? Ŋutsua kple srɔ̃a zãa gaƒoƒo abe etɔ̃ ene ɖe dɔmeyiyi kple gbɔgbɔ ŋu gbesiagbe. Hamemegãa, amesi nya srɔ̃tɔawo nyuie do susua ɖa be woabu ʋuʋu yi afisi te ɖe woƒe dɔa ŋu la ŋu kpɔ, ale be woate ŋu aɖe ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si wozãna ɖe mɔzɔzɔ ayi dɔme kple tɔtrɔgbɔ gbesiagbe ŋu dzi akpɔtɔ. Woate ŋu azã ɣeyiɣi si woakpɔ la ɖe nya vevi bubuwo ŋu—alo atsɔe agbɔ ɖe eme ya teti. Ne nuteɖeamedziwo na dzi megadzɔa wò tututu o la, nukata màlé ŋku ɖe wò nɔnɔmea ŋu akpɔ be tɔtrɔ kawoe li yeate ŋu awɔ hã o?

18. Nukatae wòle vevie be woabu tame nyuie hafi awɔ nyametsotso?

18 Mɔ bubu si nu woate ŋu aɖe nuteɖeamedzi dzi akpɔtɔ le enye be woabu nu ŋu nyuie hafi awɔ nyametsotso. Le kpɔɖeŋu me, Kristotɔ aɖe wɔ ɖoɖo be yeatso aƒe. Togbɔ be metu xɔ kpɔ o hã la, etia xɔ ƒe nɔnɔmetata kpeɖi aɖe. Fifia eva de dzesii be anye ne yeƒo asa na kuxi siwo mehiã hafi o ne ɖe ‘yelé ŋku ɖe yeƒe afɔɖeɖe ŋu’ hafi tia xɔ ƒe nɔnɔmetataa na yeƒe aƒea tsotso. (Lododowo 14:15) Kristotɔ bubu lɔ̃ be yeada megbe na haxɔsetɔ aɖe wòado ga. Le megbedaɖoɖoa nu la, ne gadola la mete ŋu va xe gaa o la, amesi da megbe nɛ ye axee. Le gɔmedzedzea me la, kuxi aɖeke medo mo ɖa o, gake esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, gadola la megava wɔ ɖe ɖoɖoa dzi o. Vɔvɔ̃ ɖo amesi gbɔ wodo gaa le wòbia tso megbedalaa si be wòaxe gadodo bliboa katã. Ema na megbedala la xaxa ale gbegbe. Ðe wòate ŋu aƒo asa na nu sia ne ɖe wòde ŋugble le nyaa ƒe akpa sia kpa ŋu nyuie wu hafi lɔ̃ be yeada megbe na amea wòado gaa?—Lododowo 17:18.

19. Mɔ siwo dzi míate ŋu aɖe nuteɖeamedziwo dzi akpɔtɔ le le míaƒe agbe me dometɔ aɖewoe nye ka?

19 Ne ɖeɖi te mía ŋu la, mígaƒo nya ta gbeɖe be míate ŋu aɖe nusi te ɖe mía dzi la dzi akpɔtɔ ne míeɖe ɣeyiɣi si míezãna ɖe mía ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃, gbeadzisubɔsubɔdɔa, kple kpekpewo dede ŋu dzi kpɔtɔ o. Elabena nusiawoe nye mɔ vevi siwo dzi míato ate ŋu axɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe, si ƒe kutsetse ɖekae nye dzidzɔ. (Galatiatɔwo 5:22) Zi geɖe la, Kristotɔwo ƒe dɔwo naa dzidzeme ame, wometea ɖeɖi ame ŋu akpa o. (Mateo 11:28-30) Ate ŋu anye be dɔwɔɖui alo modzakaɖenuwɔnawo boŋue naa ɖeɖi tea mía ŋu, ke menye gbɔgbɔmedɔwo gbɔe wòtso o. Anyimɔmlɔ ɖe ɣeyiɣi nyui dzi ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ŋusẽ naɖo mía ŋu. Ɣeyiɣi vi aɖe didi atsɔ agbɔ ɖe eme ate ŋu aɖe vi na mí ŋutɔ. N. H. Knorr, amesi nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me tɔ vaseɖe esime wòku, lɔ̃a gbɔgblɔ na dutanyanyuigblɔlawo be: “Ne dzi ɖe le mia ƒo la, nu gbãtɔ si miawɔe nye miagbɔ ɖe eme vie. Miakpɔ nane si mienɔ mɔ kpɔm na o be kuxi ɖesiaɖe kloe nu nya nɔna wu ne miedɔ alɔ̃ nyuie le zã si va yi me!”

20. (a) Ƒo nu tso mɔ siwo dzi míato dzi nanɔ mía dzɔm dometɔ aɖewo ŋu kpuie. (b) Susu kawo ŋue nàte ŋu abu siwo ta wòle be dzi nadzɔ wò ɖo? (Kpɔ aɖaka si le axa 17 me.)

20 Enye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛe na Kristotɔwo be wole ‘dzidzɔ Mawu’ la subɔm. (Timoteo I, 1:11) Abe alesi míekpɔe ene la, míate ŋu ayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm ne kuxi sesẽwo dzɔ ɖe mía dzi gɔ̃ hã. Mina Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔa nanɔ susu me na mí ɣesiaɣi, ne wòhiã la, míawɔ asitɔtrɔ le míaƒe nukpɔsusu ŋu, eye míawɔ míaƒe agbe wòanɔ bɔbɔe. Ekema nɔnɔme ka ke mee míege ɖo o, míawɔ ɖe apostolo Paulo ƒe nyawo dzi be: “Dzi nadzɔ mi le Aƒetɔ la me ɖaasi; megale egblɔm bena: Dzi nadzɔ mi!”—Filipitɔwo 4:4.

De Ŋugble Le Biabia Siawo Ŋu Vevie:

• Nukatae wòle be Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔa nanɔ susume na Kristotɔwo vevie?

• Nukae akpe ɖe mía ŋu míayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm le nɔnɔme sesẽwo me?

• Nukatae wòle be míadze agbagba awɔ míaƒe agbe wòanɔ bɔbɔe?

• Mɔ kawo nue ame aɖewo wɔ woƒe agbe wòle bɔbɔe na wo le?

[Biabiawo]

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 17]

Susu Bubu Siwo ta Míakpɔ Dzidzɔ Ðo

Esi míenye Kristotɔwo ta la, susu geɖewo li, siwo ta míakpɔ dzidzɔ ɖo. Bu esiwo gbɔna ŋu kpɔ:

1. Míedze si Yehowa.

2. Míesrɔ̃ Mawu ƒe Nya ŋuti nyateƒea.

3. Yesu ƒe vɔsa si dzi míexɔ se na be woate ŋu atsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ake mí.

4. Mawu ƒe Fiaɖuƒea le dzi ɖum—xexe yeyea ava kpuie!

5. Yehowa kplɔ mí va gbɔgbɔmeparadiso aɖe mee.

6. Míesea vivi le Kristotɔwo ƒe hadede tuameɖo me.

7. Mɔnukpɔkpɔ su mía si míewɔa gbeƒãɖeɖedɔa.

8. Míele agbe, eye lãmesẽ aɖe ya teti le mía si.

Susu bubu siwo ta míakpɔ dzidzɔ ɖo nenie nàte ŋu ayɔ?

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Paulo kple Sila kpɔ dzidzɔ le gaxɔ me gɔ̃ hã

[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

Ðe wò ŋku le dzidzɔ si anɔ Mawu ƒe xexe yeyea me ƒe mɔkpɔkpɔa dzia?