Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Akpe na Yehowa Ðasefowo le Subɔsubɔblɔɖe Ta’

‘Akpe na Yehowa Ðasefowo le Subɔsubɔblɔɖe Ta’

‘Akpe na Yehowa Ðasefowo le Subɔsubɔblɔɖe Ta’

NYADZƆDZƆGBALẼ si nye USA Today me nyati aɖe gblɔ be: “Hafi nàtu ʋɔ ɖe Yehowa Ðasefowo nu la, tɔ sẽ nàbu yometiti kple fu si wokpe ŋukpetɔe eteƒe medidi boo o, kpakple akpa vevi si wowɔ le United States ƒe Dukplɔse me Ðɔɖɔɖo Gbãtɔ ƒe ablɔɖe siwo wòna si le vi ɖem na mí katã la ŋu kpɔ.” Le ƒe 1940-awo katã me la, woti Yehowa Ðasefowo yome le United States, nusiwo tae dometɔ ɖekae nye gbegbe be yewomado gbe na aflaga o.—Mose II, 20:4, 5.

Wotsɔ Yehowa Ðasefowo ƒe ʋɔnunya siwo anye 30 yi United States Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔe le ƒe atɔ̃ me, tso ƒe 1938 va ɖo ƒe 1943 me. Nyatia gblɔ be: “Ðasefowo he nya le Dukplɔsea me Ðɔɖɔɖo Gbãtɔ me nya veviwo ŋu edziedzi ale gbegbe be Ʋɔnudrɔ̃lagã Harlan Fiske Stone ŋlɔ be, ‘Ele be woana nu Yehowa Ðasefowo ɖe kpekpeɖeŋu si wona le dukɔmeviwo ƒe ablɔɖegomenɔamesi kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ me ta.’”

Eyata wogblɔ le nyatia ƒe nuwuwu lɔƒo be: “Ele be subɔsubɔhawo katã nada akpe na Yehowa Ðasefowo le nusi wowɔ be [mawusubɔsubɔblɔɖe] keke ɖe enu ta.”

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 32]

Foto si me woŋlɔ nuawo ɖo, xɔa: Photo by Josh Mathes, Collection of the Supreme Court of the United States; ete le miame, ʋɔnudrɔ̃lawo: Collection of the Supreme Court of the United States