Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kafu Yehowa Ðe Eƒe Dɔ Wɔnukuwo Ta!

Kafu Yehowa Ðe Eƒe Dɔ Wɔnukuwo Ta!

Kafu Yehowa Ðe Eƒe Dɔ Wɔnukuwo Ta!

‘Nye luʋɔ do Yehowa ɖe dzi elabena Ŋusẽtɔ la wɔ nuwɔnukuwo nam.’—LUKA 1:46-49.

1. Yehowa ƒe dɔ wɔnuku kawo tae wòsɔ be míekafunɛ ɖo?

YEHOWA dze na kafukafu ɖe eƒe dɔ wɔnukuwo ta. Esi nyagblɔɖila Mose nɔ nu ƒom tso Israel-viwo ɖeɖe tso Egipte ŋu la, egblɔe be: “Mia ŋutɔwo miekpɔ nu gã, siwo Yehowa wɔ la, kple ŋku.” (Mose V, 11:1-7) Nenema ke esi mawudɔla Gabriel nɔ Yesu dzidzi ƒe nya gblɔm na ɖetugbi nɔaƒe Maria la, Maria gblɔ be: “Nye luʋɔ do [Yehowa, NW] ɖe dzi . . . elabena ŋusẽtɔ la wɔ nu dzɔtsuwo nam.” (Luka 1:46-49) Mí Yehowa Ðasefowo míekafunɛ ɖe nu wɔnuku siawo, abe Israel-viwo ɖeɖe tso kluvinyenye me le Egipte kple alesi wofɔ Via lɔlɔ̃a ƒe fu nukutɔe ene la ta.

2. (a) Nukae Mawu ƒe ‘tameɖoɖo mavɔ’ la fia na ameƒomea me tɔ siwo nye toɖolawo? (b) Nukae Yohanes kpɔ hese le Patmo-ƒukpoa dzi?

2 Yehowa ƒe nu wɔnuku geɖe do ƒome kple eƒe ‘tameɖoɖo mavɔ’ si nye be yeato Mesia la kple eƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua dzi ayra ameƒomea me tɔ siwo nye toɖolawo. (Efesotɔwo 3:8-13) Tameɖoɖo ma me nɔ kɔkɔm vivivi esime woɖe mɔ na apostolo tsitsi Yohanes be wòakpɔ nu to ʋɔtru aɖe si woʋu le dziƒo le ŋutega me nu. Ese gbe si le abe kpẽ ƒe ɖiɖi ene be: “Va dziƒo afii, eye mafia nusiwo lava ve me le esiawo megbe la wò.” (Nyaɖeɖefia 4:1) Esi Roma-dziɖuɖua ɖe aboyo Yohanes yi ɖe Patmo-ƒukpoa dzi “le Mawu ƒe nya kple Yesu Kristo ƒe ɖaseɖiɖi ta” la, woɖe “Yesu ƒe nyaɖeɖefia” la fiae. Nusi apostoloa kpɔ hese la ɖe nu geɖe siwo ku ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo mavɔ ŋu fia, eye esia nye nusi naa gbɔgbɔmenumekɔkɔ kple dzideƒoname si sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi nyateƒe Kristotɔwo katã.—Nyaɖeɖefia 1:1, 9, 10.

3. Amekawoe amegã xoxo 24 siwo Yohanes kpɔ le ŋutega me la tsi tre ɖi na?

3 To dziƒo ʋɔtru ma si woʋu ɖi dzi la, Yohanes kpɔ amegã xoxo 24 siwo nɔ anyi ɖe fiazikpuiwo dzi eye woɖɔ fiakuku na wo. Wotsyɔ mo anyi ɖe Mawu ŋkume eye wogblɔ be: “Mía Aƒetɔ kple mía Mawu, wòe dze be, naxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ; elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.” (Nyaɖeɖefia 4:11) Amegã xoxo mawo tsi tre ɖi na Kristotɔ amesiamina siwo katã wofɔ ɖe tsitre, siwo le ɖoƒe kɔkɔ si ƒe ŋugbe Mawu do na wo. Wokafu Yehowa ɖe dɔ wɔnuku siwo wòwɔ le nuwo wɔwɔ me ta. Yehowa ƒe ‘ŋusẽ mavɔ kple Mawunyenye’ ƒe kpeɖodziwo wɔa nuku na míawo hã. (Romatɔwo 1:20) Eye zi alesi míesrɔ̃ nu tso Yehowa ŋui la, zi nenemae míekpɔnɛ be ele be míakafui.

Gblɔ Yehowa ƒe Dɔ Wɔnukuwo Fia!

4, 5. Gblɔ alesi Dawid kafu Yehowae ƒe kpɔɖeŋu aɖewo.

4 Hakpala Dawid kafu Mawu ɖe Eƒe dɔ wɔnukuwo ta. Le kpɔɖeŋu me, Dawid dzi ha be: “Midzi kafukafuha na Yehowa, amesi le Zion, miɖe gbeƒã eƒe nutsuwɔwɔwo le dukɔwo dome! Ve nunye, Yehowa! Wò amesi de asi tenye tso ku ƒe agbowo me la, kpɔ alesi mele fu kpemi le nye adikãtɔwo si me la ɖa: ne maxlẽ nya afia le wò ŋkɔxɔxɔwo katã ŋu le Zion-vinyɔnu ƒe duwo me.” (Psalmo 9:12, 14, 15) Esi Dawid tsɔ alesi woatu gbedoxɔae ƒe tata na via Salomo vɔ megbe la, ekafu Mawu hedzi ha be: “Yehowa, tɔwòe nye gãnyenye kple ŋusẽ, ŋutikɔkɔe, bubu, kple kafukafu, . . . Yehowa, tɔwòe nye fiaɖuƒe, eye wòe ɖo kpo ɖe nusiwo katã ƒe ŋkɔ de dzi la dzi. . . . Eyata, mía Mawu míele akpe dam na wò, eye míele wò ŋutikɔkɔe ƒe ŋkɔ la kafum.”—Kronika I, 29:10-13.

5 Ŋɔŋlɔawo kpea mí edziedzi—ẽ, woƒonɛ ɖe mía nu—be míakafu Mawu, abe alesi Dawid wɔe ene. Mawu kafukafunya geɖe le Psalmowo ƒe agbalẽa me, eye wogblɔ be Dawid ye ŋlɔ ha siawo ƒe afã. Ekafua Yehowa ɣesiaɣi eye wòdaa akpe nɛ hã. (Psalmo 69:31) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, tso blema ke la, wotsɔa Dawid kple ame bubuwo ƒe ha siwo Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã wo wokpa la kafua Yehowae.

6. Aleke Psalmo siwo tso gbɔgbɔ me la ɖea vi na míi?

6 Aleke gbegbe Psalmowo ɖea vi na Yehowa subɔlawoe nye esi! Míaƒe susu ayi ɖe Psalmowo me nya viviwo dzi ne míedi be míada akpe na Mawu ɖe eƒe nu wɔnuku siwo wowɔ na mí la ta. Le kpɔɖeŋu me, ne míenya fɔ ŋdi la, míaƒe dzi ate ŋu aʋã mí be míagblɔ nya siawo tɔgbe: “Enyo be, woada akpe na Yehowa, eye woadzi kafukafuha na wò ŋkɔ, wò dziƒoʋĩtɔ la, woaɖe gbeƒã wò amenuveve le ŋdi kple wò nuteƒewɔwɔ le zãwo me, . . . elabena wò, Yehowa, ètsɔ wò dɔwɔwɔwo do dzidzɔ nam, wò asinudɔwo ta mele aseye tsom ɖo.” (Psalmo 92:2-5) Ne míeɖu mɔxenu aɖe si ado kplamatse míaƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi dzi la, míaƒe dzi aʋã mí be míatsɔ dzidzɔ kple akpedada ado gbe ɖa abe alesi hakpalaa dzi hae ene be: “Mitso! Mina míatso aseye ɖe Yehowa ŋu, eye míagli kple dzidzɔ ɖe míaƒe xɔname ƒe agakpe la ŋu! Mina míatsɔ akpedada ado ɖe eƒe ŋku me, eye míatsɔ kafukafuhawo atso aseye ɖe eŋu.”—Psalmo 95:1, 2.

7. (a) Nukae ɖe dzesi le ha geɖe siwo Kristotɔwo dzina la ŋu? (b) Susu ka tae wòle be woava kpekpewo kaba ahanɔ anyi vaseɖe kpakpãɣi?

7 Zi geɖe la, míedzia kafukafuhawo na Yehowa le hamea ƒe kpekpewo, nutome sue, kple nutome gã takpekpewo me. Enye nusi ɖedzesi ŋutɔ be wotu ha siawo dometɔ geɖe ɖe Psalmowo ƒe agbalẽa me nya siwo tso gbɔgbɔ me la dzi. Aleke gbegbe míekpɔa dzidzɔe enye esi be egbegbe kafukafuha dodzidzɔname siwo kafua Yehowa la le mía si! Hadzidzi atsɔ akafu Mawui nye susu nyui ŋutɔ aɖe si ta wòle be míayi míaƒe kpekpewo kaba eye míanɔ anyi vaseɖe kpakpãɣi be mía kple hatitadeagulawo míadzi ha eye míado gbe ɖa akafu Yehowa.

“Mikafu Yehowa”

8. Nukae dze le nya si nye “Halleluya” me, eye aleke woɖea egɔme zi geɖe?

8 Yehowa kafukafue dze le nya si nye “Halleluya,” si nye Hebrigbe me nya si gɔme woɖena ɣesiaɣi kloe le Eʋegbe me be “Mikafu Yehowa” la me. Le kpɔɖeŋu me, míekpɔ amekpekpe vividodoɖeameŋutɔe sia si dzi wote gbe ɖo le Psalmo 135:1-3 be: “Mikafu Yehowa ƒe ŋkɔ, mi Yehowa ƒe dɔlawo, mikafui; mi amesiwo tsia tre ɖe Yehowa ƒe me, le mía Mawu ƒe aƒe ƒe xɔxɔnuwo! Mikafu Yehowa, elabena Yehowa ƒe dɔme nyo; midzi kafukafuha na eƒe ŋkɔ, elabena vivi le eŋu.”

9. Nukawoe ʋãa mí be míakafu Yehowa?

9 Ne míede ŋugble le nu wɔnuku siwo Mawu wɔ le xexemewɔwɔ me kple nu nyui siwo katã wòle wɔwɔm na mí ŋu la, ŋudzedzekpɔkpɔ si tso dzime ʋãa mí be míakafui. Ne míebu nu wɔnuku siwo Yehowa wɔ na eƒe amewo le ɣeyiɣi siwo va yi me ŋu la, míaƒe dzi ʋãa mí be míakafui. Eye ne míede ŋugble le nu gã siwo ƒe ŋugbe Yehowa do be yeagawɔ ŋu la, míedia mɔ siwo dzi míato akafui ahada akpe nɛ.

10, 11. Nukatae agbe si míele ɖeɖe nye nusita míakafu Mawu ɖo?

10 Agbe si míele ɖeɖe hã nye susu si ta míada akpe na Yehowa ɖo. Dawid dzi ha be: “Meda akpe na wò [Yehowa] le alesi wowɔm nukutɔe la ta; wò dɔwɔwɔwo nye nukunu, eye nye luʋɔ dze si esia keŋ.” (Psalmo 139:14) Nyateƒee, ‘wowɔ mí nukutɔe’ eye wona nunana xɔasi siwo nye nukpɔkpɔ, nusese, kple nuŋububu ŋutete mí. Eyata ɖe mele be míanɔ agbe si anye kafukafu na mía Wɔla oa? Paulo gblɔ nya ma tɔgbe aɖe esi wòŋlɔ be: “Azɔ la ne miele nu ɖum alo miele nu nom alo miele dɔ aɖe wɔm la, miwɔ ye katã na Mawu ƒe kafukafu.”—Korintotɔwo I, 10:31.

11 Ne míelɔ̃ Yehowa vavã la, ekema míawɔ nusianu hena eƒe kafukafu. Yesu gblɔe be sedede gbãtɔ enye be: “Nàlɔ̃ Aƒetɔ wò Mawu la, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo kpakple wò ŋusẽ blibo.” (Marko 12:30; Mose V, 6:5) Nyateƒee, ele be mialɔ̃ Yehowa ahakafui, eya amesi nye mía Wɔla kple “nunana nyuiwo katã” Nala la. (Yakobo 1:17; Yesaya 51:13; Dɔwɔwɔwo 17:28) Esɔ be míawɔ esia elabena, míaƒe nuŋububu ŋutetewo, míaƒe gbɔgbɔmeŋutetewo, kple míaƒe ŋusẽ—míaƒe nɔnɔmewo kple ŋutetewo katã—Yehowa gbɔe wotso. Esi wònye mía Wɔla ta la, edze na míaƒe lɔlɔ̃ kple kafukafu ɖesiaɖe.

12. Aleke nèsena le ɖokuiwò me le Yehowa ƒe nukudɔwo kple nya siwo dze le Psalm 40:6 me ŋu?

12 Yehowa ƒe dɔ wɔnukuwo na mí susu gbogbo siwo ta míate ŋu alɔ̃e ahakafui ɖo! Dawid dzi ha be: “Yehowa, nye Mawu, wò nukunu kple wò tamesusu, siwo nèɖe fia ɖe mía ŋu la, sɔ gbɔ. Naneke mede nuwò o! Mebe, matsɔ wo aɖe gbeƒãe, eye maƒo nu le wo ŋu, ke womele xexlẽ me o.” (Psalmo 40:6) Dawid mete ŋu ɖo ŋku Yehowa ƒe nukudɔwo katã dzi o, eye nenema ke míawo hã míate ŋui o. Gake mina míakafu Mawu ɣesiaɣi si wonya ɖo ŋku eƒe nukudɔ aɖewo dzi na mí ko.

Dɔwɔwɔ Siwo Do Ƒome Kple Mawu ƒe Tameɖoɖo Mavɔ

13. Aleke míaƒe mɔkpɔkpɔ do ƒomee kplikplikpli kple Mawu ƒe nukudɔwo?

13 Míaƒe etsɔme mɔkpɔkpɔ do ƒome kplikplikpli kple Mawu ƒe nukudɔwo kpakple eƒe tameɖoɖo mavɔ. Le aglãdzedze le Eden-bɔa me vɔ megbe la, Yehowa gblɔ nyagblɔɖi gbãtɔ si me mɔkpɔkpɔ yɔ fũ. Esi Mawu nɔ fi ƒom de daa la, egblɔ be: “Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la, àɖu afɔkpodzi nɛ.” (Mose I, 3:15) Nyɔnua ƒe Dzidzimevi ŋuti mɔkpɔkpɔ gakpɔtɔ nɔ susu me na ameƒomea me tɔ nuteƒewɔlawo le esime Yehowa wɔ nukudɔ to alesi wòkpɔ Noa kple eƒe ƒomea ta le Tsiɖɔɖɔ si kplɔ xexe vɔ̃ɖi ma dzoe vɔ megbe. (Petro II, 2:5) Nyagblɔɖi me ŋugbe siwo wodo na xɔsetɔ siwo nye Abraham kple Dawid la kɔ nu geɖe me le nusi Yehowa ava wɔ to Dzidzimevia dzi ŋu.—Mose I, 22:15-18; Samuel II, 7:12.

14. Nukae nye Yehowa ƒe nukudɔ siwo wòwɔ ɖe ameƒomea ƒe nyonyo ta ƒe kpɔɖeŋu gãtɔ kekeake?

14 Alesi Yehowa nye nukudɔwɔla hena ameƒomea ƒe nyonyo si ɖeke mesɔ kpli o la ƒe ɖeɖefia gãtɔ kekeake dze ƒã esime wòtsɔ eƒe Tenuvi—Yesu Kristo, Ŋugbedodovia—na tafevɔsae. (Yohanes 3:16; Dɔwɔwɔwo 2:29-36) Tafevɔsa lae nye nusi dzi woanɔ te ɖo alé avu le mía kple Mawu dome. (Mateo 20:28; Romatɔwo 5:11) Yehowa kplɔ amesiwo wolé avu le wo kplii dome la ƒe gbãtɔwo va Kristo-hamea si woɖo le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi la me. To gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu me la, woɖe gbeƒã nyanyuia le afisiafi, eye woɖe alesi Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi ʋu mɔ na ameƒomea me tɔ siwo nye toɖolawo be woaxɔ yayra mavɔ le Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te la fia.

15. Aleke Yehowa wɔ nu nukutɔe le míaƒe ŋkekea mee?

15 Le míaƒe ŋkekea me la, Yehowa wɔ nu nukutɔe tsɔ ƒo Kristotɔ amesiamina susɔeawo nu ƒui. Wolé tsɔtsrɔ̃ ƒe ya eneawo ɖe asi be woate ŋu atre ame 144,000 me tɔ mamlɛ siwo gbɔna dzi ɖu ge akpe ɖe Kristo ŋu le dziƒo la nu. (Nyaɖeɖefia 7:1-4; 20:6) Mawu kpɔ egbɔ be woɖe Kristotɔ amesiaminawo tso “Babilon gã,” alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe la ƒe gbɔgbɔmeboyo me. (Nyaɖeɖefia 17:1-5) Nukae ɖeɖe ma kple ametakpɔkpɔ si Mawu na wo tso ƒe 1919 me ke la na amesiamina susɔeawo wɔ? Woyi edzi le keklẽm le ɖase mamlɛa ɖiɖi hafi Yehowa nahe Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖia ava nuwuwui le “xaxa gã” si le aƒe tum kabakaba la me.—Mateo 24:21; Daniel 12:3; Nyaɖeɖefia 7:14.

16. Nukae do tso egbegbe xexeme katã ƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔ si wɔm wole la me?

16 Yehowa ƒe Ðasefo amesiaminawo le ŋgɔ xɔm le xexeame katã ƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me dzonɔamemetɔe. Esia na be ‘alẽ bubuawo’ va le Yehowa ƒe subɔlawo zum. (Yohanes 10:16) Enyea dzidzɔ na mí be mɔnukpɔkpɔ gale ʋuʋu ɖi na ame fafa siwo le anyigba dzi la be woava kpe ɖe mía ŋu le Yehowa kafukafu me. Mɔkpɔkpɔ va sua amesiwo wɔna ɖe amekpekpe be ‘woava’ dzi la si be woakpɔ wo ta le xaxa gã la me kple mɔkpɔkpɔ be woakafu Yehowa yi ɖe mavɔmavɔ me.—Nyaɖeɖefia 22:17.

Ame Akpewo Le Zi Nyem ɖe Tadedeagu Vavãtɔ Ŋu

17. (a) Aleke Yehowa le nukudɔwo wɔm le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa mee? (b) Aleke Zaxarya 8:23 me nyawo le eme vamee?

17 Yehowa le dɔ wɔnuku siwo dze na kafukafu wɔm to míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi. (Marko 13:10) Le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me la, ‘eʋu dɔ geɖe wɔwɔ ƒe ʋɔtru gãwo ɖi.’ (Korintotɔwo I, 16:9) Esia na wote ŋu le gbeƒã ɖem nyanyuia le anyigbamama siwo me nyateƒea ƒe futɔwo tsi tre ɖe eŋu le tsã la me. Amesiwo nɔ gbɔgbɔmeviviti me tsã la dometɔ geɖe le wɔwɔm ɖe amekpekpea be woava subɔ Yehowa dzi. Wona nyagblɔɖi sia me nyawo le eme vam: “Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ɣemaɣi la ŋutsu ewo atso dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo katã me alé Yuda-ŋutsu ɖeka ƒe awu toga agblɔ bena: Míayi kpli mi, elabena míese be, Mawu li kpli mi.” (Zaxarya 8:23) Amesiwo wodi be ‘yewoayi kplii’ ye nye gbɔgbɔ me Yudatɔwo, egbegbe Kristotɔ amesiaminawo ƒe ame susɔeawo. Esi ewo te ŋu fiaa anyigbadzinuwo ƒe blibonyenye keŋkeŋ ta la, ‘ŋutsu ewoawo’ tsi tre ɖi na “ameha gã,” si va wɔ ɖeka kple “Mawu ƒe Israel” la eye wova zu “alẽha ɖeka.” (Nyaɖeɖefia 7:9, 10; Galatiatɔwo 6:16) Dzidzɔ ka gbegbee nye esi be woakpɔ ameha siwo nye tadeagula siwo tsɔa subɔsubɔ kɔkɔe naa Yehowa Mawu ɖekae la!

18, 19. Nukawoe ɖee fia be Yehowa le yayram ɖe gbeƒãɖeɖedɔa dzi?

18 Edzɔa dzi na mí be ame akpe nanewo—ẽ, akpe alafa nanewo le tadedeagu vavãtɔ me vam le dukɔ siwo me alakpasubɔsubɔ xɔ aƒe ɖo vevie ale gbegbe be wòwɔ abe ɖe ameawo maxɔ nyanyuia gbeɖe o ene me. Wò ya tsɔ Yearbook of Jehovah’s Witnesses si do nyitsɔ laa nàde dzesi dukɔ siwo me Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo ade 100,000 va ɖo 1,000,000 kloe le fifia. Esia nye kpeɖodzi sẽŋu si fia be Yehowa le yayram ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa dzi.—Lododowo 10:22.

19 Mí Yehowa ƒe amewo míekafua mía Fofo si le dziƒo be wòna tameɖoɖo vavã mí le agbe me, dɔ si naa dzidzeme ame le eƒe subɔsubɔdɔa me, kple etsɔme mɔkpɔkpɔ nyui mí. Míenɔa agbe le mɔkpɔkpɔ vevie me na Mawu ƒe ŋugbedodowo katã me vava eye míeɖoe kplikpaa be ‘míadzra mía ɖokui ɖo le Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me, esi míele agbe mavɔ la lalam.’ (Yuda 20, 21) Aleke míekpɔa dzidzɔe nye si be fifia ameha gã siwo kafua Mawu ƒe xexlẽme de 6,000,000! To Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, amesiamina susɔeawo kple woƒe zɔhɛ alẽ bubuawo le hame siwo anye 91,000 me le dukɔ 235 me. Wonyia mí katã nyuie to “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la ƒe agbagbadzedze madzudzɔmadzudzɔe dzi. (Mateo 24:45) Teokrasi habɔbɔ si le ŋgɔ yim la to Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe 110 dzi le Fiaɖuƒedɔa dzi kpɔm lɔlɔ̃tɔe. Míeda akpe be Yehowa ʋu eƒe amewo ƒe dzi me be wotsɔ ‘woƒe nu nyuitɔwo de bubu eŋui.’ (Lododowo 3:9, 10) Esia wɔe be míaƒe xexeame katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa le edzi yim, eye wole agbalẽtaƒewo, Betel kple dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒewo, Fiaɖuƒe Akpatawo, kple Takpexɔ siwo hiã la tum.

20. Dɔ kae wòle be nukudɔ siwo ta Yehowa dze na kafukafu ŋu bubu nawɔ ɖe mía dzi?

20 Míate ŋu ayɔ míaƒe Dziƒofofo ƒe nu wɔnuku siwo ta wòdze na kafukafu la avɔ o. Gake ɖe ame aɖe si si dzi nyui le la agbe ɖekawɔwɔ kple Yehowa kafulawo ƒe ha gã laa? Kura o! Eyata Mawu lɔ̃lawo katã nagblɔ kple dzidzɔɣli be: “Mikafu Yehowa! Mikafu Yehowa tso dziƒo; midoe ɖe dzi le kɔkɔƒewo! Mikafui, mi eƒe dɔlawo katã, mi eƒe aʋakɔwo katã, mikafui! . . . , ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo siaa, amegã ɖeɖiwo kple ɖeviwo! Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ, elabena eƒe ŋkɔ ɖeɖekoe ɖo kpo, eye eƒe gãnyenye xɔ anyigba dzi kple dziƒo.” (Psalmo 148:1, 2, 12, 13) Ẽ, mina míakafu Yehowa, ɖe eƒe nukudɔwo ta tso fifia yi ɖe mavɔmavɔ me!

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nukawoe nye nusiwo ta Yehowa dze na kafukafu dometɔ aɖewo?

• Nukae na nèsena le ɖokuiwò me be nàkafu Yehowa?

• Aleke míaƒe mɔkpɔkpɔ do ƒome kple Mawu ƒe nukudɔwoe?

• Aleke Yehowa le dɔ siwo dze na kafukafu wɔm le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa mee?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Ðe nètsɔa dzi blibo dzia kafukafuhawo na Yehowaa?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 13]

Edzɔa dzi na mí be mɔnukpɔkpɔa gale ʋuʋu ɖi na ame fafawo be woava kpe ɖe mía ŋu le Yehowa kafukafu me