Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kuxi Siwo Naa Ameƒomea Kpea Fu

Kuxi Siwo Naa Ameƒomea Kpea Fu

Kuxi Siwo Naa Ameƒomea Kpea Fu

“NUKATAE MAWU NUKATAE?” Tanya mae dze gaglãa le nyadzɔdzɔgbalẽ xɔŋkɔ aɖe ƒe axa gbãtɔ le anyigbaʋuʋu gblẽnu aɖe si dzɔ le Asia Sue la vɔ megbe. Wota vifofo aɖe si tɔtɔ le susu me si kɔ vianyɔnu si xɔ abi do goe tso woƒe aƒe si gbã me.

Aʋawɔwɔ, dɔwuame, dɔvɔ̃, kple dzɔdzɔmefɔkuwo he vevesese helĩhelĩ, aɖatsi manyagblɔ, kple ku gbogbo aɖewo vɛ. Tsɔ amesiwo gbɔ wodɔ sesẽe, ɖevi siwo ŋu wosẽ ŋuta le, amesiwo ŋu wowɔ hlɔ̃nu bubuwo ɖo la ƒe fukpekpe kpee. Bu ame gbogbo siwo xɔa abi kple amesiwo kuna le ʋufɔkuwo me hã ŋu kpɔ. Eye ame biliɔn nanewo hã xaa nu vevie le dɔléle, tsitsi, kple woƒe ame veviwo ƒe ku ta.

Ƒe alafa 20 lia to fukpekpe sesẽtɔ kekeake me wu ƒe alafa ɖesiaɖe. Tso ƒe 1914 vaseɖe ƒe 1918 me la, wowu asrafo siwo ƒe xexlẽme ade miliɔn ewo kloe le Xexemeʋa I me. Ŋutinyaŋlɔla aɖewo gblɔ be dumevi dzro siwo ade nenema hã tsi eme. Wowu asrafo kple dumevi dzro siwo anɔ miliɔn 50 le Xexemeʋa II lia me, amesiwo me nyɔnu, ɖevi, kple amegãɖeɖi wɔnamanɔŋuitɔwo hã le. Le ƒe alafa si va yi katã me la, ame miliɔn gbogbo bubuwo kpe fu le ameƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃ ɖa kura, dunyahehe ƒe tɔtrɔ kpatawo, dɔwuame, gbevovovodolawo dome ʋawo, kple ahedada si me. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Historical Atlas of the Twentieth Century bu akɔnta be amesiwo wu miliɔn 180 ye ku le esi nudzɔdzɔ siawo nye “vevesesedonu na amehawo” ta.

Spaintɔwo ƒe dzamezã wu ame miliɔn 20 le ƒe 1918/19 me. Le ƒe 20 siwo va yi me la, AIDS dɔvɔ̃a wu amesiwo ade miliɔn 19, eye dɔlékui si naa AIDS la le amesiwo ade miliɔn 35 ŋu. Ðevi miliɔn geɖe dzilawo megali o—AIDS dɔvɔ̃ la wu wo. AIDS wua vidzĩ gbogbo aɖewo siwo xɔ dɔa le woƒe vidzidɔmenɔɣi.

Wogawɔa fu ɖeviwo le mɔ bubu geɖewo hã nu. Le ƒe 1995 ƒe nuwuwu, esi Englandtɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ Manchester Guardian Weekly yɔ nya tso Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ðeviwo ƒe Nyagbɔkpɔha ƒe nyatakaka me be: “Wowu ɖevi miliɔn 2 le aʋa si wowɔ le ƒe ewo siwo va yi me, ɖevi miliɔn 4-5 zu nuwɔametɔwo, ɖevi miliɔn 12 zu aƒemanɔsitɔwo, esiwo wu miliɔn 1 zu tsyɔ̃eviwo alo wo kple wo dzilawo dome klã, eye wode abi ɖevi miliɔn 10 bubuwo ŋu vevie le susu me.” Tsɔ fu miliɔn 40 va ɖo 50 siwo wobu be woɖena le xexeame katã—ƒe sia ƒe—kpee!

Nukae Etsɔme Ahe Vɛ?

Ame geɖe le vɔvɔ̃m na nusi ava dzɔ le etsɔme. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe gblɔ be: “Amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo. . . ate ŋu atrɔ anyigba ale gbegbe be magate ŋu alé agbe ɖe te abe alesi wòle fifia ene o.” Wogagblɔ kpee be: “Fifia gɔ̃ hã la, ame ɖeka le ame atɔ̃ ɖesiaɖe me da ahe kolikoli eye womekpɔa nusi woaɖu wòade wo nu o, eye nunyuimakpɔɖui gblẽa nu le ame ɖeka le ame ewo ɖesiaɖe me ŋu vevie.” Dzɔdzɔmeŋutinunyalaawo zã mɔnukpɔkpɔ sia tsɔ xlɔ̃ nu “ameƒomea le nusi le ŋgɔ gbɔna ŋu” eye wogagblɔ kpee be: “Ne míedi be míaxe mɔ ɖe ameƒomea ƒe fukpekpe gbogbo aɖe nu, eye nu nagagblẽ keŋkeŋ le míaƒe aƒe si nye anyigba sia dzi o la, ke ehiã be míawɔ tɔtrɔ gã aɖe le alesi míekpɔa anyigba sia kple nugbagbe siwo le edzi la ŋu.”

Nukatae Mawu ɖe mɔ ɖe fukpekpe kple vɔ̃ɖinyenye siawo gbegbe ŋu ɖo? Tame kae wòɖo be yeatsɔ ɖɔ nɔnɔmea ɖo? Ɣekaɣie wòaɖɔe ɖo?

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

Etame, bunɔwo ƒe keke: UN/DPI Foto 186410C si P.S. Sudhakaran ɖe; titina, ɖevi dɔwuitɔwo: WHO/OXFAM; ete, ŋutsu ɖiku: FAO foto/B. Imevbore