Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Míaƒe Ŋkekewo Adzi Ðe Edzi to Nunya Dzi’

‘Míaƒe Ŋkekewo Adzi Ðe Edzi to Nunya Dzi’

‘Míaƒe Ŋkekewo Adzi Ðe Edzi to Nunya Dzi’

AMEKAE malɔ̃ ɖe edzi be asixɔxɔ le nunya ŋu le akɔkpekpe kple agbemekuxiwo me o? Nunya vavãtɔ enye sidzedze kple gɔmesese zazã le mɔ nyuitɔ nu ƒe ŋutete. Eto vovo sã na bometsitsi, movidzɔdzɔ, kple be ame nanye gegeme. Eyata Ŋɔŋlɔawo xlɔ̃ nu mí be míaƒle nunya. (Lododowo 4:7) Le nyateƒe me la, susu vevi si ta woŋlɔ Biblia ƒe agbalẽ si nye Lododowo ɖo enye be wòana woadze nunya ahana hehe ame. Eƒe gɔmedzenyawo xlẽ ale: “Israel-fia Salomo, Dawid vi la, ƒe lododowo nye esi, ne woadze nunya kple amehehe.”—Lododowo 1:1, 2.

Wò ya bu Lododowo ƒe agbalẽa ƒe ta ʋɛ gbãtɔawo ƒe nufiafia vavãwo ŋu kpɔ ko. Salomo ɖe kuku na eƒe nuxlẽlawo abe fofo lɔ̃ame si le nu xlɔ̃m via ene be woaxɔ amehehe eye woaƒu to anyi ɖe nunya ŋu. (Ta 1 kple 2) Efia alesi míatu ƒomedodo kplikplikpli kple Yehowa ɖo kple alesi míadzɔ míaƒe dzi ŋui. (Ta 3 kple 4) Woxlɔ̃ nu mí be míanɔ agbe dzadzɛ. (Ta 5 kple 6) Ẽ, agbegbegblẽnɔla ƒe mɔwo siwo dzi woklo nu le xɔ asi na mí ale gbegbe. (Ta 7) Eye aleke gbegbe nunya si woɖɔ abe ame ene ƒe amekpekpe dzɔa dzi na amesiamee nye si! (Ta 8) Hafi Fia Salomo nayi lododoawo ŋutɔŋutɔ dzi ɖekaɖeka le ta siwo kplɔe ɖo me la, eƒo nusiwo me wòdzro vaseɖe afisia la ta kpokploe wònya se ale gbegbe.—Ta 9.

‘Miva, Miɖu Nye Abolo, eye Mino Nye Wein’

Lododowo ƒe agbalẽa ƒe akpa gbãtɔ taƒoƒo menye nuxlɔ̃ame si wogblɔ do ŋgɔ la gbugbɔgagblɔ dzro ko si xexlẽ tea ɖeɖi ame ŋu o. Ke boŋ woƒo eta wònye kpɔɖeŋu ʋãme dodzidzɔname si aʋã exlẽla be wòadi be yeadze nunya.

Biblia ƒe agbalẽ si nye Lododowo ƒe ta 9 lia dze egɔme kple nya siawo be: “Nunya tu xɔ, eye wòkpa eƒe sɔti adreawo.” (Lododowo 9:1) Agbalẽnyala aɖe gblɔ be anye be nyagbe “sɔti adreawo fia xɔ gã aɖe si wotu nogoo eye sɔti etɔ̃, etɔ̃ le eƒe akpa evewo dzi eye ɖeka le afisi mɔa nu to ƒe titina.” Aleke kee wòɖale o, nunya vavãtɔ tu xɔ gã aɖe afisi wòaxɔ amedzro geɖe ɖo.

Nusianu sɔ gbe hena kplɔ̃a ɖoɖo. Lã kple wein sɔ gbe. Nunya ŋutɔ kpɔ lãa wuwu kple kplɔ̃a ɖoɖo gbɔ. “Ewu eƒe lãwo, edzro eƒe wein, eye wòɖo kplɔ̃ hã.” (Lododowo 9:2) Edze ƒã be gbɔgbɔmenuɖuɖu si kɔa nu me si ŋu woade ŋugble le nyuie le kpɔɖeŋukplɔ̃ sia dzi.—Yesaya 55:1, 2.

Amekawoe wokpe va nunya vavãtɔ ƒe kplɔ̃ɖoƒea? “Edɔ eƒe dɔlanyɔnuwo ɖa, ne woado ɣli le dua ƒe kɔkɔƒewo be: “Mi bebewuwo, miva dze afii!” Ele gbɔgblɔm na [numanyalawo] be: “Miva, ne miaɖu nye abolo, eye miano nye wein, si metɔtɔ la! Miɖe asi le bometsitsi ŋu, ne mianɔ agbe, eye milé gɔmesese ƒe mɔ tsɔ tẽ!”Lododowo 9:3-6.

Nunya dɔ eƒe dɔlanyɔnuwo ɖa be woaɖakpe amewo. Woyi afisiwo amewo ƒoa ƒu ɖo le dua me, afisi woate ŋu akpɔ ame gbogbotɔ kekeake le ayɔ. Wokpe amesiame—‘numanyalawo’ alo amesiwo si gɔmesese mele o, kpakple ame bebewuwo. (Lododowo 9:4) Eye wotsɔ agbe do ŋugbee na wo. Le nyateƒe me la, amesiame kloe ate ŋu ake ɖe nunya si le Mawu ƒe Nya me, hekpe ɖe esi le Lododowo ƒe agbalẽa me ŋu. Egbea, abe nunya vavãtɔ ƒe dɔtsɔlawo ene la, Yehowa Ðasefowo le dɔ dzi vevie le amewo kpem le afisiafi si woakpɔ wo le be woava srɔ̃ Biblia. Le nyateƒe me la, sidzedze sia ƒe amesisusu ate ŋu akplɔ ame ayi agbe mavɔ mee.—Yohanes 17:3.

Ele be Kristotɔwo natsɔ ɖokuibɔbɔ axɔ nunya ƒe amehehe. Alea wòle be wòanɔ vevietɔ le sɔhɛwo kple amesiwo dze nusɔsrɔ̃ tso Yehowa ŋu eteƒe medidi o la gome. Esi womenya nu geɖe tso Mawu ƒe mɔwo ŋu o ta la, ‘wonye numanyalawo.’ Esia mefia be woƒe tamesusuwo katã gblẽ ya o, gake exɔa ɣeyiɣi eye wòbiaa agbagbadzedze be woana ame ƒe dzi nanɔ nusi dzea Yehowa Mawu ŋu ŋutɔŋutɔ la ŋu. Esia bia be woana ame ƒe tamesusuwo, dzodzrowo, nudidiwo, kple taɖodzinuwo nawɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Aleke wòle vevie enye si be ‘woana gbɔgbɔ me notsi tsimatɔ la nanɔ wo dzrom vevie.’—Petro I, 2:2.

Le nyateƒe me, ɖe mele be mí katã míanya nu geɖe wu ‘gɔmedzenufiafiawo’ oa? Ẽ, ele be míatu ɖetsɔleme ɖo ɖe “Mawu ƒe nu gogloawo” me ahaxɔ nunyiame tso nuɖuɖu sesẽ si li na amesiwo tsi zu blibo la me. (Hebritɔwo 5:12–6:1; Korintotɔwo I, 2:10) “Dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela,” si ƒe dɔ dzi Yesu Kristo kpɔna tẽ la, naa gbɔgbɔmenuɖuɖu amesiame kutrikukutɔe ɖe ɣeyiɣi dzi. (Mateo 24:45-47) Mina míayi edzi anɔ nu ɖum le nunya ƒe kplɔ̃ si wòɖo dzi to Mawu ƒe Nya kple Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo dɔla ƒe ha la tana la sɔsrɔ̃ veviedodotɔe me.

‘Mègaka Mo na Fewuɖula O’

Ðɔɖɔɖo kple mokanamewo hã le nunya ƒe nufiafia me. Nunya ƒe akpa sia medzea amewo katã ŋu o. Eyata Lododowo ƒe agbalẽa ƒe akpa gbãtɔ ƒe nuwuwu xlɔ̃ nu ale: “Amesi le mɔnu fiam fewuɖula la, kplɔa ŋukpe ƒua eɖokui, eye amesi le mo kam na ame vɔ̃ɖi la, dzu wònyena nɛ. Megaka mo na fewuɖula, ne wòalé fu wò o.”Lododowo 9:7, 8a.

Fewuɖula léa amesi le agbagba dzem be yeakpe ɖe eŋu wòaɖɔ eƒe mɔwo ɖo la ɖe dɔme eye wòléa fui. Ame vɔ̃ɖi mekpɔa asixɔxɔ si le mokaka ŋu dzea sii o. Aleke nunya manɔ eme kura o enye si be míadze agbagba be míafia Mawu ƒe Nya ƒe nyateƒe vavãa amesi lé fu nyateƒea alo le didim ko be yeaɖu fewu le eŋuti! Esime apostolo Paulo nɔ gbeƒã ɖem le Antioxia la, edo go Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si melɔ̃ nyateƒea le mɔ aɖeke nu o. Wodze agbagba be yewoahee ade glãkahehe me to busunyawo gbɔgblɔ tsi tre ɖe eŋu me, gake ɖeko Paulo gblɔ kpuie be: “Esi [mieɖe Mawu ƒe nya] ɖa tso mia gbɔ, eye miebu mia ɖokui be, miedze agbe mavɔ la o la, kpɔ ɖa, míetrɔ yi trɔ̃subɔlawo gbɔ.”—Dɔwɔwɔwo 13:45, 46.

Le míaƒe agbagbadzedze be míatsɔ Fiaɖuƒenyanyuia aɖo dzianukwaretɔwo gbɔ me la, mina míakpɔ nyuie be míagaƒo mía ɖokui ɖe nyaʋiʋli kple glãkahehe me kple fewuɖulawo o. Kristo Yesu fia mɔ eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ne mieyi aƒea me la, mido gbe na wo. Ne aƒea dze la, miaƒe ŋutifafa lava edzi; ne medze o la, miaƒe ŋutifafa agagbugbɔ ava mia dzi. Eye amesi ke mexɔ mi o, eye meɖo to miaƒe nyawo hã o la, mido go tso aƒe ma alo du ma me, eye miʋuʋu ke le miaƒe afɔwo ŋuti ɖe anyi.”—Mateo 10:12-14.

Alesi nunyala wɔa nu ɖe mokaname ŋu to vovo na fewuɖula tɔ. Salomo gblɔ bena: “Ka mo na nunyala boŋ, eye alɔ̃ wò. Na nu nunyala, eye wòaganya nu ɖe dzi.” (Lododowo 9:8b, 9a) Nunyala nya bena “míebua tohehe katã dzidzɔe o, ke veve boŋ; gake emegbe la etsɔa dzɔdzɔenyenye ƒe ŋutifafakutsetse na amesiwo wòmã la.” (Hebritɔwo 12:11) Togbɔ be nuxlɔ̃amea ate ŋu ave mí hã la, nukatae wòle be míagbe exɔxɔ alo aƒo nu atsi tre ɖe eŋu nenye be exɔxɔ ana míadze nunya ɖe edzi?

Fia nunyala la yi edzi be: “Fia nu ame dzɔdzɔe, eye wòadzi eƒe nunyanya ɖe dzi.” (Lododowo 9:9b) Ame aɖeke meli si nya nu akpa alo tsi akpa na nusɔsrɔ̃ o. Dzidzɔ ka gbegbee nye si wònye be míakpɔ ame tsitsiwo gɔ̃ woaxɔ nyateƒea ahatsɔ wo ɖokui aɖe adzɔgbee na Yehowa! Mina míawo hã míadze agbagba be nusɔsrɔ̃ ƒe didi nanɔ mía me ɖaa ahana susua nanɔ dɔ wɔm.

“Agbenɔƒewo Adzi Ðe Edzi na Wò”

Esi Salomo nɔ gbe tem ɖe nyati si me dzrom míele ƒe nyati veviwo dzi la, eƒo nu tso nudidi vevi siwo hiã hena nunyadzedze ŋu. Eŋlɔ bena: “Yehowa-vɔvɔ̃ enye nunya ƒe gɔmetoto, eye sidzedze kɔkɔetɔ la enye gɔmesese.” (Lododowo 9:10) Mawumenunya aɖeke mate ŋu anɔ anyi nyateƒe Mawu la ŋuti vɔvɔ̃ kple bubu deto manɔmee o. Nunya ate ŋu ayɔ ame aɖe ƒe tago me fũ, gake ne Yehowa-vɔvɔ̃ mele eme o la, ado kpo nunya ma zazã le mɔ si ade bubu Wɔla la ŋu nu. Ate ŋu agblɔ nya manyomanyowo le nyateƒenyawo gɔ̃ hã ŋu, anɔ eɖokui wɔm abunetɔe. Gawu la, Yehowa, Kɔkɔetɔ la, ŋuti sidzedze hiã vevie bena gɔmesese, si nye nunya ƒe nɔnɔme vevi aɖe, nasu ame si.

Ku kae nunya tsena? (Lododowo 8:12-21, 35) Israel-fia la gblɔ bena: “Wò ŋkekewo asɔ gbɔ to dzinye, eye agbenɔƒewo adzi ɖe edzi na wò.” (Lododowo 9:11) Hadede kple nunya me tsonuwo enye agbe me ŋkekewo kple ƒewo ƒe agbɔsɔsɔ kple dzidziɖedzi. Ẽ, “nunya léa amesi si wòle la ƒe agbe ɖe te.”—Nyagblɔla 7:12.

Agbagbadzedze be míadze nunya enye mía dometɔ ɖesiaɖe ŋutɔ ƒe agbanɔamedzi. Esime Salomo nɔ gbe tem ɖe nyateƒenya sia dzi la, egblɔ bena: “Ne èdze nunya la, enye viɖe na wò ŋutɔ; ke ne ènye fewuɖula la, wò ɖeɖe akpee.” (Lododowo 9:12) Nunyala ƒe nunyanya nye viɖe na eya ŋutɔ, eye fewuɖula ƒe fukpekpe ƒe fɔbubu ava eya ɖeɖe dzi. Vavãe, nusi míeƒãnae míeŋena. Eyata mina ‘míaƒu to anyi ɖe nunya ŋu.’—Lododowo 2:2.

“Nyɔnu Bometsila ƒe Mo Nyrã”

Be Salomo nade vovototo amekpenyawo me la, egblɔ emegbe be: “Nyɔnu bometsila ƒe nyo nyrã, bebewu wònye, eye nunya mele tagbɔ nɛ o. Ebɔbɔ nɔ zikpui dzi le eƒe aƒe ƒe agbalinu le dua ƒe kɔkɔƒe, ne yeayɔ amesiwo to mɔ dzi yina, amesiwo lé woƒe mɔ tsɔ tẽ be: ‘Amesi nye gegeme la, neva dze afi!’”Lododowo 9:13-16a.

Woɖɔ bometsitsi be enye nyɔnu ɖokuidzimaɖula, si dzɔ movi ŋutɔ. Eya hã tu xɔ. Eye etsɔe ɖo eɖokui dzi be yeanɔ amesiwo menya nu o la kpem vɛ. Eyata emetsolawo ate ŋu atso nya me. Ðe woaxɔ nunya ƒe amekpekpe loo alo bometsitsi tɔ?

“Tsi, si Wofi, Eyae Vivina”

Nunya kple bometsitsi siaa le nyaselawo kpem be ‘woava afii!’ Gake vovototo le amekpenyaawo me. Nunya kpe amewo be woava no wein, aɖu lã, kple abolo. Bometsitsi ƒe amekpenyawo na míeɖo ŋku nyɔnu agbegbegblẽnɔla ƒe mɔwo dzi. Salomo gblɔ be: “Eye wòle gbɔgblɔm na [numanyalawo] be: “Tsi, si wofi, eyae vivina, eye vivimebolo le ŋanɛ.”Lododowo 9:16b, 17.

Ðe wein si wotɔtɔ teƒe la, “nyɔnu bometsila” gblɔ be yeana tsi, si wofi. (Lododowo 9:13) Le Ŋɔŋlɔawo me la, wotsɔ vivisese le gbɔdɔdɔ me kple srɔ̃nyɔnu lɔlɔ̃tɔ sɔ kple tsi fadziname nono. (Lododowo 5:15-17) Ekema tsi, si wofi tsi tre ɖi na gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ le bebeme. Wona tsi siawo dze abe ɖe wovivina—wu wein ene—elabena ɖe wofi wo, eye wòdze abe ame aɖeke manya nu le wo ŋu o ene. Wona vivimebolo dze abe eyae vivina kura wu abolo kple lã si nunya nana ene le esi wònye mɔ fitifiti dzie woto kpɔe ta. Be woabu nu tsitsri kple vivimenuwɔna nu dzroame enye bometsitsi ƒe dzesi.

Esi nunya tsɔ agbe do ŋugbe kpe ɖe eƒe amekpekpea ŋui la, nyɔnu bometsila ya megblɔ nya aɖeke tso nusi ado tso eyomedzedze me ŋu o. Gake Salomo xlɔ̃ nu be: “Menyae be, ŋɔliwo le afima, eye be amesiwo wokpe la, tsiẽƒe ƒe aʋli me wole o.” (Lododowo 9:18) Agbalẽnyala aɖe ŋlɔ bena: “Nyɔnu bometsila ƒe xɔ menye aƒeme wònye o ke boŋ tsiẽƒee. Ne ège ɖe eme la, màgado agbagbee o.” Nunya mele agbegbegblẽnɔnɔ me o; kue wòhena vɛ.

Yesu Kristo gblɔ be: “Miyi ɖe agbo bii la me; elabena agbo la keke, eye mɔ la le gbadza, si kplɔa amewo yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me, eye ame geɖewo nye amesiwo le edzi yina ɖe eme. Elabena agbo la le biie, eye mɔ la hã xaxa, si kplɔa amewo yina ɖe agbe la me, eye ame ʋɛwo nye amesiwo kpɔnɛ.” (Mateo 7:13, 14) Neva eme be míanɔ nu ɖum le nunya ƒe kplɔ̃ dzi ɖaa, eye míanɔ amesiwo le mɔ si kplɔa ame yia agbe me dzi la dome.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Nunyala lɔ̃na xɔa ɖɔɖɔɖo

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Nunyadzedze nye ame ŋutɔ ƒe agbanɔamedzi