Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu Ƒe Mɔfiafia Le Amesi Nàɖe Tiatia Me

Mawu Ƒe Mɔfiafia Le Amesi Nàɖe Tiatia Me

Mawu Ƒe Mɔfiafia Le Amesi Nàɖe Tiatia Me

“Mafia nu wò, eye mafia mɔ, si nato la wò; maɖo aɖaŋu na wò, eye nye ŋku anɔ ŋuwò.”​—PSALMO 32:8.

1. Nukawoe hiã bene srɔ̃ɖeɖe me nanyo?

YAMEFEFEWƆLA aɖe da eɖokui tso ati si wotsi ɖe yame eye wònɔ nyenyem dzi, exatsa eɖokui heɖe goglomi le yame atsyãtɔe. Esi wòmlo eɖokui la, edo asi ɖa eye yamefefewɔla bubu si trɔ ta ɖe anyime le akpa kemɛ dzi la xee. Atsu kple asi aɖewo le ɣe ɖum le sno dzi ɖekae. Enumake ŋutsua kɔ nyɔnua hedae ɖo ɖe yame. Nyɔnua trɔ to eme le yame, hedze ɖe afɔ ɖeka dzi wònya kpɔ eye wòyi ɣea ɖuɖu dzi kple ŋutsua le toa me le snoa dzi. Wɔwɔfia evea siaa adze nu bɔbɔe aɖee. Ke hã ame aɖeke mate wo wɔwɔ kpɔ alo asrɔ̃ wo kpeɖeŋutɔ bibi, kple vevietɔ mɔfiafia alo nufiame si sɔ la manɔmee o. Nenema ke srɔ̃ɖeɖe nyui adze nu bɔbɔe aɖee. Ke hã eya hã nɔ te ɖe srɔ̃ nyui kpɔkpɔ ɖe, nuwɔwɔ ɖekae, kple vevietɔ, aɖaŋuɖoɖo si me nunya le xɔxɔ dzi. Le nyateƒe me la, mɔfiafia si sɔ xɔxɔ le vevie.

2. (a) Amekae ɖo srɔ̃ɖeɖoɖoa gɔme anyi, eye ɖe susu ka ta? (b) Aleke wowɔ srɔ̃ɖeɖe aɖewo ƒe ɖoɖoe?

2 Ele dzɔdzɔme nu be ɖekakpui alo ɖetugbi si nye tre nabu amesi wòaɖe—amesi wo kplii woanɔ anyi le agbe me—ŋu. Tso esime Yehowa Mawu ɖo srɔ̃ɖeɖe gɔme anyi ke la, ŋutsu kple nyɔnu ƒe wo nɔewo ɖeɖe nye agbenɔnɔ ƒe akpa aɖe. Gake menye Adam, ŋutsu gbãtɔ ŋutɔe tia srɔ̃a o. Yehowae wɔe nɛ lɔlɔ̃tɔe. (Mose I, 2:18-24) Srɔ̃tɔ gbãtɔawo ava dzi vi ale be mlɔeba amegbetɔwo ava yɔ anyigba katã dzi. Le srɔ̃ɖeɖe gbãtɔ ma megbe la, zi geɖe la, ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ dzilawoe wɔa srɔ̃ɖeɖe ŋuti ɖoɖowo, ɣeaɖewoɣi le ame eveawo ƒe lɔlɔ̃ɖedzi be yewoaɖe yewo nɔewo vɔ megbe. (Mose I, 21:21; 24:2-4, 58; 38:6; Yosua 15:16, 17) Togbɔ be wogakpɔtɔ tiaa amesi woaɖe na ame le dukɔ aɖewo me hã la, ame geɖe ŋutɔe tiaa amesi woaɖe egbea.

3. Aleke wòle be woatia amesi woaɖee?

3 Aleke wòle be woatia amesi woaɖee? Dzedzeme—nusi nya kpɔ na wo eye wòdze ani na woƒe ŋku—kpɔa ŋusẽ ɖe ame aɖewo dzi. Ame bubuwo dia ŋutilãmeviɖewo, amesi akpɔ wo dzi nyuie ahakpɔ woƒe nuhiahiãwo kple nudidiwo gbɔ na wo. Gake ɖe srɔ̃ɖeɖe siawo tɔgbe dometɔ aɖe ate ŋu ahe dzidzɔ kple dzidzeme vɛ na ame eveawoa? Lododowo 31:30 gblɔ be: “Nyonyo la, alakpae, eye tugbedzedze la, yae; nyɔnu, si vɔ̃a Yehowa la, ele be, woakafui.” Nya vevi aɖe le nya sia me: Eyae nye be nàbu Yehowa ŋu ne èle amesi nàɖe la tiam.

Mɔfiame si me Lɔlɔ̃ Le si Tso Mawu Gbɔ

4. Kpekpeɖeŋu kae Mawu na le amesi woaɖe tiatia me?

4 Míaƒe Dziƒofofo lɔlɔ̃a Yehowa tsɔ eƒe Nya si woŋlɔ ɖi la na mí be wòafia mɔ mí le nya sia nya me. Egblɔ be: “Nye Yehowa, wò Mawu, enye amesi fia nusi nyo na wò la wò, nyee akplɔ wò to mɔ, si dzi nato la.” (Yesaya 48:17) Eyata mewɔ nuku be míakpɔ amesi woaɖe ŋuti mɔfiame siwo wɔa dɔ ɣesiaɣi le Biblia me o. Yehowa di be míaƒe srɔ̃ɖeɖe nanɔ anyi ɖaa eye dzidzɔ nanɔ eme. Eyata ena nusi akpe ɖe mía ŋu be míase mɔfiame siawo gɔme ahatsɔ wo awɔ dɔe la mí. Ðe menye nusiae míadi tso mía Wɔla lɔ̃ame la gbɔ oa?—Psalmo 19:9.

5. Nukae le vevie be dzidzɔ nanɔ srɔ̃ɖeɖe me eteƒe nadidi?

5 Esime Yehowa ɖo srɔ̃ɖeɖe ɖoɖoa anyi la, ɖe wòɖoe be wòanye nusi anɔ anyi ɖaa. (Marko 10:6-12; Korintotɔwo I, 7: 10, 11) Eyatae ‘wòlé fu srɔ̃gbegbe’ eye ‘ahasiwɔwɔ’ koe nye nusi ŋu wòɖe mɔ ɖo be woagbe srɔ̃ ɖo. (Maleaxi 2:13-16; Mateo 19:9) Eyata amesi woaɖe tiatia enye afɔ vevitɔ siwo míeɖena la dometɔ ɖeka eye mele be woabui nu tsɛe o. Nyametsotso ʋɛ aɖewo koe te ŋu hea dzidzɔkpɔkpɔ alo blanuiléle vɛ dea enu. Togbɔ be tiatia nyui si woawɔ ate ŋu atu ame ƒe agbenɔnɔ ɖo eye wòana ame ƒe dzi nadze eme hã la, tiatia gbegblẽ wɔwɔ ate ŋu ahe konyifafa si nuwuwu manɔe na o vɛ. (Lododowo 21:19; 26:21) Be woayi edzi akpɔ dzidzɔ la, ele vevie be woawɔ tiatiaa nunyatɔe ahalɔ̃ faa be woatsɔ ame ɖokui ana tegbee, elabena ɖe Mawu ɖo srɔ̃ɖeɖe be wòanye ame eve ƒe anyinɔnɔ si anɔ anyi ɖaa si wotu ɖe ɖekawɔwɔ kple nuwɔwɔ aduadu dzi.—Mateo 19:6.

6. Nukatae wòle be ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo koŋ nakpɔ nyuie vevietɔ le amesi woaɖe tiatia me, eye aleke woawɔ awɔ nyametsotso nyuitɔ kekeake?

6 Ele vevie be ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo koŋ nakpɔ nyuie be tugbedzedze alo ɖekadzedze kple seselelãme sesẽwo nagatɔtɔ woƒe nuŋububu le amesi woaɖe tiatia me o. Le nyateƒe me, madidi hafi srɔ̃ɖeɖe si wotu ɖe nusiawo ko dzi nati ame alo wòahe fuléle vɛ o. (Samuel II, 13:15) Gake míate ŋu atu lɔlɔ̃ si nɔa anyi eteƒe didina ɖo ne míedze si amesi míaɖe la nyuie eye mía ŋutɔwo hã míedze si mía ɖokui nyuie. Ele be míanyae hã be nusi nyo na mí la manye nusi dzro míaƒe dzi gbã o. (Yeremya 17:9) Ema tae Mawu ƒe mɔfiame si le Biblia me la le vevie ale gbegbe ɖo. Ekpena ɖe mía ŋu míenyaa alesi míawɔ nyametsotso nyuitɔ kekeake le agbe me. Hakpala la ɖe Yehowa nu be egblɔ be: “Mafia nu wò, eye mafia mɔ, si nato la wò; maɖo aɖaŋu na wò, eye nye ŋku anɔ ŋuwò.” (Psalmo 32:8; Hebritɔwo 4:12) Togbɔ be míate ŋu akpɔ lɔlɔ̃ kple hadede ƒe dzodzro si wotsɔ dzi míi le srɔ̃ɖeɖe me hã la, ehea nya siwo gbɔ kpɔkpɔ bia tsitsi kple nugɔmesese hã vɛ.

7. Nukatae ame aɖewo mexɔa amesi woaɖe tiatia ŋuti ɖaŋuɖoɖo si wotu ɖe Biblia dzi o, gake nukae wòate ŋu ahe vɛ?

7 Nunya le eme be míawɔ ɖe nya si srɔ̃ɖeɖe Gɔmeɖoanyila la gblɔ le amesi woaɖe tiatia ƒe nya la me dzi. Ke hã ate ŋu adzɔ be míagbe Biblia me ɖaŋu si dzilawo alo Kristotɔ hamemegãwo aɖo na mí la xɔxɔ. Awɔ na mí be womele míaƒe nya gɔme sem na mí tututu o, eye seselelãme ƒe dzodzro sesẽ aƒoe ɖe mía nu be míawɔ nusi míaƒe dzi ɖo na mí. Gake ne eva ɖo edzi ŋutɔŋutɔ la, ava te ɖe mía dzi be míese aɖaŋu si me nunya le si woɖo na mí hena míaƒe nyonyo la o. (Lododowo 23:19; 28:26) Míava kpɔ be míeɖe srɔ̃ si me lɔlɔ̃ mele o, eye míadzi vi siwo dzi manya nɔ kpɔkpɔm na mí o, eye ɖewohĩ mía srɔ̃ nanye dzimaxɔsetɔ. Aleke wòanye vevesesee nye si nenye be ɖoɖo si wòle be wòahe dzidzɔkpɔkpɔ gã vɛ na mí la va zu nusi boŋ hea fukpekpe vɛ!

Mawusosroɖa​—Nu Vevi Aɖee

8. Aleke mawusosroɖa te ŋu kpena ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu be wòanɔ anyi eteƒe nadidi eye dzidzɔ nanɔ eme?

8 Enye nyateƒe be ame nɔewo ƒe nu ƒe ame ŋu nyonyo naa srɔ̃ɖeɖe te ŋu sẽa ŋu ɖe edzi. Gake agbenɔnɔ ƒe dzidzenu ɖeka ƒe ame eveawo si nɔnɔ le vevie kura wu be srɔ̃ɖeɖea nali ke eye dzidzɔ nanɔ eme. Ame evea siaa ƒe ɖokuitsɔtsɔna Yehowa Mawu zua nublanu sesẽ aɖe si hea ɖekawɔwɔ vɛ wu nu bubu ɖesiaɖe. (Nyagblɔla 4:12) Ne Kristotɔ srɔ̃tɔwo tu woƒe agbenɔnɔ ɖe Yehowa ƒe nyateƒe tadedeagua dzi la, wowɔa ɖeka le gbɔgbɔ, tamesusu, kple agbenɔnɔ me. Wosrɔ̃a Mawu ƒe Nya la ɖekae. Wodoa gbe ɖa ɖekae, eye ema tea woƒe dzi ƒoa ƒui. Wozɔna kple wo nɔewo yia Kristotɔwo ƒe kpekpewo hewɔa dɔ ɖekae le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Esiawo katã naa gbɔgbɔ me nublanu aɖe si tea wo ɖe wo nɔewo ŋu la va nɔa anyi. Vevietɔ ehea Yehowa ƒe yayra vɛ.

9. Nukae Abraham wɔ le nyɔnu didi na Isak me, eye nukae do tso eme?

9 Le blemafofo nuteƒewɔla Abraham ƒe mawusosroɖa ta la, edi be yeawɔ nusi dze Mawu ŋu esime ɣeyiɣia de be wòatia srɔ̃nyɔnu na viaŋutsu Isak. Abraham gblɔ na eƒe aƒedzikpɔla si dzi wòka ɖo be: “[Ta] Yehowa, dziƒo kple anyigba ƒe Mawu la nam be, màɖe srɔ̃ na vinye atso Kanaantɔ, siwo dome mele la ƒe nyɔnuviwo dome o; ke boŋ nayi mía denyigba dzi kple ƒonyemeawo gbɔ, eye naɖe srɔ̃ na vinye Isak! . . . [Yehowa] adɔ eƒe dɔla ɖe ŋgɔwò, be naɖe srɔ̃ na vinye la tso afima.” Rebeka va nye srɔ̃nyɔnu vevi aɖe, si Isak lɔ̃ vevie ŋutɔ.—Mose I, 24:3, 4, 7, 14-21, 67.

10. Ŋɔŋlɔawo me gbanɔamedzi kawoe le srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo dzi?

10 Ne Kristotɔ trewoe míenye la, mawusosroɖa akpe ɖe mía ŋu be míatu nɔnɔme siwo awɔe be míate ŋu aɖo Ŋɔŋlɔawo me nudidi siwo ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu la gbɔ la ɖo. Agba si le srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo dzi la dometɔ aɖewoe nye esi apostolo Paulo gblɔ be: “Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo abe Aƒetɔ la ene; . . . Mi ŋutsuwo la, milɔ̃ mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, abe alesi Kristo hã lɔ̃ hame la, eye wòtsɔ ye ŋutɔ ɖokui hena ɖe eta la ene, . . . [Ele] na ŋutsuwo be, woalɔ̃ woa ŋutɔwo wo srɔ̃wo abe woa ŋutɔwo ƒe ŋutilãwo ene. . . . Mia dome ɖesiaɖe nalɔ̃ ye ŋutɔ srɔ̃anyɔnu nenema ke, abe ye ŋutɔ ɖokui ene; ke nyɔnu la nasi srɔ̃a ɖa.” (Efesotɔwo 5:22-33) Abe alesi míakpɔe ene la, Paulo ƒe nya siwo tso gbɔgbɔ me la te gbe ɖe alesi lɔlɔ̃ kple bubudedeameŋu hiãe dzi. Aɖaŋuɖoɖo sia dzi wɔwɔ bia Yehowa vɔvɔ̃ le bubu deto me. Ebia ame ɖokui tsɔtsɔ na tso dzi blibo me le ɣeyiɣi nyui kple ɣeyiɣi vɔ̃wo me. Ele be Kristotɔ siwo le srɔ̃ɖeɖe ŋu bum la nakpɔ egbɔ be yewoate ŋu atsɔ agbanɔamedzi sia.

Alesi Nàwɔ Anya Ɣeyiɣi si me Nàɖe Srɔ̃

11. (a) Ɣeyiɣi si me wòle be woaɖe srɔ̃ ŋuti ɖaŋu kawoe Ŋɔŋlɔawo ɖo? (b) Kpɔɖeŋu kae ɖe nunya si le wɔwɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si woŋlɔ ɖe Korintotɔwo I, 7:36 dzi me fia?

11 Ɣeyiɣi si míesu te be míaɖe srɔ̃ nyanya le vevie ŋutɔ. Esi wònye be esia le vovovo le amesiame gome ta la, Ŋɔŋlɔawo meɖo ƒe aɖeke ɖi o. Gake wofia be anyo wu be woalala vaseɖe esime ‘woato sɔhɛnyenye me,’ esime gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro sesẽwo ate ŋu ana womabu nu ŋu nyuie o, la me ado hafi. (Korintotɔwo I, 7:36) Michelle gblɔ be: “Esime mekpɔ xɔ̃nye geɖe wonɔ gbe ɖom ɖi henɔ srɔ̃ ɖem le woƒe ƒewuiwo me la, esesẽna nam ɣeaɖewoɣi be matsɔ aɖaŋuɖoɖo sia awɔ dɔe. Gake mekpɔ be Yehowae ɖo aɖaŋu sia, eye be nusi ko aɖe vi na mí ye wògblɔna na mí. Esi nyemetsi dzi ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu o ta nye susu te ŋu nɔ mía kple Yehowa dome ƒomedodo ŋu eye nuteƒekpɔkpɔ si mate ŋu asu ame si bɔbɔe le eƒe ƒewuimenɔɣi o la su asinye le agbe me. Le ƒe aɖewo megbe la, mesu te nyuie ate ŋu atsɔ agbanɔamedzi kple kuxi siwo doa mo ɖa le srɔ̃ɖeɖe me.”

12. Nukatae nunya le eme be woagatsɔ dzitsitsi age ɖe srɔ̃ɖeɖe me esime wogakpɔtɔ nye sɔhɛ o?

12 Amesiwo tsɔa dzitsitsi ɖea srɔ̃e esime wogakpɔtɔ nye sɔhɛwo la kpɔnɛ be yewoƒe nuhiahiãwo kple dzodzrowo trɔna esime yewole tsitsim. Ɣemaɣie wova kpɔnɛ dzea sii be nusiwo dzroa yewo tsã la meganye nu veviwo nenema gbegbe o. Kristotɔ ɖetugbi aɖe ɖoe kplikpaa le eƒe dzi me be yeaɖe srɔ̃ esime wòxɔ ƒe 16. Mamaa ɖe srɔ̃ esime wòxɔ ƒe ma, eye dada hã ɖee le ƒe ma ke xɔxɔ me. Esi ɖekakpui si ƒe nu nyo eŋu gbe be yemaɖee ɣemaɣi o la, etrɔ ɖe ame bubu si di be yeaɖee le eƒe didia nu ŋu. Gake eva fa konyi vevie emegbe ɖe nyametsotso si wòtsɔ dzitsitsi wɔe la ta.

13. Zi geɖe la, nukawoe mete ŋu nɔa amesiwo tsɔa dzitsitsi ɖea srɔ̃e si o?

13 Ne èle srɔ̃ɖeɖe ŋu bum la, ele vevie be nusiwo katã wòbia la gɔmesese deto nasu asiwò nyuie. Dzitsitsi tsɔtsɔ ɖe srɔ̃e ate ŋu ahe kuxi gbogbo siwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu sɔhɛ srɔ̃tɔawo medzra ɖo ɖo tututu o vɛ. Ðewohĩ nuteƒekpɔkpɔ kple tsitsi si hiã be woatsɔ akpɔ nuteɖeamedzi si srɔ̃ɖeɖe kple vidzidzi hena vɛ gbɔe manɔ wo si o. Ne míedzra ɖo vɔ le ŋutilã, susu, kple gbɔgbɔ me be míaƒo ta ɖe ƒomedodo si anɔ anyi ɖaa me hafi koe wòle be míaɖe srɔ̃.

14. Nukae hiã woatsɔ akpɔ nya sesẽwo gbɔe le srɔ̃ɖeɖe me?

14 Paulo ŋlɔ be amesiwo ɖea srɔ̃ la “akpɔ xaxa le ŋutilã me.” (Korintotɔwo I, 7:28) Kuxiwo ado mo ɖa elabena amenyenye vovovo evee nɔa anyi, eye woƒe nukpɔsusuwo ato vovo. Le amegbetɔ ƒe blibomademade ta la, ate ŋu adzɔ be asesẽ na mí be míawɔ dɔ si Ŋɔŋlɔawo de asi na mí be míawɔ le srɔ̃ɖeɖea me. (Korintotɔwo I, 11:3; Kolosetɔwo 3:18, 19; Tito 2:4, 5; Petro I, 3:1, 2, 7) Ebia tsitsi kple gbɔgbɔmekelili be míadi Mawu ƒe mɔfiafia ale be míakpɔ nya sesẽwo gbɔ le lɔlɔ̃ me.

15. Akpa kae dzilawo ate ŋu awɔ le wo viwo dzadzraɖo ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu me? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

15 Dzilawo ate ŋu adzra wo viwo ɖo ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu to kpekpe ɖe wo ŋu be woase alesi wòle vevie be woawɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiafia dzi gɔme me. To Ŋɔŋlɔawo kple Kristotɔwo ƒe agbalẽwo zazã aɖaŋutɔe me la, dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu woanya nenye be woa ŋutɔwo alo amesi woava ɖe la dzra ɖo ɖe srɔ̃ɖeɖe me ɖokuitsɔtsɔna la ƒe agba tsɔtsɔ ŋu. * Blossom, si xɔ ƒe 18, susui be yelɔ̃ ɖekakpui aɖe le yewoƒe hamea me. Ðekakpuia nye ɣeyiɣiawo katã ƒe mɔɖela, eye wodi be yewoaɖe yewo nɔewo. Gake nyɔnuvia dzilawo kpɔ be metsi tututu o eyata wobia tso esi be wòalala ƒe ɖeka. Blossom ŋlɔ emegbe be: “Meda akpe ŋutɔ be meɖo to aɖaŋuɖoɖo nyui ma. Le ƒea me la, megatsi ɖe edzi eye meva nɔ ekpɔm dze sii be nɔnɔme siwo wòle be wòanɔ ame srɔ̃ si menɔ ɖekakpui sia si o. Eva do le habɔbɔa me mlɔeba, eye mesi le nusi ate ŋu agblẽ nye agbe dome la nu. Aleke wònyo be dzila nyanu siwo ƒe nyametsotso dzi woate ŋu aka ɖo la nanɔ ame si enye si!”

‘Ðe Srɔ̃ le Aƒetɔ la me Ko’

16. (a) Aleke woado Kristotɔwo kpɔe le ‘srɔ̃ɖeɖe le Aƒetɔ la me’ mee? (b) Ne enye tetekpɔ na Kristotɔwo be woaɖe dzimaxɔsetɔ la, nuka ŋue wòle be woade ŋugble le?

16 Mɔfiame si Yehowa na Kristotɔwo la me kɔ ƒã be: ‘Miɖe srɔ̃ le Aƒetɔ la me ko.’ (Korintotɔwo I, 7:39) Woado Kristotɔ dzilawo kple wo viwo kpɔ le go sia me. Le mɔ ka nu? Sɔhɛwo adi be yewoaɖe srɔ̃, gake adze abe ɖe womele kpeɖeŋutɔ kpɔm le hamea me o ene. Ðewohĩ nenemae wòadzee enye ma. Ŋutsuwo anɔ ʋɛ le nuto aɖe me wu nyɔnuwo, alo womakpɔ amesi sɔ la le nutoa me o. Ðekakpui aɖe si menye hamea me tɔ ɖeadzɔgbe o la akpɔ ŋudzedze ɖe Kristotɔ ɖetugbi aɖe ŋu (alo ɖetugbi aɖe ɖe ɖekakpui aɖe ŋu), eye wòaƒoe ɖe ɖetugbia kple dzilaawo nu be woagbe dzidzenu si Yehowa ɖo ɖi la dzi wɔwɔ. Le nɔnɔme mawo tɔgbe me la, anyo be woade ŋugble le Abraham ƒe kpɔɖeŋua ŋu. Mɔ ɖeka si dzi wòto lé eƒe ƒomedodo nyui kple Mawu me ɖe asie nye egbɔkpɔkpɔ be viaŋutsu Isak ɖe amesi dea ta agu na Yehowa le nyateƒe me. Isak hã wɔ nenema ke na via Yakob. Esia wɔwɔ bia agbagbadzedze le amesiwo katã ŋu nyaa ku ɖo gome, gake edze Mawu ŋu eye wòna wòyrae.—Mose I, 28:1-4.

17. Nukatae dzimaxɔsetɔ ɖeɖe ate ŋu ahe afɔku vɛ, eye nukae nye susu vevitɔ kekeake si tae wòle be ‘míaɖe srɔ̃ le Aƒetɔ la me ko’?

17 Edzɔ le ame ʋɛ aɖewo gome be dzimaxɔsetɔwo va zu Kristotɔwo mlɔeba. Gake dzimaxɔsetɔ ɖeɖe he afɔku vɛ zi geɖe. Dzixɔsewo, dzidzenuwo, alo taɖodzinu ɖeka ma ke menɔa amesiwo tsɔ kɔkuti tutɔ la si o. (Korintotɔwo II, 6:14) Esia ate ŋu agblẽ nu le dzeɖoɖo kple srɔ̃ɖeɖe me dzidzɔkpɔkpɔ ŋu vevie. Le kpɔɖeŋu me, Kristotɔ nyɔnu aɖe xa nu vevie le alesi le kpekpe tuameɖowo megbe la, mete ŋu yia aƒeme ɖadzroa gbɔgbɔmenuwo me kple srɔ̃a dzimaxɔsetɔ la o ŋu. Gake vevietɔ enye be ‘srɔ̃ɖeɖe le Aƒetɔ la me’ enye nuteƒewɔwɔ na Yehowa ƒe nya. Ne míewɔ ɖe Mawu ƒe Nya la dzi la, míaƒe dzi mebua fɔ mí o, elabena “míewɔa nusiwo dzea eŋu.”—Yohanes I, 3:21, 22.

18. Ne èle srɔ̃ɖeɖe ŋu bum la, nya vevie kawo ŋue wòle be nàde ŋugble le, eye nukatae?

18 Ne èle srɔ̃ɖeɖe ŋu bum la, ele be nàtsɔ ɖe le amesi nàva ɖe la ƒe agbenyuinɔnɔ kple gbɔgbɔmemenyenye me vevie. Asixɔxɔ le Kristotɔ ƒe amenyenye, tsɔ kpe ɖe lɔlɔ̃ na Mawu kpakple luʋɔ blibo tsɔtsɔ subɔe ŋu sasasã wu gotagome dzedzeme. Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe amesiwo xɔa agba si le wo dzi be woanye srɔ̃tɔ gbɔgbɔmemewo eye wotsɔnɛ ŋu. Eye ŋusẽdodo si ƒo ɖesiaɖe ta si srɔ̃tɔwo ate ŋu akpɔ la tsoa ame ɖokui tsɔtsɔ na Wɔla la keŋkeŋ kple eƒe mɔfiafiawo xɔxɔ bliboe me. To mɔ sia nu la, wodea bubu Yehowa ŋu eye enaa srɔ̃ɖeɖea nɔa te ɖe gbɔgbɔmegɔmeɖoanyi sesẽ si naa ɖekawɔwɔ ma nɔa anyi ɖaa dzi.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 15 Kpɔ February 15, 1999, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 4-8.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nukatae Mawu ƒe mɔfiafia hiã le amesi woaɖe tiatia nyuie me?

• Aleke mawusosroɖa awɔe be woado ŋusẽ srɔ̃ɖeɖe me nublanu lae?

• Aleke dzilawo ate ŋu adzra wo viwo ɖo ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋui?

• Nukatae wòle vevie be ‘woaɖe srɔ̃ le Aƒetɔ la me ko’?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 17]

Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖowo tsɔtsɔ wɔ dɔe le amesi nàɖe tiatia me ate ŋu ahe dzidzɔ geɖe vɛ

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

‘Srɔ̃ɖeɖe le Aƒetɔ la me ko’ hea yayra geɖe vɛ