Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋgɔyiyi Ðo Ta Aʋadziɖuɖu Mamlɛa Gbɔ!

Ŋgɔyiyi Ðo Ta Aʋadziɖuɖu Mamlɛa Gbɔ!

Ŋgɔyiyi Ðo Ta Aʋadziɖuɖu Mamlɛa Gbɔ!

“Kpɔ ɖa, mekpɔ sɔ ɣi aɖe, eye amesi doe la, lé dati ɖe asi, eye wotsɔ fiakuku nɛ, eye wòdo go yi ɖale dzi ɖum, bene yeakpɔ dziɖuɖu.”—NYAÐEÐEFIA 6:2.

1. Etsɔmenudzɔdzɔ kawoe Yohanes kpɔ le ŋutega me?

MAWU ƒe gbɔgbɔ ʋã apostolo Yohanes wòte ŋu kpɔ etsɔme ƒe 1,800 aɖewo do ŋgɔ ʋĩ heƒo nu tso Kristo ɖoɖo Fiae ŋu. Ehiã be xɔse nanɔ Yohanes si be wòate ŋu axɔ nusi wòkpɔ le ŋutega me la dzi ase. Kpeɖodzi kɔte le mí amesiwo li egbea si be fiaɖoɖo sia si ŋu nya wogblɔ ɖi la dzɔ le ƒe 1914 me. Míetsɔ xɔse ƒe ŋkuwo kpɔ Yesu Kristo ‘wòdo go yi ɖale dzi ɖum, eye be yeaɖu aʋa dzi keŋkeŋ.’

2. Aleke Abosam wɔ nui esime woɖo Fiaɖuƒea anyi, eye nuka ƒe kpeɖodzie esia nye?

2 Esi woɖo Fiaɖuƒea anyi vɔ la, wonya Satana le dziƒo, si na be wòho aʋa kple ŋkubiã kpakple dziku gã, gake mɔ aɖeke meli si dzi wòato aɖu dzi gbeɖe o. (Nyaɖeɖefia 12:7-12) Dzi si le ekum na be xexeame ƒe nɔnɔmewo yi edzi le sesẽm ɖe edzi. Edze abe amegbetɔƒomea dome le kakam ene. Esia nye kpeɖodzi kɔte na Yehowa Ðasefowo be woƒe Fia la le ŋgɔ yim ‘ɖo ta aʋadziɖuɖu keŋkeŋ gbɔ.’

Wole Xexe Yeye aɖe Ðom Anyi

3, 4. (a) Tɔtrɔ kawoe wowɔ le Kristo-hamea ƒe hakplɔɖoɖowo me tso esime woɖo Fiaɖuƒea anyi, eye nukatae wònɔ vevie be woawɔ tɔtrɔ siawo? (b) Vi kawoe tɔtrɔ siawo ɖe abe alesi Yesaya gblɔe ɖii ene?

3 Fifia si woɖo Fiaɖuƒea anyi la, ɣeyiɣi de be woana Kristo-hamea si wogbugbɔ ɖo te—si dzi Fiaɖuƒea ƒe dɔwɔna siwo dzi ɖe edzi ƒe agba le—la ƒe dɔwɔwɔwo nasɔ ɖe ƒe alafa gbãtɔ me Kristo-hamea tɔ nu pɛpɛpɛ. Eyata June 1 kple 15, 1938 ƒe Gbetakpɔxɔ, ƒe tatawo ƒo nu tso mɔ siwo nu wòle be Kristo-hamea nazɔ ɖo la ŋu. Emegbe December 15, 1971 ƒe tata gana numekɔkɔ geɖe tso egbegbe Dziɖuha la ŋu le nyati si nye “Dziɖuha si To Vovo na Dɔwɔha si Woɖo le Se Nu” la me. Le ƒe 1972 me la, woɖo hamemegãwo ƒe hawo be woakpe ɖe hame siwo me wole ŋu ahafia mɔ wo.

4 Dzikpɔkpɔdɔa wɔwɔ le mɔ nyuitɔ nu si wogbugbɔ ɖo te do ŋusẽ Kristo-hamea ale gbegbe. Nusi hã gbɔ ŋusẽdodoa tsoe nye ɖoɖo siwo Dziɖuha la wɔ tsɔ fia nu hamemegãwo tso woƒe dɔdasiwo ŋu, si me ʋɔnudrɔ̃nyawo gbɔ kpɔkpɔ ŋuti hehexɔxɔ hã le. Wogblɔ tɔtrɔ siwo anɔ edzi yim vivivi le Mawu ƒe anyigba dzi habɔbɔa ƒe ɖoɖowo me kple viɖe siwo woahe vɛ la ŋu nya ɖe Yesaya 60:17 be: “Mahe sika vɛ ɖe akɔbli teƒe kple klosalo ɖe gayibɔ teƒe, akɔbli ɖe ati teƒe, eye gayibɔ ɖe kpewo teƒe, matsɔ ŋutifafa aɖo tatɔe na wò kple dzɔdzɔenyenye aɖo wò dɔnunɔlae.” Tɔtrɔ nyui siawo ɖee fia be Mawu le amesiwo lɔ̃ faa le asi kpem ɖe eƒe Fiaɖuƒedɔwo ŋu dzonɔamemetɔe la yram eye eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ le wo dzi.

5. (a) Aleke Satana wɔ nu ɖe alesi Yehowa yra Eƒe amewoe ŋui? (b) Le ɖekawɔwɔ me kple Filipitɔwo 1:7 la, aleke Yehowa ƒe amewo wɔ nu ɖe Satana ƒe dzikua ŋui?

5 Alesi Mawu lé be na eƒe amewo hefia mɔ wo lɔlɔ̃tɔe le Fiaɖuƒea ɖoɖo anyi megbe meɣla ɖe Satana o. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1931 me la, Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo sue sia ŋkɔ ɖi hoo be menye Biblia Nusrɔ̃vi tsɛwo ko wonye o. Le ɖekawɔwɔ me kple Yesaya 43:10 la, wonye Yehowa Ðasefowo! Nudogoɖenunue wòɖanye loo alo menye eyae o, Abosam he yometiti gã aɖe vɛ le xexeame godoo. Le dukɔ siwo wonya be woɖea mɔ ɖe subɔsubɔblɔɖe ŋu, abe United States, Canada, kple Germany gɔ̃ hã me la, ehiã be Ðasefowo nanɔ woƒe subɔsubɔblɔɖe ta ʋlim ɣesiaɣi le ʋɔnu. Kaka ƒe 1988 naɖo la, United States ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔ drɔ̃ nya 71 siwo wotsɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu eye woɖu dzi le nya eve le etɔ̃ ɖesiaɖe me. Egbea, ʋɔnunyawo le edzi yim le xexeame godoo ale gbegbe be eva hiã be ‘míanɔ nyanyuia ta ʋlim ahanɔ eɖom anyi le se nu,’ abe alesi wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me ene.—Filipitɔwo 1:7.

6. Ðe mɔxeɖenuwo kple asiɖoɖo dɔa dzi na Yehowa ƒe amewo mete ŋu yi ŋgɔ oa? Ðe eme.

6 Le ƒe 1930-awo ƒe ŋkeke ʋɛ siwo do ŋgɔ na Xexemeʋa II me la, ameteɖeanyidziɖuɖuwo xe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔ nu alo ɖo asi edzi le Germany, Spain, kple Japan, siwo nye teƒe vovovoawo dometɔ etɔ̃ ko. Gake le ƒe 2000 me la, Mawu Fiaɖuƒea ƒe gbeƒãɖela dovevienu 500,000 kloe ye le dukɔ etɔ̃ siawo ɖeɖe me. Xexlẽme ma de Ðasefo siwo nɔ xexeame katã le ƒe 1936 me ƒe teƒe ewo kloe! Edze ƒã be mɔxeɖenuwo kple asiɖoɖo dɔa dzi mate ŋu ana Yehowa ƒe amewo nagbe ŋgɔyiyi le woƒe Ŋgɔnɔla aʋadziɖula Yesu Kristo ƒe kpɔkplɔ te o.

7. Wɔna ɖedzesi kae yi edzi le ƒe 1958 me, eye tso ɣemaɣi la, tɔtrɔ ɖedzesi kawoe le vavam?

7 Aleke ŋgɔyiyi sia ɖe dzesii enye si esime, le ƒe 1958 me la, Yehowa Ðasefowo wɔ takpekpe gãtɔ kekeake le New York City, si ƒe tanyae nye Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu Dukɔwo Dome Takpekpe, eye vavalawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeake nye 253,922. Kaka ƒe 1970 naɖo la, woƒe dɔa keke ɖe enu le dukɔ etɔ̃ siwo míeyɔ do ŋgɔ la me, negbe le afisi woyɔna tsã be East Germany ko. Gake Ðasefoawo kpɔtɔ nɔ mɔxeɖenu te le Soviet Union nyigba gãa la kple dukɔ siwo nɔ Warsaw Pact nubabla me kpli wo la me. Egbea Ðasefo veviedonula siwo wu miliɔn afã sɔŋ ye le tsã Kɔmiunist dukɔ siawo me.

8. Nukae do tso alesi Yehowa yra eƒe amewoe la me, eye nya kae ƒe 1950 me Gbetakpɔxɔa gblɔ le esia ŋu?

8 Wotsɔ dzidziɖedzi yra Yehowa Ðasefowoe elabena woyi edzi le “mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye [dim] gbãgbiagbã.” (Mateo 6:33) Le nyaa ŋutɔŋutɔ nu la, Yesaya ƒe nyagblɔɖia le eme vam xoxo be: “Ame suewo azu akpe, eye ame ʋɛwo azu dukɔ sesẽ. Nye Yehowa, nye asi matsɔ awɔe le ewɔɣi.” (Yesaya 60:22) Eye dzidziɖedzia nu metso haɖe o. Le ƒe ewo siwo va yi ko me la, Fiaɖuƒe dziɖuɖua taʋlila dovevienuwo dzi ɖe edzi wu ame 1,750,000. Amesiawo ŋutɔ lɔ̃ faa va wɔ ɖeka kple ƒuƒoƒo aɖe si ŋu ƒe 1950 me Gbetakpɔxɔ aɖe gblɔ le be: “Fifia Mawu le xexeme yeye aɖe dzram ɖo. . . . Amesiawo siwo wòatsɔ aɖo egɔme anyii la atso Harmagedon, . . . woawoe anye ame gbãtɔ siwo woakpɔ le ‘anyigba yeye’ la dzi . . . , amesiwo nu woƒo ƒu ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu te, eye wonya ɖoɖo siwo nu wòle be woazɔ ɖo.” Nyatia wu enu be: “Ekema mina mí xexeme yeye habɔbɔa me nɔlawo katã míayi ŋgɔ le ɖekawɔwɔ me!”

9. Aleke nusiwo Yehowa Ðasefowo srɔ̃ le ƒe siwo va yi me le vi ɖemee?

9 Le ɣeyiɣi ma ke me la, xexeme yeye habɔbɔ sia si le tsitsim ɣesiaɣi la srɔ̃ alesi wòawɔ nuwo nazɔ nyuie si le vi ɖem ŋutɔ egbea eye ɖewohĩ wòaɖe vi le nuwo dzadzraɖo me le Harmagedon megbe. Le kpɔɖeŋu me, Ðasefowo srɔ̃ alesi woawɔ ɖoɖo ɖe takpekpe gãwo ŋui, alesi woaƒo kpekpeɖeŋunanuwo nu ƒu kpata atsɔ ana amewoe, kple alesi woatsɔ ŋkeke ʋɛ aɖewo atu xɔe. Dɔ siawo wɔwɔ na ame geɖe va kpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu hedea bubu wo ŋu.

Nukpɔsusu Gbegblẽwo Ðɔɖɔɖo

10, 11. Gblɔ alesi woɖɔ nukpɔsusu gbegblẽ si le amewo si ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu ɖoe.

10 Ke hã ame aɖewo gblɔna le Yehowa Ðasefowo ŋu be wonye tsigãdzitɔwo. Nusiwo koŋ tae wogblɔa nya siawo ɖo enye nyametsotso si Ðasefoawo nɔ te ɖe Biblia dzi wɔ le ʋudodo, akpaɖekedzimademade, atamanono, kple agbenyuinɔnɔ nyawo me ta. Gake ame geɖewo va le ekpɔm dze sii azɔ be ehiã be yewoalé ŋku ɖe Ðasefowo ƒe nukpɔsusuawo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ɖɔkta aɖe si le Poland ƒo ka ɖo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔdzikpɔƒe eye wògblɔ be ye kpakple ye hati dɔwɔlawo yewole nya ʋlim tso ʋudodo ƒe nyaa ŋu le kɔadzi gaƒoƒo geɖe. Nyati aɖe si dze le Polandtɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Dziennik Zachodni me gbemagbe ye he nyaʋiʋlia vɛ. Ðɔktaa lɔ̃ ɖe edzi be: “Ete ɖe nye ŋutɔ dzinye be wozãa ʋu le atikewɔwɔ me akpa. Ele be nusia natrɔ, eye edzɔ dzi nam be ame aɖe kɔ nu le nyaa dzi. Mahiã nya sia ŋuti nyatakaka geɖe.”

11 Le takpekpe aɖe si wowɔ le ƒe si va yi me la, atikeŋunyala siwo tso Canada, Europa, Israel, kple United States dzro mɔnu aɖe si ŋu wotrɔ asi le be wòakpe ɖe ɖɔktawo ŋu woayɔ dɔ dɔnɔwo ʋumazãmazãe me. Woɖee fia le takpekpe sia, si wowɔ le Switzerland, me be to vovo na ame geɖe ƒe nukpɔsusu la, le nyateƒe me amesiwo kuna le dɔnɔ siwo wodo ʋu na dome la sɔ gbɔ wu esiwo kuna le dɔnɔ siwo mexɔ ʋu o dome. Zi geɖe dɔnɔ siwo nye Ðasefowo hayana hedzona le kɔdzi kaba wu dɔnɔ siwo wodo ʋu na, si ɖea ga si wozãna ɖe atikewɔwɔ ŋu dzi kpɔtɔna zi geɖe.

12. Gblɔ alesi ameŋkuta aɖewo kafu nyametsotso si Yehowa Ðasefowo wɔ ku ɖe akpaɖekedzimademade le dunyahehe me ƒe kpɔɖeŋu ɖeka.

12 Amewo gblɔ nya nyui geɖe hã tso alesi do ŋgɔ na Xexemeʋa II kple ewɔɣi la, Yehowa Ðasefowo mede akpa aɖeke dzi o esime wonye amesiwo Nazidziɖuɖua tɔ ŋkui koŋ la ŋu. Video si nye Jehovah’s Witnesses Stand Firm Against Nazi Assault, si Yehowa Ðasefowo wɔ eye wòsɔ be woɖee fia gbã le Ravensbrück fuwɔamegaxɔ me le Germany le November 6, 1996 dzi, la na amewo gblɔ nya nyui geɖe tso wo ŋu. Le video ma ke ɖeɖefia le ŋutasẽgaxɔ si le Bergen-Belsen me le April 18, 1998 dzi me la, Ðk. Wolfgang Scheel, si nye Dunyahenyawo Ŋuti Nusrɔ̃ƒe si le Lower Saxony dzikpɔla, lɔ̃ ɖe edzi be: “Ŋutinya me nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ si nye ŋukpe dometɔ ɖekae nye be Yehowa Ðasefowo tsi tre ɖe Sosialist Dziɖuɖua ŋu kple tameɖoɖo kplikpaa wu alesi Kristo-sɔlemehawo wɔe. . . . Nuka ke míasusu le Yehowa Ðasefowo ƒe nufiafiawo kple subɔsubɔ ŋu o, woƒe tenɔnɔ le Nazitɔwo ƒe dziɖuɣi dze na bubu.”

13, 14. (a) Nya kae ame aɖe si womenɔ mɔ kpɔm na o gblɔ nunyatɔe tsɔ de Kristotɔ gbãtɔawo dzi? (b) Gblɔ nya nyui siwo amewo gblɔ tsɔ de Mawu ƒe amewo dzi egbea ƒe kpɔɖeŋu aɖewo.

13 Ne ameŋkuta aɖewo alo ʋɔnudrɔ̃ƒewo ƒo nu de Yehowa Ðasefowo dzi le nya sesẽwo me la, ate ŋu aɖe amewo ƒe nazãbubu ɖe Ðasefoawo ŋu dzi akpɔtɔ ahana nukpɔsusu nyui nasu amewo si le wo ŋu wu. Zi geɖe la, esia ʋua mɔ wote ŋu ƒoa nu kple amesiwo melɔ̃na tsã gbeɖe be yewoaɖo to o. Eyata enyo ne nuwo to mɔ siawo, eye le nyateƒe me la, Yehowa Ðasefowo kpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu. Esia na míeɖo ŋku nusi dzɔ le Yerusalem le ƒe alafa gbãtɔ me dzi. Esi Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ Sanhedrin la di be yeawu Kristotɔwo le woƒe gbeƒãɖeɖe dzonɔamemetɔe ta la, Gamaliel, amesi nye “sefiala, si dukɔ la katã buna” xlɔ̃ nu wo bena: “Israel-ŋutsuwo, mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le nusi wɔ ge miala ɖe ame siawo ŋuti la ŋuti. . . . Mite ɖa le amesiawo gbɔ, eye miɖe asi le wo ŋu; elabena ne tameɖoɖo alo dɔ sia tso amewo gbɔ la, ekema ava gblẽ; ke ne etso Mawu gbɔ la, miele eŋu te ge agblẽe o, bena womagakpɔ mi abe amesiwo le tsitre tsim ɖe Mawu ŋuti ene o.”—Dɔwɔwɔwo 5:33-39.

14 Abe Gamaliel ene la, ameŋkuta aɖewo ƒo nu de subɔsubɔblɔɖe nana Yehowa Ðasefowo dzi le ŋkeke siawo me. Le kpɔɖeŋu me, amesi nye Dukɔwo Dome Mawusubɔsubɔ Kple Dzixɔse Blɔɖe Ŋuti Nusrɔ̃ƒe ƒe zimenɔla tsã ʋli nya be: “Mele be woaxɔ mawusubɔsubɔ gomenɔamesiwo le subɔsubɔha aɖe si le esi amewo meda asi ɖe eƒe dzixɔsewo dzi alo mele esiwo wonya xoxo dome o ta ko o.” Eye dzɔdzɔmeŋutinunya kple mawusubɔsubɔ ŋuti nusrɔ̃ƒe si le Leipzig yunivɛsiti ƒe nufialagã bia nya vevi aɖe tso dɔwɔha si Germany dziɖuɖua ɖo be wòaku nu me tso ha siwo yɔm wole be subɔsubɔhawo ƒe kɔmamawo ŋuti ŋu, esime wòbia be: “Nukatae wònye subɔsubɔha suewo ŋu koe wòle be woaku nu me le ke menye le sɔlemeha gã eveawo [Roma Katoliko Ha kple Luther Sɔlemeha] ya ŋu o?” Mehiã be míayi teƒe bubu aɖeke aɖadi ŋuɖoɖoa tsɔ wu le ame aɖe si nye Germany dziɖuɖumegã tsã ƒe nyawo me o, amesi ŋlɔ be: “Ðikeke aɖeke mate ŋu anɔ eŋu o be sɔlemeha me zazɛ̃nyahelawoe be ɖo nu na dziɖuɖu ƒe dɔwɔhaa wòwɔ.”

Ameka Ŋue Míeɖoa Ŋu Ðo be Wòana Gbɔdzɔe Mí?

15, 16. (a) Nukatae afɔ si Gamaliel ɖe mete ŋu ɖɔ nuwo ɖo keŋkeŋ o? (b) Aleke ameŋkuta etɔ̃ bubuwo ƒe agbagba si wodze be woakpe ɖe Yesu ŋu mete ŋu dze edzi o?

15 Nya si Gamaliel gblɔ fia kpuie ko be dɔ si Mawu le megbe na mate ŋu atsi akpo dzi o. Ðikeke mele eme o be nya siwo wògblɔ na Sanhedrin la ɖe vi na Kristotɔ gbãtɔawo baa, gake womeŋlɔ be o be Yesu ƒe nya siwo wògblɔ be woati ye yomedzelawo yome hã nye nyateƒe. Afɔ si Gamaliel ɖe na ɖoɖo si subɔsubɔhakplɔlaawo wɔ be yewoawu wo megadze edzi o, gake meɖe yometitia ɖa keŋkeŋ o, elabena míexlẽ bena: “Tete woɖo toe; eye esi woyɔ apostoloawo vɛ la, woƒo wo, eye wode se na wo be, woagaƒo nu le Yesu ƒe ŋkɔa dzi o, eye wodo mɔ wo.”—Dɔwɔwɔwo 5:40.

16 Esime wonɔ ʋɔnu drɔ̃m Yesu la, Pontio Pilato te kpɔ be yeaɖe asi le Yesu ŋu esi mekpɔ vodada aɖeke le eŋu o ta. Gake mete ŋui o. (Yohanes 18:38, 39; 19:4, 6, 12-16) Ŋutete menɔ Sanhedrin la me tɔ eve siwo nye Nikodemo kple Yosef si tso Arimatia, amesiwo lɔ̃ Yesu ƒe nya gɔ̃ hã ŋu be woaxe mɔ na ʋɔnudrɔ̃ƒea be wòagatso kufia na Yesu o. (Luka 23:50-52; Yohanes 7:45-52; 19:38-40) Gbɔdzɔe si amegbetɔwo te ŋu naa míekpɔna ne woƒo nu de Yehowa ƒe amewo dzi—eɖanye susu ka ke wotsɔ wɔe o—menɔa anyi ɖaa o. Xexeame ayi edzi alé fu Kristo yomedzelawo, abe alesi wòlé fu eya ŋutɔe ene. Yehowa gbɔ koe gbɔdzɔe blibo ate ŋu atso ava na mí.—Dɔwɔwɔwo 2:24.

17. Nukpɔsusu si da sɔ kae le Yehowa Ðasefowo si, gake nukatae woƒe tameɖoɖo kplikpaa be yewoayi edzi aɖe gbeƒã nyanyuia meʋuʋuna o?

17 Le nyateƒe me la, Yehowa Ðasefowo le mɔ kpɔm be amewo ayi edzi ati yewo yome. Ne woɖu Satana ƒe nuɖoanyia dzi mlɔeba ko hafi tsitretsiɖeŋu nu ayi keŋkeŋ. Ke hã togbɔ be yometiti sia medoa dzidzɔ na ame o hã la, menana Ðasefoawo dzudzɔa dɔ si wode wo si be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe la o. Nukatae wòle be wòana woadzudzɔ esime Mawu le megbe na wo? Woƒe Ŋgɔnɔla, Yesu Kristo, si ƒo dzi nɔ la ƒe kpɔɖeŋue nye nyuitɔ wosrɔ̃na.—Dɔwɔwɔwo 5:17-21, 27-32.

18. Kuxi kawoe kpɔtɔ le ŋgɔ na Yehowa ƒe amewo, gake nuka dzie woka ɖo be anye emetsonu?

18 Wotsi tre ɖe subɔsubɔha vavãtɔ ŋu vevie tso eƒe gɔmedzeɣi ke. Eteƒe madidi o Gog, si nye Satana atso le nɔnɔme ɖigbɔ si me wòle tso esime wonyae tso dziƒo, aho ɖe eŋu kple eƒe ŋusẽ katã. Gake subɔsubɔha vavãtɔ matsrɔ̃ o. (Xezekiel 38:14-16) Satana akplɔ “xexeame katã ƒe fiawo” “[woawɔ] aʋa kple Alẽvi la, eye Alẽvi la laɖu wo dzi; elabena aƒetɔwo dzi aƒetɔ kple fiawo dzi fia wònye.” (Nyaɖeɖefia 16:14; 17:14) Ẽ, míaƒe Fia la le ŋgɔ yim ɖo ta aʋadziɖuɖu mamlɛa gbɔ eye eteƒe madidi o ‘akpɔ dziɖuɖu keŋkeŋ.’ Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbe enye si wònye be míanɔ zɔzɔm kplii, esi míenya be eteƒe madidi o ame aɖeke make ɖi Yehowa subɔlawo akpɔ gbeɖe ne míegblɔ be: “Mawu le mía dzi” o.—Romatɔwo 8:31; Filipitɔwo 1:27, 28.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Nukae Yehowa wɔ tsɔ do ŋusẽ Kristo-hamea tso esime woɖo Fiaɖuƒea anyi?

• Nukae Satana dze agbagba wɔ be yeaxe mɔ na Kristo be wòagaɖu aʋa dzi keŋkeŋ o, eye nukawoe do tso eme?

• Nukpɔsusu si da sɔ kae wòle be wòanɔ mía si tso amesiwo menye Ðasefowo o ƒe mía dzi dede ŋu?

• Nukae Satana awɔ kpui, eye nukae ado tso eme?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Takpekpewo nyea Yehowa ƒe amewo ƒe ŋgɔyiyi ƒe dzesi

[Nɔnɔmetata siwo le axa 20]

Ðasefowo ƒe akpaɖekedzimademade le Xexemeʋa II me na wole Yehowa kafum kokoko