Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Do Ŋusẽ Alesi Nèka Ðe Yehowa Dzii

Do Ŋusẽ Alesi Nèka Ðe Yehowa Dzii

Do Ŋusẽ Alesi Nèka Ðe Yehowa Dzii

Wodze nugbe vɔ̃ɖi aɖe ɖoɖo gɔme. Anyigbaa dzi metsitsiwo katã kpe ta hewɔ se yeye aɖe. Wodi be woawɔe wòanye agɔdzedze si ta woawu ame ɖo ne ame aɖe subɔ nu bubu aɖe si dzi Fiaɖuƒea meda asi ɖo o.

ÐE NYA sia ɖi nya si nèse kpɔa? Amesiwo to setɔwo dzi ɖo nugbe ƒe kpɔɖeŋu gbogbo aɖewo le ŋutinya me. Kpɔɖeŋu si le etame la dzɔ le Persia Fiaɖuƒea me le nyagblɔɖila Daniel ŋɔli. Se si Fia Dario de enye be: “Amesiame, si abia nu mawu alo amegbetɔ bubu aɖe le ŋkeke blaetɔ̃ me, eye menye tso . . . fia si ko o la, woatsɔe aƒu gbe ɖe dzatawo ƒe do me.”—Daniel 6:8-10.

Nukae Daniel awɔ le ku tsɔtsɔ do vɔvɔ̃ nɛ alea me? Ðe wòayi edzi aɖo ŋu ɖe eƒe Mawu, Yehowa, ŋu loo alo ɖe wòana ta awɔ ɖe fia la ƒe sededea dzia? Nuŋlɔɖia gblɔ na mí be: “Esi Daniel se be, wode ŋkɔ nuŋɔŋlɔa te la, eyi eƒe me le dziƒoxɔ, si ƒe fesrewo ʋu ɖo ta Yerusalem la me, eye wòdze klo do gbe ɖa na eƒe Mawu hekafui gbe ɖeka zi etɔ̃, abe alesi wòwɔna tsã ene.” (Daniel 6:11) Míenya alesi nudzɔdzɔa katã va wu enui nyuie. Wotsɔ Daniel ƒu gbe ɖe dzatawo ƒe do me le eƒe xɔse ta, gake Yehowa ‘miã nu na dzataawo’ heɖe esubɔla wɔnuteƒe la.—Hebritɔwo 11:33; Daniel 6:16-22.

Ameɖokuimedzroɣi

Egbea la, Yehowa subɔlawo le xexe sẽŋuta aɖe me, eye nu geɖe doa ŋɔdzi na woƒe ŋutilã kple gbɔgbɔ me dedienɔnɔ. Le kpɔɖeŋu me, wowu Ðasefo geɖe le fuléle ameƒomevi bubuwo me dzrehehe dziŋɔ siwo dzɔ le dukɔ aɖewo me la me. Le teƒe bubuwo la, Yehowa subɔlawo dze ŋgɔ nuɖuɖu ƒe veve, ganyawo ƒe sesẽ, dzɔdzɔmefɔkuwo, dɔléle sesẽwo kple nɔnɔme bubu siwo doa ŋɔdzi na ame ƒe agbe. Gakpe ɖe eŋu la, wotoa yometiti, nyaƒoɖeamenu le dɔme, kple nugbegblẽwɔwɔ ƒe tetekpɔ vovovowo, siwo katã ate ŋu ade woƒe gbɔgbɔmetenɔnɔ afɔku me la me. Le nyateƒe me la, Futɔ gãtɔ, Satana, ɖoe kplikpaa be yeato mɔ sia mɔ si adze edzi la nu agblẽ Yehowa subɔlawo dome.—Petro I, 5:8.

Ne míedze ŋgɔ nɔnɔme siawo la, nukae míate ŋu awɔ? Togbɔ be ele dzɔdzɔme nu be vɔvɔ̃ naɖo ame ne ame ƒe agbe ɖo ŋɔdzi me hã la, míate ŋu ana apostolo Paulo ƒe kakaɖedzinyawo nanɔ susu me na mí be: “[Yehowa] gblɔ be: ‘Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpɔ o.’ Ale bena míatsɔ dzideƒo agblɔ be: ‘Yehowa ye nye nye kpeɖeŋutɔ, nyemavɔ̃ o; nuka amegbetɔ awɔm ma?’” (Hebritɔwo 13:5, 6) Kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be aleae Yehowa gasena le eɖokui me ɖe esubɔlawo ŋu egbea hã. Ke hã vovototo le Yehowa ƒe ŋugbedodowo nyanya kple exɔxɔ ase be atso axɔ na mí dome. Eyata ele vevie ŋutɔ be míadzro nusiwo ta míetu kakaɖedzi ɖe Yehowa me ɖo me eye be míawɔ nusianu si míate ŋui be míado ŋusẽ kakaɖedzi ma ahalé eme ɖe asi. Ne míewɔe nenema la, “Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ [míaƒe] dziwo kple [míaƒe] tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.” (Filipitɔwo 4:7) Ekema ne tetekpɔwo va mía dzi la, míate ŋu abu nuwo ŋu nyuie ahawɔ nu ɖe wo ŋu nunyatɔe.

Nusita Míaka Ðe Yehowa Dzi

Le nyateƒe me la, susu geɖe le mía si siwo ta míaka ɖe mía Wɔla, Yehowa, dzi ɖo. Susuawo dometɔ gbãtɔe nye be Yehowa nye lɔlɔ̃ Mawu si tsɔ ɖe le eme na eƒe subɔlawo ŋutɔŋutɔ. Kpɔɖeŋu geɖe ŋutɔ le Biblia me siwo ƒo nu tso alesi Yehowa tsɔ ɖe le eme na esubɔlawo lɔlɔ̃tɔe la ŋu. Esime Mose nɔ nu ƒom tso alesi Yehowa wɔ nu ɖe eƒe ametiatiawo, Israel-viwo, ŋui ŋu la, eŋlɔ bena: “Efɔe le gbedzi kple gbedadaƒo, afisi gbemelãwo le xɔxlɔ̃m le. Ekpla asi kɔ nɛ, eye wòkpɔ edzi helé be nɛ abe eƒe ŋkuvi ene.” (Mose V, 32:10) Le egbeɣeyiɣiwo me la, Yehowa yia edzi léa be na esubɔlawo ƒe ƒuƒoƒo kple ame ɖekaɖekawo siaa nyuie. Le kpɔɖeŋu me, esime Ðasefo aɖewo dze ŋgɔ nuɖuɖu ƒe veve gã aɖe le dukɔmeviʋa si dzɔ le Bosnia me la, Yehowa kpɔ egbɔ be woƒe nuhiahiãwo su wo si to wo nɔvi siwo tso Croatia kple Austria, amesiwo tsɔ woƒe agbe de afɔku me zɔ mɔ to teƒe siwo ŋɔdzi le ŋutɔ be woatsɔ kpekpeɖeŋununanawo yi na wo nɔviwo, ƒe agbagbadzedze dzideƒotɔe dzi. *

Esi Ŋusẽkatãtɔe Yehowa Mawu nye ta la, ɖikeke mele eŋu o be ate ŋu akpɔ eƒe subɔlawo ta le nɔnɔme ɖesiaɖe me. (Yesaya 33:22; Nyaɖeɖefia 4:8) Gake ne Yehowa ɖe mɔ be esubɔla aɖewo nawɔ nuteƒe ɖaseɖe ku me gɔ̃ hã la, egaléa wo ɖe te hekpena ɖe wo ŋu be woalé woƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi, si kpena ɖe wo ŋu be wonɔa te sesĩe, yia edzi nɔa dzidzɔ kpɔm hetsɔa nuwo katã kpoo vaseɖe nuwuwu. Eyata kakaɖedzi si nɔ hakpala la si ate ŋu anɔ míawo hã si be: “Yehowa enye sitsoƒe kple ŋuse na mí, xɔnametɔ ŋutɔ wònye le xaxawo me. Eyata míavɔ̃ o, nenye be, anyigba gli le enu, eye towo ʋã le atsiaƒu titina [hã].”—Psalmo 46:2, 3.

Biblia ɖee fia hã be Mawu nyateƒetɔe Yehowa nye. Esia fia be ewɔa eƒe ŋugbedodowo dzi ɣesiaɣi. Le nyateƒe me, Biblia ɖɔe be enye Mawu si ‘mekaa aʋatso o.’ (Tito 1:2) Esi Yehowa gblɔe edziedzi be yelɔ̃ be yeakpɔ yesubɔlawo ta eye yeaxɔ na wo ta la, kakaɖedzi blibo ate ŋu anɔ mía si be menye ɖeko wòate ŋu awɔ eƒe ŋugbedodowo dzi o, ke boŋ ele klalo be yeawɔe hã.—Hiob 42:2.

Mɔ Siwo Dzi Míato Ado Ŋusẽ Míaƒe Kakaɖedzi

Togbɔ be míexɔe se blibo be ele be míaka ɖe Yehowa dzi hã la, mele be míabui be kakaɖedzi sia anɔ mía me ɣesiaɣi naneke mawɔmawɔ le eŋui o. Nusitae nye be ame akpa gãtɔ le xexeame mexɔ Mawu dzi se o, eye nɔnɔme sia ate ŋu ana míaƒe kaka ɖe Yehowa dzi nagbɔdzɔ bɔbɔe. Eyata ele be míaʋli vevie be míado ŋusẽ kakaɖedzi ma ahalé eme ɖe asi. Yehowa nya esia nyuie, eye wòwɔ mɔ siwo dzi míato awɔe ŋuti ɖoɖo na mí.

Gbã la, etsɔ eƒe Nya, Biblia, si me woŋlɔ nukunu gbogbo siwo wòwɔ le esubɔlawo ta ɖo la na mí. Wò ya bu eŋu kpɔ ko, aleke nàte ŋu aka ɖe ame aɖe dzi bliboe ne nusi nènya le eŋu koe nye eƒe ŋkɔ? Ne àka ɖe edzi hã la, le nu sue aɖewo ko me. Mahiã be nànya eƒe mɔwo kple nuwɔnawo be nàte ŋu aka ɖe edzi oa? Ne míexlẽ Biblia me nudzɔdzɔ siawo hede ŋugble le wo ŋu la, nusiwo míenya le Yehowa kple eƒe nukumɔwo ŋu adzi ɖe edzi, eye ɣesiaɣi la, nusiwo ta wòle be míaka ɖe edzi anɔ dzedzem gaglãa míakpɔ. Ana be alesi míeka ɖe edzii me asẽ. Hakpala la ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe esime wòdo gbe ɖa vevie gblɔ na Mawu be: “Yehowa ƒe nuwɔwɔwo anɔ ŋku dzi nam, ẽ, maɖo ŋku wò blemanukunuwo dzi. Mabu tame le wò nuwɔwɔwo katã ŋu, eye made ŋugble le wò dɔwɔwɔwo ŋu.”—Psalmo 77:12, 13.

Hekpe ɖe Biblia ŋu la, gbɔgbɔmenuɖuɖu dami tsoƒe aɖe hã le mía si le Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo Yehowa ƒe habɔbɔa tana la me. Nusiwo hã ŋu agbalẽ siawo ƒoa nu tsoe zi geɖe enye egbeŋkekea me Mawu subɔlawo ƒe agbemeŋutinya wɔdɔɖeamedziwo, eye wofiaa mɔ siwo dzi Yehowa to kpe ɖe wo ŋu hena wokpɔa gbɔdzɔe le nɔnɔme sesẽ siwo me woge ɖo me. Le kpɔɖeŋu me, Martin Poetzinger, si va nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuhaa me nɔla emegbe la, dze dɔ vevie esime wònye mɔɖela le Europa nuto siwo metsɔ ɖe wo denyigba gbɔ o me. Ga menɔ esi o, eye ɖɔkta aɖeke hã medi be yeakpɔ egbɔ o. Gake Yehowa megblẽe ɖi o. Mlɔeba wote ɖe afima kɔdzidɔwɔlawo ƒe amegã aɖe ŋu. Esi ŋutsu sia nye amesi xɔ Biblia dzi se vevie ta la, ekpɔ Nɔviŋutsu Poetzinger gbɔ abe alesi ko wòawɔ na viae ene, eye mexɔ naneke le esi o. Le nyateƒe me, amewo ƒe agbemeŋutinya siawo tɔgbe xexlẽ ate ŋu ado ŋusẽ alesi míeka ɖe míaƒe Dziƒofofoa dzii.

Kpekpeɖeŋunu xɔasi bubu si Yehowa na be wòado ŋusẽ alesi míeka ɖe eyama dzii enye gbedodoɖa ƒe mɔnukpɔkpɔ xɔasi la. Apostolo Paulo gblɔ na mí lɔlɔ̃tɔe be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti.” (Filipitɔwo 4:6) “Nusianu” sia ƒe ɖewo ate ŋu anye míaƒe seselelãmewo, nuhiahiãwo, vɔvɔ̃wo, kple dzimaɖitsitsiwo. Zi alesi míeyi edzi do gbe ɖa tso dzi me edziedzii la, zi nenemae ŋusẽ aɖo alesi míeka ɖe Yehowa dzii ŋu.

Esime Yesu Kristo nɔ anyigba dzi la, eya ɖeɖe yia teƒe siwo ɖoɖoezizi le ɣeaɖewoɣi hedoa gbe ɖa fuɖename manɔmee. (Mateo 14:23; Marko 1:35) Hafi wòawɔ nyametsotso veviwo la edo gbe ɖa na Fofoa le zã bliboa katã me gɔ̃ hã. (Luka 6:12, 13) Mewɔ nuku o be alesi Yesu ka ɖe Yehowa dzii me sẽ ale gbegbe be wòte ŋu do dzi nɔ te ɖe tetekpɔ sesẽtɔ kekeake si va ame dzi kpɔ la nu. Nya mamlɛ siwo wògblɔ le fuwɔametia ŋue nye: “Fofo, asiwò me metsɔ nye gbɔgbɔ la de.” Nya ma si ɖe kakaɖeamedzi fia ɖee fia be eka ɖe Fofoa dzi vaseɖe nuwuwu togbɔ be Yehowa mexɔ nɛ o hã.—Luka 23:46.

Mɔnu bubu si dzi míagate ŋu ato ado ŋusẽ alesi míeka ɖe Yehowa dzii enye hadede kple amesiwo ka ɖe edzi tso dzi blibo me edziedzi. Yehowa de se na eƒe amewo be woaƒo ƒu edziedzi be woasrɔ̃ nu geɖe tso ye ŋu eye be woade dzi ƒo na wo nɔewo. (Mose V, 31:12; Hebritɔwo 10:24, 25) Hadede siawo doa ŋusẽ alesi woka ɖe Yehowa dzii, eye wòkpena ɖe wo ŋu be woado dzi le xɔse ƒe dodokpɔ sesẽwo me. Le Afrika-dukɔ aɖe si me woxe mɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa nu le la, wogbe be kpovitɔwo makpɔ Yehowa Ðasefowo ƒe dedienɔnɔnyawo ta o, womana mɔzɔgbalẽ kple srɔ̃ɖeɖaseɖigbalẽ wo o, womakpɔ wo gbɔ le kɔdzi o, eye womana dɔwɔɖui wo woawɔ o. Esi dukɔmeviʋa dzɔ le nuto aɖe me la, hame aɖe si tsɔ ɖe afima me tɔ 39, siwo dome ɖeviwo hã le, nɔ tɔdzisasrã aɖe si ɖiɖi ɖe anyi ŋutɔ le dzogbe la gɔme ade ɣleti ene esime wonɔ sisim le tu siwo dam wonɔ le woƒe dua me nu. Le nɔnɔme sesẽ sia gbegbe me toto me la, mawunyakpukpui aɖe me dzodzro gbesiagbe kple kpekpe bubuwo wɔwɔ do ŋusẽ wo ŋutɔ. Ena be wote ŋu nɔ te ɖe nɔnɔme sesẽa nu hekpɔtɔ lé woƒe gbɔgbɔmemenyenye me ɖe asi. Nuteƒekpɔkpɔ sia ɖe vevienyenye si le kpekpe kple Yehowa ƒe amewo edziedzi ŋu fia kɔte.

Mlɔeba, be míado ŋusẽ alesi míeka ɖe Yehowa dzii la, ele be dzo nanɔ mía me ɖaa ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu, míanɔ klalo ɣesiaɣi agblɔ nyanyuia na ame bubuwo. Gbeƒãɖela aɖe si nye sɔhɛ le Canada si ʋumenugbagbeviɣidɔ nɔ fu ɖem na vevie la ƒe nuteƒekpɔkpɔ si wɔ dɔ ɖe ame dzi la ɖe esia fia. Togbɔ be nyɔnuvia ƒe dɔlélea nu sẽ ŋutɔ hã la, edi be yeava nye gbesiagbe mɔɖela, si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla. Esi dɔlélea ka ɖe eme nɛ vie la, ekpɔ ŋusẽ te ŋu wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ɣleti ɖeka. Emegbe dɔlélea ganyrã ɖe edzi kura, eye wòku le ɣleti ʋɛ aɖewo megbe. Ke hã ŋusẽ kpɔtɔ nɔ eŋu le gbɔgbɔ me vaseɖe nuwuwu, alesi wòka ɖe Yehowa dzii meʋuʋu aɖabaƒoƒo ɖeka pɛ hã o. Dadaa gblɔ be: “Etsɔ ɖe le eme na ame bubuwo wu eɖokui ʋuu tsɔ kui. Edea dzi ƒo na wo be woasrɔ̃ Biblia, nɔa gbɔgblɔm na wo be, ‘Míado go le Paradiso me.’”

Kpeɖoɖo Alesi Míeka Ðe Yehowa Dzii la Dzi

“Abe alesi ŋutilã gbɔgbɔ manɔmee nye nu kuku la, nenema ke xɔse dɔwɔwɔ manɔŋui hã nye nu kuku.” (Yakobo 2:26) Míate ŋu agblɔ nya si Yakobo gblɔ tso Mawu dzixɔxɔse ŋu le alesi míeka ɖe Eyama dzii hã ŋu. Aleke kee míeɖagblɔ be míeka ɖe Mawu dzi o azu nya gbɔlo negbe ɖe míeɖe kakaɖedzi ma fia to míaƒe dɔwɔwɔwo me. Abraham ka ɖe Yehowa dzi bliboe eye wòtsɔ toɖoɖo eƒe sededewo le nusianu me ɖo kpe kakaɖedzi ma dzii, eɖo toe le nusianu me ale gbegbe be enɔ klalo be wòatsɔ viaŋutsu Isak asa vɔe gɔ̃ hã. Le kakaɖedzi kple toɖoɖo ɖedzesi ma ta la, wova nya Abraham be Yehowa xɔlɔ̃.—Hebritɔwo 11:8-10, 17-19; Yakobo 2:23.

Mehiã be míalala dodokpɔ sesẽ aɖe nava mía dzi hafi míaɖee afia be míaka ɖe Yehowa dzi o. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: “Amesi wɔa nuteƒe le nu suetɔ ke me la, enyea nuteƒewɔla le nu geɖewo hã me, eye amesi wɔa nu madzɔmadzɔ le nu suetɔ ke me la, enyea nu madzɔmadzɔ wɔla le nu geɖewo hã me.” (Luka 16:10) Ele be míasrɔ̃ alesi míaka ɖe Yehowa dzi le míaƒe gbesiagbedɔwɔnawo katã me, míaɖo toe le nusiwo adze nu suewo gɔ̃ hã me. Ne míekpɔ viɖe siwo do tso toɖoɖo alea me la, ŋusẽ aɖo alesi míeka ɖe míaƒe Dziƒofofoa dzii la ŋu, eye wòakpe ɖe mía ŋu be míanɔ te ɖe dodokpɔ siwo galolo alo ɖi vɔvɔ̃ wu la nu.

Esi xexea le eƒe nuwuwu kpata la gogom la, ɖikeke mele eme o be Yehowa ƒe amewo ato dodokpɔ kple afɔku geɖe me. (Dɔwɔwɔwo 14:22; Timoteo II, 3:12) Ne míetu kakaɖedzi sẽŋu si meʋãna o ɖo ɖe Yehowa me fifia la, míate ŋu akpɔ mɔ na agbetsitsi ayi ɖe xexeme yeye si ŋugbe wòdo me—eɖanye be míanɔ agbe atso xaxa gã la alo woafɔ mí ɖe tsitre ayi ɖe eme o. (Petro II, 3:13) Negadzɔ gbeɖe be míaɖe mɔ kakaɖedzimanɔamesi aɖeke nagblẽ nu le mía kple Yehowa dome ƒomedodo xɔasi la ŋu o. Ekema woate ŋu agblɔ nya si wogblɔ le Daniel ŋu esime woɖee le dzatawo ƒe doa me le míawo hã ŋu be: “Naneke mewɔe o, elabena eɖo ŋu ɖe eƒe Mawu la ŋu.”—Daniel 6:23.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 9 Kpɔ Gbetakpɔxɔ, November 1, 1994, axa 23-7 hena numeɖeɖe geɖe.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Yehowa subɔla nuteƒewɔlawo, abe Martin Poetzinger ene, ŋuti nuŋlɔɖiwo xexlẽ doa ŋusẽ míaƒe xɔse