Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Ne Mawu Le Mía Dzi La, Ameka Atsi Tre Ðe Mía Ŋutii?”

“Ne Mawu Le Mía Dzi La, Ameka Atsi Tre Ðe Mía Ŋutii?”

“Ne Mawu Le Mía Dzi La, Ameka Atsi Tre Ðe Mía Ŋutii?”

“Azɔ, nuka gblɔ ge míala le esia ŋutii? Ne Mawu le mía dzi la, ameka atsi tre ɖe mía ŋutii?”—ROMATƆWO 8:31.

1. Amekawoe kplɔ Israel-viwo ɖo dzo le Egipte, eye nukae na wodzo?

ESIME Israel-viwo nɔ dzodzom le Egipte aɖanɔ ablɔɖe me le ƒe 215 siwo ƒe akpa gãtɔ me wonɔ kluvinyenye me megbe la, “amedzro geɖewo hã kpe ɖe wo ŋuti.” (Mose II, 12:38) Amesiawo siwo menye Israel-viwo o la kpɔ fuwɔame dziŋɔ ewo siwo va Egipte-dukɔa katã dzi eye wòdo ŋukpe woƒe alakpamawuwo la teƒe. Le ɣeyiɣi ma ke me la, wokpɔ—vevietɔ tso fuwɔame enelia dzi yina—ŋutete si le Yehowa si wòtsɔ kpɔ eƒe amewo tae hã teƒe. (Mose II, 8:23, 24) Togbɔ be womenya nu geɖe tso Yehowa ƒe tameɖoɖowo ŋu o hã la, woka ɖe nu ɖeka aɖe ya dzi be: Egipte-mawuwo mete ŋu ɖe Egiptetɔwo o, gake Yehowa ya ɖe eƒe ŋusẽ fia le Israel-viwo ta.

2. Nukatae Raxab nɔ Israel-vi ŋkutsalawo ƒe akpa dzi, eye nukatae alesi wòka ɖe woƒe Mawu dzii mezu dzodzro o?

2 Le ƒe 40 megbe, le ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na Israel-viwo ƒe gege ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi la, Mose teƒenɔla Yosua dɔ ŋutsu eve be woayi aɖatsa ŋku le anyigbaa dzi. Wodo go Raxab, amesi nɔ Yerixo-nyigba dzi, le afima. Le nusiwo wòse tso ŋusẽdɔ siwo Yehowa wɔ tsɔ kpɔ Israel-viwo tae le ƒe 40 siwo kplɔ woƒe dzodzo le Egipte ɖo me me la, enya be ne yedi be Mawu nayra ye la, ke ele be yeanɔ eƒe amewo ƒe akpa dzi. Le nyametsotso nyui si wòwɔ ta la, wokpɔ eya kple eƒe aƒekɔ ta esime Israel-viwo va dze dua dzi emegbe. Alesi woɖe wo nukutɔe gɔ̃ hã nye kpeɖodzi matrɔmatrɔ be Mawu li kpli wo. Eyata alesi Raxab ka ɖe Israel-viwo ƒe Mawu la dzii mezu dzodzro o.—Yosua 2:1, 9-13; 6:15-17, 25.

3. (a) Nukunu kae Yesu wɔ le teƒe aɖe si te ɖe Yerixo-du si wogbugbɔ tso la ŋu, eye aleke Yuda-subɔsubɔhakplɔlawo wɔ nu ɖe eŋui? (b) Nukae Yudatɔ aɖewo, kple emegbe ame geɖe siwo menye Yudatɔwo o va kpɔ dze sii?

3 Ƒe alafa 15 megbe la, Yesu Kristo yɔ dɔ nubiala ŋkuagbãtɔ aɖe le teƒe aɖe si te ɖe Yerixo-du si wogbugbɔ tso la ŋu. (Marko 10:46-52; Luka 18:35-43) Ŋutsu sia ɖe kuku na Yesu be wòakpɔ nublanui na ye, si ɖee fia be ekpɔe dze sii be Mawu nɔ megbe na Yesu. Gake Yuda-subɔsubɔhakplɔlawo kple wo yomedzelawo koŋ ya gbe edzixɔxɔ se be nukunu siwo Yesu wɔ la nye kpeɖodzi be Mawu ƒe dɔ wɔmee wònɔ. Ðe eteƒe la, woƒo nu tsitre ɖe eŋu. (Marko 2:15, 16; 3:1-6; Luka 7:31-35) Esi wose gɔ̃ hã be wofɔ Yesu si yewo wu ɖe tsitre la, womedi be yewoalɔ̃ ɖe edzi be Mawue fɔe o. Ke boŋ woxɔ ŋgɔ nɔ Yesu yomedzelawo yome tim, henɔ agbagba dzem be yewoaxe mɔ ɖe ‘Aƒetɔ Yesu ŋuti nyanyui gbeƒãɖeɖedɔ’ si wɔm wonɔ la nu. Gake Yudatɔ aɖewo, kple emegbe ame geɖe siwo menye Yudatɔwo o, va lé ŋku ɖe nudzɔdzɔ siawo ŋu eye wobu wo ŋu nyuie. Woawo ya kpɔe dze sii be Mawu gbe Yuda-dukɔa kplɔla ɖokuiŋudzelawo henɔ megbe na Yesu Kristo yomedzela ɖokuibɔbɔlawo.—Dɔwɔwɔwo 11:19-21.

Amekawoe Mawu Le Megbe na Egbea?

4, 5. (a) Nukae nye ame aɖewo ƒe nukpɔsusu le subɔsubɔha tiatia ŋu? (b) Nya vevi kae wòle be míabia ne míele subɔsubɔha vavãtɔ dim?

4 Esime wobia gbe subɔsubɔhakplɔla aɖe nyitsɔ laa le television dzi tso subɔsubɔha vavãtɔ ŋu la, egblɔ be: “Magblɔe kple kakaɖedzi be, ne subɔsubɔha aɖe ƒe nufiafia te ŋu wɔa amesi tsɔnɛ wɔ dɔe wòzua ame nyui ko hafi magblɔ be enye subɔsubɔha vavãtɔ.” Nyateƒee, subɔsubɔha vavãtɔ naa ame zua ame nyui. Gake ɖe nyateƒe si wònye be subɔsubɔha aɖe naa amewo zua ame nyui ɖeɖe ɖo kpe edzi be Mawu le megbe nɛa? Ema ɖeɖe dzie woanɔ te ɖo anya ne subɔsubɔha aɖe nye vavãtɔa?

5 Edzɔa dzi na amesiame be wòawɔ nusiwo wòdi ŋuti nyametsotso, hekpe ɖe subɔsubɔha si me wòdi be yeanɔ hã ŋuti nyametsotso ŋu. Gake tiatiawɔblɔɖe ƒe amesinɔnɔ ɖeɖe menye kpeɖodzi be ame awɔ tiatia nyui o. Le kpɔɖeŋu me, subɔsubɔha aɖe me tɔwo ƒe agbɔsɔsɔ, ga si le wo si, azã kpeɖi siwo woɖuna, alo esi woƒe ƒometɔwo le wo me ta koe ame aɖewo tia wo ɖo. Nusiawo dometɔ aɖeke menye nu woanɔ te ɖe edzi atso nya me ne subɔsubɔha aɖe nye vavãtɔ alo menyee o. Nya vevitɔ si míabia le nya sia me enye: Subɔsubɔha kae xlɔ̃a nu emenɔlawo be woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu eye wòdze le wo ŋu kɔte be Mawu le megbe na wo, ale be emenɔlawo ate ŋu agblɔ kple kakaɖedzi be, ‘Mawu le yewo dzi?’

6. Yesu ƒe nya kawoe kɔ subɔsubɔha vavãtɔ kple alakpatɔ ƒe nyaa me?

6 Yesu ɖo nusi dzi woanɔ te ɖe ade vovototo nyateƒe tadeagu kple alakpasubɔsubɔ dome esime wògblɔ be: ‘Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le aʋatsonyagblɔɖilawo ŋuti; amesiwo vaa mia gbɔ le alẽgbalẽwo me, evɔ le wo me la wonye amegãxi nyanyrãwo. Mitsɔ woƒe tsetsewo dze si wo.’ (Mateo 7:15, 16; Maleaxi 3:18) Mina míadzro subɔsubɔha vavãtɔ ƒe ‘kutsetse’ alo dzesidenuwo dometɔ aɖewo me akpɔ, ale be míato nyateƒe na mía ɖokui be míate ŋu ade dzesi amesiwo Mawu le megbe na egbea hã.

Nusiwo Woatsɔ Ade Dzesi Amesiwo Mawu Le Megbe Na

7. Nukae wòfia be woafia nusi wotu ɖe Biblia dzi ɖeɖeko?

7 Wotu woƒe nufiafiawo ɖe Biblia dzi. Yesu gblɔ be: “Nye nufiafia la menye tɔnye o, ke boŋ amesi dɔm ɖa la tɔe. Ne ame aɖe le didim be, yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la, eya ladze sii le nufiafia la ŋuti, nenye Mawu me wòtso, alo nye ŋutɔe le nu ƒom le ɖokuinye ŋuti.” Egblɔ hã be: “Amesi tso Mawu me la, sea Mawu ƒe nyawo.” (Yohanes 7:16, 17; 8:47) Gɔmesese le eŋu be, hafi Mawu nanɔ megbe na ame aɖe la, ele be wòafia nusiwo Mawu ɖe fia le eƒe Nya me ɖeɖeko eye wòagbe nufiafia siwo wotu ɖe amegbetɔ ƒe nunya alo kɔnyinyi dzi.—Yesaya 29:13; Mateo 15:3-9; Kolosetɔwo 2:8.

8. Nukatae wòle vevie be woazã Mawu ƒe ŋkɔ le tadedeagu me?

8 Wozãa Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, heɖea gbeƒãe. Yesaya gblɔ ɖi be: “[Miagblɔ] ɣemaɣi be: Mikafu Yehowa, miyɔ eƒe ŋkɔ, miɖe eƒe nuwɔwɔwo fia le dukɔwo dome, miɖe gbeƒãe be, eƒe ŋkɔ de dzi. Midzi ha na Yehowa, elabena ewɔ nu klitsuwo; woanya esia le anyigba blibo la dzi.” (Yesaya 12:4, 5) Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa be: “Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ!” (Mateo 6:9) Eyata Kristotɔwo ɖanye Yudatɔwo alo womenye Yudatɔwo o ele be woanye ‘dukɔ si ŋu Mawu ƒe ŋkɔ le.’ (Dɔwɔwɔwo 15:14) Edze ƒã be edze Mawu ŋu be yeanɔ megbe na amesiwo wòadzɔ dzi na ŋutɔ be ‘yewoanye dukɔ si ŋu yeƒe ŋkɔ le.’

9. (a) Nukatae dzi dzɔa subɔsubɔha vavãtɔa me nɔlawo ɣesiaɣi? (b) Vovototo kae Yesaya gblɔ le subɔsubɔha vavãtɔ kple alakpasubɔsubɔ ŋu?

9 Woɖea Mawu ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ƒe nɔnɔme fiana. Esi Yehowa nye “nyanyui” ŋlɔla ta la, enye ‘dzidzɔ Mawu.’ (Timoteo I, 1:11) Eyata aleke esubɔlawo anye dzidzɔmakpɔlawo alo blanuilélawo ɣesiaɣii? Togbɔ be xexeame ƒe xaxa kple ame ŋutɔ ƒe kuxiwo ɖea fu na Kristotɔ vavãwo hã la, woyia edzi kpɔa dzidzɔ elabena woɖua gbɔgbɔmenu damiwo ɣesiaɣi. Yesaya gblɔ vovototo si le woa kple amesiwo le alakpasubɔsubɔhawo me dome be: “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, nye dɔlawo aɖu nu, ke miawo la, dɔ awu mi; kpɔ ɖa, nye dɔlawo ano nu, ke miawo la, tsikɔ awu mi; kpɔ ɖa, nye dɔlawo akpɔ dzidzɔ, ke miawo la, ŋu akpe mi. Kpɔ ɖa, nye dɔlawo atso aseye le dzi ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ta, ke miawo la, miado ɣli le dzi ƒe vevesese ta, eye miafa avi le gbɔgbɔ ƒe teteɖeanyi ta.”—Yesaya 65:13, 14.

10. Aleke amesiwo le subɔsubɔha vavãtɔ me ƒoa asa na nusɔsrɔ̃ to nuwɔkpɔ mee?

10 Wotu woƒe agbenɔnɔ kple nyametsotsowo ɖe Biblia me gɔmeɖosewo dzi. Lododowo ƒe agbalẽa ŋlɔla ɖo aɖaŋu na mí be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.” (Lododowo 3:5, 6) Mawu le megbe na amesiwo dia eƒe mɔfiame wu be woadi amesiwo gbe mawumenunya la ƒe nufiafia manyatalenuwo. Zi alesi ame alɔ̃ be yeanɔ agbe ɖe Mawu ƒe Nya nui la, zi nenemae manye nuwɔkpɔ mee wòato hafi anya nane o.—Psalmo 119:33; Korintotɔwo I, 1:19-21.

11. (a) Nukatae subɔsubɔha vavãtɔ me nɔlawo mate ŋu ama ɖe osɔfowo kple hameviwo ƒe hawo me o? (b) Kpɔɖeŋu kae wòle be amesiwo le ŋgɔ xɔm le Mawu ƒe amewo dome naɖo na alẽha la?

11 Ðoɖo si nu ƒe alafa gbãtɔ me Kristo-hamea zɔ ɖo nue wozɔna ɖo. Yesu gblɔ gɔmeɖose si akplɔ wo la ɖi be: “Migana woayɔ mi be Rabi o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe nufiala, eye mi katã la nɔviwo mienye. Eye migayɔ ame aɖeke be mia fofo le anyigba dzi o; elabena ame ɖekae nye mia fofo, eyae le dziƒo. Eye womegayɔ mi be kplɔlawo o; elabena ame ɖekae nye miaƒe kplɔla, eyae nye Kristo. Ke amesi nye gãtɔ le mia dome la, nanye miaƒe subɔla.” (Mateo 23:8-11) Osɔfoha ɖokuiŋudzela si tsɔa ŋkɔ gãwo doa eɖokui ɖe dzi ɖe hameviwo ŋu aɖeke mele nɔviwo ƒe hamea me o. (Hiob 32:21, 22) Wogblɔ na Mawu ƒe alẽha la kplɔlawo be woakplɔ wo “menye le dzizizi ta o, ke boŋ kple lɔlɔ̃nu faa le Mawu nu; menye le viɖe ƒoɖi ta o, ke boŋ kple dzi faa; menye abe amesiwo ɖu aƒetɔ ɖe [hame], si wode asi na wo la, dzi ene o, ke boŋ abe amesiwo nye kpɔɖeŋu na hame la ene.” (Petro I, 5:2, 3) Kristotɔ alẽkplɔla vavãwo medzea agbagba be yewoaɖu aƒetɔ ɖe ame bubuwo ƒe xɔse dzi o. Esi wonye hadɔwɔlawo le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa me ta la, wodzea agbagba be yewoaɖo kpɔɖeŋu nyui.—Korintotɔwo II, 1:24.

12. Aleke Mawu di be amesiwo di be yeanɔ megbe na wo nada asɔ le amegbetɔ ƒe dziɖuɖu ƒe sewo dzi wɔwɔ mee?

12 Wobɔbɔa wo ɖokui na amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo gake womedea akpa aɖeke dzi o. Mawu mate ŋu anɔ megbe na amesi gbe be ‘yemabɔbɔ ye ɖokui na dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na’ la o. Nukatae? Elabena “dziɖuɖu, siwo li la, Mawue na wole woƒe nɔƒe si wole. Eyata amesi ke dzea aglã ɖe dziɖuɖu ŋuti la, etsia tre ɖe Mawu ƒe nuɖoanyi ŋuti.” (Romatɔwo 13:1, 2, NW) Ke hã Yesu de dzesii be akpa evea ƒe nudidiwo ate ŋu atsi tre ɖe wo nɔewo ŋu esime wògblɔ be: “Nusi nye kaisaro tɔ la, mitsɔe na kaisaro, eye nusi nye Mawu tɔ la, na Mawu.” (Marko 12:17) Ele be amesiwo di be Mawu nanɔ megbe na yewo “[nadi] mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã” eye le ɣeyiɣi ma ke me la woaganɔ dukɔa ƒe se siwo wɔ ɖeka kple agbanɔamedzi kɔkɔ siwo Mawu da ɖe wo dzi la dzi wɔm. (Mateo 6:33; Dɔwɔwɔwo 5:29) Yesu te gbe ɖe akpaɖekedzimademade dzi esime wògblɔ le eƒe nusrɔ̃lawo ŋu be: “Wometso xexeame o, abe alesi nye hã nyemetso xexeame o ene.” Egblɔ kpee emegbe be: “Nye fiaɖuƒe metso xexe sia me o.”—Yohanes 17:16; 18:36.

13. Akpa kae lɔlɔ̃ wɔna le dzesidede Mawu ƒe amewo me?

13 Womekpɔa ame ŋku me le ‘nu nyui wɔwɔ na amesiame’ gome o. (Galatiatɔwo 6:10) Ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke mele Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ me o, exɔa amewo katã ŋutilã ƒe amadede kae ɖale wo ŋu o, aleke ke woƒe nɔnɔme le le ganyawo kple sukudede gome, dukɔ ka ke mee woɖatso alo gbegbɔgblɔ ka ke wodona o. Nu nyui wɔwɔ na amesiame eye vevietɔ na haxɔsetɔwo naa amesiwo Mawu le megbe na dzena wokpɔna. Yesu gblɔ be: “Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.”—Yohanes 13:35; Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.

14. Ðe amesiwo Mawu le megbe na ƒe nu dzea amewo katã ŋua? Ðe eme.

14 Wolɔ̃ be yewoato yometiti me le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ta. Yesu na eyomedzelawo nya be: “Ne woti yonyeme la, woati miawo hã yome, ne wolé nye nya me ɖe asi la, woalé miawo hã tɔ me ɖe asi.” (Yohanes 15:20; Mateo 5:11, 12; Timoteo II, 3:12) Amesiwo Mawu le megbe na ƒe nu medzea amewo ŋu o tso gbaɖegbe ke, abe alesi wònɔ le Noa, amesi to eƒe xɔse me bu fɔ xexeame, gomee ene. (Hebritɔwo 11:7) Egbea la, mele be amesiwo di be Mawu nanɔ megbe na yewo natɔ tsi Mawu ƒe nya la alo ada le mawumegɔmeɖosewo dzi kple susu be yewoaƒo asa na yometiti o. Wonya be zi alesi yewoayi edzi asubɔ Mawu nuteƒewɔwɔtɔe la, zi nenemae ‘amewo agblɔ busunyawo ɖe yewo ŋutii.’—Petro I, 2:12; 3:16; 4:4.

Fifiae Wòle Be Nàdzro Nyawo me Akpɔ

15, 16. (a) Biabia kawoe akpe ɖe mía ŋu míakpɔ subɔsubɔha si Mawu le megbe na adze sii? (b) Aleke ame miliɔn geɖe ƒo nya tae, eye nukatae?

15 Bia ɖokuiwò be, ‘Subɔsubɔha kae wonya be ekuna ɖe Mawu ƒe Nya ŋu goŋgoŋ, ne eƒe nufiafia to vovo na ame akpa gãtɔ ƒe dzixɔsewo gɔ̃ hã? Subɔsubɔha kae tea gbe ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ƒe vevienyenye dzi, hezãnɛ tsɔ dea dzesi eɖokuii gɔ̃ hã? Subɔsubɔha kae fiaa asi Mawu ƒe Fiaɖuƒea kple mɔkpɔkpɔ be eya ɖeɖekoe aɖe amegbetɔwo ƒe kuxiwo katã ɖa? Subɔsubɔha kae lé Biblia ƒe agbenɔnɔ ŋuti dzidzenuwo me ɖe asi si ta amewo yɔa wo be tsigãdzitɔwo? Ha kae wonya be subɔsubɔhakplɔla siwo woxea fe na mele wo si o eye emenɔlawo katã nye gbeƒãɖelawo? Ha ka me nɔlawoe wokafu be wonye dukɔmevi sedziwɔlawo, togbɔ be womehea dunya o hã? Subɔsubɔha kae zãa ɣeyiɣi kple ga lɔlɔ̃tɔe kpena ɖe ame bubuwo ŋu be woasrɔ̃ nu tso Mawu kple eƒe tameɖoɖowo ŋu? Eye subɔsubɔha kae wodoa vloe, si ŋu woɖua fewu le, hetia wo yome togbɔ be wole nu nyui siawo katã gbegbe wɔm hã?’

16 Le xexeame godoo la, ame miliɔn geɖe lé ŋku ɖe nyateƒenya siawo ŋu hekpɔe dze sii be Yehowa Ðasefowo ƒe subɔsubɔ koe nye vavãtɔ. Nusiwo Yehowa Ðasefowo fiana kple alesi wonɔa agbee, kpakple viɖe siwo do tso woƒe subɔsubɔa me dzie amewo nɔ te ɖo ƒo nya ta alea. (Yesaya 48:17) Esia na ame miliɔn geɖe le gbɔgblɔm abe alesi wogblɔe ɖi le Zaxarya 8:23 ene be: “Míayi kpli mi, elabena míese be, Mawu li kpli mi.”

17. Nukatae menye ɖokuidodoɖedzie wònye esi Yehowa Ðasefowo gblɔ be yewoƒe subɔsubɔe nye vavãtɔ o?

17 Ðe Yehowa Ðasefowo le wo ɖokui dom ɖe dzi esi wogblɔ be yewo ɖeɖekoe Mawu le megbe naa? Le nyateƒe me la, ɖeko wòle abe alesi Israel-viwo gblɔ le Egipte be Mawu le megbe na yewo togbɔ be Egiptetɔwo xɔ nu bubuwo dzi se hã, alo abe alesi ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo gblɔ be Mawu le megbe na yewo ke mele Yuda-subɔsubɔha me nɔlawo dzi o ene. Nyaawo ŋutɔ ɖo kpe edzi be nyateƒee. Yehowa Ðasefowo le dɔ si Yesu gblɔ ɖi be ye yomedzela vavãwo awɔ le nuwuɣia me la wɔm le anyigba 235 dzi, si nye be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.”—Mateo 24:14.

18, 19. (a) Togbɔ be wotsi tre ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu hã la, nukatae susu aɖeke meli si ta wòle be woadzudzɔ woƒe gbeƒãɖeɖedɔa ɖo o? (b) Aleke Psalmo 41:12 ɖo kpe edzi be Mawu le megbe na Ðasefowoe?

18 Yehowa Ðasefowo ayi dɔ sia wɔwɔ dzi eye womaɖe mɔ yometiti alo tsitretsiɖeŋu nana woadzudzɔ ewɔwɔ o. Ele be woawɔ Yehowa ƒe dɔ eye woawɔe hã. Afɔ ɖesiaɖe si amewo ɖe le ƒe alafa si va yi me be yewoaxe mɔ na Ðasefowo be womagawɔ Mawu ƒe dɔa o la do kpo nu gbidii, elabena Yehowa gblɔ be: “Lãnu sia lãnu, si wotu ɖe ŋuwò la, madze edzi o, eye àbu fɔ aɖe, siwo katã tso ɖe ŋuwò le ʋɔnu. Esia nye Yehowa ƒe dɔlawo ƒe domenyinu, eye woƒe dzɔdzɔenyenye tso gbɔnye.”—Yesaya 54:17.

19 Esi Yehowa Ðasefowo sẽ ŋu eye wole dɔ dzi sesĩe wu tsã—evɔ wònye xexea katã tsi tre ɖe wo ŋu hafi—la, nye kpeɖodzi be nusi wɔm wole dzea Yehowa ŋu. Fia Dawid gblɔ be: “Esia me menyae le be, nye nu nyoa ŋuwò, ne nye futɔ magatso aseye ɖe ŋunye o.” (Psalmo 41:10; 56:10, 12) Madzɔ gbeɖe be Mawu ƒe futɔwo naɖu Yehowa ƒe amewo dzi o, elabena wo Ŋgɔnɔla, Yesu Kristo, le ŋgɔ yim ɖo ta aʋadziɖuɖu mamlɛa gbɔ!

Àte Ŋu Aɖo Wo Ŋua?

• Amesiwo Mawu nɔ megbe na le blema ƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖe?

• Nusiwo woatsɔ ade dzesi subɔsubɔha vavãtɔ dometɔ aɖewo ɖe?

• Nukatae wò ŋutɔ nèxɔe se be Mawu le megbe na Yehowa Ðasefowo?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Ele be amesiwo di be Mawu nanɔ megbe na yewo natu woƒe nufiafiawo ɖe eƒe Nya ɖeɖe dzaa ko dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Kristotɔ hamemegãwo nyea kpɔɖeŋu na alẽha la