Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nuvɔ̃meʋuʋu si Naa Wokpɔa Hayahaya

Nuvɔ̃meʋuʋu si Naa Wokpɔa Hayahaya

Nuvɔ̃meʋuʋu si Naa Wokpɔa Hayahaya

“ESI mezi ɖoɖoe la, nye ŋeŋe atraɖi na nye ƒuwo nyunyɔ. Elabena wò asi sẽ ɖe dzinye keli kple zã, ŋdɔ heliheli na nye ƒuto me mi no.” (Psalmo 32:3, 4) Veve si blema Israel-fia Dawid se le eɖokui me vevie, vevesese si wòhe va eɖokui dzi le nutsyɔtsyɔ nuvɔ̃ gã si wòwɔ dzi hegbe eme ʋuʋu tae wòanya gblɔ nya wɔdɔɖeamedzi mawo ɖo.

Dawid nye ŋutsu si si ŋutete ɖedzesiwo nɔ. Enye aʋawɔla kalẽtɔ, dukplɔla bibi, hakpanyaŋlɔla, kple hadzila. Ke hã, meɖo ŋu ɖe eƒe ŋutetewo ŋu o, ke boŋ ɖe eƒe Mawu ŋu. (Samuel I, 17:45, 46) Woɖɔe be enye ŋutsu si ƒe dzi ‘nɔ Yehowa ŋu blibo.’ (Fiawo I, 11:4) Gake eɖi fɔ vevie le nuvɔ̃ aɖe si wòwɔ la ta, eye eya ŋue wòanya ƒo nu le le Psalmo 32 lia me. Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe to nu siwo kplɔe de eƒe nuvɔ̃a wɔwɔ me la me dzodzro me. Míakpɔ mɔtetre siwo wòle be míaƒo asa na kpakple nusita wòle be míaʋu míaƒe nuvɔ̃wo me ale be ƒomedodo nagbugbɔ aɖo mía kple Mawu dome la adze sii.

Fia Nuteƒewɔla aɖe Dze Nuvɔ̃ Me

Israel-dukɔa kpe aʋa kple Amonitɔwo, gake Dawid ya nɔ Yerusalem. Esi wònɔ tsa ɖim le eƒe fiasã tame le fiẽ aɖe me la, ekpɔ nyɔnu dzetugbee aɖe wònɔ tsi lem le aƒe aɖe si te ɖe etɔ ŋu me. Mete ŋu ɖu eɖokui dzi o ke boŋ nyɔnua dzroe vevie. Esi Dawid se be Uriya, si nye eƒe asrafowo dometɔ ɖeka srɔ̃ Bat-Seba ye la, edɔ woɖayɔe vɛ, eye wòwɔ ahasi kplii. Eteƒe medidi o Bat-Seba na Dawid nya be yefɔ fu.—Samuel II, 11:1-5.

Dawid xaxa. Ne woƒe nuvɔ̃a dze la, to si woahe na woa kple evea enye be woawu wo. (Mose III, 20:10) Eɖo susu aɖe. Eyɔ Bat-Seba srɔ̃, Uriya, tso aʋagbea dzi wòva. Esi Dawid bia nya geɖe Uriya tso aʋaa ŋu vɔ la, egblɔ nɛ be woatrɔ ayi aƒeme. Dawid kpɔ mɔ be esia ana wòadze abe Uriyae do fua Bat-Seba ene.—Samuel II, 11:6-9.

Eve Dawid ŋutɔ be Uriya meyi srɔ̃a gbɔ o. Uriya gblɔ be nunya manɔ eme be yeayi aƒeme esime aʋakɔa le aʋagbedzi le aʋa wɔm sesĩe o. Ne Israel-ʋakɔ le aʋagbedzi la, ŋutsuawo ƒoa asa na gbɔdɔdɔ, womedɔa wo srɔ̃wo gɔ̃ hã gbɔ o. Ele be woanɔ dzadzɛ le ɣeyiɣi mawo me. (Samuel I, 21:5) Emegbe Dawid kpe Uriya wòva ɖu nu kplii hena ahae wòno mu, gake egbe be yemayi ye srɔ̃ gbɔ le aƒeme o. Uriya ƒe nuwɔwɔ nuteƒewɔwɔtɔe la bu fɔ Dawid ƒe nuvɔ̃ gã la.—Samuel II, 11:10-13.

Dawid ƒe nuvɔ̃a me tsonuwo yi edzi nye mɔ̃ nɔ eɖem. Dziɖeleameƒo na Dawid bui be nu ɖeka koe gali yeawɔ. Eŋlɔ agbalẽ de Uriya si be wòatsɔ ayi na aʋafia, Yoab, le aʋagbea dzi. Lɛta kpui si wòŋlɔ me nyawo me kɔ ƒã be: “Miɖe Uriya ɖo ŋgɔ, afisi aʋa la nu sẽ le, eye mide megbe le eŋu, ne wòatsi aʋa!” Edze abe fia ŋusẽtɔ la to agbalẽa dzi tsyɔ nu eƒe nugbegblẽa dzi ene eye wòɖe Uriya ƒe agbe ɖa.—Samuel II, 11:14-17.

Esi Bat-Seba fa na srɔ̃a vɔ teti ko la, Dawid xɔe ɖe. Ɣeyiɣiwo va yi, eye wòdzi via. Le esiawo katã me la, Dawid miã nu ɖe eƒe nuvɔ̃awo dzi. Ðewohĩ enɔ agbagba dzem be yeaɖe ye ɖokui nu. Abia be, ɖe Uriya meku bubutɔe le aʋagbedzi abe ame bubuawo ke ene oa? Gakpe ɖe eŋu la, ɖe megbe toɖoɖo eƒe fia esime wògbe be yemayi ye srɔ̃ gbɔ oa? ‘Dzi alakpatɔ la’ atsɔ nukpɔsusu vovovowo anɔ eɖokui nu ɖemee le nuvɔ̃a ŋu.—Yeremya 17:9; Samuel II, 11:25.

Afɔɖeɖe Gbegblẽ Siwo Kplɔa Ame Dea Nuvɔ̃ Me

Aleke wòadzɔe be Dawid, si nye dzɔdzɔenyenyelɔ̃la, naɖe mɔ le eɖokui ŋu awɔ ahasi ahawu ame? Edze ƒã be ewu eƒe nuvɔ̃a ƒe kuwo ɣeyiɣi aɖe. Míabia be nukatae Dawid menɔ eƒe amewo dome, anɔ alɔ dom wo le aʋa si wɔm wole kple Yehowa ƒe futɔwo me o. Ðe eteƒe la, Dawid nɔ ɖiɖim ɖe eme le eƒe fiasã me, afisi dzitsitsi vevie ɖe nusiwo le edzi yim le aʋagbea dzi ŋu manɔ eme o si wɔe be mete ŋu ɖu asrafo nuteƒewɔla srɔ̃ xɔxɔ ƒe dzodzro la dzi o. Egbea la, enye ametakpɔkpɔ be Kristotɔ vavãwo naƒo wo ɖokui ɖe gbɔgbɔmedɔwo me vevie le woƒe hamewo me eye be woakpɔ gome edziedzi le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me.—Timoteo I, 6:12.

Wobia tso Israel-fia si be wòaŋlɔ Sea na eɖokui ahaxlẽe gbesiagbe. Biblia ɖe susu si tae wòle alea ɖo me be: “Ne wòanya alesi wòavɔ̃ Yehowa, eƒe Mawu la, eye wòalé se kple ɖoɖo siawo katã me nyawo me ɖe asi, eye wòawɔ wo dzi; ne magado eɖokui ɖe dzi ɖe nɔviawo ŋu, eye wòadze le se la ŋu ɖe ɖusi alo mia me o.” (Mose V, 17:18-20) Edze abe Dawid manya nɔ wɔwɔm ɖe nufiame sia dzi le ɣeyiɣi si me wòwɔ nuvɔ̃ gã sia o ene. Mawu ƒe Nya sɔsrɔ̃ edziedzi kple ŋugbledede le eŋu akpɔ mía ta tso nugbegblẽwɔwɔ le ɣeyiɣi sesẽ siawo me godoo.—Lododowo 2:10-12.

Gakpe ɖe eŋu la, Se Ewoawo ƒe mamlɛtɔ gblɔe kã be: ‘Megabiã ŋu ɖe hawòvi srɔ̃ ŋu o.’ (Mose II, 20:17) Ɣemaɣi la, srɔ̃ kple ahiãvi gbogbo aɖewo nɔ Dawid si. (Samuel II, 3:2-5) Gake ema mekpɔ eyama ta be nyɔnu dzetugbe bubu medzroe o. Nuŋlɔɖi sia ɖo ŋku Yesu ƒe nyawo ƒe vevienyenye dzi na mí be: “Amesiame, si ke kpɔ nyɔnu aɖe wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.” (Mateo 5:28) Le esi teƒe be míanɔ dzodzro vɔ̃ mawo ŋu bum la, mina míaɖe wo aƒu gbe tso míaƒe susu kple dzi me kaba.

Dzimetɔtrɔ Kple Nublanuikpɔkpɔ

Menye ɖe Biblia ƒe nuŋlɔɖi si ƒo nu tso nuvɔ̃ si Dawid wɔ la ŋu tẽ li be ame aɖe nazã atsɔ aɖi kɔe na eƒe gbɔdɔdɔnudzodzrowo o. Nuŋlɔɖia naa mɔnukpɔkpɔ mí be míakpɔ Yehowa ƒe nɔnɔme ɖedzesiawo dometɔ ɖeka si sẽ ŋu hewɔa dɔ ɖe ame dzi—si nye nublanuikpɔkpɔ—la adze sii.—Mose II, 34:6, 7.

Esi Bat-Seba dzi vi megbe la, Yehowa dɔ nyagblɔɖila Natan be wòaɖa bia gbe Dawid. Esia nye nublanuikpɔkpɔ ƒe nuwɔna. Ne ɖe womete ɖe Dawid ŋu o eye wòmiã nu ɖe edzi la, nuvɔ̃wɔwɔ ate ŋu azu numame nɛ bɔbɔe. (Hebritɔwo 3:13) Dzidzɔtɔe la, Dawid xɔ Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔa. Nya siwo Natan gblɔ aɖaŋutɔe evɔ wo me kɔ la ʋã Dawid ƒe dzitsinya, eye wòlɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be yewɔ nuvɔ̃ ɖe Mawu ŋu. Le nyateƒe me la, esime Dawid trɔ dzime heʋu woa kple Bat-Seba dome nuvɔ̃ gã si wòwɔ me megbee woŋlɔ Psalmo 51 lia. Megadzɔ gbeɖe be míana míaƒe dzime nasẽ ne míewɔ nuvɔ̃ gã o.—Samuel II, 12:1-13.

Wotsɔ Dawid ƒe nuvɔ̃a kee ya, gake womegbe tohehe nɛ alo ɖe eƒe nuvɔ̃a me tsonuwo ɖa le edzi o. (Lododowo 6:27) Nukatae womegbe tohehe nɛ o? Ne ɖe Mawu ŋe aɖaba ƒu nusianu dzi la, anye ne bubu aɖeke manɔ eƒe dzidzenuwo ŋu o. Anye ne ezu abe Nunɔlagã Eli si mete ŋu kpɔ nyawo gbɔ nyuie o la, amesi gbe nya na viaŋutsu vɔ̃ɖiwo kple gbe fafɛ eye wòna woyi woƒe nugbegblẽwɔwɔa dzi la ene. (Samuel I, 2:22-25) Ke hã, Yehowa megbe Eƒe dɔmenyonyo ɖeɖefia amesi ƒe dzi gbã la o. Eƒe nublanuikpɔkpɔ, si le abe tsi fafɛ fadziname ene, akpe ɖe vodalaa ŋu be wòate ŋu anɔ te ɖe nuvɔ̃a me tsonuwo nu. Dzidzeme si Mawu ƒe tsɔtsɔke hena vɛ kple hadede tuameɖo kple hati tadeagulawo naa ŋusẽ gaɖoa ame ŋu. Ẽ, le Kristo ƒe tafevɔsaa ta la, dzimetrɔla la ate ŋu ava ɖɔ “[Mawu ƒe] amenuveve ƒe agbɔsɔsɔ geɖe la” akpɔ.—Efesotɔwo 1:7.

“Dzi Dzadzɛ” Kple “Gbɔgbɔ Yeye”

Esi Dawid ʋu nuvɔ̃ me vɔ megbe la, meva se le eɖokui me be viɖe aɖeke megale ye ŋu o. Nya siwo wòzã le ha siwo wokpa ku ɖe nuvɔ̃meʋuʋu ŋu ɖe gbɔdzɔe si wòkpɔ kple alesi wòɖoe kplikpaa be yeasubɔ Mawu nuteƒewɔwɔtɔe la fia. Le kpɔɖeŋu me, kpɔ Psalmo 32 lia ɖa. Míexlẽ le kpukpui 1 me be: “Woayra amesi wotsɔ eƒe dzidadawo kee, amesi ƒe nuvɔ̃wo dzi wotsyɔ nui.” Aleke kee nuvɔ̃a loloe o, ame ate ŋu ava kpɔ dzidzɔ ne etrɔ dzi me vavã. Mɔ siwo dzi woato aɖee afia be wotrɔ dzi me vavã dometɔ ɖekae nye be ame nalɔ̃ ɖe nuvɔ̃ si wòwɔ la dzi, abe alesi Dawid wɔe ene. (Samuel II, 12:13) Medze agbagba be yeaɖe ye ɖokui nu le Yehowa ŋku me alo te kpɔ be yeada fɔbubua ɖe ame bubu dzi o. Kpukpui 5 lia gblɔ be: “Meɖe nye nuvɔ̃wo fia wò, eye nyemetsɔ nu tsyɔ nye vodadawo dzi o; megblɔ be, maʋu nye dzidadawo me na Yehowa; tete nètsɔ nye nuvɔ̃ ƒe vodadawo kem.” Nuvɔ̃meʋuʋu vavã hea gbɔdzɔe vɛ, ale be megahiã be ame ƒe dzitsinya naɖe fu nɛ le nuvɔ̃ siwo wòwɔ va yi ta o.

Esi Dawid ɖe kuku bia Yehowa ƒe tsɔtsɔke vɔ la, ebia be: “Mawu, wɔ dzi dzadzɛ aɖe nam, eye nade gbɔgbɔ yeye, si li ke la, menye!” (Psalmo 51:10) “Dzi dzadzɛ” kple “gbɔgbɔ yeye” si Dawid bia fia be enya be nuvɔ̃wɔwɔ ƒe didi le ye me, eye be ehiã be Mawu nakpe ɖe ye ŋu yeaklɔ yeƒe dzi ŋu ahadze agbe yeye nɔnɔ gɔme. Le esi teƒe be wòalé blanui la, eɖoe kplikpaa be yeayi edzi asubɔ Mawu. Edo gbe ɖa be: “[Yehowa], ke nye nuyiwo, eye nye nu aɖe [gbeƒã] wò kafukafu!”—Psalmo 51:17.

Aleke Yehowa wɔ nu ɖe Dawid ƒe dzimetɔtrɔ vavãa kple eƒe tameɖoɖo kplikpaa be yeasubɔe la ŋu? Ena kakaɖedzi dodzidzɔname Dawid ale: “Mafia nu wò, eye mafia mɔ, si nato la wò; maɖo aɖaŋu na wò, eye nye ŋku anɔ ŋuwò.” (Psalmo 32:8) Kakaɖedzi si Yehowa na be ye ŋutɔ yeatsɔ ɖe le dzimetrɔlaa ƒe seselelãme kple nuhiahiãwo me enye si. Yehowa tsɔe ɖo eɖokui dzi be yeana nugɔmesese geɖe nasu Dawid si, si nye ŋutete si akpe ɖe eŋu wòate ŋu akpɔ nu yi ŋgɔe nyuie. Ne tetekpɔwo dze ŋgɔe le etsɔme la, ate ŋu akpɔ nusiwo eƒe nuwɔnawo ahe vɛ kple nusi wòagblẽ le ame bubuwo ŋu la adze sii, eye ate ŋu awɔ nu le aɖaŋu me.

Dawid ƒe agbemenudzɔdzɔ sia nye dzideƒonamenya na amesiwo katã dze nuvɔ̃ gã me. Ne míeʋu míaƒe nuvɔ̃ me heɖe dzimetɔtrɔ vavã fia la, míaƒe nunɔamesi xɔasitɔ kekeake, si nye mía kple Yehowa Mawu dome ƒomedodo, agate ŋu asu mía si. Veve si míase kple ŋukpe si míaɖu ɣeyiɣi kpui aɖe nyo sã wu nuxaxa si numiamia ɖe nuvɔ̃ dzi hena vɛ, alo emetsonu si vɔ̃ ɖi wu si nye be míava ɖe mɔ le mía ɖokui ŋu ava zu aglãdzenuwɔla sẽdzimewo. (Psalmo 32:9) Ðe eteƒe la, míakpɔe adze sii be Mawu lɔlɔ̃tɔ, nublanuikpɔla, “si nye dɔmetɔtrɔ Fofo kple akɔfafawo katã ƒe Mawu la,” tsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke mí.—Korintotɔwo II, 1:3.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Dawid susui be yeasi le yeƒe nuvɔ̃a me tsonuwo nu to Uriya ƒe agbe ɖeɖeɖa me