Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Le alesi Yehowa lɔ̃na faa be yeatsɔ nuvɔ̃wo ake le tafevɔsaa ta la, nukatae wòhiã be Kristotɔwo naʋu nuvɔ̃ me na hamemegã siwo le hamea me?

Abe alesi míakpɔe le Dawid kple Bat-Seba ƒe nyaa me ene la, togbɔ be Dawid ƒe nuvɔ̃a lolo hã la, Yehowa tsɔe ke Dawid le eƒe dzimetɔtrɔ vavã la ta. Esi nyagblɔɖila Natan te ɖe eŋu la, Dawid ʋu nuvɔ̃ me faa be: “Mewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu.”—Samuel II, 12:13.

Gake menye ɖeko Yehowa xɔa nuvɔ̃wɔla ƒe nuvɔ̃meʋuʋu vavã hetsɔnɛ kenɛ ko evɔ o ke ewɔ ɖoɖowo lɔlɔ̃tɔe hã be yeatsɔ akpe ɖe vodalaa ŋu ne wòahaya le gbɔgbɔ me. Le Dawid gome la, nyagblɔɖila Natan dzie kpekpeɖeŋu sia to va. Egbea, ŋutsu tsitsi siwo bi le gbɔgbɔ me, alo hamemegãwo, le Kristo-hamea me. Nusrɔ̃la Yakobo ɖe nu me be: “Ne mia dome ame aɖe ƒe lãme gblẽ [le gbɔgbɔ me] la, neyɔ hamemegãwo vɛ, ne woado gbe ɖa ɖe eta, eye woasi ami nɛ le Aƒetɔ ƒe ŋkɔa me. Eye xɔse ƒe gbedodoɖa la axɔ dɔléla ma ɖe agbe, eye Aƒetɔ la afɔe ɖe tsitre, eye ne ewɔ nuvɔ̃wo la, woatsɔ wo akee.”—Yakobo 5:14, 15.

Hamemegã bibiwo ate ŋu awɔ geɖe atsɔ aɖe dzi ƒe veve si nuvɔ̃wɔla si le nu xam vevie la sena dzi akpɔtɔ. Wodzea agbagba be yewoasrɔ̃ Yehowa le nuwɔwɔ kple nuvɔ̃wɔla la me. Togbɔ be asɔ be woahe to nɛ vevie hã la, womedina be yewoawɔ nu dzimagbɔɖitɔe gbeɖe o. Ke boŋ wodea ŋugble le nusiwo amea ahiã enumake ŋu nublanuikpɔkpɔtɔe. Wotsɔa dzigbɔɖeanyi dzea agbagba be yewoazã Mawu ƒe Nyaa atsɔ aɖɔ vodalaa ƒe tamesusuwo ɖoe. (Galatiatɔwo 6:1) Ne amea ŋutɔ meyi ɖaʋu eƒe nuvɔ̃ me o gɔ̃ hã eye hamemegãwo te ɖe eŋu, abe alesi Natan te ɖe Dawid ŋui ene la, aʋãe be wòatrɔ dzime. Eyata kpekpeɖeŋu si hamemegãwo nana la kpena ɖe vodalaa ŋu be wòaƒo asa na afɔku si li be wòagate ŋu awɔ nuvɔ̃a ake kple emetsonu gã si nye be wòava zu nuvɔ̃wɔla matrɔdzime.—Hebritɔwo 10:26-31.

Le nyateƒe me la, mele bɔbɔe be ame nagblɔ nane si wòwɔ wònye ŋukpe nɛ na ame bubuwo ahabia tsɔtsɔke o. Ebia dzinɔameƒo. Gake tɔ vie nàde ŋugble le esia mawɔmawɔ ŋu kpɔ. Ŋutsu aɖe si megblɔ nuvɔ̃ gã si wòwɔ na hamemegã siwo le hamea me o la gblɔ be: “Mesea veve le nye dzi me, si nu meyina o. Medzi nye agbagbadzedzewo ɖe edzi le gbeƒãɖeɖedɔa me, gake nuxaxa kpɔtɔ nɔ anyi.” Ebui be nuvɔ̃meʋuʋu na Mawu le gbedodoɖa me ɖeɖe sɔ gbɔ, gake mesu o, elabena ese seselelãme siwo tɔgbe Fia Dawid hã se la le eɖokui me. (Psalmo 51:10, 13) Aleke wònyo wue enye si be míaxɔ kpekpeɖeŋu si me lɔlɔ̃ le si Yehowa nana to hamemegãwo dzi!