Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Togbɔ Be Nu Bu Nam Vevie Hã, Mekpɔa Dzidzɔ Hedaa Akpe

Togbɔ Be Nu Bu Nam Vevie Hã, Mekpɔa Dzidzɔ Hedaa Akpe

Agbemeŋutinya

Togbɔ Be Nu Bu Nam Vevie Hã, Mekpɔa Dzidzɔ Hedaa Akpe

ABE ALESI NANCY E. PORTER GBLƆE ENE

June 5, 1947, ƒe fiẽ dodzidzɔname aɖe mee le Bahamas, si nye ƒukpo siwo le United States ƒe anyieheɣedzeƒe ƒuta. Dutamɔzɔnyagbɔkpɔla aɖe va srã mía kple srɔ̃nyeŋutsu, George, kpɔ le vo me. Etsɔ lɛta aɖe na mí si gblɔ be womedi be yewoagakpɔ mí le ƒukpoawo dzi o eye be ele be “míadzo le dutanyigbaa dzi enumake!”

MÍA kple George yenye Yehowa Ðasefowo ƒe dutanyanyuigblɔla gbãtɔ siwo va Nassau, si nye du gãtɔ kekeake le Bahamas me. Esi míewu Gilead, si nye dutanyanyuigblɔlawo ƒe suku le New York ƒe dziehe gome, ƒe klass enyilia nu ye woɖo mí ɖe afisia. Nukae míewɔ si tae wòle be ŋku nabiã ɖe mía ŋu vevie alea le anyinɔnɔ ɣleti etɔ̃ pɛ ko megbe? Eye aleke wòdzɔe be ƒe 50 kple edzivɔwo va yi eye mekpɔtɔ le afisia?

Hehexɔxɔ Hena Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ

Fofonye, Harry Kilner, wɔ akpa vevi aɖe le amesi meva nye fifia la ŋu. Eɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe nam, esi wòtsɔ nu geɖe sa vɔe va zu Yehowa Ðasefo. Togbɔ be lãmesẽ menɔ esi o hã la, edea gbeadzi kwasiɖanuwuwu ɖesiaɖe kloe, hetsɔa Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ dzonɔamemetɔe. (Mateo 6:33) Ga menɔ mía si o, gake eƒe afɔkpadɔwɔƒee nye afisi wowɔa gbɔgbɔ me dɔwo le le Lethbridge, Alberta, Canada, le ƒe 1930-awo me. Nusiwo dzi meɖoa ŋkui le nye ɖevimenɔɣi ŋu enye alesi Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo, siwo woyɔna be mɔɖelawo, vaa srãa mí kpɔ hegblɔa woƒe nuteƒekpɔkpɔwo na mí.

Le ƒe 1943 me la, medze nye mɔɖeɖedɔa gɔme le du si te ɖe Fort Macleod kple Claresholm, Alberta ŋu me. Le tsitretsiɖeŋulawo ƒe ameŋugblẽnya siwo wogblɔ le Xexemeʋa II me ta la, woxe mɔ ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa nu le Canada ɣemaɣi. Míaƒe anyigbamama keke kilometa 100, gake esi míenye sɔhɛ siwo ŋu ŋusẽ nɔ ta la, mesesẽna na mí be míado gasɔ alo azɔ ayi kɔƒedu kple agble siwo le nutoa me la me o. Le ɣeyiɣi sia me la, mɔnukpɔkpɔ su asinye mezɔ kple Gilead sukunuwula aɖewo, eye woƒe nuteƒekpɔkpɔwo nyɔ dzodzroa ɖe menye be mazu dutanyanyuigblɔla.

Le ƒe 1945 me la, meɖe George Porter, amesi tso Saskatchewan, Canada. Edzilawo nye Ðasefo dovevienuwo tso ƒe 1916 me ke, eye eya hã le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm. Afisi woɖo mí ɖo gbã enye Lynn Valley dzeani, si le North Vancouver, Canada. Le esia megbe kpuie la, wokpe mí be míava Gilead.

Meɖo dze kple osɔfosuku vovovo delawo le ƒe siwo va yi me eye mekpɔ alesi hehe si woxɔ le suku siawo gblẽ nu le xɔse si le wo me ɖe Mawu kple eƒe Nya, Biblia, ŋu la ŋui. Gake nusiwo míesrɔ̃ le Gilead na míaƒe tamebubu ƒe ŋutete de ŋgɔ ɖe edzi eye vevietɔ wu la, ena xɔse si le mía me ɖe Yehowa Mawu kple eƒe Nyaa me gasẽ ɖe edzi. Woɖo míaƒe sukuxɔmehatiwo ɖe China, Singapore, India, Afrika dukɔ aɖewo me, kple Anyiehe Amerika, kple teƒe bubuwo. Megaɖoa ŋku alesi dzi dzɔ míi esime wogblɔ na mí be wole mía ɖom ɖe ƒukponyigba xɔdzo, si nye Bahamas, dzi la dzi.

Alesi Míewɔ Te Ŋu Nɔ Afima

Ne míetsɔ míaƒe mɔ si míazɔ ayi Bahamas sɔ kple míaƒe sukuxɔmehatiwo ƒe mɔzɔzɔ ayi teƒe siwo woɖo wo ɖo la, mía tɔ le kpuie wu. Eteƒe medidi o míeɖo afisi yame ƒe nɔnɔme xɔ dzo le la, dziŋgɔli ƒe amadede nye blɔtɔ, tsi siwo biã hɛ̃, afisi wode akaɖi amadede vovovowo woƒe xɔwo me, eye gasɔ gbogbowo le la. Ke hã la, nusi wɔ dɔ ɖe dzinye vevie gbã enye Ðasefo atɔ̃ siwo ƒo ƒu nɔ mía lalam esime míaƒe tɔdziʋua ɖi go. Eteƒe medidi o míede dzesii be afisia ƒe agbenɔnɔ to vovo sã tso esi ma mí la gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ na srɔ̃nye be wòagayɔm be yeƒe dzilɔlɔ̃ le dutoƒo o, le esi ahiãwɔlawoe wozãnɛ na ta.

Eteƒe medidi o edze ƒã be alesi míetena ɖe amewo ŋu faa mevivia subɔsubɔhakplɔlawo nu o, eye wotso mía nu aʋatsotɔe be míenye Kɔmiunisttɔwo. Esia tae wobia tso mía si be míadzo le dukɔa me ɖo. Gake Ðasefoawo—siwo mede ame 20 le ƒukpoawo dzi le ŋkeke mawo me o la—ŋlɔ agbalẽ hena ame akpe geɖe de asi ete tsɔ bia be woaɖe mɔ na mí be míanɔ anyi. Eyata womeganya mí o.

Míeyi Anyigbamama Yeye Me

Biblia ƒe nyateƒea mie kabakaba le dzi siwo lɔ̃ Mawu me, eyata woɖo Gilead dutanyanyuigblɔla geɖe ɖe Bahamas. Emegbe, le ƒe 1950 me la, woɖo alɔdzedɔwɔƒe ɖe afima. Le ƒe ewo megbe la, Milton Henschel, si nye dɔwɔƒegã si le Brooklyn, New York, ƒe dɔwɔlawo dometɔ ɖeka ɖi tsa va Bahamas eye wòbia dutanyanyuigblɔlawo ne wo dometɔ aɖewo adi be yewoayi aɖadze gbeƒãɖeɖedɔa gɔme le Bahamas ƒe ƒukpo bubu dzi. Mía kple George míelɔ̃ faa be míayi, eye aleae wòdzɔe be míenɔ Long Island ƒe 11 sɔŋ.

Ƒukpo sia, si nye ƒukpo geɖe siwo ƒo ƒu wɔ Bahamas la dometɔ ɖeka, didi kilometa 140 eye wòkeke kilometa 6, eye du gobii aɖeke menɔ edzi le ŋkeke mawo me o. Aƒe siwo le Clarence, si nye eƒe fiadu me, anɔ 50. Ŋku meʋu boo le afima o—elektriksiti kple pɔmpimetsi menɔ anyi o, dzodoƒe alo xɔmepɔmpiwo menɔ anyi o. Eyata eva hiã be míasrɔ̃ nusi woyɔna be adzɔgeƒukpo dzi gbenɔnɔ. Dze si amewo ɖona vevie le afisia kuna ɖe amewo ƒe lãmesẽ ŋu. Míeva kpɔe dze sii be mele be míabia be “Aleke nèfɔ egbeae?” o, elabena zi geɖe la, ŋuɖoɖoa nyea amea ƒe lãmesẽ ŋutinya legbee aɖe toto.

Míewɔ míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa akpa gãtɔ tso dzodoƒe yi dzodoƒe elabena zi geɖe la dzodoƒe siwo wotu ɖe aƒewo godo hetsɔ be gbãe eye woɖi mlekpui ɖe wo me mee nàkpɔ ameawo le. Nutoawo me tɔwo nye agbledela kple tɔƒodela dahewo, ke hã wonyoa dɔme ŋutɔ. Menye ɖeko mawusubɔsubɔ dzɔa dzi na wo dometɔ geɖe o ke boŋ wotsɔ ɖe le gbɔgbɔyɔyɔ me vevie hã. Wogblɔna zi geɖe be numadzɔkpɔ aɖe ƒe dzɔdzɔ nye nane ƒe dzesi.

Mesesẽna na subɔsubɔhakplɔlawo be woayi amewo ƒe aƒewo me mɔ mabiamabiae ahaxɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo míegblẽ ɖe wogbɔ la le wo si avuvu o. Wotoa esia dzi doa ŋɔdzi na vɔvɔ̃nɔtɔwo, gake menye amesiamee vɔ̃a wo o. Le kpɔɖeŋu me, nyɔnu aɖe si xɔ ƒe 70 si me dzo nɔ meɖe mɔ be woado vɔvɔ̃ na ye o. Edi be ye ŋutɔ yease Biblia gɔme, eye mlɔeba eya kple ame bubu aɖewo va zu Ðasefowo. Esi míekpɔ be ame geɖe va le ɖe tsɔm le eme la, George kɔa amesiawo ɖe ʋu me zɔa mɔ kilometa 300 yia míaƒe kpekpewo le Kwasiɖagbe aɖewo.

Le ɣleti gbãtɔ siwo Ðasefo bubu aɖeke menɔ anyi kpe ɖe mía ŋu o me la, mía kple George míelé míaƒe gbɔgbɔmemenyenye ɖe te to Kristotɔwo ƒe kpekpewo katã wɔwɔ edziedzi me. Gakpe ɖe eŋu la, míezɔna ɖe Dzoɖa fiẽ ɖesiaɖe Gbetakpɔxɔ sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖowɔɖi si míewɔ dzi pɛpɛpɛ eye míexlẽa Biblia hã. Míexlẽa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe tatawo katã hã enumake ne míenya xɔ wo ko.

Fofonye ku esime míenɔ Long Island. Le dzomeŋɔli si kplɔe ɖo, le ƒe 1963 me la, míewɔ ɖoɖo be Dada nava nɔ afisi te ɖe mía ŋu. Togbɔ be etsi le ƒe me hã la, esrɔ̃ afima gbenɔnɔ alesi wòate ŋui henɔ Long Island vaseɖe esime wòku le ƒe 1971 me. Egbea hame le Long Island eye Fiaɖuƒe Akpata yeye le wo si.

Nɔnɔme Gbãdziname Aɖe

Le ƒe 1980 me la, George de dzesii be lãmegbegblẽ te fuɖeɖe na ye. Aleae nɔnɔme sesẽtɔ kekeake si me meto kpɔ le nye agbe me la dze egɔmee—ŋkunye me tsitsimedɔléle si naa ame ƒe susu mewɔa dɔ nyuie o dze srɔ̃nye lɔlɔ̃tɔ, hatidɔwɔla, kple nye zɔhɛ dzi. Eƒe amenyenye blibo la trɔ. Dɔlélea nu va sẽ nɛ vevie ŋutɔ le ƒe ene siwo do ŋgɔ na eƒe ku le ƒe 1987 me la me. Ekplɔam ɖo yia gbeadzi kple kpekpeawo ne ate ŋui ko, togbɔ be zi geɖe la, agbagba siwo wòdzena la naa aɖatsi gena le mo nam hã. Le nyateƒe me mía nɔvi Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ siwo woɖe fiam la nye akɔfafa vavã nam, gake megasusu nɛ vevie kokoko.

Mía kple George ƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe akpa vevitɔwo dometɔ ɖekae nye dze vivi siwo míeɖona edziedzi la. Fifia si George megali o la, medaa akpe ŋutɔ be Yehowa kpe esubɔlawo be ‘woado gbe ɖa madzudzɔmadzudzɔe,’ be ‘woanɔ gbedodoɖa dzi ɖaasi,’ eye be woawɔ ‘gbedodoɖamɔnu ɖesiaɖe’ ŋudɔ. (Tesalonikatɔwo I, 5:17; Romatɔwo 12:12; Efesotɔwo 6:18) Efaa akɔ na ame ŋutɔ be woanya be Yehowa tsɔ ɖe le míaƒe nyonyo me. Le nyateƒe me la, mesena le ɖokuinye me abe hakpala la ene, amesi dzi ha be: “Woakafu Yehowa, amesi tsɔa míaƒe agbawo na mí gbeawotsyogbe.” (Psalmo 68:19, NW) Ŋkeke ɖesiaɖe kple eƒe kuxiwo ko ŋu bubu, nye gbɔdzɔgbɔdzɔwo nu nɔnɔ, kple akpedada ɖe yayra siwo mexɔna le ŋkeke ɖesiaɖe me ta, abe alesi Yesu ɖo aɖaŋui ene, enye agbenɔnɔ ƒe mɔ nyuitɔ nyateƒe.—Mateo 6:34.

Subɔsubɔdɔa ƒe Teƒeɖoɖo Dodzidzɔnamewo

Gomekpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me moveviɖoɖotɔe kpe ɖe ŋunye be nyemebua nusiwo va yi la ŋu fũ o. Esia wɔe be mete ŋu ɖua seselelãme siwo ate ŋu ana malé blanui la dzi. Biblia ƒe nyateƒea fiafia ame bubuwo nye dzidzɔtsoƒe tɔxɛ aɖe nam. Ena gbɔgbɔmedɔwɔna si wɔwɔ na be nye agbenɔnɔ le ɖoɖo nu hele te su asinye.—Filipitɔwo 3:16.

Nyɔnu aɖe si megblɔ Fiaɖuƒegbedasia na ƒe 47 aɖewo enye si va yi la ƒo ka nam gbeɖeka. Enye Biblia-nusrɔ̃vi gbãtɔ siwo nɔ mía si esime míeyi Bahamas le ƒe 1947 me ƒe vinyɔnu. Dadaa, fofoa, kple nɔviaŋutsuwo kple nɔvianyɔnuwo katã kpakple wo viwo kple wo tɔgbui kple mama yɔviwo dometɔ akpa gãtɔ zu Yehowa Ðasefowo. Le nyateƒe me la, nyɔnu sia ƒe ƒomea me tɔ siwo wu 60 nye Ðasefowo. Gake eya ŋutɔ mexɔ Biblia ƒe nyateƒea gbeɖegbeɖe o. Gake fifia ele didim be yeazu Yehowa Mawu subɔla azɔ. Dzidzɔ kae nye si wònye be míakpɔ Ðasefo ʋɛ siwo nɔ Bahamas esime mía kple George míeyi la nadzi ɖe edzi va wu ame 1,400!

Ɣeaɖewoɣi amewo biaam nenye be edzroam be vi siwo nye ŋutɔ medzi nanɔ asinye. Le nyateƒe me, vi ƒe amesinɔnɔ ate ŋu anye yayra. Ke hã la, lɔlɔ̃ si nye gbɔgbɔ me viwo, mamayɔviwo, kple mamamamayɔviwo ɖena fiam la nye esi ɖewohĩ amesiwo katã dzi vi ŋutɔŋutɔ mekpɔna o. Enye nyateƒe be amesiwo ‘wɔa dɔmenyo’ eye ‘wonyea kesinɔtɔwo le nu nyui wɔwɔ me’ lae nye amesiwo dzi dzɔna wu. (Timoteo I, 6:18) Ema tae medoa vevie nu le subɔsubɔdɔa me alesi nye lãmesẽ aɖe mɔe.

Ðetugbi aɖe te ɖe ŋunye le aɖutikewɔla aɖe ƒe dɔwɔƒe hegblɔ nam be, “Menyam o, gake menya wò, eye ɖeko medi be mana nànya be melɔ̃ wò.” Emegbe egblɔ alesi wòwɔ va dze si Biblia me nyateƒea kple alesi wòkpɔ ŋudzedze ɖe eŋui be mí dutanyanyuigblɔlawo míeva Bahamas.

Ɣebubuɣi esi megbɔ tso mɔkeke la, mekpɔ be wotsɔ seƒoƒo aɖe ƒo ɖe xɔ si me mele le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Nassau la ƒe ʋɔtru me. Nuŋɔŋlɔ aɖe kpe ɖe eŋu be “Edzɔ dzi na mí be nègbɔ va aƒe.” Nye dzi yɔ fũ kple akpedada, eye ne mekpɔ amesiwo ƒomevi Yehowa ƒe Nya, habɔbɔa, kple gbɔgbɔa na wole nenema la, enana megalɔ̃ nɛ ŋutɔ! Le nyateƒe me la, Yehowa toa amesiwo ƒo xlã mi la dzi léa mí ɖe te.

Akpedada Yɔam Fũ

Menye ɣeawokatãɣie nɔnɔmewo le bɔbɔe nam le agbe me o, eye eƒe akpa aɖewo mebɔbɔ nam fifia hã o. Gake nu geɖe le asinye siwo ta wòle be mada akpe ɖo—subɔsubɔdɔa me dzidzɔkpɔkpɔwo, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔ gbogbowo ƒe lɔlɔ̃ kple vividoɖeameŋu, Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe lɔlɔ̃belélename, Biblia me nyateƒe dodzidzɔnamewo, anyinɔnɔ kple lɔlɔ̃tɔwo ne wofɔ ƒe mɔkpɔkpɔa, kple ŋkuɖoɖo nu dodzidzɔname siwo nɔ mía kple Yehowa subɔla wɔnuteƒe ƒe srɔ̃ɖeɖe me ƒe 42 sɔŋ la dzi. Hafi míaɖe mía nɔewo la, medo gbe ɖa bia be wòava eme be mate ŋu akpe ɖe srɔ̃nye ŋu wòayi edzi anɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa, si wòlɔ̃ vevie la me. Yehowa ɖo gbedodoɖa ma ŋu nam amenuvevetɔe. Eyata medi be mawɔ nuteƒe na Yehowa ɣesiaɣi atsɔ ada akpe nɛ.

Bahamas nye teƒe si modzakaɖetsaɖilawo ɖona koŋ zã ga dɔlar gbogbowo vana be yewoakpɔ nudodzidzɔname siwo le anyigba xɔdzoa dzi. Esi metia be masubɔ Yehowa le afisiafi si eƒe habɔbɔa aɖom ɖo la, mɔzɔzɔ tso ƒukpo sia ƒe go ɖeka dzi yi go kemɛ dzi, aɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia, na nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname geɖewo su asinye. Gake vevietɔ wu la, meva kpɔ alesi Bahamastɔ xɔlɔ̃ vavãwo lɔ̃a amee eye exɔ asi nam ale gbegbe.

Meda akpe geɖe na amesiwo tsɔ nyateƒea vɛ na dzinyelawo, eye woawo hã woƒã Mawu Fiaɖuƒea didi gbãgbiagbã ƒe dzodzro vevie ɖe nye susu kple dzi me tso ɖevime ke. Yehowa subɔla siwo nye sɔhɛwo egbea hã ate ŋu axɔ yayra geɖe ne woge ɖe “ʋɔtru gã” si naa mɔnukpɔkpɔ gãwo ame be wòakeke subɔsubɔdɔa ɖe enu la me. (Korintotɔwo I, 16:9) Akpedada ayɔ wò hã mewò fũ ne èzã wò agbe tsɔ de bubu “mawuwo dzi Mawu,” Yehowa, ŋui.—Mose V, 10:17; Daniel 2:47.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Míenɔ ɖaseɖiɖidɔa wɔm le ablɔdzi le Victoria, B.C., le ƒe 1944 me

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Mía kple George míede Gilead Suku le ƒe 1946 me

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Mía kple George míele dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒe si le Nassau, Bahamas, la ŋkume le ƒe 1955 me

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒe si le Deadman’s Cay, afisi míesubɔ le tso ƒe 1961 vaseɖe 1972 me