Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wokpɔ Eƒe Gbɔgbɔmenuhiahiãwo Gbɔ

Wokpɔ Eƒe Gbɔgbɔmenuhiahiãwo Gbɔ

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

Wokpɔ Eƒe Gbɔgbɔmenuhiahiãwo Gbɔ

CYPRUS nye ƒukpo aɖe si le Mediterranea-ƒua ƒe dzieheɣedzeƒe gome. Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, Cyprus ƒe ŋkɔ ɖi le akɔbli kple ati xɔasi siwo le afima ta. Paulo kple Barnaba ɖe gbeƒã Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia le afima le woƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔ gbãtɔ me. (Dɔwɔwɔwo 13:4-12) Egbea nyanyuia gale ŋusẽ nyui kpɔm ɖe Cyprustɔ geɖe ƒe agbe dzi kokoko. Le nyateƒe me la, aleae wòle le ŋutsu aɖe si le eƒe ƒe 40-awo me, si ŋkɔe nye Lucas, gome. Egblɔ be:

“Ƒome si me vi adre nɔ mee wodzim ɖo le lãnyiƒe aɖe. Tso nye ɖevime la, nuxexlẽ dzɔa dzi nam. Agbalẽ si xexlẽ dzɔa dzi nam wu enye Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo si wote ŋu dea kotoku me. Esi mexɔ ƒe ewo la, mía kple xɔ̃nye aɖewo míeɖo Biblia-srɔ̃ƒuƒoƒo sue aɖe. Gake menɔ anyi eteƒe didi o, elabena kɔƒea me tɔ tsitsi aɖewo nɔ mia yɔm be xɔsegbelawo.

“Emegbe, esime menɔ suku dem le United States la, medo go subɔsubɔha geɖe me tɔwo. Ema ganyɔ alesi gbɔgbɔmenuwo dzroam la ɖe menye ake. Mezã ŋkeke geɖe le yunivɛsitigbalẽdzraɖoƒe srɔ̃ nu tso subɔsubɔha vovovowo ŋu. Mede sɔlemeha aɖewo hã me, gake le agbagba siwo medze megbe la, nye dzi medze eme le gbɔgbɔ me o.

“Esi mewu sukua nu la, metrɔ gbɔ va Cyprus heva zu dɔnɔwo dokpɔƒe aɖe dzikpɔla. Ŋutsu tsitsi aɖe si ŋkɔe nye Antonis, si nye Yehowa Ðasefo, va srãam kpɔ le dɔme. Ke hã, Greece Orthodɔks Ha la de dzesii be eva srãam kpɔna.

“Eteƒe medidi o, mawunyaŋununyala aɖe va ɖe dzi le ƒonye be madzudzɔ dzeɖoɖo kple Yehowa Ðasefowo. Esi wofiam tso ɖevime ke be Greece Orthodɔks Hae fiaa nyateƒea ta la, medzudzɔ dzeɖoɖo kple Antonis eye medze Biblia me dzodzro kple mawunyaŋununyala la. Meɖi tsa de saɖagaxɔ geɖe siwo le Cyprus la hã me. Mezɔ mɔ yi dziehe Greece va kpɔ Athos-to, si Orthodɔks Kristotɔwo buna be enye to kɔkɔetɔ kekeake la gɔ̃ hã ɖa. Ke hã, nyemekpɔ ŋuɖoɖo na Biblia me nyabiabia siwo nɔ asinye la o.

“Emegbe medo gbe ɖa na Mawu be wòakpe ɖe ŋunye makpɔ nyateƒea. Le esia megbe kpuie la, Antonis gava srãm kpɔ ake le nye dɔwɔƒe, eye mese le ɖokuinye me be esia nye nye gbedodoɖaa ƒe ŋuɖoɖo. Eyata medzudzɔ mawunyaŋununyala la gbɔ yiyi hete Biblia sɔsrɔ̃ kple Antonis. Meyi edzi wɔ ŋgɔyiyi, eye le October 1997 me la, mexɔ nyɔnyrɔ ɖe tsi me tsɔ wɔ nye adzɔgbeɖeɖe na Yehowa ƒe kpɔɖeŋui.

“Gbã la, srɔ̃nye kple mía vinyɔnu tsitsitɔ eve, siwo xɔ ƒe 14 kple 10 ɣemaɣi la, tsi tre ɖe ŋunye. Gake le nye agbe nyui nɔnɔ ta la, srɔ̃nye tso nya me be yeava kpekpe aɖe le Fiaɖuƒe Akpata me. Ðasefowo ƒe dɔmekɔkɔ ɖe ame ŋu kple ɖetsɔleme si woɖe fiae wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe. Nusi wɔ dɔ ɖe eyama dzi wu enye alesi wobi ɖe Biblia zazã me. Esia wɔe be srɔ̃nye kple mía vinyɔnu tsitsitɔ eveawo lɔ̃ be yewoasrɔ̃ Biblia kple Yehowa Ðasefowo. Kpɔ alesi wònye dzidzɔ namee ɖa, esime wo ame etɔ̃a xɔ nyɔnyrɔ le “Mawu ƒe Nyagblɔɖinya” Nutome Gã Takpekpea me le ƒe 1999 me!

“Ẽ, meke ɖe nyateƒea si dim menɔ la ŋu. Fifia míaƒe ƒome bliboa, srɔ̃nye kple vi ene, míewɔ ɖeka le tadedeagu dzadzɛ tsɔtsɔ na Yehowa me.”