Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Nàwɔ Ga Ŋuti Nukpɔsusu si Da Sɔ Nanɔ Asiwò?

Aleke Nàwɔ Ga Ŋuti Nukpɔsusu si Da Sɔ Nanɔ Asiwò?

Aleke Nàwɔ Ga Ŋuti Nukpɔsusu si Da Sɔ Nanɔ Asiwò?

Galɔlɔ̃ kple nunɔamesiwo ƒe amedzodzro menye nu yeye o; eye Biblia megbe nuƒoƒo tso eŋu abe nyitsɔ laa koe wòte mododoɖa ene o. Eli xoxoxo. Le Sea me la, Mawu gblɔ na Israel-viwo be: ‘Migabiã ŋu ɖe mia havi ƒe aƒe alo nusianu, si nye mia havi tɔ la ƒe ɖeke dzi o.’—Mose II, 20:17.

GA KPLE nunɔamesiwo lɔlɔ̃ bɔ le Yesu ƒe ŋkekea me. Bu dzeɖoɖo aɖe si yi edzi le Yesu kple ɖekakpui “kesinɔtɔ ŋutɔ” aɖe dome ŋuti nuŋlɔɖi sia ŋu kpɔ. ‘Yesu gblɔ nɛ be: Egasusɔ nu ɖeka na wò; dzra nusiwo katã le asiwò la, eye nama wo na ame dahewo, eye nu nyui anɔ dziƒo na wò; eye nava adze yonyeme. Ke esi wòse esiawo la, evee ŋutɔ; elabena kesinɔtɔ ŋutɔ wònye.’—Luka 18:18-23.

Ga Ŋuti Nukpɔsusu si Sɔ

Gake anye vodada be woaƒo nya ta be Biblia ƒo nu tsi tre ɖe ga ŋutɔ alo mɔ vevi siwo nu wozãnɛ ɖo la dometɔ aɖe ŋu. Biblia ɖee fia be ga nye ametakpɔnu nyui aɖe tso hiãkame kple kuxi siwo do ƒome kplii me, eye wòkpena ɖe ame ŋu be nuhiahiãwo nasu esi. Fia Salomo ŋlɔ be: “Nunya doa vɔvɔli, eye ga hã doa vɔvɔli.” Eŋlɔ hã be: “Ðe woɖaa nuɖuɖu hena dzidzɔkpɔkpɔ, wein doa dzidzɔ na agbe, eye gae wotsɔna kpɔa nuwo katãe.”—Nyagblɔla 7:12; 10:19.

Mawu da asi ɖe gazazã ɖe mɔ si sɔ nu dzi. Le kpɔɖeŋu me, Yesu gblɔ be: “Mitsɔ anyigbadzinu madzɔmadzɔwo dze xɔlɔ̃woe na mia ɖokui.” (Luka 16:9) Esia ƒe akpa aɖee nye gadzɔdzɔ atsɔ ado Mawu ƒe tadedeagu vavã ɖe ŋgɔe, elabena míadi godoo be Mawu nanye mía Xɔlɔ̃. Salomo ŋutɔ, le fofoa Dawid ƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃ me la, dzɔ ga kple nu xɔasi geɖewo be woatsɔ atu Yehowa ƒe gbedoxɔae. Se bubu si wode na Kristotɔ enye be wòana ŋutilãmekpekpeɖeŋu amesiwo hiã tu. Apostolo Paulo gblɔ be: ‘Mikpe ɖe ame kɔkɔewo ŋu le woƒe hiahiã nu.’ Egblɔ kpee be: “Minɔ amedzrowɔwɔ dzi!” (Romatɔwo 12:13) Zi geɖe la, esia wɔwɔ bia ga home aɖe zazã. Ke galɔlɔ̃ ya ɖe?

‘Dzitsitsi ɖe Klosalo Ŋu’

Paulo ƒo nu tso “galɔlɔ̃”—alo le nyaa ŋutɔŋutɔ nu la, “dzitsitsi ɖe klosalo ŋu”—ŋu tsitotsito esime wònɔ agbalẽ ŋlɔm na ehati sue Kristotɔ, Timoteo. Míate ŋu akpɔ Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa le Timoteo I, 6:6-19. Eƒo nu tso “galɔlɔ̃” ŋu le nya geɖe si wògblɔ tso ŋutilãmenuwo ŋu me. Le alesi gbegbe wotea gbe ɖe ga ƒe vevienyenye dzi le egbeŋkekea mee ta la, anyo be míalé ŋku ɖe nya siwo gbɔgbɔ ʋã Paulo wògblɔ ŋu tsitotsito. Numedzodzro sia aɖe vi godoo, elabena ana míanya alesi míawɔ míaƒe “asi nasu agbe vavã dzi.”

Paulo xlɔ̃ nu be: “Nuvɔ̃wo katã ƒe ke enye galɔlɔ̃, si yome mɔ ame aɖewo di, eye wotre mɔ tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔ nuxaxa geɖe ŋɔ wo ɖokui flofloflo.” (Timoteo I, 6:10) Mawunyakpukpui sia—alo ŋɔŋlɔ bubu aɖeke—megblɔ be ga ŋutɔ nye nuvɔ̃ o. Eye apostoloa megblɔ hã be ga koŋ gbɔe ‘nuvɔ̃ ɖesiaɖe’ tsona, alo be gae nye kuxiwo katã ƒe dzɔtsoƒe o. Ke boŋ be galɔlɔ̃ ate ŋu anye—ne menye eya ɖeɖe gbɔ wòatso o hã—‘nuvɔ̃’ ƒomeviwo katã tsoƒe.

Kpɔ Nyuie le Ŋukeklẽ Ŋu

Mele be esi womeƒo nu tsi tre ɖe ga ŋutɔ ŋu le Ŋɔŋlɔawo me o ta míatsɔ Paulo ƒe nuxlɔ̃amea nya tsɛe o. Kristotɔ siwo te ga lɔlɔ̃ te ŋu gena ɖe kuxi ƒomevi vovovowo me bɔbɔe eye esi vɔ̃ɖi wue nye be woatra tso xɔse la gbɔ. Nya si Paulo gblɔ na Kristotɔ siwo nɔ Kolose te gbe ɖe nyateƒenya sia dzi be: “Eyata miwu mia ŋutinu, siwo le anyigba dzi; . . . nudzodzro vɔ̃ kple ŋukeklẽ, si nye trɔ̃subɔsubɔ.” (Kolosetɔwo 3:5) Aleke ŋukeklẽ, ŋubiabiã, alo “galɔlɔ̃” ate ŋu anye trɔ̃subɔsubɔe? Ðe esia fia be enye nu gbegblẽ be ame nadi aƒe si lolo wu, ʋu yeye, dɔ si ɖea vi wua? Ao, nusiawo dometɔ aɖeke menye nuvɔ̃ le wo ɖokui si o. Biabiae nye be: Nukae le amea ƒe dzi ʋãm be wòadi nusiawo dometɔ aɖe, eye ɖe wohiã ŋutɔŋutɔ?

Míate ŋu atsɔ vovototo si le dzɔdzɔmedzodzro kple ŋukeklẽ dome asɔ kple vovototo si le mlekpuimedzo si dzi woɖaa nu le kple dzo gã si abi ave la dome. Dzodzro nyui si sɔ ate ŋu aɖe vi. Eʋãa mí be míawɔ dɔ eye be míatse ku. Lododowo 16:26 gblɔ be: “Dɔwɔla ƒe dɔwuamee wɔa dɔ nɛ; elabena eƒe nue le du ƒom ɖe ete.” Gake afɔku le ŋukeklẽ me eye wògblẽa nu. Enye dzodzro si gbɔ eme.

Dzodzroa dzi ɖuɖu ŋue nyaa ku ɖo. Ðe ga si míeli kɔe alo ŋutilãmenu siwo dim míele la akpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔa, alo ɖe woana míava zu kluvi na gaa? Ema tae Paulo gblɔ be “ŋuklẽla . . . sɔ kple trɔ̃subɔla” ɖo. (Efesotɔwo 5:5) Be nane naklẽ ŋu na mí ŋutɔŋutɔ fia be míana nua naɖu mía dzi—si fia be míena wòzu míaƒe aƒetɔ, míaƒe mawu, nusi míesubɔna. Gake Mawu gblɔe kɔte be: “Mawu bubu aɖeke meganɔ asiwò kpe ɖe ŋunye o.”—Mose II, 20:3.

Ŋuklẽla si míanye ɖenɛ fia hã be míeka ɖe Mawu dzi be awɔ ŋugbe si wòdo be yeana nusiwo hiã mí la dzi o. (Mateo 6:33) Ekema ŋukeklẽ sɔ kple tɔtrɔ ɖa tso Mawu ŋu. Le susu sia hã nu la, enye “trɔ̃subɔsubɔ.” Mewɔ nuku o be Paulo xlɔ̃ nu mí eme kɔ ƒã tso eŋu!

Yesu hã na nuxlɔ̃ame si le tẽ ku ɖe ŋukeklẽ ŋu. Ede se na mí be míakpɔ nyuie le nusi menye míatɔ o la didi ŋu be: “Mikpɔ nyuie, eye milé be na mia ɖokui le ŋukeklẽ ŋuti; elabena ame ƒe agbe menɔa eƒe nukpɔkpɔ vivivo la me o.” (Luka 12:15) Le nya sia kple Yesu ƒe kpɔɖeŋu si kplɔe ɖo nu la, ŋukeklẽe nye esusu abunetɔe be nu alesinu le ame si le agbe mee nye nu vevitɔ wu. Ate ŋu anye ga, ɖoƒe, ŋusẽ, alo nusiawo tɔgbe. Ele bɔbɔe be ame naklẽ ŋu ɖe nusianu si ate ŋu asu ame si la ŋu. Míasusui be nu ma ƒe mía si nɔnɔ ana míaƒe dzi nadze eme. Gake le Biblia ƒe nya kple nusi amegbetɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ ɖe fia nu la, Mawu ɖeka koe ate ŋu awɔ nusiwo hiã mí ŋutɔŋutɔ la na mí—eye awɔ wo na mí hã—abe alesi Yesu na eƒe nusrɔ̃lawo se egɔmee ene.—Luka 12:22-31.

Vividodo ɖe asitsatsa ŋu si le edzi yim vevie egbea hã nye nusi doa ŋukeklẽ ɖe ŋgɔ ŋutɔ. Wotoa mɔ tsɛ siwo ŋu ŋusẽ le nu ƒonɛ ɖe ame geɖe nu woxɔnɛ sena be nusianu si le wo si la mesɔ gbɔ o. Wohiã geɖe, esiwo lolo wu, eye wonyo wu. Togbɔ be míate ŋu atrɔ amesiwo ƒo xlã mí o hã la, aleke mía ŋutɔwo míate ŋu atsi tre ɖe nɔnɔme sia ŋui?

Ŋudzedzekpɔkpɔ Kple Ŋukeklẽ

Ŋudzedzekpɔkpɔe Paulo gblɔ be enye nusi ana woaɖu ŋukeklẽ dzi. Egblɔ be: “Ke ne nunyiame kple avɔtata le mía si la, mina nusiawo nasɔ gbɔ na mí.” (Timoteo I, 6:8) Adze abe kpekpeme mele alesi woɖɔ nusi míehiã ŋutɔŋutɔ le afisia—si nye “nunyiame kple avɔtata”—ŋu boo o ene. Television dzi wɔna siwo me woɖea ame xɔŋkɔ siwo le aƒe gãwo me fiana le la nya kpɔna na ame geɖe ale gbegbe. Menye mɔ si dzi woato ana nusi le ame si nadze ame ŋue nye esia o.

Le nyateƒe me la, womebia tso Mawu subɔlawo si be woawɔ wo ɖokui hiãtɔwoe o. (Lododowo 30:8, 9) Gake Paulo na míenya nusi tututu hiãkame nye: nuɖuɖu, nudodo, kple nɔƒe si sɔ be agbe nanya nɔ na ame le afisi wòle ƒe anyimanɔmanɔ. Gake ne nusiawo le mía si la, ekema nusitae wòle be míakpɔ ŋudzedze ɖo la le mía si.

Ðe alesi Paulo ɖɔ ŋudzedzekpɔkpɔe la sɔ tututua? Ðe wòanya wɔ nyateƒe be nu veviwo—abe nuɖuɖu, nudodo, kple nɔƒe—ɖeɖe nasu na amea? Ele be Paulo nanya. Yudatɔwo dome si wònɔ kple Roma dukɔmevinyenye si nɔ esi na wònya kesinɔnu kple mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ si gbegbe sua amegãwo si. (Dɔwɔwɔwo 22:28; 23:6; Filipitɔwo 3:5) Paulo to nɔnɔme sesẽwo hã me le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔawo me. (Korintotɔwo II, 11:23-28) Le nɔnɔme siawo katã me la, esrɔ̃ nu ɣaɣla aɖe si kpe ɖe eŋu be nusiwo nɔ esi la dze eŋu. Nukae?

“Mesrɔ̃ Nu Ɣaɣla Sia”

Paulo ɖe eme le eƒe lɛtawo dometɔ ɖeka me be: “Menya alesi mabɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi, eye meganya alesi makpɔ nu geɖe hã; le nusianu kple nuwo katã me la mesrɔ̃ nu ɣaɣla sia bena, maɖi ƒo, eye dɔ nawum hã; makpɔ nu geɖe, eye hiã natum hã.” (Filipitɔwo 4:12) Kakaɖedzi kple mɔkpɔkpɔ ka gbegbee nye si Paulo tsɔ ƒo nui! Anɔ bɔbɔe be míasusui be nya siawo siwo wòŋlɔ fia be agbe nɔ bɔbɔe nɛ gake menye nenemae o. Enɔ gaxɔ me le Roma!—Filipitɔwo 1:12-14.

Ne míede ŋugble le nyateƒenya wɔdɔɖeamedzi sia ŋu la, míakpɔe be nya sia ƒo nu tso ŋudzedzekpɔkpɔ ƒe nyaa ŋu vevie, menye le ŋutilãmenunɔamesiwo gome ko o, ke boŋ le nɔnɔme si me ame le hã gome. Hotsui kpɔkpɔ akpa alo koɖoɖo akpa ate ŋu ado nusiwo míetsɔna ɖoa nɔƒe gbãtɔ akpɔ. Paulo ƒo nu tso gbɔgbɔ me ŋusẽxɔƒe si kpe ɖe eŋu be wòte ŋu ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia aleke ke nɔnɔmea ɖale nɛ le ŋutilã mee o, ŋu be: “Metea ŋu wɔa nuwo katã le [Mawu], amesi doa ŋusẽm la me.” (Filipitɔwo 4:13) Le esi teƒe be Paulo naɖo ŋu ɖe eƒe nunɔamesiwo, wosɔ gbɔ alo le ʋɛ o, alo ɖe nɔnɔme siwo me wònɔ, nyuia alo gbegblẽa o, ŋu la, eɖo ŋu ɖe Mawu ŋu be wòakpɔ eƒe nuhiahiãwo gbɔ. Esiae na wòɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia.

Paulo ƒe kpɔɖeŋua nɔ vevie ŋutɔ na Timoteo. Apostoloa xlɔ̃ nu ɖekakpui ma be wòanɔ agbe si ana wòatsɔ mawusosroɖa kple ƒomedodo kplikplikpli me nɔnɔ kple Mawu aɖo nɔƒe gbãtɔ na kesinɔnuwo. Paulo gblɔ be: “Ke wò la, oo Mawu ƒe ame, si le nusiawo nu; ke dze dzɔdzɔenyenye, mawusosroɖa, dzixɔse, lɔlɔ̃, dzidodo, dɔmefafa yome.” (Timoteo I, 6:11) Timoteo ye woanya ŋlɔ nya mawo na, gake wosɔ na amesiame si di be yeade bubu Mawu ŋu eye agbe si me dzidzɔ le nasu ye si.

Ehiã be Timoteo nakpɔ nyuie le ŋukeklẽ ŋu abe Kristotɔ ɖesiaɖe ke ene. Edze ƒã be xɔsetɔ siwo nye kesinɔtɔwo nɔ Efeso hamea me, afisi wònɔ esime Paulo ŋlɔ agbalẽa ɖo ɖee. (Timoteo I, 1:3) Pauloe tsɔ Kristo ƒe nyanyuia yi asitsadu kpɔdzidzedze sia me eye wòtrɔ ame geɖe. Ðikeke mele eme o be amesiawo dometɔ aɖewo nye kesinɔtɔwo, abe alesi wòle le ame aɖewo gome le Kristo-hamea me egbeae ene.

Ekema, le Timoteo I, 6:6-10 me nufiafiaa nu la, biabiae nye be: Nukae wòle be hotsuitɔ gãwo nawɔ ne wodi be yewoade bubu Mawu ŋu? Paulo gblɔ be ele be woadze egɔme alé ŋku ɖe woƒe nɔnɔme ŋu. Ga te ŋu nana ame sena le eɖokui me be naneke mehiã ye o. Paulo gblɔ be: “De se na xexe sia me kesinɔtɔwo bena, woagado wo ɖokui ɖe dzi glodzo o, eye womagatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aɖo kesinɔnuwo ƒe dediemanɔmanɔ dzi o; ke boŋ ɖe Mawu gbagbe, si tsɔ nuwo katã na mí fũ be, míawɔ wo ŋuti dɔ la dzi.” (Timoteo I, 6:17) Ele be kesinɔtɔwo nasrɔ̃ alesi woakpɔ nu ayi ŋgɔe wu ga si le wo si; ehiã be woaɖo ŋu ɖe Mawu, amesi gbɔ kesinɔnu ɖesiaɖe tso la ŋu.

Gake menye woƒe nɔnɔme ɖeɖeko ŋue wòle be woalé ŋku ɖo o. Mlɔeba ele na Kristotɔ siwo nye kesinɔtɔwo be woazã woƒe kesinɔnuwo nunyatɔe. Paulo xlɔ̃ nu be: ‘Wɔ dɔmenyo, nye kesinɔtɔ le nu nyui wɔwɔ me, lɔ̃ nunana ame, lɔ̃ hadede.’—Timoteo I, 6:18.

“Agbe Vavã La”

Taɖodzinu vevi si le Paulo ƒe nuxlɔ̃amea ŋu enye be ehiã be míaɖo ŋku edzi be asixɔxɔ si le ŋutilãmenuwo ŋu meƒo nusianu ta o. Mawu ƒe Nya gblɔ be: “Kesinɔtɔ ƒe nuwo nye eƒe du sesẽ, eye wobuna be, gli kɔkɔwo wonye.” (Lododowo 18:11) Ẽ, susu me koe woakpɔ nusiwo me kesinɔnuwo te ŋu kpɔa ame ta le la le eye le nyateƒe me la, beble sɔŋ ko wonye. Mesɔ be míatu míaƒe agbe ɖe wo dzi le esi teƒe be míana Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o.

Ŋutilãmekesinɔnuwo ƒe kemalimali wɔe be afɔku le eme ŋutɔ be míatu míaƒe mɔkpɔkpɔ ɖe wo dzi. Ele be woatu mɔkpɔkpɔ vavãtɔ ɖe nusi sesẽ, si ŋu viɖe le, si anɔ anyi ɖaa dzi. Mía Wɔla, Yehowa Mawu, kple agbe mavɔ ƒe ŋugbe si wòdo la dzie wotu Kristotɔwo ƒe mɔkpɔkpɔa ɖo. Esi wònye nyateƒe be ga mate ŋu aƒle dzidzɔkpɔkpɔ o la, enye nyateƒe matrɔmatrɔ wu gɔ̃ hã be ga mate ŋu ana ame nakpɔ xɔxɔ o. Míaƒe Mawu dzixɔse koe ate ŋu ana mɔkpɔkpɔ ma mí.

Eyata míeɖanye kesinɔtɔwo alo hiãtɔwo o, mina míanɔ agbe si ana ‘kesinɔnuwo nanɔ mía si le Mawu gbɔ.’ (Luka 12:21) Naneke mexɔ asi wu tenɔnɔ dzadzɛ si anɔ ame si le Wɔla la gbɔ o. Agbagba ɖesiaɖe si míadze be míalé eme ɖe asi nyea míaƒe ‘kesinɔnuwo nuƒoƒoƒu na mía ɖokui, si anye gɔmeɖoɖoanyi nyui hena ɣeyiɣi si gbɔna, bene míaƒe asi nasu agbe vavã la dzi.’—Timoteo I, 6:19.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Paulo srɔ̃ alesi wòana nusi le esi nadze eŋui

[Nɔnɔmetata siwo le axa 8]

Nusi le mía si ate ŋu adze mía ŋu eye wòana dzi nadzɔ mí