Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Fiaɖuƒe Mɔkpɔkpɔa Nena Dzi Nadzɔ Mi!

Fiaɖuƒe Mɔkpɔkpɔa Nena Dzi Nadzɔ Mi!

Fiaɖuƒe Mɔkpɔkpɔa Nena Dzi Nadzɔ Mi!

WƆNA dodzidzɔname aɖe ŋutɔe wònye esime nyasela 5,784 kpe ta ɖe takpexɔ etɔ̃ siwo le New York Nutoa me, siwo Betel-ƒome gã la zãna la me le March 10, 2001, dzi. Gilead dutanyanyuigblɔlawo ƒe klass 110 lia ƒe sukunuwuwu wɔnawoe nɔ edzi yim.

Carey Barber si nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me tɔ do dzaa na vavalawo katã eye wòʋu wɔnaa nu kple nya siawo be: “Edzɔ dzi na mí be míase be va ɖo fifia la, míena hehe Gilead Sukua ƒe klass 110 hede dɔ asi na wo le anyigbamama vovovowo me le xexeame godoo.”

Alesi Woawɔ Ayi Edzi Anɔ Dzidzɔ Kpɔm Ðaa

Esi Nɔviŋutsu Barber ʋu wɔnaa nu vɔ la, Don Adams ƒo nu tso nyati si nye “Yehowa ƒe Yayra Wɔa Mí Kesinɔtɔwoe” ŋu na vavalawo, si me sukunuwula 48 la hã nɔ. Etu eƒe nuƒoa ɖe Lododowo 10:22 me nyawo dzi eye wòɖo ŋku edzi na nyaselawo be Yehowa léa esubɔlawo ɖe te eye wòyraa wo ne wotsɔ Fiaɖuƒenuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me. Ede dzi ƒo na sukuviawo be woaxɔ dɔdasi yeye si nam wole wo kple ɖokuitsɔtsɔna faa gbɔgbɔ si nɔ apostolo Paulo me esime woyɔe be ‘wòatso ƒu va Makedonia ava kpe ɖe amewo ŋu.’ (Dɔwɔwɔwo 16:9) Togbɔ be kuxiwo nɔ anyi si wòle be Paulo nakpe akɔ kplii hã la, viɖedodzidzɔname geɖe do tso eme esi wòlɔ̃ faa va ɖe gbeƒã le afisi wofiae.

Sukunuwulaawo wu ɣleti atɔ̃ ƒe Biblia me hehexɔxɔ kple dzadzraɖo ɖe woƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ ŋu nu. Gake Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me tɔ Daniel Sydlik de dzi ƒo na wo be woayi edzi anye nusrɔ̃lawo. Egblɔ le eƒe nuƒo si ƒe tanyae nye “Minye Nusrɔ̃la Vavãwo” me be: “Nusrɔ̃lanyenye fia be míanɔ Yesu ƒe nyawo dzi wɔm ɣesiaɣi. Ebia be míalɔ̃ faa aɖo to eƒe nyawo, nusi wòdi be yeagblɔ na mí, kple eƒe nufiafia.” Ete gbe ɖe edzi be Kristo ƒe nusrɔ̃lawo metsoa nya me naneke masemase tso Aƒetɔ la gbɔe o; Mawu ƒe nunya dze le Kristo ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa. (Kolosetɔwo 2:3) Mía dometɔ aɖeke mate ŋu ase Yesu ƒe nyawo zi ɖeka ko agblɔ be míenya nusianu tso eyama ŋu o, eyata Nɔviŋutsu Sydlik de dzi ƒo na sukunuwulaawo be woayi edzi anɔ Kristotɔwo ƒe nyateƒea si naa ablɔɖe ame la srɔ̃m, anɔ agbe nɔm ɖe enu, eye woanɔ efiam amewo.—Yohanes 8:31, 32.

Be míayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm le Mawu subɔsubɔ me la, ele be míalɔ̃ axɔ amehehe kple ɖɔɖɔɖo. Gilead nufiala Lawrence Bowen bia be “Ðe Wò Ayikuwo Aɖɔ Wò Ðoa?” Eɖe nu me be le Biblia me la, wozãa ayikuwo tsɔ fiaa ame ƒe tamesusu kple seselelãme siwo de to wu ɖesiaɖe. Woate ŋu aɖɔ ame ɖo ne Mawu ƒe Nya la me ɖaŋuɖoɖo si tso gbɔgbɔ me ge ɖe ame ƒe amenyenye ƒe akpa vovovoawo ƒe gogloeaƒe kekeake. (Psalmo 16:7; Yeremya 17:10) Ame ƒe nuteƒewɔwɔ gɔ̃ hã ate ŋu awɔ dɔ ɖe Yehowa dzi ale gbegbe. Nuƒola la xlẽ Lododowo 23:15, 16 eye wòbia be: “Ðe miaƒe ayikuwo aɖɔ mi ɖoa?” Egblɔ kpee be: “Enye míaƒe gbedodoɖa be woaɖɔ mi ɖo, eye ne edzɔ alea la, ana dzi nadzɔ Yehowa ale gbegbe le eɖokui me. Miaƒe nuwɔna ana dzi nadzɔe ŋutɔ. Ẽ, miana Mawu ƒe ayikuwo natso aseye ne mieyi edzi wɔ miaƒe dɔdasiwo nuteƒewɔwɔtɔe.”

Ame susɔea si ƒo nu le wɔnaa ƒe akpa siae nye Mark Noumair, amesi nye dutanyanyuigblɔla le Kenya hafi va zu Gilead nufiala. Eƒe nuƒoa si ƒe tanyae nye “Nukpɔkpɔ Kple Ŋku Nyo Wu” te gbe ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ tutuɖo ƒe vevienyenye dzi. Abe alesi wòle le Nyagblɔla 6:9 ene la, Nɔviŋutsu Noumair kafui be: “Mixɔ nuwo abe alesi tututu wole ene. Eyae nye nusi ‘nukpɔkpɔ kple ŋku’ fia. Le esi mianɔ nane si miadi be yewoawɔ gake miele ewɔm fifia o ŋu bum teƒe la, miwɔ miaƒe ŋutete ɖesiaɖe si miate ŋui le nɔnɔme si me miele fifia la me. Ðeko nu dzroamewo ŋu bubu, mɔkpɔkpɔ na nusiwo gbɔ manya ɖo o, alo dziɖeleameƒonu siwo miado goe le miaƒe dɔdasia me ŋu bubu atraɖii afa lãme na mi eye wòana miaƒe dzi madze eme o.” Nyateƒe, eɖanye afika alo nɔnɔme kawo mee míele o, mawumeŋudzedzekpɔkpɔ ƒe amesinɔnɔ naa dzi dzɔa mí le mía Wɔla la subɔsubɔ me.

Nuteƒekpɔkpɔ Dodzidzɔnamewo le Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ me Kple le Gilead

Esi woɖo aɖaŋu nyui siawo le nuƒo mawo me vɔ la, sukuviawo gblɔ nuteƒekpɔkpɔ siwo su wo si le dutoƒosubɔsubɔdɔa wɔwɔ me le ɣleti atɔ̃ ƒe hehexɔxɔa me. Gilead Sukua ƒe ŋkɔŋlɔla Wallace Liverance kpɔ wɔnaawo dzi, sukunuwulaawo gblɔ alesi woɖe wo ɖokui fia be yewonye Mawu ƒe subɔlawoe. (Korintotɔwo II, 4:2) Wote ŋu ƒo nu na ame aɖewo wòwɔ dɔ ɖe woƒe dzitsinya si Mawu na wo dzi. Sukuviawo ƒe nuteƒekpɔkpɔwo fia alesi wodze Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔme kple dzi anukwaretɔ siwo wodo goe le ablɔdzi, le aƒeme yi aƒeme dɔa me, kple le nɔnɔme bubuwo me. Le ɣeyiɣi vovovowo me la, ɖetsɔlemetɔwo gblɔ be yewode dzesii be nyateƒea le Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe agbalẽ siwo wotu ɖe Biblia dzi me. Mawunyakpukpui aɖe wɔ dɔ ɖe aƒemenɔla aɖe dzi vevie ŋutɔ. Yehowa Ðasefowo le Biblia srɔ̃m kple aƒenɔ sia fifia.

Emegbe Joel Adams bia gbe Gilead Sukua dela gbãtɔ aɖewo. Eƒe nuƒoa ƒe tanyae nye “Migadzudzɔ Nusɔsrɔ̃ O, eye Migadzudzɔ Yehowa Subɔsubɔ O.” Amesiwo wobia gbee la ɖo aɖaŋu siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi na dutanyanyuigblɔla yeyeawo. Harry Johnson gblɔ le ɣeyiɣi si me wòde Gilead Sukua ƒe klass 26 lia ŋu be: “Wofia mí be Yehowa kplɔ eƒe amewo ɣeawokatãɣi eye wòayi edzi akplɔ eƒe amewo. Kakaɖedzi ma nye ŋusẽdodo na mí ɣeawokatãɣi.” William Nonkes si de Gilead Sukua ƒe klass 53 lia ɖo aɖaŋu na sukunuwulaawo be: “Ƒo nuwo katã ta la, mina Biblia ƒe gɔmeɖosewo nanɔ susu me na mi, eye mizã wo le agbe me nyametsotso ɖesiaɖe si miawɔ fifia tsɔ yi ɖe mavɔmavɔ me la me. Ana miate ŋu ayi miaƒe dɔdasia wɔwɔ dzi, eye Yehowa ƒe yayra asɔ gbɔ ɖe mia dzi.”

Tanya si Richard Rian ɖo na nuƒo si wòƒo le wɔnaa mee nye “Wodo Ŋusẽ Mi Hena Yehowa ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ.” Amesiwo wòbia gbee dometɔ ɖekae nye John Kurtz si de Sukua ƒe klass 30 lia eye wòwɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wu ƒe 41 le Spain. Esi wobia gbe Nɔviŋutsu Kurtz tso Gilead Sukua ƒe nusɔsrɔ̃wo ŋu la, egblɔ be: “Míaƒe nusrɔ̃gbalẽ vevitɔe nye Biblia. Emegbe míesrɔ̃a Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo kpena ɖe mía ŋu míesea Biblia gɔme. Agbalẽ mawo li amesiame ate ŋu akpɔ. Womefiaa naneke le Gilead si nye nu ɣaɣla o. Menɔa nya sia gbɔgblɔ dzi ɖaa elabena amesiame ate ŋu ake ɖe nusiwo wofiana le Gilead ŋu bɔbɔe.”

Nɔviŋutsu Gerrit Lösch si nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me tɔ ƒo nuƒo si ƒe tanyae nye “Minɔ Yehowa ƒe Aʋala dzi Kple Eƒe Aʋala Te” tsɔ ƒo gbɔgbɔmeɖoɖo sia tae. Eɖe alesi wozã hɔ̃ ƒe aʋalawo le kpɔɖeŋumɔ nu tsɔ ƒo nu tso alesi Mawu kpɔa esubɔlawo ta eye wòléa wo ɖe te ŋu le Biblia me la me. (Mose V, 32:11, 12; Psalmo 91:4) Hɔ̃ tsitsi te ŋu kekea aʋala ɖe viawo dzi gaƒoƒo geɖe bene yeatsɔ akpɔ wo tae. Ɣeaɖewoɣi la, hɔ̃nɔ tsɔa aʋala tsyɔa viawo dzi be yeaxe vuvɔ kple ya na wo. Ne ewɔ ɖeka kple Yehowa ƒe tameɖoɖo la, ete ŋu xɔna na esubɔla wɔnuteƒewo nenema ke, vevietɔ ne woɖo gbɔgbɔmexaxawo me. Yehowa meɖea mɔ wotea esubɔlawo kpɔ wu alesi woate ŋu atsɔ o ke boŋ eʋua mɔ na wo bene woate ŋu ado dzi atsɔe. (Korintotɔwo I, 10:13) Nɔviŋutsu Lösch ƒo eta be: “Be míayi edzi anɔ gbɔgbɔmetakpɔkpɔ te la, ele be míanɔ Yehowa ƒe aʋala te ɣeawokatãɣi. Efia be mele be míaɖe mɔ ɖokuisinɔnɔgbɔgbɔ nage ɖe mía me o. Mina míanɔ Yehowa kple eƒe habɔbɔa si le abe mía dada ene ŋu kplikplikpli eye míagaɖe mía ɖokui ɖa tso woƒe mɔfiafia kple nuxlɔ̃ame si me lɔlɔ̃ le la gbɔ o.”

Zimenɔla la xlẽ nyuidinamelawo ƒe gbedasi kple gbedoname siwo tso xexeame ƒe teƒe vovovowo. Eyome wotsɔ ɖaseɖigbalẽwo na sukuviawo. Esime woɖo Gilead Sukua gbã la, ɖeko woɖoe be woade eƒe klass ʋɛ aɖewo ko le ƒe atɔ̃ me. Gake ƒe 58 enye sia si Yehowa Mawu na wole Sukua dem. Nɔviŋutsu Barber gblɔ le nya sia ŋu le nya siwo wòtsɔ ʋu wɔnawo nui me be: “Nuŋlɔɖi wɔnuku ŋutɔŋutɔ kae nye si Gilead sukunuwulawo wɔ tso ƒe 1943 me ke esime woʋu Gilead Sukua nu! Woƒe agbagbadzedzewo na be amesiwo nye ame fafa le anyigba la dzi ƒe akpe alafa geɖe va Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe habɔbɔa me.” Nyateƒe, dutanyanyuigblɔlawo ƒe Suku sia wɔ akpa vevi aɖe si na be ame miliɔn geɖe va le dzidzɔ kpɔm ɖe Fiaɖuƒe mɔkpɔkpɔa ŋu.

[Aɖaka si le axa 24]

SUKUVIAWO ŊUTI NYATAKAKA

Dukɔ siwo me wotso ƒe xexlẽme: 8

Dukɔ siwo me woɖo wo ɖo ƒe xexlẽme: 18

Sukuviawo ƒe xexlẽme: 48

Ƒe si woxɔ le mama dedie nu: 34

Ƒe si wole nyateƒea me le mama dedie nu: 18

Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔƒewo le mama dedie nu: 13

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe Klass 110 lia Nuwulawo

Le amesiwo ƒe ŋkɔ woŋlɔ ɖe ete me la, woxlẽ fliawo tso ŋgɔgbe yi megbee, eye woŋlɔ ŋkɔawo tso miame yi ɖusime le fli ɖesiaɖe dzi.

(1) Vacek, E.; Madelin, L.; Evans, G.; Watanabe, K. (2) Trafford, P.; Turfa, J.; Wilson, P.; Williams, R.; Weber, A. (3) Johnson, T.; Hanau, K.; Mourlhou, F.; Charpentier, F.; Peckham, R.; Androsoff, P. (4) Seegers, T.; Seegers, D.; Bailey, P.; Bailey, M.; Madelin, K.; Lippold, E.; Lippold, T. (5) Evans, N.; Gold, R.; Bollmann, I.; Vacek, R.; Oundjian, J.; Wilson, N. (6) Turfa, J.; Zuidema, L.; Zuidema, R.; Bengtsson, C.; Bengtsson, J.; Galano, M.; Galano, L. (7) Peckham, T.; Mourlhou, J.; Charpentier, C.; Gold, M.; Bollmann, R.; Oundjian, F. (8) Weber, R.; Johnson, B.; Hanau, D.; Watanabe, Y.; Williams, R.; Trafford, G.; Androsoff, T.