Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Li Ke Abe Ðe Nèle Amesi Womekpɔna O La Kpɔm Ene!

Li Ke Abe Ðe Nèle Amesi Womekpɔna O La Kpɔm Ene!

Li Ke Abe Ðe Nèle Amesi Womekpɔna O La Kpɔm Ene!

“[Mose li ke,] abe ɖe wòle amesi womekpɔna o la kpɔm ene.”—HEBRITƆWO 11:27.

1. Nya wɔdɔɖeamedzi kae Yesu gblɔ le Mawu ŋu le eƒe Todzimawunya la me?

YEHOWAE nye Mawu makpɔmakpɔ la. Esi Mose bia be yeakpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe la, Eɖo eŋu be: “Màte ŋu akpɔ nye ŋku me o, elabena ame aɖeke makpɔm aganɔ agbe o.” (Mose II, 33:20) Eye apostolo Yohanes ŋlɔ be: “Ame aɖeke mekpɔ Mawu ɣeaɖekeɣi kpɔ o.” (Yohanes 1:18) Esime Yesu Kristo nye amegbetɔ nɔ anyigba dzi la, eya ke hã mete ŋu kpɔ Mawu o. Gake Yesu gblɔ le eƒe Todzimawunya la me be: “Woayra amesiwo dza le woƒe dzi me la; elabena woawoe akpɔ Mawu.” (Mateo 5:8) Yesu ƒe nyaawo gɔme ɖe?

2. Nukatae míate ŋu atsɔ míaƒe ŋku ŋutɔŋutɔ akpɔ Mawui o?

2 Ŋɔŋlɔawo gblɔ be Yehowa nye Gbɔgbɔ makpɔmakpɔ. (Yohanes 4:24; Kolosetɔwo 1:15; Timoteo I, 1:17) Eyata menye ɖe Yesu nɔ gbɔgblɔm be mí amegbetɔwo míate ŋu atsɔ míaƒe ŋku ŋutɔŋutɔ akpɔ Yehowae o. Nyateƒee, Kristotɔ amesiaminawo akpɔ Yehowa Mawu le dziƒo ne wofɔ wo gbɔgbɔmenuwɔwɔwoe vɔ megbe ya. Gake amegbetɔ siwo ‘dza le dzi me’ eye agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ le wo si hã te ŋu ‘kpɔa’ Mawu. Aleke wòdzɔnae?

3. Aleke amegbetɔwo awɔ adze si Mawu ƒe nɔnɔme aɖewo?

3 Míesrɔ̃a nane tsoa Yehowa ŋu ne míelé ŋku ɖe nusiwo wòwɔ ŋu nyuie. Ewɔnɛ be ŋusẽ si gbegbe le esi wɔa dɔ ɖe mía dzi wòʋãa mí míelɔ̃na ɖe edzi be eyae nye Mawu kple Wɔla. (Hebritɔwo 11:3; Nyaɖeɖefia 4:11) Apostolo Paulo ŋlɔ le nya sia ŋu be: “Tso xexemewɔwɔ dzi la, ne wobua tame le eŋuti la, wokpɔa [Mawu ƒe] numanyakpɔ, si nye eƒe ŋusẽ mavɔmavɔ kple mawunyenye la kɔte le eƒe dɔwɔwɔwo me.” (Romatɔwo 1:20) Eyata nya siwo Yesu gblɔ le Mawu kpɔkpɔ ŋu lɔ alesi míate ŋu akpɔ Yehowa ƒe nɔnɔmewo dometɔ aɖewo adze sii ɖe eme. Sidzedze vavãtɔ dzie ekpɔkpɔ alea nɔ te ɖo eye ‘dzi ƒe ŋku’ ye wotsɔ kpɔnɛ le gbɔgbɔ me. (Efesotɔwo 1:18) Yesu ƒe nyagbɔgblɔwo kple nuwɔnawo ɖe nu geɖe fia le Mawu ŋu. Eyatae Yesu gblɔ be, “Amesi ke kpɔm la, ekpɔ Fofo la [hã]” ɖo. (Yohanes 14:9) Yesu ɖe Yehowa ƒe amenyenye fia bliboe. Eyata Yesu ƒe agbenɔnɔ kple eƒe nufiafiawo nyanya ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ Mawu ƒe nɔnɔme aɖewo alo míadze si wo.

Gbɔgbɔmemenyenye Hiã

4. Aleke gbɔgbɔmeme manyemanye dzena le ame geɖe ŋu egbeae?

4 Xɔse kple gbɔgbɔmemenyenye vavãtɔ megabɔ egbea o. Paulo gblɔ be: “Menye amewo katã si xɔse la le o.” (Tesalonikatɔwo II, 3:2) Ame geɖe nyrɔ wo ɖokui ɖe woa ŋutɔwo ƒe nunɔamesiwo didi me vĩ eye Mawu dzixɔse aɖeke mele wo me o. Woƒe nuvɔ̃gbenɔnɔ kple gbɔgbɔmemewo manyemanye nana be womete ŋu tsɔa gɔmeseseŋkuwo kpɔnɛ o, elabena apostolo Yohanes ŋlɔ be: “Amesi wɔa nuvɔ̃ la, mekpɔa Mawu o.” (Yohanes III, 11) Esi ame mawo mekpɔa Mawu kple ŋku ŋutɔŋutɔ o ta la, ɖeko wowɔa nu abe ɖe mele nusi wɔm wole la kpɔm o ene. (Xezekiel 9:9) Wodoa vlo gbɔgbɔmenuwo, eyata “sidzedze Mawu” mate ŋu asu wo si o. (Lododowo 2:5) Eyata esɔ be Paulo ŋlɔ be: “Dzɔdzɔmeme mexɔa Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ƒe nuwo o, elabena wonye bometsinuwo nɛ, eye mate ŋu adze sii o, elabena Gbɔgbɔ wotsɔna kpɔa eme.”—Korintotɔwo I, 2:14.

5. Nyateƒenya kae le nyanya na amesiwo ƒe susu nɔa gbɔgbɔmenuwo ŋu?

5 Gake ne míaƒe susu nɔa gbɔgbɔmenuwo ŋu la, anɔ susu me na mí ɣesiaɣi be togbɔ be Yehowa menye Mawu si dia vodada le ame ŋu o hã la, enyana ne míewɔ nu ɖe tamesusu vɔ̃wo kple dzodzro vɔ̃wo nu. Nyateƒee, ‘amesiame ƒe mɔ le nuvo le Yehowa ŋku me, eye edea ŋugble le woƒe toƒewo katã ŋu.’ (Lododowo 5:21) Ne nuvɔ̃ ɖi ɖe mí la, míesenɛ le mía ɖokui me be míatrɔ dzime abia Yehowa ƒe tsɔtsɔke elabena míelɔ̃e eye míedi be míawɔ nusi avee o.—Psalmo 78:41; 130:3.

Nukae Nana Míelia Ke?

6. Nukae kelili fia?

6 Togbɔ be míate ŋu akpɔ Yehowa kple ŋku o hã la, mina wòanɔ susu me na mí ɣesiaɣi be eya kpɔa mí. Ne míenya be eli eye be míeka ɖe edzi be etsɔ ɖe amesiwo yɔnɛ gbɔ la akpe ɖe mía ŋu míali ke—anɔ te sesĩe maʋãmaʋãe le nuteƒewɔwɔ nɛ me. (Psalmo 145:18) Míate ŋu anɔ abe Mose ene, amesi ŋu Paulo ŋlɔ le be: ‘Le xɔse me wògblẽ Egipte ɖi, eye mevɔ̃ fia ƒe dɔmedzoe la o; elabena [eli ke], abe ɖe wòle Amesi womekpɔna o la kpɔm ene.’—Hebritɔwo 11:27.

7, 8. Nukae na dzi nɔ Mose ƒo le Farao ŋkume?

7 Esi Mose nɔ dɔ si Mawu de esi be wòakplɔ Israel-viwo tso kluvinyenye me le Egipte wɔm la, edona ɖe Farao ŋutasẽla la ŋkume le fiaƒe si me subɔsubɔhakplɔla gãwo kple asrafomegãwo sɔ gbɔ ɖo la zi geɖe. Anɔ eme be woɖo legbawo ɖe fli me le fiasã la ƒe gli ŋu keŋ. Gake togbɔ be Mose mete ŋu kpɔa Yehowa o hã la, enye ame ŋutɔŋutɔ nɛ wu legba siwo katã tsitre ɖi na Egipte-mawu siwo me agbe mele o la. Eyata mewɔ nuku o be Farao ƒe nu medo vɔvɔ̃ na Mose o!

8 Nukae na dzi nɔ Mose ƒo wòdo ɖe Farao ŋkume enuenu? Ŋɔŋlɔawo gblɔ na mí be, “Mose fa wu amesiwo katã le anyigba dzi.” (Mose IV, 12:3) Edze ƒã be gbɔgbɔmeme sẽŋu si Mose nye kple kakaɖedzi si nɔ esi be Mawu li kpli ye lae do ŋusẽe alesi hiã be wòte ŋu nɔ ‘Amesi womekpɔna o’ teƒe le Egipte-fia makpɔnublanuia ŋkume. Mɔ kawo nue amesiwo ‘kpɔa’ Mawu makpɔmakpɔ la ɖea woƒe xɔse fiana le egbea?

9. Mɔ siwo nu míakpɔtɔ ali ke le dometɔ ɖeka ɖe?

9 Mɔ ɖeka si nu míaɖe xɔse afia le akpɔtɔ ali ke abe ɖe míele Amesi womekpɔna o la kpɔm ene enye gbeƒãɖeɖe dzideƒotɔe ne woti mía yome hã. Yesu na eƒe nusrɔ̃lawo nya be: “Amewo katã woalé fu mi le nye ŋkɔ la ŋuti.” (Luka 21:17) Egblɔ na wo hã be: “Dɔla mewua eƒe aƒetɔ o. Ne woti yonyeme la, woati miawo hã yome.” (Yohanes 15:20) Abe alesi Yesu gblɔe ene la, eƒe ku megbe teti koe woti eyomedzelawo yome, do ŋɔdzi na wo, lé wo, heƒo wo. (Dɔwɔwɔwo 4:1-3, 18-21; 5:17, 18, 40) Togbɔ be woti Yesu ƒe apostolowo kple nusrɔ̃la bubuwo yome vevie hã la, woyi edzi ɖe gbeƒã nyanyuia dzideƒotɔe.—Dɔwɔwɔwo 4:29-31.

10. Aleke kaka ɖe Yehowa ƒe ametakpɔkpɔ dzi kpena ɖe mía ŋu le subɔsubɔdɔa mee?

10 Abe Mose ene la, vɔvɔ̃ meɖo Yesu yomedzela gbãtɔwo le woƒe futɔ gbogbo siwo wokpɔna ta o. Yesu ƒe nusrɔ̃lawo xɔ Mawu dzi se, eye ena wote ŋu nɔ te ɖe yometiti sesẽ si me woto la nu. Ẽ, wokpɔtɔ li ke abe ɖe wole Amesi womekpɔna o la kpɔm ene. Egbea la, enyanya ɣesiaɣi be Yehowa ƒe ametakpɔkpɔ le mía dzi naa dzi nɔa mía ƒo, edea dzi ƒo na mí eye míevɔ̃na le míaƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me o. Mawu ƒe Nya la gblɔ be “amegbetɔvɔvɔ̃ mɔ̃e wònye ɖea ame; ke amesi ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la, woakpɔ eta.” (Lododowo 29:25) Esi wòle alea ta vɔvɔ̃ na yometiti menaa míaƒe lãme fana o; eye míaƒe subɔsubɔdɔa hã mekpea ŋu na mí o. Míaƒe xɔse ʋãa mí míeɖia ɖase dzideƒotɔe na aƒelikawo, dɔwɔhatiwo, sukuhatiwo, kple ame bubuwo.—Romatɔwo 1:14-16.

Amesi Womekpɔna o la Fiaa Mɔ Eƒe Amewo

11. Aleke Petro kple Yuda gblɔe be Kristo-hamea me tɔ aɖewo ɖenɛ fiana be gbɔgbɔmemenyenye mele yewo si o?

11 Xɔse kpena ɖe mía ŋu míekpɔnɛ be Yehowae nye amesi le mɔ fiam eƒe anyigba dzi habɔbɔa. Le esia ta míeɖea ɖeklemi amesiwo wòde hamea me gbanɔamedziwo asi na la o. Apostolo Petro kple Yesu dadavi Yuda xlɔ̃ nu le ame aɖewo siwo si gbɔgbɔmemenyenye mele kura o ale gbegbe be wodoa vlo amesiwo xɔa ŋgɔ le Kristotɔwo dome ŋu. (Petro II, 2:9-12; Yuda 8) Ðe vodadadila mawo aƒo nu nenema le Yehowa ŋkume ne ɖe wole ekpɔm ŋutɔŋutɔa? Kura o! Gake esi Mawu nye ame makpɔmakpɔ ta la, ŋutilãmeme mawo mekpɔnɛ dzea sii be yewogbɔna akɔnta bu ge nɛ o.

12. Nɔnɔme kae wòle be míaɖe fia amesiwo xɔa ŋgɔ le hamea me?

12 Nyateƒee, amegbetɔ madeblibowoe le Kristo-hamea me. Amesiwo nye hamemegãwo wɔa vodada ɣeaɖewoɣi si ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu. Ke hã Yehowa le amesiawo zãm tsɔ le eƒe alẽha la kplɔmee. (Petro I, 5:1, 2) Ŋutsu kple nyɔnu siwo ƒe susu nɔa gbɔgbɔmenuwo ŋu nyae be esia nye mɔ siwo nu Yehowa fiaa mɔ eƒe amewo tona la dometɔ ɖeka. Eyata Kristotɔwo ƒoa asa na ɖeklemiɖeɖe kple nyatoƒoetoto gbɔgbɔ hedea bubu Mawu ƒe teokrasiɖoɖowo ŋu. Ne míedea bubu amesiwo xɔa ŋgɔ le mía dome ŋu la, ke míele eɖem fia be míekpɔa Amesi womekpɔna o la.—Hebritɔwo 13:17.

Mawu Kpɔkpɔ Míaƒe Nufiala Gãtɔe

13, 14. Nukae Yehowa kpɔkpɔ míaƒe Nufiala Gãtɔe fia na wò?

13 Nu bubu gali si me gbɔgbɔmenukpɔkpɔ hiã le. Yesaya gblɔ ɖi be: “Miakpɔ miaƒe [Nufiala Gãtɔ, NW] kple ŋku.” (Yesaya 30:20) Ehiã xɔse be míade dzesii be Yehowae nye amesi le nu fiam mí to eƒe anyigba dzi habɔbɔa dzi. (Mateo 24:45-47) Mawu kpɔkpɔ míaƒe Nufiala Gãtɔe bia nu geɖe wu Biblia sɔsrɔ̃ ɖoɖo nyui me léle ɖe asi kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede edziedzi ko. Efia Mawu ƒe gbɔgbɔmenunanawo zazã bliboe. Le kpɔɖeŋu me, ehiã be míalé fɔ ɖe mɔfiafia si Yehowa nana to Yesu dzi ŋu bene míagade megbe le gbɔgbɔ me o.—Hebritɔwo 2:1.

14 Ɣeaɖewoɣi la, ebiaa agbagbadzedze blibo hafi gbɔgbɔmenuɖuɖua naɖe vi na mí bliboe. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu anɔ Biblia me nudzɔdzɔ aɖewo siwo gɔme menya sena na mí bɔbɔe o la xlẽm ɖe kple ɖee. Ne míele Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! xlẽm la, ɖewohĩ míetia kpo toa nyati aɖewo siwo ƒe tanya medo dzidzɔ na mí boo o ta. Alo ɖewohĩ míaɖe mɔ míaƒe susu nanɔ tsatsam le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me. Gake míate ŋu anɔ ŋudzɔ ne míebua nya siwo me dzrom wole ŋu nyuie. Míaƒe ŋudzedze deto kpɔkpɔ ɖe gbɔgbɔmenufiame si míexɔna ŋu ɖenɛ fiana be míelɔ̃ ɖe edzi be Yehowae nye míaƒe Nufiala Gãtɔ.

Ele Be Míabu Akɔnta

15. Aleke ame aɖewo wɔ abe ɖe Yehowa mele nusi wɔm wole kpɔm o ene?

15 Vevietɔ esi wònye vɔ̃ɖinyenye va bɔ ale gbegbe le “nuwuɣi” sia ta la, Amesi womekpɔna o la dzixɔxɔse hiã vevie ŋutɔ. (Daniel 12:4) Anukwaremaɖimaɖi kple gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ bɔ. Nyateƒee, nunya le eme be míaɖo ŋku edzi be Yehowa kpɔa míaƒe nuwɔnawo ne amegbetɔ mele mía kpɔm o hã. Ame aɖewo ƒe susu dzo le nyateƒenya sia dzi. Ne amewo mele wo kpɔm o la, wonɔa agbe siwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo metsi tre ɖe modzakaɖeɖe gbegblẽ kple amamaɖeɖenuwo kpɔkpɔ le Internet, television, kple egbegbe mɔɖaŋunu bubuwo dzi ŋu o. Esi wònye wote ŋu wɔa nu mawo le bebeƒe ta la, ame aɖewo wɔna abe ɖe Yehowa mele nusi wɔm wole kpɔm o ene.

16. Nukae akpe ɖe mía ŋu míawɔ ɖe Yehowa ƒe dzidzenu kɔkɔawo dzi?

16 Enyo be apostolo Paulo ƒe nya siawo nanɔ susu me na mí: “Mía dometɔ ɖesiaɖe abu akɔnta le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti na Mawu.” (Romatɔwo 14:12) Ele be wòanɔ susu me na mí be ɣesiaɣi si míewɔ nuvɔ̃ la, Yehowa ŋue míewɔ nuvɔ̃ ɖo. Ele be nusia nyanya nakpe ɖe mía ŋu míawɔ ɖe eƒe dzidzenu kɔkɔawo dzi eye míatsri agbe makɔmakɔ nɔnɔ. Biblia ɖo ŋku edzi na mí be: “Nuwɔwɔ aɖeke mele ɣaɣla le eƒe ŋku me o; ke boŋ woklo nu le nuwo katã dzi, eye wotsi ƒeƒle le amesi gbɔ míaƒe nya le la ŋku me!” (Hebritɔwo 4:13) Nyateƒee, míabu akɔnta na Mawu, gake alesi gbegbe míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa de toe ye nye nu vevitɔ si ta míewɔa eƒe lɔlɔ̃nu henɔa agbe ɖe eƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo nu ɖo. Eyata mina míaɖɔ ŋu ɖo le nyawo abe modzaka si míeɖena tiatia kple alesi míewɔa nui ɖe nyɔnuwo ŋui ne ŋutsue míenye alo ɖe ŋutsuwo ŋui ne nyɔnue míenye ene me.

17. Ðetsɔleme ka ƒomevie Yehowa tsɔna léa ŋku ɖe mía ŋui?

17 Yehowa tsɔ ɖe le eme na mí vevie, gake ema mefia be eda ŋku ɖi le mía kpɔm be míawɔ vodada ne yeahe to na mí o. Ke boŋ eléa ŋku ɖe mía ŋu kple ɖetsɔleme si me lɔlɔ̃ le, abe vifofo si di be yeaɖo eteƒe na ye vi buamewo ene. Akɔfafa kae nye si wònye be míanyae be mía Fofo si le dziƒo la kpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe xɔse ŋu eye be wònye “teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie”! (Hebritɔwo 11:6) Mina míaxɔ Yehowa dzi ase bliboe eye míatsɔ ‘dzi blibo asubɔe.’—Kronika I, 28:9.

18. Esi Yehowa léa ŋku ɖe mía ŋu eye wòdea dzesi míaƒe nuteƒewɔwɔ ta la, kakaɖedzi kae Ŋɔŋlɔawo na mí?

18 Lododowo 15:3 gblɔ na mí be: “Yehowa ƒe ŋku le vɔ̃ kple nyui ŋu le afiawo katã.” Nyateƒee, Mawu léa ŋku ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu eye wòɖoa eteƒe na wo ɖe woƒe agbenɔnɔ nu. Gake ne míele ‘ame nyuiwo’ dome la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa léa ŋku ɖe míaƒe nuteƒewɔwɔgbenɔnɔ ŋu. Aleke gbegbe wòdoa ŋusẽ ame ƒe xɔsee nye si be míanyae be ‘míaƒe agbagbadzedze menye dzodzro le Aƒetɔ la me o’ eye be amesi womekpɔna o la ‘maŋlɔ míaƒe dɔ kple lɔlɔ̃ si míeɖe fia le eƒe ŋkɔa ta be o’!—Korintotɔwo I, 15:58; Hebritɔwo 6:10.

Biabia tso Yehowa si be Wòadzro Mía me Akpɔ

19. Nukawoe nye vi siwo Yehowa dzixɔse sẽŋu ɖena ƒe ɖewo?

19 Mí Yehowa subɔla wɔnuteƒewo míexɔ asi nɛ ŋutɔ. (Mateo 10:29-31) Togbɔ be míekpɔnɛ o hã la, ate ŋu anye ame ŋutɔŋutɔ na mí, eye míate ŋu ade asixɔxɔ mía kplii dome ƒomedodo xɔasia ŋu. Ne nɔnɔme sia le mía si ɖe mía Fofo si le dziƒoa ŋu la, eɖea vi geɖe na mí. Míaƒe xɔse sesẽ la naa dzi dzadzɛ kple dzitsinya nyui nɔa mía si le Yehowa gbɔ. Xɔse si me alakpanuwɔwɔ mele o hã xea mɔ na mí be míanɔ agbe eve o. (Timoteo I, 1:5, 18, 19) Míaƒe Mawu dzixɔse maʋãmaʋã la ɖoa kpɔɖeŋu nyui na ame bubuwo eye wòate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe amesiwo dome míele dzi. (Timoteo I, 4:12) Gawu la, xɔse sia doa mawusosroɖagbenɔnɔ ɖe ŋgɔ eye wònaa Yehowa ƒe dzi kpɔa dzidzɔ.—Lododowo 27:11.

20, 21. (a) Nukatae wònyo be Yehowa ƒe ŋku nanɔ mía ŋu? (b) Aleke míate ŋu azã Psalmo 139:23, 24 na mía ɖokuii?

20 Ne míenye nunyalawo vavã la, edzɔa dzi na mí be Yehowa léa ŋku ɖe mía ŋu. Menye ɖeko míedina be wòakpɔ mí ko evɔ o ke míedina hã be wòadzro míaƒe tamesusuwo kple nuwɔnawo me tsitotsito. Anyo be míabia tso Yehowa si le gbedodoɖa me be wòadzro mía me akpɔ ɖa be dzodzro gbegblẽwo le mía me hã. Kakaɖedzitɔe la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míanɔ te ɖe míaƒe kuxiwo nu eye be míawɔ tɔtrɔ siwo ahiã. Eyata esɔ be hakpala Dawid dzi ha be: “Mawu, dzro menye, eye nadze si nye dzi, dom kpɔ, eye nadze si nye susuwo! Eye ne èkpɔ be, fukpekpemɔ le ŋkunye me la, kplɔm to mɔ tegbeetɔ la dzi!”—Psalmo 139:23, 24.

21 Dawid ɖe kuku na Yehowa be wòadzro ye me akpɔ be “fukpekpemɔ” aɖe le ye me hã. Abe hakpala la ene la, ɖe medzroa mí be Mawu nadzro míaƒe dzi me kpɔ akpɔ ɖa be susu gbegblẽwo le eme oa? Ekema mina míabia Yehowa le xɔse me be wòadzro mía me akpɔ. Gake ne vodada aɖe na be míetsi dzimaɖi alo nu gbegblẽ aɖe le mía me ɖe? Ke mina míayi edzi ado gbe ɖa vevie na Yehowa mía Mawu lɔ̃ame la, eye míabɔbɔ mía ɖokui ɖe eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia kple aɖaŋuɖoɖo si le eƒe Nya la me te. Míate ŋu aka ɖe edzi be axɔ na mí eye wòakpe ɖe mía ŋu míanɔ mɔ si kplɔa ame yia agbe mavɔ me la dzi.—Psalmo 40:12-14

22. Nukae wòle be wòanye míaƒe tameɖoɖo ku ɖe Amesi womekpɔna o la ŋu?

22 Ẽ, Yehowa atsɔ agbe mavɔ ayra míi ne míeɖo eƒe nudidiwo gbɔ. Le nyateƒe me la, ele be míalɔ̃ ɖe eƒe ŋusẽ dzi, abe apostolo Paulo ene, esi wòŋlɔ be: “Fia mavɔmavɔtɔ, si nye Mawu magblẽmagblẽ, makpɔmakpɔ ɖeka hɔ̃ la, tɔ nanye bubu kple kafukafu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.” (Timoteo I, 1:17) Mina míawo hã míade bubu deto si tso dzi me Yehowa ŋu alea ɣesiaɣi. Eye eɖanye nuka ke dzɔ o, migana míaʋuʋu le tame si míeɖo be míayi edzi ali ke abe ɖe míele Amesi womekpɔna o la kpɔm ene me o.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Aleke wòanya wɔ na amegbetɔwoe be woakpɔ Mawu?

• Ne Yehowa nye ame ŋutɔŋutɔ na mí la, aleke míawɔ nui ne woti mía yome?

• Nukae wòfia be míakpɔ Yehowa míaƒe Nufiala Gãtɔe?

• Nukatae wòle be míadi be Yehowa nadzro mía me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Mose wɔ nu abe ɖe wòte ŋu le Yehowa, Mawu makpɔmakpɔ la kpɔm ene eye Farao ƒe nu metso dzika ƒo nɛ o

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Migana míawɔ nu gbeɖe abe ɖe Yehowa mate ŋu akpɔ nusi míewɔna ene o

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Míedina vevie be míadze si Mawu elabena míekpɔnɛ míaƒe Nufiala Gãtɔe