Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Migazu Nyasela Siwo Ŋlɔa Nu Be O

Migazu Nyasela Siwo Ŋlɔa Nu Be O

Migazu Nyasela Siwo Ŋlɔa Nu Be O

“Mizu nyadziwɔlawo, eye menye nyasela, siwo blea wo ɖokui ɖeɖeko o!”—YAKOBO 1:22.

1. Nukunu kawo teƒee mɔnukpɔkpɔ su blema Israel-viwo si wokpɔ?

“NUSI womaŋlɔ be akpɔ o” ye anye nya si sɔ woatsɔ aƒo nu tso nukunu siwo Yehowa wɔ le blema Egipte ŋui. Ðikeke aɖeke mele eme o be ŋɔdzi nɔ Fuwɔame Ewoawo dometɔ ɖesiaɖe ŋu. Le fuwɔame dziŋɔ mawo megbe la, woɖe Israel-dukɔa nukutɔe to Ƒudzĩa me tsi siwo me woma me. (Mose V, 34:10-12) Ne ɖe nènɔ eteƒe kpɔ nudzɔdzɔ mawo la, míakpɔ mɔ be anye màŋlɔ Amesi na wodzɔ la be akpɔ o. Ke hã hakpala la dzi ha be: “[Wo, Israel-viwo, ƒe] ŋku dzo le Mawu, woƒe xɔnametɔ la dzi, amesi wɔ nu gãwo le Egipte, amesi wɔ nukunuwo le Xam-nyigba dzi kple nu dziŋɔwo le Avaƒu la nu.”—Psalmo 106:21, 22.

2. Nukae fia be ɣeyiɣi kpui aɖe koe Israel kpɔ ŋudzedze ɖe nu wɔnuku siwo Mawu wɔ ŋu?

2 Esi Israel-viwo tso Ƒudzĩa vɔ la, ‘Yehowa vɔvɔ̃ ge ɖe wo me eye woxɔ Yehowa dzi se.’ (Mose II, 14:31) Israel-ŋutsuwo kpe ɖe Mose ŋu dzi aʋadziɖuha na Yehowa, eye Miryam kple nyɔnu bubuwo ƒo axatsewo heɖu ɣe ɖe edzi. (Mose II, 15:1, 20) Ẽ, nu wɔnuku siwo Yehowa wɔ wɔ dɔ ɖe Mawu ƒe amewo dzi. Gake ɣeyiɣi kpui aɖe koe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Amesi wɔ nu mawo ŋu nɔ anyi. Eteƒe medidi o wo dometɔ geɖe va wɔ nu abe nuŋlɔbedɔe dze wo dzi ene. Wova te liʋiliʋilili kple nyatoƒoetoto le Yehowa ŋu. Wo dometɔ aɖewo ƒo wo ɖokui ɖe trɔ̃subɔsubɔ kple gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ me.—Mose IV, 14:27; 25:1-9.

Nukae Ate Ŋu Ana Míaŋlɔ Be?

3. Le míaƒe blibomademade ta la, nukawoe míate ŋu aŋlɔ be?

3 Israel ƒe ŋudzedzemakpɔmakpɔa wɔ nuku ŋutɔ. Gake nu ma ke ate ŋu adzɔ ɖe míawo hã mía dzi. Nyateƒee, míekpɔ Mawu ƒe nukunu mawo tɔgbe teƒe kpɔ o. Ke hã nanewo adzɔ le mía kple Mawu dome ƒomedodo me godoo siwo míaŋlɔ be akpɔ o. Mía dometɔ aɖewo míaɖo ŋku esime míexɔ Biblia me nyateƒea dzi. Dzidzɔɣeyiɣi bubuwo ate ŋu anye gbe si míedo ɖa tsɔ ɖe adzɔgbee na Yehowa kple míaƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me hezu Kristotɔ vavãwo. Mía dometɔ geɖe de dzesi alesi Yehowa kpe ɖe mía ŋu le míaƒe agbe me nudzɔdzɔ bubuwo mee. (Psalmo 118:15) Ƒo wo katã ta la, xɔxɔmɔkpɔkpɔ va su mía si to Mawu ŋutɔ ƒe Vi, Yesu Kristo, ƒe vɔsaku la dzi. (Yohanes 3:16) Gake le míaƒe blibomademade ta la, ne dzodzro vɔ̃wo kple agbe me dzimaɖitsitsiwo dze ŋgɔ mí la, míawo hã míate ŋu aŋlɔ nu nyui siwo Yehowa wɔ na mí be bɔbɔe.

4, 5. (a) Aleke Yakobo xlɔ̃ nui le afɔku si le nyasela ŋlɔnube nyenye me ŋui? (b) Aleke míate ŋu azã ame kple ahuhɔ̃e ƒe kpɔɖeŋu si Yakobo wɔ lae?

4 Yesu dadavi Yakobo xlɔ̃ nu le nyasela ŋlɔnube nyenye ƒe afɔkua ŋu le eƒe lɛta si wòŋlɔ na ehati Kristotɔwo me. Eŋlɔ bena: “Mizu nyadziwɔlawo, eye menye nyasela, siwo blea wo ɖokui ɖeɖeko o! Elabena ne ame aɖe nye nyasela, eye menye edziwɔla o la, eyama ɖi ŋutsu aɖe, si kpɔ eƒe dzɔdzɔmemo le ahũhɔ̃e me. Elabena ekpɔ eɖokui dze sii, eye wòdzo heyi, eye enumake la eŋlɔ alesi wòle la be.” (Yakobo 1:22-24) Yakobo ƒe nya mawo gɔme ɖe?

5 Zi geɖe ne míefɔ ŋdi la, míekpɔa ahuhɔ̃e me be míakpɔ be tɔtrɔ kawoe wòle be míawɔ le míaƒe dzedzeme ŋu hã. Ne míedze dɔ vovovowo wɔwɔ gɔme eye susua trɔ ɖe nu bubuwo ŋu la, míedzudzɔa nusi míekpɔ le ahuhɔ̃ea me ŋu bubu. Esia ate ŋu adzɔ le gbɔgbɔ me gome hã. Ne míekpɔ Mawu ƒe Nya la me la, míate ŋu atsɔ amesi ƒomevi míenye la asɔ kple amesi ƒomevi Yehowa di be míanye. Ewɔnɛ be míekpɔa míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzea sii nyuie. Ele be nusiwo míekpɔ dze sii la naʋã mí míawɔ tɔtrɔwo le míaƒe amenyenye ŋu. Gake le míaƒe gbesiagbedɔwo wɔwɔ kple agbagbadzedze le míaƒe kuxiwo ŋu me la, ele bɔbɔe be míadzudzɔ gbɔgbɔmenuwo ŋu bubu. (Mateo 5:3; Luka 21:34) Eva le ko abe alesi míaŋlɔ nusiwo Mawu wɔ na mí lɔlɔ̃tɔe la be ene. Ne edzɔ alea la, enɔa bɔbɔe be dzodzro vɔ̃wo nage ɖe mía me.

6. Ŋɔŋlɔawo me nya kawo me dzodzroe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaŋlɔ Yehowa ƒe nya be o?

6 Le apostolo Paulo ƒe lɛta gbãtɔ si tso gbɔgbɔ me si wòŋlɔ na Korintotɔwo me la, eƒo nu tso Israel-vi siwo ŋlɔa nu be le gbeadzi ŋu. Abe alesi Paulo ƒe nyaawo ɖe vi na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwoe ene la, nusi wòŋlɔ la me toto ake akpe ɖe mía ŋu be míagaŋlɔ Yehowa ƒe nya be o. Eyata mina míadzro Korintotɔwo I, 10:1-12 me.

Tsri Xexeame Nudzodzrowo

7. Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ƒe ɖaseɖiɖi si ŋu womate ŋu ake ɖi le o kae Israel-viwo kpɔ?

7 Nusi Paulo gblɔ le Israel-viwo ŋu la nye nuxlɔ̃ame na Kristotɔwo. Paulo ƒe nya siwo wòŋlɔ ƒe akpa aɖewo gblɔ be: “Nyemele didim be mianɔ numanyamanya me o, nɔviwo, bena, mía fofowo katã nɔ alilikpo la te eye wo katã woto ƒu la me, eye wonyrɔ wo katã ɖe Mose me le alilikpo kple ƒu la me.” (Korintotɔwo I, 10:1-4, NW) Israel-vi siwo nɔ anyi le Mose ŋɔli kpɔ Mawu ƒe ŋusẽ ƒe ɖeɖefia gãwo, si ƒe ɖewoe nye Mawu ƒe nukulilikpo dodo si fia mɔ wo ŋkeke me eye wòkpe ɖe wo ŋu woto Ƒudzĩa me do. (Mose II, 13:21; 14:21, 22) Ẽ, Israel-vi mawo kpɔ ɖaseɖiɖi si ŋu womate ŋu ake ɖi le o be Yehowa lɔ̃ yewo.

8. Nukawoe do tso Israel ƒe gbɔgbɔmenuŋlɔbea me?

8 Paulo yi edzi be: “Gake wo dome ame geɖeawo ƒe nu menyo Mawu ŋu o, elabena woxlã wo ɖe anyi le gbeadzi.” (Korintotɔwo I, 10:5) Aleke gbegbe wòwɔ nublanui enye si! Israel-vi akpa gãtɔ siwo dzo le Egipte la va wɔ nusiwo na womegadze na Ŋugbedodonyigbaa dzi yiyi o. Le esi woƒe xɔsemanɔamesi na woƒe nu megadze Mawu ŋu o ta la, woku le gbeadzi. (Hebritɔwo 3:16-19) Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso esia me? Paulo gblɔe be: “Nusiawo zu kpɔɖeŋu na mí, bene míaganye nu vɔ̃ɖi dzrolawo, abe alesi wòdzro ame mawo ene la o.”—Korintotɔwo I, 10:6.

9. Nukawoe Yehowa na eƒe dukɔa, gake aleke Israel xɔe?

9 Nu geɖe nɔ Israel-viwo si si ana woƒe susu nanɔ gbɔgbɔmenuwo dzi esime wonɔ gbeadzi hafi. Yehowa bla nu kpli wo eye wova zu dukɔ si ɖe adzɔgbe nɛ. Gawu la, woɖo nunɔlawo na wo, na avɔgbadɔ si me woasubɔ le wo, eye wowɔ ɖoɖo ɖe vɔsasa na Yehowa ŋu na wo. Gake le esi teƒe be woana dzi nadzɔ wo ɖe gbɔgbɔmenunana siawo ta la, woɖe mɔ le wo ɖokui ŋu be Mawu ƒe ŋutilãmenunanawo megava nɔ wo ŋu dzem o.—Mose IV, 11:4-6.

10. Nukatae wòle be míana Mawu nanɔ míaƒe susu me ɣesiaɣi?

10 To vovo na Israel-vi siwo nɔ gbeadzi la, Yehowa ƒe amewo ƒe nu dzea Mawu ŋu egbea. Gake le mía dometɔ ɖesiaɖe gome la, ele vevie ŋutɔ be míana Mawu nanɔ susu me na mí ɣesiaɣi. Ewɔwɔ alea ana míagbe ɖokuitɔdidi ƒe nudzodzro siwo ate ŋu atsyɔ míaƒe gbɔgbɔmenukpɔkpɔ dzi. Ele be míaɖoe kplikpaa be “míagbe mawumavɔ̃mavɔ̃ kple xexeame nudzodzrowo, eye míanɔ anyi le ɖokuidziɖuɖu kple nu dzɔdzɔe wɔwɔ kpakple mawusosroɖa me le xexe sia me.” (Tito 2:12) Mele be mí amesiwo dze hadede kple Kristo-hamea tso míaƒe ɖevime míasusui be nu nyui aɖe le mía ŋu tom o. Ne susu mawo ava tame na mí gɔ̃ hã la, anyo be míaɖo ŋku Yehowa kple yayra wɔnuku siwo wòdzra ɖo ɖi na mí la dzi boŋ.—Hebritɔwo 12:2, 3.

Toɖoɖo Yehowa le Nusianu Me

11, 12. Aleke ame aɖe ate ŋu azu trɔ̃subɔlae evɔ menye nɔnɔmewɔwɔwoe wòle ta dem agu na o?

11 Paulo gana nuxlɔ̃ame bubu mí esime wòŋlɔ be: “Migazu trɔ̃subɔlawo hã abe wo dome ame aɖewo ene o, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: ‘Dukɔ la bɔbɔ nɔ anyi, woɖu nu, eye wono nu, eye wotsi tre, eye wode asi [agbeɖuɖu] me.’” (Korintotɔwo I, 10:7) Paulo nɔ nu ƒom tso ɣeyiɣi si me Israel-viwo ƒo nya ɖe Aron nu wòwɔ sikanyivi na wo ŋu. (Mose II, 32:1-4) Togbɔ be manɔ eme be míasubɔ trɔ̃ ŋutɔŋutɔ o hã la, míate ŋu azu trɔ̃subɔlawo ne míeɖe mɔ míaƒe ɖokuitɔdidi nudzodzrowo he mí ɖa tso Yehowa subɔsubɔ kple dzi blibo gbɔ.—Kolosetɔwo 3:5.

12 Ɣebubuɣi la, Paulo ŋlɔ nu tso ame aɖewo siwo tsi dzi ɖe ŋutilãmenuwo koŋ ŋu wu be woatsi dzi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu. Eŋlɔ tso amesiwo ‘zɔna abe Kristo ƒe fuwɔametia ƒe futɔwo ene’ ŋu be: “[Woƒe] nuwuwu enye gbegblẽ, [eye woƒe] ƒodo nye mawu na wo.” (Filipitɔwo 3:18, 19) Menye nɔnɔmewɔwɔwoe wodea ta agu na o. Ŋutilãmenu siwo dzroa wo lae. Ele eme be menye nudzodzrowo katãe gblẽ ya o. Yehowa wɔ mí kple amegbetɔ ƒe nuhiahiãwo kple ŋutete be míase vivi na nu dodzidzɔname vovovowo. Gake le nyateƒe me la, amesiwo tsɔa vivisese yometiti ɖoa nɔƒe gbãtɔ na wo kple Mawu dome ƒomedodo la trɔna zua trɔ̃subɔlawo.—Timoteo II, 3:1-5.

13. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso sikanyivia ŋuti nuŋlɔɖia me?

13 Esi Israel-viwo dzo le Egipte megbe la, wowɔ sikanyivi aɖe hesubɔ. Tsɔ kpe ɖe trɔ̃subɔsubɔ ŋuti nuxɔxlɔ̃ si nuŋlɔɖi sia nye ŋu la, nufiame vevi bubu aɖe le eme. Israel-viawo gbe Yehowa ƒe mɔfiafia si me kɔ kɔte la. (Mose II, 20:4-6) Gake menye ɖe woɖoe koŋ gbe be Yehowa naganye yewoƒe Mawu o. Wosa vɔwo na nyiviwɔwɔe la hetsɔ ŋkɔ na wɔnaa be ‘Yehowa ƒe ŋkeke nyui.’ Le mɔ aɖe nu la, woflu wo ɖokui bu be Mawu matsɔ ɖeke le tomaɖomaɖonu si yewowɔ la me o. Nusia nye vlododo Yehowa, eye ena dzi ku eyama vevie.—Mose II, 32:5, 7-10; Psalmo 106:19, 20.

14, 15. (a) Nukatae taflatsedodo aɖeke mele Israel-viwo si le nusita wozu nyasela ŋlɔnubewo ɖo ŋu o? (b) Ne míeɖoe be míanye nyasela ŋlɔnubewo o la, nukae míawɔ le Yehowa ƒe sewo ŋu?

14 Asesẽ ŋutɔ be Yehowa Ðasefo nage ɖe alakpasubɔsubɔha aɖe me. Gake ame aɖewo ate ŋu agbe Yehowa ƒe mɔfiame le mɔ bubuwo nu esime wokpɔtɔ le hamea me. Taflatsedodo aɖeke menɔ Israel-viwo si le nusi na wova zu nyasela ŋlɔnubewo ŋu o. Wose Se Ewoawo eye wonɔ eteƒe esi Mose gblɔ Mawu ƒe sededea na wo, be: “Migawɔ mawu bubu aɖeke kpe ɖe ŋunye o; migawɔ ɖeke o, eɖanye klosalolegba alo sikalegba o.” (Mose II, 20:18, 19, 22, 23) Ke hã Israel-viwo de ta agu na sikanyivi la.

15 Taflatsedodo aɖeke manɔ míawo hã mía si ne míezu nyasela ŋlɔnubewo o. Agbenɔnɔ ƒe akpa geɖewo ŋuti mɔfiame si tso Mawu gbɔ le Ŋɔŋlɔawo me na mí. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa ƒe Nya la tsi tre ɖe gadodo ahagbe exexe ŋu tẽ. (Psalmo 37:21) Wode se na ɖeviwo be woabu wo dzilawo, eye wobia tso fofowo si be woanyi wo viwo le ‘Yehowa ƒe nuxɔxlɔ̃ me.’ (Efesotɔwo 6:1-4) Wofia Kristotɔ trewo be woaɖe srɔ̃ ‘le Aƒetɔ la ɖeɖeko me,’ eye wogblɔ na srɔ̃tɔ Mawu subɔlawo be: “[Woana] bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe me le amewo katã dome, eye womagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o; elabena ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wo.” (Korintotɔwo I, 7:39; Hebritɔwo 13:4) Ne míeɖoe be míaganye nyasela ŋlɔnubewo o la, míatsɔ nya siawo kple mɔfiame bubu siwo tso Mawu gbɔ nya veviwoe eye míazɔ ɖe wo dzi.

16. Nukawoe do tso tadedeagu na sikanyivia me?

16 Yehowa mexɔ subɔsubɔ si Israel-viwo nɔ agbagba dzem be yewoatsɔ nɛ to mɔ si dze woa ŋutɔwo ŋu dzi la o. Ke boŋ ame 3,000 ye tsrɔ̃, ɖewohĩ le woƒe ŋgɔxɔxɔ le sikanyivia subɔsubɔ ƒe aglãdzenuwɔwɔa me ta. Yehowa he to na nuvɔ̃wɔla bubuwo hã. (Mose II, 32:28, 35) Nufiame vevi kae nye si wònye na amesiwo xlẽa Mawu ƒe Nya la gake hetiaa nusi wodi be yewoasubɔ la na wo ɖokui!

“Misi le Ahasiwɔwɔ Nu!”

17. Nudzɔdzɔ ka ŋue Korintotɔwo I, 10:8 nɔ nu ƒom tsoe?

17 Paulo ƒo nu tso mɔ siwo dzi ŋutilãmenudzodzro ate ŋu ana míaŋlɔ nu be le gbɔgbɔ me la dometɔ ɖeka ŋu esi wògblɔ be: “Migana míawɔ ahasi, abe alesi wo dome ame aɖewo wɔ ahasi, eye ame akpe blave vɔ etɔ̃ tsrɔ̃ le ŋkeke ɖeka dzi la ene o.” (Korintotɔwo I, 10:8) Nane si dzɔ le Moab-tagba le Israel-viwo ƒe ƒe 40 gbedzimɔzɔzɔa ƒe nuwuwu ŋu nya gblɔm Paulo nɔ le afisia. Yehowa kpe ɖe Israel-viwo ŋu woɖu du siwo le Yordan ƒe ɣedzeƒe gome dzi teti koe ema, gake wo dometɔ geɖe ŋlɔ be eye woɖe ŋudzedzemakpɔmakpɔ fia. Woble wo de gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ kple Baal-Peor subɔsubɔ makɔmakɔ me le Ŋugbedodonyigbaa ƒe liƒo dzi. Wotsrɔ̃ ame 24,000, amesiwo dometɔ 1,000 nye nugbegblẽwɔlaawo ƒe ŋgɔnɔlawo.—Mose IV, 25:9.

18. Nuwɔna ka ƒomevie ate ŋu akplɔ ame ade gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ me?

18 Egbea wonya Yehowa ƒe amewo nyuie le agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo me léle ɖe asi ta. Gake esime gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ƒe tetekpɔwo va Kristotɔ aɖewo dzi la, wodzudzɔ Mawu kple eƒe dzidzenuwo ŋu bubu. Wozu nyasela ŋlɔnubewo. Gbã la, ɖewohĩ tetekpɔa meku ɖe matrewɔwɔ ŋu tẽ o. Ate ŋu anye didi be woake ŋku ɖe gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔnawo ɖeɖefia me, be woaƒo wo ɖokui ɖe hatsekaka madzetowo alo be woade ha kplikplikpli kple amesiwo gbɔdzɔ le agbenyuinɔnɔ me la me. Nusiawo katã kplɔ Kristotɔwo de nuvɔ̃ me.—Korintotɔwo I, 15:33; Yakobo 4:4.

19. Ŋɔŋlɔawo me nuxlɔ̃ame kae akpe ɖe mía ŋu ‘míasi le matrewɔwɔ kple ahasiwɔwɔ nu’?

19 Ne wote mí kpɔ be míanɔ agbe gbegblẽ la, mele be míadzudzɔ Yehowa ŋu bubu o. Ke boŋ ele be míawɔ ɖe ŋkuɖodzinya siwo le eƒe Nyaa me la dzi. (Psalmo 119:1, 2) Mí Kristotɔ akpa gãtɔ míewɔa míaƒe ŋutete ɖesiaɖe be míayi edzi anɔ agbe dzadzɛ, gake ebia agbagbadzedze ɣeawokatãɣi be míayi edzi anɔ nusi dze Mawu ŋu wɔm. (Korintotɔwo I, 9:27) Paulo ŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Roma be: “Miaƒe toɖoɖo de amewo katã ƒe to me; eyata dzi le dzɔyem le mia ŋuti, ke mele didim bena, mianye nunyalawo le nu nyui me, ke ame dzadzɛwo ɖe nuvɔ̃ ŋuti.” (Romatɔwo 16:19) Abe alesi wotsrɔ̃ Israel-vi 24,000 la ɖe woƒe nuvɔ̃wo ta ene la, Yehowa ƒe fɔbuʋɔnudɔdrɔ̃ ava ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo kpakple nugbegblẽwɔla bubuwo dzi kpuie. (Efesotɔwo 5:3-6) Eyata le esi teƒe be míazu nyasela ŋlɔnubewo la, ele be míayi edzi ‘asi le ahasiwɔwɔ nu.’—Korintotɔwo I, 6:18.

Kpɔ Ŋudzedze Ðe Yehowa ƒe Nunanawo Ŋu Ɣesiaɣi

20. Aleke Israel-viwo do Yehowa kpɔe, eye nukae do tso eme na wo?

20 Kristotɔ akpa gãtɔ maƒo wo ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ me gbeɖe o. Gake ele be míaɖɔ ŋu ɖo be míagaɖe mɔ le mía ɖokui ŋu be míava zu liʋiliʋililawo si ana be míaƒe nu magadze Mawu ŋu o. Paulo xlɔ̃ nu mí be: “Migana míate [Yehowa, NW] akpɔ, abe alesi [Israel-viwo] dome ame aɖewo tee kpɔ, eye dawo tsrɔ̃ wo ene la o. Migali liʋiliʋi, abe alesi wo dome ame aɖewo li liʋiliʋi, eye nugblẽla tsrɔ̃ wo ene la o.” (Korintotɔwo I, 10:9, 10) Israel-viwo li liʋiliʋi le Mose kple Aron—kpakple Mawu ŋutɔ gɔ̃ hã—ŋu, eye woto nyatoƒoe le mana si wona wo nukutɔe la ŋu. (Mose IV, 16:41; 21:5) Ðe woƒe liʋiliʋililia meve Yehowa abe alesi woƒe ahasiwɔwɔa vee ene oa? Biblia me nuŋlɔɖia fia be dawo ɖu liʋiliʋilila geɖe woku. (Mose IV, 21:6) Ɣeaɖeɣi la, liʋiliʋilila dzeaglã siwo wu 14,700 tsrɔ̃. (Mose IV, 16:49) Eyata migana míado vlo Yehowa ƒe nunanawo atsɔ ado eƒe dzigbɔgbɔ blewu la kpɔ o.

21. (a) Nuxlɔ̃ame kae gbɔgbɔ ʋã Paulo wòŋlɔ? (b) Nuka wɔwɔe Yakobo 1:25 gblɔ be ana dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ nasu mía si?

21 Paulo ƒo nuxlɔ̃ame siwo wòna ehati Kristotɔwo ta le agbalẽ si wòŋlɔ na wo me kple aɖaŋuɖoɖo sia be: “Ke nusiawo katã va ame mawo dzi abe kpɔɖeŋu ene, eye woŋlɔe ɖi, bene wòanye nuxɔxlɔ̃ hena mí amesiwo dzi xexe sia me ƒe nuwuwu va ɖo la. Eyata amesi ke susuna be, yele tsitre la, nakpɔ nyuie, bena wòagadze anyi o.” (Korintotɔwo I, 10:11, 12) Abe Israel-viwo ene la, míexɔ yayra geɖe tso Yehowa gbɔ. Gake migana míasrɔ̃ wo, aŋlɔ nu nyui siwo wɔm Mawu le na mí la be ahagbe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe wo ŋu o. Ne agbemenyawo te mí ɖe anyi la, mina míaɖo ŋku ŋugbedodo wɔnuku siwo le eƒe Nya la me dzi. Mina míaɖo ŋku mía kple Yehowa dome ƒomedodo xɔasia dzi eye míayi edzi awɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔ si wòde asi na mí la. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Ewɔwɔ alea ana dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ nasu mía si, elabena Ŋɔŋlɔawo do ŋugbe be: “Amesi kpɔ se blibo, si nye ablɔɖese la me, eye wònɔ edzi la, eya menye nyasela, si ŋlɔa nu be o, ke boŋ dɔ ƒe wɔla, eye woayra eyama le eƒe nuwɔwɔ me.”—Yakobo 1:25.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nukae ate ŋu ana míazu nyasela siwo ŋlɔa nu be?

• Nukatae toɖoɖo Mawu le nusianu me le vevie?

• Aleke míawɔ ate ŋu ‘asi le matrewɔwɔ kple ahasiwɔwɔ nu’?

• Nɔnɔme kae wòle be wòanɔ mía si ɖe Yehowa ƒe nunanawo ŋu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Israel-viwo ŋlɔ nu wɔnuku siwo Yehowa wɔ na wo be

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Yehowa ƒe amewo ɖoe kplikpaa be yewoalé agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo me ɖe asi