Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mikpɔ Tsyɔ̃eviwo Kple Ahosiwo Ta le Woƒe Xaxa Me

Mikpɔ Tsyɔ̃eviwo Kple Ahosiwo Ta le Woƒe Xaxa Me

Mikpɔ Tsyɔ̃eviwo Kple Ahosiwo Ta le Woƒe Xaxa Me

Mesesẽ be woakpɔe adze sii be míele xexe si me lɔlɔ̃ mele o me o. Esime apostolo Paulo nɔ nu ƒom tso amesiwo ƒomevi anɔ anyi le “ŋkeke mamlɛawo me” ŋu la, eŋlɔ bena: “Ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asẽ la ava. Elabena amewo lanye ɖokuilɔ̃lawo, . . . amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o.” (Timoteo II, 3:1-3, NW) Aleke gbegbe nya mawo nye nyateƒee nye si!

ALESI amewo le agbe nɔmee le míaƒe ɣeyiɣia me wɔe be nublanuikpɔkpɔ megale ame geɖe ƒe dzi me o. Amewo megava le ɖeke tsɔm le ame bubuwo ƒe dedienɔnɔ me o eye le go aɖewo me la, wometsɔa ɖeke le woa ŋutɔwo ƒe ƒometɔwo gɔ̃ hã tɔ me o.

Nusia gblẽa nu le ame geɖe siwo le nɔnɔme vovovowo ta, wova zu wɔnamanɔŋuitɔwo la ŋu vevie. Aʋawɔwɔwo, dzɔdzɔmefɔkuwo, kple sitsoƒedilawo ƒe ʋuʋu le wo nɔƒewo wɔe be ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo ƒe xexlẽme yi edzi le agbɔ sɔm ɖe edzi. (Nyagblɔla 3:19) Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ðeviwo Ŋu Nyagbɔkpɔha ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be, “[Ðevi] siwo wu miliɔn 1 zu tsyɔ̃eviwo alo ɖe ɖa le wo dzilawo ŋu le aʋawɔwɔ ta.” Ànya nya nu tso vidada gbogbo siwo nye dzilaɖekɛwo, esiwo wogblẽ ɖi, alo wogbe, siwo wòsesẽna na ŋutɔ be woakpɔ woƒe gbesiagbe nuhiahiãwo eye woawo ɖeɖe woanyi wo viwo hã ŋu. Nusi na nɔnɔmea gavɔ̃ɖi ɖe edzi kura enye gakuxi sesẽ siwo le dukɔ aɖewo me, si na be woƒe dukɔmevi geɖe da ahe kolikoli.

Esi nɔnɔmea le alea ta la, ɖe mɔkpɔkpɔ aɖe li na amesiwo le xaxawo me toma? Aleke woate ŋu aɖe ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo ƒe fukpekpewo dzi akpɔtɔe? Ðe woava ɖe kuxi sia ɖa keŋkeŋ gbaɖegbea?

Kpekpeɖeŋu Nana Lɔlɔ̃tɔe le Biblia Ɣeyiɣiwo Me

Ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo ƒe gbɔgbɔ kple ŋutilã me nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ nye Mawu subɔsubɔ ƒe akpa vevi aɖe tso gbaɖegbe ke. Womeɖe mɔ na Israel-viwo be ne wole woƒe nukuwo xam alo le kutsetsewo gbem le agble dzi la, woatsa le eme ƒiaƒiaƒia afɔ nusianu si tsi eme o. “Amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosiwo” ye wogblẽa esiwo tsi anyi la ɖi na wova fɔna. (Mose V, 24:19-21) Mose ƒe Sea gblɔ tẽ be: “Migate ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo ɖe anyi o.” (Mose II, 22:22, 23) Ahosi kple tsyɔ̃evi siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la sɔ tututu kple ame dahewo, le esi ne srɔ̃ŋutsu kple fofo alo dzila eveawo siaa ku la, ƒomea me tɔ siwo wogblẽ ɖe megbe la ate ŋu atsi akogo eye wɔna manɔ wo ŋu o ta. Blemafofo Hiob gblɔ be: “Mexɔna na ame dahe, si le ɣli dom la, kple tsyɔ̃evi, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la.”—Hiob 29:12.

Le Kristo-hamea ƒe gɔmedzeɣi la, ame dahe siwo nu hiã nyateƒe le esi wo dzilawo alo srɔ̃ŋutsu ku le wo gbɔ ta la dzi kpɔkpɔ nye nyateƒe tadedeagu ƒe akpa ɖedzesi aɖe. Esi nusrɔ̃la Yakobo tsɔ ɖe le eme vevie na amesiawo ta la, eŋlɔ bena: “Mawusubɔsubɔ, si ŋuti kɔ, eye ɖiƒoƒo aɖeke mele eŋu le Mawu Fofo la ŋku me o la, enye si bene, woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ta le woƒe xaxa me, eye woadzra ame ɖokui ɖo ɖi maƒomaƒoe tso xexeame.”—Yakobo 1:27.

Hekpe ɖe tsyɔ̃evi kple ahosi siwo Yakobo yɔ ŋu la, etsɔ ɖe le eme na ame bubu siwo da ahe eye wɔna aɖeke mele wo ŋu o hã me vevie. (Yakobo 2:5, 6, 15, 16) Apostolo Paulo hã ɖe ameŋububu ma tɔgbe ke fia. Esi wode gbeƒãɖeɖedɔ asi na woa kple Barnaba la, mɔfiame siwo wona wo ƒe ɖee nye be ‘woalé ŋku ɖe ame dahewo ŋu.’ Paulo te ŋu tsɔ dzitsinya nyui gblɔ be: ‘Nusia ke nye hã medoa vevie wɔna.’ (Galatiatɔwo 2:9, 10) Le Kristo-hamea ɖoɖo anyi megbe kpuie la, eƒe dɔwɔwɔwo ŋuti nuŋlɔɖi ɖee fia be: “Hiãtɔ aɖeke mele wo dome o; . . . eye womãe na amesiame le ɖesiaɖe ƒe hiahiã nu.” (Dɔwɔwɔwo 4:34, 35) Ẽ, wotsɔ ɖoɖo si wowɔ le blema Israel hena tsyɔ̃eviwo, ahosiwo, kple wɔnamanɔŋutɔwo dzi kpɔkpɔ la ge ɖe Kristo-hamea hã mee.

Gake seƒeɖo nɔe na kpekpeɖeŋu si wona eye wònɔ te ɖe hame ɖesiaɖe ƒe ŋutete dzi. Womezã ga yakayaka o, eye amesiwo ŋu wokpe ɖo hiã kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ. Mele be Kristotɔ aɖeke nawɔ ɖoɖo sia ŋudɔ ɖe mɔ madzemadze nu o, eye mele be woada agba ɖe hamea dzi madzemadzee o. Esia dze le mɔfiame siwo Paulo na le Timoteo I, 5:3-16 me ƒã. Míekpɔe le afima be ne amesi hiã tu la ƒometɔwo ate ŋu akpe ɖe eŋu la, ke woawoe wòle be woatsɔ agbanɔamedzi ma. Ehiã be ahosi siwo hiã tu naɖo nudidi aɖewo gbɔ hafi adze axɔ kpekpeɖeŋu. Esiawo katã ɖee fia be nunya le ɖoɖo siwo Yehowa wɔ tsɔ kpɔ amesiwo hiã tu ƒe hiahiã gbɔe la me. Ke hã eɖee fia hã be ehiã be woada asɔ ale be ame aɖeke mawɔ dɔmenyo mɔnua ŋudɔ ɖe mɔ gbegblẽ nu o.—Tesalonikatɔwo II, 3:10-12.

Tsyɔ̃eviwo Kple Ahosiwo Dzikpɔkpɔ Egbea

Gɔmeɖose siwo ŋudɔ Mawu subɔlawo wɔ le blema ke ŋudɔe wogawɔna le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me ne ehiã be woakpɔ amesiwo le xaxawo me tom ƒe nuhiahiã gbɔ ahana kpekpeɖeŋu wo. Dadavilɔlɔ̃ ye dea dzesi wo, abe alesi Yesu gblɔe ene be: “Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yohanes 13:35) Ne hiã tu wo dometɔ aɖewo alo dzɔdzɔmefɔku, aʋawɔwɔ alo dukɔmeviʋa gblẽ nu le wo ŋu la, dukɔwo dome nɔviwo ƒe habɔbɔa me tɔ mamlɛawo dina vevie be yewoadi mɔnu siwo dzi yewoato akpe ɖe wo ŋu le gbɔgbɔ kple ŋutilã me. Mina míakpɔ egbegbe nuteƒekpɔkpɔ aɖewo siwo ɖe nusiwo wowɔna le go siawo me fia la ɖa.

Pedro menya nu geɖe tso dadaa ŋu o elabena ƒe ɖeka kple afã koe wòxɔ ye dadaa ku. Esime Pedro xɔ ƒe atɔ̃ la, fofoa hã ku. Eyata Pedro kple nɔviaŋutsuwo ɖeɖe tsi anyi. Yehowa Ðasefowo nɔ wo fofo gbɔ yim xoxo, eyata wodze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme kple Pedro kple foawo.

Pedro gblɔ be: “Míete kpekpewo dede le kwasiɖa si kplɔe ɖo ko me. Esi míeyi edzi le ha dem kple nɔviawo la, míese alesi wolɔ̃a míi la le mía ɖokui me. Hamea nye sitsoƒe nam elabena nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo ɖe lɔlɔ̃ fiam hese veve ɖe nunye, abe alesi ko dzinyelawo awɔ nam ene.” Pedro gblɔ be Kristotɔ hamemegãwo dometɔ ɖeka kpena ye vaa eƒemee. Eye Pedro kpɔa gome le dzeɖoɖo kple modzakaɖeɖe me kple ƒomea. Pedro, amesi te gbeƒãɖeɖe tso eƒe xɔse ŋuti esime wòxɔ 11 eye wòxɔ nyɔnyrɔ esime wòxɔ ƒe 15 la gblɔ be: “Edoa dzidzɔ nam ŋutɔ ne meɖo ŋku nya siawo dzi.” Nenema ke hamea me tɔwo kpe ɖe foawo ŋu wowɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me.

David hã tɔ li. Wogblẽ woa kple eƒe venɔvi nyɔnu ɖi esime wo dzilawo dome klã. Wo tɔgbui kple wo mama kpakple wo tasi ye nyi wo. “Esi míetsi vie heva de dzesi nɔnɔme si me míenɔ la, sese le mía ɖokui me be míele dedie o kple blanuiléle va wu tsɔtsɔ na mí. Míehiã nane si ŋu míaziɔ ɖo. Tasinye va zu Yehowa Ðasefo, eye le esia ta, wofia Biblia ƒe nyateƒea mí. Nɔviawo do vivi ɖe mía ŋu hedze xɔ̃ mí. Míaƒe nu doa dzidzɔ na wo eye wode dzi ƒo na mí be míaɖo taɖodzinuwo gbɔ ahayi edzi awɔ dɔ na Yehowa. Esi mexɔ abe ƒe ewo la, subɔsubɔdɔwɔla aɖe kplɔam yia gbeadzii. Nɔviŋutsu bubu kpɔa nye gazazãwo gbɔ ne mede takpekpewo. Wo dometɔ ɖeka gɔ̃ hã naa gam ale be mete ŋu dzɔa nu le Fiaɖuƒe Akpata me.”

David xɔ nyɔnyrɔ esime wòxɔ ƒe 17 eye emegbe ete dɔwɔwɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe le Mexico. Elɔ̃ ɖe edzi fifia gɔ̃ hã be: “Hamemegã geɖewo li siwo wɔ akpa vevi aɖe le nu fiafiam me eye woɖoa aɖaŋu nyuiwo nam. To mɔ sia nu la, mele dediemanɔmanɔ kple akogotsitsi ƒe seselelãmeawo dzi ɖum.”

Abel, si nye hamemegã le hame aɖe me le Mexico, afisi ahosi geɖe siwo hiã kpekpeɖeŋu la le, gblɔ be: “Mexɔe se be nusi hiã ahosiwo vevie wu enye be woakpe ɖe wo ŋu woakpe akɔ kple seselelãmekuxiwo. Ɣeaɖewoɣi la, woléa blanui; wosena le wo ɖokui me be yewotsi akogo. Eyata ehiã vevie be woakpe ɖe wo ŋu, alé to ɖe woƒe nyawo ŋu. Míesrãa [hamemegãwo] wo kpɔna edziedzi. Ele vevie be woagbɔ dzi ɖi alé ŋku ɖe woƒe kuxiwo ŋu. Esia wɔnɛ be wosenɛ le wo ɖokui me be wofa akɔ na yewo le gbɔgbɔ me.” Ke hã wohiãa gakpekpeɖeŋu hã ɣeaɖewoɣi. Abel gblɔ nyitsɔ laa be: “Míele xɔ tum na nɔvinyɔnu aɖe si nye ahosi fifi laa. Míezãa Memleɖagbe aɖewo kple ŋdɔme aɖewo le kwasiɖaa me tsɔ wɔa dɔ le eƒe xɔa ŋui.”

Hamemegã bubu aɖe gblɔ eya ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ le kpekpeɖeŋunana tsyɔ̃evi kple ahosiwo me be: “Mexɔe se be tsyɔ̃eviwo gahiã Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ vevie wu ahosiwo gɔ̃ hã. Mede dzesii be woase le wo ɖokui me bɔbɔe be womelɔ̃ yewo o wu ɖevi kple ƒewuivi siwo dzila eveawo siaa li. Ehiã ŋutɔ be nɔviwo nado vivi ɖe wo ŋu geɖe. Enyo be woadi wo le kpekpeawo megbe akpɔ be aleke wolie hã. Nɔviŋutsu srɔ̃tɔ aɖe li si zu tsyɔ̃evi esime wònye ŋutsuvi dzaa. Medoa gbe nɛ vividoɖeameŋutɔe ɣesiaɣi le kpekpewo me, eye wòkplaa asi kɔ nam ne ekpɔm. Esia nana dadavilɔlɔ̃ vavãtɔ me sẽna ɖe edzi.”

Yehowa “Aɖe Ame Dahe”

Ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu le vevie ŋutɔ hena tenɔnɔ ɖe ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo ƒe nɔnɔmewo nu. Wogblɔ le eŋu be: “Yehowa kpɔa amedzrowo ta, eléa tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ɖe asi.” (Psalmo 146:9) Mawu ƒe Fiaɖuƒea si dzi Yesu Kristo aɖu dzi koe woato akpɔ kuxi siawo tɔgbe gbɔ keŋkeŋ. Esi hakpala la nɔ Mesia la ƒe dziɖuɖu ma ɖɔm le nyagblɔɖimɔ nu la, eŋlɔ bena: “Aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. Ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ.”—Psalmo 72:12, 13.

Ðikeke mele eme o be esi fifi nuɖoanyiawo gogo nuwuwu ta la, nuteɖeamedzi siwo Kristotɔwo akpe akɔ kplii la adzi ɖe edzi godoo. (Mateo 24:9-13) Ehiã be Kristotɔwo nayi edzi atsɔ ɖe le eme na wo nɔewo geɖe ŋkeke sia ŋkeke eye be ‘woalɔ̃ wo nɔewo vevie.’ (Petro I, 4:7-10) Ehiã be ŋutsu Kristotɔwo, vevietɔ hamemegãwo, natsɔ ɖe le eme eye woƒe dɔme natrɔ ɖe tsyɔ̃eviwo ŋu. Eye nyɔnu tsitsi siwo le hamea me ate ŋu ana kpekpeɖeŋu geɖe ahosiwo ahanye akɔfafatsoƒe na wo. (Tito 2:3-5) Le nyateƒe me la, amesiame ate ŋu awɔ akpa aɖe le ɖetsɔtsɔ le amesiwo le xaxawo me tom me vevie.

Kristotɔ vavãwo ‘mesẽa dzime hekua ŋɔ amewo le nublanuikpɔkpɔ na wo me’ ne ‘wokpɔ be hiã tu wo nɔviwo o.’ Wodina vevie be yewoawɔ apostolo Yohanes ƒe nuxlɔ̃amenyaa dzi, si gblɔ be: “Viwo, migana míatsɔ nya kple aɖe alɔ̃ amee o, ke boŋ míatsɔ nuwɔwɔ kple nyateƒe alɔ̃ amee.” (Yohanes I, 3:17, 18) Eyata mina ‘míakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ta le woƒe xaxa me.’—Yakobo 1:27.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 11]

“Migana míatsɔ nya kple aɖe alɔ̃ amee o, ke boŋ míatsɔ nuwɔwɔ kple nyateƒe alɔ̃ amee.” Yohanes I, 3:18

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Kristotɔ vavãwo kpɔa tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ta le ŋutilã, gbɔgbɔ kple seselelãme gome