Ati Siwo Nɔa Anyi Eteƒe Didina
Ati Siwo Nɔa Anyi Eteƒe Didina
To ƒe abunu tsutsue madze afisi nàdi be yeatso aƒe ɖo o, vevietɔ ne to kɔkɔwo tamee wònye. Gake togbɔ be edze ƒã be nu geɖe mede alps-towo dzi tiwo dzi o hã la, wo dometɔ aɖewo ƒoa ke ɖe to sesĩe le abunu siawo, vuvɔŋɔli ƒe fafa miamiamia si naa tsi zua tsikpe medzia ŋɔ na wo o eye wodoa dzi le dzomeŋɔli ƒe kuɖiɖi hã me.
ZI GEÐE la, ati siawo siwo mesea fukpekpe o la mekɔna dea agametiwo nu o. Wo ŋuti te ŋu toa kɔ eye atia ŋutɔ trona eye eteƒe didina hafi wote ŋu tsina. Wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã nɔa abe ati siwo wodo ɖe ze alo kpe memewo me ene—vuvɔ kple kuɖiɖi siwo nu sẽna tsɔ kpe ɖe ke sue si le afisi wole la ŋu trɔa woƒe nɔnɔme eye wònaa womete ŋu dzea alɔ sɔa gbɔ o.
Esi ati siawo le anyigba la ƒe teƒe siwo nu mede wo dzi le go aɖeke me o ta la, àsusu be womanɔ agbe wòadidi o. Gake menye nenema boŋue o. Ame aɖewo gblɔ be Methuselah, si nye ŋkɔ si wotsɔ na ati si woyɔna be Pinus aristata, la xɔ ƒe 4,700. Ati sia le California-to siwo woyɔna be White Mountains si kɔ meta 3,000 la dzi. The Guinness Book of Records 1997 gblɔ be ati siae nye ati tsitsitɔ kekeake le anyigba dzi. Edmund Schulman, amesi srɔ̃ nu tso blemati siawo ŋu la ɖe nu me be: “Ewɔ abe . . . fukpekpe siwo me Pinus aristata la tona tae wòte ŋu gale agbe vaseɖe fifia ɖo ene. Ati siawo dometɔ siwo tsi wu le White Mountains [toawo dzi] la katã le gbedadaƒo kpenyigba si dzi ku ɖina le le afisi kɔkɔ meta 3,000.” Schulman de dzesii hã be pinus ƒomevi bubu siwo tsi wu hã to fukpekpe geɖe me hafi tsi.
Togbɔ be ele be ati siawo nato nɔnɔme sesẽwo me hã la, wozãa nu eve siwo de wo dzi la bliboe. Esi woɖe ɖe aga le afisi gbe kple ati bubuwo mede ha le o ta la, ena be ave ƒe dzobibi, si nye nusiwo gblẽa nu le ati siwo tsi ŋu wu la meɖea fu na wo o. Eye woƒe ke ƒona ɖe to sesĩe ale gbegbe be anyigbaʋuʋu koe ate ŋu ana woaʋã.
Le Biblia me la, wotsɔ Mawu subɔla wɔnuteƒewo sɔ kple atiwo. (Psalmo 1:1-3; Yeremya ) Woawo hã woate ŋu ato fukpekpewo me le nɔnɔme siwo me wole ta. Yometiti, lãmegbegblẽ, alo ahedada kolikoli ate ŋu ado woƒe xɔse akpɔ vevie, vevietɔ ne fukpekpe siawo li ƒe geɖe. Ke hã wo Wɔla, amesi wɔ ati siwo te ŋu nɔa te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu nyuie alea, na kakaɖedzi esubɔlawo be yeakpe ɖe wo ŋu. Biblia do ŋugbe na amesiwo nɔa te sesĩe be: “Ali ke mi, ado ŋusẽ mi.”— 17:7, 8Petro I, 5:9, 10.
‘Tenɔnɔ sesĩe, kelili, alo nane wɔwɔ ayi edzi nuteƒewɔwɔtɔe’ ye nye gɔmesese si dze le Helagbe me dɔwɔnya si gɔme woɖe le Biblia me be “do dzi” me. Abe Alps-towo dzi tiwo ene la, keƒoƒo ɖe to sesĩe ye nye nusi kpena ɖe ame ŋu wòdoa dzi. Le Kristotɔwo gome la, ele be woaƒo ke ɖe to sesĩe ɖe Yesu Kristo me bene woate ŋu anɔ te sesĩe. Paulo ŋlɔ be: “Abe alesi miexɔ Kristo Yesu, Aƒetɔ la, [ene la,] nenema ke mizɔ le eyama me, eye mianye amesiwo do ke, eye wotu wo ɖe eyama me, eye woli ke wo ɖe xɔse me, abe alesi wofia mi ene, miagba go le akpedada me.”—Kolosetɔwo 2:6, 7.
Paulo nya be ehiã be woato gbɔgbɔmeke sesẽwo. Eya ŋutɔ wɔ avu kple ‘ŋù si le eƒe ŋutilã me,’ eye wòdo dzi le yometiti sesẽwo me le eƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ katã me. (Korintotɔwo II, 11:23-27; 12:7) Gake ekpɔ be le Mawu ƒe ŋusẽ me la, yete ŋu do dzi. Egblɔ be: “Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me.”—Filipitɔwo 4:13.
Abe alesi Paulo ƒe kpɔɖeŋua fia ene la, menye nu ƒe amedzidede gbɔe wòtsona Kristotɔwo te ŋu doa dzi o. Abe Alps-towo dzi ti siwo te ŋu nɔa te ɖe yame ƒe nɔnɔme sesẽwo nu ƒe alafa gbogbowo ene la, míawo hã míate ŋu anɔ te sesĩe ne míeto ke le Kristo me eye míeɖoa ŋu ɖe ŋusẽ si Mawu nana la ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ne míedo dzi vaseɖe nuwuwu la, mía ŋutɔwo míate ŋu akpɔ Mawu ƒe ŋugbedodo sia me vava, esi nye: “Nye dukɔ atsi, abe alesi ati tsinae ene.”—Yesaya 65:22; Mateo 24:13.