Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Edo Dzi Vaseɖe Nuwuwu’

‘Edo Dzi Vaseɖe Nuwuwu’

‘Edo Dzi Vaseɖe Nuwuwu’

LE ƑE 1993 ƒe video aɖe si woɖe fia Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã ƒe dɔwɔla yeyewo me la, Lyman Alexander Swingle ɖe eƒe seselelãme ku ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu gblɔ be: “Wò dɔwɔfɔkpa nenɔ afɔ na wò nàku kplii!” *

Nɔviŋutsu Swingle, amesi xɔ ƒe 90, wɔ nusi tututu ƒe dzi wòde ƒo na ame bubuwo be woawɔ. ‘Edo dzi vaseɖe nuwuwu.’ (Mateo 24:13) Togbɔ be eƒe lãme menɔ kɔkɔm o hã la, ede Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuhaa, si me tɔ wònye, ƒe kpekpe le Kuɖa March 7 lia dzi. Le Braɖa si kplɔe ɖo dzi la, eƒe lãmegbegblẽa te ɖe edzi, eye le March 14 lia ƒe fɔŋli ga 4:26 me la, eƒe ɖɔkta gblɔ be eku.

Lyman Swingle dze subɔsubɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã gɔme le Brooklyn, New York, le April 5, 1930 dzi. Esubɔ le afima ƒe 71 kloe. Dɔwɔƒe gbãtɔ si woɖo Lyman ɖo enye agbalẽblaƒea, emegbe ɖe agbalẽtaƒe, eye ena kpekpeɖeŋu le aŋɔwɔƒea hã. Le nyateƒe me la, Nɔviŋutsu Swingle wɔ dɔ le aŋɔwɔƒea ƒe 25 lɔƒo. Azɔ hã enye dɔwɔƒegãa ƒe agbalẽŋɔŋlɔ dɔwɔƒea me tɔ ƒe 20 sɔŋ. Le eƒe agbenɔƒe 17 mamlɛawo me la, ewɔ dɔ le Gadzikpɔƒea.

Lyman nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe gbeƒãɖela si mevɔ̃na o. Le eƒe Brooklyn vava ƒe ƒe gbãtɔwo me la, woa kple amesi nɔ xɔ ɖeka me, Arthur Worsley, tsɔa Ðasefo aɖe ƒe tɔdziʋu yia Hudson Tɔsisia ƒe dzigbe. Wozãa nuƒomɔ̃wo tsɔ ɖea gbeƒã Fiaɖuƒegbedasia le ƒuta-duwo me kwasiɖanuwuwu geɖe.

Wodzi Nɔviŋutsu Swingle le November 6, 1910, dzi le Lincoln, Nebraska, gake le ema megbe kpuie la, woƒe ƒomea ʋu yi Salt Lake City, Utah. Le ƒe 1913 me la, edzilawo va zu Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye ŋkɔ si woyɔna na Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi. Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, nuƒola geɖe siwo tsoa Ðasefoawo ƒe Brooklyn dɔwɔƒegãa va dzea Swingle ƒomea gbɔ, eye ŋutsu siawo kpɔ ŋusẽ nyui ɖe Lyman dzi. Le ƒe 1923 me, esime wòxɔ ƒe 12 la, exɔ nyɔnyrɔ tsɔ wɔ eƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu ƒe dzesii.

Esi Lyman nɔ tre subɔ ƒe 26 kple edzivɔ sɔŋ le Brooklyn megbe la, eƒe agbe gava nyo ɖe edzi esime wòɖe Crystal Zircher le June 8, 1956 dzi. Tsi metoa wo dome o eye wokpɔa gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ɖekae vaseɖe esime Crystal ku le ƒe 1998 me. Anɔ abe ƒe etɔ̃ do ŋgɔ ene la, Crystal lé gbagbadɔ si wɔe be wòzu wɔametɔ keŋkeŋ. Alesi Lyman doa vevie nu le eyama gbɔ kpɔkpɔ me gbesiagbe la nye ɖokuitsɔtsɔna ƒe kpɔɖeŋu si wɔ dɔ ɖe amewo dzi, vevietɔ amesiwo kpɔa Lyman wònɔa bunɔkeke si me Crystal le tutum lɔlɔ̃tɔe le aƒe siwo ƒo xlã wo ƒe afɔtoƒewo wònɔa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! mam na amesiwo va le yiyim.

Nɔviŋutsu Swingle nye ŋutsu aɖe si meɣla naneke o, wònye vividoɖeameŋula si ƒe nya amesiwo nyae la lɔ̃na vevie ŋutɔ. Agbenɔnɔ kple Yesu Kristo le Dziƒofiaɖuƒea me ƒe mɔkpɔkpɔ si wotu ɖe Biblia dzi, si nɔ fofoa kple dadaa si kee nɔ eya hã si, eye kakaɖedzi le mía si be eƒe asi su mɔkpɔkpɔ sia dzi fifia.—Tesalonikatɔwo I, 4:15-18; Nyaɖeɖefia 14:13.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Nya sia gɔmee nye ame nayi eƒe dɔ wɔwɔ dzi vaseɖe esime wòaku.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Nɔviŋutsu Swingle wɔ dɔ le aŋɔwɔƒea ƒe 25 sɔŋ

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Tsi metoa Lyman kple Crystal dome o